Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ameka Gbɔe Wòtso—Wò Ŋutɔea Alo Wò Domenyiŋusẽfianue?

Ameka Gbɔe Wòtso—Wò Ŋutɔea Alo Wò Domenyiŋusẽfianue?

Ameka Gbɔe Wòtso​—Wò Ŋutɔea Alo Wò Domenyiŋusẽfianue?

DZƆDZƆMEŊUTINUNYALAWO le agbagba dzem vevie be yewoakpɔ ne domenyiŋusẽfianu gbɔe ahatsunono, vidzinu ɖeka tɔgbe tɔwo ƒe gbɔdɔdɔ, gbɔdɔdɔ yakatsyɔ, ŋutasesẽ, moyenuwɔna bubuwo, kple ku gɔ̃ hã tso. Ðe manye gbɔdzɔe be menye míawoe woabu míaƒe nuwɔnawo ƒe fɔe o ke boŋ ɖe míewɔa wo le esi míaƒe domenyiŋusẽfianuwo ƒonɛ ɖe mía nu ta oa? Enye amegbetɔ ƒe dzɔdzɔmenɔnɔme be míabu fɔ ame alo nu bubu aɖe ɖe míaƒe vodadawo ta.

Ne domenyiŋusẽfianuwoe míabu fɔe la, ekema dzɔdzɔmeŋutinunyalawo le gbɔgblɔm be woate ŋu azã nu gbagbe ƒe agbedomenyiŋusẽ tɔtrɔ atsɔ atrɔ woe ahaɖe nɔnɔme gbegblẽwo ɖa. Dzidzedze si wokpɔ nyitsɔ laa le amegbetɔ ƒe dzɔdzɔmefianu bliboa me kuku me na ŋusẽ yeye gaɖo mɔkpɔkpɔ siawo ŋu.

Gake wotu nuwɔna sia ɖe susua dzi be míaƒe domenyiŋusẽfianu ye naa míewɔa nuvɔ̃ kple vodadawo katã. Ðe kpeɖodzi geɖe su dzɔdzɔmeŋutinunyalawo si si dzi woanɔ te ɖo atsɔ nya ɖe míaƒe domenyiŋusẽfianuwo ŋua? Edze ƒã be, ŋuɖoɖoa alɔ alesi míebua mía ɖokui kple míaƒe etsɔmee ɖe eme vevie. Gake hafi míadzro kpeɖodziawo me la, ŋugbledede le ameƒomea ƒe dzɔdzɔme ŋu ana eme nakɔ.

Alesi Nu Bliboa Dze Egɔmee

Ame geɖe nya nu, alo se nane ya teti, tso ame eve gbãtɔwo, Adam kple Xawa, ƒe nuvɔ̃ me dzedze le Eden-bɔa me ŋu. Ðe gbegblẽƒe vevi aɖe, si ŋu wotrɔ asi le be wòana woawɔ nuvɔ̃ ahagbe toɖoɖo godoo la, nɔ domenyiŋusẽfianu si wotsɔ wɔ woe me tso gɔmedzedzea?

Wo Wɔla, Yehowa Mawu, amesi ƒe dɔwɔwɔwo katã de blibo la, gblɔ be yeƒe anyigba dzi nuwɔwɔ si ƒo ɖesiaɖe ta la ‘nyo ŋutɔ.’ (Mose I, 1:31; Mose V, 32:4) Be wòaɖo kpe ŋudzedze si wòkpɔ ɖe eƒe nuwɔwɔwo ŋu dzi la, eyra atsu kple asi gbãtɔawo hegblɔ na wo be woadzi vi, ne woayɔ anyigba la dzi, ahaɖu yeƒe anyigba dzi nuwɔwɔwo katã dzi—asesẽ ŋutɔ be ame aɖe si meka ɖe eya ŋutɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo dzi o la naɖe afɔ siawo.—Mose I, 1:28.

