Kpɔ Dzidzɔ Ðe Yehowa Ƒe Dzɔdzɔenyenye Ŋu
Kpɔ Dzidzɔ Ðe Yehowa Ƒe Dzɔdzɔenyenye Ŋu
“Amesi ti dzɔdzɔenyenye kple lɔlɔ̃ yome la, eƒe asi atu agbe, dzɔdzɔenyenye kple bubu.”—LODODOWO 21:21.
1. Nukawo wɔmee amewo le egbea si le afɔkuwo hem vɛ?
“AME aɖewo ƒe mɔ dzɔna le wo ŋku me; ke eƒe nuwuwu nyea ku ƒe mɔ.” (Lododowo 16:25) Aleke gbegbe Biblia me lododo sia ɖɔ ame akpa gãtɔ ƒe mɔ wòsɔe enye si! Zi geɖe la, nusi dzɔ le amewo ŋutɔ ƒe susu nu wɔwɔ ko ŋue wotsia dzi ɖo, heŋea aɖaba ƒua ame bubuwo ƒe nuhiahiã veviwo gɔ̃ hã dzi. (Lododowo 21:2) Wogblɔna be yewowɔa dukɔa ƒe sewo kple dzidzenuwo dzi, gake dzea agbagba dia mɔ siwo nu woato ade axa na wo le mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe si sua wo si me. Mama kple tɔtɔ ye wòhena va dukɔa mee.—Timoteo II, 3:1-5.
2. Nukae hiã kpata hena ameƒomea ŋutɔ ƒe nyonyo?
2 Le mía ŋutɔwo míaƒe nyonyo—kple ameƒome bliboa ƒe ŋutifafa kple dedienɔnɔ—ta la, míehiã se alo dzidzenu si dzɔ henyo, esi dzi amesiame alɔ̃ ɖo ahawɔ edzi la kpata. Edze ƒã be amegbetɔ ƒe se alo dzidzenu aɖeke mate ŋu akpɔ hiahiã ma gbɔ o, aleke kee sea wɔla nya nui alo ɖia anukware o. (Yeremya 10:23; Romatɔwo 3:10, 23) Ne dzidzenu ma tɔgbe li la, afikae míakpɔe le eye alekee wòanɔ? Ðewohĩ biabia si le vevie wue nye, Ne dzidzenu ma li la, àkpɔ dzidzɔ ɖe eŋu ahawɔ edzia?
Dzidzenu Dzɔdzɔea Didi
3. Ameka koe dze ana dzidzenu si dzi amesiame alɔ̃ ɖo si aɖe vi na amewo katã, eye nukatae?
3 Be míake ɖe dzidzenu si dzi amesiame ada asi ɖo si aɖe vi na amesiame ŋu la, ele be míado ta ɖe ame aɖe si kpɔ ŋusẽ ɖe ameƒomevi, dekɔnu, kple dziɖuƒewo katã dzi eye wònye amesi amegbetɔ ƒe nuŋumabuyiŋgɔ kple gbɔdzɔgbɔdzɔwo medoa kplamatse o la gbɔ. Ðikeke mele eme o be, amesi koe dze lae nye Wɔla ŋusẽkatãtɔ, Yehowa Mawu, amesi gblɔ be: “Alesi dziƒo kɔ boo wu anyigbae la, nenema nye mɔwo kɔ wu miaƒe mɔwo kple nye susuwo Yesaya 55:9) Gakpe ɖe eŋu la, Biblia ɖɔ Yehowa be enye “Mawu nyateƒetɔ, eye alakpa mele eme o, nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye.” (Mose V, 32:4) Le Biblia katã me la, míekena ɖe nyagbɔgblɔ si nye “Yehowa nye dzɔdzɔetɔ” ŋu. (Mose II, 9:27; Kronika II, 12:6; Psalmo 11:7; 129:4; Konyifahawo 1:18; Nyaɖeɖefia 19:2, NW ƒe etenuŋɔŋlɔ) Ẽ, míate ŋu ate ɖe Yehowa ŋu hena dzidzenu si ƒo ɖesiaɖe ta la kpɔkpɔ, elabena enye nyateƒetɔ, nuteƒewɔla, kple dzɔdzɔetɔ.
wu miaƒe susuwoe.” (4. Nya ‘dzɔdzɔenyenye’ gɔme ɖe?
