Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nuteƒewɔwɔ Kplɔa Ame Dzɔdzɔewo

Nuteƒewɔwɔ Kplɔa Ame Dzɔdzɔewo

Nuteƒewɔwɔ Kplɔa Ame Dzɔdzɔewo

BIBLIA gblɔ be: “Amegbetɔ nyɔnu tɔ dzidzia, eƒe agbe le kpuie, eye fuɖeɖe ti kɔ nɛ.” (Hiob 14:1) Edze abe vevesese kple fukpekpe nye nusi me tom amegbetɔwo le wu ene. Gbesiagbegbenɔnɔ gɔ̃ hã te ŋu nyea dzimaɖitsitsi kple tɔtɔ sɔŋ! Nukae akplɔ mí dzidzedzetɔe to nɔnɔme sesẽwo me eye wòakpe ɖe mía ŋu tenɔnɔ dzadzɛ nakpɔtɔ anɔ mía si le Mawu ŋkume?

De ŋugble le ŋutsu kesinɔtɔ aɖe si ŋkɔe nye Hiob, si nɔ agbe anɔ ƒe 3,500 enye esi va yi le afisi nye Arabia fifia ŋu kpɔ. Dzɔgbevɔ̃e si gbegbe Satana he va ŋutsu Mawu-vɔ̃la sia dzi mele gbɔgblɔ me o! Eƒe lãhawo katã tsrɔ̃ eye via lɔlɔ̃awo hã ku. Eteƒe medidi o, Satana tsɔ ƒoƒoe vɔ̃ɖi aɖe ƒu Hiob tso tagbɔ vaseɖe afɔgbɔ. (Hiob ta 1, 2) Hiob menya nusita afɔku siawo nɔ dzɔdzɔm ɖe edzi o. Ke hã “Hiob mewɔ nuvɔ̃ kple eƒe nuyiwo o.” (Hiob 2:10) Egblɔ be: “Nyemasẽ nu le nye [nuteƒewɔwɔ, NW ] ŋu, vaseɖe esime mamia nu o.” (Hiob 27:5) Ẽ, Hiob ƒe nuteƒewɔwɔ fia mɔe le eƒe tetekpɔwo me.

Woɖe nuteƒewɔwɔ gɔme be enye agbenyuinɔnɔ ƒe blibonɔnɔ alo dadasɔ eye wòbia fɔmaɖimaɖi kple kpɔtsɔtsɔ manɔameŋu le Mawu ŋkume. Gake mefia blibodede le nuƒoƒo kple nuwɔna le amegbetɔ madeblibo, siwo mate ŋu aɖo Mawu ƒe dzidzenuwo gbɔ keŋkeŋ o gome o. Ke boŋ amegbetɔwo ƒe nuteƒewɔwɔ fia dzi ƒe kuku ɖe Yehowa kple eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ kpakple eƒe tameɖoɖo ŋu bliboe. Mawusosroɖa mae fiaa mɔ alo kplɔa nuteƒewɔlawo le nɔnɔmewo katã kple le ɣeyiɣi ɖesiaɖe me. Biblia ƒe agbalẽ si nye Lododowo ƒe ta 11 lia ƒe akpa gbãtɔ fia alesi míaƒe nuteƒewɔwɔ ate ŋu afia mɔ mí le agbe ƒe akpa vovovowo me eye wòna kakaɖedzi mí le yayra siwo akplɔe ɖo ŋu. Ekema mina míatsɔ didi vevie akpɔ nusiwo woŋlɔ ɖe afima.

Nuteƒewɔwɔ Naa Woɖia Anukware le Dɔwɔnyawo Me

Esi Fia Salomo si nɔ anyi le blema Israel nɔ gbe tem ɖe anukwareɖiɖi ƒe gɔmeɖose dzi la, ezã hakpanyawo ɖe nya siwo senyalawo zãna teƒe, esi wògblɔ be: “Nudanu amebatɔ enye ŋunyɔ na Yehowa; ke nudanu blibo dzea eŋu.” (Lododowo 11:1) Esiae nye zi gbãtɔ le teƒe ene siwo wozã nudanuwo kple nudakpewo tsɔ fia be Yehowa di be yeƒe subɔlawo naɖi anukware le dɔwɔnyawo me siwo dze le Lododowo ƒe agbalẽa me.—Lododowo 16:11; 20:10, 23.

