Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawusosroɖagbenɔnɔ Na Mekpɔ Yayra

Mawusosroɖagbenɔnɔ Na Mekpɔ Yayra

Agbemeŋutinya

Mawusosroɖagbenɔnɔ Na Mekpɔ Yayra

ABE ALESI WILLIAM AIHINORIA GBLƆE ENE

Papa ƒe ŋeŋea na menyɔ le zãtsiƒe. Elé dɔme ɖe asi henɔ mimlim le anyigba. Mía kple dada, kple daanye míenɔ eŋu. Esi wòwɔ abe ɖe vevesesea nu fa nɛ vie ene la, efɔ bɔbɔ nɔ anyi, gbɔ fũ, hegblɔ be: “Yehowa Ðasefowo koe le tomefafa me le anyigba sia dzi.” Nyaa wɔ nuku nam, gake ewɔ dɔ ɖe dzinye vevie elabena nyemese Yehowa Ðasefowo ŋkɔ kpɔ o. Menɔ tame bum le nusi wòwɔnɛ ŋu.

NUSIA dzɔ le ƒe 1953 me esime mexɔ ƒe ade. Fofonye nye srɔ̃geɖeɖela eye míaƒe ƒomea nɔ Ewossa, si nye agblekɔƒe aɖe le Nigeria ƒe titinaɣetoɖoƒe. Nyee nye vi evelia, gake henye ŋutsuvi gbãtɔ le ƒome si me nɔlawo dzi ɖe edzi va ɖo Papa srɔ̃ 3-awo kple vi 13-awo dome. Tɔgbuinye ƒe anyixɔ si wogba kple be, si me xɔ ene le mee mí katã míenɔ. Mía Mama, kple Papa nɔviŋutsu etɔ̃ kpakple woƒe ƒomewo hã nye aƒea me tɔwo.

Agbe mede mía dzi kura le nye ɖevime o. Papa ƒe lãmesẽ me manɔmanɔ koŋ gbɔe wòtso nuwo nɔ alea. Dɔmedɔ sesẽ aɖe nɔ eŋu ƒe gbogbo aɖe ʋuu wòtsɔ kui. Eƒe dɔléle manyatalenua gbe atike ɖesiaɖe si agbledela hiãtɔ si le Afrika ate ŋu awɔ la sese—ameyibɔ kple yevu tikewo siaa. Zi geɖe zãdomadɔlɔ̃e míetsina nɔa Papa ŋu nɔa avi fam ne wòtsɔ vevesese le mimlim le anyigba ʋuu koklo koe kuna atɔ le ŋufɔke. Le atike didi na eƒe dɔlélea ta la, zi geɖe egblẽa mía kple nɔvinyewo ɖe Mama gbɔ woa kple Dada wozɔa mɔ.

Te, agbeli, kple bisi gblee míaƒe ƒomea dena dzrana, si ŋu míenɔa agbe ɖo. Míeɖea atimitsi si wotsɔna wɔa aŋee hã dzrana tsɔ kpena ɖe ga sue si míekpɔna ŋu. Te koŋue nye míaƒe nuɖuɖu. Míeɖua tekɔ ŋdime, tefufu ŋdɔ, gaɖua te ake le fiẽ me. Míeɖɔlina eme ɣeaɖewoɣi vie ne míekpɔ abladzo memee ɖu.

Tɔgbui kukuwo subɔsubɔ wɔ akpa vevi aɖe le míaƒe agbe me. Míaƒe ƒomea tsɔa nuɖuɖu dana ɖe atikpakpɛ siwo ŋu wobla hotsui ɖo la ŋgɔ. Legba aɖe hã nɔ Papa si wòsubɔna be yeatsɔ anya gbɔgbɔ vɔ̃wo kple adzetɔwo ɖa le ye ɖokui ŋui.

Esime mexɔ ƒe atɔ̃ la, míeʋu le míaƒe kɔƒea me yi ɖanɔ agblekɔƒe aɖe si gbɔ didi anɔ kilomita 11 la me vie. Atɔ lé Papa le afima, wòganye vevesese bubu kpe ɖe eƒe dɔmeɖuia ŋu. Mete ŋu wɔa dɔ le ŋkeke me o, eye dɔmeɖui la hã wɔa fui le zã me. Asrã sesẽ aɖe dze dzinye le afima. Esia na be míaƒe ƒometɔwo ƒe asidodo ɖe mía gbɔ ŋue míenɔ agbe ɖo. Be míagatsi hiãa me aku o la, míeʋu gbugbɔ yi míaƒe kɔƒea me le Ewossa. Esi menye viaŋutsu gbãtɔ ta la, Papa di be dɔ aɖe nava nɔ asinye tsɔ wu agbledede ko. Ese le eɖokui me be sukudede ayi ŋgɔ akpe ɖe ŋunye be mava ɖe ƒomea le hiãa me gbeɖeka ahakpe ɖe ŋunye makpɔ tsɛnyewo dzi.

