Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawu Ƒe Nudidiwo Dzi Wɔwɔ Doa Yehowa Ðe Dzi

Mawu Ƒe Nudidiwo Dzi Wɔwɔ Doa Yehowa Ðe Dzi

Mawu Ƒe Nudidiwo Dzi Wɔwɔ Doa Yehowa Ðe Dzi

‘Matsɔ akpedada adoe ɖe dzi.’​—PSALMO 69:31.

1. (a) Nukatae wòdze be míado Yehowa ɖe dzi? (b) Aleke míadoe ɖe dzi kple akpedadae?

YEHOWAE nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ, Xexeame Katã ƒe Dziɖula Gã, Wɔla la. Le susu sia ta la, edze be míado eƒe ŋkɔ kple tameɖoɖowo ɖe dzi. Yehowa dodo ɖe dzi fia be míade bubu gãtɔ kekeake eŋu, eye míato nya kple nuwɔna me akafui ahadoe ɖe dzi. Be míawɔ esia ‘kple akpedada’ bia be míanɔ akpe dam ɖe nusiwo wɔm wòle na mí fifia kple esiwo wòawɔ na mí le etsɔme la ta ɣesiaɣi. Woɖe nɔnɔme si wòle be wòanɔ mía si la fia le Nyaɖeɖefia 4:11, afisi gbɔgbɔmenuwɔwɔ wɔnuteƒe siwo le dziƒo gblɔ le be: “Mía Aƒetɔ kple mía Mawu, wòe dze be, naxɔ ŋutikɔkɔe kple bubu kple ŋusẽ; elabena wòe wɔ nuwo katã, eye wò lɔlɔ̃nu ta woli, eye wowɔ wo ɖo.” Aleke míado Yehowa ɖe dzii? To nusɔsrɔ̃ tso eŋu kple nusiwo wòdi tso mía si la dzi wɔwɔ me. Ele be míase le mía ɖokui me abe hakpala la ene esime wògblɔ be: “Fia wò lɔlɔ̃num mawɔ, elabena nye Mawu nènye.”—Psalmo 143:10.

2. Aleke Yehowa wɔa nui kple amesiwo donɛ ɖe dzi kple amesiwo medonɛ ɖe dzi o?

2 Yehowa dea asixɔxɔ amesiwo donɛ ɖe dzi ŋu vevie. Nu ma tae wònye “teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie” ɖo. (Hebritɔwo 11:6) Nukae nye teƒeɖoɖoa? Yesu gblɔ na eƒe Dziƒofofoa le gbedodoɖa me be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.” (Yohanes 17:3) Ẽ, amesiwo ‘doa Yehowa ɖe dzi kple akpedada’ “anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.” (Psalmo 37:29) Gake ‘ŋu nyui kegbe aɖeke manɔe na ame vlowo o.’ (Lododowo 24:20) Eye le ŋkeke mamlɛ siawo me la, alesi wòdze be míado Yehowa ɖe dzii la hiã kpata elabena eteƒe madidi o atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo eye wòaxɔ ame dzɔdzɔewo ɖe agbe. “Xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.”—Yohanes I, 2:17; Lododowo 2:21, 22.

3. Nukatae wòle be míalé fɔ ɖe Maleaxi ƒe agbalẽa ŋu?

3 Míakpɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu le Biblia me, elabena ‘Ŋɔŋlɔ sia Ŋɔŋlɔ tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me.’ (Timoteo II, 3:16) Alesi Yehowa yraa amesiwo donɛ ɖe dzi kple nusi dzɔna ɖe amesiwo medonɛ ɖe dzi o dzi ŋuti nuŋlɔɖi geɖe le Mawu ƒe Nya ma me. Nuŋlɔɖi mawo dometɔ ɖeka ku ɖe nusi dzɔ le Israel le nyagblɔɖila Maleaxi ŋɔli ŋu. Le ƒe 443 D.M.Ŋ. me lɔƒo, esime Nexemya nye anyigbadzikpɔla le Yuda la, Maleaxi ŋlɔ agbalẽ si ŋu eƒe ŋkɔ le la. Nyatakaka kple nyagblɔɖi siwo ‘woŋlɔ be wòanye nuxɔxlɔ̃ na mí amesiwo dzi xexe sia me ƒe nuwuwu ava ɖo’ lae le agbalẽ sẽŋu dodzidzɔname sia me. (Korintotɔwo I, 10:11) Fɔléle ɖe Maleaxi ƒe nyawo ŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míadzra ɖo ɖe “Yehowa ƒe ŋkeke gã dziŋɔ la” ŋu, ne Wòtsrɔ̃ nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia.—Maleaxi 3:23.