Amesiwo zãa nudanu amebatɔ—alo meɖia anukware o—ƒe dzidzedzekpɔkpɔ ate ŋu adzro ame. Gake ɖe míadi be míaɖe asi le Mawu ƒe dzidzenu siwo ku ɖe nyui kple vɔ̃ ŋu to mía ɖokui ƒoƒo ɖe asitsanuwɔna manyomanyowo mea? Ne nuteƒewɔwɔ fiaa mɔ mí la, esia madzɔ gbeɖe o. Míetsria anukwaremaɖimaɖi elabena nudanu nyui, si nye dzidzenu si sɔ, si fia anukwareɖiɖi lae dzea Yehowa ŋu.

‘Nunya Le Ðokuibɔbɔlawo Si’

Fia Salomo yi edzi be:“Afisi dàda le la, afima ŋukpe hã le; ke amesiwo bɔbɔa wo ɖokui ɖe anyigba la, si me nunya le.” (Lododowo 11:2) Ðokuidodoɖedzi—eɖanye dada, tomaɖomaɖo, alo ŋuʋaʋã mee wòdze le o—hea ŋukpe vɛ. Gake dzesidede míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ɖokuibɔbɔtɔe nye nuwɔwɔ nunyatɔe. Aleke Ŋɔŋlɔawo me kpɔɖeŋuwo ɖe lododo sia ƒe nyateƒenyenye fia enye esi!

Lewi-vi, ŋuʋãla Korax nɔ ŋgɔ na aglãdzeha aɖe wotsi tre ɖe Yehowa ƒe subɔla siwo wòtia, siwo nye Mose kple Aron ƒe ŋusẽ ŋu. Nukae do tso ɖokuidodoɖedzi nuwɔna ma me? “Anyigba ke nu mi” aglãdzelawo dometɔ aɖewo, eye dzo fia bubuawo, siwo dome Korax hã nɔ. (Mose IV, 16:1-3, 16-35; 26:10; Mose V, 11:6) Ŋukpedoame ka gbegbe enye esi! Bu Usa, si do asi ɖa ɖokuidodoɖedzitɔe be yealé nubablaɖaka be wòaga ge o hã ŋu kpɔ. Woƒoe ƒu anyi wòku enumake. (Samuel II, 6:3-8) Aleke gbegbe wòle vevie be míaƒo asa na ɖokuidodoɖedzi enye esi!

Ne ɖokuibɔbɔla wɔ vodada gɔ̃ hã la, ŋu mekpenɛ o. Togbɔ be Hiob ɖo kpɔɖeŋu ɖi le nu geɖewo me hã la, mede blibo o. Tetekpɔ siwo me wòto ɖe gbɔdzɔgbɔdzɔ gã aɖe fia le eƒe nukpɔsusu aɖewo ŋu. Esi Hiob nɔ eɖokui nu ɖem le enutsolawo ŋkume la, edze abe meva da sɔ tututu o ene. Eɖee fia gɔ̃ hã be yele dzɔdzɔe wu Mawu. (Hiob 35:2, 3) Aleke Yehowa ɖɔ Hiob ƒe nuŋububu ɖoe?

Yehowa ƒo nu tso anyigba, atsiaƒu, dziƒoɣletiviwo, lã aɖewo, kple nuwɔwɔ wɔnuku bubu ŋu tsɔ fia nu Hiob le amegbetɔ ƒe numaɖinunyenye ne wotsɔe sɔ kple Mawu ƒe gãnyenye ŋu. (Hiob ta 38-41) Yehowa megblɔ nusita Hiob nɔ fu kpem le eƒe nuƒoa ƒe akpa aɖeke o. Mehiã be wòagblɔe o. Hiob nye ɖokuibɔbɔla. Elɔ̃ ɖe edzi ɖokuibɔbɔtɔe be vovototo gã ŋutɔ le ye kple Mawu dome, vovototo le ye ŋutɔ yeƒe blibomademade kple gbɔdzɔgbɔdzɔwo kple Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye kple ŋusẽ dome. Egblɔ be: “Megbe nye nyawo, eye wovem le ke kple afi me.” (Hiob 42:6) Hiob ƒe nuteƒewɔwɔ na wòxɔ ɖɔɖɔɖoa enumake. Míawo ya ɖe? Ðe nuteƒewɔwɔ ana míaxɔ mokaka alo ɖɔɖɔɖo ne ehiã?

