Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Srɔ̃ Fiawo Ƒe Kpɔɖeŋua

Srɔ̃ Fiawo Ƒe Kpɔɖeŋua

Srɔ̃ Fiawo Ƒe Kpɔɖeŋua

‘Wòagbugbɔ se sia aŋlɔ ɖe agbalẽ me na eɖokui. Eye wòanɔ esi wòaxlẽ le eƒe agbe me ŋkekewo katã me.’​—MOSE V, 17:18, 19.

1. Kristotɔ adi be yeanɔ abe amekawo ene?

ASESẼ be nàbu ɖokuiwò be yenye fia alo fianyɔnu. Kristotɔ ŋutsu alo nyɔnu wɔnuteƒe si nye Biblia-srɔ̃la kae abu eɖokui be yenye fia abe Fia nyui Dawid, Yosiya, Xizkiya, alo Yehosafat ene? Ke hã àte ŋu anɔ abe wo ene le mɔ tɔxɛ ɖeka aɖe ya teti nu eye ele be nànɔe hã. Mɔ kae nye ema? Eye nukatae wòle be nànɔ abe wo ene le mɔ ma nu?

2, 3. Nukae Yehowa kpɔ do ŋgɔ tso fia si anye amegbetɔ ŋu, eye nukae wòbia tso fia ma si be wòawɔ?

2 Le Mose ŋɔli, hafi Mawu nava da asi ɖe edzi be amegbetɔwo nanye fia ɖe Israel-viwo nu la, Ekpɔe do ŋgɔ be ava dzro Yeƒe amewo be fia nanɔ yewo si. Eyata ena gbɔgbɔ ʋã Mose wòŋlɔ esia ŋuti mɔfiamewo ɖe Se ƒe nubablaa me. Esiawoe nye mɔfiamewo na fiahawo.

3 Mawu gblɔ be: “Ne èva anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge la dzi, . . . emegbe nagblɔ bena: Maɖo fia ɖe ɖokuinye nu abe dukɔ, siwo katã ƒo xlãm ene la, ekema naɖo fia, si Yehowa, wò Mawu, atia la, ɖe ɖokuiwò nu. . . . Eye ne eva fiazi dzi la, [wòakpɔ se sia dzi aŋlɔ ɖe agbalẽ me na eɖokui, NW]. Eye wòanɔ esi wòaxlẽ le eƒe agbe me ŋkekewo katã me, ne wòanya alesi wòavɔ̃ Yehowa, eƒe Mawu la, eye wòalé se kple ɖoɖo siawo katã me nyawo me ɖe asi, eye wòawɔ wo dzi.”—Mose V, 17:14-19.

4. Nukae mɔfiame siwo Mawu na fiawo la lɔ ɖe eme?

4 Ẽ, wobia tso fia si Yehowa atia na esubɔlawo si be wòagbugbɔ ŋɔŋlɔ siwo nàte ŋu akpɔ le wò Biblia me la aŋlɔ na eɖokui. Emegbe ele be fia la naxlẽ agbalẽ ma si wògbugbɔ ŋlɔ la gbesiagbe, edziedzi. Ema menye nu wòanɔ wɔwɔm be yeƒe susu nanɔ nu lém kabakaba o. Nusɔsrɔ̃e wònye, eye taɖodzinu ɖe vi aɖe nɔ eŋu. Ehiã be fia si dzi Yehowa ada asi ɖo nasrɔ̃ nu alea be dzi ƒe nɔnɔme nyui nasu esi ahatsi esi. Ehiã hã be wòasrɔ̃ ŋɔŋlɔ mawo siwo tso gbɔgbɔ me la, bena wòanye fia si akpɔ dzidzedze, si si nunya le.—Fiawo II, 22:8-13; Lododowo 1:1-4.

