Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Viɖekpɔkpɔ Tso Yehowa Ƒe Amenuveve Me

Viɖekpɔkpɔ Tso Yehowa Ƒe Amenuveve Me

Viɖekpɔkpɔ Tso Yehowa Ƒe Amenuveve Me

‘Amekae nye nunyala? Eyae alé ŋku ɖe Yehowa ƒe amenuveve ŋu!’—PSALMO 107:43.

1. Ɣekaɣie wozã nya “amenuveve” zi gbãtɔ le Biblia me, eye nyabiabia kawo mee míadzro ku ɖe nɔnɔme sia ŋu?

ANƆ ƒe 4,000 enye esia la, Abraham tɔgãyɔvi Lot gblɔ tso Yehowa ŋu be: ‘Eɖe wò amenuveve fia.’ (Mose I, 19:19) Esiae nye zi gbãtɔ si nya “amenuveve” dze le Biblia me. Yakob, Naomi, Dawid, kple Mawu-subɔla bubuwo hã ƒo nu tso Yehowa ƒe nɔnɔme sia ŋu. (Mose I, 32:11; Rut 1:8; Samuel II, 2:6) Le nyateƒe me, nya “amenuveve” kple “amenuvevewo” dze le New World Translation of the Holy Scriptures me ade zi gbɔ zi 250 sɔŋ. Gake nukae nye Yehowa ƒe amenuveve? Amekawo nue wòve le blema? Eye aleke míeɖea vi tso eme egbea?

2. Nukatae Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “amenuveve” me ɖeɖe sesẽ, eye aleke woate ŋu aɖe egɔme wòasɔe?

2 Le Ŋɔŋlɔawo me la, “amenuveve” nye Hebrigbe me nya si ƒe gɔmesese de to ale gbegbe be le gbegbɔgblɔ akpa gãtɔ me la, womete ŋu zãa nya ɖeka aɖe tsɔ ɖea egɔme pɛpɛpɛ o. Eyata egɔme ɖeɖe be “lɔlɔ̃,” “nublanuikpɔkpɔ,” kple “nuteƒewɔwɔ,” mete ŋu ɖea gɔmesese blibo si le eŋu keŋkeŋ fiana o. Gake agbalẽ si nye Theological Wordbook of the Old Testament gblɔ be egɔmeɖeɖe be, “amenuveve” si ŋu gɔmesese le wu la “de sɔsɔ ge kple gɔmesese blibo si le nyaa ŋu.” New World Translation of the Holy Scriptures—With References zã “nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃” wònye Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “amenuveve” ƒe gɔmeɖeɖe bubu wòsɔ.—Mose II, 15:13; Psalmo 5:8; NW ƒe etenuŋɔŋlɔ.

Eto Vovo na Lɔlɔ̃ Kple Nuteƒewɔwɔ

3. Aleke amenuveve to vovo na lɔlɔ̃e?

3 Amenuveve, alo nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃, do ƒome kplikplikpli kple nɔnɔme siwo nye lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ. Ke hã eto vovo na wo le mɔ vevi aɖewo nu. De ŋugble le alesi amenuveve kple lɔlɔ̃ to vovoe ŋu kpɔ. Woate ŋu azã lɔlɔ̃ na nuwo kple nukpɔsusuwo. Biblia ƒo nu tso ‘wein lɔlɔ̃’ kple ‘nunya lɔlɔ̃’ ŋu. (Lododowo 21:17; 29:3) Gake amewoe wozãa amenuveve na ke menye na nukpɔsusuwo alo nusiwo me agbe mele o. Le kpɔɖeŋu me, esi Mose II, 20:6 gblɔ be Yehowa ‘vea ame akpe nanewo nu’ la, amewo ŋu nya gblɔm wòle.