4 Gake nya ‘dzɔdzɔenyenye’ medzea ame geɖe ŋu egbea o. Le nyateƒe me la, nukpɔsusu gbegblẽ, si vlo gɔ̃ hãe le ame akpa gãtɔ si le eŋu eye wotsɔnɛ sɔna kple ɖokuidodoɖedzi, alo be enye mawusubɔsubɔ me alakpanuwɔwɔ kple yeaɖi veviedodonu. Gake abe alesi nyagɔmeɖegbalẽ aɖe fia ene la, ‘dzɔdzɔenyenye’ gɔmee nye “nusi dzɔ, le tẽ, sɔ; nusi ŋu fɔɖiɖi kple nuvɔ̃ mele o; wɔwɔ ɖe Mawu ƒe se ƒe gɔmeɖose alo agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu si dzi wòda asi ɖo dzi; nu wɔwɔ wòasɔ alo wòadzɔ.” Ðe makpɔ dzidzɔ ɖe se alo dzidzenu si me nɔnɔme nyui siawo le ŋu oa?
5. Ƒo nu tso dzɔdzɔenyenye ƒe asixɔxɔ ŋu abe alesi woɖee fia le Biblia me ene.
5 Encyclopaedia Judaica gblɔ tso asixɔxɔ si le dzɔdzɔenyenye ŋu be: “Dzɔdzɔenyenye menye nya woayɔ ko o, ke boŋ elɔ nusi dzɔ hesɔ wɔwɔ le nɔnɔme ɖesiaɖe me ɖe eme.” Le kpɔɖeŋu me, Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye menye nɔnɔme aɖe si le esi alo le eme abe eƒe kɔkɔenyenye kple dzadzɛnyenye ene ko o. Ke boŋ enye eƒe nɔnɔme ɖeɖe fia le mɔ siwo dzɔ hesɔ la nu. Míate ŋu agblɔe be esi Yehowa le kɔkɔe hele dzadzɛ ta la, nusianu si wòwɔna kple nusianu si tsoa egbɔ la le dzɔdzɔe. Abe alesi Biblia gblɔe ene be, “Yehowa enye dzɔdzɔetɔ le eƒe mɔwo katã me, kple amenuvetɔ le eƒe nuwɔwɔwo katã me.”—Psalmo 145:17.
6. Nya kae Paulo gblɔ le eŋɔli me Yudatɔ dzimaxɔsetɔ aɖewo ŋu, eye nukatae?
6 Apostolo Paulo te gbe ɖe nya sia dzi le eƒe lɛta si wòŋlɔ na Kristotɔ siwo nɔ Roma me. Eŋlɔ tso Yudatɔ dzimaxɔsetɔ aɖewo ŋu be: “Esi womenya Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye o, eye wole didim bena, woatsɔ woawo ŋutɔ ƒe dzɔdzɔenyenye atu tsitre la, womebɔbɔ wo ɖokui ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye la te o.” (Romatɔwo 10:3) Nukatae Paulo gblɔ le amesiawo ŋu be “womenya Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye o”? Ðe womefia Sea, si nye Mawu ƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo, la wo oa? Wofia wo baa. Gake le esi teƒe be woabu dzɔdzɔenyenye be enye dzidzenu si afia mɔ wo le nuwɔwɔ kple wo havi amegbetɔwo me la, wo dometɔ akpa gãtɔ bui be enye ame ŋutɔ ƒe nunyuiwɔwɔ ko, be mawusubɔsubɔsewo dzi wɔwɔ pɛpɛpɛ ŋuɖɔɖotɔe me koe woato aɖo egbɔ. Abe alesi wònɔ le subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ anyi le Yesu ŋɔli gomee ene la, womese nya dzɔdzɔe kple dzɔdzɔenyenye gɔme kura o.—Mateo 23:23-28.
