Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Srɔ̃ Kristotɔwo Ƒe Agbenyuinɔnɔ Eye Nàfiae

Srɔ̃ Kristotɔwo Ƒe Agbenyuinɔnɔ Eye Nàfiae

Srɔ̃ Kristotɔwo Ƒe Agbenyuinɔnɔ Eye Nàfiae

“Ekem wò amesi fia nu ame bubuwo la, ɖe mefia nu ɖokuiwò oa?”—ROMATƆWO 2:21.

1, 2. Susu kawoe le asiwò siwo ta nàdi be yeasrɔ̃ Biblia ɖo?

SUSU geɖewo li si tae nàsrɔ̃ Mawu ƒe Nyaa ɖo. Ðewohĩ àdi be yeanya nyateƒenya siwo le eme—tso amewo, nudzɔdzɔwo, teƒewo, kple nu bubuwo ŋu. Àdi be yeanya nufiafia siwo nye nyateƒe, hetsi tre ɖe subɔsubɔhawo ƒe nufiafia siwo mesɔ o, abe Mawuɖekaetɔ̃ alo dzomavɔ ene, ŋu. (Yohanes 8:32) Àdi hã be yeanya Yehowa nyuie wu ale be yeate ŋu anɔ abe eyama geɖe wu ahazɔ le eŋkume le dzɔdzɔenyenye me.—Fiawo I, 15:4, 5.

2 Susu vevi si wɔ ɖeka kplii siwo ta nàsrɔ̃ Mawu ƒe Nya lae nye be nàdzra ɖokuiwò ɖo asu te afia nu ame bubuwo—wò lɔlɔ̃tɔwo, amenyanyɛwo, kple amedzrowo gɔ̃ hã. Esia wɔwɔ menye nu Kristotɔ vavã nagblɔ be ne yelɔ̃ ye yeawɔe o. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo, . . . miafia wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi.”—Mateo 28:19, 20.

3, 4. Nukatae se si Yesu de be woafia nu dzi wɔwɔ nye dɔ si ŋu bubu le wɔwɔ?

3 Biblia sɔsrɔ̃ kple susu be yeafiae ame bubuwo nye nusi ŋu bubu le eye ate ŋu anye nusi me woakpɔ dzidzeme mavɔ le. Nufiafia nye dɔ aɖe si ŋu wodea bubui tso gbaɖegbe ke. Encarta Encyclopedia gblɔ be: “Le Yudatɔwo dome la, ame tsitsi geɖe bua nufialawo be wonye agbemɔ fialawo eye woxlɔ̃a nu ɖeviwo be woade bubu woƒe nufialawo ŋu wu wo dzilawo gɔ̃ hã.” Vevietɔ enye nusi ŋu bubu le be Kristotɔwo nafia nu wo ɖokui to Biblia sɔsrɔ̃ me eye emegbe woafiae ame bubuwo.

4 “Ame geɖe gena ɖe nufiafiadɔ me wu dɔ bubu ɖesiaɖe. Ŋutsu kple nyɔnu siwo ade miliɔn 48 nye nufialawo le xexeame godoo.” (The World Book Encyclopedia) Enye suku nufiala ƒe dɔ be wòafia nu ɖeviwo eye nusi wòfia wo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi ƒe geɖe. Yesu ƒe sedede be woafia nu amewo dzi wɔwɔ me tsonuwo gɔ̃ hã gade ŋgɔ wu; wò nufiafia ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe woƒe etsɔme mavɔ dzi. Apostolo Paulo te gbe ɖe nya sia dzi esime wòxlɔ̃ nu Timoteo be: ‘Kpɔ ɖokuiwò kple wò nufiafia la dzi nyuie, nɔ nusiawo dzi; elabena ne èwɔ esia la, àxɔ ɖokuiwò kple amesiwo ɖoa to wò la, ɖe agbe.’ (Timoteo I, 4:16) Ẽ, wò nufiafia do ƒome kple agbekpɔkpɔ.

