Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Lé Fu Alakpanuwɔwɔ

Yehowa Lé Fu Alakpanuwɔwɔ

Yehowa Lé Fu Alakpanuwɔwɔ

‘Migawɔ nu tovo ɖe mia nɔewo ŋu o.’—MALEAXI 2:10.

1. Nukae Mawu di tso mía si ne míedi be míanɔ agbe tegbee?

ÈDI be yeanɔ agbe tegbeea? Ne èxɔ mɔkpɔkpɔ ma si ŋugbe wodo le Biblia me dzi se la, ɖewohĩ àgblɔ be ‘Ẽ.’ Gake ne èdi be Mawu nanyo dɔme ana agbe mavɔ ye le eƒe xexe yeyea me la, ahiã be nàwɔ eƒe nudidiwo dzi. (Nyagblɔla 12:13; Yohanes 17:3) Ðe wònye nusi gbɔ eme be woakpɔ mɔ be amegbetɔ madeblibowo nawɔ ema? Ao, elabena Yehowa gblɔ nya dedziƒoname sia be: “Lɔlɔ̃ ƒe nu dze ŋunye wu akpedavɔsa, eye sidzedze Mawu dze ŋunye wu numevɔsa.” (Hosea 6:6) Eyata amegbetɔ vodadawɔlawo gɔ̃ hã ate ŋu awɔ Mawu ƒe nudidiwo dzi.

2. Aleke Israel-vi geɖe wɔ alakpanu ɖe Yehowa ŋui?

2 Ke hã menye amesiamee di be yeawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu o. Hosea ɖee fia be Israel-viwo dometɔ geɖe gɔ̃ hã medi be yewoawɔe o. Woƒe dukɔa lɔ̃ ge ɖe nubabla aɖe me, si nye alesi wolɔ̃ ɖe edzi be yewoaɖo to Mawu ƒe sewo. (Mose II, 24:1-8) Gake eteƒe medidi o ‘wonɔ nubablaa tum’ to eƒe sewo dzi dada me. Eyata Yehowa gblɔ be Israel-vi mawo ‘trɔ ʋu’ le ye yome. (Hosea 6:7) Eye nenemae ame geɖe hã wɔ nui tso ɣemaɣi vaseɖe fifia. Gake Yehowa lé fu alakpanuwɔwɔ, eɖanye eya ŋutɔ alo amesiwo lɔ̃e hesubɔnɛ ŋue wowɔe ɖo o.

3. Nuka mee míadzro le nusɔsrɔ̃ sia me?

3 Menye Hosea ɖeka koe nye nyagblɔɖila si ƒo nu tso Mawu ƒe nukpɔsusu le alakpanuwɔwɔ ŋu, si nye nukpɔsusu si dzi wòle be míalɔ̃ ɖo ne míedi be míanɔ dzidzɔgbe la ŋu o. Le nyati si do ŋgɔ me la, míedze Maleaxi ƒe nyagblɔɖi gbedasia me dzodzro gɔme, tso eƒe agbalẽa ƒe ta gbãtɔ dzi. Fifia mina míatrɔ ɖe agbalẽ ma ƒe ta evelia ŋu ne míakpɔ alesi wogaƒo nu tso alesi Mawu bua alakpanuwɔwɔe ŋu ɖa. Togbɔ be nɔnɔme si nɔ edzi yim le Mawu ƒe amewo dome le woƒe tɔtrɔ gbɔ tso Babilon ƒe gbogbo aɖewo megbe ŋue Maleaxi nɔ nu ƒom tsoe hã la, ta evelia ma le vevie ŋutɔ na mí egbea.

Nunɔla Fɔɖilawo

4. Nuxlɔ̃ame kae Yehowa na nunɔlaawo?

4 Ta 2 lia dze egɔme kple Yehowa ƒe mokaka na Yuda-nunɔlawo ɖe alesi wotrɔ le eƒe mɔ dzɔdzɔeawo yome ta. Ne womexɔ eƒe aɖaŋuɖoɖo heɖɔ woƒe mɔwo ɖo o la, afɔku gãwo ado tso eme na wo godoo. Se kpukpui gbãtɔ eveawo me nyawo ɖa: “Mi nunɔlawo, mia tɔe nye se siawo: Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Ne miegbe toɖoɖo, eye nya mede dzi gbɔ na mi o la, ekema maɖo fiƒode ɖa ɖe mia ŋu, eye matrɔ miaƒe yayra wòazu fiƒode.” Ðe nunɔlaawo fia Mawu ƒe sewo dukɔa hewɔ wo dzi la, anye ne woyra wo. Gake esi wogbe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ta la, fiƒode kple dzɔgbevɔ̃e boŋue ava wo dzi. Yayranya siwo nunɔlaawo gblɔna gɔ̃ hã azu fiƒode.

