Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Lɔlɔ̃ Na Yehowa Ƒaƒã Ðe Mía Viwo Ƒe Dzi Me

Lɔlɔ̃ Na Yehowa Ƒaƒã Ðe Mía Viwo Ƒe Dzi Me

Agbemeŋutinya

Lɔlɔ̃ Na Yehowa Ƒaƒã Ðe Mía Viwo Ƒe Dzi Me

ABE ALESI WERNER MATZEN GBLƆE ENE

Ƒe aɖewo va yi la, Vinyeŋutsu tsitsitɔ, Hans Werner, na Bibliam. Eŋlɔ ɖe akpaa dzi be: “Fofo lɔlɔ̃tɔ, Yehowa ƒe Nya neyi edzi wòanɔ míaƒe ƒomea kplɔm le agbemɔa dzi. Akpe geɖe na mi, viwòŋutsu tsitsitɔ.” Dzilawo ase alesi nya mawo na akpedada kple dzidzɔ geɖe yɔ nye dzimee la me. Ɣemaɣi la, nyemenya kuxi siwo ƒomevi me to ge míaƒe ƒomea gbɔna o.

WODZIM le ƒe 1924 me le Halstenbek, si didi kilometa 20 aɖewo tso Germany melidzeƒe si le Hamburg gbɔ, eye danye kple tɔgbuinyee nyim metsi. Esi mesrɔ̃ gbededɔ vɔ la, wohem de Wehrmacht, si nye asrafohawo la me le ƒe 1942 me. Nusi me meto le aʋagbedzi le Xexemeʋa II wɔɣi esime míekpe aʋa kple Russiatɔwo la mele gbɔgblɔ o. Ŋudza sesẽ aɖe va ɖe fu nam, gake le dɔa dada megbe la, wogaɖom ɖe aʋagbea dzi ake. Le January 1945 me la, menɔ Lodz, Poland, afisi mexɔ abi le vevie eye woxɔm ɖe asrafowo ƒe kɔdzi. Afimae menɔ vaseɖe esime aʋaa ke. Ɣeyiɣi su asinye mede ŋugble le nuwo ŋu esi menɔ kɔa dzi kple emegbe esi meva nɔ asaɖaa me le Neuengamme. Biabia siawo nɔ fu ɖem nam be, Ðe Mawu aɖe li vavãa? Ne eli la, ke nukatae wòɖe mɔ ŋutasesẽ bɔ alea gbegbe?

Esi wòɖe asi le ŋunye le asaɖaa me, le September 1947 me megbe teti la, meɖe Karla. Du ɖeka mee míenɔ tsi, gake togbɔ be Karla nye Katolikotɔ hã la, nye ya womenyim kple mawusubɔsubɔ o. Nunɔla si kpɔ míaƒe srɔ̃ɖewɔnawo dzi ɖo aɖaŋu na mí be míanɔ Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa ya teti dom ɖa ɖekae fiẽ sia fiẽ. Míewɔ ɖe eƒe nyaa dzi, evɔ míehenya nusi tututu biam míenɔ le gbedodoɖaa me o.

Le ƒe ɖeka megbe la, míedzi Hans Werner. Le ɣeyiɣi ma ke me lɔƒo la, nye dɔwɔhati Wilhelm Ahrens gblɔ Yehowa Ðasefowo ŋu nya nam. Efiam le Biblia me be aʋawɔwɔwo nu ava tsi gbeɖeka. (Psalmo 46:10) Le ƒe 1950 ƒe kele me la, metsɔ nye agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa hexɔ nyɔnyrɔ. Dzidzɔ ka gbegbee nye si wònye nam esime srɔ̃nye lɔlɔ̃a hã xɔ nyɔnyrɔ le ƒe ɖeka megbe!