Biblia gblɔ tso srɔ̃tɔ gbãtɔa wɔwɔ ŋu na mí be: “Mawu wɔ ame ɖe ye ŋutɔ ƒe nɔnɔme, Mawu ƒe nɔnɔme nue wòwɔe ɖo; ŋutsu kple nyɔnu wòwɔ.” (Mose I, 1:27) Esia mefia be wowɔ amegbetɔwo be woƒe dzedzeme naɖi Mawu o, elabena ‘Gbɔgbɔe Mawu nye.’ (Yohanes 4:24) Ke boŋ efia be wona mawumenɔnɔmewo kple agbenyuinɔnɔ ŋuti nunya kpakple dzitsinya amegbetɔwo. (Romatɔwo 2:14, 15) Wonye amesiwo si tiatiawɔblɔɖe hã nɔ, siwo ate ŋu ada nya akpɔ ahawɔ afɔ si woaɖe la ŋu nyametsotso.

Gake womegblẽ mía dzila gbãtɔwo ɖe yame mɔfiame manamana wo o. Ke boŋ woxlɔ̃ nu wo tso nusiwo ado tso nugbegblẽwɔwɔ me ŋu. (Mose I, 2:17) Eyata kpeɖodzia ɖee fia be esime agbenyuinɔnɔ ŋuti nyametsotso aɖe dze ŋgɔ Adam la, etiae be yeawɔ nusi dze nɛ abe nunyanu alo viɖenu ene la ɣemaɣi. Ewɔ ɖeka kple srɔ̃a le eƒe nugbegblẽwɔwɔa me le esi teƒe be wòabu ƒomedodo si le eya kple Ewɔla dome alo nusi eƒe nuwɔnaa agblẽ ɣeyiɣi didi ŋu. Edze agbagba hã emegbe be yeada fɔbubua ɖe Yehowa dzi, esime wògblɔ be nyɔnu si Wòtsɔ na ye lae ble ye.— Mose I, 3:6, 12; Timoteo I, 2:14.

Alesi Mawu wɔ nui ɖe Adam kple Xawa ƒe nuvɔ̃a ŋu la me kɔ ƒã. Mete kpɔ be yeaɖɔ ‘nu gbegblẽ’ aɖe si le woƒe domenyiŋusẽfianuwo me ɖo o. Ke boŋ, ewɔ nusi wògblɔ na wo be eyae anye woƒe nuwɔnawo me tsonu la, esi wɔe be wova ku mlɔeba. (Mose I, 3:17-19) Blemaŋutinya gbãtɔ sia na alesi amegbetɔ ƒe agbenɔnɔ le la me kɔ ɖe edzi. *

Kpeɖodzi si Tsi Tre ɖe Nugbagbeŋutinunya Ŋu

Ɣeyiɣi didi aɖee nye esia la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo le totrom le dɔ nyadri aɖe si nye domenyiŋusẽfianu si fiaa amegbetɔ ƒe wɔwɔme kple nuwɔna kpakple wo gbɔ kpɔnuwo la didi ŋu. Esi numekulawo ƒe ƒuƒoƒo ade tsɔ ƒe ewo ku nu mee la, domenyiŋusẽfianu si wobe enana susumedɔléle vɔ̃ɖi (Huntington’s disease) ŋue wòke ɖo, togbɔ be numekulawo menya alesi domenyiŋusẽfianua nana dɔléleae o hã. Gake esi Scientific American nɔ nyata kam tso numekuku sia ŋu la, eyɔ Harvard nugbagbeŋutinunyala Evan Balaban ƒe nyawo gblɔ, amesi gblɔ be “womakpɔ domenyiŋusẽfianu siwo nana nu gblẽna le ame ƒe susu ŋu la kpɔ gbeɖe o.”