Gododo Subɔsubɔha Vovovowo

Mete ŋu dze sukua gɔme le míaƒe kɔƒea me. Esia na meva ke ɖe Kristodukɔa me subɔsubɔhawo ŋu. Le ƒe 1950-awo me la, Ɣetoɖoƒedukɔwo ƒe sukuwo nye dutadukɔ siwo nɔ mía dzi ɖum la ƒe subɔsubɔhawo tɔ. Esi Katoliko sɔlemehaa ƒe gɔmedzesukue mede ta la, ema fia be ele be manye Roma Katolikotɔ.

Le ƒe 1966 me esime mexɔ ƒe 19 la, mekpɔ mɔ le Pilgrim Baptist Sekɛndri Suku si le du si nye Ewohinmi, si gbɔ didi kilometa 8 tso Ewossa la me. Subɔsubɔha bubu ƒe nufiafiae mexɔ le afima. Esi wònye Protestanttɔwo ƒe suku demee menɔ azɔ ta la, Katoliko-nunɔlaa meɖe mɔ nam be makpɔ gome le Kwasiɖagbe Misa me o.

Esi meva Baptist suku sia mee meke ɖe Biblia ŋu zi gbãtɔ. Togbɔ be mekpɔtɔ dea Katoliko-sɔlemea hã la, mexlẽa Biblia le ɖokuinye si Kwasiɖagbe ɖesiaɖe ne míekpa tso sɔlemea. Yesu Kristo ƒe nufiafiawo doa dzidzɔ nam si wɔe be wòdzroam be manɔ mawusosroɖagbe si ŋu taɖodzinu le. Zi alesi mexlẽ Bibliae la, zi nenemae subɔsubɔhakplɔla aɖewo ƒe alakpanuwɔwɔ kple hamevi geɖe ƒe agbegbegblẽnɔnɔ nyɔa ŋu namee. Amesiwo be Kristotɔwoe yewonye ƒe nuwɔna siwo mekpɔna to vovo kura tso nusi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo fia kple nusi wowɔ gbɔ.

Nudzɔdzɔ aɖewo koŋ tɔ ŋku nam ale gbegbe. Gbeɖeka esi meyi be maƒle rosario le katekist aɖe ƒe fiase me la, mekpɔ be wotsi atiblɛ ɖe fiasea ƒe ʋɔtru ŋu. Ɣebubuɣi la, Baptist sukua dzikpɔla tee kpɔ be yeadɔ kplim. Emegbe meva se be ŋutsugbɔdɔlae wònye eye edɔ kple ame aɖewo. Mebua nusiawo ŋu hebiaa ɖokuinye be, ‘Ðe Mawu daa asi ɖe subɔsubɔha si me nɔlawo kple woƒe kplɔlawo gɔ̃ hã wɔa nuvɔ̃ gãwo gake womebiaa nya aɖeke wo o la dzia?’

Gege Ðe Subɔsubɔha Bubu Me

Ke hã melɔ̃ nusi xlẽm menɔ le Biblia me, eye meɖoe kplikpaa be mayi exexlẽ dzi. Ɣemaɣie Papa ƒe nya si wògblɔ ƒe 15 aɖewo do ŋgɔ la va susu me nam: “Yehowa Ðasefowo koe le tomefafa me le anyigba sia dzi.” Gake nyemevo le ɖokuinye me o elabena woɖua fewu le Ðasefo sɔhɛ siwo le míaƒe sukua me ŋu eye wohea to na wo ɣeaɖewoɣi ɖe míaƒe ŋdisɔleme mavamava ta. Eye edze abe woƒe dzixɔse aɖewo mesɔ o ene. Le kpɔɖeŋu me, esesẽ nam ŋutɔ be maxɔe ase be ame 144,000 koe ayi dziƒo. (Nyaɖeɖefia 14:3) Esi wònye nye didi be mayi dziƒo ta la, mebua eŋu be ɖe wokpɔ dziƒoyilawo ƒe xexlẽmea vɔ hafi wodzim hã.

Eɖe dzesi ƒã be Ðasefoawo ƒe nuwɔna kple agbenɔnɔ to vovo kura. Womekpɔa gome le sukua me sɔhɛ bubuwo ƒe agbegbegblẽnɔnɔ kple ŋutasẽnuwɔnawo me o. Le gonyeme la, woɖe wo ɖokui ɖa tso xexeame vavã, abe alesi mexlẽe le Biblia me be amesiwo le nyateƒe subɔsubɔha me nawɔ ene.—Yohanes 17:14-16; Yakobo 1:27.