5. Nukatae Kristotɔwo ƒe nufiafiadɔa nye esi ŋu bubu le wu?

5 Ŋusẽtɔ gãtɔ kekeake, si nye xexeame katã ƒe Dziɖulagã, gbɔe sededea tso be nàfia nu ɖokuiwò eye emegbe nàfia ame bubuwo hã. Ema ɖeɖe na bubu le nufiafiadɔ sia ŋu wu suku nufiafiadɔ bubu ɖesiaɖe, eɖanye gɔmedzenusɔsrɔ̃wo, asinudɔwo, alo atikewɔwɔ gɔ̃ hã fiamee amea ɖale o. Kristotɔwo ƒe nufiafia bia be nusrɔ̃via ŋutɔ nasrɔ̃ Mawu ƒe Vi, Kristo Yesu, ƒe nuwɔnawo, eye wòafia ame bubuwo hã be woawɔ nenema.—Yohanes 15:10.

Nukatae Wòle Be Nàfia Nu Ðokuiwò?

6, 7. (a) Nukatae wòle be míafia nu mía ɖokui gbã? (b) Mɔ ka nue ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔwo nye nufiala siwo do kpo nu le?

6 Nukatae wogblɔ be ele be míafia nu mía ɖokui gbã? Eyae nye be míate ŋu afia nu ame bubuwo nyuie ne míefia nu mía ɖokui gbã o. Paulo te gbe ɖe nya sia dzi le mawunyakpukpui aɖe si naa wobua tame si ŋu gɔmesese nɔ na Yudatɔwo ɣemaɣi gake helé gbedasi vevi aɖe ɖe asi na Kristotɔwo egbea la me. Paulo bia be: “Ekem wò amesi fia nu ame bubuwo la, ɖe mèfia nu ɖokuiwò oa? Wò amesi ɖe gbeƒã bena, womegafi fi o la, wòe fi fia? Wò amesi gblɔ bena womegawɔ ahasi o la, wòe wɔ ahasia? Wò amesi nyɔ ŋu trɔ̃wo la wòe ha trɔ̃subɔƒenuwo mahã? Wò amesi ƒo adegbe le se la ŋuti la, wòe doa vlo Mawu to seadzidada mea?”—Romatɔwo 2:21-23.

7 Paulo yɔ nuvɔ̃ eve siwo dzi wotɔ asii tẽ le Se Ewoawo me le eƒe biabiaa me: Mègafi fi o, eye mègawɔ ahasi o. (Mose II, 20:14, 15) Paulo ŋɔli me Yudatɔ aɖewo dana be Mawu ƒe Sea le yewo si. ‘Wofia nu wo le Sea me eye woɖoa ŋu ɖe wo ɖokui ŋu be yewonye ŋkuagbãtɔwo ƒe mɔfiala kple amesiwo le viviti me ƒe kekeli kple ɖeviwo ƒe nufiala.’ (Romatɔwo 2:17-20) Ke hã wo dometɔ aɖewo nye alakpanuwɔlawo elabena wofia fi alo wɔa ahasi le bebe me. Ema medea bubu Sea kple Enala si le dziƒo la ŋu o. Àkpɔe be womedze afia nu ame bubuwo kura o; le nyateƒe me la, womenɔ nu fiam wo ɖokui o.

8. Aleke Paulo ŋɔli me Yudatɔ aɖewo anya nɔ ‘adzo dam gbedoxɔ me nuwoe’?

8 Paulo ƒo nu tso gbedoxɔ me dzodada ŋu. Ðe Yudatɔ aɖewo da adzo gbedoxɔmenuwo ŋutɔŋutɔa? Nya kae nɔ susu me na Paulo? Le nyateƒe me la, esi mawunyakpukpui sia mekɔ nyaa me tsitotsito o ta la, míate ŋu agblɔ alesi tututu Yudatɔ aɖewo ‘da adzo gbedoxɔwoe’ o. Do ŋgɔ la, Efeso-dua me gbalẽŋlɔla gblɔ le Paulo ƒe zɔhɛwo ŋu be womenye “gbedoxɔ me dzodalawo” o, si ɖee fia be ame aɖewo ya teti susui be Yudatɔwo wɔa nu ma. (Dɔwɔwɔwo 19:29-37) Ðe woa ŋutɔwo nɔ nu xɔasi siwo aʋadziɖulawo alo subɔsubɔ me zazɛ̃nyahelawo ha le trɔ̃subɔlawo ƒe gbedoxɔwo me la zãm, alo nɔ wo dzrama? Mawu ƒe Sea gblɔ be woagblẽ legbawo ŋu sika kple klosaloawo dome, ke menye be woa ŋutɔwo nazãe o. (Mose V, 7:25) * Eyata Yudatɔ siwo do vlo Mawu ƒe se hezã nusiwo wolɔ tso trɔ̃subɔlawo ƒe gbedoxɔwo me alo tsɔ wo dzra la ŋu nya gblɔmee Paulo anya nɔ.

