Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amekawoe Atsi Agbe Le Yehowa Ƒe Ŋkekea Dzi?

Amekawoe Atsi Agbe Le Yehowa Ƒe Ŋkekea Dzi?

Amekawoe Atsi Agbe Le Yehowa Ƒe Ŋkekea Dzi?

“Ŋkeke, si gbɔna la, le bibim abe kpodzo ene.”—MALEAXI 3:19.

1. Aleke Maleaxi ɖɔ nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwui?

MAWU ƒe gbɔgbɔ ʋã nyagblɔɖila Maleaxi wòŋlɔ nu dziŋɔ siwo adzɔ le etsɔ si gbɔna kpuie me la ɖi. Nudzɔdzɔ siawo alɔ amesiame ɖe eme le anyigba dzi. Maleaxi 3:19 gblɔ ɖi be: “Kpɔ ɖa, ŋkeke, si gbɔna la, le bibim abe kpodzo ene; dadalawo katã kple nu vɔ̃ɖi wɔlawo katã anɔ abe gbe ƒuƒu ene, eye ŋkeke, si gbɔna la, afiã wo masusɔ ke kple alɔ ɖi na wo o, Yehowa Zebaot ye gblɔe.” Ðe woatsrɔ̃ nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia gbidia? Anye tsɔtsrɔ̃ gbidii ale gbegbe be ɖeko wòanɔ abe ati aɖee woho kple eƒe ke keŋkeŋ ene, ale be magadze ake gbeɖe o.

2. Aleke Ŋɔŋlɔ aɖewo ɖɔ Yehowa ƒe ŋkekeae?

2 Ðewohĩ àbia be, ‘ “Ŋkeke” ka ŋu nya gblɔm Maleaxi le ɖi?’ Ŋkeke si ŋu woƒo nu tsoe le Yesaya 13:9 la kee, si gblɔ be: “Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ŋkeke dziŋɔ la gbɔna, dziku kple dɔmedzoe heliheli, ne wòado gbegbe anyigba la, eye wòatsrɔ̃ nuvɔ̃wɔlawo ɖa le edzi.” Zefanya 1:15 na numeɖeɖe sia si gblɔ be: “Dɔmedzoedogbe, hiãgbe kple xaxagbee, aƒedoɖigbe kple nugblẽgbee, blukɔ kple vivitidogbee, alilikpo kple tsizidogbee.”

‘Xaxa Gã La’

3. Ŋkeke kae nye “Yehowa ƒe ŋkeke” la?

3 Le Maleaxi ƒe nyagblɔɖia ƒe emevava gãtɔ me la, “Yehowa ƒe ŋkeke” la nye ɣeyiɣi ƒe didime aɖe si me “xaxa gã” anɔ. Yesu gblɔ ɖi be: “Ɣemaɣi me xaxa gã lava, esi meva kpɔ tso xexeame ƒe gɔmedzedze vaseɖe egbegbe o, eye megale vava ge akpɔ o.” (Mateo 24:21) Wò ya bu xaxa, si gbegbe va xexeame dzi xoxo, vevietɔ tso ƒe 1914 me ŋu kpɔ. (Mateo 24:7-12) Ame miliɔn 50 kple edzivɔ sɔŋ ye ku le Xexemeʋa II ko me! Gake nusiwo “xaxa gã” la ahe vɛ aƒo kuxi siawo ta sasasã. Xaxa gã ma, si ganye Yehowa ƒe ŋkeke la, awu enu ɖe Harmagedon me, si ahe nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe ŋkeke mamlɛawo ava nuwuwui.—Timoteo II, 3:1-5, 13; Nyaɖeɖefia 7:14; 16:14, 16.

4. Ne Yehowa ƒe ŋkekea wu enu la, nukae adzɔ?

4 Kaka Yehowa ƒe ŋkeke ma nawu enu la, woatsrɔ̃ Satana ƒe xexea kple edzidelawo gbidii. Alakpasubɔsubɔ ɖesiaɖe anye nu gbãtɔ si woatsrɔ̃. Emegbe Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ava Satana ƒe dunyahehe kple asitsatsa nuɖoanyiwo dzi. (Nyaɖeɖefia 17:12-14; 19:17, 18) Xezekiel gblɔ ɖi be: “Woatsɔ woƒe klosalo aƒu gbe ɖe kpɔdomee, eye woabu woƒe sika ŋunyɔnui; woƒe klosalo kple sika maɖe wo le Yehowa ƒe dzikudogbe o.” (Xezekiel 7:19) Zefanya 1:14 gblɔ le ŋkeke ma ŋu be: “Yehowa ƒe ŋkeke gã la tu aƒe, etu aƒe, eye wòle du dzi ŋutɔ.” Le nya si Biblia gblɔ le Yehowa ƒe ŋkekea ŋu ta la, ele be míaɖoe kplikpaa be míanɔ agbe ɖe Mawu ƒe nudidi dzɔdzɔeawo nu.