Le nyateƒe me la, agbagba siwo wodze le numekuku be yewoakpɔ domenyiŋusẽfianu siwo tututu nana amegbetɔ wɔa nu le mɔ aɖe nu la do kpo nu. Le kpɔɖeŋu me, Psychology Today me nyatakaka aɖe si ku ɖe agbagba siwo wodze be yewoadi domenyiŋusẽfianu siwo naa ame léa blanui ŋu gblɔ be: “Tagbɔdɔ sesẽwo ƒe ameléle kple enuléle ŋuti kɔntabubuwo na eme kɔ ƒã be, womate ŋu agblɔ be domenyiŋusẽfianuwoe henɛ vɛ o.” Nyatakaka la na kpɔɖeŋu aɖe be: “Amerika-vi siwo wodzi do ŋgɔ na ƒe 1905 dometɔ 1 le alafa me léa blanui le woƒe ƒe 75 xɔxɔ me. Le Amerikatɔ siwo wodzi le ƒe 50 megbe dome la, ame 6 le alafa me léa blanui le woƒe ƒe 24 xɔxɔ me!” Eyata eƒo eta be nusiwo ƒo xlã ame alo hadomegbenɔnɔ me nuwɔnawo koe ate ŋu ahe tɔtrɔ gã mawo vɛ kpata.

Nukae numekuku siawo kple bubu geɖe fia mí? Togbɔ be domenyiŋusẽfianu ate ŋu awɔ akpa aɖe le míaƒe amenyenye ŋu hã la, eme kɔ ƒã be ŋusẽkpɔɖeamedzinu bubuwo hã li. Vevitɔ aɖee nye míaƒe nutoa me, si ƒe nɔnɔmewo trɔ keŋkeŋ le egbeŋkekeawo me. Esime agbalẽ si nye Boys Will Be Boys nɔ nu ƒom tso nusi teƒe egbeŋkekea me sɔhɛwo kpɔna le modzakaɖeɖe xɔŋkɔwo me ŋu la, egblɔ be kakaɖedzi aɖeke meli be ɖeviwo atsɔ agbenyuinɔnɔ ƒe gɔmeɖose nyuiwo “atsii ne wotsɔ gaƒoƒo akpe gbogbowo le television dzi wɔna kple sinima siwo me wodzea amewo dzi le, daa tu wo, dea abi wo ŋu, ɖea dɔkavi dɔme na wo, tɔa hɛ wo alo wɔa nuvevi wo, alo flia wo la kpɔm, ne wosea hadzidzi siwo kafua nyɔnuwo gbɔ dɔdɔ sesẽe, ame ɖokui wuwu, atikevɔ̃ɖi zazã, aha muamewo nono, kple tɔtete ɖe ame ŋutɔ ƒe nukpɔsusu dzi la o.”

Edze ƒã be Satana, “xexe sia me fia,” trɔ asi le nɔnɔme aɖe si kpɔa amegbetɔwo ƒe nudzodzro dzakaɖawo gbɔ ŋu. Eye amekae ate ŋu ake ɖi le ŋusẽ sesẽ si nɔnɔme ma kpɔna ɖe mí katã dzi ŋu?—Yohanes 12:31; Efesotɔwo 6:12; Nyaɖeɖefia 12:9, 12.

Ameƒomea ƒe Xaxaa Dzɔtsoƒe

Abe alesi míekpɔe xoxo ene la, ameƒomea ƒe kuxiwo dze egɔme esime ame eve gbãtɔawo wɔ nuvɔ̃. Nukae nye emetsonu? Togbɔ be menye Adam ƒe dzidzimeviwoe na Adam wɔ nuvɔ̃ o hã la, wotsɔ nuvɔ̃, blibomademade, kple ku dzi wo katãe wònye nusi ƒe dome wonyi le agbe me. Biblia ɖe eme be: “Esiaŋuti alesi to ame ɖeka dzi nuvɔ̃ la va xexeame, eye to nuvɔ̃ me ku la va, eye nenema ku la va to amewo katã dzi yi, esi wo katã wɔ nuvɔ̃ ŋuti la.”—Romatɔwo 5:12.

Amegbetɔ ƒe blibomademade na wòdze nɔnɔme wɔnublanui me tẽ. Gake ema meɖee tso agbenyuinɔnɔ ƒe agbanɔamedziwo katã me o. Biblia fia be amesiwo xɔ ɖoɖo si Yehowa wɔ hena agbexɔxɔ dzi se hena woƒe agbenɔnɔ sɔ ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo nu la akpɔ eƒe amenuveve. Le Yehowa ƒe amenuveve ta la, ewɔ ɖoɖo aɖe nublanuikpɔkpɔtɔe be yeaɖe ameƒomea, be yeagbugbɔ nusi Adam bu la aƒle le kpɔɖeŋumɔ nu. Ðoɖo mae nye Via deblibo, Yesu Kristo, ƒe tafevɔsa, amesi gblɔ be: “Ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.”—Yohanes 3:16; Korintotɔwo I, 15:21, 22.

