“Wodze To”
“Wodze To”
“Ƒuɖɔɖɔ gbagba ɖe wo dzi, eye wodze to abe kpe ene.”
NYA mawoe nɔ aseyetsoha si Mose kple Israel-viwo dzi esime woɖe wo tso Ƒudzĩa me eye wotsrɔ̃ woƒe futɔ Egiptetɔ—siwo nye Farao kple eƒe asrafo—siwo dze wo yome la me.—Mose II, 15:4, 5.
Nusɔsrɔ̃ si le eme na amesiame si kpɔ nudzɔdzɔ wɔnuku ma teƒe la me kɔ. Ame aɖeke mate ŋu atɔ gbe alo atsi tre ɖe Yehowa ƒe ŋusẽ ŋu dzidzedzetɔe ahanɔ agbe o. Gake le ɣleti ʋɛ aɖewo ko megbe la, Israel-viwo dome ameŋkutawo—Korax, Datan, Abiram kple wo dzidela 250—tɔ gbe ŋusẽ si Mawu na Mose kple Aron gaglãa.—Mose IV, 16:1-3.
Le Yehowa ƒe mɔfiafia te la, Mose xlɔ̃ nu Israel-viwo be woate ɖa tso aglãdzelaawo ƒe agbadɔwo gbɔ. Datan kple Abiram siwo dzi woƒe aƒemetɔwo de la gbe dzimesesẽtɔe be yewomatrɔ o. Eyata Mose ɖe gbeƒãe be Yehowa ato Eya ŋutɔ ƒe mɔ dzi aɖee afia amewo be ŋutsu siawo ‘mede bubu Yehowa ŋu o.’ Le ɣeyiɣi ma me la, Yehowa na anyigba wó le wo te. “Ale woamawo kple woƒe nuwo katã yi tsiẽ agbagbe; anyigba tu ɖe wo nu, eye wobu le ha la dome.” Ke nukae dzɔ ɖe Korax kple aglãdzela bubuawo ya dzi? “Dzo tso Yehowa gbɔ fiã ŋutsu alafa eve blaatɔ̃, siwo tsɔ dzudzɔdonu vɛ la.”—Mose IV, 16:23-35; 26:10.
Farao kple eƒe asrafowo kpakple amesiwo dze aglã le gbeadzi la katã tsrɔ̃ elabena wogbe bubudede Yehowa ƒe ŋusẽ ŋu eye womede dzesi alesi wòtsɔa ɖe le eƒe amewo ƒe nuwɔnawo mee la o. Eyata ele vevie be amesiwo ta Yehowa akpɔ le ŋkeke vɔ̃ siawo me la nasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu be eyae nye “Dziƒoʋĩtɔ” kple “Ŋusẽkatãtɔ” ahaɖo toe. Esia wɔwɔ ana be woatso dzi me aka ɖe Yehowa ƒe nya siawo dzi be: “Akpe nenɔ anyi dzem ɖe axawò, eye akpe ewo ɖe wò nuɖusi me, ke wò la, mate ɖe ŋuwò o! Vavã, àkpɔe kple wò ŋkuwo, eye àkpɔ, alesi woaɖo eteƒe na ame vɔ̃ɖiwoe. Elabena Yehowa enye wò sitsoƒe, eye dziƒoʋĩtɔ la nètsɔ wɔ nɔwòƒee.”—Psalmo 91:1, 7-9.