Srɔ̃ Nu abe Fia Ene

5. Biblia ƒe akpa kawoe nɔ anyi si dzi wòle be Fia Dawid nakpɔ aŋlɔ ahaxlẽ, eye aleke wòse le eɖokui me le esia ŋui?

5 Nukae nèsusu be ema wɔwɔ abia tso Dawid si esime wòva zu Israel-fia? Ahiã be wòagbugbɔ Mose ƒe Agbalẽ Atɔ̃awo ( Mose I, Mose II, Mose III, Mose IV, kple Mose V ) aŋlɔ na eɖokui. Bu dɔ si gbegbe wòawɔ ɖe Dawid ƒe susu kple dzi dzi be wòazã eƒe ŋku kple asi agbugbɔ Sea aŋlɔ na eɖokui la ŋu kpɔ. Anye be Mose hãe ŋlɔ Hiob ƒe agbalẽa kpakple Psalmo 90 kple 91. Ðe Dawid gbugbɔ esiawo hã ŋlɔ na eɖokuia? Ðewohĩ. Azɔ hã, Yosua, Ʋɔnudrɔ̃lawo, kple Rut ƒe agbalẽwo anya nɔ esi. Eyata àte ŋu akpɔe be Biblia-gbalẽ gbogbo aɖewo anya nɔ Fia Dawid si wòaxlẽ ahabu eŋu. Eye susuwo li si ta nàxɔe ase be nenema tututue wòwɔe, elabena se nya si wògblɔ tso Mawu ƒe Sea ŋu ɖa, si míakpɔ egbea le Psalmo 19:8-12.

6. Aleke míewɔ nya be Yesu tsɔ ɖe le Ŋɔŋlɔawo me vevie abe tɔgbuia Dawid ene?

6 Dawid Gãtɔ—Yesu, Dawid ƒe Vi la—hã srɔ̃ kpɔɖeŋu sia. Yesu lɔ̃a gbedoxɔ si nɔ dua me la me yiyi kwasiɖa sia kwasiɖa. Woxlẽa Ŋɔŋlɔawo heɖea wo me le afima wòsena. Gawu la, Yesu ŋutɔ xlẽ Mawu ƒe Nya le dutoƒo ɣeaɖeɣi wose eye wòɖe eme. (Luka 4:16-21) Ele bɔbɔe be nàde dzesii be enya Ŋɔŋlɔawo nyuie. Wò ya xlẽ Nyanyuiawo ko nàkpɔ alesi gbegbe Yesu gblɔ be “woŋlɔ ɖi bena” alo yɔ Ŋɔŋlɔa ƒe teƒe aɖewo tẽ le mɔ bubuwo nu la ɖa. Le Yesu ƒe Todzimawunya si Mateo ŋlɔ me la, eyɔ nya tso Hebri Ŋɔŋlɔawo me zi gbɔ zi 21 sɔŋ.—Mateo 4:4-10; 7:29; 11:10; 21:13; 26:24, 31; Yohanes 6:31, 45; 8:17.

7. Vovototo kae nɔ Yesu kple subɔsubɔhakplɔlawo dome?

7 Yesu wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo si le Psalmo 1:1-3 dzi, si gblɔ be: “Woayra amesi mezɔna ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖaŋuɖoɖo nu o, . . . ke boŋ ekpɔa dzidzɔ le Yehowa ƒe se la ŋu, eye wòdea ŋugble le eƒe se la ŋu zã kple keli. . . . Nusianu, si wòwɔna la, ewɔnɛ wua nu nyuie!” Aleke gbegbee ema to vovo na eŋɔli me subɔsubɔhakplɔla siwo “bɔbɔ nɔ Mose ƒe zikpui dzi” gake gbe “Yehowa ƒe se la” enye si!—Mateo 23:2-4.

8. Nukata viɖe aɖeke menɔ Yuda-subɔsubɔhakplɔlawo ƒe Biblia xexlẽ kple esɔsrɔ̃ ŋu o?

8 Gake nya aɖe si me woate ŋu aɖe wòafia abe ɖe Yesu nɔ dzi ɖem le amewo ƒo tso Biblia sɔsrɔ̃ ŋu ene la ate ŋu atɔtɔ ame aɖewo. Le Yohanes 5:39, 40 la, míexlẽ nya si Yesu gblɔ na eŋɔlimetɔ aɖewo be: “Miele ŋɔŋlɔawo me dzrom tsitotsito; elabena miesusu bena, miekpɔa agbe mavɔ le wo me, eye woamawo nye nusiwo le ɖase ɖim le ŋutinye; eye mielɔ̃ be, miava gbɔnye, bena miakpɔ agbe o.” Yesu megblɔ nya ma tsɔ nɔ dzi ɖem le eƒe nyasela siwo nye Yudatɔwo ƒo le Ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ̃ ŋu o. Ke boŋ susu manyomanyo si nɔ wo si alo woƒe nu mawɔmawɔ wòasɔ kple Ŋɔŋlɔawo la ɖem fia wònɔ. Wonyae be Ŋɔŋlɔawo ate ŋu afia mɔ yewo yewoakpɔ agbe mavɔ, gake ɖe wòle be Ŋɔŋlɔ mawo ke, siwo me dzrom wonɔ la nafia mɔ wo ayi Mesia la, si nye Yesu, gbɔe. Ke hã wogbe edzixɔxɔse. Eyata viɖe aɖeke mele nua sɔsrɔ̃ ŋu na wo o, elabena dzi nyui, si wotsɔna srɔ̃a nui menɔ wo si o.—Mose V, 18:15; Luka 11:52; Yohanes 7:47, 48.

