Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wokɔ Wo Ŋu Hena Dɔ Nyuiwo Wɔwɔ

Wokɔ Wo Ŋu Hena Dɔ Nyuiwo Wɔwɔ

Wokɔ Wo Ŋu Hena Dɔ Nyuiwo Wɔwɔ

“Mina míakɔ mía ɖokui ŋuti tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me, bena míawu kɔkɔenyenye nu le mawuvɔvɔ̃ me.”—KORINTOTƆWO II, 7:1.

1. Nukae Yehowa di tso amesiwo dea ta agu nɛ si?

“AMEKA alia Yehowa ƒe to, eye ameka atsi tre ɖe eƒe teƒe kɔkɔe la?” Blema Israel-fia Dawid ye bia nya si naa wobua tame ma tso subɔsubɔ si dzea Yehowa ŋu la ŋu. Emegbe ena ŋuɖoɖoa be: “Amesi ƒe asi me dza, eye eƒe dzi me kɔ, amesi ƒe luʋɔ media aʋatso yome mɔ o, eye meda alakpa heka atam o la.” (Psalmo 24:3, 4) Be ame ƒe nu nadze Yehowa, amesi le kɔkɔe le nusianu me, ŋu la, ele be wòanɔ dzadzɛ ahanɔ kɔkɔe. Do ŋgɔ la, Yehowa ɖo ŋku edzi na Israel-viwo ƒe ha la be: “Miwɔ mia ɖokui kɔkɔe, eye mianɔ kɔkɔe, elabena kɔkɔetɔ menye.”—Mose III, 11:44, 45; 19:2.

2. Aleke Paulo kple Yakobo te gbe ɖe kɔkɔenyenye ƒe vevienyenye le nyateƒe tadedeagu me dzii?

2 Ƒe alafa geɖe megbe la, apostolo Paulo ŋlɔ agbalẽ na hati Kristotɔ siwo nɔ Korinto-du gblẽku la me be: “Esi ŋugbedodo siawo le mía si la, lɔlɔ̃tɔwo, mina míakɔ mía ɖokui ŋuti tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me, bena míawu kɔkɔenyenye nu le mawuvɔvɔ̃ me.” (Korintotɔwo II, 7:1) Nya sia hã gana eme kɔ be ne ƒomedodo anɔ ame kple Mawu dome eye wòaxɔ yayra siwo ƒe ŋugbe wòdo la, ele be wòanɔ kɔkɔe eye wòakɔ eɖokui ŋu tso ŋutilã kple gbɔgbɔ me ɖiƒoƒo kple makɔmakɔnyenye me. Nenema ke esime nusrɔ̃la Yakobo nɔ nu ŋlɔm tso tadedeagu si dzea Mawu ŋu ŋuti la, egblɔ bena: “Mawusubɔsubɔ, si ŋuti kɔ, eye ɖiƒoƒo aɖeke mele eŋu le Mawu Fofo la ŋku me o la, enye si bene, woakpɔ tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ta le woƒe xaxa me, eye woadzra ame ɖokui ɖo ɖi maƒomaƒoe tso xexeame.”—Yakobo 1:27.

3. Be míaƒe tadedeagu nadze Mawu ŋu la, nuka ŋue wòle be míatsi dzi ɖo vevie?

3 Esi dzadzɛnyenye, kɔkɔenyenye, kple ɖimaƒomaƒo le vevie ŋutɔ le nyateƒe tadedeagu me ta la, ele be amesiame si di be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe ye ŋu natsi dzi ɖe nudidi siawo gbɔ ɖoɖo ŋu vevie. Gake esi wònye kɔkɔenyenye ŋuti dzidzenu kple nukpɔsusu geɖe ŋutɔe le amewo si egbea ta la, ele be míase nusi Yehowa bua nu kɔkɔe si dzea eŋu la gɔme ahawɔ edzi. Ele be míadi nusi Mawu di tso esubɔlawo si le go sia me kple nusi wòwɔ tsɔ kpe ɖe wo ŋui be woanɔ kɔkɔe ahalé eme ɖe asi bena woƒe nu nadze eŋu la.—Psalmo 119:9; Daniel 12:10.

