Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

De Ta Agu Na Mawu ‘Le Gbɔgbɔ Me’

De Ta Agu Na Mawu ‘Le Gbɔgbɔ Me’

De Ta Agu Na Mawu ‘Le Gbɔgbɔ Me’

“Amekae miebe, yewoabu ɖe Mawu ŋu, eye nɔnɔme ka miebe, yewoatsɔ asɔ kplii?”—YESAYA 40:18

ÐEWOHĨ èxɔe se tso dzi blibo me be esɔ be woazã nɔnɔmetatawo le Mawu subɔsubɔ me. Àse le ɖokuiwò me be esia tea ye ɖe Gbedodoɖasela, amesi womekpɔna o eye wòadze abe menye ame ŋutɔe o ene eye be ele adzɔge ʋĩi la ŋu kplikplikpli.

Gake ɖe míekpɔ mɔ atia mɔ si dzi míato ate ɖe Mawu ŋu le mía ɖokui sia? Ðe menye Mawu ŋutɔe wòle be wòagblɔ nusi sɔ kple esi mesɔ oa? Yesu ɖe Mawu ƒe nukpɔsusu le nyaa ŋu me esime wògblɔ be: “Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la, ame aɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.” (Yohanes 14:6) Nya mawo ɖeɖe te fli ɖe nɔnɔmetatawo alo nu kɔkɔe bubuwo zazã me.

Ẽ, subɔsubɔ aɖe koŋ li si dzea Yehowa Mawu ŋu. Eyae nye ka? Yesu ɖe eme le ɣeyiɣi bubu dzi be: ‘Gaƒoƒo gbɔna, eye wòde azɔ, esi nyateƒe tadeagulawo ade ta agu na Fofo la le gbɔgbɔ kple nyateƒe me; elabena Fofo la dia tadeagula siawo tɔgbe. Mawu nye gbɔgbɔ, eye ele be amesiwo dea ta agu nɛ la, nade ta agu le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.’—Yohanes 4:23, 24.

Ðe woate ŋu atsɔ nɔnɔmetata aɖe atsi tre ɖi na Mawu, si nye ‘gbɔgbɔa’? Kura o. Aleke kee nɔnɔmetata aɖe anya kpɔe o, womate ŋu ade Mawu ƒe ŋutikɔkɔe nu gbeɖe o. Eyata Mawu ƒe nɔnɔmetata mate ŋu aɖii tututu gbeɖe o. (Romatɔwo 1:22, 23) Ðe ame aɖe anɔ ‘ta dem agu le nyateƒe me’ ne etoa nɔnɔme si amegbetɔ wɔ dzi te ɖe Mawu ŋua?

Biblia ƒe Nufiafia si Me Kɔ

Mawu ƒe Se tsri nɔnɔmetatawo zazã le tadedeagu me. Se evelia le Se Ewoawo me gblɔ be: “Megawɔ legba aɖeke na ɖokuiwò o. Megawɔ nusiwo le dziƒo, alo nusiwo le anyigba dzi, alo nusiwo le tsi me le anyigba te la, ƒe nɔnɔme o. Megade ta agu na wo o, eye megasubɔ wo o.” (Mose II, 20:4, 5) Kristotɔwo ƒe Ŋɔŋlɔa si tso gbɔgbɔ me hã de se be: “Misi le trɔ̃subɔsubɔ la nu!”—Korintotɔwo I, 10:14.

Nyateƒee wònye be ame geɖe tea tɔ ɖe edzi be yewoƒe nɔnɔmetatawo zazã le tadedeagu me menye trɔ̃subɔsubɔ o. Le kpɔɖeŋu me, Orthodɔks Kristotɔwo gbena zi geɖe be menye nɔnɔmetata siwo ŋgɔ yewodea ta agu, dzea klo, hedoa gbe ɖa le la ŋutɔŋutɔ subɔmee yewole o. Orthodɔks nunɔla aɖe ŋlɔ be: “Míedea bubu wo ŋu elabena wonye nu kɔkɔewo, eye be míedea bubu deto nusi Nɔnɔmetataa tsi tre ɖi na ŋu.”

Gake nyabiabia la gali kokoko be: Ðe Mawu da asi ɖe nɔnɔmetatawo zazã be woato wo dzi atsɔ subɔsubɔ ana ye ne mele tẽ o gɔ̃ hã dzia? Biblia ƒe afi aɖeke meda asi ɖe nuwɔna ma tɔgbe dzi o. Esi Israel-viwo wɔ nyivi ƒe nɔnɔme aɖe kple susua be yewoatsɔe ade bubu Yehowa ŋui la, eɖee fia be yetsri nuwɔna ma keŋkeŋ, hegblɔ be wogbe xɔse.—Mose II, 32:4-7.

