Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mive Amesiwo Ðo Xaxa Me Nu

Mive Amesiwo Ðo Xaxa Me Nu

Mive Amesiwo Ðo Xaxa Me Nu

“Mia dome amesiame neve ehavi nu.”—ZAXARYA 7:9, NW.

1, 2. (a) Nukatae wòle be míaɖe amenuveve afia? (b) Biabia kawo mee míadzro?

YEHOWA MAWU ƒe Nya xlɔ̃ nu mí be míalɔ̃ ‘amenuveve.’ (Mixa 6:8) Egblɔ susu siwo ta wòle be míawɔe hã na mí. Susu ɖekae nye be, “amenuvela le nu nyui wɔm na eya ŋutɔ ɖokui.” (Lododowo 11:17, NW ) Aleke wònye nyateƒee nye esi! Amenuveve, alo nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃ ɖeɖe fia naa ƒomedodo kplikplikpli nɔa ame kple ame bubuwo dome. Esia wɔnɛ be xɔlɔ̃ vavãwo nɔa mía si—si nye teƒeɖoɖo nyui vavã!—Lododowo 18:24.

2 Gawu la, Ŋɔŋlɔawo gblɔ na mí be: “Amesi ti dzɔdzɔenyenye kple [amenuveve] yome la, eƒe asi atu agbe, dzɔdzɔenyenye kple bubu.” (Lododowo 21:21) Nyateƒee, amenuveve yome titi ana Mawu nalɔ̃ míaƒe nya eye wòana etsɔmeyayrawo ƒe mɔkpɔkpɔ nasu mía si, tsɔ kpe ɖe agbe mavɔ ŋu. Gake aleke míate ŋu aɖe amenuveve afiae? Amekae míaɖee afia? Eye ɖe amenuveve to vovo na dɔmenyonyo alo dɔmekɔkɔ gbadzaa?

Dɔmenyonyo Kple Amenuveve

3. Aleke amenuveve to vovo na dɔmenyonyoe?

3 Vovototo le dɔmenyonyo gbadzaa kple amenuveve dome le mɔ vovovowo nu. Le kpɔɖeŋu me, zi geɖe amesiwo nyoa dɔme na amewo wɔa esia zi geɖe na amesiwo mele kadodo, alo ƒomedodo kplikplikpli aɖeke me kpli wo o. Gake ne míeɖe amenuveve fia ame aɖe la, ekema míele lɔlɔ̃ ƒe ƒomedodo kplikplikpli me kple amea. Le Biblia me la, amenuveve ɖeɖe fia si yi edzi le amewo dome la anya nɔ te ɖe ƒomedodo si nɔ wo dome xoxo la dzi. (Mose I, 20:13; Samuel II, 3:8; 16:17) Alo wote ŋu nɔa te ɖe ƒomedodo si va ɖo wo dome le amenuvevenuwɔna aɖe si wowɔ va yi xoxoxo la dzi. (Yosua 2:1, 12-14; Samuel I, 15:6; Samuel II, 10:1, 2) Be míawɔ vovototo sia ƒe kpɔɖeŋu la, mina míatsɔ Biblia me kpɔɖeŋu eve siwo ku ɖe dɔmenyonyo kple amenuveve ŋu, si amewo ɖe fia la asɔ kple wo nɔewo.

4, 5. Aleke Biblia me kpɔɖeŋu eve siwo woyɔ le afisia ɖe vovototo si le dɔmenyonyo kple amenuveve dome fia?

4 Dɔmenyonyo ƒe kpɔɖeŋu ɖeka ku ɖe ameha aɖe si ƒe ʋu gbã le tɔdzi, siwo dome apostolo Paulo nɔ. Tsia kplɔ wo dze goe le Melite-ƒukpoa dzi. (Dɔwɔwɔwo 27:37–28:1) Togbɔ be kadodo aɖeke menɔ Melitetɔwo kple ʋuɖola siwo ɖo xaxa me dome do ŋgɔ o, alo do ƒome kpli wo le mɔ aɖeke nu o hã la, ƒukpoadzinɔlawo xɔ amedzroawo nyuie, eye “menye dɔmenyonyo vi aɖe” woɖe fia wo o. (Dɔwɔwɔwo 28:2, 7) Woƒe amedzrowɔwɔa nyo, gake nudogoɖenunu koe wònye wowɔ na amedzroawo. Eyata enye dɔmenyonyo.