Ðeviwo Nyinyi le Yehowa ƒe Mɔwo Nu

Mexlẽe le Biblia me be Yehowae ɖo srɔ̃ɖeɖe anyi. (Mose I, 1:26-28; 2:22-24) Mía viwo—Hans Werner, Karl-Heinz, Michael, Gabriele, kple Thomas—siwo ƒe dzidzi teƒe mekpɔ do ŋusẽm meɖoe kplikpaa be manye srɔ̃ŋutsu kple vifofo nyui. Mía viawo dometɔ ɖesiaɖe dzidzi do dzidzɔ na mía kple Karla ale gbegbe.

Yehowa Ðasefowo ƒe ƒe 1953 takpekpe si wowɔ le Nuremberg la nye ɣeyiɣi vevi aɖe na míaƒe ƒomea. Le Fiɖa ŋdɔ esime wonɔ nuƒo si nye “Ðeviwo Nyinyi le Xexeme Yeye Habɔbɔa Me” ƒom la, nuƒolaa gblɔ nya aɖe si míeŋlɔ be kpɔ o: “Domenyinu gãtɔ kekeake si míate ŋu ana mía viwo enye Mawu subɔlanyenye ƒe dzodzro si míaƒã ɖe wo me.” To Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, mía kple Karla míedii be míawɔ ema. Gake alekee míawɔe?

Gbã la, míena ƒome bliboa ƒe gbedodoɖa ɖekae gbesiagbe zu numame na mí. Ema na ɖeviawo kpɔ vevienyenye si le gbedodoɖa ŋu la dze sii. Ðeviawo dometɔ ɖesiaɖe srɔ̃e tso eƒe ɖevime be ɖe míedoa gbe ɖa hafi ɖua nu ɣesiaɣi. Esime wonye vidzĩwo gɔ̃ hã la, ne wonya kpɔ woƒe nuɖuɖu ko la, wobɔbɔa woƒe ta sueawo hemiaa woƒe asi viawo. Ɣeaɖeɣi la, wokpe mí yi srɔ̃nye ƒometɔ aɖe, si menye Ðasefo o, ƒe srɔ̃kpeƒe. Le wɔnaa megbe la, ŋugbetɔa dzilawo kpe amedzroawo yi aƒemee hena nu ɖuɖu. Ðeko amesiame di be yeadze nua dzi kpla aɖu. Gake mía vi, Karl-Heinz, si xɔ ƒe atɔ̃ la, mesee le eɖokui me be esia sɔ o. Egblɔ be: “Taflatse mido gbe ɖa gbã.” Amedzroawo trɔ kpɔe, trɔ kpɔ mí, eye wotrɔ kpɔ kplɔ̃a ɖola mlɔeba. Be ŋu nagakpe ame aɖeke o la, mebia be mado akpedagbe ɖa ɖe nuɖuɖua ta, eye kplɔ̃a ɖola lɔ̃ ɖe edzi.

Nudzɔdzɔa ɖo ŋku Yesu ƒe nyawo dzi nam be: “Ðeviwo kple vi nonowo ƒe nu me nèdzra kafukafu ɖo.” (Mateo 21:16) Míeka ɖe edzi be míaƒe gbedodoɖa tso dzi me edziedzi kpe ɖe ɖeviawo ŋu be woabu Yehowa woƒe Dziƒofofo lɔlɔ̃tɔe.

Dɔ si Yehowa De Mía Si

Ðeviwo fiafia be woalɔ̃ Mawu bia eƒe Nya xexlẽ kple esɔsrɔ̃ edziedzi hã. Esi esia le susume na mí ta la, míewɔa ƒome-nusɔsrɔ̃ kwasiɖa ɖesiaɖe, le Dzoɖa fiẽwo koŋ. Esi wònye ƒe asiekee mía vi tsitsitɔ tsɔ tsii wu suetɔe ta la, woƒe hiahiãwo le vovovo, eyata míete ŋu wɔa nusɔsrɔ̃ ɖeka kpli wo katã ɣesiaɣi o.

