Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋkuléle Ðe Ku Ŋuti Nyakpakpa Aɖewo Ŋu Nyuie

Ŋkuléle Ðe Ku Ŋuti Nyakpakpa Aɖewo Ŋu Nyuie

Ŋkuléle Ðe Ku Ŋuti Nyakpakpa Aɖewo Ŋu Nyuie

LE ŊUTINYA katã me la, ku ƒe dzɔdzɔ ɖe ame dzi ŋu bubu naa amegbetɔwo tɔtɔna eye vɔvɔ̃ ɖoa wo ale gbegbe. Gawu la, alakpasubɔsubɔ me nukpɔsusuwo, kɔnu nyanyɛwo, kple nane siwo dzi ame aɖewo ŋutɔ xɔ se vevie na vɔvɔ̃ na ku ƒo ke ɖe to sesĩe. Kuxi si le vɔvɔ̃ na ku ŋue nye be ate ŋu agblẽ ame ƒe dzidzɔkpɔkpɔ dome le agbe me eye wòana kakaɖedzi manɔ ame si be gɔmesese le agbe ŋu o.

Subɔsubɔhawo koŋue woabu fɔe le ku ŋuti nyakpakpa geɖe siwo dzi ame geɖe xɔ se dodo ɖe ŋgɔ ta. Le Biblia me nyateƒea tsɔtsɔ dzro nyakpakpa siawo dometɔ ʋɛ aɖewo mee me la, kpɔe ɖa be ku ŋuti nukpɔsusu siwo le asiwò me ate ŋu akɔ na wò hã.

Nyakpakpa 1: Le dzɔdzɔme nu la, kue nye agbe ƒe nuwuwu.

Agbalẽ si nye Death—The Final Stage of Growth (Ku—Tsitsi ƒe Akpa Mamlɛtɔ) gblɔ be, “Ku . . . nye míaƒe agbe ƒe akpa vevi aɖe.” Nya siawo tɔgbe ɖe dzixɔse sia fia be ku nye dzɔdzɔmenu, enye mɔ si dzi nugbagbewo katã ƒe nuwuwu tona vana le dzɔdzɔme nu. Nusi dzixɔse sia tɔgbe ƒã ɖe ame geɖe mee nye naneke dzimaxɔmaxɔse kple ɖokuitɔdidigbenɔnɔ.

Gake ɖe wònye nyateƒe be, kue nye agbe ƒe nuwuwu le dzɔdzɔme nua? Menye numekulawo katãe xɔe se nenema o. Le kpɔɖeŋu me, Calvin Harvey, si nye nugbagbeŋutinunyala si srɔ̃ nu tso tsitsi ŋu, gblɔ le gbebiame aɖe me be yemeka ɖe edzi be ɖe ‘woɖoe wɔ amegbetɔwo be woava ku o.’ Dɔlélenutsitsiŋutete ŋuti nunyala William Clark de dzesii be: “Ku menye nu wowɔ kpe ɖe agbe ŋu ɖikaa le gɔmesese si le agbe ŋu la nu o.” Eye Seymour Benzer, si le California Mɔ̃ɖaŋunusrɔ̃ƒe, gblɔ gɔmesesetɔe be: “Woate ŋu aɖɔ tsitsi wòasɔ awu be enye nudzɔɖeamedzi, si míakpɔ mɔ be woate ŋu aɖɔ ɖo, ke menye be game de be nane nadzɔ tae wòdzɔ o.”

Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ƒe nu kuna ne wole nu srɔ̃m tso amegbetɔ ƒe wɔwɔme ŋu. Wokpɔnɛ be ŋutete si le mía si yi ŋgɔ sasasã wu esi míazã le míaƒe agbenɔƒe 70 yi 80 la me. Le kpɔɖeŋu me, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo de dzesii be ŋkuɖoɖonudzi ƒe ŋutete nyadri le amegbetɔ ƒe ahɔhɔ̃ la ŋu. Numekula aɖe bu akɔnta be nyatakaka si gbegbe ate ŋu anɔ míaƒe ahɔhɔ̃ me “axɔ agbalẽ babla si ade miliɔn blaeve sɔŋ me, esɔ gbɔ ale gbegbe ade agbalẽ siwo le xexeame ƒe agbalẽdzraɖoƒe lolotɔwo kekeake me nu.” Ahɔhɔ̃ŋutinunyala aɖewo xɔe se be ne woma amegbetɔ ƒe ahɔhɔ̃ ƒe ŋutete ɖe akpa 10,000 me la, akpa ɖeka koe wòzãna le eƒe agbenɔɣi. Esɔ be míabia be, ‘Nukatae ŋutete gã nyadri sia le míaƒe ahɔhɔ̃ ŋu gake míezãa eƒe akpa sue kakɛ aɖe ko le míaƒe agbenɔɣi?’

De ŋugble le alesi amegbetɔwo doa lagbelagbee ne ku dzɔ hã ŋu kpɔ ko! Le ame geɖe gome la, srɔ̃nyɔnu, srɔ̃ŋutsu, alo wo vi ƒe ku ate ŋu anye nyadzɔɖeamedzi sesẽtɔ kekeake na wo le agbe me. Zi geɖe la, amewo tɔtɔna vevie ɣeyiɣi didi aɖe ne woƒe lɔlɔ̃tɔ vevi aɖe ku. Esesẽna na amesiwo gblɔna be esɔ le dzɔdzɔme nu be amegbetɔ naku gɔ̃ hã be woalɔ̃ ɖe nukpɔsusua dzi be nusianu awu nu na yewo ne yewoku. British Medical Journal gblɔ be, “enye amesiame ƒe didi be yeanɔ agbe didi alesi wòanya wɔe.”

Le nɔnɔme si amegbetɔ ɖena fiana ɖe ku ŋu, eƒe nusɔsrɔ̃ kple ŋkuɖoɖo nu dzi ŋutete wɔnuku la, kple eƒe ememe didi be yeanɔ agbe tegbee ta la, ɖe eme mekɔ ƒã be ɖe wowɔe be wòanɔ agbe ɖaa oa? Nyateƒee, ɖe Mawu wɔ amegbetɔwo, menye be ku nava ɖe wo ɖa mlɔeba o, ke boŋ kple mɔkpɔkpɔ be woanɔ agbe si nuwuwu manɔe na o. Se etsɔmegbenɔnɔ si Mawu tsɔ ɖo ame eve gbãtɔawo ŋkume ɖa: “Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi, eye mianye agbo ɖe edzi, miaɖu ƒumelãwo kple dziƒoxe dzodzoewo kple lã, siwo katã zɔna le anyigba dzi la dzi!” (Mose I, 1:28) Etsɔme mavɔ wɔnuku ka gbegbee ema nye!

Nyakpakpa 2: Mawu naa amewo kuna be woava nɔ ye gbɔ.

Vidada aɖe si xɔ ƒe 27 si nɔ kukum hele vi etɔ̃ gblẽm ɖi gblɔ na Katoliko-nyɔnu saɖagaxɔmenɔla aɖe be: “Mègava gblɔ nam be Mawu ƒe lɔlɔ̃nue esia nye nam o. . . . Metsri be woagblɔ nya sia nam.” Ke hã esiae nye nusi subɔsubɔha geɖe fiana ku ɖe ku ŋu—be Mawu xɔa amewo be woava nɔ ye gbɔ.