9. Yerusalem-gbedoxɔa me nuwɔna gbegblẽ kawoe woate ŋu atsɔ asɔ kple gbedoxɔ me dzodada?

9 Gake Josephus ƒo nu tso ŋukpenanu aɖe si Yudatɔ ene, siwo ƒe ŋgɔnɔla nye Sefiala wɔ le Roma la ŋu. Ame enea ble Roma-nyɔnu aɖe, si nye trɔ̃subɔla zu Yudatɔ la, nu be wòatsɔ sika kple nu xɔasi bubuwo ava dzɔ le Yerusalem-gbedoxɔa me. Esi nyɔnua nya dzɔ nu xɔasiawo na wo ko la, wotsɔ wo na wo ɖokui—si sɔ kple adzodada gbedoxɔ me nuwo. * Ame bubuwo nɔ adzo dam Mawu ƒe gbedoxɔ me nuwo to vɔ madzemadzewo sasa kple ŋukeklẽ ƒe asitsatsa dodo ɖe ŋgɔ le gbedoxɔa me, si wɔe be wotsɔ gbedoxɔa wɔ “adzodalawo ƒe doe.”—Mateo 21:12, 13; Maleaxi 1:12-14; 3:8, 9.

Fia Kristotɔwo ƒe Agbenyuinɔnɔ

10. Paulo ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Romatɔwo 2:21-23 me nyati vevi kae mele be míaŋlɔ be o?

10 Nuka kee ƒe alafa gbãtɔ me nuwɔna siwo nye fififi, ahasiwɔwɔ, kple gbedoxɔ me dzodada, siwo ŋu nya gblɔm Paulo nɔ la ɖanye o, migana míaŋlɔ nyati vevi si le eƒe nyaa me be o. Ebia be: “Ekem wò amesi fia nu ame bubuwo la, ɖe mèfia nu ɖokuiwò oa?” Edze ƒã be kpɔɖeŋu siwo ŋu Paulo ƒo nu tsoe la ku ɖe agbenyuinɔnɔ ŋu. Apostoloa mehe susu yi Biblia ƒe nufiafiawo alo blemaŋutinya dzi o. Nufiafia ameɖokui kple ame bubuwo si ŋu Paulo ƒo nu tsoe la ku ɖe Kristotɔwo ƒe agbenyuinɔnɔ ŋu.

11. Nukatae wòle be wò ŋku nanɔ Kristotɔwo ƒe agbenyuinɔnɔsewo ŋu ne èle Mawu ƒe Nya la srɔ̃m?

11 Be míatsɔ Romatɔwo 2:21-23 me nyawo awɔ dɔe la bia be míasrɔ̃ Kristotɔwo ƒe agbenyuinɔnɔ le Mawu ƒe Nya la me, awɔ nu ɖe nusi srɔ̃m míele la nu, eye emegbe míafia ame bubuwo be woawɔ nenema ke. Eyata ne èle Biblia srɔ̃m la, wò ŋku nanɔ afisiwo Yehowa ƒe dzidzenuwo, siwo me woɖe Kristotɔwo ƒe agbenyuinɔnɔsewo tsoe, ŋu vevie. De ŋugble le aɖaŋuɖoɖo kple nufiame siwo nèkpɔ le Biblia me la ŋu. Eye nadze agbagba atsɔ nusiwo nèsrɔ̃ la awɔ dɔe. Eye esia wɔwɔ bia dzinɔameƒo kple tameɖoɖo kplikpaa. Ele bɔbɔe na amegbetɔ madeblibowo be woadi ameɖokuinuɖenyawo kple susu siwo ta nɔnɔme aɖe ɖe mɔ alo bia gɔ̃ hã be woaŋe aɖaba aƒu Kristotɔwo ƒe agbenyuinɔnɔse dzi le nɔnɔme aɖe koŋ me la. Ðewohĩ Yudatɔ siwo ŋu Paulo ƒo nu tsoe la bi ɖe nu wɔwɔ ayetɔe alea me tsɔ ɖea sea ƒe ŋkubiãnyanyenye dzi kpɔtɔna alo tsɔ blea amewoe gɔ̃ hã. Gake Paulo ƒe nyawo fia be mele be woaɖe Kristotɔwo ƒe agbenyuinɔnɔsewo ƒe kpekpeme dzi akpɔtɔ alo aŋe aɖaba aƒu wo dzi le ame ŋutɔ ƒe didi nu o.