5. Nukae amesiwo vɔ̃a Yehowa ƒe ŋkɔ la kpɔ?

5 Le nusi Yehowa ƒe ŋkekea ahe va Satana ƒe xexea dzi gbɔgblɔ ɖi megbe la, Maleaxi 3:20 ŋlɔ nya si Yehowa gblɔ be: “Dzɔdzɔenyenye ƒe ɣe, si ƒe aʋalawo me xɔxɔ le la, adze na mi, amesiwo vɔ̃a nye ŋkɔ la, eye miaho adzo anɔ kpo tim abe nyiviwoe do tso lãkpɔ me ene.” Yesu Kristoe nye “dzɔdzɔenyenye ƒe ɣe” la. Eyae nye ‘xexeame ƒe gbɔgbɔmekekeli.’ (Yohanes 8:12) Yesu le keklẽm le gbedada gome, gbã la, gbɔgbɔmegbedada, si teƒe kpɔm míele egbea, eye emegbe le xexe yeyea me la, ada míaƒe ŋutilã me dɔléle ɖesiaɖe. Abe alesi Yehowa gblɔe ene la, amesiwo ŋu woda gbe le ‘aho adzo anɔ kpo tim abe nyivi siwo dzi le dzɔdzɔm be woɖe yewo tso lãkpɔ me ene.’

6. Aʋadziɖuɖu ƒe aseyetsotso ka mee Yehowa subɔlawo akpɔ gome le?

6 Ke amesiwo tu afɔkpo Yehowa ƒe nudidiwo ya ɖe? Míexlẽ le Maleaxi 3:21 be: “[Mi Mawu subɔlawo] miafanya ame vɔ̃ɖiwo, ne woanye dzowɔ anɔ miaƒe afɔƒome le ŋkeke, si wɔ ge mala la dzi, Yehowa Zebaot ye gblɔe.” Mawu-subɔla siwo nye amegbetɔwo mawɔ akpa aɖeke le Satana ƒe xexea tsɔtsrɔ̃ me o. Ke boŋ “[woafanya] ame vɔ̃ɖiwo” le kpɔɖeŋumɔ nu to gomekpɔkpɔ le aʋadziɖuɖu ƒe aseyetsotso si akplɔ Yehowa ƒe ŋkekea ɖo me. Aseyetsotso gã aɖe kplɔ Farao ƒe aʋakɔwo tsɔtsrɔ̃ le Ƒudzĩa me ɖo. (Mose II, 15:1-21) Nenema ke aʋadziɖuɖu ƒe aseyetsotso gã aɖe akplɔ Satana kple eƒe xexea ɖeɖeɖa ɖo. Nuteƒewɔla siwo atsi agbe le Yehowa ƒe ŋkekea dzi ado ɣli be: “Mina míatso aseye, eye míakpɔ dzidzɔ le eƒe xɔname ŋu!” (Yesaya 25:9) Aseyetsotso ka gbegbee nye si wòanye ne woʋli Yehowa ƒe dziɖulanyenye ta eye wokɔ anyigba la ŋu be amewo nanɔ edzi le ŋutifafa me!

Kristodukɔa Wɔ Nu abe Israel-dukɔa Ene

7, 8. Ðɔ gbɔgbɔmenɔnɔme si me Israel-dukɔa nɔ le Maleaxi ŋɔli.

