Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amekae Nye Mawu?

Amekae Nye Mawu?

Amekae Nye Mawu?

THE Encyclopedia Americana gblɔ be: “Mawu enye ŋkɔ si woyɔna na xexeame katã dzɔtsoƒe kple ŋusẽ gãtɔ kekeake eye wònye amesi wodea ta agu na le mawusubɔsubɔ wɔnawo me.” Nyagɔmeɖegbalẽ aɖe ɖe ŋkɔ “Mawu” gɔme be “ŋusẽ kɔkɔtɔ si ƒo ɖesiaɖe ta.” Nɔnɔme kae le ŋusẽ wɔnuku ma si?

Ðe Mawu nye ŋusẽ aɖe ƒomevi ko loo alo ame ŋutɔŋutɔa? Ŋkɔ le esia? Ðe wònye nu etɔ̃ ƒokpli aɖe, Mawuɖekaetɔ̃ aɖe, abe alesi ame geɖe xɔe se enea? Aleke míawɔ anya Mawu? Biblia la na nyabiabia siawo ƒe ŋuɖoɖo siwo nye nyateƒe eye dzidzeme le wo me. Le nyateƒe me la, ede dzi ƒo na mí be míadi Mawu, esi wògblɔ bena: “Mele adzɔge tso mía dome amesiame gbɔ hafi o.”—Dɔwɔwɔwo 17:27.

Ŋusẽ aɖe si Si Amenyenye Mele O Ye Loo alo Ame Ŋutɔŋutɔa?

Amesiwo xɔ Mawu dzi se dometɔ geɖe bua eyama abe ŋusẽ aɖe ko ene, ke menye abe ame ene o. Le kpɔɖeŋu me, woxɔe se le dekɔnu aɖewo me be mawuwoe dzɔdzɔmeŋusẽwo nye. Ame aɖewo siwo dzro kpeɖodzi siwo wokpɔ le dzɔdzɔmeŋutinunya numekuku ku ɖe xexeame katã ƒe wɔwɔme kple agbe si le anyigba dzi ŋu me ƒo nyata be ele be Nuwɔŋusẽ Gbãtɔ aɖe nanɔ wo si godoo. Ke hã esesẽna na wo be woalɔ̃ ɖe edzi be ame ŋutɔe Nuwɔŋusẽ sia nye.

Gake ɖe alesi nuwɔwɔwo wɔ nukui mefia be nunya de ŋgɔ ŋutɔ aɖee le Nuwɔŋusẽ Gbãtɔa si oa? Nunya bia be susu nanɔ ame si. Mawu sie susu deŋgɔ si wotsɔ wɔ nuwo katã la le. Ẽ, ŋutilã le Mawu si, menye luʋɔŋutilã abe mía tɔ ene o, ke koŋ enye gbɔgbɔŋutilã. Biblia la gblɔ be “Luʋɔŋutilã li, eye gbɔgbɔŋutilã hã li.” (Korintotɔwo I, 15:44) Esi Biblia nɔ Mawu ƒe nɔnɔme ɖɔm la, egblɔe eme kɔ be: “Mawue nye gbɔgbɔ.” (Yohanes 4:24) Agbe si ƒomevi le gbɔgbɔ si la to vovo kura tso mía tɔ gbɔ, amegbetɔ ƒe ŋkuwo mekpɔnɛ o. (Yohanes 1:18) Gbɔgbɔmenuwɔwɔ siwo míate ŋu akpɔ o hã li. Woawoe nye mawudɔlawo—“mawuviwo.”—Hiob 1:6; 2:1.

Esi Mawu nye amesi ame aɖeke mewɔ o si si gbɔgbɔŋutilã le ta la, susu le eme be woagblɔ be nɔƒe le esi. Esi Biblia nɔ nu ƒom tso gbɔgbɔmexexeame ŋu la, egblɔ na mí be dziƒowo nye ‘Mawu ƒe nɔƒe.’ (Fiawo I, 8:43) Gakpe ɖe eŋu la, Biblia ŋlɔla Paulo gblɔ be: ‘Kristo yi dziƒo ŋutɔ bene wòado ɖe Mawu ŋku me azɔ le mía ta.’—Hebritɔwo 9:24.