5, 6. (a) Nukatae wònye nunɔlawoe ɖi fɔ wu? (b) Aleke Yehowa ɖi gbɔ nunɔlawoe?

5 Nukatae wònye nunɔlawoe ɖi fɔ wu? Kpukpui 7 lia na numeɖeɖe si me kɔ ƒã be: “Nunɔla ƒe nuyiwo nedzra sidzedze ɖo, eye woadi nufiame le eƒe nu me; elabena Yehowa Zebaot ƒe ame dɔdɔ wònye.” Ƒe akpe ɖeka kple edzivɔ do ŋgɔ la, Mawu ƒe se siwo wòtsɔ to Mose dzi na Israel-dukɔa gblɔ be nunɔlawo ƒe dɔe wònye be ‘woafia Yehowa ƒe ɖoɖowo katã Israel-viwo.’ (Mose III, 10:11) Nublanuitɔe le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Kronika II, 15:3 ŋlɔla ka nya ta be: “Ŋkeke nanewo va yi, le esiwo me Mawu vavã la kple nunɔlawo, siwo nye nufialawo, kpakple Se aɖeke menɔ Israel si o.”

6 Le Maleaxi ƒe ɣeyiɣiawo me le ƒe alafa atɔ̃lia D.M.Ŋ. me la, nenema koe nunɔlawo va nɔ nu wɔmee. Wodo kpo Mawu ƒe Sea fiafia dukɔa. Eyata edze be woabia akɔnta tso nunɔla mawo si. Se nya sẽŋu siwo Yehowa gblɔ ɖe wo ŋu la ɖa. Maleaxi 2:3 gblɔ be: “Mahlẽ miaƒe ŋkekenyuiwo ƒe mĩwo ɖe mo na mi.” Mokaname ka gbegbee nye si! Asaɖa godoe wòle be woatsɔ vɔsalãwo ƒe mĩwo ayi ahatɔ dzoe. (Mose III, 16:27) Gake esi Yehowa gblɔ na wo be woƒe ŋkume boŋue yeahlẽ mĩawo ɖo la, eɖee fia kɔte be yeɖi gbɔ woƒe vɔsawo hegbe nu le amesiwo le wo sam la gbɔ.

7. Nukatae Yehowa do dziku ɖe Sea fialawo ŋu?

7 Ƒe alafawo do ŋgɔ na Maleaxi ŋɔli la, Yehowa de dɔ asi na Lewi-viwo be woakpɔ avɔgbadɔa ŋuti dɔwo gbɔ eye emegbe gbedoxɔa me dzadzraɖo kple eme subɔsubɔdɔ kɔkɔeawo gbɔ. Woawoe nye nufialaawo le Israel-dukɔa me. Woƒe dɔdasia wɔwɔ anye agbe kple ŋutifafa na wo kpakple dukɔa hafi. (Mose IV, 3:5-8) Gake Mawu-vɔvɔ̃ si nɔ Lewi-viawo me le gɔmedzedzea me la va bu. Eyata Yehowa gblɔ na wo be: ‘Miete ɖa le mɔa dzi. Miena ame geɖewo tra tso sea ŋu. Miegblẽ Lewi ƒe nubabla la dome. Mielé ŋku ɖe nye mɔwo ŋu o.’ (Maleaxi 2:8, 9) To nunɔlaawo ƒe kpododo nyateƒea fiafia kple kpɔɖeŋu gbegblẽ ɖoɖo me la, wokplɔ Israel-vi geɖe trae, eyata esɔ be Yehowa do dziku ɖe wo ŋu.

Mawu ƒe Dzidzenuwo me Léle Ðe Asi

8. Ðe wònye nusi gbɔ eme be woadi tso amegbetɔwo si be woalé Mawu ƒe dzidzenuwo me ɖe asia? Ðe eme.