4. Nya ade kawo dzie wohe míaƒe susu yii le Maleaxi ta 1 me?

4 Aleke Maleaxi ƒe agbalẽ si woŋlɔ ƒe 2,400 kple edzivɔe nye si va yi la akpe ɖe mía ŋu le ƒe alafa 21 lia sia me be míadzra ɖo ɖe Yehowa ƒe ŋkeke gã dziŋɔ la ŋui? Ta gbãtɔa he míaƒe susu yi nya vevi ade ya teti siwo hiã hena Yehowa dodo ɖe dzi kple akpedada bena wòakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu ahana agbe mavɔ mí la dzi: (1) Yehowa lɔ̃ eƒe amewo. (2) Ele be míade asixɔxɔ nu kɔkɔewo ŋu. (3) Yehowa di tso mía si be míatsɔ míaƒe ŋutete katã asubɔ ye. (4) Ðokuitɔmadimadi ƒe lɔlɔ̃e ʋãa ame ɖe nyateƒe tadedeagu ŋu, ke menye ŋukeklẽ o. (5) Subɔsubɔ si dzea Mawu ŋu tsɔtsɔ nɛ menye kɔnu tikɔname o. (6) Ele be mía dometɔ ɖesiaɖe nabu akɔnta na Mawu. Eyata le nyati etɔ̃ siwo dzro Maleaxi ƒe agbalẽa me ƒe gbãtɔ sia me la, mina míade ŋugble le nya mawo dometɔ ɖesiaɖe ŋu esime míele Maleaxi ta 1 me dzrom tsitotsito.

Yehowa Lɔ̃ Eƒe Amewo

5, 6. (a) Nukatae Yehowa lɔ̃ Yakob? (b) Ne míesrɔ̃ Yakob ƒe nuteƒewɔwɔa la, nukae míate ŋu akpɔ mɔ na?

5 Yehowa ƒe lɔlɔ̃ dze kɔte le Maleaxi ƒe agbalẽa ƒe kpukpui gbãtɔawo me. Wodze agbalẽa gɔme kple nya siawo be: “Esia nye Yehowa ƒe nya, si wògblɔ na Israel.” Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Mawu gblɔ be: “Melɔ̃ mi.” Le kpɔɖeŋu me, Yehowa gblɔ le kpukpui sia ke me be: “Melɔ̃ Yakob.” Yakob nye ŋutsu si xɔ Yehowa dzi se. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yehowa trɔ Yakob ƒe ŋkɔ be Israel, eye wòva zu Israel-dukɔa ƒe tɔgbui. Esi Yakob nye ŋutsu si si xɔse nɔ tae Yehowa lɔ̃e ɖo. Yehowa lɔ̃ Israel-dukɔa me tɔ bubu siwo ɖe Yakob ƒe nɔnɔmea fia ɖe Eŋu la hã.—Maleaxi 1:1, 2.

6 Ne míelɔ̃ Yehowa heku ɖe eƒe amewo ŋu nuteƒewɔwɔtɔe la, míate ŋu akpɔ akɔfanamenyawo le Samuel I, 12:22 me be: “Yehowa maɖe asi le eƒe dukɔ ŋu o le eƒe ŋkɔ gã la ta.” Yehowa lɔ̃a eƒe amewo eye atsɔ agbe mavɔ aɖo eteƒe na woe mlɔeba. Eyata míexlẽ be: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eye nawɔ nyui! Nɔ anyigba dzi, eye naɖi anukware! Yehowa ƒe nu nenyo ŋuwò, eye wòana nusi wò dzi di la wò.” (Psalmo 37:3, 4) Yehowa si míalɔ̃ la ku ɖe nya evelia si dzi wohe míaƒe susu yii le Maleaxi 1 me la ŋu.