Wo Ŋu Kɔ Hena Nyateƒe Tadedeagu

4. Ðe Biblia ƒe nukpɔsusu ku ɖe kɔkɔenyenye ŋu me.

4 Le ame akpa gãtɔ gome la, be woanɔ kɔkɔe fia ko be woagaƒo ɖi o. Gake le Biblia me la, Hebri kple Hela gbe me nya geɖe siwo wozã wòfia kɔkɔenyenye la meku ɖe ŋutilã me kɔkɔenyenye ɖeɖeko ŋu o, ke boŋ zi geɖe la, ekuna ɖe agbenɔnɔ kple mawusubɔsubɔ me kɔkɔenyenye ŋu. Eyata Biblia-meɖegbalẽ aɖe gblɔ be: “ ‘Kɔkɔenyenye’ kple ‘makɔmakɔnyenye’ nye nya siwo ƒã hafi wokuna ɖe dzadzɛnyenye ŋu nyawo ŋuti, ke boŋ subɔsubɔ ŋu nyawo koŋ ŋue wokuna ɖo. Le gɔmesese sia nu la, ‘kɔkɔenyenye’ ŋuti gɔmeɖose lɔ agbe ƒe akpa sia akpa ɖe eme.”

5. Aleke gbegbe Mose ƒe Sea de nu kɔkɔenyenye me le Israel-viwo ƒe agbe mee?

5 Le nyateƒe me la, Israel-viwo ƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa kloe ŋuti se kple ɖoɖowo nɔ Mose ƒe Sea me, si tɔ asi nusi le kɔkɔe hesɔ, kpakple esi mele nenema o dzi. Le kpɔɖeŋu me, le Mose ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia ta 11 vaseɖe 15 me la, míekpɔ mɔfiame siwo ku ɖe kɔkɔenyenye kple makɔmakɔnyenye ŋu tsitotsito. Lã aɖewo ŋu mekɔ o, eye mele be Israel-viwo naɖu wo o. Ne nyɔnu dzi vi la, eŋu mekɔ o hena ɣeyiɣi ɖoɖi aɖe. Ŋutigbalẽdɔléle aɖewo, vevietɔ anyidɔ, kple tsi ƒe dodo le ŋutsu alo nyɔnu ƒe vidzinu me hã ana ame ŋu makɔ o. Nusi woawɔ le nɔnɔme siwo ku ɖe makɔmakɔnyenye ŋu me hã dze le Sea me tẽ. Le kpɔɖeŋu me, míexlẽ le Mose IV, 5:2 be: “De se na Israel-viwo be, woaɖe anyidzelawo, afuɖɔlawo kple amesiwo gblẽ kɔ ɖo le ame kuku ŋu la ɖa le asaɖa la me.”

6. Tameɖoɖo kawo tae wode kɔkɔenyenye ŋuti seawo ɖo?

6 Ðikeke mele eme o be se siawo kple bubu siwo tso Yehowa gbɔ la de nu lãmesẽnya kple lãmenugbagbeviwo ƒe dɔwɔwɔ ŋuti nunya siwo womenya ɣemaɣi o la me, eye ne ameawo wɔ ɖe wo dzi la, eɖea vi na wo. Gake menye lãmesẽnyawo alo atikewɔnyawo ŋuti mɔfiamewo tae wotsɔ se siawo na ɖo o. Wonye nyateƒe tadedeagu ƒe akpa aɖe. Ðeko alesi wode nu amewo ƒe gbesiagbegbenɔnɔ—nuɖuɖu, vidzidzi, srɔ̃ɖekadodowo, kple bubuawo—me le kpe ɖom edzi be esi Yehowae nye woƒe Mawu ta la, ŋusẽ le esi wòawɔ nusi nyo kple esi menyo o ŋuti nyametsotso na wo le woƒe agbe, si wotsɔ ɖe adzɔgbee na Yehowa ɖeɖe la ƒe akpa sia akpa.—Mose V, 7:6; Psalmo 135:4.