8 Migana wòawɔ na mí be edze be woakpɔ nublanui na nunɔla mawo ahatsɔ woƒe nuvɔ̃wo ake wo elabena amegbetɔ tsɛwo koe wonye eye ɖeko womete ŋu lé Mawu ƒe dzidzenuwo me ɖe asi o. Nya lae nye be amegbetɔwo ate ŋu alé Mawu ƒe sewo me ɖe asi, elabena Yehowa media nusi womate awɔ o tso wo si o. Anɔ eme be nunɔla ɖekaɖeka aɖewo lé Mawu ƒe dzidzenuwo me ɖe asi ɣemaɣi, eye ɖikeke aɖeke mele eŋu o be ɖeka aɖe si va emegbe la lé wo me ɖe asi—eyae nye Yesu, “nunɔlagã” la. (Hebritɔwo 3:1) Wote ŋu gblɔ le eŋu wòsɔ be: “Nufiame dzɔdzɔe nɔ eƒe nu me, eye womekpɔ alakpa le eƒe nuyiwo dzi o. Ezɔ kplim le ŋutifafa kple nyateƒe me, eye wòɖe ame geɖewo ɖa tso vodada me.”—Maleaxi 2:6.

9. Amekawoe fia nyateƒea nuteƒewɔwɔtɔe le míaƒe ŋkekea me?

9 Nenema ke ƒe alafa ɖeka kple edzivɔe nye sia si Kristo nɔvi amesiaminawo, siwo si dziƒomɔkpɔkpɔ le la, le dɔ wɔm abe ‘nunɔla kɔkɔe, siwo saa gbɔgbɔmevɔ, siwo dzea Mawu ŋu’ la ene. (Petro I, 2:5) Woxɔ ŋgɔ le Biblia ƒe nyateƒea fiafia amewo me. Esi nèsrɔ̃ nyateƒe siwo fiam wole la, ɖe mèkpɔe dze sii be nufiame dzɔdzɔe le woƒe nu me oa? Wokpe ɖe ame geɖe ŋu wotrɔ tso subɔsubɔ me vodadawo me, si na be fifia la, ame miliɔn geɖee srɔ̃ Biblia ƒe nyateƒea le xexeame katã eye agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le wo si. Eye mɔnukpɔkpɔ su amesiawo hã si wole nufiame dzɔdzɔea fiam ame miliɔn bubu geɖe.—Yohanes 10:16; Nyaɖeɖefia 7:9.

Susu Siwo Ta Wòle Be Míaɖɔ Ŋu Ðo

10. Nukatae wòsɔ be míaɖɔ ŋu ɖo?

10 Ke hã susuwo li siwo ta wòle be míaɖɔ ŋu ɖo. Ðewohĩ míakpɔ alesi nufiame siwo le Maleaxi 2:1-9 me ka míi la tututu o. Ðe mía ŋutɔwo míele ŋudzɔ, ale be womakpɔ madzɔmadzɔnyenye aɖeke le míaƒe nuyiwo dzi oa? Le kpɔɖeŋu me, ɖe míaƒe ƒomea me tɔwo ate ŋu aka ɖe nya siwo míegblɔna dzi tututua? Ðe mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le hamea me ate ŋu aka ɖe mía dzia? Anɔ bɔbɔe be míava nye amesiwo ɖea ami ɖe nya be wòadze abe nyateƒenya ene evɔ wònye ɖe míeɖoe koŋ le amewo blem. Alo ame aɖe ate ŋu aka nya akpe nya alo aɣla nya veviwo le asitsanyawo me. Ðe Yehowa made dzesi nuwɔna ma oa? Eye ne míewɔa nusiawo tɔgbe la, ɖe wòaxɔ míaƒe nuyiwo ƒe kafukafuvɔsawoa?

11. Amekawo koŋue wòle na be woaɖɔ ŋu ɖo?

11 Ele be Maleaxi 2:7 nanye nuxlɔ̃ame na amesiwo si mɔnukpɔkpɔ su wofiaa Mawu ƒe Nya le hamewo me egbea. Egblɔ be woƒe “nuyiwo nedzra sidzedze ɖo, eye woadi nufiame” le woƒe nu me. Agbanɔamedzi gã ŋutɔe wònye le nufiala siawo dzi, elabena Yakobo 3:1 ɖee fia be ‘woaxɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ si sesẽ wu.’ Esime wotsɔ moveviɖoɖo kple dzonɔameme le nu fiamee la, ele be woatu woƒe nufiafia ɖe Mawu ƒe Nya si woŋlɔ, kple mɔfiame si tsoa Yehowa ƒe habɔbɔa gbɔ la dzi tututu. Le mɔ ma nu la, ‘woasu te nyuie afia nu ame bubuwo.’ Eyata woxlɔ̃ nu wo be: “Do vevie be, natsɔ ɖokuiwò afia Mawu abe ame like kple dɔwɔla, si mehiã be, ŋu nakpee o, kpakple amesi mã nyateƒenya la me pɛpɛpɛ ene.”—Timoteo II, 2:2, 15.