7 Amesiwo si amenuvevenɔƒe va su le Yehowa gbɔ la nye amesiwo subɔe, si to vovo tso amesiwo mesubɔe o gbɔ. Nenema kee wònɔ esime Maleaxi ŋlɔ eƒe agbalẽa. Le ƒe 537 D.M.Ŋ. me la, wogbugbɔ ɖo Israel ƒe ame susɔeawo te le ƒe 70 ƒe aboyomenɔnɔ le Babilon megbe. Gake le ƒe alafa ɖeka siwo kplɔe ɖo me la, dukɔ si wogbugbɔ ɖo te la gage ɖe xɔsegbegbe kple vɔ̃ɖinyenye me ake. Dukɔa me tɔ akpa gãtɔ nɔ vlo dom Yehowa ƒe ŋkɔ; nɔ eƒe se dzɔdzɔeawo dzi dam; nɔ ɖi ƒom eƒe gbedoxɔa to lã ŋkuagbãwo, lã ɖixɔdrɔ̃wo, kple lã lédɔwo tsɔtsɔ sa vɔe; kple woƒe ɖekakpui me srɔ̃wo gbegbe me.

8 Eyata Yehowa gblɔ na wo be: “Maɖi ʋɔnu ɖe mia ŋu, eye manye ɖasefo zãzɛ ɖe dzotɔwo kple ahasitɔwo, atam dzodzro kalawo kple amesiwo ŋea fetu ɖe eme na dɔwɔlawo, ɖe amesiwo tea ahosiwo, tsyɔ̃eviwo kple amedzrowo ɖe anyi, eye wogbem vɔvɔ̃ la ŋuti, . . . elabena nye Yehowa nyemetrɔ o.” (Maleaxi 3:5, 6) Ke hã Yehowa mia asi amesiame si atrɔ ɖa tso eƒe mɔ vɔ̃wo ŋu be: “Mitrɔ ɖe ŋunye, ekema nye hã matrɔ ɖe mia ŋu.”—Maleaxi 3:7.

9. Aleke Maleaxi ƒe nyagblɔɖia va eme gbãe?

9 Nya mawo hã va eme le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me. Yuda-dukɔa me tɔ sue aɖewo subɔ Yehowa eye wova zu Kristotɔ amesiaminawo ƒe “dukɔ” yeyea me tɔwo, siwo dome Trɔ̃subɔdukɔ me tɔwo hã va nɔ. Gake dzɔdzɔme Israel-dukɔa me tɔwo ƒe akpa gãtɔ gbe Yesu. Eyata Yesu gblɔ na Israel-dukɔ ma be: “Kpɔ ɖa, woagblẽ miaƒe aƒe ɖi na mi aƒedoe.” (Mateo 23:38; Korintotɔwo I, 16:22) Le ƒe 70 M.Ŋ. me la, ‘ŋkeke aɖe si le bibim abe kpodzo ene’ va dzɔdzɔme Israel-dukɔa dzi abe alesi Maleaxi 3:19 gblɔe ɖi ene. Wotsrɔ̃ Yerusalem kple eƒe gbedoxɔa, eye woka nya ta be dɔwuame, kplɔlanyenye ƒe ʋiʋli, kpakple Roma-srafowo ƒe amedzidzedze wu ame miliɔn ɖeka kple edzivɔ. Ke hã amesiwo subɔ Yehowa tsi agbe le xaxa ma me.—Marko 13:14-20.

10. Mɔ ka nue dukɔmeviwo kple subɔsubɔhakplɔlawo wɔ nu abe ƒe alafa gbãtɔ me Israel-dukɔa ene le?

10 Ameƒomea, eye vevietɔ Kristodukɔa, wɔ nu abe alesi ƒe alafa gbãtɔ me Israel-dukɔa wɔe ene. Kplɔlawo kple Kristodukɔ me tɔwo kpɔ ŋudzedze ɖe alakpasubɔsubɔ me dzixɔsewo ŋu wu Mawu ƒe nyateƒenya siwo Yesu va fia. Subɔsubɔhakplɔlawo koŋ dzie fɔɖiɖia le. Wogbe Yehowa ƒe ŋkɔ zazã, eye woɖee ɖa gɔ̃ hã le woƒe Biblia gɔmeɖeɖewo me. Wotsɔ nufiafia siwo menɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi o, abe trɔ̃subɔlawo ƒe nufiafia siwo nye funyafunyawɔame le dzomavɔ me, Mawuɖekaetɔ̃, luʋɔ makumaku, kple nɔnɔmetɔtrɔ ene, do vlo Yehowae. Ale wɔ woxɔ kafukafu si Yehowa dze na la le esi, abe alesi nunɔlawo wɔe le Maleaxi ŋɔli ene.