7. Aleke Yehowa ɖea eƒe dzɔdzɔenyenye fianae?
7 To vovo na ema kura la, Yehowa ɖea eƒe dzɔdzɔenyenye fiana eye wòdzena kɔte le eƒe nuwɔnawo katã me. Togbɔ be eƒe dzɔdzɔenyenye bia be maŋe aɖaba aƒu nuvɔ̃ɖowɔlawo ƒe nuvɔ̃wo dzi o hã la, ema mena wònye Mawu si le kpaɖii si metsɔa ɖeke le eme na ame o, amesi wòle be woavɔ̃ ahate ɖa le eŋu la o. Ke boŋ eƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔwo nye kpeɖodzi be ameƒomea ate ŋu ate ɖe eŋu eye wòaɖe wo atso nuvɔ̃ me tsonu gblẽnuwo me. Eyata esɔ le go sia go me be woɖɔ Yehowa be “Mawu dzɔdzɔetɔ kple Ðela.”—Yesaya 45:21, NW.
Dzɔdzɔenyenye Kple Ðeɖekpɔkpɔ
8, 9. Mɔ kawo nue Sea ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye fia le?
8 Be míase ƒomedodo si le Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye kple alesi wòɖea amewo lɔlɔ̃tɔe dome la, de ŋugble le Se si wòtsɔ to Mose dzi na Israel-dukɔa la ŋu kpɔ. Ðikeke aɖeke mele eme o be Sea nɔ dzɔdzɔe. Mose ɖo ŋku nu dzi na Israel-viwo le eƒe kaklãnanyawo me be: “Dukɔ gã kae li, si ƒe ɖoɖowo kple sewo to mɔ ɖeka abe se, siwo katã meɖo mia ŋku Mose V, 4:8) Ƒe alafawo megbe la, Israel-fia Dawid gblɔ be: “Yehowa ƒe afiatsotsowo le eteƒe, wo katã wodzɔ.”—Psalmo 19:10.
me egbea ene?” (9 Yehowa to Sea me na eƒe nu dzɔdzɔe kple nu gbegblẽ ŋuti dzidzenu deblibowo dze ƒã. Sea gblɔ alesi wòle be Israel-viwo nawɔ nui la tsitotsito, menye le subɔsubɔnyawo ɖeɖeko me o, ke boŋ le dɔwɔnyawo, srɔ̃ɖeƒomedodowo, nuɖuɖu kple dzadzɛnyenye me nuwɔnawo kple ʋɔnudrɔ̃nyawo hã me. Sedzidalawo ƒe tohehe matrɔmatrɔwo hã le Sea me, eye wotsoa kufia gɔ̃ hã na ame le nya aɖewo me. * Gake ɖe Mawu ƒe nudidi dzɔdzɔe siwo wòɖe fia le Sea me nye agba kpekpe wɔfuame na dukɔa, si xɔ ablɔɖe kple dzidzɔ le wo si abe alesi ame geɖe gblɔna egbea enea?
10. Aleke amesiwo lɔ̃ Yehowa sena le wo ɖokui me tso eƒe sewo ŋu?
10 Amesiwo lɔ̃ Yehowa la kpɔa dzidzɔ ɖe eƒe se kple ɖoɖo dzɔdzɔeawo ŋu ale gbegbe. Le kpɔɖeŋu me, menye ɖeko Fia Dawid lɔ̃ ɖe edzi be Yehowa ƒe afiatsotsowo le eteƒe eye wodzɔ abe alesi míekpɔe ene ko evɔ o, ke boŋ elɔ̃ wo vevie hekpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu tso dzime hã. Eŋlɔ le Yehowa ƒe se kple ʋɔnudɔdrɔ̃ me nyametsotsowo ŋu be: “Wovena wu sika kple sika nyuitɔ geɖe, eye wovivina wu anyitsi kple anyiɖaɖa. Woawo wotsɔ fia mɔnu wò dɔla hã; fetu gã le wo me lelé ɖe asi me.”—Psalmo 19:8, 11, 12.