9. Kpɔɖeŋu nyui kae apostoloawo kple blemanyagblɔɖilawo ɖo?

9 Aleke gbegbe nyaa to vovoe le Yesu ƒe nusrɔ̃lawo kple apostolowo gomee enye si! Wosrɔ̃ ‘ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo, siwo te ŋu naa nunya ame hena agbexɔxɔ la.’ (Timoteo II, 3:15) Le go sia me la, wonɔ abe blema nyagblɔɖila siwo ‘dzro nuwo me kpɔ tsitotsito’ la ene. Nyagblɔɖila mawo ƒe numedzodzroa menye agobodzo wodo ɣleti ʋɛ aɖewo alo ƒe ɖeka o. Apostolo Petro gblɔ bena ‘woyi edzi nɔ nu me dzrom,’ vevietɔ tso Kristo kple ŋutikɔkɔe si eƒe ameƒomea ɖeɖe ahe vɛ la ŋuti. Le Petro ƒe agbalẽ gbãtɔ me la, eyɔ nya tso Biblia-gbalẽ ewo me zi 34 sɔŋ.—Petro I, 1:10, 11.

10. Nukata wòle be mía dometɔ ɖesiaɖe natsɔ ɖe le Biblia sɔsrɔ̃ me?

10 Eyata edze ƒã be Mawu ƒe Nya sɔsrɔ̃ tsitotsito nye dɔ wode asi na blema Israel-fiawo. Alea tututu Yesu hã srɔ̃e. Eye esɔsrɔ̃ nye nu wòle be amesiwo aɖu fia kple Kristo le dziƒo la hã nawɔ. (Luka 22:28-30; Romatɔwo 8:17; Timoteo II, 2:12; Nyaɖeɖefia 5:10; 20:6) Nenema ke wòhiã be amesiwo katã le mɔ kpɔm na yayrawo le anyigba dzi le Fiaɖuƒedziɖuɖua te hã nasrɔ̃ fiawo ƒe kpɔɖeŋu siae.—Mateo 25:34, 46.

Dɔ si Wòle Be Wò Kple Fiawo Siaa Miawɔ

11. (a) Nusɔsrɔ̃ ŋuti fɔku kae li si me Kristotɔwo ate ŋu age ɖo? (b) Biabia kawoe wòanyo be míabia mía ɖokui?

11 Míate ŋu agblɔe tẽ gbeteteɖedzitɔe be ele be nyateƒe Kristotɔ ɖesiaɖe nanɔ Biblia me dzrom le eɖokui si. Menye esime nènɔ Biblia srɔ̃m kple Yehowa Ðasefowo koe ema wɔwɔ hiã o. Ele be mía dometɔ ɖesiaɖe naɖoe kplikpaa be míaganɔ abe apostolo Paulo ŋɔlimetɔ aɖewo siwo megava tsɔ ɖeke le ɖokuisinusɔsrɔ̃ me o la ene o. Wosrɔ̃ ‘nusiwo nye Mawu ƒe nya ƒe gɔmedzenuwo,’ siwo ƒe ɖee nye “Kristo ƒe nufiafia ƒe gɔmedzedze.” Gake womeyi nusɔsrɔ̃a dzi o, eyata ‘womede ŋgɔgbe te ɖe blibonyenye ŋuti’ o. (Hebritɔwo 5:12–6:3) Eyata míate ŋu abia mía ɖokui be: ‘Eɖanye be mele ha dem kple Kristo-hamea ɣeyiɣi kpui aɖe alo ƒe geɖe o, aleke mesena le ɖokuinye me tso Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ le ɖokuinye si ŋu? Paulo do gbe ɖa be ye ŋɔli me Kristotɔwo nayi edzi ‘anɔ ŋgɔ yim le Mawu ŋuti sidzedze vavãtɔ la me.’ Ðe meɖenɛ fiana be didi ma tɔgbe le nye hã menyea?’—Kolosetɔwo 1:9, 10.

