Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ehiã be Míanya Amesi Mawu Nye

Ehiã be Míanya Amesi Mawu Nye

Ehiã be Míanya Amesi Mawu Nye

ÐE DZI medzɔa wò ŋutɔ ne èkpɔ ɣletiviwo do kpaŋkpaŋ ɖe dziŋgɔli, si ŋkume alilikpowo mexe o, me le zã me oa? Ðe seƒoƒo dzeaniwo ƒe ʋeʋẽ lilili menya sena oa? Ðe xeviwo ƒe hadzidziwo kple alesi aŋgbawo ɖinae ne ya le ƒoƒom to eme blewuu la sese mevivia nuwò oa? Eye aleke boso sẽŋu kple nuwɔwɔ bubu siwo le atsiaƒu me nya kpɔnae nye si! Emegbe amegbetɔwo kpakple woƒe dzitsinya kple ahɔhɔ̃ siwo wɔ nuku ale gbegbe la hã li. Aleke nèɖea alesi nu wɔnuku siwo katã ƒo xlã mí la wɔ va dzɔ mee?

Ame aɖewo xɔe se be ɖe nusiawo katã dzɔ le wo ɖokuisi wɔla aɖeke manɔmee. Gake ne aleae nyaa le la, nukatae amegbetɔwo xɔe se be Mawu li? Nukatae wòle be nuwɔwɔ siwo dia gbɔgbɔmenuwo nado tso nu vovovowo ƒe tsakatsaka le wo ɖokuisi me?

“Mawusubɔsubɔ ƒo ke ɖe to sesĩe ɖe amegbetɔ me eye wòkpɔa esia le ameƒomevi ɖesiaɖe ŋu metsɔ le woƒe agbalẽnyanya me o.” Nyagbɔgblɔ sia to numekuku si Nufialagã Alister Hardy wɔ heŋlɔ ɖe eƒe agbalẽ si nye The Spiritual Nature of Man me ɖe eme kpokploe. Numekuku siwo wowɔ nyitsɔ laa le ahɔhɔ̃a ŋu na ahɔhɔ̃ŋutinunyala aɖewo ƒo nya ta be anye be ɖe “woƒã” mawusubɔsubɔ ƒe didi ƒe ŋutete ɖe amegbetɔ ƒe domenyiŋusẽfianu me. Agbalẽ si ƒe tanyae nye Is God the Only Reality? gblɔ be: “Alesi wole gɔmesese dimee to mawusubɔsubɔ dzi la . . . nye nusi bɔ ɖe dekɔnu ɖesiaɖe kple ɣeyiɣi ɖesiaɖe me tso amegbetɔƒomea dzɔɣi ke.”

Bu alesi ŋutsu agbalẽnyala aɖe ƒo nya tae ƒe 2,000 aɖewo enye esi va yi ŋu kpɔ. Eŋlɔ bena: “Aƒe sia aƒe la amee dzranɛ ɖo; ke amesi dzraa nuwo katã ɖo la, eyae nye Mawu.” (Hebritɔwo 3:4) Le nyateƒe me la, Biblia ƒe kpukpui gbãtɔ gblɔ be: “Le gɔmedzedzea me Mawu wɔ dziƒo kple anyigba.”—Mose I, 1:1.

Gake amekae nye Mawu? Biabia sia ƒe ŋuɖoɖo vovovowoe le ameƒomea si. Esi wobia Japantɔ ƒewuivi aɖe si ŋkɔe nye Yoshi be amekae nye Mawu hã la, eɖo eŋu be: “Nyemeka ɖe edzi o. Buddhatɔ menye, eye amesi Mawu nye la nyanya mele vevie nam o.” Gake Yoshi lɔ̃ ɖe edzi be ame geɖe bua Buddha ŋutɔ be enye mawu. Nick, si nye asitsala si le eƒe ƒe 60-awo me, xɔ Mawu dzi se eye wòbua eyama abe ŋusẽ triakɔ aɖe ene. Esi wobia Nick be wòaɖe nusi wònya tso Mawu ŋu me la, eyi ŋugble me ɣeyiɣi didi aɖe hafi va gblɔ be: “Xɔ̃nye, ema nye biabia sẽŋu aɖe. Nya si ko mate ŋu agblɔe nye be Mawu li. Eli ŋutɔŋutɔ.”

Ame aɖewo ‘subɔa nusiwo Mawu wɔ wu Wɔla la.’ (Romatɔwo 1:25) Ame miliɔn geɖe subɔa tɔgbui kukuwo hebunɛ be Mawu le adzɔge ʋĩ akpa be woate ŋu ate ɖe eŋu. Le Hindu subɔsubɔ me la, mawuwo kple mawunɔ geɖewo li. Wosubɔ mawuwo, abe Zeus kple Hermes ene, le Yesu Kristo ƒe apostoloawo ŋɔli. (Dɔwɔwɔwo 14:11, 12) Kristodukɔa me sɔlemeha geɖe fiaa nu be Mawu nye Mawuɖekaetɔ̃, siwo me Mawu Fofo la, Mawu Vi la, kple Mawu Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le.

Le nyateƒe me la, Biblia gblɔ be, “mawu geɖewo kple aƒetɔ geɖewo li.” Ke hã egblɔ kpee be: “Gake la Mawu ɖeka, si nye Fofo, amesi me nuwo katã tso la, li na mi.” (Korintotɔwo I, 8:5, 6) Ẽ, Mawu vavã ɖeka koe li. Gake amekae wònye? Aleke wòle? Ele vevie na mí be míanya nyabiabia siawo ƒe ŋuɖoɖowo. Yesu ŋutɔ gblɔ le gbedodoɖa me na Ame sia be: “Ke esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.” (Yohanes 17:3) Susu le eme be míaxɔe ase be míaƒe dedienɔnɔ mavɔ nɔ te ɖe Mawu ŋuti nyateƒea nyanya dzi.

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Aleke wowɔ va dzɔ?

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Whale: Courtesy of Tourism Queensland

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 2]

COVER: Index Stock Photography © 2002