11. Aleke Sea va nye ‘nufiala si kplɔa ame yia Kristo gbɔe’?
11 Ƒe alafa geɖe megbe la, Paulo ɖe Sea ƒe asixɔxɔ si galolo wu la fia. Eŋlɔ le eƒe lɛta na Galatiatɔwo me bena: “Se la zu mía nufiala, si kplɔa mí yia Kristo gbɔe, bene woatso afia na mí to xɔse me.” (Galatiatɔwo 3:24) Le Paulo ŋɔli la, nufiala nye subɔvi alo kluvi si nɔa aƒekɔ gãwo me. Eƒe dɔe wònye be wòakpɔ ɖeviawo ta ahakplɔ wo ayi sukui. Nenema ke Sea kpɔ Israel-viwo ta tso dukɔ siwo ƒo xlã wo la ƒe agbenɔnɔ kple subɔsubɔ me nuwɔna ɖigbɔwo mee. (Mose V, 18:9-13; Galatiatɔwo 3:23) Gakpe ɖe eŋu la, Sea na Israel-viwo kpɔ woƒe nuvɔ̃menyenye kple alesi wohiã tsɔtsɔke kple ɖeɖee la dze sii. (Galatiatɔwo 3:19) Vɔsasa ƒe ɖoɖoa ɖe alesi tafevɔsa aɖe hiãe la fia eye wònye nyagblɔɖi me kpɔɖeŋu si ana woate ŋu akpɔ nyateƒe Mesia la adze sii. (Hebritɔwo 10:1, 11, 12) Eyata esi Yehowa ɖe eƒe dzɔdzɔenyenye fia to Sea me la, ameawo ƒe nyonyo kple ɖeɖekpɔkpɔ mavɔe nɔ susu me nɛ wòtsɔ wɔe.
Amesiwo Mawu Bu Ame Dzɔdzɔewoe
12. Nukae ate ŋu asu Israel-viwo si ne ɖee wowɔ ɖe Sea dzi pɛpɛpɛ?
12 Esi Sea, si Yehowa na la le dzɔdzɔe le goawo katã me ta la, ne ɖee Israel-viwo wɔ edzi la, anye ne wokpɔ tenɔnɔ dzɔdzɔe le Mawu ŋkume. Esi wòsusɔ vie Israel-viwo nage ɖe Ŋugbedodonyigbaa dzi la, Mose ɖo ŋku edzi na wo be: “Ne mielé se siawo katã me ɖe asi, eye miewɔ wo dzi [le Yehowa mía Mawu ŋkume, NW ] Mose V, 6:25) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yehowa do ŋugbe be: “Milé ŋku ɖe nye ɖoɖowo kple sewo ŋu, elabena woana amesi wɔa wo dzi la, nanɔ agbe. Nyee nye Yehowa.”—Mose III, 18:5; Romatɔwo 10:5.
abe alesi wòde se na mi ene la, woabui dzɔdzɔenyenye na mi.” (13. Ðe Yehowa tɔ medzɔ o be wòbia tso eƒe amewo si be woawɔ Se dzɔdzɔe dzia? Ðe eme.