4. Aleke amenuveve to vovo na nuteƒewɔwɔe?

4 Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “amenuveve” ƒe gɔmesese yi ŋgɔ wu nya “nuteƒewɔwɔ.” Le gbegbɔgblɔ aɖewo me la, wozãa “nuteƒewɔwɔ” na nɔnɔme si wòle be wòanɔ ametevi si ɖe amesi te wòle la ŋu. Gake numekula aɖe gblɔ be, le Biblia gome la, amenuveve “kuna ɖe ƒomedodo ma ƒe gɔmesese bubu kura boŋ ŋu: ŋusẽtɔ lae wɔa nuteƒe na amesi bɔbɔ ɖe anyi alo amesi nu hiã alo hiã ame bubu ƒe kpekpeɖeŋu.” Eyatae Fia Dawid te ŋu ɖe kuku na Yehowa be: “Na wò ŋku me naklẽ ɖe wò dɔla dzi, eye natsɔ wò amenuveve axɔ nam!” (Psalmo 31:17) Dawid bia Yehowa, si nye ŋusẽtɔ be wòaɖe amenuveve, alo nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃ afia ye, amesi ɖo xaxa me. Esi amesi ɖo xaxa me mekpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe ŋusẽtɔa dzi o ta la, amenuveve si woɖena fiana le nɔnɔme ma tɔgbe me nyea lɔlɔ̃nu faa nuwɔna ke menyea dzizizi o.

5. (a) Nukawoe ɖe dzesi le Mawu ƒe amenuveve ŋu siwo dze le eƒe Nya la me? (b) Yehowa ƒe amenuveve ɖeɖe fia kawo mee míadzro?

5 Hakpala la bia be: ‘Amekae nye nunyala? Eyae alé ŋku ɖe Yehowa ƒe amenuveve ŋu.’ (Psalmo 107:43) Yehowa ƒe amenuveve te ŋu naa wokpɔa ɖeɖe kple ametakpɔkpɔ. (Psalmo 6:5; 119:88, 159) Enye ametakpɔkpɔ kple nu vevi si naa wokpɔa gbɔɖeme tso xaxawo me. (Psalmo 31:17, 22; 40:12; 143:12) Nɔnɔme siae na wònɔa bɔbɔe be woaɖe ame tso nuvɔ̃ me. (Psalmo 25:7) Ŋɔŋlɔawo ŋuti nuŋlɔɖi aɖewo me dzodzro kple dzesidede Biblia me kpukpui aɖewo ana míakpɔe be Yehowa ɖea amenuveve fiana to (1) nuwɔna vevi aɖewo me eye (2) esubɔla wɔnuteƒe kpɔnɛ dzea sii.

Ðeɖekpɔkpɔ—Amenuveve Ðeɖe Fia Wònye

6, 7. (a) Aleke Yehowa ɖe eƒe amenuveve fia le Lot gome? (b) Ɣekaɣie Lot ƒo nu tso Yehowa ƒe amenuveve ŋu?

6 Ðewohĩ Ŋɔŋlɔawo me nuŋlɔɖi aɖewo siwo me nɔnɔme sia dze le me dzodzroe nye mɔ nyuitɔ si dzi míato anya alesi Yehowa ƒe amenuveve de toe. Míekpɔe le Mose I, 14:1-16 be futɔwo ƒe asrafowo va ɖe aboyo Lot, si nye Abraham tɔgãyɔvi. Gake Abraham ɖe Lot. Lot ƒe agbe gaɖo afɔku me esime Yehowa ɖoe be yeatsrɔ̃ Sodom, dugã vɔ̃ɖi si me Lot kple eƒe ƒomea nɔ.—Mose I, 18:20-22; 19:12, 13.

7 Hafi Sodom natsrɔ̃ la, Yehowa ƒe dɔlawo kplɔ Lot ƒe ƒomea do goe tso dugã la me. Ɣemaɣie Lot gblɔ be: “Ève wò dɔla nu xoxo, eye wò amenuveve, si nètsɔ ve nunye be, megale agbe la, esɔ gbɔ.” (Mose I, 19:16, 19) Lot to nya siawo me lɔ̃ ɖe edzi be Yehowa ve ye nu etɔxɛ esime wòɖe ye. Le nya sia me la, Mawu ɖe eƒe amenuveve fia to ameɖeɖe kple ametakpɔkpɔ me.—Petro II, 2:7.