Afɔku si Le Ɣaɣla

Nɔnɔmetatawo zazã le subɔsubɔ me nye nuwɔna aɖe si me afɔku le. Ate ŋu ate amewo akpɔ bɔbɔe be woade ta agu na nɔnɔmetataa le esi teƒe be woade ta agu na Mawu si wobe nɔnɔmetataa tsitre ɖi na. Ne míagblɔe bubui la, nɔnɔmetataa va zua trɔ̃ wosubɔna.

Ema dzɔ le nɔnɔmetata aɖewo gome le Israel-viwo ŋɔli. Le kpɔɖeŋu me, Mose wɔ akɔblida aɖe esime wonɔ mɔ zɔm le gbea dzi. Gbã la, dawɔwɔe si nɔ atia ŋu la nye dɔdamɔnu aɖe na wo. Amesiwo wotsɔ da ƒe ame ɖuɖu he toe na la te ŋu kpɔa akɔblida la eye woxɔa Mawu ƒe kpekpeɖeŋu. Gake esi dukɔa ɖo Ŋugbedodonyigba dzi megbe la, edze abe ɖee wotrɔ nusia wòzu legba ene, abe akɔblida la ŋutɔ mee dɔdadaa ƒe ŋusẽa nɔ ene. Wodo dzudzɔ ʋeʋĩ nɛ hetsɔ ŋkɔ gɔ̃ hã nɛ be Nexustan.—Mose IV, 21:8, 9; Fiawo II, 18:4.

Israel-viawo te kpɔ hã be yewoazã nubablaɖaka abe gbesa ene ɖe woƒe futɔwo ŋu, gake mede wo dzi o. (Samuel I, 4:3, 4; 5:11) Eye le Yeremya ŋɔli la, Yerusalemtɔwo tsɔ ɖe le gbedoxɔa me wu Mawu si wosubɔna le afima.—Yeremya 7:12-15.

Didia be woade ta agu na nuwo ɖe Mawu teƒe la gabɔ kokoko. Numekula Vitalij Ivanovich Petrenko gblɔ be: “Nɔnɔmetataa . . . va zua nusi wodea ta agu na eye wòdea ame trɔ̃subɔsubɔ ƒe afɔku me . . . Ele be woalɔ̃ ɖe edzi be esia nye trɔ̃subɔlawo ƒe nuwɔna vevi aɖe si wotsɔ de nɔnɔmetata subɔsubɔ me to dzixɔse nyanyɛwo dzi.” Nenema kee Greece Orthodɔkstɔwo ƒe nunɔla Demetrios Constantelos gblɔ le eƒe agbalẽ si nye Understanding the Greek Orthodox Church (Greece Orthodɔks Subɔsubɔha Gɔmesese) me be: “Ele bɔbɔe be Kristotɔ nana nɔnɔmetata aɖe nazu nusi wodea ta agu na.”

Nya si wogblɔna be ɖeko nɔnɔmetatawo kpena ɖe ame ŋu le tadeagu me la nye esi ŋu nya ku ɖo vevie. Nukatae? Ðe menye nyateƒe be woabu Maria alo “ame kɔkɔewo” ƒe nɔnɔmetata aɖewo be wodze be woasubɔ wo eye ŋusẽ le wo ŋu wu ame ma ke si ku gbaɖegbe ke la ƒe nɔnɔmetata bubuwo oa? Le kpɔɖeŋu me, Orthodɔkstɔ veviedonula aɖewo xɔ Maria ƒe nɔnɔmetata aɖe koŋ si le Tínos, Greece, dzi se, eye ame bubu siwo hã nye veviedonulawo nenema ke ya xɔ Maria ƒe nɔnɔmetata aɖe si le Soumela, le Greece ƒe dziehe, la dzi se. Togbɔ be amesi ku gbaɖegbe kee nɔnɔmetata evea siaa tsitre ɖi na hã la, ƒuƒoƒo eveawo dometɔ ɖesiaɖe ka ɖe edzi be yeƒe nɔnɔmetata la sẽ ŋu wu hewɔa nukunu ʋãme geɖewo wu kemɛa. Eyata le nuwɔna ŋutɔŋutɔ me la, amewo buna be ŋusẽ ŋutɔŋutɔ aɖe le nɔnɔmetata aɖewo si eye wosubɔa wo.