11. Aleke xexeame ƒe subɔsubɔhawo ɖe amesi tututu subɔm wole la fiae?

11 Esi ŋkeke mamlɛawo dze egɔme le ƒe 1914 me la, xexe sia me subɔsubɔhawo, siwo amesiwo be Kristotɔwoe yewonye nɔ ŋgɔ na la ɖe amesi tututu subɔm wole la fia. Le Xexemeʋa evea siaa wɔɣi la, wode dzi ƒo na woƒe hameviwo be woayi aʋa ɖe dukɔwo dome masɔmasɔwo ta, ne ebia be woawu woa ŋutɔwo ƒe hameviwo gɔ̃ hã. Mawu ƒe Nya ɖe amesiwo ɖoa to Yehowa kple amesiwo meɖoa toe o la fia kɔte: “Esia me mawuviwo kple abosamviwo dze ƒã le. Amesiame, si mewɔa nu dzɔdzɔe o, kple amesi ke melɔ̃a nɔvia o la, metso Mawu me o. Elabena esiae nye gbedasi, si miese tso gɔmedzedzea me la, bene míalɔ̃ mía nɔewo; menye abe Kain, si tso vɔ̃ɖitɔ la me, eye wòwu nɔvia la ene o.”—Yohanes I, 3:10-12.

Nyagblɔɖi si Le Eme Vam

12, 13. Nyagblɔɖi kawoe va eme ɖe Mawu ƒe subɔlawo dzi le mía ƒe ɣeyiɣia me?

12 Kaka Xexemeʋa I nawu enu le ƒe 1918 me la, Yehowa subɔlawo te ŋu kpɔe dze sii be Mawu bu fɔ Kristodukɔa kple alakpasubɔsubɔha susɔeawo katã. Tso ɣemaɣi vaseɖe fifia la, wole dzianukwaretɔwo yɔm be: “Mi amesiwo katã nye nye dukɔ la, mido go tso me, bene miagade ha kplii le eƒe nuvɔ̃wo me o, eye bena miagaxɔ eƒe fuwɔame ƒe ɖeke o; elabena eƒe nuvɔ̃wo kɔ yi ɖatɔ dziƒo, eye Mawu ɖo ŋku eƒe nu madzɔmadzɔ wɔwɔwo dzi.” (Nyaɖeɖefia 18:4, 5) Wote amesiwo di be yewoasubɔ Yehowa la ŋu kɔkɔ tso alakpasubɔsubɔ nuwɔna ɖesiaɖe me keŋkeŋ eye wodze gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe si woɖo anyi la ŋuti nyanyui la gɔme le xexeame katã, si nye dɔ si nu wòle be woawu hafi nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia nava nuwuwu.—Mateo 24:14.

13 Wole esia wɔm ale be nyagblɔɖi si le Maleaxi 3:23 la nava eme, afisi Yehowa gblɔ le be: “Kpɔ ɖa, madɔ nyagblɔɖila Eliya aɖo ɖe mi, hafi ne Yehowa ƒe ŋkeke gã dziŋɔ la nava ɖo.” Dɔ si Yohanes Amenyrɔɖetsimela, amesi tsi tre ɖi na Eliya, va wɔ lae nye nyagblɔɖi ma me vava gbãtɔ. Yohanes wɔ dɔ siwo ɖi Eliya tɔ esime wòna nyɔnyrɔ Yudatɔ siwo trɔ dzime tso nuvɔ̃ siwo wowɔ tsi tre ɖe Se ƒe nubablaa ŋu la me. Vevietɔ wu la, Yohanes nye Mesia la ƒe mɔtala. Gake Yohanes ƒe dɔa nye Maleaxi ƒe nyagblɔɖia me vava gbãtɔ ko. Esime Yesu nɔ nu ƒom tso Yohanes ŋu be eyae nye Eliya evelia la, eɖee fia be “Eliya” ƒe dɔ tɔgbe aɖe gali wòle be woawɔ le etsɔme.—Mateo 17:11, 12.

