Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Esi Yohanes kpɔ “ameha gã” la wonɔ subɔsubɔ kɔkɔe tsɔm na Yehowa le eƒe gbedoxɔa me la, gbedoxɔa ƒe akpa kae wonɔ esia wɔm le?Nyaɖeɖefia 7:9-15.

Susu le eme be míagblɔ be ameha gã la subɔa Yehowa le eƒe anyigba dzi gbɔgbɔmegbedoxɔ gã la ƒe xɔxɔnuwo dometɔ ɖeka me, ne míagblɔe tẽ la, eyae nye le xɔxɔnu si sɔ kple Salomo ƒe gbedoxɔa ƒe gota xɔxɔnu la me.

Do ŋgɔ la, wogblɔ be ameha gã la le gbɔgbɔmegbedoxɔ si sɔ kple gbedoxɔ si nɔ anyi le Yesu ŋɔli ƒe afisi nye Dukɔwo me tɔwo ƒe Xɔxɔnu la me. Gake numekuku yi ŋgɔe na míekpɔ susu atɔ̃ ya teti siwo ta mele nenema o. Gbã, menye Herodes ƒe gbedoxɔa ƒe nɔnɔme ɖesiaɖe ƒe kpɔɖeŋue woakpɔ le Yehowa ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔ gã la me o. Le kpɔɖeŋu me, Nyɔnuwo ƒe Xɔxɔnu kple Israel ƒe Xɔxɔnu nɔ Herodes ƒe gbedoxɔa me. Nyɔnuwo kple ŋutsuwo siaa te ŋu gena ɖe Nyɔnuwo ƒe Xɔxɔnua, gake ŋutsuwo koe woɖea mɔ na be woage ɖe Israel ƒe Xɔxɔnu. Le Yehowa ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔ gã si le anyigba dzi ƒe xɔxɔnua la, womeɖea ŋutsuwo ɖe vovo tso nyɔnuwo gbɔ le woƒe tadedeagu me o. (Galatiatɔwo 3:28, 29) Le esia ta la, Nyɔnuwo ƒe Xɔxɔnu kple Israel ƒe Xɔxɔnu ƒe kpɔɖeŋu aɖeke mele gbɔgbɔmegbedoxɔ la me o.

Evelia, Dukɔwo me tɔwo ƒe Xɔxɔnu aɖeke menɔ xɔ ƒe nɔnɔmetata siwo Mawu na le Salomo ƒe gbedoxɔa tutu ŋu alo le gbedoxɔ si Xezekiel kpɔ le ŋutega me la me o; ɖeke menɔ gbedoxɔ si Zerubabel gbugbɔ gatu hã me o. Le esia ta susu aɖeke meli si ta míagblɔ be Dukɔwo me tɔwo ƒe Xɔxɔnu hiã le Yehowa ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔ gã ƒe ɖoɖoa hena tadedeagu me o, vevietɔ ne míede ŋugble le nya siwo gbɔna ŋu.

Etɔ̃lia, Edomtɔwo ƒe Fia Herodes, tu Dukɔwo me tɔwo ƒe Xɔxɔnua be yeatsɔ ade bubu ye ɖokui ŋu kple be yeƒe nu nadze Roma ŋu. Anye le ƒe 18 alo ƒe 17 D.M.Ŋ. mee Herodes dze Zerubabel ƒe gbedoxɔa dzadzraɖo gɔme. The Anchor Bible Dictionary ɖe nu me be: “Nusiwo dzɔa dzi na Ɣetoɖoƒe [Roma] Fiaɖuƒea . . . la bia be woatu gbedoxɔ si lolo wu ɣedzeƒekpa dzi ƒe dugã siwo lolo sɔ kplii la tɔwo.” Gake woɖo gbedoxɔa ŋutɔ ƒe lolome ɖi xoxo. Nyagɔmeɖegbalẽa ɖe nu me be: “Togbɔ be Gbedoxɔa ŋutɔ ƒe lolome asɔ kple esiwo do ŋgɔ nɛ [Salomo tɔ kple Zerubabel tɔ] hã la, womeɖo seƒe na afisi Gbedoxɔtoa akeke ɖe enu aɖo ya o.” Le esia ta la, Herodes keke afisi nye gbedoxɔa nɔƒe ɖe enu esi wòtsɔ afisi wova yɔna le míaƒe ŋkekea me be Dukɔwo me tɔwo ƒe Xɔxɔnu kpee. Nukatae xɔ si ƒe tutume ŋu nyawo yi alea la ƒe kpɔɖeŋu nanɔ Yehowa ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔa ƒe ɖoɖoa me?