5 Gatsɔe sɔ kple dɔme si Fia Dawid nyo na Mefiboset, si nye exɔlɔ̃ Yonatan ƒe vi kpɔ. Dawid gblɔ na Mefiboset be: “Nàɖu nu le nye agba nu ɖaa.” Esi Dawid nɔ nusita wòle ɖoɖo sia wɔm me ɖem la, egblɔ nɛ be: “Mave nuwò le fofowò Yonatan ta.” (Samuel II, 9:6, 7, 13) Woƒo nu tso alesi Dawid medo kpo dɔmenyonyo o ŋu wòsɔ be enye amenuveve ɖeɖe fia, ke menye dɔmenyonyo dzro aɖe koe o, elabena enye nuteƒewɔwɔ na ƒomedodo aɖe si li xoxoxo la ƒe dzesi. (Samuel I, 18:3; 20:15, 42) Nenema ke egbea la, Mawu subɔlawo ɖea dɔmenyonyo fiana ameƒomea katã. Gake woɖea amenuveve si nu metsina o, alo nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃ fiana amesiwo le ƒomedodo si ŋu Mawu kpɔa ŋudzedze ɖo me kpli wo.—Mateo 5:45; Galatiatɔwo 6:10.

6. Amenuveve ƒe nɔnɔme kawoe amewo ɖe fia si dze ƒã le Mawu ƒe Nya la me?

6 Be míagade dzesi amenuveve ƒe nɔnɔme bubuwo la, míadzro Biblia me nuŋlɔɖi etɔ̃ siwo ƒo nu tso nɔnɔme sia ŋu me kpuie. Míava kpɔe le wo me be amenuveve si amewo ɖe fia (1) ku ɖe nuwɔna tɔxɛ aɖe ŋu (2) nye nusi wowɔ faa, eye (3) vevietɔ amesiwo ɖo xaxa mee woɖee fia. Gawu la, nuŋlɔɖi siawo fia alesi míaɖe amenuveve afia egbea.

Fofo aɖe Ðe Amenuveve Fia

7. Nukae Abraham ƒe subɔvi gblɔ na Betuel kple Laban, eye nya kae subɔvia fɔ ɖe te?

7 Mose I, 24:28-67 ƒo nu tso ŋutinya si ku ɖe Abraham ƒe subɔvi, si ŋu nya míegblɔ le nyati si do ŋgɔ me ƒe akpa mamlɛa ŋu. Esi wòdo go Rebeka vɔ megbe la, wokpee yi fofoa Betuel ƒe aƒeme. (Kpukpui 28-32) Subɔvia gblɔ alesi wònɔ srɔ̃ dim na eƒe aƒetɔ Abraham ƒe vi ŋu nya tsitotsito. (Kpukpui 33-47) Ete gbe ɖe edzi be yebui be dzidzedze si yekpɔ xoxo la nye dzesi tso Yehowa, “si kplɔm nyuie ale, be maɖe nye aƒetɔ nɔvi ƒe vinyɔnu na nye aƒetɔ vi la” la gbɔ. (Kpukpui 48) Ðikeke mele eme o be subɔvia ka ɖe edzi be nudzɔdzɔa gbɔgblɔ tso dzime ana Betuel kple viaŋutsu Laban nakpɔe be Yehowa le megbe na eƒe dɔdasia. Mlɔeba la, subɔvia gblɔ be: “Ne miedi be, miave nye aƒetɔ nu, eye miaɖi anukware nɛ la, ekema migblɔe nam; ke ne mielɔ̃ o la, migblɔe nam, bena nenye ɖusi me alo mia mee hã, ne maɖo tae.”—Kpukpui 49.