Gbedodoɖa na “Ame Kɔkɔewo” alo na Maria?

Ke mawusubɔsubɔ ƒe bubu siwo wodena ame aɖewo, abe Maria alo “ame kɔkɔewo” ene, ŋu ya ɖe? Esi Yesu nɔ nya ŋu ɖom na Satana esime wònɔ etem kpɔ la, eyɔ Mose V, 6:13 me nyawo hegblɔ be: “Aƒetɔ, wò Mawu la, nade ta agu na, eye eya ɖeka ko nasubɔ.” (Mateo 4:10) Egblɔ emegbe be nyateƒe subɔlawo ade ta agu na “Fofo la,” menye ame bubu aɖeke o. (Yohanes 4:23) Esi esia nɔ nyanya na mawudɔla aɖe ta la, eka ŋkume na apostolo Yohanes le esi wòte kpɔ be yeade ta agu nɛ, gblɔ be: “Megawɔe o . . . De ta agu na Mawu ko.”—Nyaɖeɖefia 22:9.

Ðe wòsɔ be woado gbe ɖa na Yesu ƒe anyigba dzi dada, Maria, alo na “ame kɔkɔe” aɖewo, abia wo be woale avu Mawu ɖe ame taa? Biblia la ɖo eŋu tẽ be: “Avuléla ɖeka, si le Mawu kple amewo dome, si nye ame Kristo Yesu la koe li.”—Timoteo I, 2:5.

Kpɔ Wò Kple Mawu Dome Ƒomedodoa Ta

Nɔnɔmetatawo zazã le subɔsubɔ me, si tsi tre ɖe Biblia ƒe nufiafia si me kɔ ŋu, mate ŋu ana Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe amewo ŋu be woakpɔ agbe o. Ðe ema teƒe la, Yesu gblɔ be sidzedze Mawu vavã ɖeka kolia la, kple eƒe amenyenye si ɖeke mesɔ kpli o kpakple eƒe tameɖoɖowo kple alesi wòwɔa nui kple amegbetɔwo nyanya nyuie koe ate ŋu ana agbe mavɔ ame. (Yohanes 17:3) Nɔnɔmetata siwo mekpɔa nu, mesea seselelãme aɖeke, alo ƒoa nu o la mekpena ɖe ame ŋu be wòanya Mawu ahasubɔe alesi dzea eŋu o. (Psalmo 115:4-8) Mawu ƒe Nya, Biblia, sɔsrɔ̃ dzi koe ame ate ŋu ato sidzedze vavãtɔ ma nasu esi.

Tsɔ kpe ɖe nɔnɔmetatawo subɔsubɔ ƒe yakanyenye ŋu la, gbɔgbɔ me fɔkuwo ate ŋu anɔ eme. Aleke wòate ŋu adzɔe? Vevietɔ enye be, ate ŋu agblẽ ame ƒe ƒomedodo kple Yehowa me. Mawu gblɔ tso Israel, si ‘tsɔ ŋunyɔnuwo do dɔmedzoe nɛ,’ ŋu be: “Maɣla nye ŋku me ɖe wo.” (Mose V, 32:16, 20) Be woagatu woa kple Mawu dome ƒomedodoa ɖo bia be ‘woanyɔ ŋu woƒe legbawo.’—Yesaya 31:6, 7.

Ekema aleke gbegbee Ŋɔŋlɔawo me ɖaŋuɖoɖo be: ‘Vinyewo, mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le trɔ̃wo ŋuti!’ la sɔ nyuie enye si!—Yohanes I, 5:21.

[Aɖaka si le axa 6]

Wokpe Ðe wo Ŋu be Woade Ta Agu “le Gbɔgbɔ Me”