12. Nuka mee wòle be amesiwo fiaa nu nakpɔ nyuie le?

12 Ne míekpɔ nyuie o la, míayi mía ŋutɔwo ƒe nudidiwo alo nukpɔsusuwo de ge míaƒe nufiafiaa me. Afɔku gã aɖe ate ŋu anɔ ema me vevietɔ na amesi kana ɖe eya ŋutɔ ƒe nyametsotsowo dzi ne nyametsotso mawo tsi tre ɖe nusi fiam Yehowa ƒe habɔbɔa le ŋu gɔ̃ hã. Gake Maleaxi ta 2 lia ɖee fia be ele be míakpɔ mɔ be hamea me nufialawo nalé sidzedze si tso Mawu gbɔ me ɖe asi, ke menye woa ŋutɔwo ƒe nukpɔsusu, siwo ate ŋu aɖia alẽawo nu la o. Yesu gblɔ be: “Amesi ke laɖia nenem ɖevi sue, siwo xɔa dzinye sena, dometɔ ɖeka nu la, enyo nɛ bena, woatsɔ té atsi ɖe kɔ nɛ, eye woatsɔe ada ɖe ƒu ƒe gogloƒe, be wòano tsi aku.”—Mateo 18:6.

Dzimaxɔsetɔ Ðeɖe

13, 14. Alakpanuwɔna ɖeka ka dzie Maleaxi tɔ asii?

13 Tso Maleaxi ta 2 ƒe kpukpui 10 lia yina la, wogate gbe ɖe alakpanuwɔwɔ dzi tẽ wu. Maleaxi he susu yi nuwɔna eve aɖewo siwo do ƒome kple wo nɔewo, siwo wòzã nya ‘nutovowɔwɔ’ na edziedzi la dzi. Gbã la, de dzesii be Maleaxi dze eƒe nuxlɔ̃amea gɔme kple biabia siawo be: “Ðe menye fofo ɖekae li na mí katã oa, eye ɖe menye Mawu ɖekae mè mí oa? Nukaŋuti mía dome amesiame awɔ nu tovo ɖe ehavi ŋu, ne míagblẽ kɔ ɖo na mía fofowo ƒe nubabla la?” Eyome kpukpui 11 lia gblɔ kpee be Israel-dukɔa ƒe alakpanuwɔwɔa nye kɔ gbegblẽ ɖo na “Yehowa ƒe kɔkɔeƒe” la. Nukae wɔmee wonɔ si gblẽ nenema gbegbe? Kpukpui ma tɔ asi nuwɔna gbegblẽawo dometɔ ɖeka dzi be: “[Woɖe] mawu tutɔ ƒe nyɔnuvi.”

14 Ne míagblɔe le mɔ bubu nu la, Israel-vi aɖewo, siwo nye dukɔ si ɖe adzɔgbe na Yehowa la me tɔwo, va ɖe amesiwo mesubɔnɛ o. Kpukpui siwo ƒo xlãe kpe ɖe mía ŋu míekpɔ nusitae ema nye ŋkubiãnya la dze sii. Kpukpui 10 lia gblɔ be fofo ɖekae le wo katã si. Fofo sia menye Yakob, (si wova yɔ be Israel), alo Abraham, alo Adam gɔ̃ hã o. Maleaxi 1:6 ɖee fia be Yehowae nye “fofo ɖeka” ma. Israel-dukɔa nɔ ƒomedodo me kplii, eye wole nu si wòbla kple wo fofowo la me. Nubabla ma ƒe sewo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Megado ƒome kpli wo, ne natsɔ viwònyɔnu na wo viŋutsu alo aɖe wo vinyɔnu na viwòŋutsu o.”—Mose V, 7:3.

15. (a) Aleke ame aɖewo adze agbagba be yewoaɖe yewo ɖokui nu le srɔ̃ɖeɖe ƒe nyaa mee? (b) Nya kae Yehowa gblɔ tso srɔ̃ɖeɖe ƒe nya la ŋu?

