Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nèkpɔa Ŋudzedze Ðe Mawu ƒe Lɔlɔ̃ Ŋua?

Ðe Nèkpɔa Ŋudzedze Ðe Mawu ƒe Lɔlɔ̃ Ŋua?

Ðe Nèkpɔa Ŋudzedze Ðe Mawu ƒe Lɔlɔ̃ Ŋua?

HIOB ɖɔ blibomademade ƒe nɔnɔme si me amegbetɔ le le nya siawo me be: “Amegbetɔ nyɔnu tɔ dzidzia, eƒe agbe le kpuie, eye fuɖeɖe ti kɔ nɛ. Edona abe seƒoƒo ene, eye wòyrɔna; esina abe vɔvɔli ene, eye metɔna ɖi o.” (Hiob 14:1, 2) Agbenɔnɔ, abe alesi Hiob nɔ eteƒe kpɔm ɣemaɣi ene la, me yɔ fũ kple nuxaxa kpakple konyifafa. Ðe nèse le ɖokuiwò me nenema kpɔa?

Gake togbɔ be nya sesẽwo kple kuxiwo adzɔ ɖe mía dzi hã la, mɔkpɔkpɔ sẽŋu, si wotu ɖe Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ kple lɔlɔ̃ dzi la li. Gbã la, míaƒe Dziƒofofo nublanuikpɔla la na tafevɔsa la be yeatsɔ aɖe ameƒomea tso nuvɔ̃ ƒe teteɖeanyi ƒe nɔnɔmea me. Le Yohanes 3:16, 17 ƒe nya nu la, Yesu Kristo gblɔ be: “Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ. Elabena Mawu medɔ via [Yesu] ɖe xexeame, be wòadrɔ̃ ʋɔnu xexeame o; ke boŋ be woaɖe xexeame to eyama dzi.”

Azɔ hã la, de ŋugble le nublanuikpɔkpɔ ƒe nɔnɔme si Mawu ɖena fiana mí amegbetɔ madeblibowo ŋu kpɔ. Apostolo Paulo gblɔ be: “[Ewɔ] bena, amewo ƒe dukɔ sia dukɔ tso ʋu ɖeka me le anyigba la ƒe ŋku me; eye wòɖo azãgbewo kple woƒe nɔƒe ƒe liƒowo da ɖi; bena woadi Mawu, ɖewo woatsa asi adze sii, eye woakpɔe mahĩ, wònye mele adzɔge tso mía dome amesiame gbɔ hafi o.” (Dɔwɔwɔwo 17:26, 27) Bu eŋu kpɔ! Togbɔ be míenye amegbetɔ madeblibowo hã la, míagate ŋu ase vivi le ƒomedodo kplikplikpli me kple mía Wɔla lɔlɔ̃tɔ, Yehowa Mawu, kokoko.

Ekema, míate ŋu adze ŋgɔ etsɔme kple dzinɔameƒo, esi míenyae be Mawu tsɔa ɖe le eme na mí hewɔ ɖoɖo lɔlɔ̃tɔe ɖe míaƒe viɖe mavɔ ŋu ta. (Petro I, 5:7; Petro II, 3:13) Eyata, ɖikeke mele eme o be, susu sẽŋu le mía si si ta wòle be míasrɔ̃ nu atso mía Mawu lɔlɔ̃a ŋu to eƒe Nya, Biblia, sɔsrɔ̃ me.