Wogazãa nya “gbɔgbɔ” le gɔmesese bubu nu le Biblia me. Esi hakpala la nɔ gbe dom ɖa na Mawu la, egblɔ be: “Ne èɖo wò gbɔgbɔ ɖa la wodzɔna.” (Psalmo 104:30) Gbɔgbɔ sia menye Mawu ŋutɔ o, ke boŋ enye ŋusẽ si Mawu ɖona ɖa, alo zãna, tsɔ wɔa nusianu si wòdi. Gbɔgbɔ siae Mawu tsɔ wɔ dziƒo si míekpɔna, anyigba, kple nu gbagbewo katã. (Mose I, 1:2; Psalmo 33:6) Woyɔa eƒe gbɔgbɔ la be gbɔgbɔ kɔkɔe. Mawu zã eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea tsɔ ʋã amesiwo ŋlɔ Biblia lae. (Petro II, 1:20, 21) Le esia ta, gbɔgbɔ kɔkɔea nye dɔwɔŋusẽ si Mawu zãna tsɔ wɔa eƒe tameɖoɖowoe.

Ŋkɔ Tɔxɛ aɖe Le Mawu Si

Biblia ŋlɔla Agur bia be: “Ameka lɔ ya ɖe asiʋlo me? Ameka bla tsi ɖe avɔ me? Ameka ɖo anyigba ƒe mlɔenuwo katã tsitrenu? Eŋkɔ ɖe, eye aleke woyɔna na via?” (Lododowo 30:4) Ne míagblɔe la, Agur nɔ biabiam be, ‘Ènya ame aɖe alo dzidzime aɖe si wɔ nusiawo ƒe ŋkɔa?’ Mawu ɖeɖeko sie ŋusẽ le be wòaɖo dzɔdzɔmeŋusẽwo anyi. Togbɔ be nuwɔwɔwo nye kpeɖodzi sẽŋu be Mawu li hã la, meɖe Mawu ƒe ŋkɔ ya fia o. Le nyateƒe me la, míate ŋu anya Mawu ƒe ŋkɔ gbeɖe o, negbe ɖe Mawu ŋutɔ ɖee fia mí. Eye eɖee fia hã. Wɔla la gblɔ be: “Nyee nye Yehowa, ŋkɔnyee.”—Yesaya 42:8.

Mawu ƒe ŋkɔ tɔxɛ, Yehowa, dze zi 7,000 kloe le Hebri Ŋɔŋlɔawo ɖeɖe me. Yesu Kristo ɖe ŋkɔ ma fia ame bubuwo hekafui le wo ŋkume. (Yohanes 17:6, 26) Ŋkɔ ma dze le Biblia ƒe agbalẽ mamlɛtɔ me, wònye nyagbɔgblɔ “Halleluyah,” si gɔmee nye “mikafu Yah,” ƒe akpa aɖe. Eye “Yah” enye “Yehowa” yɔyɔ kpuie. (Nyaɖeɖefia 19:1-6) Gake, ƒã hafi Biblia gɔmeɖeɖe geɖe siwo li egbea zãa ŋkɔ ma. Enuenu la, wozãa nya “AƑETƆ” alo “MAWU,” siwo wotsɔ ŋɔŋlɔdzesi gãwo ŋlɔe bene woatsɔ ade vovototo eya kple dzesideŋkɔ siwo nye “Aƒetɔ” kple “Mawu” dome, ɖe eteƒe. Agbalẽnyala aɖewo doe ɖa be anɔ eme be woyɔ Mawu ƒe ŋkɔa be “Yahweh.”

Nukatae Amesi nye gãa wu le xexeame katã ƒe ŋkɔ ŋuti nukpɔsusuwo to vovo alea? Ƒe alafa geɖe enye esia si kuxia dze egɔme esime Yudatɔwo dzudzɔ Mawu ƒe ŋkɔa zazã kura le aʋatsodzixɔsewo ta hete Hebri-nyagbe si wozãna na “Aƒetɔ Dziɖulagã” ɖoɖo Mawu ƒe ŋkɔa teƒe le afisi wòdze le ne wole Ŋɔŋlɔawo xlẽm. Esi wònye ablɔɖegbeɖiɖi mele Hebrigbe si wotsɔ ŋlɔ Biblia si o ta la, mɔ aɖeke meli si dzi míato anya alesi tututu Mose, Dawid, kple blematɔ bubuwo yɔ ŋɔŋlɔdzesi siwo wotsɔ ŋlɔ Mawu ƒe ŋkɔa o. Ke hã ƒe gbogbo aɖee nye esia wole eƒe Eʋegbe me tɔ, si nye Yehowa zãm, eye woda asi ɖe eyɔyɔ si sɔ kplii le gbegbɔgblɔ geɖe me dzi le teƒe geɖe egbea.—Mose II, 6:3; Yesaya 26:4.