Yehowa ƒe Amenuveve Kple Eƒe Mɔfiafia

8, 9. (a) Dɔ kae wode Abraham ƒe subɔvia si? (b) Nukatae subɔvia do gbe ɖa bia Mawu ƒe amenuveve, eye nukae dzɔ esime wònɔ gbea dom ɖa?

8 Le Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ta 24 me la, míexlẽ nu tso Mawu ƒe amenuveve alo nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃ ɖeɖe fia bubu ŋu. Nuŋlɔɖia gblɔ be Abraham dɔ eƒe subɔvi be wòayi Abraham ƒe ƒometɔwo de aɖadi srɔ̃ na ye vi Isak. (Kpukpui 2-4) Dɔdasia sesẽ, gake woka ɖe edzi na subɔvia be Yehowa ƒe dɔla afia mɔe. (Kpukpui 7) Mlɔeba la subɔvia ɖo vudo aɖe si le “Naxor ƒe du la” xa (anye Xaran alo afisi te ɖe eŋu) le ɣeyiɣi si me nyɔnuwo gbɔna tsi du ge tututu me. (Kpukpui 10, 11) Esi wòkpɔ nyɔnuawo nɔ egogom la, enyae be ɣeyiɣi vevi aɖe si ku ɖe yeƒe dɔdasia ŋu ɖo vɔ. Gake aleke wòawɔ ade dzesi nyɔnu si dze?

9 Esi Abraham ƒe subɔvia nyae be yehiã Mawu ƒe kpekpeɖeŋu ta la, edo gbe ɖa be: “Yehowa, nye aƒetɔ Abraham ƒe Mawu! Meɖe kuku, na wòadze edzi nam egbea, eye nave nye aƒetɔ Abraham nu!” (Kpukpui 12) Aleke Yehowa aɖe eƒe amenuveve afiae? Subɔvia bia dzesi gobii aɖe si wòatsɔ ade dzesi ɖetugbui si Mawu tia la. (Kpukpui 13, 14) Nyɔnu ɖeka aɖe wɔ nusi tututu wòbia Yehowa. Nukutɔe la, ɖeko wònɔ abe ɖe nyɔnua se gbedodoɖaa ene! (Kpukpui 15-20) Ewɔ nuku na subɔvia ale gbegbe be ɖeko wònɔ “ekpɔm dũ.” Ke hã ele be woaɖo kpe nya vevi aɖewo dzi. Ðe nyɔnu dzetugbe sia nye Abraham ƒe ƒometɔa? Eye ɖe meɖe srɔ̃ haɖe oa? Eyata subɔvia ‘zi kpi ne yeadze sii be, ɖe Yehowa na yeƒe mɔzɔzɔa dze dzi loo, alo medze edzi o.’—Kpukpui 16, 21.

10. Nukatae Abraham ƒe subɔvia ƒo nya ta be Yehowa ve yeƒe aƒetɔ nu?

10 Ema megbe kpui la, ɖetugbia ɖe eɖokui nu be “Betuel, Milka vi, si wòdzi na Naxor la vinyɔnu menye.” (Mose I, 11: 26; 24:24) Ɣemaɣi tututue subɔvia kpɔe dze sii be Yehowa ɖo yeƒe gbedodoɖaa ŋu. Eƒe nu ku ale gbegbe wòdze klo gblɔ be: “Woakafu Yehowa, nye aƒetɔ Abraham ƒe Mawu, amesi meŋlɔ nye aƒetɔ be le enuveve kple nuteƒewɔwɔ nɛ me o la. Elabena Yehowa fia mɔm, eye wòkplɔm va nye aƒetɔ nɔviwo gbɔe.” (Kpukpui 27) Mawu ɖe amenuveve fia subɔvia ƒe aƒetɔ Abraham, to mɔfiafiae me.