7. Yayra kae Israel-dukɔa axɔ ne wolé Sea me ɖe asi?

7 Azɔ hã Se ƒe nubablaa kpɔ Israel-viwo ta tso dukɔ siwo ƒo xlã wo ƒe nuwɔna makɔmakɔwo me. Ne Israel-viwo lé Sea me ɖe asi nuteƒewɔwɔtɔe, hewɔ nusiwo katã wodi tso wo si be woanɔ kɔkɔe le Yehowa ŋkume dzi la, woadze asubɔ woƒe Mawu la eye wòayra wo. Yehowa gblɔ na dukɔa le nya sia ŋu be: “Ne miaɖo to nye gbe, eye mialé nye nubabla me ɖe asi la, ekema mianye tɔnye koŋ le dukɔwo katã dome, elabena anyigba blibo la tɔnyee. Eye mianye nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe kple dukɔ kɔkɔe nam!”—Mose II, 19:5, 6; Mose V, 26:19.

8. Nukatae wòle be Kristotɔwo nalé fɔ ɖe nusi wogblɔ le Sea me tso kɔkɔenyenye ŋu la ŋu egbea?

8 Esi Yehowa na nyatakaka vevi siawo le Sea me be yeatsɔ afia nu Israel-viwo le alesi woanɔ dzadzɛ, kɔkɔe, kple alesi woawɔ woƒe nu nadze eŋu ta la, ɖe mesɔ be Kristotɔ siwo li egbea nabu alesi woawɔ aɖo nudidi siawo gbɔ ŋu nyuie oa? Togbɔ be Kristotɔwo mele Sea te o hã la, ele be wòanɔ susu me na wo abe alesi Paulo ɖe nu mee ene be nusiwo katã woŋlɔ ɖi le Sea me la “nye nusiwo gbɔna la ƒe vɔvɔli; ke nu la ŋutɔ le Kristo me va.” (Kolosetɔwo 2:17; Hebritɔwo 10:1) Ne Yehowa Mawu, amesi gblɔ be “nyemetrɔ o,” bua kɔkɔenyenye kple ɖimaƒomaƒo nu veviwoe le nyateƒe tadedeagu me ɣemaɣi la, ke ele be ŋutilã, agbenɔnɔ, kple gbɔgbɔ me kɔkɔenyenye nanye nu vevi na mí amesiwo li egbea ne míedi eƒe ŋudzedzekpɔɖeameŋu kple yayra.—Maleaxi 3:6; Romatɔwo 15:4; Korintotɔwo I, 10:11, 31.

Ŋutilã me Kɔkɔenyenye Ðia Ðase le Mía Ŋu

9, 10. (a) Nukatae ŋutilã me kɔkɔenyenye le vevie na Kristotɔ? (b) Nya kawoe wogblɔna tso Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpewo ŋu zi geɖe?

9 Ðe ŋutilã me kɔkɔenyenye kpɔtɔ nye nyateƒe tadedeagu ƒe akpa vevi aɖea? Togbɔ be ŋutilã me kɔkɔenyenye ɖeɖe mefiana be ame aɖe nye Mawu subɔla nyateƒetɔ o hã, le nyateƒe me la, esɔ be nyateƒe tadeagula nanɔ kɔkɔe le ŋutilã me alesi eƒe nɔnɔmewo aɖe mɔe. Vevietɔ esi ame geɖe metsɔa ɖeke le beléle na wo ɖokui, woƒe nudodo, alo wo nɔƒewo be wòanɔ kɔkɔe me o ta la, amesiwo tsɔ ɖe le ewɔwɔ me menɔa ɣaɣla ɖe amesiwo ƒo xlã wo la o. Nu nyuiwo ate ŋu ado tso esia me, abe alesi Paulo gblɔ na Kristotɔ siwo nɔ Korinto la ene be: “Míena nuɖiaɖia aɖeke le naneke me o, bene womagaka mo na míaƒe subɔsubɔ la o, ke boŋ le nuwo katã me la míeɖea mía ɖokui fiana abe Mawu ƒe subɔlawo ene.”—Korintotɔwo II, 6:3, 4.

