Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukae Nye Wò Nukpɔsusu le Ku Ŋu?

Nukae Nye Wò Nukpɔsusu le Ku Ŋu?

Nukae Nye Wò Nukpɔsusu le Ku Ŋu?

ALEKE kee ŋusẽ alo kesinɔnuwo ɖale mía sii o, ku kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe gbesiagbegbenɔnɔ dzi. Ate ŋu adze dziwò ɣeyiɣi bubu si nàgatso ʋumɔ me alo amlɔ anyi. Afɔkuwo abe ŋɔdzinuwɔlawo ƒe New York City kple Washington, D.C., dzi dzedze le September 11, 2001, dzi ene na míekpɔe dze sii ŋutɔŋutɔ be “futɔ mamlɛtɔ,” si nye ku kplɔa amesiwo wòwuna la tsoa ɖoƒe ɖesiaɖe nɔlawo, kple ƒe ɖesiaɖe xɔlawo dome, eye ɣeaɖewoɣi la, ewua ame akpe nanewo le aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo ko me.—Korintotɔwo I, 15:26.

Togbɔ be ku ƒe nugblẽƒe dzia ŋɔ hã la, edze abe ɖe wònaa amewo dina be yewoake ŋku ɖe nanewo me ene. Edze abe ɖe naneke mete ŋu naa ame geɖe ƒlea nyadzɔdzɔgbalẽwo alo hea ame geɖe ɖe television ŋu wu ku ŋuti nyatakakawo o ene, vevietɔ ame gbogbowo ƒe kuku le nudzɔdzɔ dziŋɔwo me. Edze abe ɖe ku ŋuti nyatakakawo sese meti amewo kpɔ o ene, eɖanye aʋawɔwɔ, dzɔdzɔmefɔku, nuvlowɔwɔ, alo dɔlélee na ameawo ku o. Ku ŋuti nyatakakawo ƒe susu me xɔxɔ na amewo alea dzena gaglã wokpɔna le alesi amewo wɔa nugbenugbee le ame ŋkutawo kple ame xɔŋkɔwo ƒe ku ŋu me.

Nɔnɔme vovovo siwo amewo ɖena fiana ɖe ku ŋu nye nusi ŋu womate ŋu ake ɖi le o. Ku—ẽ, ame bubuwo ƒe ku yi edzi na amewo le ŋku kem ɖe nyadzɔdzɔwo me. Gake dzidzi ƒoa wo ne wobu woawo ŋutɔ ƒe ku ŋuti. Mía dometɔ geɖe medina kura be yeabu tame tso yeƒe ku ŋu o.

Ðe Ku Ŋu Bubu Tɔtɔa Wòa?

Ŋugbledede tso mía ŋutɔwo ƒe ku ŋu medzɔa dzi na mí kura o, eye madzɔ dzi na mí ɣeaɖekeɣi o. Nukatae wòle nenema? Elabena Mawu de agbe tegbee nɔnɔ ƒe dzodzro sẽŋu mía me. Nyagblɔla 3:11 gblɔ be: ‘Ede mavɔmavɔ dzi me na wo.’ Eyata ku ƒe nyateƒenyenye na amegbetɔwo tɔtɔna le wo ɖokui me ɣesiaɣi. Be woanɔ te ɖe tɔtɔ sia nu kple be woaɖi kɔ na dzɔdzɔmedidi be woayi edzi anɔ agbe didi ta la, amegbetɔwo to dzixɔse geɖe vɛ, tso luʋɔ makumaku ƒe nufiafia dzi yi gbugbɔgadzɔ dzixɔsea dzi.

Vavãe ku ɖi vɔvɔ̃, enye nudzɔdzɔ si tsoa dzika ƒo na ame, eye vɔvɔ̃ na ku le xexeame ƒe afisiafi. Eyata mele be wòawɔ nuku na mí be ameƒomea katã bua ku be enye nu dziŋɔ o. Enye nyateƒe be ku ɖenɛ fiana be ame ƒe agbe katã ƒoƒo ɖe kesinɔnu kple ŋusẽ yometiti me nye toflokowo ƒe tofloko.