12. Nukata dzidzɔkpɔkpɔ ɖe Mawu ƒe Nya ŋu ɣesiaɣi le vevie?

12 Nu vevi aɖe si akpe ɖe ŋuwò be nusɔsrɔ̃ navivi nuwò enye be nàtu dzidzɔkpɔkpɔ ɖe Mawu ƒe Nya ŋu ɖo. Psalmo 119:14-16 ɖee fia be Mawu ƒe Nya la me dzodzro edziedzi, moveviɖoɖotɔe mee woato akpɔ dzidzɔ ɖe esɔsrɔ̃ ŋu. Míegale gbe tem ɖe edzi be nya ma nye nyateƒe, eɖanye ɣeyiɣi didi kae nènye Kristotɔ o. Be nàkpɔ esia ƒe kpeɖodzi la, ɖo ŋku Timoteo ƒe kpɔɖeŋua dzi. Togbɔ be Kristotɔ hamemegã sia nye “Yesu Kristo ƒe aʋawɔla nyui” xoxo hã la, Paulo xlɔ̃ nui be wòado vevie nu anye amesi “[mãa] nyateƒenya la me pɛpɛpɛ.” (Timoteo II, 2:3, 15; Timoteo I, 4:15) Eme kɔ be ‘be nàdo vevie nu’ la, ebia be nànye amesi srɔ̃a nu edziedzi.

13. (a) Aleke woawɔ akpɔ ɣeyiɣi geɖe na Biblia sɔsrɔ̃? (b) Asitɔtrɔ kawoe nàte ŋu awɔ be nàkpɔ ɣeyiɣi na nusɔsrɔ̃?

13 Afɔ si nàɖe be Biblia sɔsrɔ̃ navivi nuwò enye be nàɖo ɣeyiɣi ɖi edziedzi hena nusɔsrɔ̃. Esia nya wɔna na wòa? Aleke ke nèɖo eŋui anukwareɖiɖitɔe o, èsusui be aɖe vi na ye ne yezã ɣeyiɣi geɖe ɖe ɖokuisinusɔsrɔ̃ ŋua? Ðewohĩ àbia be ‘Aleke mawɔ akpɔ ɣeyiɣi na ema wɔwɔ?’ Ame aɖewo dzi ɣeyiɣi si wotsɔna srɔ̃a Biblia moveviɖoɖotɔe ɖe edzi to fɔfɔ kaba vie me. Wote ŋu tsɔa aɖabaƒoƒo 15 xlẽa Bibliae alo wɔa nusɔsrɔ̃ bubu aɖe. Abe mɔnu bubu si nàte ŋu ate kpɔ ene la, aleke wòanɔ ne èwɔ tɔtrɔ vi aɖe le wò kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe ɖoɖowo ŋu? Le kpɔɖeŋu me, ne èxlẽa nyadzɔdzɔgbalẽ alo sea nyadzɔdzɔwo le television dzi le fiẽsiwo me gbesiagbe kloe la, ɖe wòanya wɔ be nàɖe asi le wo ŋu ŋkeke ɖeka pɛ ko le kwasiɖaa mea? Àte ŋu azã ɣeyiɣi ma atsɔ adzi wò Biblia sɔsrɔ̃ ɖe edzi gbemagbe. Ne èɖe asi le nyadzɔdzɔawo ŋu ŋkeke ɖeka hezã ɣeyiɣi ma, abe aɖabaƒoƒo 30 ene, ɖe ɖokuisinusɔsrɔ̃ ŋu la, ɣeyiɣi si nètsɔna srɔ̃a nui adzi ɖe edzi gaƒoƒo 25 kple edzivɔ le ƒe ɖeka me. Bu vi si wòaɖe ne ètsɔ gaƒoƒo 25 kpe ɖe ɣeyiɣi si nètsɔna xlẽa Biblia alo srɔ̃nɛ ŋu la ŋu kpɔ! Susu bubue nye esi: Le kwasiɖa si gbɔna me la, lé ŋku ɖe wò dɔwɔwɔwo ŋu le ŋkeke ɖesiaɖe ƒe nuwuwu. Kpɔe ɖa be yeate ŋu akpɔ nane si ŋu nàte ŋu aɖe asi le alo awɔ asitɔtrɔ le be nàkpɔ ɣeyiɣi geɖe ɖe Biblia xexlẽ alo esɔsrɔ̃ ŋu hã.—Efesotɔwo 5:15, 16.