12. Aleke agbe nyui alo agbe baɖa nɔnɔ ƒoa nu le Yehowa Mawu ŋui, eye nukatae wòdea ame dzi ne nya sia le susu me na ame?

12 Apostoloa te gbe ɖe susu vevi aɖe si ta wòle be míasrɔ̃ Biblia ahatsɔ agbenyuinɔnɔse si míekpɔ le eme awɔ dɔe la dzi. Yudatɔwo ƒe agbebaɖanɔnɔa do vlo Yehowa: “Wò amesi ƒo adegbe le se la ŋuti la, wòe doa vlo Mawu to seadzidada mea? Elabena le miawo ŋuti la wogblɔa busunya ɖe Mawu ƒe ŋkɔ ŋuti le trɔ̃subɔlawo dome.” (Romatɔwo 2:23, 24) Nenema kee wògadzɔnae be ne míeŋe aɖaba ƒu Kristotɔwo ƒe agbenyuinɔnɔse dzi la, míedoa vlo Enala. Eye ne míelé Mawu ƒe dzidzenuwo me ɖe asi sesĩe la, eƒoa nu nyui le eŋu hedea bubu eŋu. (Yesaya 52:5; Xezekiel 36:20) Enyanya alea ate ŋu ana nàyi edzi aɖoe kplikpaa be yeawɔ nusi dzɔ ne èdze ŋgɔ tetekpɔwo alo nɔnɔme siwo me aɖabaŋeŋe aƒu Kristotɔwo ƒe agbenyuinɔnɔse dzi adze mɔ bɔbɔetɔ kekeake alo esi ade dziwò awu. Gawu la, Paulo ƒe nyawo gafia nu bubu aɖe hã mí. Tsɔ kpe ɖe enyanya be wò agbenɔnɔ ƒoa nu le Mawu ŋu ŋuti la, ne èle nu fiam ame bubuwo la, kpe ɖe wo ŋu woakpɔe adze sii be alesi wotsɔa agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu siwo srɔ̃m wole wɔa dɔe la ƒoa nu le Yehowa ŋu. Menye ɖeko Kristotɔwo ƒe agbenyuinɔnɔsewo naa dzidzeme hekpɔa ame ta le lãmesẽnyawo me dzaa ko evɔ o. Eƒoa nu le Amesi na agbenyuinɔnɔse mawo hedea dzi ƒo be woawɔ wo dzi la hã ŋu.—Psalmo 74:10; Yakobo 3:17.

13. (a) Aleke Biblia kpe ɖe mía ŋu le agbenyuinɔnɔ gomee? (b) Gblɔ aɖaŋuɖoɖo si le Tesalonikatɔwo I, 4:3-7 me nya veviwo.

13 Agbenyuinɔnɔ kpɔa ŋusẽ ɖe ame bubuwo hã dzi. Àte ŋu akpɔ esia le kpɔɖeŋu siwo le Mawu ƒe Nyaa me siwo ɖe asixɔxɔ si le Mawu ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo ŋudɔwɔwɔ ŋu kple aɖabaŋeŋe aƒu wo dzi me tsonu fia la me. (Mose I, 39:1-9, 21; Yosua 7:1-25) Azɔ hã àte ŋu akpɔ agbenyuinɔnɔ ŋuti ɖaŋuɖoɖo sia si me kɔ nyuie abe esia ene: “Esiae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, be miawɔ mia ɖokui kɔkɔe, eye miaɖe mia ɖokui ɖa atso ahasiwɔwɔ me, eye mia dome amesiame nanya, alesi wòaɖe ye ŋutɔ srɔ̃a le kɔkɔenyenye kple bubu me; menye le nudzodzro ƒe fiẽŋufiẽŋui vevie me, abe alesi trɔ̃subɔla, siwo menya Mawu o la wɔna la ene o; eye ame aɖeke [nagaxɔ nɔvia ƒe gome le esi eye wòatafae le nya sia me, NW ] o; . . . Elabena Mawu meyɔ mí na makɔmakɔnyenye o, ke boŋ na kɔkɔewɔwɔ.”—Tesalonikatɔwo I, 4:3-7.