Ðe Wɔla la ƒe tame sẽ nenema gbegbe be wòanɔ mía wum nublanuimakpɔmakpɔtɔe, le esi eya ŋutɔ nya be nudzɔdzɔ sia gbãa dzi na mía? Kura o, Biblia ƒe Mawua mawɔ nu nenema o. Yohanes I, 4:8 gblɔ na mí be “Mawu enye lɔlɔ̃.” De dzesii be megblɔ be lɔlɔ̃ le Mawu si alo be Mawu lɔ̃a ame o, ke boŋ egblɔ be Mawue nye lɔlɔ̃. Mawu ƒe lɔlɔ̃ la de to, eŋuti kɔ, eye wòde blibo ŋutɔ, ekpɔa ŋusẽ ɖe eƒe amenyenye kple eƒe nuwɔnawo dzi ale gbegbe be woate ŋu agblɔ tso eŋu wòasɔ be eƒe amenyenye katã nye lɔlɔ̃. Menye Mawu siae awu amewo be woava nɔ ye gbɔ o.

Alakpasubɔsubɔ na ame geɖe tɔtɔ ŋutɔ le afisi ame kukuwo le kple nɔnɔme si me wole la ŋu. Dziƒo, dzomavɔ, ŋutiklɔdzo, Limbo—teƒe siawo kple teƒe bubuawoe wogblɔna be ame kukuwo le, siwo gɔme menya sena o eye wonaa ŋɔdzi léa amegbetɔwo vevie. Gake Biblia ya gblɔ na mí be kukuawo menya naneke o; wòle nɔnɔme si sɔ tututu kple alɔ̃dɔdɔ la me. (Nyagblɔla 9:5, 10; Yohanes 11:11-14) Eyata mehiã be míatsi dzi ɖe nusi adzɔ ɖe mía dzi ne míeku la ŋu o, abe alesi ko míetsia dzi ne míekpɔ ame aɖe wòdɔ alɔ̃ yi eme ʋĩ la o ene. Yesu ƒo nu tso ɣeyiɣi aɖe si me ‘amesiwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me’ ‘ado go’ ava agbe yeye nɔnɔ me le paradisonyigba dzi la ŋu.—Yohanes 5:28, 29; Luka 23:43.

Nyakpakpa 3: Mawu xɔa ɖevi suewo be woava zu mawudɔlawo.

Elisabeth Kübler-Ross, amesi srɔ̃ nu tso amesiwo le dɔmavɔleameŋu ƒe fu kpem ŋu, ƒo nu tso nukpɔsusu nyanyɛ bubu aɖe si bɔ ɖe sɔlemedelawo dome la ŋu. Esi wònɔ nu ƒom tso nudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ aɖe ŋu la, egblɔ be “susu mele eme be woagblɔ na ɖevi sue si nɔviŋutsu ku la be Mawu lɔ̃ ŋutsuvi suewo ale gbegbe be wòxɔ foa Johnny yi dziƒoe o.” Nya sia gbɔgblɔ ƒoa ɖi Mawu ƒe ŋkɔ eye meɖea eƒe amenyenye kple alesi wòwɔa nui la fiana o. Ðk. Kübler-Ross yi edzi be: “Esi nyɔnuvi sue sia tsi zu nyɔnu la, dziku si nɔ eme ɖe Mawu ŋu nu mefa o, eye le ƒe 30 megbe susumedɔ sesẽ aɖe ɖe fu nɛ esime viaŋutsuvi ku.”

Nukatae Mawu axɔ ɖevi sue aɖe be yeatsɔ awɔ mawudɔla bubui—ɖe Mawu hiã ɖevia wu alesi edzilawo hiãea? Ne nyateƒee be Mawu xɔa ɖeviwo dzonae to ku me la, ɖe ema mana wòanye Wɔla malɔ̃ame si dia eɖokui tɔ oa? To vovo na nukpɔsusu ma la, Biblia gblɔ be: “Lɔlɔ̃ la tso Mawu me.” (Yohanes I, 4:7) Ðe lɔlɔ̃ ƒe Mawu la agblẽ nane si amegbetɔ si si agbenyuinɔnɔ ƒe susu le se ɖe afi aɖe ko kura gɔ̃ hã malɔ̃ be yeagblẽ oa?