De Asixɔxɔ Nu Kɔkɔewo Ŋu

7. Nukatae Yehowa lé fu Esau?

7 Abe alesi míexlẽe le Maleaxi 1:2, 3 ene la, esi Yehowa gblɔ be “Melɔ̃ Yakob” megbe la, egblɔ be, “Melé fu Esau ya.” Nukatae wòdzɔ alea? Yakob do Yehowa ɖe dzi, gake eƒe venɔvi Esau ya medoe ɖe dzi o. Wogayɔa Esau be Edom. Le Maleaxi 1:4 la, woyɔ Edom-nyigba be nuvɔ̃ɖiwɔwɔ ƒe anyigba, eye wobu fɔ edzinɔlawo. Wotsɔ ŋkɔ Edom (si gɔmee nye “Nu dzĩ”) na Esau esime wòdzra eƒe ŋgɔgbevinyenye xɔasi la na Yakob ɖe bɔbɔ ta. Mose I, 25:34 gblɔ be, “Esau do vlo eƒe ŋgɔgbevinyenye.” Apostolo Paulo xlɔ̃ nu haxɔsetɔwo be woakpɔ nyuie bena “ame aɖeke naganye ahasiwɔla alo ahɔhlɔ̃bɔla abe Esau, amesi tsɔ ye ŋutɔ ƒe ŋgɔgbedzidzi ƒle le nuɖuɖu zi ɖeka ta la ene o.”—Hebritɔwo 12:14-16.

8. Nukae na Paulo tsɔ Esau sɔ kple ahasiwɔla?

8 Nukatae Paulo tsɔ Esau ƒe nuwɔnaa sɔ kple ahasiwɔwɔ? Elabena Esau ƒe nukpɔsusu ƒe amesinɔnɔ ate ŋu ana woagbe asixɔxɔ dede nu kɔkɔewo ŋu. Eye esia ate ŋu ahe ame ade nuvɔ̃ gãwo, abe ahasiwɔwɔ ene, me. Eyata mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu abia be: ‘Ðe wòdzroam ɣeaɖewoɣi be matsɔ nye Kristotɔwo ƒe domenyinu—si nye agbe mavɔ—aɖɔ li ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe nu abe bɔbɔ agba ɖeka enea? Ðe wòanye be medoa vlo nu kɔkɔewo le manyamanya mea?’ Esau tsi dzi be yeaɖi kɔ na ŋutilã me dzodzro aɖe. Egblɔ na Yakob be: ‘Netsɔ, na nu dzĩa ɖem maɖu.’ (Mose I, 25:30) Nublanuitɔe la, ne woagblɔe la, Mawu-subɔla aɖewo gblɔ be: “Netsɔ! Nukata wòle be malala aɖe srɔ̃ le mɔ nyuitɔ nu?” Kɔɖiɖi na gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro to mɔ sia mɔ nu va zu woƒe bɔbɔ agba ɖeka.

9. Aleke míate ŋu ayi edzi avɔ̃ Yehowa bubutɔe?

9 Negadzɔ gbeɖe be míado vlo nu kɔkɔewo to vlododo agbedzadzɛnɔnɔ, nuteƒewɔwɔ, kple míaƒe gbɔgbɔmedomenyinu me o. Le esi teƒe be míanɔ abe Esau ene la, mina míanɔ abe nuteƒewɔla Yakob ene eye míayi edzi avɔ̃ Mawu bubutɔe to ŋudzedzekpɔkpɔ deto ɖeɖe fia ɖe nu kɔkɔewo ŋu me. Aleke míate ŋu awɔ esiae? To ŋudzɔnɔnɔ ɖe Yehowa ƒe nudidiwo dzi wɔwɔ ŋu me. Esia kplɔ mí va nya etɔ̃lia si dze le Maleaxi ta 1 me la gbɔ tẽ. Nya kae?