8. Aleke Betuel wɔ nui le nya si ku ɖe Rebeka ŋu me?

8 Yehowa ve Abraham nu xoxo. (Mose I, 24:12, 14, 27) Ðe Betuel alɔ̃ faa awɔ nu ma tututu ahaɖe asi le Rebeka ŋu be wòayi kple Abraham ƒe subɔvia? Ðe amewo ƒe amenuveve akpe ɖe Mawu tɔ ŋu be wòana eƒe tameɖoɖowo nava eme bliboea? Alo ɖe subɔvia ƒe mɔ legbee si wòzɔ anye dzodzroa? Anye akɔfafa na Abraham ƒe subɔvia ŋutɔ esi wòse Laban kple Betuel gblɔ be: “Nya sia nya tso Yehowa gbɔ.” (Kpukpui 50) Wode dzesii be Yehowa ƒe asi le nya la me eye wowɔ nu heheɖemegbe manɔmee helɔ̃ ɖe eƒe nudidia dzi. Emegbe Betuel ɖe eƒe amenuveve fia esi wògblɔ kpee be: “Kpɔ ɖa, Rebeka enye si, ele asiwò me, kplɔe yii, ne wòanye wò aƒetɔ vi la srɔ̃, abe alesi Yehowa gblɔe ene.” (Kpukpui 51) Rebeka lɔ̃ faa kplɔ Abraham ƒe subɔvia ɖo, eye wòva zu Isak srɔ̃ lɔlɔ̃a.—Kpukpui 49, 52-58, 67.

Amenuveve si Viŋutsu aɖe Ðe Fia

9, 10. (a) Nukae Yakob bia via Yosef be wòawɔ na ye? (b) Aleke Yosef ve fofoa nui?

9 Wove Abraham tɔgbuiyɔvi Yakob hã nu. Abe alesi Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ta 47 gblɔe ene la, Yakob nɔ Egipte ɣemaɣi, eye eƒe ‘kuɣi nɔ ɖoɖom.’ (Kpukpui 27-29) Etsi dzi vevie ŋutɔ elabena ele kuku ge le anyigba si menye eya ƒe ŋugbee Mawu do na Abraham o la dzi. (Mose I, 15:18; 35:10, 12; 49:29-32) Gake Yakob medi be woaɖi ye ɖe Egipte o, eyata ewɔ ɖoɖo be woatsɔ yeƒe kukua ayi Kanaan-nyigba dzi. Amekae tututue dze be wòakpɔ egbɔ be wowɔ eƒe didia dzi wu viaŋutsu xɔŋkɔ, Yosef?

10 Nuŋlɔɖia gblɔ be: “[Yakob na woyɔ] via Yosef vɛ, eye wògblɔ nɛ bena: Ne mele vevie na wò la, . . . nave nunye, àɖi anukware nam bena, màɖim ɖe Egipte o; ke boŋ naɖim ɖe tɔgbuinyewo gbɔ, eye natsɔm atso Egipte aɖaɖi ɖe woƒe yɔdo me.” (Mose I, 47:29, 30) Yosef do ŋugbe be yeawɔ ɖe eƒe didia dzi, eye eteƒe medidi o Yakob ku. Yosef kple Yakob vi mamlɛawo tsɔ eƒe kukua “yi Kanaan, eye woɖii ɖe kpeto, si le Maxpela gble me, le Mamre kasa la me; agble, si Abraham ƒle.” (Mose I, 50:5-8, 12-14) Eyata Yosef ve fofoa nu.

Amenuveve si Lɔ̃xoyɔvi aɖe Ðe Fia

11, 12. (a) Aleke Rut ve Naomi nui? (b) Mɔ ka nue Rut ƒe amenuveve ‘fifiatɔ’ nyo wu ‘tsãtɔ’ le?

11 Rut ƒe Agbalẽa ƒo nu tso alesi ahosi Naomi lɔ̃xoyɔvi Rut, si tso Moab, si hã nye ahosi la ve enui. Esi Naomi ɖoe be yeagbugbɔ ayi Betlexem le Yuda la, Rut ɖe amenuveve kple tameɖoɖo kplikpaa fia esi wògblɔ be: “Afisi nayi la, afima mayi; afisi natsi la, afima matsi; wò dukɔ anye nye dukɔ, eye wò Mawu anye nye Mawu.” (Rut 1:16) Emegbe Rut va ɖe amenuveve fia esime wòlɔ̃ faa be yeaɖe Naomi ƒe ƒometɔ Boas, si ku amegã. * (Mose V, 25:5, 6; Rut 3:6-9) Egblɔ na Rut be: “Eɖe wò [amenuveve] fia fifia wu tsã; elabena mèdze ɖekakpuiwo, ame dahe alo hotɔwo yome o.”—Rut 3:10.