Mose hã nye ɖokuibɔbɔla. Esi wòtsɔ amewo ƒe kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ do agba na eɖokui wònɔ ewum la, toa, Yetro, gblɔ egbɔkpɔnu nyui aɖe: Na ŋutsu siwo dze natsɔ agbanɔamedziawo kpli wò. Esi Mose de dzesi eƒe ŋutete seƒe ta la, exɔ aɖaŋuɖoɖoa nunyatɔe. (Mose II, 18:17-26; Mose IV, 12:3) Ŋutsu si bɔbɔa eɖokui mehena ɖe megbe le agbanɔamedzi nana ame bubuwo me o, alo mevɔ̃na be ne yena agbanɔamedzi ŋutsu bubu siwo dze la, woava xɔ ŋusẽ le ye si o. (Mose IV, 11:16, 17, 26-29) Ðe ema teƒe la, edina vevie be yeakpe ɖe wo ŋu woawɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi. (Timoteo I, 4:15) Menye nenemae wòle be wòanɔ le míawo hã gome oa?

‘Fɔmaɖila ƒe Mɔwo Dzɔ’

Esi Salomo de dzesii be menye ɣesiaɣie fɔmaɖimaɖi kpɔa ame dzɔdzɔe ta le afɔku alo dzɔgbevɔ̃e me o ta la, egblɔ be: “Fɔmaɖi enye nuteƒewɔlawo kplɔla; ke alakpa tsrɔ̃a ame mawɔnuteƒewo.” (Lododowo 11:3) Nyateƒee, fɔmaɖimaɖi kpena ɖe ame dzɔdzɔewo ŋu wowɔa nusi le dzɔdzɔe le Mawu ŋkume le nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã me, eye wòɖea vi na wo mlɔeba. Hiob gbe be yemaɖe asi le yeƒe nuteƒewɔwɔ ŋu o, eye Yehowa “yra Hiob fifia wu tsã.” (Hiob 42:12) Alakpanuwɔlawo asusu be yewotoa ame bubuwo tafatafa me eme nyona na yewo eye wòadze abe ɖe nu le edzi dzem na wo ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã. Gake woa ŋutɔwo ƒe alakpanuwɔwɔa ana woatsrɔ̃ mlɔeba.

Fia nyanu la gblɔ be: “Kesinɔnu menye viɖe aɖeke le dzikudogbe o; ke dzɔdzɔenyenye ɖea ame tsoa ku me.” (Lododowo 11:4) Aleke wòanye movidzɔdzɔe enye si be míagblẽ ɣeyiɣi ɖe ŋutilãmeviɖekpɔkpɔ ŋu evɔ míado kpo ɖokuisinusɔsrɔ̃, gbedodoɖa, kpekpewo dede, kple gbeadzisubɔsubɔdɔa—siwo nye nuwɔna siwo dzia míaƒe lɔlɔ̃ na Mawu ɖe edzi hedoa ŋusẽ mía ɖokui tsɔtsɔ nɛ la! Kesinɔnu agbɔsɔsɔme aɖeke mate ŋu ana míakpɔ ɖeɖe le xaxa gã si gbɔna me o. (Mateo 24:21) Ame dzɔdzɔe ƒe dzɔdzɔenyenye koe aɖee. (Nyaɖeɖefia 7:9, 14) Eyata anye nusi me nunya le be míase Zefanya ƒe kokoƒoƒo be: “Hafi ne Yehowa ƒe dɔmedzoe heliheli nava mia dzi, eye hafi ne Yehowa ƒe dzikudogbe nava mia dzi! Midi Yehowa, mi amesiwo katã bɔbɔ mia ɖokui ɖe anyi le anyigba dzi, midi dzɔdzɔenyenye, eye midi ɖokuibɔbɔ yome mɔ.” (Zefanya 2:2, 3) Hafi ɣemaɣi naɖo la, mina wòanye míaƒe taɖodzinu be ‘míatsɔ míaƒe nu xɔasiwo ade bubu Yehowa ŋui.’—Lododowo 3:9.