Míaƒe Ŋutete Katã Tsɔtsɔ Subɔ Yehowae

10. Mɔ ka nue nunɔlawo nɔ vlo dom Yehowa ƒe kplɔ̃ le?

10 Yuda-nunɔla siwo nɔ subɔsubɔm le Yerusalem-gbedoxɔa me le Maleaxi ŋɔli metsɔa lã nyuitɔwo saa vɔe na Yehowa o. Maleaxi 1:6-8 gblɔ be: “Vi dea bubu fofoa ŋu, eye kluvi dea bubu eƒe aƒetɔ ŋu. Mi nunɔla, siwo doa vlo nye ŋkɔ la, ale Yehowa Zebaot gblɔ na mi enye si: Nenye Fofo menye la, afika nye bubu le, eye nenye Aƒetɔ menye la, afika vɔvɔ̃, si le ŋunye la le?” Nunɔlaawo bia be: “Nuka míetsɔ do vlo wò ŋkɔe hã?” Yehowa ɖo eŋu be: “Mietsɔ nuɖuɖu makɔmakɔwo va nye vɔsamlekpui dzi.” Nunɔlaawo gabia be: “Nuka míetsɔ do gu wò hã?” Eyata Yehowa gblɔ na wo be: “Miele gbɔgblɔm be: Yehowa ƒe kplɔ̃ ɖi gbɔ.” Nunɔla mawo ɖenɛ fiana be yewodoa vlo Yehowa ƒe kplɔ̃a ɣesiaɣi si wotsɔ lã nuwɔe aɖe va sa vɔe, henɔa gbɔgblɔm be: “Medze vɔ̃ o.”

11. (a) Nya kae Yehowa gblɔ le vɔsa madzemadzewo ŋu? (b) Mɔ ka nue dukɔ bliboa ɖi fɔ le?

11 Emegbe Yehowa he woƒe susu yi vɔsa mawo ƒe manyomanyo dzi be: “Tsɔe yi na wò anyigbanunɔla kpɔ be, wò nu adze eŋu, wòalɔ̃ wò nya hã?” Kpao, nunana ma tɔgbe madze woƒe anyigbadzikpɔla ŋu o. Ke aleke wɔ woatsɔ lã nuwɔewo asa vɔe na Xexeame Katã ƒe Dziɖulagã la ya wòaxɔe! Eye menye nunɔlaawo koe ɖi fɔ o. Enye nyateƒe be wonɔ vlo dom Yehowa to lã nuwɔewo tsɔtsɔ sa vɔe me ya. Gake ɖe dukɔ bliboa meɖi fɔ oa? Ẽ, woɖi fɔ! Woawoe nye amesiwo tiaa lã ŋkuagbã, lã ɖixɔdrɔ̃, kple lã lédɔ mawo vɛ na nunɔlaawo be woatsɔ asa vɔe. Aleke gbegbe wowɔ nuvɔ̃e nye si!

12. Aleke wokpena ɖe mía ŋui be míatsɔ míaƒe ŋutete katã asubɔ Yehowae?

12 Míaƒe ŋutete katã tsɔtsɔ subɔ Yehowae nye mɔ nyuitɔ kekeake si dzi míato aɖee fia be míelɔ̃ eyama. (Mateo 22:37, 38) To vovo na nunɔla dzego siwo nɔ anyi le Maleaxi ŋɔli la, Yehowa ƒe habɔbɔ si li egbea naa Ŋɔŋlɔawo me nufiame nyui mí siwo kpena ɖe mía ŋu be míado Yehowa ɖe dzi kple akpedada to Eƒe nudidiwo dzi wɔwɔ me. Nusi do ƒome kple esiae nye nya vevi enelia si míate ŋu aɖe tso Maleaxi ta 1 me.

Lɔlɔ̃e Ʋãa Ame Ðe Nyateƒe Tadedeagu Ŋu, Ke Menye Ŋukeklẽ O

13. Nukae nunɔlawo nɔ wɔwɔm si fia be ŋukeklẽe ʋã wo?

13 Maleaxi ƒe ɣeyiɣia me nunɔlawo nye ɖokuitɔdilawo, amemalɔ̃lawo, kple galɔ̃lawo. Aleke míewɔ nya? Maleaxi 1:10 gblɔ be: “Esi mia dometɔ ɖeka nahatu agboawo, be miaganɔ dzo dom ɖe nye vɔsamlekpui dzi ɖe yakatsyɔ teƒe o ɖe! Miaƒe nu medze ŋunye o, eye nyemele vɔsanu aɖeke dim tso mia si o, Yehowa Zebaot ye gblɔe.” Ẽ, nunɔla ŋuklẽla mawo biana gɔ̃ hã be yewoaxɔ ga ɖe gbedoxɔmedɔ suetɔ kekeake si yewowɔ la ta, hebiana be woaxe fe ɖe ʋɔtruwo tutu kple dzo dodo ɖe vɔsamlekpui me ta! Mewɔ nuku o be Yehowa medi vɔsanu aɖeke tso wo si o!