10 Zi geɖe la, dziɖuɖumegãwo kafua Yehowa Ðasefowo ɖe woƒe dzadzɛnyenye, nuwɔwɔ ɖe ɖoɖo nu, kple nuwɔwɔ bubudeameŋutɔe, si dzena vevietɔ le woƒe takpekpe gãwo me la ta. Le kpɔɖeŋu me, nyadzɔdzɔgbalẽ si nye La Stampa gblɔ le takpekpe aɖe si wowɔ le Savona-nuto me le Italy, ŋu be: “Nusi nàkpɔ enumake ne èle zɔzɔm le teƒea enye amesiwo le teƒea zãm ƒe dzadzɛnyenye kple nuwɔwɔ ɖe ɖoɖo nu.” Le takpekpe aɖe si Ðasefowo wɔ le lãmesẽfefewɔƒe aɖe le São Paulo, Brazil, megbe la, fefewɔƒea dzikpɔla aɖe gblɔ na eƒe dɔwɔla siwo dzraa teƒea ɖo la dzikpɔla be: “Tso fifia dzi yina la, míedi be lãmesẽfefewɔƒea nanɔ dzadzɛ abe alesi Yehowa Ðasefowo wɔe ene.” Lãmesẽfefewɔƒea dzikpɔla bubu gblɔ be: “Ne Yehowa Ðasefowo di be yewoahaya lãmesẽfefewɔƒea la, ŋkeke si dzi wodii ko ŋue míebuna. Míegabua nu bubu aɖeke ŋu o.”

11, 12. (a) Biblia ƒe gɔmeɖose kae wòle be wòanɔ susu me na mí ku ɖe dzadzɛnyenye ŋu? (b) Nya kawoe woate ŋu abia tso míaƒe nuwɔna kple nɔnɔme ŋu?

11 Ne míaƒe tadeaguƒewo ƒe kɔkɔenyenye kple ɖoɖonunɔnɔ te ŋu hea kafukafu vɛ na Mawu si subɔm míele la, ke ɖikeke aɖeke mele eme o be nɔnɔme siawo ɖeɖe fia le mía ŋutɔwo ƒe agbenɔnɔ me hã le vevie nenema ke. Gake le mía ŋutɔwo ƒe aƒewo me la, ate ŋu awɔ na mí be míevo awɔ nusi dze mía ŋu. Eye le awudodo kple dzadzraɖo gome la, ɖikeke mele eme o be mɔɖeɖe li be míatia awu si dzro mí si míado avo! Ke hã seƒeɖo li na mɔɖeɖe sia le nu geɖe me. Ðo ŋku edzi be esi Paulo nɔ nu ƒom tso nusi ame aɖe atia be yeaɖu ŋu la, exlɔ̃ nu ehati Kristotɔwo be: “Mikpɔ nyuie, bena miaƒe ŋusẽ nagazu nukikli na ame gbɔdzɔgbɔdzɔwo o.” Emegbe egblɔ gɔmeɖose xɔasi aɖe be: “Woɖe nuwo katã ƒe mɔ na ame, ke menye nuwo katãe nyona na ame o; woɖe nuwo katã ƒe mɔ na ame, ke menye nuwo katãe doa ame ɖe ŋgɔgbe o.” (Korintotɔwo I, 8:9; 10:23) Aleke Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖoa ka mí le kɔkɔenyenye ƒe nya la mee?

12 Esɔ be amewo nakpɔ mɔ be Mawu-subɔla nanɔ kɔkɔe ahawɔ nu ɖe ɖoɖo nu le eƒe agbenɔnɔ me. Eyata ele be míaka ɖe edzi be míaƒe aƒe me kple aƒea godo ƒe nɔnɔme mana woaƒo nu vɔ̃ le amesiwo míebe míenye, si nye Mawu ƒe Nya ƒe subɔlawo la ŋu o. Ðase kae míaƒe aƒeme ɖina le mía kple míaƒe dzixɔse ŋu? Ðe wòɖenɛ fiana be míedi be míanɔ dzɔdzɔenyenye xexe yeye kɔkɔe si le ɖoɖo nu, si míekafuna na amewo vevie la me nyateƒea? (Petro II, 3:13) Nenema ke míaƒe dzedzeme—eɖanye le ɖiɖiɖemeɣiwo alo le subɔsubɔdɔa wɔɣi o—ate ŋu ana amewo ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe gbedasi si ƒe gbeƒã míeɖena ŋu nadzi ɖe edzi loo alo aɖiɖi. Le kpɔɖeŋu me, se nya sia si nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe si le Mexico gblɔ la ɖa: “Le nyateƒe me la, Yehowa Ðasefowo ƒe akpa gã aɖe nye sɔhɛwo, eye nusi ɖe dzesi le wo ŋue nye woƒe ɖakpakpa, kɔkɔenyenye, kple awudodo ɖe nɔnɔme nyui me.” Dzidzɔ ka gbegbee nye si wònye be sɔhɛ siawo tɔgbe le mía dome!