Meɖoe be mawɔ numekuku ayi ŋgɔ. Le September 1969 me la, mexɔ agbalẽ si nye “Nyateƒe, Si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Mee.” Le ɣleti si kplɔe ɖo me la, mɔɖela aɖe, si nye alesi woyɔa Yehowa Ðasefowo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla, te nusɔsrɔ̃ kplim. Nusɔsrɔ̃ gbãtɔa ʋãm ale gbegbe be medze Nyateƒe-gbalẽa xexlẽ gɔme le Memleɖa fiẽ aɖe hewu enu ŋkeke si kplɔe ɖo ƒe ŋdɔ me. Enumake mete nu wɔnuku siwo mexlẽ la gbɔgblɔ na hanyeti sukuviwo. Sukuviawo kple nufialawo susu be xɔse yeye si ŋu meke ɖo la flu tagbɔ nam. Gake menyae be menyenɔ tsu kum o.—Dɔwɔwɔwo 26:24.

Eɖo dzinyelawo gbɔ be mege ɖe subɔsubɔha yeye aɖe me hele gbeƒã ɖemee na amewo. Wobia tso asinye be magbɔ va aƒe enumake ne yewoanya nusi nɔ fu ɖem nam. Ame aɖeke menɔ anyi si mabia aɖaŋuɖoɖoe o, elabena Ðasefoawo katã yi woƒe nutome gã takpekpe aɖe le Ilesha. Aƒea ɖoɖo kple maɖomaɖo ko la, danye kple ƒometɔ bubuwo te nyawo biabia kple nyahehe ɖe ŋunye. Mewɔ nye ŋutete ɖesiaɖe be maʋli nusi srɔ̃m menɔ tso Biblia me la ta.—Petro I, 3:15.

Esi wodze agbagba be yewoaɖee afia be Yehowa Ðasefowo nye aʋatsonufialawo wòglo la, tɔnyeɖia te mɔnu bubu aɖe kpɔ. Eƒo koko nam be: “Ðo ŋku edzi be ɖe nèyi sukua be yeasrɔ̃ nu. Ne èɖe asi le wò nusɔsrɔ̃ ŋu yi ɖale gbeƒã ɖem la, màwu wò sukua nu dzidzedzetɔe akpɔ o. Eyata nukata màlala awu sukua nu hafi age ɖe ha yeye sia me o.” Ɣemaɣi la, nya ma dze nya si ŋu gɔmesese le nam, eyata medzudzɔ nua sɔsrɔ̃ kple Ðasefowo.

Le December 1970 me esi menya wu sukua nu ko la, mezɔ tẽ yi Fiaɖuƒe Akpataa me, eye tso ɣemaɣi vaseɖe fifia la, nyemedzudzɔ Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo dede o. Le August 30, 1971 dzi la, mexɔ nyɔnyrɔ tsɔ wɔ nye adzɔgbeɖeɖe na Mawu ƒe kpɔɖeŋui. Nusia ɖe fu na dzinyelawo kple kɔƒea me tɔwo siaa vevie. Wobe mewɔ nu wòte ɖe yewo dzi ŋutɔ elabena nyee nye ame gbãtɔ tso Ewossa-kɔƒea kple kɔƒe siwo ƒo xlãe me si dziɖuɖua na sukudede femaxee ƒe mɔnukpɔkpɔe. Ame geɖe nɔ mɔ kpɔm na nu gãwo tso gbɔnye. Wokpɔ mɔ be mawɔ nye sukudedea ŋudɔ adzra kɔƒea me gbenɔnɔ ɖo.

Nusiwo Gege Ðe Subɔsubɔha Yeye me He Vɛ

Ƒonyemetɔwo kple kɔƒea me me tsitsiwo dɔ amewo ɖem be woadze agbagba aƒoe ɖe nunye maɖe asi le nye xɔsea ŋu. Fiƒodenyawo nɔ nya siwo gblɔm wonɔ be woatsɔ aɖe dzi le ƒonyee la me. Wogblɔ be: “Ne mèdo le ha sia me o la, etsɔme nyui aɖeke mele ŋgɔwò o. Màkpɔ dɔ awɔ o. Màte ŋu atso aƒe o. Màte ŋu aɖe srɔ̃ adzi vi o.”