14. Nukatae míate ŋu agblɔ bena lɔlɔ̃e ʋãa Yehowa Ðasefowo?

14 Nunɔla nuvɔ̃wɔla siwo nɔ blema Yerusalem ƒe ɖokuitɔdidi kple ŋukeklẽ aɖo ŋku edzi na mí nyuie be Mawu ƒe Nya gblɔ be ŋuklẽlawo manyi Mawu ƒe Fiaɖuƒe la dome o. (Korintotɔwo I, 6:9, 10) Ŋugbledede le nunɔla mawo ƒe ɖokuitɔdidinuwɔnawo ŋu hã naa míekpɔa ŋudzedze ɖe gbeƒãɖeɖedɔ si wɔm Yehowa Ðasefowo le le xexeame katã la ŋu geɖe. Lɔlɔ̃nu faa dɔe wònye; míexɔa naneke ɖe míaƒe subɔsubɔdɔa ta gbeɖe o. Kpao, ‘míetsɔa Mawu ƒe nya la tsaa asii o.’ (Korintotɔwo II, 2:17) Abe Paulo ene la, mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu agblɔ le nyateƒe me be: ‘Megblɔ Mawu ƒe nyanyui la kple dzidzɔ fia mi fetu maxɔmaxɔe.’ (Korintotɔwo II, 11:7) De dzesii be Paulo ‘gblɔ nyanyui la kple dzidzɔ.’ Ema kplɔ mí va nya atɔ̃lia si dzi Maleaxi ta 1 he míaƒe susu yii gbɔ.

Subɔsubɔ Tsɔtsɔ na Mawu Menye Kɔnu Tikɔname O

15, 16. (a) Nɔnɔme kae nɔ nunɔlawo si ku ɖe vɔwo sasa ŋu? (b) Aleke Yehowa Ðasefowo saa woƒe vɔwoe?

15 Nunɔla xɔsemanɔsitɔ siwo nɔ blema Yerusalem bu vɔsasa be enye dɔ teɖeɖiameŋu aɖe. Agbae wònye na wo. Abe alesi wòdze le Maleaxi 1:13 ene la, Mawu gblɔ na wo be: “Miele gbɔgblɔm be, eɖuɖu la, fuɖename wònye.” Nunɔla mawo nyɔ ŋu, alo do vlo Mawu ƒe nu kɔkɔewo. Mina míado gbe ɖa be mía dometɔ aɖeke nagava nɔ abe woawo ene gbeɖe o. Ke boŋ mina míaɖe gbɔgbɔ si dze le Yohanes I, 5:3 la afia ɣesiaɣi, afisi wogblɔ le be: “Lɔlɔ̃ na Mawu enye si bena, míalé eƒe seawo me ɖe asi, eye eƒe seawo mesesẽ o.”

16 Mina gbɔgbɔmevɔ sasa na Mawu nado dzidzɔ na mí eye míagabu esia be enye agba teɖeɖiameŋu aɖe gbeɖe o. Mina míawɔ nyagblɔɖinya siawo dzi be: “Migblɔ [na Yehowa] be: ‘Tsɔ vodadawo katã ke, eye wò dɔme neganyo, ekema míana nyitsu, siwo nye míaƒe nuyiwo la!’ ” (Hosea 14:3) Nyagbɔgblɔ ‘nyitsu siwo nye míaƒe nuyiwo’ la fia gbɔgbɔmevɔsawo, siwo nye nya siwo míegblɔna tsɔ kafua Yehowa kple eƒe tameɖoɖowo. Hebritɔwo 13:15 gblɔ be: “Mina míato [Yesu Kristo] dzi atsɔ kafukafuvɔsa anɔ Mawu nam; esia nye nuyi, siwo ʋua eŋkɔ me la, ƒe kutsetse.” Aleke gbegbe dzi dzɔa mí enye si be míaƒe gbɔgbɔmevɔsawo menye kɔnu tsɛwo ko o, ke boŋ wonye míaƒe lɔlɔ̃ na Mawu ɖeɖe fia tso dzi blibo me! Esia kplɔ mí yi nya adelia si míate ŋu aɖe tso Maleaxi ta 1 me la gbɔ.

Ele Be Mía Dometɔ Ðesiaɖe Nabu Akɔnta

17, 18. (a) Nukatae Yehowa do ɖiŋu na ‘amesi le ameflunu wɔm’? (b) Nuka ŋue amesiwo nɔ ameflunua wɔm mebu o?

