Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ɣeyiɣi si Woaʋu Go Nya Ɣaɣla

Ɣeyiɣi si Woaʋu Go Nya Ɣaɣla

Ɣeyiɣi si Woaʋu Go Nya Ɣaɣla

Nana be nya aɖewo nanɔ ɣaɣla ate ŋu anye nuwɔna si ahe ŋutifafa vɛ loo alo wòahe dzre vɛ. Gake ɖe ɣeyiɣi aɖe li si wòle be woaʋu go nya ɣaɣlaa? De dzesi nya si nyagblɔɖila Amos gblɔ le eƒe Mawu ŋu: “Yehowa mewɔa naneke, ne meɖe eƒe tameɖoɖo fia eƒe dɔla, nyagblɔɖilawo hafi o.” (Amos 3:7) Míate ŋu asrɔ̃ nane tso nya ɣaɣla gbɔgblɔ ŋu le nya sia me. Yehowa ate ŋu ana nya aɖewo nanɔ ɣaɣla vaseɖe ɣeyiɣi aɖe eye wòaɖe wo afia ame aɖewo mlɔeba. Aleke míawɔ asrɔ̃ Yehowa le go sia me?

Ɣeaɖewoɣi la, alẽkplɔla siwo woɖo le Kristo-hamea me kpɔnɛ be anyo be woana nya aɖe nanɔ ɣaɣla. (Dɔwɔwɔwo 20:28) Le kpɔɖeŋu me, esi wobua hamea ƒe nyonyo ŋu ta la, woate ŋu atso nya me be yewoana hamea me gbanɔamedziwo ŋuti ɖoɖo alo tɔtrɔ aɖewo ŋu nya veviwo nanɔ ɣaɣla vaseɖe ɣeyiɣi ɖoɖi aɖe dzi.

Gake ne edzɔ alea la, ele vevie be woana eme nakɔ na amesiwo wòlɔ ɖe eme be woanya ɣeyiɣi, kple mɔ si nu wòle be woaɖe nyaa ɖe go le. Ne wonya ɣeyiɣi si wòle be woaʋu go nya la akpe ɖe wo ŋu woanye amesiwo dzraa nya ɣaɣlawo ɖo.—Lododowo 25:9.