Togbɔ be míeka ɖe alesi woyɔ Mawu ƒe ŋkɔae le blema Hebrigbe me dzi tututu o hã la, gɔmesese si le eŋu ya meɣla keŋkeŋ o. Eƒe ŋkɔa gɔmee nye “Enaa Wòvaa Eme.” Le mɔ sia nu la, Yehowa Mawu ɖe eɖokui fia abe Tameɖola Gãtɔ ene. Enaa eƒe tameɖoɖowo kple ŋugbedodowo vaa eme ɣesiaɣi. Mawu vavã la, si si ŋusẽ le be wòawɔ esia, koe ate ŋu atɔ ŋkɔ ma wòasɔ.—Yesaya 55:11.

Ðikekemanɔmee la, ŋkɔ Yehowa dea vovototo Mawu Ŋusẽkatãtɔ kple mawu bubuawo dome. Susu ma tae ŋkɔ ma dze enuenu le Biblia me ɖo. Togbɔ be Biblia gɔmeɖeɖe geɖe gbe Mawu ƒe ŋkɔa zazã hã la, Psalmo 83:19 gblɔe eme kɔ ƒã be: “Ŋkɔwòe nye Yehowa, eye wò ɖeɖe koe ɖo kpo ɖe anyigba blibo la dzi!” Le Yesu Kristo ƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi la, efia eyomedzelawo be: “Eyata miawo mido gbe ɖa ale: ‘Mía Fofo, si le dziƒowo! Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ!’ ” (Mateo 6:9) Eyata ele be míazã Mawu ƒe ŋkɔa ne míele gbe dom ɖa, le nu ƒom tso eyama ŋu, hele ekafum le ame bubuwo dome.

Mawue Yesu Nyea?

Yehowa Mawu ŋutɔ hã megblẽ mí ɖe viviti me le amesi Via nye ŋu o. Mateo ƒe Nyanyuia me nuŋlɔɖi gblɔ be esi wonyrɔ Yesu vɔ la, “gbe tso dziƒowo le gbɔgblɔm bena: ‘Amesia enye vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu lena o la, si dzea ŋunye!’ ” (Mateo 3:16, 17) Mawu ƒe Vie Yesu Kristo nye.

Gake amesiwo doa vevie mawusubɔsubɔ dometɔ aɖewo be Yesu nye Mawu. Bubuwo be Mawu nye Mawuɖekaetɔ̃. Le nufiafia sia nu la, “Fofoa nye Mawu, Vi la nye Mawu, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔea nye Mawu, gake menye Mawu etɔ̃e li o, ke Mawu ɖekae li.” Woxɔe se be “mavɔmavɔnyenye kple tasɔsɔ ɖeka” ye le wo kple etɔ̃a katã si. (The Catholic Encyclopedia) Ðe nukpɔsusu mawo sɔa?

Ŋɔŋlɔ siwo tso gbɔgbɔ me gblɔ le Yehowa ŋu be: “Wòe nye Mawu tso mavɔ me yi mavɔ me.” (Psalmo 90:2) Enye “Fia mavɔmavɔtɔ”—si gɔmedzedze alo nuwuwu meli na o. (Timoteo I, 1:17) Gake Yesu ya nye “nuwɔwɔwo katã ƒe ŋgɔgbevi,” “amesi nye Mawu ƒe nuwɔwɔwo ƒe gɔmedzedze.” (Kolosetɔwo 1:13-15; Nyaɖeɖefia 3:14) Esi Yesu nɔ nu ƒom tso Mawu ŋu be eyae nye ye Fofo la, egblɔ be: ‘Fofo la lolo wum.’ (Yohanes 14:28) Yesu ɖe eme hã be nanewo nɔ anyi siwo ye alo mawudɔlawo menya o, negbe Mawu ɖeka koe nya wo. (Marko 13:32) Gawu la, Yesu do gbe ɖa na Fofoa, gblɔ be: “Menye nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ tɔwò woawɔ.” (Luka 22:42) Amekae wònɔ gbea dom ɖa na, ne menye na Ame aɖe si lolo wu eya ŋutɔe o? Eye Mawue fɔ Yesu ɖe tsitre tso ku me, menye Yesu ŋutɔe o.—Dɔwɔwɔwo 2:32.