Mawu ƒe Amenuveve Naa Gbɔɖeme Kple Ametakpɔkpɔ

11, 12. (a) Dodokpɔ kawo mee Yosef kpɔ Yehowa ƒe amenuveve teƒe le? (b) Aleke Mawu ve Yosef nui?

11 Azɔ mina míade ŋugble le Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ta 39 ŋu. Eƒo nu tso Abraham ƒe tɔgbuitɔgbuiyɔvi Yosef, si wodzra ɖe kluvinyenye me le Egipte ŋu. Ke hã “Yehowa nɔ kple Yosef.” (Kpukpui 1, 2) Le nyateƒe me, Yosef ƒe aƒetɔ Egiptetɔ Potifar gɔ̃ hã ƒo nya ta be Yehowa nɔ kple Yosef. (Kpukpui 3) Gake Yosef to dodokpɔ sesẽ aɖe me. Woka aʋatso ɖe esi be edi be yeadɔ kple Potifar srɔ̃ eye wodee gaxɔ me. (Kpukpui 7-20) ‘Gaxɔ me’ ye “womimi eƒe afɔ ɖe atiboli ŋu, eye wodee kunyowu me.”—Mose I, 40:15; Psalmo 105:18.

12 Nukae dzɔ le nɔnɔme sesẽ ma me? ‘Yehowa yi edzi nɔ kple Yosef, eye wòve enu.’ (Kpukpui 21a) Amenuvenuwɔna gobii aɖee wɔe be nudzɔdzɔ vovovo siwo kplɔ wo nɔewo ɖo la va dzɔ si na wova ɖe Yosef tso nuxaxa si me wònɔ la me. Yehowa na be ‘gaxɔdzikpɔla ƒe dzime kɔ ɖe Yosef ŋu.’ (Kpukpui 21b) Esia ta gaxɔdzikpɔla tsɔ Yosef ɖo ɖoƒe vevi aɖe. (Kpukpui 22) Eyome Yosef va do go ŋutsu si va gblɔ eŋu nya na Farao, si nye Egipte-fia. (Mose I, 40:1-4, 9-15; 41:9-14) Esia na fia la tsɔ Yosef ɖo nɔƒe si kplɔ fia tɔ ɖo le Egipte, si na wòwɔ agbeɖeɖedɔ esi dɔ to le Egipte-nyigba dzi. (Mose I, 41:37-55) Yosef ƒe fukpekpea dze egɔme esime wòxɔ ƒe 17 eye wònɔ anyi wu ƒe 12 sɔŋ! (Mose I, 37:2, 4; 41:46) Gake le fukpekpe kple nuxaxa ƒe ƒe mawo katã me la, Yehowa Mawu ɖe eƒe amenuveve fia Yosef to etakpɔkpɔ tso afɔku vɔ̃ɖi me kple edzadzraɖo be wòava wɔ akpa vevi aɖe le Mawu ƒe tameɖoɖo me la me.

Mawu ƒe Amenuveve Nu Metsina Gbeɖe O

13. (a) Yehowa ƒe amenuveve ɖeɖe fia kawoe dze le Psalmo 136? (b) Nuka koŋ enye amenuveve?

13 Yehowa ɖe eƒe amenuveve fia Israel-dukɔ bliboa katã enuenu. Psalmo 136 gblɔ be eƒe amenuvevee na wokpɔ ɖeɖe (Kpukpui 10-15), mɔfiafia (Kpukpui 16), kple ametakpɔkpɔ. (Kpukpui 17-20) Mawu ɖe eƒe amenuveve fia ame ɖekaɖekawo hã. Amesi ɖea amenuveve fia ehavi amegbetɔ la wɔa esia tso dzime faa hena hiahiã tɔxɛ aɖe gbɔ kpɔkpɔ. Biblia ƒe numekugbalẽ aɖe gblɔ tso amenuveve ŋu be: “Enye nuwɔna si kpɔa agbe ta alo naa wòdzea edzi. Enye nuwɔwɔ atsɔ axɔ na amesi le nɔnɔme sesẽ aɖe me tom alo le fu kpem.” Agbalẽnyalagã aɖe ɖɔe be enye “lɔlɔ̃ si wotsɔ de dɔwɔwɔ me.”