13 Nublanuitɔe la, Israel-dukɔ bliboa melé ‘se siwo katã Yehowa de’ na wo la me ɖe asi o, eye yayra siwo ƒe ŋugbe wòdo na wo la bɔ wo. Womete ŋu lé Mawu ƒe sewo katã me ɖe asi o elabena Mawu ƒe Sea de blibo gake woawo mede blibo o. Ðe esia fia be Mawu ƒe nya medzɔ o alo enye madzɔmadzɔtɔa? Kura o. Paulo ŋlɔ bena: “Azɔ nuka gblɔ ge míala? Alo Mawu tɔ medzɔ oa? Gbeɖe!” (Romatɔwo 9:14) Nya lae nye be do ŋgɔ na Sea nana kple emegbe siaa la, Mawu bu ame aɖewo ame dzɔdzɔewoe, togbɔ be wonye ame madeblibowo kple nuvɔ̃mewo hã. Mawu-vɔ̃la siawo dometɔ aɖewoe nye Noa, Abraham, Hiob, Raxab, kple Daniel. (Mose I, 7:1; 15:6; Hiob 1:1; Xezekiel 14:14; Yakobo 2:25) Ekema biabia lae nye be: Nuka dzie Mawu nɔ te ɖo bu amesiawo ame dzɔdzɔewoe?
14. Ne Biblia ƒo nu tso amegbetɔ ŋu be enye ame “dzɔdzɔe” la, nukae wòwɔnɛ?
14 Ne Biblia ƒo nu tso amegbetɔ ŋu be ele ‘dzɔdzɔe’ la, mefia nuvɔ̃manɔameŋu alo blibodede o. Ke boŋ efia agba siwo le ame dzi le Mawu kple amegbetɔ ŋku me la tsɔtsɔ. Le kpɔɖeŋu me, woyɔ Noa be “ame dzɔdzɔe” kple “ame maɖifɔ le eŋɔlimetɔwo dome” elabena ‘ewɔ nusiwo katã ƒe se Mawu de nɛ la pɛpɛpɛ.’ (Mose I, 6:9, 22; Maleaxi 3:18) Zaxarya kple Elisabet, siwo nye Yohanes Amenyrɔɖetsimela dzilawo, ‘nye ame dzɔdzɔewo le Mawu ƒe ŋkume le esi wozɔna le Yehowa ƒe se kple ɖoɖowo katã nu fɔmaɖimaɖitɔe ta.’ (Luka 1:6) Eye woɖɔ aʋafia Italiatɔ aɖe, si ŋkɔe nye Kornelio, amesi menye Israel-vi o la be “ame dzɔdzɔe kple amesi vɔ̃a Mawu.”—Dɔwɔwɔwo 10:22.
15. Nukae dzɔdzɔenyenye do ƒome kple kplikplikpli?
15 Gakpe ɖe eŋu la, dzɔdzɔenyenye bubu na amegbetɔwo do ƒome kple nusi le amea ƒe dzime—xɔse si le amea me le lɔlɔ̃ kple ŋudzedzekpɔkpɔ si le esi na Yehowa kple eƒe ŋugbedodo ta—eye menye nusi Mawu di ko wɔwɔ o. Ŋɔŋlɔawo gblɔ be Abraham “[xɔ] Yehowa dzi se, eye wòbui nɛ dzɔdzɔenyenyee.” (Mose I, 15:6) Menye Mawu ƒe anyinɔnɔ ko dzie Abraham xɔ se o, ke boŋ exɔ eƒe ŋugbedodo si ku ɖe ‘dzidzimevia’ ŋu hã dzi se. (Mose I, 3:15; 12:2; 15:5; ) Le xɔse ma kple xɔsedɔwɔwɔwo ta la, Yehowa te ŋu do ƒome kple Abraham kpakple nuteƒewɔla bubuwo heyra wo togbɔ be wonye ame madeblibowo hã.— 22:18Psalmo 36:11; Romatɔwo 4:20-22.