12 Amenuveve si Rut ɖe fia “tsã” enye esime wògblẽ wo detɔwo ɖi heku ɖe Naomi ŋu. (Rut 1:14; 2:11) Amenuveve si Rut ɖe fia “fifia”—si nye alesi wòlɔ̃ faa be yeaɖe Boas la gbɔ ema ŋu sasasã. Fifia Rut ate ŋu adzi domenyila na Naomi, si ƒe vidziɣi va yi. Srɔ̃ɖeɖea dze edzi, emegbe esi Rut dzi vi la, Betlexem-nyɔnuwo do ɣli gblɔ be: “Wodzi ŋutsuvi na Naomi!” (Rut 4:14, 17) Vavãe, Rut nye ‘nyɔnu ɖɔʋu,’ si ta Yehowa tsɔ mɔnukpɔkpɔ wɔnuku ɖo eteƒe nɛ be wòva zu Yesu Kristo mama.—Rut 2:12; 3:11; 4:18-22; Mateo 1:1, 5, 6.

Woɖenɛ Fiana to Nuwɔnawo Me

13. Aleke Betuel, Yosef, kple Rut ɖe woƒe amenuveve fiae?

13 Ède dzesi alesi Betuel, Yosef, kple Rut ɖe woƒe amenuveve fiaa? Menye nya fadzinamewo ɖeɖeko gbɔgblɔe wotsɔ ɖee fia o ke to nuwɔna tɔxɛ gobii aɖewo me hã. Menye ɖeko Betuel gblɔ be, “Rebeka enye si” o, ke ‘edo mɔ Rebeka ŋutɔŋutɔ’ hã. (Mose I, 24:51, 59) Menye ɖeko Yosef gblɔ na Yakob be, “Mawɔe, abe alesi nèdi ene” ɖeɖeko o ke eya kple nɔviaŋutsuwo “wɔ nɛ, abe alesi wòde se na wo ene.” (Mose I, 47:30; 50:12, 13) Menye ɖeko Rut gblɔ be, “Afisi nayi la, afima mayi” ko o ke egblẽ wo detɔwo ɖi eye wòkplɔ Naomi ɖo “ale woa kple eve la wodze mɔ heva Betlexem.” (Rut 1:16, 19) Esime wonɔ Yuda la, Rut gawɔ “abe alesi lɔ̃xoa gblɔ nɛ pɛpɛpɛ ene.” (Rut 3:6) Ẽ, nuwɔnae Rut tsɔ ɖe eƒe amenuveve fiae abe ame bubuwo tɔ ene.

14. (a) Aleke Mawu subɔla siwo li egbea ɖea amenuveve fiana le nuwɔna mee? (b) Amenuveve nuwɔna kawoe nènya Kristotɔwo wɔna le míaƒe nutoa me?

14 Enye nusi doa dzidzɔ na ame be woakpɔ alesi Mawu subɔla siwo li egbea ɖea woƒe amenuveve fiana to nuwɔnawo mee. Le kpɔɖeŋu me, bu amesiwo yia edzi faa akɔ na haxɔsetɔ siwo nye dɔnɔwo, blanuilélawo, alo amesiwo le nu xam vevie henaa kpekpeɖeŋu wo la ŋu kpɔ. (Lododowo 12:25) Alo bu Yehowa Ðasefo gbogbo siwo tsɔa veviedodo va kɔa ame tsitsiwo yia Fiaɖuƒe Akpatawo me be woade hamea ƒe kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe kpekpewo ŋu kpɔ. Anna, si xɔ ƒe 82 eye wònɔ ƒunukpeƒetetedɔ lém la, ɖe ame bubu geɖe ƒe seselelãme gblɔ esime wògblɔ be: “Alesi wova kɔam yia kpekpeawo katãe la nye yayra tso Yehowa gbɔ. Medaa akpe nɛ vevie tso dzime be ena nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu lɔ̃ame siawo le asinye.” Èkpɔa gome le dɔ siawo tɔgbe wɔwɔ me le miaƒe hamea mea? (Yohanes I, 3:17, 18) Ne èwɔnɛ la, ekema nyae be wodea asixɔxɔ wò amenuvevea ŋu vevie.