Olivera nye Orthodɔks Sɔlemeha me tɔ veviedonula aɖe le Albania. Esi dukɔa ɖo asi mawusubɔsubɔ dzi le ƒe 1967 me la, Olivera yi eƒe subɔsubɔ wɔnawo dzi le adzame. Ezãa eƒe dzudzɔxɔledɔmega sue si wòxɔna la ƒe akpa gãtɔ tsɔ ƒlea nɔnɔmetata siwo wotsɔ sika kple klosalo wɔ, lifi kpakple bosomikaɖiwoe. Eɣla nusiawo ɖe aba te eye wòdɔa zikpui aɖe si te ɖe abatia ŋu me dzi zi geɖe le esi wòle vɔvɔ̃m be woava kpɔ wo alo afi wo ta. Esi Yehowa Ðasefowo srã Olivera kpɔ le ƒe 1990-awo ƒe gɔmedzedze me la, ede dzesi Biblia me nyateƒea le woƒe gbedasia me. Ekpɔ nusi Biblia gblɔ tso alesi woasubɔ nyateƒetɔe le “gbɔgbɔ me” ŋu eye wòsrɔ̃ nu tso alesi Mawu bua nɔnɔmetatawo zazãe ŋu. (Yohanes 4:24) Ðasefo si srɔ̃ Biblia kpli la de dzesii be ɣesiaɣi si yeagayi Olivera ƒeme la, nɔnɔmetata siwo li la ƒe xexlẽme dzi ɖena kpɔtɔna. Mlɔeba la, ɖeke megava nɔ anyi o. Le Olivera ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la, egblɔ be: “Egbea la, Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔeae su asinye le esi teƒe be nɔnɔmetata maɖinuwo nanɔ asinye. Meda akpe be eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea mehiã na nɔnɔmetatawo hafi akpe ɖe ŋunye o.”

Athena, si tso Lesbos-ƒukpo si le Greece dzi, nye Orthodɔks Sɔlemehaa me tɔ si doa vevie nu ale gbegbe. Enɔ hadzihaa me eye wòwɔna ɖe subɔsubɔ me kɔnyinyiwo, si me nɔnɔmetatawo zazã le la dzi pɛpɛpɛ. Yehowa Ðasefowo kpe ɖe Athena ŋu wòde dzesii be menye nusianu si wofiae lae wɔ ɖeka kple Biblia la o. Esiawo dometɔ aɖewo enye nɔnɔmetatawo kple atitsogawo zazã le tadedeagu me. Athena te tɔ ɖe edzi be ye ŋutɔ yeawɔ yeƒe numekuku tso subɔsubɔ me nɔnɔmetata siawo ƒe dzɔtsoƒe ŋu. Le numekuku deto wɔwɔ le numekugbalẽ vovovowo me vɔ megbe la, eva xɔe se be menye Kristotɔwoe to nɔnɔmetata siawo zazã vɛ o. Eƒe didi vevie be yeasubɔ Mawu le “gbɔgbɔ me” la ʋãe be wòtsɔ eƒe nɔnɔmetatawo ƒu gbe, togbɔ be woxɔ asi hã. Ke hã edzɔ dzi na Athena be yeabu nu xɔasi ɖesiaɖe faa ale be yeate ŋu asubɔ Mawu le gbɔgbɔ me dzadzɛnyenye kple mɔ si dze nu.—Dɔw. 19:19.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 7]

Aɖaŋudɔ Dzro Koe Nɔnɔmetatawo Nyea?

Le nyitsɔ laa ƒewo me la, woƒo Orthodɔkstɔwo ƒe nɔnɔmetatawo nu ƒu le xexeame godoo. Amesiwo ƒo wo nu ƒu la mebu nɔnɔmetataawo abe subɔsubɔ me nu kɔkɔe ene o, ke boŋ abe Byzantiumtɔwo ƒe ɣeyiɣia me asinudɔwɔwɔwo ko ene. Enye nusi bɔ be nàkpɔ be wotsɔ subɔsubɔ me nɔnɔmetata mawo dometɔ geɖe ɖo atsyɔ̃ na amesi gblɔna be Mawu meli o la ƒe aƒe alo ɔfis.

Gake Kristotɔ vavãwo meŋlɔa gɔmesese ŋutɔŋutɔ si le subɔsubɔ me nɔnɔmetatawo ŋu be o. Enye nusi wodea ta agu na. Togbɔ be Kristotɔwo metɔa gbe gome si le amewo si be subɔsubɔ me nɔnɔmetatawo nanɔ wo si o hã la, menɔa woa ŋutɔwo si, abe atsyɔ̃ɖonu ene gɔ̃ hã o. Esia wɔ ɖeka kple gɔmeɖose si le Mose V, 7:26 me be: “Megatsɔ ŋunyɔnu [nɔnɔme siwo wozãna le tadedeagu me] aɖeke va aƒewò me o, ne busu nava dziwò abe woawo ke ene o; ke boŋ woanyɔ ŋu na wò aganyɔ ŋu na wò ɖe dzi, elabena busunu wonye.”

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Mawu melɔ̃ be woazã nɔnɔmetatawo le tadeagu me o

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Biblia me sidzedzea kpena ɖe mía ŋu be míasubɔ Mawu le gbɔgbɔ me