14. Nya kae nàte ŋu abia ɖokuiwò tso nuxlɔ̃ame si le Tesalonikatɔwo I, 4:3-7 ŋu?

14 Amesiame kloe ate ŋu akpɔe adze sii le mawunyakpukpui sia me be gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ nye dada le Kristotɔwo ƒe agbenyuinɔnɔse dzi. Gake àgate ŋu ase nyaa gɔme ayi ŋgɔ wu ema. Mawunyakpukpui aɖewo bia be woawɔ numekuku geɖe le wo ŋu ahade ŋugble le wo ŋu be gɔmesese deto nasu ame si. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu ade ŋugble le nusi Paulo wɔnɛ esime wògblɔ be matrewɔwɔ ate ŋu ana ame “naxɔ nɔvia ƒe gome le esi eye wòatafae le nya sia me” la ŋu. Gome kawo ŋue nyaa ku ɖo, eye aleke nya sia gɔmesese nyuie aʋã wò vevie be nàyi edzi alé Kristotɔwo ƒe agbenyuinɔnɔ me ɖe asi? Aleke nusiwo ŋu nàke ɖo le numekuku sia me agate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàfia nu ame bubuwo ahakpe ɖe wo ŋu be woade bubu Mawu ŋui?

Srɔ̃ Nu Be Nàtsɔ Afia Nui

15. Dɔwɔnu kawoe nàte ŋu azã le ɖokuisinusɔsrɔ̃ me atsɔ afia nu ɖokuiwòe?

15 Dɔwɔnuwo le Yehowa Ðasefowo si wozãna tsɔ kua nyabiasewo alo nya siwo fɔna ɖe te ne wole nu srɔ̃m be woafia nu wo ɖokui alo ame bubuwo la me. Dɔwɔnu siwo li le gbegbɔgblɔ geɖe me la dometɔ ɖekae nye Watch Tower Publications Index. Ne ele asiwò la, àte ŋu azãe atsɔ adi nyatakakawoe le Yehowa Ðasefowo ƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo me. Àte ŋu awɔ numekuku le nyatiwo alo mawunyakpukpui siwo woɖo ɖe ɖoɖo nu la ŋu. Dɔwɔnu bubu si gale Yehowa Ðasefowo si le gbegbɔgblɔ siwo ame geɖe dona me enye Watchtower Library. Agbalẽ geɖe le CD-ROM, si wozãna le kɔmpiuta dzi la dzi. Woate ŋu azã kɔmpiuta dɔwɔnu sia atsɔ awɔ nyatiwo kple mawunyakpukpuiwo ŋuti numekuku. Ne dɔwɔnu siawo dometɔ ɖeka alo evea siaa le asiwò la, wɔ wo ŋudɔ edziedzi ne èle Mawu ƒe Nya srɔ̃m bena nàte ŋu afia nu ame bubuwo.

16, 17. (a) Afikae nàte ŋu akpɔ gome siwo woyɔ le Tesalonikatɔwo I, 4:6 ŋuti numeɖeɖe detowo le? (b) Mɔ kawoe nue matrewɔwɔ ate ŋu axɔ ame bubuwo ƒe gomewo le wo si le?

16 Mina míazã Tesalonikatɔwo I, 4:3-7 si míeyɔ va yi atsɔ awɔ esia ƒe kpɔɖeŋui. Biabiaa fɔ ɖe te tso gomenɔamesiwo ŋu. Ameka ƒe gomenɔamesiwoe? Eye aleke woate ŋu axɔ ame aɖe ƒe gome le esii? Ne èzã nusɔsrɔ̃ ƒe dɔwɔnu siwo míeyɔ la, àte ŋu ake ɖe kpukpui siawo ŋuti numekɔkɔ deto geɖe ŋu, àkpɔ gome siwo ŋu Paulo ƒo nu tsoe gɔ̃ hã. Àte ŋu axlẽ numekɔkɔ mawo le Insight on the Scriptures, Babla 1, axa 863-4; True Peace and Security—How Can You Find It?, axa 145; Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, November 15, 1989, axa 31 me.