Woɖenɛ Fiana Faa

15. Amenuveve ƒe nɔnɔme kae gadze le Biblia me nuŋlɔɖi etɔ̃ siwo me míedzro va yi la me?

15 Biblia ƒe nuŋlɔɖi siwo me míedzro va yi gaɖee fia be woɖea amenuveve fiana faa eye wòtsoa dzime, ke menye kple dzizizi o. Betuel lɔ̃ faa wɔ ɖeka kple Abraham ƒe subɔvia, eye nenemae Rebeka hã wɔ. (Mose I, 24:51, 58) Menye ame aɖekee zi Yosef dzi hafi wòɖe amenuveve fia o. (Mose I, 50:4, 5) Rut ‘ɖoe kplikpaa be yeayi kple Naomi.’ (Rut 1:18) Esime Naomi doe ɖe Rut gbɔ be wòate ɖe Boas ŋu la, amenuvevee na Moab-nyɔnuvia gblɔ be: “Nusiwo katã nègblɔ la, mawɔe!”—Rut 3:1-5.

16, 17. Nukae na gɔmesese nɔ amenuveve si Betuel, Yosef, kple Rut ɖe fia ŋu, eye nukae ʋã wo woɖe nɔnɔme sia fia?

16 Amenuveve si Betuel, Yosef, kple Rut ɖe fia la le etɔxɛ ŋutɔ elabena Abraham, Yakob, kple Naomi mate ŋu aƒoe ɖe wo nu le mɔ aɖeke nu o. Ne èbu eŋu kpɔ la, se aɖeke mebla Betuel wòana vianyɔnu naklã le eŋu o. Ate ŋu agblɔ na Abraham ƒe subɔvia bɔbɔe be: ‘Ao, nyemedi be maɖe asi le vinyenyɔnu zãzɛa ŋu wòadzo le gbɔnye o’ hafi. (Mose I, 24:18-20) Nenema ke Yosef ate ŋu alɔ̃ be yeawɔ ɖe ye fofo ƒe biabiaa dzi alo wòagbe, elabena Yakob megale agbe azi edzi be wòawɔ ɖe eƒe nya dzi nɛ o. Naomi ŋutɔ ɖee fia be Rut vo be wòanɔ Moab. (Rut 1:8) Rut hã vo aɖe ‘ɖekakpui’ tsɔ wu be wòaɖe Boas, si ku amegã.

17 Betuel, Yosef, kple Rut ɖe amenuveve fia faa; woƒe dzie ʋã wo wowɔ nu nenema. Wobui be esɔ be yewoaɖe nɔnɔme sia afia amesiwo nɔ ƒomedodo me kpli yewo, abe alesi Fia Dawid va se le eɖokui me be ele be yeaɖe amenuveve afia le Mefiboset gome ene.

18. (a) Nɔnɔme kae le Kristotɔ hamemegãwo si wotsɔ ‘kplɔa alẽha’ la? (b) Aleke hamemegã aɖe gblɔ eƒe seselelãme le kpekpe ɖe hatitadeagulawo ŋui?

18 Amenuveve gakpɔtɔ nye dzesi le Mawu ƒe amewo, siwo dometɔ aɖewo nye ŋutsu siwo kplɔa Mawu ƒe alẽha la ŋu. (Psalmo 110:3; Tesalonikatɔwo I, 5:12) Hamemegã alo dzikpɔla mawo kpɔe be esi woɖo yewo ta la, enye yewoƒe agbanɔamedzi be yewoawɔ dɔ si wode yewo si la pɛpɛpɛ. (Dɔwɔwɔwo 20:28) Ke hã ‘womewɔa’ alẽkpɔkplɔdɔ kple amenuvevedɔ bubu siwo wowɔna le hamea ta “le dzizizi ta o, ke boŋ kple lɔlɔ̃nu faa.” (Petro I, 5:2) Hamemegãwo kplɔa alẽha la elabena woxɔ agbanɔamedzia eye wolɔ̃ faa be yewoawɔe ta. Woɖea amenuveve fiana Kristo ƒe alẽawo elabena ele na wo be woawɔe eye wodi be yewoawɔe hã. (Yohanes 21:15-17) Kristotɔ hamemegã aɖe gblɔ be: “Edzɔa dzi nam vevie be masrã nɔviwo kpɔ le woƒe aƒewo me alo aƒo ka na wo kple susu be maɖee afia ko be mele wo ŋu bum. Kpekpeɖeŋu nana nɔviawo naa dzidzɔ kple dzidzemem!” Hamemegã lɔ̃ame siwo le afisiafi lɔ̃ ɖe nya sia dzi kple dzi blibo.