13. Nukae míate ŋu awɔ akpɔ egbɔ be míaƒe gbesiagbegbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa le kɔkɔe hele ɖoɖo nu?

13 Enye nyateƒe be egbɔkpɔkpɔ be míaƒe ŋutilã, míaƒe nunɔamesiwo, kple míaƒe aƒeme le kɔkɔe hele ɖoɖo nu ɣesiaɣi mele bɔbɔe abe egbɔgblɔ ene o. Nusi hiã menye mɔ̃ gã nyadri xɔasi geɖewo o, ke boŋ ɖoɖo nyui wɔwɔ kple agbagbadzedze ɣesiaɣi. Ele be míaɖo ɣeyiɣi ɖi na míaƒe ametia, míaƒe nudodowo, míaƒe aƒeme, míaƒe ʋu, kple bubuawo dzadzraɖo. Subɔsubɔdɔa wɔwɔ, kpekpewo dede, kple ɖokuisinusɔsrɔ̃ moveviɖoɖotɔe—hekpe ɖe gbesiagbedɔ bubuwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu—meɖe mí le alesi wòhiãe be míalé kɔkɔenyenye me ɖe asi ahadze Mawu kple amegbetɔwo ŋu la me o. Gɔmeɖose nyanyɛ si nye be “ɣeyiɣi li na nusianu” ku ɖe míaƒe agbe ƒe akpa sia hã ŋu.—Nyagblɔla 3:1.

Dzi si Meƒo Ði O

14. Nukatae míate ŋu agblɔ be agbenɔnɔ kple gbɔgbɔ me kɔkɔenyenye le vevie wu ŋutilã me kɔkɔenyenye gɔ̃ hã?

14 Nyateƒee wònye be fɔléle ɖe ŋutilã me kɔkɔenyenye ŋu le vevie, gake fɔléle ɖe agbenɔnɔ kple gbɔgbɔ me kɔkɔenyenye ŋu gale vevie gɔ̃ hã wu. Míeƒo nya ta alea esi míeɖo ŋku edzi be Yehowa gbe Israel-dukɔa, menye esi womenɔ kɔkɔe le ŋutilã me ta o, ke esi woƒo ɖi wo ɖokui le gbɔgbɔ kple agbenɔnɔ gome ta. Yehowa to nyagblɔɖila Yesaya dzi gblɔ na wo be esi wonye ‘dukɔ wɔnuvɔ̃, si dzi fɔɖiɖi li kɔ ɖo’ ta la, woƒe vɔsawo, dzinu yeye zãwo kple sabat ɖuɖu, ẽ, woƒe gbedodoɖawo gɔ̃ hã ti kɔ na ye. Nukae wòle be woawɔ be Mawu nagakpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu ake? Yehowa gblɔ be: “Mile tsi, miklɔ mia ɖokui ŋu! Miɖe miaƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiwo ɖa le ŋkunye me, eye midzudzɔ vɔ̃ɖiwɔwɔ!”—Yesaya 1:4, 11-16.

15, 16. Nukae Yesu gblɔ be eyae ƒoa ɖi ame, eye aleke Yesu ƒe nyawo ate ŋu aɖe vi na míi?

