Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amesiame Ate Ŋu Azu Nuwɔametɔ

Amesiame Ate Ŋu Azu Nuwɔametɔ

Amesiame Ate Ŋu Azu Nuwɔametɔ

ASRAFOWO lé Christian si le Afrika-dukɔ aɖe me sesẽe hezi edzi be wòaɖo asrafohaa me, gake ègbe le eƒe dzitsinya si wòtsɔ Biblia na hehee ta. Emegbe asrafoawo kplɔe yi asaɖa aɖe mee afisi woƒoe le ŋkeke ene sɔŋ eye wo dometɔ ɖeka da tu afɔ nɛ. Christian dze agbagba yi kɔ aɖe dzi gake ele be woalã afɔ nɛ. Le Afrika-dukɔ bubu me la, asrafo dzeaglãwo ɖoe lã abɔ alo afɔ na ɖeviwo gɔ̃ hã. Eye tso Cambodia yi Balkan-nutowo me, tso Afghanistan yi Angola la, tomebɔmbwo le nuvevi wɔm ɖeviwo kple ame tsitsiwo hele wo wɔm nuwɔametɔwo yakatsyɔe.

Nusi gale nu gblẽm ŋutɔe nye afɔkuwo kple dɔléle abe suklidɔ ene. Aɖiwo ƒe nutowo me xɔxɔ gɔ̃ hã ate ŋu awɔ amewo nuwɔametɔwoe. Le kpɔɖeŋu me wodzi ɖevi gbogbo aɖewo siwo abɔ ɖeka meli na o le du siwo te ɖe Ɣedzeƒe Europa dugã aɖe ŋu me. Abɔ takpoe siwo gbɔ abɔklugui nu vie koe le wo si. Ðaseɖiɖiwo fia be aɖie gblẽ nu le woƒe domenyiŋusẽfianu ŋu. Abɔ kple afɔwo le ame gbogbo aɖewo ŋu gake wozu nuwɔametɔwo le tutudɔ alo dɔléle bubuwo ƒe amedzidzedze ta. Le nyateƒe me la, amesiame ate ŋu azu nuwɔametɔ bɔbɔe.

Nuka ke gbɔ woɖatso o, nuwɔametɔ zuzu ate ŋu aɖe fu na ame ŋutɔ. Wolã miafɔ na Junior esime wòxɔ ƒe 20. Egblɔ emegbe be: “Seselelãmekuxi geɖe ɖe fu nam vevie. Mefa avi vevie le esi afɔ magaɖo asinye akpɔ o ta. Nyemenya nuka mawɔ o. Ðeko metɔtɔ.” Ke hã le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Junior va trɔ kura. Ete Biblia sɔsrɔ̃, eye menye nusiwo akpe ɖe eŋu wòanɔ te ɖe enu koe wòsrɔ̃ o ke nusiwo wòsrɔ̃ la na mɔkpɔkpɔ wɔnuku ku ɖe etsɔme si me dzidzɔ anɔ le anyigba sia dzi va su esi. Ne nuwɔametɔe nènye la, àdi be mɔkpɔkpɔ ma nasu ye sia?

Ne nenemae la, ke taflatse xlẽ nyati si kplɔ esia ɖo. Míekafui na wò be nàxlẽ mawunyakpukpui siwo wofia asie la le wò ŋutɔ wò Biblia me be wò ŋutɔ nàkpɔ nusiwo Wɔla la dzra ɖo ɖi na amesiwo srɔ̃a nu tso eƒe tameɖoɖowo ŋu henɔa agbe ɖe wo nu la.