14. Dɔ vevi kae wòle be woawɔ hafi nuɖoanyi sia nawu enu?

14 Maleaxi ƒe nyagblɔɖia ɖee fia be ele be woawɔ Eliya ƒe dɔ vevi sia hafi “Yehowa ƒe ŋkeke gã dziŋɔ la” nava. Ŋkeke ma awu enu ɖe Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ, Harmagedon, si le aƒe tum vevie la me. Esia fia be nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu kple Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖu si le Yesu Kristo si woɖo zi dzi ƒe kpɔkplɔ te ƒe gɔmedzedze ava le dɔ aɖe si sɔ kple Eliya tɔ la wɔwɔ megbe. Eye abe alesi nyagblɔɖi ma gblɔe tututu ene la, hafi Yehowa natsrɔ̃ nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia la, egbegbe Eliya ƒe ha la, si wo hati Kristotɔ miliɔn geɖe siwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le le alɔ domee la, tsɔ dzonɔameme le tadedeagu dzadzɛ gbugbɔɖoanyi ƒe dɔ la wɔm, le Yehowa ƒe ŋkɔ dom ɖe dzi, eye wole Biblia ƒe nyateƒea fiam amesiwo ƒe nɔnɔme ɖi alẽwo.

Yehowa Le Esubɔlawo Yram

15. Aleke Yehowa ɖoa ŋku esubɔlawo dzii?

15 Yehowa yraa amesiwo subɔnɛ. Maleaxi 3:16 gblɔ be: “Ale Yehowa-vɔ̃lawo gblɔ le wo nɔeawo dome enye si: Yehowa ɖo to see, eye wòŋlɔ ŋkuɖodzigbalẽ le eŋku me na Yehowa-vɔ̃lawo kple amesiwo léa ŋku ɖe eƒe ŋkɔ ŋu la.” Tso Abel dzi la, Mawu le ame siwo dzi wòaɖo ŋkui ahana agbe mavɔ wo la ƒe ŋkɔwo ŋlɔm ɖe agbalẽ me le kpɔɖeŋumɔ nu. Yehowa gblɔ na amesiawo be: “Mihe nuwo ƒe ewoliawo katã yi nudzraɖoƒe la, ne woanye nuɖuɖu le aƒenye me; mitsɔ esia dom kpɔ [be] nyemaʋu dziƒo nu, eye nyemadudu yayra aƒo ɖe mia dzi wòagbɔ eme o hã?”—Maleaxi 3:10.

16, 17. Aleke Yehowa yra eƒe amewo kple woƒe dɔe?

16 Le nyateƒe me la, Yehowa yra amesiwo nye esubɔlawo. Le mɔ ka nu? Mɔawo dometɔ ɖekae nye eƒe tameɖoɖowo gɔmesese geɖe wu si su wo si. (Lododowo 4:18; Daniel 12:10) Bubue nye alesi wòna gbeƒãɖeɖedɔ si wɔm wole la le ku tsemee wòwɔ nuku ale gbegbe. Dzianukwaretɔ geɖe va le kpekpem ɖe wo ŋu le tadedeagu dzadzɛa me, eye amesiawo katã va nye “ameha gã, . . . [siwo] tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me, le tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ kple alẽvi la ƒe ŋku me, . . . eye wodo ɣli kple gbe gã le gbɔgblɔm bena: Xɔname nanye mía Mawu, si bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi, kple alẽvi la tɔ!” (Nyaɖeɖefia 7:9, 10) Ameha gã sia ɖe dzesi le nukumɔ aɖe nu, eye amesiwo le Yehowa subɔm dzonɔamemetɔe la ƒe agbɔsɔsɔ ɖo ame miliɔn ade kple edzivɔ le hame 93,000 me le xexeame godoo fifia!

17 Yehowa ƒe yayra gaɖe dzesi le mɔ sia nu be Yehowa Ðasefowoe ta Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo woma le ŋutinya katã me wu ɖesiaɖe. Fifia la, míetaa Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazine ɖekaɖeka miliɔn 90 ɣleti sia ɣleti, Gbetakpɔxɔ ɖe gbegbɔgblɔ 144 me eye Nyɔ! ɖe gbegbɔgblɔ 87 me. Míema Biblia-srɔ̃gbalẽ si nye Nyateƒe, Si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Mee, si wota le ƒe 1968 me, miliɔn 107 kple edzivɔ sɔŋ le gbegbɔgblɔ 117 me. Wota agbalẽ si nye Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi, si woɖe ɖe go le ƒe 1982 me, miliɔn 81 kple edzivɔ ɖe gbegbɔgblɔ 131 me. Agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me, si woɖe ɖe go le ƒe 1995 me la ɖo miliɔn 85 xoxo eye wòle gbegbɔgblɔ 154 me. Míema agbalẽ gbadza si nye Nukae Mawu Di tso Mía Si?, si wota le ƒe 1996 me ɖe gbegbɔgblɔ 244 me la ƒe agbɔsɔsɔ miliɔn 150 xoxo.