14, 15. (a) Nukata taɖodzinuwo le vevie le ɖokuisinusɔsrɔ̃ me? (b) Taɖodzinu kawoe woate ŋu aɖo le Biblia-xexlẽ me?

14 Nukae ana nusɔsrɔ̃ nabɔbɔ na wò ahavivi nuwò awu? Taɖodzinuwoe. Nusɔsrɔ̃ ƒe taɖodzinu siwo gbɔ woate ŋu aɖo kawoe nàte ŋu aɖo? Le ame geɖe gome la, taɖodzinu gbãtɔ si dzro wo enye Biblia bliboa xexlẽ. Ðewohĩ vaseɖe fifia la, èxlẽ Bibliaa ƒe akpa aɖewo ɣeaɖeɣi eye wòɖe vi na wò. Ðe nàte ŋu aɖoe kplikpaa azɔ be yeaxlẽ Biblia bliboa? Taɖodzinu gbãtɔ si nàtsɔ adze egɔmee ate ŋu anye Nyanyuigbalẽ Eneawo xexlẽ, taɖodzinu bubu nakplɔe ɖo, si ate ŋu anye Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔa mamlɛawo xexlẽ. Esi nèva le ekpɔm be viɖe kple dzidzeme le wo xexlẽ me ko la, taɖodzinu si nàte ŋu aɖo ɖe eyome ate ŋu anye Mose ƒe agbalẽawo kple Biblia-gbalẽ siwo ƒo nu tso blemanudzɔdzɔwo ŋu xexlẽ ɖe wo nɔewo yome ava ɖo Ester ƒe agbalẽa dzi. Ne èwu emawo nu la, àkpɔe be anya wɔ be yeaxlẽ Biblia ƒe akpa mamlɛawo awu enu. Nyɔnu aɖe, si xɔ ƒe 65 lɔƒo esime wòva zu Kristotɔ la ŋlɔ ɣletiŋkeke si dzi wòdze Biblia xexlẽ gɔme kple ɣletiŋkeke si dzi wòwu exexlẽ nu la ɖe eƒe Biblia me. Fifia la, ɣletiŋkeke eveve teƒe atɔ̃ ye le eƒe Bibliaa me! (Mose V, 32:45-47) Eye le esi teƒe be wòaxlẽe le kɔmpiuta dzi alo atae tso kɔmpiuta me axlẽ la, eléa Biblia la ŋutɔ ɖe asi xlẽna.

15 Ame aɖewo siwo ɖo Biblia bliboa xexlẽ ƒe taɖodzinu gbɔ xoxo la gaɖe afɔ bubuwo be yewoƒe nusɔsrɔ̃ si yewowɔna ɣesiaɣi la nayi edzi anyo ɖe edzi ahaɖe vi na yewo. Mɔnu ɖekae nye be woaxlẽ Biblia-gbalẽ si wodi be yewoaxlẽ la ŋuti numeɖeɖe le Biblia-srɔ̃gbalẽ aɖe me do ŋgɔ na Biblia-gbalẽa ŋutɔ xexlẽ. Àte ŋu akpɔ Biblia-gbalẽ ɖesiaɖe ŋuti nyatakaka nyui siwo ku ɖe blema nudzɔdzɔwo, atsyã si nu woŋlɔe ɖo, kple viɖe siwo le wo ŋu la le “All Scripture Is Inspired of God and Beneficial” kple Insight on the Scriptures me. *