To vovo na woƒe vɔ̃dinamenyaawo la, mekpɔ nufiafiadɔ le nye sukunuwuwu ɣleti ewo megbe. Le October 1972 me la, meɖe srɔ̃nye lɔlɔ̃a Veronica. Emegbe dziɖuɖua na hehem mezu agbledelawo dzikpɔla. Meƒle ʋu gbãtɔ hedze míaƒe aƒe tsotso gɔme. Le November 5, 1973 dzi la, míedzi mía vinyɔnu gbãtɔ Victory, eye le ƒe siwo kplɔe ɖo me la, míedzi Lydia, Wilfred, kple Joan. Le ƒe 1986 me la, míedzi míaƒe dɔmlɔea, Micah. Wo katã wonye vi ɖɔʋuwo, siwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ.—Psalmo 127:3.

Ne metrɔ kpɔ megbe la, mate ŋu agblɔ be kɔƒea me tɔwo ƒe vɔ̃dinamenyaawo katã trɔ zu yayra sɔŋ. Ema tae metsɔ ŋkɔ na vinyenyɔnuvi gbãtɔa be Victory (si fia be meɖu dzi) ɖo. Nyitsɔ laa la, kɔƒea me tɔwo ŋlɔ agbalẽ nam be: “Taflatse, esi Mawu yra wò ta la, míedi be nàva aƒe ava kpe asi ɖe kɔƒea me dzraɖodɔwo ŋu.”

Ðeviwo Nyinyi le Mawu ƒe Mɔwo Dzi

Mía kple srɔ̃nye míenyae be míate ŋu anɔ dɔ si Mawu de asi na mí be míanyi ɖeviwo la wɔm aganɔ ŋutilãmekesinɔnuwo yome tim le ɣeyiɣi ɖeka ma me o. Eyata míesrɔ̃ alesi nu suetɔ kekeake si anɔ mía si la nadze mía ŋui. Edze mía ŋu be míanɔ agbe alea tsɔ wu be nusiwo ate ŋu ado tso agbenɔnɔmɔ bubu tiatia me nava mía dzi.

Ebɔ le xexeame ƒe akpa si míele be woanɔ aƒe ɖeka me kple ƒome bubuwo, azã tsileƒe, dzodoƒe, kple teƒe bubuwo ɖekae. Enye dzidzɔ nam be míete ŋu hayaa aƒe si me míawo ɖeɖe míenɔna le du sia du si me dziɖuɖua ɖom ɖo la me. Enye nyateƒe be aƒe siawo tɔgbe xɔ asi ya, gake wo hayahaya na be nu manyomanyo siwo akpɔ ŋusẽ ɖe mía viwo dzi la dzi ɖe kpɔtɔ. Meda akpe na Yehowa be le ƒeawo me la, míete ŋu nyi mía viwo le gbɔgbɔmenɔnɔme deamedzi me.

Gakpe ɖe eŋu la, srɔ̃nye nɔa aƒeme kple susu be wòakpɔ mía viwo dzi ahalé ŋku ɖe wo ŋu. Ne mekpã tso dɔme va aƒeme la, medzea agbagba wɔa nu ɖekae kple ƒomea. Míewɔa nusianu ɖekae le ƒomea me. Esia ƒe ɖewoe nye ƒome Biblia nusɔsrɔ̃, dzadzraɖo ɖe hamea ƒe kpekpewo ŋu kple wo dede, gomekpɔkpɔ le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me, kpakple hadomedɔwo wɔwɔ.

Míedze agbagba be míawɔ aɖaŋuɖoɖo si le Mose V, 6:6, 7, si xlɔ̃ nu dzilawo be woafia nu wo viwo, menye ne wole aƒeme ko o, ke boŋ le mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe me la dzi. Esia na be medzroa ɖeviawo be woadi xɔlɔ̃ le egodo o, ke boŋ le eme. Wosrɔ̃ míaƒe kpɔɖeŋu be ele be yewoalé ŋku ɖe yewoƒe hadedewo ŋu elabena mía kple Veronica míegblẽa ɣeyiɣi nɔa ha dem kple amesiwo si míaƒe dzixɔsewo mele o la madzemadzee o.—Lododowo 13:20; Korintotɔwo I, 15:33.

Gake menye míaƒe mɔfiafia kple nufiafia koe kpɔ ŋusẽ nyui ɖe mía viawo ƒe agbe dzi o. Míaƒe aƒe nɔ ʋuʋu ɖi eye wòkpɔtɔ le ʋuʋu ɖi na Kristotɔ veviedonulawo, siwo dometɔ geɖe nye Yehowa Ðasefowo ƒe dzikpɔla mɔzɔlawo. Ɣeyiɣi siwo me Kristotɔ tsitsi siawo dze míaƒe ƒomea gbɔ na mɔnukpɔkpɔ mía viwo wode dzesi woƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔgbenɔnɔ hesrɔ̃ nu tso eme. Esia do ŋusẽ míaƒe nufiafia, eye ɖeviawo tsɔ Biblia ƒe nyateƒea wɔ wo tɔe.