17 Amesiame si nɔ anyi le Maleaxi ŋɔli ƒe nuwɔnawo ƒe agba nɔ eya ŋutɔ dzi, eye nenema wòanɔ le míawo hã gome. (Romatɔwo 14:12; Galatiatɔwo 6:5) Susu sia ta Maleaxi 1:14 gblɔ be: ‘Aɖi ameflula la ŋu kpekpekpe, nenye be lãtsu, si nu mewɔ o le eƒe lãha me, eye wòɖe adzɔgbe hetsɔ lã nuwɔe wu na Yehowa!’ Menye lã ɖeka pɛ ko—si míagblɔ be, alẽ ɖeka pɛ ko—ye le ŋutsu si si lãha le si, si awɔe be magate ŋu awɔ naneke wu be eya koe wòazã o. Ne ele lã dim wòatsɔ asa vɔe la, menye esi ƒe ŋku gbã, nye xɔdrɔ̃, alo dɔnɔ lae wòle be wòatia o. Ne etia lã nuwɔe nyateƒe la, ema afia be edo vlo Yehowa ƒe vɔsasa ƒe ɖoɖoa, elabena amesi si lãhawo le ate ŋu akpɔ lã si ŋu kpɔtsɔtsɔ mawo mele o alé godoo!

18 Ekema susu nyui aɖe tae Yehowa do ɖiŋu na ameflula si si lãtsu si sɔ le gake wòkplɔ lã ŋkuagbã, lã ɖixɔdrɔ̃, alo lã lédɔ—ɖewohĩ wòade kae anɔ hehem—ayi na nunɔla be wòatsɔ asa vɔe. Ke hã womegblɔ nya sue aɖe teti gɔ̃ hã si fia be nunɔla aɖe yɔ Mawu ƒe sea heɖe nu me be lã nuwɔe mesɔ woatsɔ sa vɔe o. (Mose III, 22:17-20) Ame tagbɔnɔsitɔ ɖesiaɖe nyae be eme manyo na yewo ne yewote kpɔ tsɔ nunana ma tɔgbe yi na yewoƒe anyigbadzikpɔla o. Gake le nyateƒe me la, Xexeame Katã ƒe Dziɖulagã, Yehowa, amesi nye gã sasasã wu dziɖula ɖesiaɖe si nye amegbetɔ ye wonɔ nu wɔm kplii. Maleaxi 1:14 tsɔ nyaa ɖo wo ŋkume ale: “Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Fia gã menye, eye ŋɔdzi le nye ŋkɔ ŋu le dukɔwo dome.”

19. Nukae míele mɔ kpɔm na vevie, eye nukae wòle be míanɔ wɔwɔm?

19 Abe Mawu-subɔla nuteƒewɔlawo ene la, míele mɔ kpɔm vevie na ɣeyiɣi si me ameƒomea katã ade bubu Fiagã, Yehowa, ŋu. Ɣemaɣi la, “sidzedze Yehowa [axɔ] anyigba la dzi, abe alesi tsi yɔ atsiaƒu me ene.” (Yesaya 11:9) Hafi ɣemaɣi naɖo la, mina míadze agbagba be míawɔ Yehowa ƒe nudidiwo dzi to hakpala la sɔsrɔ̃ me, amesi gblɔ be: ‘Matsɔ akpedada adoe ɖe dzi.’ (Psalmo 69:31) Be míate ŋu awɔe la, nuxlɔ̃ame bubuwo gale Maleaxi si si ate ŋu aɖe vi na mí geɖe. Eyata mina míade ŋugble le Maleaxi ƒe agbalẽa ƒe akpa bubuwo ŋu nyuie le nyati eve siwo kplɔe ɖo me.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nukatae wòle be míado Yehowa ɖe dzi?

• Nukatae Yehowa mexɔ nunɔlawo ƒe vɔsawo le Maleaxi ŋɔli o?

• Aleke míesaa kafukafuvɔ na Yehowae?

• Nukae wòle be wòaʋã ame hena nyateƒe tadedeagu?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Maleaxi ƒe nyagblɔɖia fia asi míaƒe ŋkekea

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Esau mekpɔ ŋudzedze ɖe nu kɔkɔewo ŋu o

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Nunɔlawo kple dukɔa tsɔ lã siwo medze o sa vɔe

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Yehowa Ðasefowo saa kafukafuvɔ le xexeame katã fetu maxɔmaxɔe