15 Ame aɖewo asusu egbea be: ‘Amesi medi be maɖe ƒe agbenɔnɔ nyo ŋutɔ. Ðewohĩ ava xɔ nyateƒe tadedeagua gbeɖeka.’ Nukpɔsusu sia ɖo kpe nuxlɔ̃ame si tso gbɔgbɔ me dzi be: “Ame ƒe dzi la, alakpatɔ wònye wu nuwo katã, nu gbegblẽ wònye.” (Yeremya 17:9) Woɖe Mawu ƒe nukpɔsusu le dzimaxɔsetɔwo ɖeɖe ŋu gblɔ le Maleaxi 2:12 be: “Yehowa atsrɔ̃ ŋutsu, si wɔa nusia la ɖa.” Eyata woxlɔ̃ nu Kristotɔwo be woaɖe srɔ̃ ‘le Aƒetɔ la me ko.’ (Korintotɔwo I, 7:39) Le Kristotɔwo ƒe ɖoɖowo me la, ‘wometsrɔ̃a’ xɔsetɔ si ɖe dzimaxɔsetɔ la ɖa o. Ke hã ne dzimaxɔsetɔa kpɔtɔ nye dzimaxɔsetɔ la, nukae adzɔ ɖe ame ma dzi ne Mawu he nuɖoanyi sia va nuwuwui kpuie?—Psalmo 37:37, 38.

Nutovowɔwɔ Ðe Ame Srɔ̃ Ŋu

16, 17. Nu tovo kae ame aɖewo va nɔ wɔwɔm?

16 Emegbe Maleaxi ƒo nu tso alakpanuwɔwɔ evelia ŋu: eyae nye nutovowɔwɔ ɖe ame srɔ̃ ŋu, vevietɔ to srɔ̃gbegbe manɔsenu me. Ta 2 ƒe kpukpui 14 lia gblɔ be: “Yehowa nye ɖasefo na mia kple wò ɖekakpuimesrɔ̃, si ŋu nèto vo ɖo la . . . , evɔ wònye wò zɔhɛ kple nyɔnu, si nèbla nu kplii la, wònye hafi.” Srɔ̃ŋutsu Yudatɔwo ƒe nu tovo siwo wowɔ ɖe wo srɔ̃wo ŋu na be Yehowa ƒe vɔsamlekpui dzi ‘yɔ taŋtaŋ kple aɖatsi.’ (Maleaxi 2:13) Ŋutsu mawo nɔ srɔ̃ gbem le nyamaɖinyawo ta henɔa asi ɖem le woƒe ɖekakpuimesrɔ̃ ŋu madzemadzee, ɖewohĩ kple susu be yewoaɖe ɖetugbi alo nyɔnu trɔ̃subɔlawo. Eye nunɔla gblẽkuawo ɖe mɔ ɖe eŋu! Ke hã Maleaxi 2:16 gblɔ be: “Melé fu srɔ̃gbegbe, Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe.” Emegbe Yesu ɖee fia be agbegbegblẽnɔnɔ dzie woanɔ te ɖo agbe srɔ̃ si aɖe mɔ na srɔ̃tɔ maɖifɔa be wòagaɖe srɔ̃ bubu.—Mateo 19:9.

17 De ŋugble le Maleaxi ƒe nyawo ŋu, eye nàkpɔ alesi wowɔ dɔ ɖe ame ƒe dzi kple seselelãme dzii ɖa. Eƒo nu tso “wò zɔhɛ kple nyɔnu, si nèbla nu kplii” ŋu. Nyɔnu si ŋutsu siwo katã wɔ nusia dometɔ ɖesiaɖe ɖe la nye ehavi tadeagula, Israel-nyɔnu, eye kpeɖeŋutɔ lɔlɔ̃a kple zɔhɛ wònye nɛ wòɖe hafi. Togbɔ be woƒe ɖekakpui kple ɖetugbi mee woanya ɖe wo nɔewo hã la, ɣeyiɣiawo ƒe yiyi kple tsitsi mete fli ɖe nu si wobla kple wo nɔewo, si nye srɔ̃ɖeɖe ƒe nubabla la, me o.