Le kpɔɖeŋu me, míenaa nusɔsrɔ̃a nɔa bɔbɔe na ɖevi siwo medze suku gɔme haɖe o la. Karla dzroa mawunyakpukpui ɖeka aɖe ko me kpli wo, alo zãa Biblia-srɔ̃gbalẽwo me nɔnɔmetatawo. Megaɖoa ŋku alesi ɖevi suetɔwo tsɔa nɔnɔmetata siwo nyakpɔna na wo wu le agbalẽ si nye The New World  * me ɖe asi va lia míaƒe aba henyɔa mí ŋdi kanyaa be yewoatsɔ wo afia mí la dzi.

Karla srɔ̃ alesi wòatsɔ dzigbɔɖi afia nu ɖeviawo tso susu geɖe siwo ta wòle be mí katã míalɔ̃ Yehowa ɖo la ŋu. Ema aɖi nusi wɔwɔ le bɔbɔe hele tẽ gake, le nyateƒe me, le ŋutilã me kple seselelãme gome la, ede sɔsɔ ge kple ɣeyiɣiawo katã ƒe ŋutilã me dɔ na mía kple Karla siaa. Gake míena ta o. Míedi be míaƒã lɔlɔ̃ na Yehowa ɖe woƒe dzi fɛawo me hafi ame bubu siwo menya Yehowa o la nate ŋusẽ kpɔkpɔ ɖe wo dzi. Le susu sia ta, míekpɔ egbɔ be ne mía viawo te anyinɔnɔ teti ko la wokpɔa gome le ƒome-nusɔsrɔ̃ me.

Abe dzilawo ene la, mía kple Karla míekpɔ vevienyenye si le kpɔɖeŋu nyuitɔ ɖoɖo na mía viwo le tadedeagu gome ŋu la dze sii. Eye ne nu ɖumee míele o, abɔ mee míele dɔ wɔm le o, alo tsa ɖimee míele o, míedzea agbagba be míado ŋusẽ mía viawo dometɔ ɖesiaɖe ƒe ƒomedodo kple Yehowa. (Mose V, 6:6, 7) Míekpɔ egbɔ be Biblia le ɖeviawo dometɔ ɖesiaɖe si tso eƒe ɖevime ke. Gakpe ɖe eŋu hã, ne míenya xɔ magazineawo ko la, meŋlɔa ƒomea me tɔ ɖesiaɖe ƒe ŋkɔ ɖe eya ŋutɔ tɔ dzi. Esia wɔnɛ be ɖeviawo te ŋu kpɔa woa ŋutɔwo ƒe agbalẽwo dzea sii. Míeva ɖoe be míanɔ Nyɔ! me nyati aɖewo dem asi na ɖeviawo ne woaxlẽ. Le míaƒe Kwasiɖagbe ŋdɔnuɖuɖu megbe la, woɖea alesi wose nyatia mee me na mí.

Beléle si Ðeviawo Hiã la Tsɔtsɔ na Wo

Le nyateƒe me la, nuwo mezɔ tẽ ɣesiaɣi o. Esi ɖeviawo le tsitsim la, míeva kpɔe be lɔlɔ̃ ƒaƒã ɖe woƒe dzi me bia be míanya nusiwo le dzime na wo xoxo. Esia bia toɖoɖo wo. Mía viawo sena le wo ɖokui me ɣeaɖewoɣi be nya aɖe le yewo si yewodi be yewoagblɔ, eyata mía kple Karla míenɔa anyi kpli wo heƒoa nu tso eŋu. Míeva ɖoe be le ƒome-nusɔsrɔ̃ megbe la, míatsɔ gaƒoƒo afã akpɔ esiawo gbɔe. Amesiame kpɔ mɔ agblɔ nusianu si le fu ɖem nɛ la faa.