17 Ne èwɔ numekukua yi ŋgɔ la, àkpɔ alesi agbalẽ mawo ɖe alesi Paulo ƒe nyawo nye nyateƒee la fiae. Matrewɔla wɔa nuvɔ̃ ɖe Mawu ŋu heʋua mɔ le eɖokui ŋu na dɔléle geɖe. (Korintotɔwo I, 6:18, 19; Hebritɔwo 13:4) Ŋutsu matrewɔla la xɔa nyɔnu si woa kplii wole nuvɔ̃a wɔm la ƒe gome geɖe le esi. Exɔ agbenyuinɔnɔ ƒe tenɔnɔ dzadzɛ kple dzitsinya nyui si anɔ esi la le esi. Ne nyɔnu tre ye wònye la, exɔ eƒe gome si nye be wòanye nyɔnu nɔaƒe atsɔ aɖe srɔ̃e kple ŋutsu si ɖe ge wògbɔna ƒe gome si nye be wòakpɔe le aƒe la le wo si. Ne srɔ̃tɔe nyɔnua nye la, egbãa dzi na edzilawo kple srɔ̃aŋutsua. Ŋutsu agbegbegblẽnɔlaa xɔa agbenyuinɔnɔ ƒe ŋkɔ nyui si le eya ŋutɔ ƒe ƒomea ŋu la ƒe gome le wo si. Ne Kristo-hamea me tɔe wònye la, ehea vlodoame vaa edzii, heƒoa ɖi haa ƒe ŋkɔ.—Korintotɔwo I, 5: 1.

18. Aleke nusɔsrɔ̃ tso Kristotɔwo ƒe agbenyuinɔnɔ ŋu le Biblia me ɖe vi na wòe?

18 Ðe gomenɔamesi ŋuti numeɖeɖe siawo mena mawunyakpukpui ma ƒe gɔmesese deto su asiwò oa? Le nyateƒe me la, asixɔxɔ geɖe le nusɔsrɔ̃ alea ŋu. Ne èsrɔ̃a nu alea la, ekema èle nu fiam ɖokuiwò. Gɔmesese si su asiwò le Mawu ƒe gbedasia ƒe nyateƒenyenye ŋu kple alesi wòakpɔ ŋusẽ ɖe dziwòe tsina ɖe edzi. Ŋusẽ ɖoa tame si nèɖo kplikpaa be yealé Kristotɔwo ƒe agbenyuinɔnɔ me ɖe asi la ŋu, tetekpɔ kae ɖado mo ɖa o. Eye bu alesi nàgabi ɖe edzi le nufiafia mee la ŋu kpɔ ko! Le kpɔɖeŋu me, ne èle Biblia ƒe nyateƒea fiam ame bubuwo la, àte ŋu aɖe alesi woase Tesalonikatɔwo I, 4:3-7 mee nyuie, si ana be alesi wose Kristotɔwo ƒe agbenyuinɔnɔ gɔme hedea asixɔxɔ eŋui nadzi ɖe edzi. Eyata wò nusɔsrɔ̃ ate ŋu akpe ɖe mia kple ame bubu geɖe ŋu miade bubu Mawu ŋu. Kpɔɖeŋu ɖeka ko ŋue míeƒo nu tsoe le lɛta si Paulo ŋlɔ na Tesalonikatɔwo me le afisia. Kristotɔwo ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe akpa bubu geɖe, kple Biblia me kpɔɖeŋu bubu geɖe siwo ƒo nu tso wo ŋu kpakple nuxlɔ̃amenya geɖewo, gali nàte ŋu asrɔ̃, atsɔ ade dɔwɔwɔ me, ahafia ame bubuwo.