18. Mɔ kawo nue nuxlɔ̃ame si Maleaxi na tso alakpanuwɔwɔ ŋu ka mí egbea le?

18 Nya mawo ŋuti nuxlɔ̃ame ka míawo hã pɛ abe alesi ko wònɔ va yi ene. Ewɔ nublanui ŋutɔ be ame aɖewo tu afɔkpo Mawu ƒe mɔfiame be woaɖe srɔ̃ le Aƒetɔ la ɖeɖeko me la. Eye ewɔ nublanui hã be ame aɖewo meyi edzi dze agbagba be woalé woƒe srɔ̃ɖeɖe ɖe te o. Ðe ema teƒe la, wonɔa wo ɖokuiwo nu ɖem hewɔa nusi Mawu lé fui to wo srɔ̃wo gbegbe le mɔ si mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o me be yewoaɖe ame bubu. Woto nusiawo wɔwɔ me “do dziku na Yehowa.” Le Maleaxi ƒe ɣeyiɣia me ke la, amesiwo tu afɔkpo Mawu ƒe nuxlɔ̃ame te ŋu do dzi bu le dzime gɔ̃ hã be Yehowa boŋ ƒe nukpɔsusue mesɔ o. Efia be wonɔ gbɔgblɔm be: “Afika Mawu, ʋɔnudrɔ̃la la le?” Nukpɔsusu vɔ̃ɖi kae nye si! Negadzɔ be míage adze mɔ̃ ma me o.—Maleaxi 2:17.

19. Aleke srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo ate ŋu axɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea?

19 Dzidzɔtɔe la, Maleaxi ɖee fia be srɔ̃ŋutsu aɖewo mewɔ nu tovo ɖe wo srɔ̃wo ŋu o. ‘Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea kpɔtɔ nɔ’ wo dzi. (Kpukpui 15, NW ) Enye dzidzɔ be ŋutsu siawo tɔgbe, siwo ‘dea bubu wo srɔ̃nyɔnuwo ŋu’ la bɔ ɖe Mawu ƒe habɔbɔa me fũ. (Petro I, 3:7) Womeƒoa wo srɔ̃wo alo gblɔa nya vedzinamewo ɖe wo ŋu o, womezia wo dzi be yewoawɔ gbɔdɔdɔ ƒe nuwɔna ɖigbɔwo kpli wo o, eye wometoa ɖetsɔtsɔ le nyɔnu bubuwo me madzemadzee alo toa amamaɖeɖefotowo kpɔkpɔ dzi doa vlo wo srɔ̃nyɔnuwo o. Nenema ke wònye dzidzɔ na Yehowa ƒe habɔbɔa be srɔ̃nyɔnu Kristotɔ nuteƒewɔla gbogbo aɖewo le ye si siwo wɔa nuteƒe na Mawu kple eƒe sewo. Ŋutsu kple nyɔnu siawo katã nya nusi Mawu lé fui eye wobua tame hewɔa nu le ɖekawɔwɔ me kple nusiawo. Yi edzi nànɔ abe amesiawo ene, ‘nànɔ to ɖom Mawu ƒe dziɖulanyenye’ be wòatsɔ eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ayra wòe.—Dɔwɔwɔwo 5:29.

20. Ɣeyiɣi kae le ameƒomea katã gogom?

20 Eteƒe madidi o, Yehowa ahe xexe blibo sia ava ʋɔnui. Amesiame abu akɔnta nɛ le eƒe dzixɔse kple nuwɔna ŋuti. “Mía dometɔ ɖesiaɖe abu akɔnta le ye ŋutɔ ɖokui ŋuti na Mawu.” (Romatɔwo 14:12) Eyata biabia nyui aɖe si wòle be míabia fifiae nye be: Amekawoe atsi agbe le Yehowa ƒe ŋkekea dzi? Nyati siawo ƒe etɔ̃lia si nye mamlɛtɔa adzro nya sia me.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Susu vevi ka koŋ tae Yehowa bu fɔ nunɔlawo le Israel?

• Nukatae Mawu ƒe dzidzenuwo mekɔkɔ akpa be amegbetɔwo mate ŋu awɔ wo dzi o?

• Nukatae wòle be míaɖɔ ŋu ɖo le míaƒe nufiafia me egbea?

• Nuwɔna eve kawo ŋue Yehowa tsi tre ɖo koŋ?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Le Maleaxi ŋɔli la, wobu fɔ nunɔlawo le asiɖeɖe Yehowa ƒe mɔwo ŋu ta

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Ele be míakpɔ nyuie be míefiaa Yehowa ƒe mɔwo eye míagado míaƒe nukpɔsusuwo ɖe ŋgɔ o

[Nɔnɔmetata siwo le axa 18]

Yehowa bu fɔ Israel-vi siwo gbe wo srɔ̃nyɔnuwo le nyamaɖinyawo ta heɖe nyɔnu trɔ̃subɔlawo

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Kristotɔwo dea bubu woƒe srɔ̃ɖenubablawo ŋu egbea