Ke nukatae ɖeviwo kuna? Nyagblɔla 9:11 gblɔ alesi Biblia ɖo eŋui ƒe akpa aɖe na mí be: “Azãgbe kple nuɖiɖeame li na wo katã.” Eye Psalmo 51:7 gblɔ na mí be mí katã míede blibo o, míenye nuvɔ̃mewo tso dɔme ke, eye nu vovovowoe kplɔa amewo katã yia kumee. Ɣeaɖewoɣi la, ku gblẽa nu hafi amedziɣi ɖona gɔ̃ hã, si wɔnɛ be ɖeviwo kuna hafi wodzia wo. Le nudzɔdzɔ aɖewo me la, ɖeviwo kuna le nɔnɔme wɔnublanuiwo alo afɔkuwo me. Menye Mawue nana nɔnɔme siawo dzɔna ɖe mía dzi o.

Nyakpakpa 4: Wowɔa funyafunya ame aɖewo le ku me.

Subɔsubɔha geɖe fiaa nu be ame vɔ̃ɖiwo ayi dzomavɔ me afisi woawɔ funyafunya wo le tegbee. Ðe gɔmesese le nufiafia sia me eye wòwɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawoa? Ƒe 70 alo 80 koe nye amegbetɔ ƒe agbenɔƒe. Ne ame aɖe nɔ agbe vɔ̃ɖi si gbɔ eme le eƒe agbenɔɣi katã gɔ̃ hã la, ɖe funyafunya wɔwɔe tegbee nye tohehe si sɔa? Ao. Anye nusi masɔ kura o be woawɔ fu ame tegbee ɖe nuvɔ̃ siwo wòwɔ le eƒe agbenɔɣi kpui la me ta.

Mawu koe ate ŋu agblɔ nusi dzɔna ne amewo ku la na mí, eye egblɔe na mí le eƒe Nya, Biblia si woŋlɔ la me. Nusi Biblia gblɔ lae nye esi: “Alesi [lãwo] kunae la, nenema ke [amegbetɔviwo] hã kunae, gbɔgbɔ ɖekae le wo katã si . . . Wo katã woyina teƒe ɖeka; anyi me wo katã wotso, eye anyi wo katã woagazu.” (Nyagblɔla 3:19, 20) Womeyɔ dzomavɔ aɖeke le afisia o. Amegbetɔwo trɔna zua anyi—woyia anyimanɔmanɔ ƒe nɔnɔme me—ne woku.

Be ame nase be wole funyafunya wɔm ye la, ele be wòanɔ ŋute. Ðe kukuawo nya nanea? Biblia na mí ŋuɖoɖo le esia hã me be: “Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o, fetu aɖeke megali na wo o, eye woŋlɔ woƒe ŋkɔ be.” (Nyagblɔla 9:5) Mate ŋu adzɔ gbeɖe be ame kuku, si “menya naneke o” nanɔ afi aɖe anɔ veve sem o.

Nyakpakpa 5: Kue nye míaƒe agbe ƒe nuwuwu tegbee.

Ne míeku la, míeganɔa agbe o, gake esia mefia be nusianu vɔ na mí keŋkeŋ o. Nuteƒewɔla Hiob nyae be ne yeku la, yeayi yɔdo, Sheol, me. Gake se gbe si wòdo ɖa na Mawu ɖa ko: “Oo, ne naxaɣlam ɖe tsiẽƒe, eye nadzram ɖo, vaseɖe esime wò dɔmedzoe nu nafa; naɖo ɣeyiɣi nam, eye naɖo ŋku dzinye emegbe ɖe! Ne ŋutsu ku la, ɖe wògagbɔa agbea? . . . Àyɔm, eye matɔ na wò.”—Hiob 14:13-15.