16. Kpɔɖeŋu kae wòle be míaƒo asa na le Biblia sɔsrɔ̃ me?

16 Ne èle nu srɔ̃m la, ƒo asa na amesiwo be Biblia-nyalawoe yewonye la ƒe mɔnuwo zazã. Wonɔa ŋku lém ɖe nyakuinyakuiwo ŋu fũ abe amegbetɔ gbɔe Bibliaa tso ene. Wo dometɔ aɖewo tena kpɔ be yewoadi amesiwo koŋ Biblia-gbalẽawo dometɔ ɖesiaɖe yi na alo woasusu taɖodzinu kple susu si wobu be eyae nɔ agbalẽawo dometɔ ɖesiaɖe ŋlɔla si nye amegbetɔ la si. Nusi ado tso amegbetɔ ƒe nuŋububu sia tɔgbe me ate ŋu anye be woava nɔ Biblia-gbalẽawo bum be wonye ŋutinyagbalẽ dzrowo ko alo anɔ wo bum be wotrɔna abe alesi mawusubɔsubɔ ŋuti gɔmesese trɔna le teƒeteƒewoe ene. Agbalẽnyala bubuwo hã tsia dzi ɖe nyakui ɖesiaɖe ŋu, abe Biblia me nyakuiwo ŋuti nu srɔ̃mee wole ene. Wotsia dzi ɖe afisi nyawo dzɔ tso ŋu vevie henɔa Hebri kple Hela gbe me nya ɖesiaɖe ƒe gɔmesese dim tsɔ wu be woakpɔ Mawu ƒe gbedasia ƒe vevienyenye. Èsusu be mɔnu siawo zazã ate ŋu ana xɔse sẽŋu si ʋãa ame nasu ame sia?—Tesalonikatɔwo I, 2:13.

17. Nukata wòle be míabu Biblia be enye agbalẽ si ƒe gbedasi yi na amewo katã?

17 Ðe agbalẽnyalaawo ƒe nyataƒoƒowo gɔ̃ hã sɔa? Ðe wònye nyateƒe be nya ɖeka ko gblɔmee Biblia-gbalẽawo katã le alo be ame aɖewo koŋue woŋlɔe naa? (Korintotɔwo I, 1:19-21) Nyateƒenya lae nye be asixɔxɔ si metrɔna o ye le agbalẽ siwo le Mawu ƒe Nyaa me ŋu na teƒe ɖesiaɖe tsolawo kple ƒe ɖesiaɖe xɔlawo. Ne ame ɖeka aɖe, abe Timoteo alo Tito ene, alo ƒuƒoƒo aɖe koŋ, ɖewohĩ Galatiatɔwo alo Filipitɔwo, ye woŋlɔ agbalẽ aɖe na le gɔmedzedzea me hã la, mí katã míate ŋu asrɔ̃ agbalẽ mawo eye ele be míasrɔ̃ wo. Wole vevie na mía dometɔ ɖesiaɖe eye Biblia-gbalẽ aɖe ate ŋu aƒo nu tso nyati geɖe ŋu wòaɖe vi na ame geɖe. Ẽ, xexeame katãe Biblia me gbedasia yi na, si na míese nusitae woɖe egɔme ɖe amewo katã ƒe gbegbɔgblɔ me le xexeame godoo ɖo la me.—Romatɔwo 15:4.

Aɖe Vi na Wò Kple Ame Bubuwo

18. Ne èle Mawu ƒe Nya xlẽm la, nukawo ŋue wòle be nànɔ ŋugble dem le?

18 Ne èle nua srɔ̃m la, àkpɔe be viɖe geɖe le eŋu be nàdi nusi gblɔm Biblia le ƒe gɔmesese eye nàdze agbagba be yeakpɔ alesi nyati vovovoawo do ƒome kple wo nɔewoe. (Lododowo 2:3-5; 4:7) Nusiwo Yehowa ɖe fia le eƒe Nyaa me do ƒome kplikplikpli kple eƒe tameɖoɖo. Eyata ne èle exlẽm la, nà wo me nyawo kple nuxlɔ̃amewo naku ɖe eŋu. Àte ŋu ade ŋugble le alesi nudzɔdzɔ, nukpɔsusu, alo nyagblɔɖi aɖe ku ɖe Yehowa ƒe tameɖoɖo ŋui la ŋu. Bia ɖokuiwò be: ‘Nuka gblɔmee nya sia le nam tso Yehowa ŋu? Aleke wòdo ƒome kple Mawu ƒe tameɖoɖo si le eme vam to eƒe Fiaɖuƒea dzie?’ Àte ŋu abu nya sia hã ŋu: ‘Aleke mate ŋu azã nyatakaka siae? Ðe mate ŋu azãe ne mele nu fiam alo nu xlɔ̃m amewo tso Ŋɔŋlɔawo mea?’—Yosua 1:8.

