Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dukɔwo Dome Takpekpe le Ƒe 2003 Me

Dukɔwo Dome Takpekpe le Ƒe 2003 Me

Dukɔwo Dome Takpekpe le Ƒe 2003 Me

LE Memleɖa, October 6, 2001, dzi la, wowɔ Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania me tɔwo ƒe ƒe sia ƒe takpekpea le Jersey City, New Jersey, U.S.A. Le kpekpe ma megbe la, kpekpea delawo kple woƒe amedzrowo kpɔ gome le ɖoɖo tɔxɛ aɖe si wowɔ na wo me. Le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha me tɔwo wɔ gbeƒãɖeɖe sia le woƒe nuƒo mamlɛtɔwo me, le kpekpe siwo wowɔ le Canada kple United States ƒe dugã ene me kpe ɖe esia ŋu, be:

“Esi míele alesi etsɔme anɔ ŋu bum la, ele vevie ŋutɔ be Mawu ƒe amewo katã nagagblẽ woƒe kpekpe ɖekae ɖi o. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu be, ele be míawɔ esia tsɔ kpe ɖe dzidedeƒo na mía nɔewo geɖe wu ŋu zi alesi míekpɔ bena, Yehowa ƒe ŋkeke gã dziŋɔ la le ɖoɖom la. (Hebritɔwo 10:24, 25) Le ɖekawɔwɔ me kple Ŋɔŋlɔa ƒe sedede sia la, míekpɔ mɔ be míawɔ nutome gã takpekpewo le xexeame godoo le ƒe si gbɔna [2002] me. Emegbe le ƒe 2003 me la, ne Yehowa lɔ̃ la, ɖewohĩ anɔ bɔbɔe be míawɔ dukɔwo dome takpekpe tɔxɛwo le xexea ƒe akpa aɖewo. Fifiae nye ɣeyiɣi si míanɔ ŋute ahanɔ ŋudzɔ eye míanɔ dzesi dem alesi xexeame ƒe nudzɔdzɔwo le edzi yimee.”

Togbɔ be nuwo mele mɔ ɖeka tom o eye nɔnɔmewo le sesẽm ɖe edzi esi fifi nuɖoanyi sia le eƒe nuwuwu ɖom hã la, ele be Mawu ƒe amewo ƒe dɔwɔnawo nayi ŋgɔ. Ele be woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe nyanyui, si me Biblia me nuxlɔ̃ame gbedasia le, la na dukɔ sia dukɔ, to sia to, gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple amesiame, woafia wo be ‘woavɔ̃ Mawu, eye woatsɔ ŋutikɔkɔe nɛ; elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃gaƒoƒo la ɖo vɔ.’ (Nyaɖeɖefia 14:6, 7) Eyata le míaƒe Dziƒofofo ƒe lɔlɔ̃nu kple eƒe dzidzɔ nu la, wole ɖoɖo wɔm ɖe dukɔwo dome takpekpewo wɔwɔ le xexeame ƒe akpa vovovowo ŋu le ƒe 2003 me.

Be woatsɔ adze egɔmee la, wowɔ ɖoɖo ɖe takpekpe mawo wɔwɔ le dugã ʋɛ aɖewo me le Dziehe Amerika kple emegbe le Europa ŋu. Eye le ƒe 2003 megbe teti la, woawɔ ɖoɖo be takpekpeayilawo ƒe ƒuƒoƒowo nazɔ mɔ ayi dugã ʋɛ aɖewo me le Asia; eye ne ƒea yina nu wu ge la, ƒuƒoƒo bubuwo ayi Afrika, Anyiehe Amerika, kple le Pacific nutowo me. Woabia tso alɔdzedɔwɔƒe aɖewo si be woaɖo ame ʋɛ aɖewo ɖe takpekpe wɔƒe aɖewo, eyata manɔ bɔbɔe be amesiame nade o. Ke hã ade dzi ƒo ŋutɔ be ame ʋɛ aɖewo nanɔ woƒe dukɔ vovovowo teƒe ayi le teƒeawo dometɔ ɖesiaɖe.

Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo axɔ takpekpe siawo ŋuti nyatakakawo kpuie. Yiyila siwo woakpe la, axɔ ɣletiŋkeke kple dugã siwo me woade le la ŋuti nyatakakawo tso woƒe alɔdzedɔwɔƒe vovovoawo gbɔ. Le esia ta la, míele biabiam be míagaŋlɔ lɛta alo abia nyawo tso nya sia ŋu haɖe o.

Amesiwo woatia mlɔeba be woayi la anye Ðasefo ɖeadzɔgbe xɔnyɔnyrɔ siwo aɖo kpɔɖeŋu nyuiwo ahaɖe nɔvilɔlɔ̃ afia dua me nɔviwo la ko. Nenema ke, mɔnukpɔkpɔ nyuiwo asu woawo hã si be woatsɔ lɔlɔ̃ ado woezɔ na amedzroawo ahaɖe amedzrowɔwɔ si me alakpa mele o afia wo. (Hebritɔwo 13:1, 2) Esia awɔe be ‘dzidedeƒo na ame nɔewo ayi edzi.’ (Romatɔwo 1:11, 12) Alɔdzedɔwɔƒe siwo si woabia tsoe be woaɖo amewo ɖe dukɔ aɖe alo dukɔwo me la ana numekɔkɔ geɖe tso ɖoɖo sia ŋu.

Abe alesi wònɔna ɖaa ene la, woawɔ ɖoɖo ɖe ƒe 2003 me ŋkeke etɔ̃ nutome gã takpekpewo ŋu le dukɔ akpa gãtɔ me. To takpekpe ɖekae me la, mɔnukpɔkpɔ asu mí katã si be ‘míase nu, asrɔ̃ nu, ahaxɔ dzideƒoname.’ (Mose V, 31:12; Korintotɔwo I, 14:31) Esia aʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na Mawu ƒe amewo katã be ‘woaɖɔe kpɔ, eye woakpɔ be, Yehowa ƒe dɔme nyo.’ (Psalmo 34:9) Dutanyanyuigblɔlawo anɔ dukɔwo dome takpekpeawo katã kple nutome gã takpekpe geɖe me, wo dometɔ aɖewo akpɔ gome le ɖoɖowɔɖia ƒe akpa aɖewo me.

Le ƒe sia me la, miele gome kpɔm le “Fiaɖuƒe Gbeƒãɖela Veviedonulawo” Nutome gã Takpekpe si dea dzo mía me be míaɖe gbeƒã geɖe wu la me. Esi míele gome kpɔm le esia me la, míaƒe mɔkpɔkpɔ na nusi Yehowa dzra ɖo ɖi na mí le ƒe si gbɔna me la atsi ɖe edzi godoo. Esia akpe ɖe mía ŋu be ‘míanɔ ŋudzɔ, anɔ ŋute, eye míasu te’ le ɣeyiɣi sesẽ si ɖo eƒe nuwuwu vɔ la me.—Mateo 24:42-44.