Le kpɔɖeŋu me, mía vi suetɔwo, Thomas kple Gabriele, se le wo ɖokui me be mí dzilawo míenɔa yewo fo dzi dem. Ɣeaɖeɣi la, wogblɔ tẽ be: “Papa, míebui be mia kple Dada míeɖea mɔ na Hans Werner wòwɔa nusianu si dze eŋu.” Gbã la, ewɔ nuku nam ŋutɔ. Gake, le ŋugbledede le nyaa ŋu nyuie megbe la, eva hiã be mía kple Karla míalɔ̃ ɖe edzi be ɖeviawo tɔ dzɔ. Eyata míedze agbagba geɖe hewɔa nu kple ɖeviawo katã sɔsɔe.

Ɣeaɖewoɣi la, mehea to na ɖeviawo dzimagbɔɖitɔe alo madzemadzee. Ne edzɔ nenema la, eva hiãna be mí dzilawo míaɖe kuku na wo. Le ema megbe la, míedoa gbe ɖa na Yehowa. Ele vevie be ɖeviawo nanyae be yewo fofo le klalo be yeagblɔ na Yehowa be yewodze agɔ le yewo, mía viawo dzi. Esia wɔe be dzidzɔ kple xɔlɔ̃wɔwɔ ƒe ƒomedodo nɔ mía kpli wo dome. Wogblɔna na mí zi geɖe be, “Miawoe nye mía xɔlɔ̃ veviwo.” Ema naa dzi dzɔa mí.

Dɔwɔwɔ ɖekae le ƒomea me naa ɖekawɔwɔ nɔa anyi. Be míate ŋu awɔ esia la, aƒemedɔ le amesiame si wòwɔna. Hans Werner ye yina fiasewo me zi ɖeka le kwasiɖaa me ɖaƒlea nuzazãwo, eye zi geɖe la, míeŋlɔa nusiwo wòaƒle la ɖe agbalẽ dzi nɛ hetsɔa ga kpena ɖe eŋu. Kwasiɖaa aɖe me la, míetsɔ ga aɖeke kple nusiwo wòaƒle ƒe nuŋlɔɖi nɛ o. Eyi ɖabia nusitae la dada, eye wògblɔ nɛ be gae menɔ mía si ɣemaɣi o. Ðeviawo te dalĩdodo le wo nɔewo dome, eye wo dometɔ ɖesiaɖe yi ɖatsɔ eƒe gaɖaka vɛ hetrɔ ga si le eme la ɖe kplɔ̃ dzi. Wogblɔ be, “Dada, míate ŋu ayi asia me azɔ!” Ẽ, ɖeviawo srɔ̃e be ele be yewoana kpekpeɖeŋu le hiahiã kpatawo me, eye ema te ƒomea ƒoƒui wu.

Esi ŋutsuviawo le tsitsim la, nyɔnuviwo ƒe nu va te wo ŋu nyonyo. Le kpɔɖeŋu me, hati Ðasefo, ƒe 16 vi, aɖe ƒe nu va lé dzi na Thomas vevie. Meɖe eme nɛ be ne eka ɖe edzi be yelɔ̃e tututu la, ele be wòadzra ɖo ɖe eɖeɖe ŋu ahatsɔ srɔ̃nyɔnu kple ɖeviwo dzi kpɔkpɔ ƒe agbanɔamedzi la. Thomas kpɔe be yemesu te na srɔ̃ɖeɖe o elabena ƒe 18 koe wòxɔ.

Ƒomea Me Tɔwo ƒe Ŋgɔyiyi Wɔwɔ

Esi ɖeviawo mekpɔ tsi kura haɖe o la, woŋlɔ ŋkɔ ɖe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me ɖekaɖeka. Míeɖoa to nyuie ne wole woƒe dɔdasiwo wɔm, eye edea dzi ƒo na mí elabena míekpɔa lɔlɔ̃ si le ɖeviawo ŋutɔ si na Mawu. Nutome sue kple nutome gã dzikpɔla siwo va dzea mía gbɔ ɣeaɖewoɣi la gblɔa woa ŋutɔwo ƒe nuteƒekpɔkpɔ alo xlẽa Biblia me nudzɔdzɔwo na mí. Ŋutsu siawo kple wo srɔ̃wo na lɔlɔ̃ na ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ɖo míaƒe ƒomea me tɔwo ƒe dzi me.