Apostolo Paulo ɖe eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ deto fia ɖe ɖoɖo sia ŋu. Egblɔ be: “O, nye nublanuitɔ! Amekae aɖem tso kuŋutilã si me mahã? Meda akpe na Mawu to Yesu Kristo, mía Aƒetɔ, la dzi!” (Romatɔwo 7:24, 25) Paulo nyae be ne gbɔdzɔgbɔdzɔ na yewɔ nuvɔ̃ la, yeate ŋu ato Yesu Kristo ƒe tafevɔsa dzi abia be Mawu natsɔe ake ye. *

Abe alesi wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me ene la, Biblia ƒe nyateƒea ƒe sidzedze vavãtɔ va su ame geɖe siwo nɔ agbe vloe tsã alo mɔkpɔkpɔ aɖeke meganɔ wo si o si egbea eye wowɔ tɔtrɔ siwo hiã, hesu te axɔ Mawu ƒe yayrawo. Tɔtrɔ siwo wòhiã be woawɔ la menɔ bɔbɔe o, egahiã be wo dometɔ geɖe nanɔ avu wɔm kple nɔnɔme gbegblẽwo kokoko. Gake Mawu ƒe kpekpeɖeŋu wɔnɛ be wote ŋu léa woƒe nuteƒewɔwɔ me ɖe asi hekpɔa dzidzɔ le esubɔsubɔ me. (Filipitɔwo 4:13) De ŋugble le ame aɖe si wɔ tɔtrɔ gãwo be yeadze Mawu ŋu la ƒe kpɔɖeŋu ɖeka pɛ ko ŋu kpɔ.

Nuteƒekpɔkpɔ Dedziƒoname Aɖe

“Esime menye ŋutsuvi sue nɔ sukukpo dzi la, meƒo ɖokuinye ɖe ŋutsu kple ŋutsu ƒe gbɔdɔdɔ me, togbɔ be nyemebu be menye ŋutsugbɔdɔla o hã. Dzinyelawo gbe wo nɔewo, eyata dzilawo ƒe lɔlɔ̃ si nyemekpɔ gbeɖe o la dzroam vevie. Esi mewu suku nu la, wozi dzinye de asrafodɔ me. Ŋutsu siwo dɔa wo nɔewo gbɔ ƒe ƒuƒoƒo aɖe nɔ asrafonɔƒe si te ɖe tɔnye ŋu la me. Meva ʋã ŋu alesi wonɔa agbee, eyata mete hadede kpli wo. Le nye hadede kpli wo ƒe ɖeka megbe la, mete ɖokuinye bubu ŋutsugbɔdɔlae. ‘Mebu be nenemae mele, eye nyemate ŋu awɔ naneke le eŋu o.’

“Mete lingo [si nye ŋutsugbɔdɔlawo ƒe gbe] sɔsrɔ̃ eye medea ŋutsu siwo dɔa ŋutsu gbɔ ƒe kpekpewo, afisi atikevɔ̃ɖiwo kple aha sesẽwo kpɔkpɔ le bɔbɔe le. Togbɔ be edzena le gota abe nusi me dzidzɔ le hedzroa ame hã la, enyɔ ŋu ŋutɔ. Mesenɛ le ɖokuinye me be nuwɔna siawo mele dzɔdzɔme nu o eye viɖe aɖeke mado tso eme o.

“Meva ke ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata aɖe ŋu le du sue aɖe me, esime kpekpea nɔ edzi yim. Mege ɖe eme hese nuƒo si ku ɖe nɔnɔme siwo anɔ etsɔme Paradisoa me ŋu. Le ema megbe la, medo go Ðasefoawo dometɔ aɖewo eye wokpem be mava nutome sue takpekpe aɖe. Mede eye—ƒome kpɔdzidzɔ siwo le subɔsubɔm ɖekae—kpɔkpɔ nye ɖeɖefia aɖe nam. Ðasefoawo te Biblia la sɔsrɔ̃ kplim.