19. Nukatae wòle vevie be nàlé Kristotɔwo ƒe agbenyuinɔnɔ me ɖe asi?

19 Ðikeke aɖeke mate ŋu anɔ nunya si le ema wɔwɔ me ŋu o. Yakobo 3:17 gblɔ be “nunya, si tso dziƒo,” tso Yehowa Mawu ŋutɔ gbɔ la, ‘ŋuti kɔ.’ Ema bia Mawu ƒe agbenyuinɔnɔsewo me léle ɖe asi. Le nyateƒe me la, enye Yehowa ƒe nudidi be amesiwo nɔa ye teƒe fiaa Biblia amewo la ŋutɔ naɖo “dzadzɛnyenye” ƒe kpɔɖeŋu nyui ɖi. (Timoteo I, 4:12) Nusrɔ̃la gbãtɔ mawo, abe Paulo kple Timoteo ene, ƒe agbenɔnɔ ɖo kpe ema dzi; woɖe wo ɖokui ɖa tso agbegbegblẽnɔnɔ gbɔ eye Paulo ŋlɔ gɔ̃ hã be: “Ke ahasiwɔwɔ kple makɔmakɔnyenye katã alo ŋukeklẽ la womagayɔ eŋkɔ gɔ̃ hã le mia dome o, abe alesi wòdze ame kɔkɔewo ene, kple ŋukpenanu kple yakanyagbɔgblɔwo kple atsaƒoƒo.”—Efesotɔwo 5:3, 4.

20, 21. Nukatae nèlɔ̃ ɖe nusi apostolo Yohanes ŋlɔ le Yohanes I, 5:3 la dzi?

20 Togbɔ be agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu siwo woŋlɔ ɖe Mawu ƒe Nya la me kɔ eye wole tẽ hã la, womenye agba tena ɖe ame dzi o. Yohanes, amesi nye apostolo si nɔ agbe wòdidi wu la, de dzesi esia. Le nusi teƒe wòkpɔ le ƒe geɖe ƒe agbenɔnɔ me la, ekpɔe dze sii be Kristotɔwo ƒe agbenyuinɔnɔsewo megblẽa nu le ame ŋu o. Ke boŋ wonyo, viɖe le wo ŋu eye yayra le wo me. Yohanes te gbe ɖe nya sia dzi esime wòŋlɔ be: “Lɔlɔ̃ na Mawu enye esi: be míalé eƒe seawo me ɖe asi. Eye eƒe seawo menaa nu tia kɔ na mí o.”—Yohanes I, 5:3, New English Translation.

21 Gake de dzesii be Yohanes meɖee fia be Kristotɔwo ƒe agbenyuinɔnɔ me léle ɖe asi wòanye toɖoɖo Mawu nye nu nyuitɔ kekeake si woawɔ le esi wòkpɔa mía ta tso kuxiwo me, tso nu manyomanyo siwo dona tsoa wo dzi dada me ta o. Eɖe susu nyuitɔ si ta wòle be míawɔ nenema la fia esime wòlɔ̃ ɖe edzi gbã be enye lɔlɔ̃ si le mía me na Yehowa Mawu la ɖeɖe fia, si nye mɔnukpɔkpɔ xɔasi be míaɖee afia be míelɔ̃e. Nyateƒee, nufiafia ame ɖokui kple ame bubuwo bia be míalɔ̃ ɖe Mawu ƒe dzidzenu kɔkɔwo dzi ahatsɔ wo anɔ dɔ wɔmee. Ẽ, efia Kristotɔwo ƒe agbenyuinɔnɔ fiafia mía ɖokui kple ame bubuwo.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 8 Togbɔ be Josephus nɔ Yudatɔwo ɖɔm be womegbea bubu dede nu kɔkɔewo ŋu o hã la, egbugbɔ Mawu ƒe sea gblɔ ale: ‘Mia dometɔ aɖeke megado vlo mawu siwo du bubu me tɔwo subɔna la o, eye migada dzo du bubu me tɔwo ƒe gbedoxɔ me nuwo o, alo miahayi nu xɔasi siwo wozãna le mawuwo subɔsubɔ me dometɔ aɖeke tsɔ ge o.’—Jewish Antiquities, Agbalẽ 4 lia, ta 8, memama 10.

^ mm. 9 Jewish Antiquities, Agbalẽ 18 lia, ta 3, memama 5.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nukatae wòle be míasrɔ̃ nu be míafia nu mía ɖokui hafi afiae ame bubuwo?

• Aleke míaƒe agbenɔnɔ ate ŋu aƒo nu le Yehowa ŋui?

• Amekawo ƒe gomee matrewɔla ate ŋu axɔ le wo si?

• Tame kae nèɖo kplikpaa tso Kristotɔwo ƒe agbenyuinɔnɔ ŋu?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

“Eƒe seawo menaa nu tia kɔ na mí o”