Ekema le Ŋɔŋlɔawo ƒe nya nu la, Yehowae nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ, eye Yesue nye Via. Wo ame evea menɔ tasɔsɔ me hafi Yesu va anyigba dzi alo le eƒe anyigbadzigbenɔɣi o; eye Yesu meva sɔ ta kple Fofoa esi wofɔe ɖe tsitre yi dziƒo megbe o. (Korintotɔwo I, 11:3; 15:28) Abe alesi míekpɔe ene la, yeaɖi Mawuɖekaetɔ̃a ƒe ame etɔ̃lia, gbɔgbɔ kɔkɔea, menye ame o. Ke boŋ enye ŋusẽ si Mawu zãna tsɔ wɔa nusianu si wòdi. Eyata Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia metso Ŋɔŋlɔawo me o. * Biblia gblɔ be: “Yehowa mía Mawu la, Yehowa ɖeka koe.”—Mose V, 6:4.

Dze Si Mawu Nyuie Wu

Hafi míate ŋu alɔ̃ Mawu ahatsɔ subɔsubɔ si dze na eya ɖeɖeko anɛ la, ehiã be míanya amesi ƒomevi ŋutɔŋutɔ wònye. Aleke míawɔ anya Mawu nyuie wu? Biblia gblɔ be: “Tso xexemewɔwɔ dzi la wokpɔa eƒe numanyakpɔ, si nye eƒe ŋusẽ mavɔmavɔ kple mawunyenye la kɔte le eƒe dɔwɔwɔwo me.” (Romatɔwo 1:20) Mɔ siwo nu míato anya Mawu nyuie wu dometɔ ɖekae nye ŋkuléle ɖe eƒe nuwɔwɔwo ŋu kple ŋugbledede le wo ŋu ŋudzedzekpɔkpɔtɔe.

Gake nuwɔwɔwo megblɔna nusianu si hiã be míanya tso Mawu ŋu la na mí o. Le kpɔɖeŋu me, be míate ŋu ase egɔme be Gbɔgbɔmeme ŋutɔŋutɔ si si ŋkɔ le etɔxɛe wònye la, ele be míaxlẽ Biblia. Le nyateƒe me la, Biblia sɔsrɔ̃e nye mɔ nyuitɔ kekeake si dzi míato adze si Mawu nyuie wu. Yehowa gblɔ Mawu si ƒomevi wònye la na mí le Ŋɔŋlɔawo me. Eɖea eƒe tameɖoɖowo fiaa mí hefiaa nu mí le eƒe mɔwo hã ŋu. (Amos 3:7; Timoteo II, 3:16, 17) Aleke gbegbe dzi ate ŋu adzɔ mí enye esi be Mawu di be “nyateƒe ƒe sidzedze” nasu mía si ahakpɔ viɖe tso nusiwo wònana lɔlɔ̃tɔe me! (Timoteo I, 2:4) Eyata mina míadze agbagba ɖesiaɖe be míasrɔ̃ nusianu si míate ŋui tso Yehowa ŋu.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 19 Ne èdi be yeakpɔ nyati sia me dzodzro si de to la, kpɔ agbalẽ gbadza si nye Ðe Wòle Be Naxɔ Mawuɖekaetɔ̃ la Dzi Asea?, si Yehowa Ðasefowo ta.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 5]

Mawu zã eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea tsɔ wɔ anyigba eye wòtsɔe ʋã amewo woŋlɔ Biblia

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Gbe aɖe ɖi tso dziƒo gblɔ be: “Amesia enye Vinye”

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Yesu do gbe ɖa na Mawu—Amesi lolo wui

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Yesu ɖe gbeƒã Mawu ƒe ŋkɔ na ame bubuwo

[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Míate ŋu anya Mawu nyuie wu