Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋɔŋlɔdzesi Eneawo Dze le Septuagint Biblia la Me

Ŋɔŋlɔdzesi Eneawo Dze le Septuagint Biblia la Me

Ŋɔŋlɔdzesi Eneawo Dze le Septuagint Biblia la Me

HEBRIGBE me Ŋɔŋlɔdzesi Eneawo, siwo nye יהוה (YHWH) ye wotsɔna ŋlɔa Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowae. Woxɔe se tso gbaɖegbe ke be Ŋɔŋlɔdzesi Eneawo medze le Septuagint Biblia la me o. Eyata wohe nya be esime Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ŋlɔlawo yɔ nya tso Hebri Ŋɔŋlɔawo me la, womanya zã Mawu ƒe ŋkɔ le woƒe nuŋɔŋlɔwo me o.

Edze le nu geɖe siwo wofɔ le ƒe alafa ɖeka alo esiwo wu nenema siwo va yi me be Mawu ƒe ŋkɔa dze le Septuagint Biblia la me. Agbalẽ aɖe gblɔ be: “Yudatɔ siwo srɔ̃ Helagbea di vevie be woakpɔ Mawu ƒe ŋkɔ kɔkɔea ta ale gbegbe be esime wonɔ Hebrigbe me Biblia gɔme ɖem ɖe Helagbe me la, woŋlɔ Ŋɔŋlɔdzesi Eneawo ɖe Hela nuŋɔŋlɔa me pɛpɛpɛ.”

Papyrus blemagbalẽ kakɛ si dze le miame la nye kpɔɖeŋu gbogbo siwo li la dometɔ ɖeka ko. Wofɔ agbalẽ kakɛ sia, si woɖo xexlẽdzesi 3522 na la le Oxyrhynchus, Egypt, eye tso keke ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me kee wònɔ anyi. * Eƒe didime nye sentimeta 7 eye wòkeke sentimeta 10.5 eye Hiob 42:11, 12 me nyawo le edzi. Ŋɔŋlɔdzesi Eneawo, si wote fli ƒo xlãe la dze le blema Hebri ŋɔŋlɔdzesiwo me. *

Eyata ɖe Mawu ƒe ŋkɔa dze le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔ gbãtɔawo mea? Agbalẽnyala George Howard gblɔ be: “Esi Ŋɔŋlɔdzesi Eneawo dze le Hela Biblia [Septuagint] si nye Ŋɔŋlɔ siwo nɔ blema sɔlemehaa si me ta la, susu le eme be woaxɔe ase be esime N[ubabla] Y[eyea] ŋlɔlawo yɔ nya tso Ŋɔŋlɔawo me la, woŋlɔ Ŋɔŋlɔdzesi Eneawo ɖe Biblia la me.” Anye be ema megbe kpuie ye Biblia gbugbɔŋlɔlawo tsɔ Kyʹri·os (Aƒetɔ) kple The·osʹ (Mawu) ɖɔlii.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 4 Hena numeɖeɖe bubuwo tso papyrus blemanuŋɔŋlɔ si wofɔ le Oxyrhynchus ŋu la, kpɔ Gbetakpɔxɔ, February 15, 1992, axa 26-8.

^ mm. 4 Hena Mawu ƒe ŋkɔa ƒe dzedze le blema Hela gɔmeɖeɖewo me ƒe kpɔɖeŋu bubuwo la, kpɔ New World Translation of the Holy Scriptures−With References, appendix 1C.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 30]

Courtesy of the Egypt Exploration Society