19. Ne èƒo nu tso nusiwo nèsrɔ̃ ŋu na ame bubuwo la, amekae wòaɖe vi na? Ðe eme.

19 Ame bubuwo ŋu bubu ɖea vi le go bubu hã me. Le wò Biblia xexlẽ kple esɔsrɔ̃ me la, àsrɔ̃ nu yeyewo eye nugɔmesese yeyewo asu asiwò. Dze agbagba nàde nusiawo dze tuameɖo siwo nàɖo kple wò ƒomea me tɔwo alo ame bubuwo la me. Ne èwɔe alea le ɣeyiɣi siwo sɔ me le dzigbɔɖeanyi me la, ɖikeke mele eŋu o be numedzodzro siawo aɖe vi. Nusiwo nèsrɔ̃ alo eƒe akpa siwo do dzidzɔ na wò gbɔgblɔ kple dzonɔameme anukwareɖiɖitɔe ate ŋu ana wòawɔ dɔ ɖe amewo dzi geɖe. Gawu la, aɖe vi na wò ŋutɔ hã. Le mɔ ka nu? Eŋunyalawo gblɔ be nusi ame srɔ̃ alo xlẽ atsi susu me nɛ ɣeyiɣi didi ne esime wòkpɔtɔ le susu me nɛ yeyee la, wòzãnɛ alo gblɔnɛ, le nuƒoƒo tso eŋu na ame bubuwo me. *

20. Nukata viɖe le eŋu be woaxlẽ Biblia ɣesiaɣi?

20 Ɣesiaɣi si nàxlẽ Biblia-gbalẽ aɖe la, ɖikeke mele eme o be àsrɔ̃ nu yeye aɖe godoo. Mawunyakpukpui siwo mewɔ dɔ ɖe dziwò boo tsã o la ava wɔ dɔ ɖe dziwò vevie. Gɔmesese yeyewo ava su asiwò le wo ŋu. Ele be esia nanye kpeɖodzi be le esi teƒe be míabu Biblia-gbalẽwo amegbetɔ ƒe agbalẽwoe la, ele be woanye agbalẽ siwo ŋu viɖe le na wò, siwo wòle be nàsrɔ̃ ɣesiaɣi hena wò viɖekpɔkpɔ. Ðo ŋku edzi be ele na fia, abe Dawid ene, be “[wòaxlẽe] le eƒe agbe me ŋkekewo katã me.”

21. Viɖe kae nàte ŋu akpɔ mɔ na ne èdzi Mawu ƒe Nya sɔsrɔ̃ ɖe edzi?

21 Ẽ, amesiwo xɔa ɣeyiɣi srɔ̃a Biblia nyuie la kpɔa viɖe geɖe. Gbɔgbɔmekesinɔnuwo kple gɔmesese sua wo si. Woƒe ƒomedodo kple Mawu me sẽna henyona ɖe edzi. Azɔ hã woyia edzi nyea kpekpeɖeŋu xɔasi na ƒometɔwo, nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo le Kristo-hamea me, kple amesiwo mekpɔ zu Yehowa subɔlawo haɖe o hã.—Romatɔwo 10:9-14; Timoteo I, 4:16.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 15 Yehowa Ðasefowoe ta Biblia-srɔ̃gbalẽ siawo eye wole gbegbɔgblɔ geɖe me.

^ mm. 19 Kpɔ Gbetakpɔxɔ, August 15, 1993, axa 13-14.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nukae wobia tso Israel-fiawo si be woawɔ?

• Biblia sɔsrɔ̃ ƒe kpɔɖeŋu kae Yesu kple apostoloawo ɖo ɖi?

• Asitɔtrɔ kawoe nàte ŋu awɔ be nàdzi ɣeyiɣi si nètsɔna srɔ̃a nui la ɖe edzi?

• Nukpɔsusu kae wòle be nàtsɔ asrɔ̃ Mawu ƒe Nyae?

[Biabiawo]

[Aɖaka si le axa 15]

“Mílée Ðe Asi”

“Ne míedi be . . . míawɔ numekuku le Biblia me la, dɔwɔnu nyui bubu aɖeke meli míakpɔ wu Internet o. Gake ne míedi be míaxlẽ Biblia, asrɔ̃e, abu eŋu, ade ŋugble le eŋu la, ele be míalée ɖe asi, elabena mɔ sia ko dzie míato wòage ɖe susu kple dzi me na mí.”—Gertrude Himmelfarb, si nye nufialagã bubume si nɔ City Yunivɛsiti, le New York, si xɔ dzudzɔ le dɔme.