Mive Amesiwo Ðo Xaxa Me Nu

19. Amenuveve ŋu nya ka dzie wote gbe ɖo le Biblia ƒe nuŋlɔɖi siwo me míedzro le nyati sia me?

19 Biblia me nuŋlɔɖi siwo me míedzro la te gbe ɖe edzi be ele be woaɖe amenuveve afia amesiwo ɖo xaxa me evɔ woa ŋutɔwo mate ŋu akpɔ egbɔ o. Be Abraham ƒe ƒomea nadzi ɖe edzi la, ehiã Betuel ƒe kpekpeɖeŋu. Yakob hiã Yosef ƒe kpekpeɖeŋu be woatsɔ eƒe kukua ayi Kanaan. Eye Naomi hiã Rut ƒe kpekpeɖeŋu hafi wòate ŋu akpɔ domenyila. Abraham, Yakob, alo Naomi dometɔ aɖeke mate ŋu akpɔ hiahiã mawo gbɔ kpekpeɖeŋu maxɔmaxɔe o. Nenema ke egbea la, ele vevie be woave amesiwo ɖo xaxa me nu. (Lododowo 19:17) Ele be míasrɔ̃ blemafofo Hiob, amesi xɔ na “ame dahe, si le ɣli dom la, kple tsyɔ̃evi, si xɔnametɔ aɖeke meli na o la” kpakple “ame tsiasi” siaa. Azɔ hã Hiob ‘na ahosiwo ƒe dzi tso aseye’ eye wònye ‘ŋku na ŋkuagbãtɔwo.’—Hiob 29:12-15.

20, 21. Amekawo nue wòhiã be míave, eye nukae wòle be mía dometɔ ɖesiaɖe naɖo kplikpaa be yeawɔ?

20 Le nyateƒe me la, ‘ame dahe, siwo le ɣli dom hena kpekpeɖeŋu’ la le Kristo-hame ɖesiaɖe me. Esia ate ŋu anye le akogotsitsi, dziɖeleameƒo, sese le ame ɖokui me be yemeɖi naneke o, dziɖeleameƒo le ame aɖewo ta, dɔléle sesẽ, alo lɔlɔ̃tɔ aɖe ƒe ku ta. Fu ka ke kpemee lɔlɔ̃tɔ siawo katã ɖale o, woɖo xaxa siwo gbɔ míate ŋu akpɔ me eye wòle be míalɔ̃ faa ave wo nu ɣesiaɣi.—Tesalonikatɔwo I, 5:14.

21 Eyata mina míayi edzi asrɔ̃ Yehowa Mawu, amesi ƒe “amenuveve sɔ gbɔ.” (Mose II, 34:6; Efesotɔwo 5:1) Míate ŋu awɔ esia to alesi míalɔ̃ faa awɔ nu ŋutɔŋutɔwo atsɔ akpe ɖe amesiwo ɖo xaxa me ŋui me. Eye kakaɖedzitɔe la, anye bubu dede Yehowa ŋu eye wòana míakpɔ dzidzɔ geɖe esi míele ‘mía haviwo nu vem.’—Zaxarya 7:9.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 11 Ne èdi srɔ̃ɖeɖe sia tɔgbe ŋuti nyatakaka tsitotsito la, ke kpɔ Insight on the Scriptures, si Yehowa Ðasefowo ta, Babla I, axa 370.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Aleke amenuveve to vovo na dɔmenyonyoe?

• Mɔ kawo nue Betuel, Yosef, kple Rut ɖe amenuveve fia le?

• Nɔnɔme kae anɔ mía si míatsɔ aɖe amenuveve afia?

• Amekawo nue wòhiã be míave?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Aleke Betuel ɖe amenuveve fiae?

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Rut ƒe nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃ nye yayra na Naomi

[Nɔnɔmetata siwo le axa 23]

Ðe woɖea amenuveve fiana faa, wotoa nu ŋutɔŋutɔ wɔwɔ me ɖenɛ fiana, eye woɖenɛ fiana amesiwo ɖo xaxa me