Míekpɔa mɔ na takpekpewo vevie. Wowɔ akpa vevi aɖe le agbagba si dzem míenɔ be míaƒã Mawu subɔlanyenye ƒe dzodzro ɖe mía viwo me la me. Le ɖeviawo gome la, enyea dzidzɔ na wo ale gbegbe be yewoade yewoƒe akɔtagbalẽviwo hafi adze mɔ ayi takpekpea me. Esi Hans Werner xɔ nyɔnyrɔ esime woxɔ ƒe ewo la, ewɔ dɔ ɖe mía dzi ale gbegbe. Ame geɖe bui be metsi aɖe adzɔgbe na Yehowa o, gake esi woxɔ ƒe 50 la, egblɔ alesi wònye dzidzɔ nɛ be yele Yehowa subɔm ƒe 40 enye ma la nam.

Míefia mía viwo be ame ŋutɔ ƒe ƒomedodo kple Yehowa le vevie, gake míezii ɖe wo dzi be woaɖe adzɔgbe o. Ke hã dzi dzɔ mí esime mamlɛawo hã yi ŋgɔ ɖo nyɔnyrɔxɔxɔ gbɔ le woa ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi.

Míesrɔ̃ Alesi Míada Míaƒe Agbawo Ðe Yehowa Dzii

Dzi dzɔ mí ŋutɔ esime Hans Werner do le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku ƒe klass 51 lia le ƒe 1971 me, eye woɖoe ɖe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔƒe le Spain. Ðevi mamlɛawo hã tsɔ ɣeyiɣi aɖewo wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔae ɖeka, ɖeka, si na mí dzilawo míekpɔ dzidzɔ ŋutɔ. Ɣeyiɣi sia me lɔƒoe Hans Werner na Biblia si ƒe nya megblɔ le nyati sia ƒe gɔmedzedze lam. Edze abe míaƒe ƒomea ƒe dzidzɔkpɔkpɔ de blibo ene.

Emegbe míede dzesii be ehiã be míalé ɖe Yehowa ŋu sesiẽ wu. Nukatae? Elabena míekpɔe be mía vi tsitsiawo dometɔ aɖewo ɖo kuxi siwo do woƒe xɔse kpɔ vevie la me. Le kpɔɖeŋu me, xaxa sesẽwo va mía vinyɔnu lɔlɔ̃a Gabriele dzi. Le ƒe 1976 me la, woa kple Lothar woɖe wo nɔewo. Srɔ̃aŋutsua va dze dɔ le srɔ̃kpekpea megbe kpuie. Gbɔdzɔgbɔdzɔm ko wònɔ ɖe edzi eye Gabriele nɔ edzi kpɔm ʋu vaseɖe esime wòku. Ƒomea me tɔ si le sesĩe ƒe dɔdzedze kple ku teƒekpɔkpɔ na míekpɔ alesi gbegbe míehiã Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu lɔlɔ̃tɔe la dze sii.—Yesaya 33:2.

Yehowa ƒe Habɔbɔa me Mɔnukpɔkpɔwo

Esime woɖom hamesubɔlae (si woyɔna egbea be dzikpɔla zimenɔla) le ƒe 1955 me la, nyemebui be medze na agbanɔamedzi ma tsɔtsɔ o. Ebia dɔ geɖe wɔwɔ, eye mɔ si ko dzi mato awɔe enye be mafɔ fɔŋli ga ene ɣeaɖewoɣi awɔ wo. Srɔ̃nye kple ɖeviawo na kpekpeɖeŋu geɖem eye wokpɔa egbɔ be yewomaɖe fu nam le fiẽ siwo me nuwo gale dzinye wòle be mawɔ o.

