Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mègana Woable Wò O

Mègana Woable Wò O

Mègana Woable Wò O

BEBLE dzɔɣi de sɔsɔ ge kloe kple ameƒomea ƒe anyinɔnɔ ƒe didime. Nudzɔdzɔ gbãtɔ siwo woŋlɔ ɖi le ŋutinya me la dometɔ ɖekae nye amebeble. Ɣemaɣie nye ɣeyiɣi si me Satana ble Xawa le Eden-bɔa me.—Mose I, 3:13; Timoteo I, 2:14.

Togbɔ be ɣeyiɣi aɖeke meva yi si me amebeble bɔ le anyigba dzi de ɣemaɣi nu o hã la, egbeŋkekea me tɔ ya gavlo ɖe edzi. Esime Biblia nɔ nu ƒom tso míaƒe egbeŋkekea ŋu la, exlɔ̃ nu be: “Ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo la woayi dzi vɔ̃ɖitɔe wu anɔ amewo blem, eye amewo able wo.”—Timoteo II, 3:13.

Susu vovovo tae woblea amewo ɖo. Ayemenuwɔlawo kple amesiwo doa ŋugbe ƒuƒluwo blea amewo tsɔ xɔa ga le wo sii. Dunyahela aɖewo blea woƒe nutowo me tɔwo, le esi wodi godoo be yewoaganɔ ɖoƒe ma ta. Ame aɖewo blea wo ɖokui gɔ hã. Le esi teƒe be woalɔ̃ ɖe nuwɔnawo me tsonu siwo menyo o dzi la, wogblɔna na wo ɖokuiwo be naneke megblẽ le nuwɔna siwo me afɔku le, abe atamanono, atikevɔ̃ɖizazã, kple gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ ŋu o.

Emegbe amebeble le subɔsubɔnyawo me hã li. Subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ anyi le Yesu ŋɔli blea ameawo. Yesu gblɔ tso ameblela mawo ŋu be: “Mɔfiala ŋkuagbãtɔwo wonye na ŋkuagbãtɔwo. Ke ne ŋkuagbãtɔ le mɔ fiam ŋkuagbãtɔ la, wo kpakple eve la katã woayi aɖadze do me.” (Mateo 15:14) Gawu la, amewo blea wo ɖokui le subɔsubɔnyawo me. Lododowo 14:12 gblɔ be: “Ame aɖewo ƒe mɔ dzɔ le wo ŋku me; ke eƒe nuwuwu enye ku ƒe mɔ.”

Abe alesi wònɔ le Yesu ŋɔli ene la, woblea ame geɖe le subɔsubɔnyawo me eye mewɔ nuku kura o! Apostolo Paulo gblɔ be Satana ‘gbã ŋku na dzimaxɔsetɔwo ƒe tamesusu, bene Kristo, si nye Mawu ƒe nɔnɔme la, ƒe ŋutikɔkɔe nyanyuie la ƒe kekeli nagaklẽ na wo o.’—Korintotɔwo II, 4:4.

Ne ametafala aɖe ble mí la, ga buna na mí. Ne dunyahela ble mí la, ɖewohĩ ana be ablɔɖe si le mía si la ƒe ɖe si nu dome agblẽ. Gake ne Satana ble mí be míegbe Yesu Kristo ŋuti nyateƒea la, agbe mavɔe abu ɖe mí! Eyata mègana woable wò o. Ʋu wò susu kple dzi na subɔsubɔ me nyateƒe si ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o, si nye Biblia la. Ne míewɔe alea o la, ke nu geɖe ŋutɔ abu na mí.—Yohanes 17:3.