15 Be míase agbenɔnɔ kple gbɔgbɔ me kɔkɔenyenye ƒe vevienyenye gɔme ɖe edzi la, de ŋugble le nya si Yesu gblɔ esime Farisitɔwo kple agbalẽfialawo gblɔ be eƒe nusrɔ̃lawo ŋu mekɔ o elabena womeklɔa asi hafi ɖua nu o la ŋu. Yesu ɖɔ wo ɖo esime wògblɔ be: “Menye nusi ke yia nu me la, gblẽa kɔ ɖo na ame o; ke nusi ke doa go tsoa nu me la, eya koe gblẽa kɔ ɖo na ame.” Emegbe Yesu ɖe nyaa me be: “Nusiwo doa go tsoa nu me la, woawo doa go tso dzi me, eye nenem nu mawo ƒoa ɖi ame. Elabena dzi mee nu vɔ̃ɖi susuwo, amewuwuwo, ahasiwɔwɔwo, matrewɔwɔwo, fififiwo, aʋatsoɖaseɖiɖiwo kple ɖiŋudodowo doa go tsona. Woawoe nye nusiwo ƒoa ɖi ame; ke ne woɖu nu asi maklɔmaklɔe la, eya meƒoa ɖi ame o.”—Mateo 15:11, 18-20.

16 Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso Yesu ƒe nyaawo me? Yesu nɔ eɖem fia be nuwɔna vɔ̃ɖiwo, agbegbegblẽnɔnɔ, kple makɔmakɔnyenye dzea egɔme tso nuwɔna vɔ̃ɖi, agbegbegblẽnɔnɔ, kple nuwɔna makɔmakɔwo ƒe ame dzodzro le dzi me dzi. Abe alesi nusrɔ̃la Yakobo gblɔe ene la, “wotea amesiame kpɔna, ne eya ŋutɔ ƒe nudzodzro henɛ, eye wòblenɛ.” (Yakobo 1:14, 15) Eyata ne míedi be míage ɖe nuvɔ̃ gã siwo ŋu Yesu ƒo nu tsoe me o la, ele be míaɖe nu mawo ƒe dzodzro ɖesiaɖe si anɔ míaƒe dzime la ɖa keŋkeŋ. Ema fia be ele be míalé ŋku ɖe agbalẽ siwo míexlẽna, nusiwo míekpɔna, kple nusiwo míesena ŋu nyuie. Egbea nuƒoƒo faa ƒe ablɔɖe kple modzakaɖenu ɖesiaɖe ƒomevi si dzea amewo ŋu wɔwɔ na be modzakaɖehawo kple boblodolawo ƒe haƒoƒo kple television dzi wɔnawo do agbogbo ale gbegbe be nusianu si ko nuvɔ̃ŋutilã la di la ekpɔnɛ. Ele be míaɖoe kplikpaa be míaɖe mɔ nukpɔsusu mawo dometɔ aɖeke naƒo ke ɖe míaƒe dzime o. Nyaa ƒe akpa vevitɔae nye be hafi míaƒe nu nadze Mawu ŋu eye wòaxɔ míaƒe subɔsubɔ la, ele be míanɔ ŋudzɔ ɣesiaɣi be dzi dzadzɛ maƒoɖi nanɔ mía si ɣesiaɣi.—Lododowo 4:23.

Wo Ŋu Kɔ Hena Dɔ Nyuiwo Wɔwɔ

17. Nukatae Yehowa kɔ eƒe amewo ŋu ɖo?

17 Mɔnukpɔkpɔ xɔasi kple ametakpɔkpɔe wònye vavã be le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, tenɔnɔ kɔkɔe ate ŋu anɔ mía si le eŋkume. (Korintotɔwo II, 6:14-18) Gake míese egɔme hã be taɖodzinu vevi aɖe tae Yehowa kɔ eƒe amewo ŋu ɖo. Paulo gblɔ na Tito be Kristo Yesu “tsɔ eɖokui hena ɖe mía ta, bene yeaxe fe ɖe mía ta axɔ mí atso sedzimawɔmawɔ katã me, eye bene yeaklɔ dukɔ, si doa vevie le dɔ nyui wɔwɔ me la ŋuti hena ye ŋutɔ ɖokui!” (Tito 2:14) Esi míenye amesiwo ŋu wokɔ ta la, dɔ kawo wɔwɔe wòle be míado vevie?