Mawusosroɖa na Mekpɔ Yayra

Egbea la, mía kple srɔ̃nye, kpakple mía viwo dometɔ ene le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm. Medze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme gbã le ƒe 1973 me. Le ƒeawo me la, eva hiãna ɣeaɖewoɣi be maɖe asi le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ŋu vie le ganyawo ta. Mɔnukpɔkpɔ su asinye ɣeaɖeɣi mekpɔ gome le nufiafia le Fiaɖuƒe Subɔsubɔ Suku, si me Yehowa Ðasefowo ƒe dzikpɔla Kristotɔwo xɔa hehe le la me. Nyitsɔ laa la, mɔnukpɔkpɔ su asinye menye Kɔdzi Kadododzikpɔkɔmiti me tɔ, eye menye Uhonmora-dugãdzikpɔla hã.

Vinyenyɔnu eve gbãtɔawo, Victory kple Lydia, nye Kristotɔ hamemegã nyui aɖewo srɔ̃ kpɔdzidzɔwo. Woa kple wo srɔ̃ŋutsuwo le subɔsubɔm le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Igieduma, Nigeria. Mía viŋutsu tsitsitɔ, Wilfred, nye subɔsubɔdɔwɔla eye míaƒe dɔmlɔea, Micah, wɔa kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ɣeaɖewoɣi. Le ƒe 1997 me la, Joan wu sekɛndri suku nu eye wòdze gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme.

Nye agbe me nuteƒekpɔkpɔ siwo do dzidzɔ nam wu dometɔ ɖekae nye kpekpe ɖe amewo ŋu be woava subɔ Yehowa Mawu. Amesiawo dometɔ aɖewo nye nye ƒometɔwo. Fofonye wɔ afɔɖeɖewo be yeasubɔ Yehowa, gake srɔ̃geɖeɖeɖe hee ɖe megbe. Metsɔa ɖe le amewo me vevie tso keke nye sɔhɛ me ke. Ne mekpɔ amewo le fu kpem la, ewɔna nam be tɔnye mele vevie boo o. Meka ɖe edzi be wokpɔnɛ be medi le nyateƒe me be makpe ɖe yewo ŋu, eye esia na wònɔa bɔbɔe na wo be woakɔ nu le woƒe nyawo dzi nam.

Amesiwo ŋu mekpe ɖo Mawu ƒe tameɖoɖowo ŋuti sidzedze su wo si la dometɔ ɖekae nye ɖekakpui aɖe si tsi aba dzi. Elektrik-dɔwɔƒee wònɔ dɔ wɔm le eye nublanuitɔea, elektrikŋusẽ ƒoe wòva zu ame tutu tso akɔta gbɔ va ɖo afɔ gbɔ. Elɔ̃ be masrɔ̃ Biblia kpli ye, eye vivivi la, eva xɔ nusi srɔ̃m wònɔ. Eƒe nyɔnyrɔxɔxɔ le October 14, 1995 dzi, le tɔsisi aɖe si tsɔ ɖe míaƒe aƒe gbɔ me, lae nye zi gbãtɔ le ƒe 15 me si wòfɔ le eƒe abadzi do ɖe gota kpɔ. Egblɔ be gbemagbee yekpɔ dzidzɔ wu le yeƒe agbe me. Enye subɔsubɔdɔwɔla fifia le hamea me.

Magblɔ be mete ɖe dzinye kura be metiae ƒe 30 aɖewoe nye esiwo va yi be masubɔ Yehowa le eƒe ame ɖeadzɔgbe siwo wɔ ɖeka la dome o. Mekpɔe be woɖea lɔlɔ̃ vavã fiaa wo nɔewo. Ne ɖe agbe mavɔ mekpe ɖe Yehowa ƒe yayra na esubɔla wɔnuteƒewo ŋu o hã la, madi kokoko be manɔ mawusosroɖagbe. (Timoteo I, 6:6; Hebritɔwo 11:6) Mawusosroɖagbenɔnɔe trɔ asi le nye agbe ŋu hena wòkpɔ kelili, si he dzidzɔ kple dzidzeme vɛ na mía kple nye ƒomea.

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Mía kple srɔ̃nye kple ɖeviawo le ƒe 1990 me

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Mía kple srɔ̃nye kple ɖeviawo kpakple mía vinyɔnu eveawo srɔ̃ŋutsuwo