16. Nukae do tso tafevɔsaa dzixɔxɔse me?
16 Mlɔeba la, amegbetɔwo ƒe dzɔdzɔenyenye nɔa te ɖe Yesu Kristo ƒe tafevɔsa dzixɔxɔse dzi. Paulo ŋlɔ tso ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ŋu be: “Wotso afia na wo faa le [Mawu ƒe] amenuveve me to fexexeɖeta, si nye Kristo Yesu tɔ la me.” (Romatɔwo 3:24) Amesiwo wotia be woanye Kristo ƒe hatidziɖulawo le Dziƒofiaɖuƒea me ŋue Paulo nɔ nu ƒom tsoe le afima. Gake Yesu ƒe tafevɔsaa ʋu mɔ na ame miliɔn bubu geɖewo hã be tenɔnɔ dzɔdzɔe nasu wo si le Mawu ŋkume. Apostolo Yohanes kpɔ ŋutega aɖe si me “ameha gã, si ame aɖeke mete ŋu xlẽ o la, . . . le tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ kple alẽvi la ƒe ŋku me, wodo awu ʋlaya ɣiwo.” Awu ʋlaya ɣiawo tsitre ɖi na woƒe kɔkɔenyenye kple dzɔdzɔenyenye le Mawu ŋkume elabena “wonyã woƒe awuwo, eye wowɔ wo ɣie le alẽvi la ƒe ʋu la me.”—Nyaɖeɖefia 7:9, 14.
Dzidzɔkpɔkpɔ Ðe Yehowa ƒe Dzɔdzɔenyenye Ŋu
17. Afɔ kawoe wòle be woaɖe le dzɔdzɔenyenye yometiti me?
17 Togbɔ be Yehowa tsɔ Via, Yesu Kristo, na lɔlɔ̃tɔe wònye amesi dzi amegbetɔwo ato tenɔnɔ dzadzɛ nasu wo si le eŋkume hã la, mesua wo si naneke mawɔmawɔe o. Ele be ame naxɔ tafea dzi ase, ana eƒe agbe nawɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, aɖe adzɔgbe na Yehowa, ahaxɔ nyɔnyrɔ ɖe tsi me atsɔ awɔ eƒe kpɔɖeŋui. Emegbe ele be amea nayi edzi ati dzɔdzɔenyenye kpakple gbɔgbɔmenɔnɔme bubuwo yome. Paulo xlɔ̃ nu Timoteo, amesi nye Kristotɔ xɔnyɔnyrɔ, si si dziƒoyɔyɔ le be: “Dze dzɔdzɔenyenye, mawusosroɖa, dzixɔse, lɔlɔ̃, dzidodo, dɔmefafa yome.” (Timoteo I, 6:11; Timoteo II, 2:22) Yesu hã te gbe ɖe alesi wòhiãe be woayi edzi ado vevie nu dzi, esime wògblɔ be: ‘Miyi edzi mianɔ fiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye dim gbãgbiagbã.’ Ðewohĩ míadze agbagba vevie adi Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe yayrawo, gake ɖe míedzea agbagba nenema ke be míati Yehowa ƒe mɔ dzɔdzɔewo yomea?—Mateo 6:33.
18. (a) Nukatae dzɔdzɔenyenye yometiti mele bɔbɔe o? (b) Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso Lot ƒe kpɔɖeŋu me?
18 Enye nyateƒe be dzɔdzɔenyenye yometiti mele bɔbɔe o. Nusitae nye be mí katã míede blibo o eye míaƒe dzɔdzɔmedidi nɔa madzɔmadzɔnyenye yome. (Yesaya 64:5) Gawu la, amesiwo metsɔ ɖeke le Yehowa ƒe mɔ dzɔdzɔewo me kura o la domee míele. Nɔnɔme siwo me míele la de sɔsɔ ge kple Lot, amesi nɔ Sodom-du vɔ̃ɖi gblẽkua me, tɔ pɛpɛpɛ. Apostolo Petro ɖe nusita Yehowa kpɔe be esɔ be yeaɖe Lot tso tsɔtsrɔ̃ si nɔ eŋgɔ me la me. Petro gblɔ bena: “Esi ame dzɔdzɔe ma nɔ wo dome, eye wòkpɔ, eye wòse woƒe dɔwɔwɔ, siwo mele sea nu o la, ewɔa fu eƒe luʋɔ dzɔdzɔe la gbesiagbe.” (Petro II, 2:7, 8) Eyata anyo be mía dometɔ ɖesiaɖe nabia be: ‘Ðe nuwɔna gbegblẽ siwo le edzi yim ƒo xlã mí la dzea ŋunye le dzimea? Ðeko modzakaɖeɖe alo kamedefefe siwo bɔ evɔ ŋutasẽnuwɔnawo le wo me mevivia nunye o ko evɔa? Alo ɖe nuwɔna madzɔmadzɔ mawo wɔa fum abe alesi wowɔ fu Lot enea?’