18. Aleke míate ŋu aɖee afia be míedoa vevie dɔ nyuiwo wɔwɔ?

18 Vevietɔ la, ele be míado vevie gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋuti nyanyuia. (Mateo 24:14) To ema wɔwɔ me la, míetsɔa agbenɔnɔ tegbee le anyigba si dzi ɖiƒoƒo ƒomevi aɖeke maganɔ o ɖoa amewo ŋkume le teƒe ɖesiaɖe. (Petro II, 3:13) Dɔ nyui siwo míawɔ la lɔ Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kuwo tsetse le míaƒe gbesiagbegbenɔnɔ me be wòanye kafukafu na míaƒe Dziƒofofoa hã ɖe eme. (Galatiatɔwo 5:22, 23; Petro I, 2:12) Eye míeŋlɔa amesiwo mele nyateƒea me o, siwo dzi dzɔdzɔmefɔkuwo alo dzɔgbevɔ̃e siwo dzɔna ɖe amegbetɔwo dzi ate ŋu adzɔ ɖo la, be o. Míeɖoa ŋku Paulo ƒe nuxlɔ̃amenya sia dzi be: “Eyaŋuti esi asinukpɔkpɔ le mía si la, mina míawɔ nu nyui na amesiame, ke vevietɔ na haxɔsetɔwo.” (Galatiatɔwo 6:10) Dɔ siawo tɔgbe, siwo katã míatsɔ nukpɔsusu nyui awɔ tso dzi kɔkɔe me la, dzea Mawu ŋu vevie.—Timoteo I, 1:5.

19. Yayra kawoe le mía lalam ne míeyi edzi lé—ŋutilã, agbenɔnɔ, kple gbɔgbɔ—me kɔkɔenyenye ƒe dzidzenu kɔkɔ me ɖe asi?

19 Esi míenye Dziƒoʋĩtɔ la subɔlawo ta la, míewɔna ɖe Paulo ƒe nya siawo dzi be: “Mexlɔ̃ nu mi, nɔviwo, to Mawu ƒe dɔmetɔtrɔ me bena, miatsɔ miaƒe ŋutilãwo awɔ vɔsasa gbagbe, si ŋuti kɔ, si dze Mawu ŋu, esi anye miaƒe mawusubɔsubɔ gbɔgbɔmetɔ.” (Romatɔwo 12:1) Neva eme be míayi edzi ade asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ si wònye be Yehowa kɔ mía ŋu la ŋu eye míadze agbagba ɖesiaɖe alé ŋutilã, agbenɔnɔ, kple gbɔgbɔ me kɔkɔenyenye ƒe dzidzenu kɔkɔ me ɖe asi. Menye bubunɔameŋu kple dzidzeme koe esia wɔwɔ ahe vɛ na mí fifia ko evɔ o, ke boŋ mɔkpɔkpɔ li be míakpɔ eteƒe “nu gbãtɔwo”—si nye fifi nuɖoanyi vɔ̃ɖi ƒoɖi la—nu ayi ne Mawu ‘wɔ nuwo katã yeyee.’—Nyaɖeɖefia 21:4, 5.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nukatae wona kɔkɔenyenye ŋuti se gbogbowo Israel-viwo ɖo?

• Aleke ŋutilã me kɔkɔenyenye dzia amewo ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe gbedasi si ƒe gbeƒã míeɖena ŋu ɖe edzii?

• Nukatae agbenɔnɔ kple gbɔgbɔ me kɔkɔenyenye le vevie wu ŋutilã me kɔkɔenyenye gɔ̃ hã?

• Aleke míate ŋu aɖee afia be míenye amesiwo ‘doa vevie dɔ nyuiwo wɔwɔ’?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 21]

Ŋutilã me kɔkɔenyenye dzia amewo ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe gbedasi si ƒe gbeƒã míeɖena ŋu ɖe edzi

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Yesu xlɔ̃ nu be dzimesusu vɔ̃ɖiwo kplɔa ame dea nuvɔ̃ɖiwɔwɔ me

[Nɔnɔmetata siwo le axa 23]

Esi wokɔ Yehowa Ðasefowo ŋu ta la, wodoa vevie dɔ nyuiwo wɔwɔ