“Togbɔ be esesẽ nam hã la, mete nusiwo srɔ̃m menɔ le Biblia me la ŋudɔwɔwɔ. Mete ŋu dzudzɔ nye nuwɔna makɔmakɔawo katã. Le ɣleti 14 ƒe nusɔsrɔ̃ megbe la, metsɔ nye agbe ɖe adzɔgbee na Yehowa hexɔ nyɔnyrɔ. Esiae nye zi gbãtɔ le nye agbe me, si xɔlɔ̃ vavãwo su asinye. Mete ŋu kpe ɖe ame bubuwo ŋu wosrɔ̃ Biblia me nyateƒea, eye fifia, menye subɔsubɔdɔwɔla le Kristo-hamea me. Yehowa yram nyateƒe.”

Míawo Gbɔe Wòtso

Agbagbadzedze be míada nu baɖa siwo míewɔna ƒe agba bliboa ɖe míaƒe domenyiŋusẽfianuwo dzi makpɔ nyaa gbɔ o. Le esi esia nakpe ɖe mía ŋu míakpɔ míaƒe kuxiwo gbɔ alo aɖu wo dzi teƒe la, Psychology Today gblɔ be esia “anɔ mía fiam be naneke manya wɔ le míaƒe kuxiwo ŋu o. Le esi teƒe be wòaɖe kuxi siawo ƒe agbogbo dodo dzi akpɔtɔ la, edze abe ɖe wòganyraa wo ɖe edzi wu ene.”

Enye nyateƒe be ele be míate kame kple ŋusẽkpɔɖeamedzi sesẽ aɖewo, siwo ƒe ɖewoe nye míaƒe dzodzro vɔ̃wo kple agbagba siwo dzem Satana le be yeana be míagaɖo to Mawu o. (Petro I, 5:8) Enye nyateƒe hã be míaƒe domenyiŋusẽfianuwo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi le mɔ aɖewo nu ya. Gake mefia be kpeɖeŋutɔ aɖeke meli na mí o. Hati sẽŋu—siwo nye Yehowa, Yesu Kristo, Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe, eƒe Nya Biblia la, kple Kristo-hamea—le Kristotɔ vavãwo si.—Timoteo I, 6:11, 12; Yohanes I, 2:1.

Hafi Israel-dukɔ naɖo Ŋugbedodonyigbaa dzi la, Mose ɖo ŋku agbanɔamedzi si le wo dzi le Mawu gbɔ la dzi na wo be: ‘Metsɔ agbe kple ku, yayra kple fiƒode le mia ŋku me ɖom. Eyata mitia agbe, be mia kple wò dzidzimeviwo mianɔ agbe, eye nalɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, ɖo to eƒe gbe, eye naku ɖe eŋu.’ (Mose V, 30:19, 20) Nenema ke egbea hã, agba le amesiame dzi be woawɔ eya ŋutɔ ƒe nyametsotso le Mawu subɔsubɔ kple wɔwɔ ɖe eƒe nudidiwo dzi me. Wò ŋutɔe awɔ wò tiatia.—Galatiatɔwo 6:7, 8.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 10 Kpɔ Nyɔ! October 8, 1996, axa 16-22.

^ mm. 19 Kpɔ agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me, axa 62-9, si Yehowa Ðasefowo ta.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 9]

Ðe gbegblẽƒe aɖe nɔ Adam kple Xawa ƒe domenyiŋusẽfianu me si ta woawɔ nuvɔ̃ godooa?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]

Ðe wòle be amesiame natsɔ eya ŋutɔ ƒe nyametsotso me tsonuwo ƒe agbaa?

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Drug user: Godo-Foto

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Agbagba si wodze be woakpɔ amegbetɔ ƒe nuwɔnawo gbɔ tsonu le domenyiŋusẽfianu me medze edzi o

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Nusi Biblia gblɔ la tsɔtsɔ de dɔwɔna me ate ŋu akpe ɖe dzianukwaretɔwo ŋu be woawɔ tɔtrɔ