Ke hã abe ƒome ene la, míewɔa vovoɣi si sua mía si la ŋudɔ ɖekae alesi wòanya wɔ. Ɣeaɖewoɣi la, nye dɔtɔ naa mezãa eƒe ʋu ale be mekplɔa ƒomea ɖaɖia tsae. Evivia ɖeviawo nu ne míeɖaɖi tsa le aveme hezã mɔnukpɔkpɔa srɔ̃ Gbetakpɔxɔ le avea me. Azɔ hã mí katã míekpɔa gome le tolialia me ɖekae eye ne míele aveawo me tom ɣeaɖewoɣi la, meƒoa saŋku henɔa ha dzim.

Le ƒe 1978 me la, woɖom nutome sue dzikpɔla teƒenɔlae (subɔla mɔzɔla). Ewɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe be medo gbe ɖa be: “Yehowa, nyemeka ɖe edzi be mate ŋu awɔe o. Gake ne èdi be matee kpɔ la, ekema madze agbagba ɖesiaɖe si mate ŋui.” Ƒe eve megbe, le nye ƒe 54 xɔxɔ me la, meɖe asi le nye dɔwɔƒe suea ŋu na mía viŋutsu suetɔ, Thomas.

Mía viwo katã tsi, si na mɔnukpɔkpɔ mía kple Karla be míawɔ geɖe na Yehowa. Le ƒe ma ke me la, woɖom nutome sue dzikpɔlae hede Hamburg ƒe akpa aɖe kple Schleswig-Holstein bliboa dzi kpɔkpɔ asi nam. Le nuteƒekpɔkpɔ si su mía si le ƒomedzikpɔkpɔ me ta la, míete ŋu ɖe nugɔmesese geɖe fia dzilawo kple wo viwo. Nɔviawo dometɔ geɖe yɔa mí be yewoƒe nutome sue dzilawo.

Le nutome sue dɔa wɔwɔ kplim ƒe ewo megbe la, eva hiã be woawɔ dɔ na Karla. Eye le ƒe ma ke me la, atikewɔlawo kpɔe be nu te ahɔhɔ̃ me nam. Eyata meɖe asi le nutome sue dzikpɔla dɔa ŋu eye wowɔ dɔ le ahɔhɔ̃ me nam. Exɔ ƒe etɔ̃ hafi megate ŋu wɔ nutome sue dzikpɔla teƒenɔla ƒe dɔ. Mía kple Karla míele míaƒe ƒe 70-awo me fifia, eye míegale mɔzɔzɔdɔa wɔm o. Yehowa kpe ɖe mía ŋu míekpɔe be viɖe aɖeke manɔ mɔnukpɔkpɔ aɖe si ŋudɔ nyemate ŋu awɔ o la léle ɖe asi goŋgoŋ me o.

Ne mía kple Karla míenye kɔ kpɔ megbe la, míedaa akpe na Yehowa ɖe kpekpeɖeŋu si wòna mí le nyateƒea ƒe lɔlɔ̃ ƒaƒã ɖe mía viwo ƒe dzime la ta. (Lododowo 22:6) Le ƒe siwo katã va yi me la, Yehowa fia mɔ hena hehe mí, si kpe ɖe mía ŋu míetsɔ míaƒe agbanɔamedziwo. Togbɔ be míetsi eye ŋusẽ megale mía ŋu o hã, míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa ya le yeye hele agbe abe alesi wòle tso gbaɖegbe ke ene.—Romatɔwo 12:10, 11.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 15 Yehowa Ðasefowoe tae, gake megali fifia o.

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Míaƒe ƒomea, míele zɔzɔm le Elbe-tɔsisia to le Hamburg, 1965

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Ƒomea me tɔ aɖewo le dukɔwo dome takpekpe me le Berlin le 1998 me

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Mía kple srɔ̃nye, Karla