Enelia, amesiame kloe—ŋkuagbãtɔwo, xɔdrɔ̃wo, kple Dukɔwo me tɔ aʋamatsomatsotɔwo—te ŋu gena ɖe Dukɔwo me tɔwo ƒe Xɔxɔnua. (Mateo 21:14, 15) Nyateƒee wònye be xɔxɔnua wɔ akpa aɖe na Dukɔwo me tɔ aʋamatsomatsotɔ siwo di be yewoasa vɔ na Mawu ya. Eye afimae Yesu ƒo nu na amehawo le ɣeaɖewoɣi, eye wònya gaɖuɖɔlawo kple asitsalawo le afima zi eve, eye wògblɔ na wo be womede bubu ye Fofo ƒe aƒe ŋu o. (Mateo 21:12, 13; Yohanes 2: 14-16) Ke hã The Jewish Encyclopedia gblɔ be: “Ne míagblɔe tututu la, xɔxɔnu gotatɔ sia menye Gbedoxɔa ƒe akpa aɖeke o. Menye anyigba kɔkɔe o, eye amesiame ate ŋu age ɖe afima.”

Atɔ̃lia, abe alesi A Handbook on the Gospel of Matthew, si Barclay M. Newman kple Philip C. Stine ŋlɔ gblɔe ene la, Helagbe me nya (hi·e·ron’) si gɔme woɖe be “gbedoxɔ” si wozã na Dukɔwo me tɔwo ƒe Xɔxɔnu “fia xɔ bliboa katã, ke menye Gbedoxɔa ŋutɔ ko o.” Gake Helagbe me nya (na·os’) si gɔme woɖe be “gbedoxɔ” le Yohanes ƒe ŋutega si me wòkpɔ ameha gã le ya le tẽ wu. Zi geɖe la, ne nya siwo ku ɖe Yerusalem gbedoxɔa ŋu gblɔmee wole la, efiaa Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒea, gbedoxɔa ŋutɔŋutɔ alo gbedoxɔa ƒe xɔxɔnu. Woɖea egɔme le Eʋegbe Biblia me ɣeaɖewoɣi be “mawuxɔ”Mateo 27:5, 51; Luka 1:9, 21; Yohanes 2:20.

Ameha gã la me tɔwo ɖea Yesu ƒe tafevɔsa la dzixɔse fiana. Wole kɔkɔe le gbɔgbɔ me elabena “wonyã woƒe awuwo, eye wowɔ wo ɣie le Alẽvi la ƒe ʋu la me.” Le esia ta wobua wo ame dzɔdzɔewo bene woava zu Mawu xɔlɔ̃wo eye be woatsi agbe le xaxa gã la me. (Yakobo 2:23, 25) Le mɔ geɖe nu la, wole abe trɔ̃subɔla zu Yudatɔwo le Israel, amesiwo lɔ̃ ɖe Sea ƒe nubabla la dzi hesubɔ ɖekae kple Israel-viwo ene.

Ele eme baa be trɔ̃subɔla zu Yudatɔ mawo mesubɔ le xɔxɔnu ememetɔ me, afisi nunɔlawo wɔa woƒe dɔdasiwo le o. Eye ameha gã la me tɔwo mele Yehowa ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔ gã ƒe xɔxɔnu ememetɔ me o. Xɔxɔnu sia tsi tre ɖi na blibodede kple dzɔdzɔenyenye ƒe nɔnɔme si me vi siwo nye amegbetɔ siwo le Yehowa ƒe ‘nunɔlanyenye kɔkɔea’ me la le esime wole anyigba dzi. (Petro I, 2:5) Gake abe alesi amegã xoxo si le dziƒo gblɔe na Yohanes ene la, ameha gã la le gbedoxɔa me ŋutɔŋutɔ, menye le gbedoxɔa godo afisi wobuna be enye Dukɔwo me tɔwo ƒe Xɔxɔnu gbɔgbɔmetɔ me o. Mɔnukpɔkpɔ ka gbegbee nye si! Eye aleke gbegbe wòhiãe be míalé gbɔgbɔ kple agbenɔnɔ me dzadzɛnyenye me ɖe asii enye esi!

[Diagram/Picture on page 31]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Salomo ƒe Gbedoxɔ

1. Gbedoxɔa Ŋutɔ

2. Xɔxɔnu Ememetɔ

3. Xɔxɔnu Gotatɔ

4. Atrakpui si yi Gbedoxɔa ƒe Xɔxɔnu