19. Yayra kawoe míate ŋu akpɔ ne míekpɔ dzidzɔ ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye ŋu?
19 Le ŋkeke vɔ̃ɖi manyatalenu siawo me la, Psalmo 15:1, 2) Ne míeti Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye yome hekpɔ dzidzɔ ɖe eŋu la, míate ŋu anɔ ƒomedodo nyui me kplii eye wòayi edzi anɔ ŋudzedze kpɔm ɖe mía ŋu ahanɔ mía yram ɖaa. Dzidzemegbenɔnɔ, bubunɔameŋu, kple susume ƒe akɔdzeanyi wòahe vɛ na mí. Mawu ƒe Nya gblɔ be: “Amesi ti dzɔdzɔenyenye kple lɔlɔ̃ yome la, eƒe asi atu agbe, dzɔdzɔenyenye kple bubu.” (Lododowo 21:21) Gakpe ɖe eŋu la, ne míewɔ míaƒe ŋutete ɖesiaɖe be míawɔ nusi sɔ hele dzɔdzɔe le nusianu me la, ƒomedodo si me dzidzɔ le anɔ mía kple amewo dome eye míaƒe agbenɔnɔ anyo ɖe edzi—le ŋutilã kple gbɔgbɔ me siaa. Hakpala la gblɔ be: “Woayra amesiwo léa se la me ɖe asi, eye wowɔa nu dzɔdzɔe ɣeawo katã ɣi!”—Psalmo 106:3.
dzidzɔkpɔkpɔ ɖe Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye ŋu nye dedienɔnɔ kple ametakpɔkpɔ tsoƒe. Fia Dawid ɖo biabia si nye be: “Yehowa, ameka adze wò agbadɔ me, eye ameka anɔ wò to kɔkɔe la dzi ma?” ŋu be: “Amesi fɔɖiɖi mele eƒe zɔzɔme ŋu o, ewɔa nu dzɔdzɔe, eye wòtoa nyateƒe le eƒe dzi me.” ([Etenuŋɔŋlɔ]
^ mm. 9 Ne èdi nusiwo Mose ƒe Sea lɔ ɖe eme ŋu nyawo tsitotsito la, kpɔ nyati si nye “Some Features of the Law Covenant,” (Nusiwo Se ƒe Nubablaa Bia la Dometɔ Aɖewo) le Insight on the Scriptures, si Yehowa Ðasefowo ta la ƒe babla 2 lia, axa 214-20.
Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?
• Nukae nye dzɔdzɔenyenye?
• Aleke ɖeɖekpɔkpɔ do ƒome kple Mawu ƒe dzɔdzɔenyenyee?
• Nuka dzie Mawu nɔa te ɖo bua amegbetɔwo ame dzɔdzɔewoe?
• Aleke míate ŋu akpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye ŋui?
[Biabiawo]
[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]
Fia Dawid ɖee fia be yelɔ̃ Mawu ƒe sewo tso dzime ke
[Nɔnɔmetata siwo le axa 16]
Mawu bu Noa, Abraham, Zaxarya, Elisabet, kple Kornelio ame dzɔdzɔewoe. Ènya nusitaea?