Esi Salomo yi edzi nɔ gbe tem ɖe asixɔxɔ si le dzɔdzɔenyenye yometiti ŋu dzi la, egblɔ vovototo si le nusi dona tsoa fɔmaɖimaɖi me kple nusi ame vɔ̃ɖi kpɔna dome be: “Ame maɖifɔ ƒe dzɔdzɔenyenye taa mɔ nɛ; ke ame vɔ̃ɖi ƒe vɔ̃wɔwɔ tsɔnɛ ƒua anyi. Nuteƒewɔlawo ƒe dzɔdzɔenyenye ɖea wo; ke ame mawɔnuteƒewo ŋutɔ ƒe dzodzro wotsɔna léa woe. Ne ame vɔ̃ɖi la ku la, ekema eƒe mɔkpɔkpɔ nu yi, eye ame vlowo ƒe lala zu ya. Woɖea ame dzɔdzɔe tsoa hiã me, eye ame vɔ̃ɖi xɔna ɖe eteƒe.” (Lododowo 11:5-8) Fɔmaɖila ƒe mɔwo metsɔnɛ ƒua anyi o eye eya ŋutɔ ƒe nuwɔnawo melénɛ o. Eƒe mɔwo katã dzɔ. Mlɔeba la, woɖea ame dzɔdzɔewo tsoa xaxa me. Ame vɔ̃ɖiwo adze ŋusẽtɔwoe, gake ɖeɖekpɔkpɔ ma tɔgbe meli na wo o.

“Du Kpɔa Dzidzɔ”

Ame dzɔdzɔewo ƒe nuteƒewɔwɔ kple nuvɔ̃wɔlawo ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi hã kpɔa ŋusẽ ɖe ame bubuwo dzi. Israel-fia la gblɔ be: “Yakamewo ƒe nuƒoƒo tsrɔ̃a wo haviwo; ke nunya wotsɔna ɖea ame dzɔdzɔewoe.” (Lododowo 11:9) Amekae malɔ̃ ɖe edzi be ameŋugbegblẽ, ameŋunyagbɔgblɔ, ŋukpenanya, kple nyamaɖinyawo gbɔgblɔ gblẽa nu le ame bubuwo ŋu o? Gake ame dzɔdzɔe ya ƒe nuƒoƒo dza, ebua nya ŋu nyuie hafi gblɔna, eye wòbua ame ŋu. Nunyae ɖenɛ elabena eƒe nuteƒewɔwɔ naa kpeɖodzinya siwo hiãe be wòatsɔ afia enutsolawo be wole aʋatso kam.

Fia la yi edzi be: “Ne enyo na ame dzɔdzɔewo la, du kpɔa dzidzɔ; eye ne ame vɔ̃ɖiwo tsrɔ̃ la, aseye ɖina.” (Lododowo 11:10) Ame geɖewo lɔ̃a ame dzɔdzɔewo, eye wonaa wo haviwo kpɔa dzidzɔ—wotsoa aseye. Ame aɖeke melɔ̃a “ame vɔ̃ɖiwo” ƒe nya o. Ne ame vɔ̃ɖiwo ku la, ame geɖe mefana na wo o. Le nyateƒe me la, ame aɖeke mafa konyi ne Yehowa ‘tsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi eye wòho ame maɖianukwarewo ɖa le edzi’ o. (Lododowo 2:21, 22) Ke boŋ woakpɔ dzidzɔ elabena woɖe wo ɖa. Ke míawo ya ɖe? Anyo be míade ŋugble le eŋu kpɔ be alesi míenɔa agbee naa ame bubuwo kpɔa dzidzɔ hã.

“Du ƒe Ŋkɔ Dea Dzi”

Esi Salomo ganɔ ŋusẽ si ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi kpɔna ɖe du dzi ŋuti vovototo gblɔm la, egblɔ be: “Nuteƒewɔlawo ƒe yayra nana du ƒe ŋkɔ dea dzi; ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu nana wogbãnɛ ƒua anyi.”Lododowo 11:11.

Dumevi siwo wɔa nu dzɔdzɔe naa ŋutifafa kple dzidzeme nɔa anyi henaa dua me tɔ bubuwo kpɔa tutuɖo. Enana be dua ƒe ŋkɔ dea dzi—ekpɔa dzidzedze. Amesiwo gblɔa ameŋugblẽnya vɔ̃ɖi kple nya vɔ̃wo hea tɔtɔ, dzidzɔmakpɔmakpɔ, mama, kple kuxiwo vɛ. Aleae wòdzɔnae vevietɔ ne amesiawo le ŋusẽnɔƒewo. Ʋunyaʋunyawɔwɔ, nufitifitiwɔwɔ, kple agbenyuinɔnɔ ƒe toyiyi kple ɖewohĩ ganyawo ƒe gbegblẽ ye nɔa dua me.