18. Nukatae míekpɔa dzidzedze le gbɔgbɔ me togbɔ be wotiaa mía yome hã?

18 Gbɔgbɔmedzidzedze sia su mía si togbɔ be Satana ƒe xexea tiaa mía yome kutɔkutɔe ɣeawokatãɣi hã. Esia ɖe Yesaya 54:17 me nyawo ƒe nyateƒenyenye fia be: “Lãnu sia lãnu, si wotu ɖe ŋuwò la, madze edzi o, eye àbu fɔ aɖe, siwo katã tso ɖe ŋuwò le ʋɔnu. Esia nye Yehowa ƒe dɔlawo ƒe domenyinu, eye woƒe dzɔdzɔenyenye tso gbɔnye, Yehowa ye gblɔe!” Aleke gbegbe wòfaa akɔ na Yehowa subɔlawoe nye si be wonya be Maleaxi 3:17 me nyawo ƒe emevava gãtɔ le eme vam ɖe yewo dzi be: “Woawoe azu tɔnye le ŋkeke, si wɔ ge mala la dzi, Yehowa Zebaot ye gblɔe, eye makpɔ wo ta, abe alesi ŋutsu kpɔa via, si subɔnɛ ta ene.”

Yehowa Subɔsubɔ Kple Dzidzɔ

19. Aleke amesiwo subɔa Yehowa to vovo le amesiwo mesubɔnɛ o la gbɔe?

19 Wona vovototo si le Yehowa subɔla nuteƒewɔlawo kple ame vɔ̃ɖi siwo le Satana ƒe xexea me dome le dzedzem kɔte gbawotsyogbe. Maleaxi 3:18 gblɔ ɖi be: “Miagakpɔ vovo, si le ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi dome, kple vovo, si le mawusubɔla kple amesi mesubɔnɛ o la dome.” Vovototo gbogboawo dometɔ ɖekae nye be amesiwo subɔa Yehowa la subɔnɛ kple dzidzɔ. Susu siwo ta wòle alea dometɔ ɖekae nye mɔkpɔkpɔ wɔnuku si le wo si. Woka ɖe Yehowa dzi bliboe esime wògblɔ be: “Mawɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye, eye womagaɖo ŋku tsãtɔwo dzi, alo woava ame ƒe ta me o; ke boŋ miakpɔ dzidzɔ, eye miatso aseye ɖaa le nusi mawɔ la ŋuti.”—Yesaya 65:17, 18; Psalmo 37:10, 11, 29; Nyaɖeɖefia 21:4, 5.

20. Nukatae míenye dzidzɔmewo?

20 Míeka ɖe ŋugbe si Yehowa do be yeƒe ame siwo wɔ nuteƒe atsi agbe le yeƒe ŋkekea dzi eye yeakplɔ wo ayi xexe yeyea me la dzi vevie. (Zefanya 2:3; Nyaɖeɖefia 7:13, 14) Eye togbɔ be le tsitsi, dɔléle, alo afɔku ta ame aɖewo aku hafi ɣemaɣi naɖo hã la, Yehowa na kakaɖedzi mí be yeafɔ wo ɖe tsitre ahana agbe mavɔ wo. (Yohanes 5:28, 29; Tito 1:2) Eyata togbɔ be mí katã míedzea ŋgɔ kuxiwo kple nyaƒoɖeamenuwo hã la, míelɔ̃ ɖe edzi be esi míele Yehowa ƒe ŋkeke sia lalam la, susuwo le mía si siwo ta wòle be míanye amesiwo dzi dzɔna wu le anyigba katã dzi.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Ŋkeke kae nye “Yehowa ƒe ŋkeke” la?

• Aleke xexeame ƒe subɔsubɔhawo wɔ nu abe blema Israel-dukɔa enee?

• Nyagblɔɖi kawoe le eme vam ɖe Yehowa subɔlawo dzi?

• Aleke Yehowa yra eƒe amewoe?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Yerusalem si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ‘bi abe kpodzo ene’

[Nɔnɔmetata siwo le axa 23]

Yehowa kpɔa amesiwo subɔnɛ la ƒe nuhiahiã gbɔ

[Nɔnɔmetata siwo le axa 24]

Le mɔkpɔkpɔ wɔnuku si le Yehowa ƒe subɔlawo si ta la, dzi le wo dzɔm vavã