14, 15. Nukatae míate ŋu aka ɖe edzi be Lot nye mawusubɔla si ƒe nu dze Mawu ŋu?

14 Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ƒe nuŋlɔɖi si me míedzro la ɖee fia be Yehowa megbea amenuveve ɖeɖe fia amesiwo lɔ̃e o. Lot, Abraham, kple Yosef nɔ agbe le ɣeyiɣi vovovowo me eye woto tetekpɔ vovovowo me. Wonye ame madeblibowo, gake wonye Yehowa subɔla siwo ŋu wòkpɔ ŋudzedze ɖo, eye wohiã Mawu ƒe kpekpeɖeŋu. Enyanya be mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒo ve amesiawo nu la faa akɔ na mí.

15 Lot wɔ nyametsotso manyomanyo aɖewo si kplɔe de xaxa me. (Mose I, 13:12, 13; 14:11, 12) Ke hã eɖe nɔnɔme nyoameŋuwo hã fia. Esime Mawu ƒe dɔla eve va ɖo Sodom la, Lot wɔ amedzro na wo. (Mose I, 19:1-3) Le xɔse me wòxlɔ̃ nu toyɔviwo le tsɔtsrɔ̃ si gbɔna ɖe Sodom dzi la ŋu. (Mose I, 19:14) Alesi Mawu bu Lot ŋu nya dze le Petro II, 2:7-9, afisi míexlẽ le be: “[Yehowa ɖe] Lot dzɔdzɔetɔ, si ŋu ame gblẽkuwo ƒe hadzedzegbenɔnɔ sẽ ŋuta le la, tso me; elabena esi ame dzɔdzɔe ma nɔ wo dome, eye wòkpɔ, eye wòse woƒe dɔwɔwɔ, siwo mele sea nu o la, ewɔa fu eƒe luʋɔ dzɔdzɔe la gbesiagbe; ale Aƒetɔ la nya alesi wòaɖe mawumemewo atso tetekpɔwo me.” Nyateƒee, Lot nye ame dzɔdzɔe, eye nya siawo fia be enye amesi sroa Mawu ɖa. Mawu ave mía nu abe eyama ene ne míenɔa ‘agbe dzadzɛ eye míesroa Mawu ɖa.’—Petro II, 3:11, 12.

16. Aleke Biblia ƒo nu nyui le Abraham kple Yosef ŋui?

16 Nuŋlɔɖi si le Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ta 24 ɖe ƒomedodo kplikplikpli si nɔ Abraham kple Yehowa dome fia wòdze ƒã. Kpukpui gbãtɔ gblɔ be, “Yehowa yra Abraham le nuwo katã me.” Abraham ƒe subɔvi yɔ Yehowa be “nye aƒetɔ Abraham ƒe Mawu.” (Kpukpui 12, 27) Eye nusrɔ̃la Yakobo gblɔ be ‘wobu dzɔdzɔenyenye na’ Abraham ‘eye woyɔe be Yehowa xɔlɔ̃.’ (Yakobo 2:21-23) Alea tututue wònɔ le Yosef gome. Ƒomedodo kplikplikpli si nɔ Yehowa kple Yosef dome la dze kɔte le Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ta 39 bliboa katã me. (Kpukpui 2, 3, 21, 23) Gawu la, nusrɔ̃la Stefano gblɔ le Yosef ŋu be: ‘Mawu nɔ kplii.’— Dɔwɔwɔwo 7:9.

17. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso Lot, Abraham, kple Yosef ƒe kpɔɖeŋuwo me?