Gɔmeɖose si wogblɔ le Lododowo 11:11 kee wòle be wòakplɔ Yehowa ƒe amewo esi wole ha dem kple wo nɔewo le hame siwo le abe du ene la me. Hame si me gbɔgbɔmemewo—ame dzɔdzɔe siwo woƒe nuteƒewɔwɔ fiaa mɔe—le la nyea ƒuƒoƒo si me tɔwo kpɔa dzidzɔ, nɔa dɔ dzi, henyea amesiwo kpena ɖe wo nɔewo ŋu wònyea bubu na Mawu. Yehowa yrana hamea eye wòkpɔa dzidzedze le gbɔgbɔ me. Ɣeaɖewoɣi la, ɖeklemiɖela ʋɛ siwo ŋu naneke medzena o, amesiwo nɔa vovodada dim henɔa nya vɔ̃wo gblɔm le alesi wowɔa nuwoe ŋu la le abe “veve ƒe ke” si ate ŋu akaka aɖia ɖe amesiwo ŋu nu megblẽ le tsã o la dome. (Hebritɔwo 12:15) Zi geɖe la ŋusẽ kple ɖoƒe kɔkɔ ye ame mawo nɔa didim. Wokakaa nya totrowo be madzɔmadzɔnyenye, nazãbubu ɖe gbe aɖe dolawo ŋu, alo esiawo tɔgbe le hamea me alo le hamemegãwo dome. Woƒe nuyiwo ate ŋu ahe mama va hamea me vavã. Ðe mele be míagbe nya mawo sese eye míadze agbagba be míanye gbɔgbɔmeme siwo naa ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ nɔa hamea me oa?

Salomo yi edzi gblɔ be: “Ame manyanu doa vlo ehavi; ke ame nyanu zia kpi. Amegɔmezɔla ʋua go nya ɣaɣla, ke nyateƒetɔ ɣlaa nya.”Lododowo 11:12, 13.

Aleke gbegbee amesi mebua nu ŋu nyuie o, alo “ame manyanu” gblẽa nu enye esi! Enɔa nukpoloe ƒoƒo dzi ʋuu va nɔa ameŋugblẽnyawo alo vlodoamenyawo gblɔm. Ele be hamemegã siwo woɖo naɖe afɔ kaba atsɔ aɖe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ mawo ɖa. To vovo na “ame manyanu” la, nunyala ya nyaa ɣeyiɣi si me wòazi ɖoɖoe. Le esi wòaʋu go nya ɣaɣla teƒe la, eɣlaa nya boŋ. Esi nunyala nyae be ŋumaɖɔɖo le nuƒoƒo me ate ŋu agblẽ nu vevie ta la, ‘eɖua eƒe gbɔgbɔ dzi.’ Ewɔa nuteƒe na ehavi xɔsetɔwo eye meʋua go nya ɣaɣla siwo ate ŋu ade wo afɔku me o. Yayra ka gbegbee nye si nuteƒewɔla mawo nye na hamea!

Be míate ŋu azɔ fɔmaɖilawo ƒe mɔ dzi la, Yehowa naa gbɔgbɔmenuɖuɖu gbogbo aɖewo mí, siwo ŋu wotrɔa asi le le “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la ƒe mɔfiafia te. (Mateo 24:45) Azɔ hã míexɔa kpekpeɖeŋu geɖe toa Kristotɔ hamemegãwo dzi le míaƒe hame siwo le abe du ene la me. (Efesotɔwo 4:11-13) Le nyateƒe me, míekpɔ ŋudzedze ɖe amesiawo ŋu geɖe, elabena, “ne kplɔla meli o la, dukɔ yia to, ke ɖeɖe toa adaŋudela geɖewo dzi.” (Lododowo 11:14) Nuka kee ɖale dzɔdzɔm o, mina míaɖoe kplikpaa be míazɔ le ‘nuteƒewɔwɔ me.’—Psalmo 26:1.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 26]

Aleke wòanye movidzɔdzɔe nye si be míagblẽ ɣeyiɣi ɖe ŋutilãmeviɖekpɔkpɔ ŋu evɔ míado kpo teokrasidɔwo wɔwɔ!

[Nɔnɔmetata siwo le axa 24]

Hiob ƒe nuteƒewɔwɔ fia mɔe, eye Yehowa yrae

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Usa ku le ɖokuidodoɖedzi ta