Ðe Woɖena Ðe Vovo le Kuɣia?

Tsã la, wonana amesi dze dɔ ɖo kudo nu alo amesi nuvevi wɔ eye agbetsitsi mele eŋu o la kuna ɖe eya ŋutɔ ƒe aƒeme, teƒe si woléa be nɛ le, si nɔnɔ mae. Nenemae wònɔna zi geɖe le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me, eye le dukɔ aɖewo me la, egale nenema kokoko. (Mose I, 49:1, 2, 33) Le nɔnɔme mawo me la, ƒomea ƒoa ƒu ɖekae, eye wonana ɖeviwo hã kpɔa gome le dzeɖoɖoawo me. Esia wɔnɛ be ƒomea me tɔ ɖesiaɖe sena le eɖokui me be menye ye ɖeka koe le konyi fam o, eye enyanya be agbanɔamedzia alo konyifafaa mele ye ɖeka ko dzi o nyea akɔfafa na wo.

Esia to vovo na nusi dzɔna le teƒe siwo nuƒoƒo tso ku ŋu nye nutsitsri, nusi wobuna nublanuinya, si womeɖea mɔ na ɖeviwo be woagblɔ o esi wosusu be “ekpe wu” wo ta. Le egbeŋkekeawo me la, amewo kuna le mɔ vovovowo nu, eye zi geɖe ame aɖeke menɔa wo gbɔ le woƒe kuɣi o. Togbɔ be ame geɖe adi be yewoaku le aƒeme ŋutifafatɔe eye be yewoƒe ƒometɔwo nalé be na yewo lɔlɔ̃tɔe hã la, wokuna nublanuitɔe le kɔdzi, zi geɖe le vevesese me eye woɖea wo ɖe aga wonɔa dɔdamɔ̃ gã nyadriwo me. Le go bubu me la, ɖeko ame miliɔn geɖe kuna yakatsyɔ—le ameƒomevi alo dukɔ aɖe tsɔtsrɔ̃ ɖa, dɔwuame, AIDS, dukɔmeviʋa, alo le ahedada kolikoli ta ko.

Nya aɖe si Ŋu Wòle Be Woade Ŋugble Le

Biblia meƒo nu tsi tre ɖe ŋugbledede le ku ŋu ŋuti o. Le nyateƒe me la, Nyagblɔla 7:2 gblɔ na mí be: “Kuteƒeyiyi nyo wu aglotuƒeyiyi; elabena afi kemea nye amegbetɔwo katã ƒe nuwuƒe.” Ne ku ƒe nu ŋutɔŋutɔnyenye dze ŋgɔ mí la, ɖewohĩ míadzudzɔ nusiwo ŋu míetsia dzi ɖo alo dɔ siwo wɔm míele la ŋu bubu ahabu alesi agbe le kpuie la ŋu vevie. Esia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míanɔ agbe si ŋu taɖodzinu le tsɔ wu be míanɔ agbe yakatsyɔ, viɖe alo taɖodzinu aɖeke manɔmee.

Nukae nye wò nukpɔsusu le ku ŋu? Ðe nèbu wò seselelãme, dzixɔse, mɔkpɔkpɔ, kple dzimaɖitsitsi ɖe wò agbe ƒe nuwuwu ŋu la ŋu kpɔa?

Alesi agbe nye nusi gɔme menya sena na amegbetɔ wòahayi eme ɖe ge o la, nenemae ku hã le. Amesi ko si ŋusẽ le wòate ŋu aɖe eme na mí enye mía Wɔlaa. Eya gbɔe “agbedzɔƒe le,” eye eya koe “nya mɔnu le ku ŋu.” (Psalmo 36:10 ; 68:21) Togbɔ be adze nu wɔnukui hã la, Mawu ƒe Nya la zazã atsɔ adzro ku ŋuti dzixɔse nyanyɛ aɖewo mee ana akɔfafa kple dzidzeme mí. Aɖee afia be ku menye nusianu ƒe nuwuwu kokoko o.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 4]

Ku ƒe amedzidzedze kpata na míese egɔme be ehiã be míanɔ agbe si ŋu tameɖoɖo le