17 Amesiwo nu Mawu ve siwo ƒe ŋutinya me míedzro la nye amesiwo nɔ kadodo nyui me kple Yehowa Mawu eye wowɔ eƒe tameɖoɖo dzi le mɔ vovovowo nu. Wodo go kplamatsedonu siwo dzi woa ŋutɔwo mate ŋu aɖu o. Lot ƒe agbe ta kpɔkpɔ, Abraham ƒe ƒomea ƒe dzidziɖedzi, kple Yosef ƒe wɔƒe ta kpɔkpɔ nye nusiwo ɖo afɔku me. Yehowa koe ate ŋu akpɔ mawumeme siawo ƒe nuhiahiãwo gbɔ, eye nu ma tututue wòwɔ esi wòxɔ na wo to wo nu veve me. Ne Yehowa Mawu ave mía nu tegbee la, ele be ƒomedodo kplikplikpli nanɔ míawo hã kple eyama dome eye ele be míayi edzi awɔ eƒe lɔlɔ̃nu.—Ezra 7:28; Psalmo 18:51.

Wovea Mawu Subɔlawo Nu

18. Nukae mawunyakpukpui vovovowo ɖe fia le Yehowa ƒe amenuveve ŋu?

18 Yehowa ƒe amenuveve “yɔ anyigba dzi fũ,” eye aleke míedaa akpe ɖe Mawu ƒe nɔnɔme sia ta enye esi! (Psalmo 119:64) Míetsɔa dzi blibo xɔna ɖe hakpala ƒe haxe sia dzi be: “Woawo neda akpe na Yehowa le eƒe amenuveve kple eƒe nukunu, siwo wòwɔ na amegbetɔviwo la ta!” (Psalmo 107:8, 15, 21, 31) Míekpɔa dzidzɔ be Yehowa ɖea amenuveve fiana esubɔla siwo ŋu wòkpɔa ŋudzedze le—eɖanye ame ɖekaɖekawo alo ƒuƒoƒo o. Nyagblɔɖila Daniel ɖɔ Yehowa le gbedodoɖa me be enye “Mawu gã dziŋɔ, amesi dzraa nubabla kple amenuveve ɖo na amesiwo lɔ̃nɛ, eye woléa eƒe sewo me ɖe asi!” (Daniel 9:4) Fia Dawid do gbe ɖa be: “Gblẽ wò amenuveve ɖe amesiwo nya wò la dzi!” (Psalmo 36:11) Aleke míeda akpe enye esi be Yehowa vea esubɔlawo nu!— Fiawo I, 8:23; Kronika I, 17:13.

19. Nyabiabia kawo mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

19 Nyateƒee, wove mía nu esi míenye Yehowa ƒe amewo ta! Tsɔ kpe ɖe viɖekpɔkpɔ tso lɔlɔ̃ si Mawu ɖena fiana ameƒomea katã ŋu la, míegakpɔa yayra tɔxɛwo tso mía Fofo si le dziƒo ƒe amenuveve, alo nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃ me. (Yohanes 3:16) Vevietɔ le ɣeyiɣi sesẽwo me la, Yehowa ƒe nɔnɔme xɔasi sia ɖea vi na mí. (Psalmo 36:8) Gake aleke míate ŋu asrɔ̃ Yehowa Mawu ƒe amenuvevee? Ðe mí ame ɖekaɖekawo míele nɔnɔme vevi sia ɖem fiaa? Míadzro biabia siawo kple esiwo do ƒome kplii le nyati si kplɔe ɖo me.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

•Aleke Ŋɔŋlɔawo gaɖea “amenuveve” gɔmee?

•Aleke amenuveve to vovo na lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔe?

•Mɔ kawo nue Yehowa ve Lot, Abraham, kple Yosef nu le?

•Kakaɖedzi kae míate ŋu akpɔ tso alesi Yehowa ve amewo nu le blemae me?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Ènya alesi Mawu ve Lot nuia?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]

Yehowa fia mɔ Abraham ƒe subɔvi le eƒe amenuveve ta

[Nɔnɔmetata siwo le axa 16]

Yehowa ve Yosef nu to etakpɔkpɔ me