Hiob nyae be ne yewɔ nuteƒe vaseɖe ku me la, Mawu aɖo ŋku ye dzi afɔ ye ɖe tsitre le ɣeyiɣi aɖe megbe. Dzixɔse siae nɔ Mawu-subɔla siwo katã nɔ anyi le blema la si. Yesu ŋutɔ ɖo kpe mɔkpɔkpɔ sia dzi eye wòɖee fia be Mawu azã ye yeafɔ ame kukuwo ɖe tsitre. Kristo ŋutɔ ƒe nya siawo na kakaɖedzi mí be: “Gaƒoƒo la gbɔna, le esi me amesiwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la, woase [Yesu ƒe] gbe, eye woado go; amesiwo wɔ nu nyuiwo la hena agbe ƒe tsitretsitsi, ke amesiwo wɔ nu vlowo la hena ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe tsitretsitsi.”—Yohanes 5:28, 29, NW.

Eteƒe madidi o Mawu aɖe vɔ̃ɖinyenye katã ɖa eye wòaɖo xexeme yeye si anɔ dziƒodziɖuɖu te la anyi. (Psalmo 37:10, 11; Daniel 2:44; Nyaɖeɖefia 16:14, 16) Paradiso si axɔ anyigba katã dzi, si ƒe dome amesiwo subɔa Mawu la anyi lae anye emetsonu. Míexlẽe le Biblia me be: “Mese gbe gã aɖe tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm bena: ‘Kpɔ ɖa, Mawu ƒe agbadɔ la le amewo gbɔ, eye wòanɔ anyi kpli wo, eye woawo hã woanye eƒe dukɔ, eye Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo, eye wòanye woƒe Mawu. Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.’ ”—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Vɔvɔ̃ Nu Ayi

Nunyanya tso tsitretsitsimɔkpɔkpɔa ŋu hekpe ɖe sidzedze Amesi gbɔ ɖoɖo sia tso la ate ŋu ana akɔfafa wò. Yesu do ŋugbe be: “Miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la lawɔ mi ablɔɖeviwoe.” (Yohanes 8:32) Ema lɔ vovo tso vɔvɔ̃ na ku me hã ɖe eme. Yehowa koe nye amesi ate ŋu atrɔ alesi ame tsinae hekuna la ahana agbe mavɔ mí. Àte ŋu axɔ Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi asea? Ẽ, àte ŋui elabena Mawu ƒe Nya vaa eme ɣesiaɣi. (Yesaya 55:11) Míele dzi dem ƒo na wò be nàsrɔ̃ nu geɖe tso tameɖoɖo siwo le Mawu si na ameƒomea la ŋu. Anye dzidzɔ na Yehowa Ðasefowo be yewoakpe ɖe ŋuwò.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]

Kuxi si le vɔvɔ̃ na ku ŋue nye be ate ŋu agblẽ ame ƒe dzidzɔkpɔkpɔ me

[Nyaɖoɖo si le 7]

NYAKPAKPA NYANYƐ AÐEWO TSO KU ŊU NUKAE ŊƆŊLƆAWO GBLƆ?

● Le dzɔdzɔme nu la, kue nye agbe ƒe nuwuwu Mose I, 1:28; 2:17; Romatɔwo 5:12

● Mawue naa amewo kuna be woava nɔ ye gbɔ Hiob 34:15; Psalmo 37:11, 29; 115:16

● Mawu xɔa ɖevi suewo be woava zu mawudɔlawo Psalmo 51:7; 104:1, 4; Hebritɔwo 1:7, 14

● Wowɔa funyafunya ame aɖewo le ku megbe Psalmo 146:4; Nyagblɔla 9:5, 10; Romatɔwo 6:23

● Kue nye míaƒe agbe ƒe nuwuwu tegbee Hiob 14:14, 15; Yohanes 3:16; 17:3; Dɔwɔwɔwo 24:15

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Ku ŋuti nyateƒea nyanya naa míevona tso vɔvɔ̃ me

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 5]

Barrators​—Giampolo/The Doré Illustrations For Dante’s Divine Comedy/Dover Publications Inc.