Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Míaƒe Xexeame Katã Ƒe Nɔviwo Ƒe Habɔbɔa Do Ŋusẽm

Míaƒe Xexeame Katã Ƒe Nɔviwo Ƒe Habɔbɔa Do Ŋusẽm

Agbemeŋutinya

Míaƒe Xexeame Katã Ƒe Nɔviwo Ƒe Habɔbɔa Do Ŋusẽm

ABE ALESI THOMSON KANGALE GBLƆE ENE

Le April 24, 1993 dzi la, wokpem meyi alɔdzedɔwɔƒe yeye, si ŋu wotu xɔ vovovo 13 kpe ɖo ŋukɔkɔ ƒe wɔnawo teƒe le Lusaka, Zambia. Esi azɔli menya nɔ zɔzɔm nam kura o ta la, Kristotɔ nɔvinyɔnu si nɔ mía kplɔm ɖi tsae le dɔwɔƒea biam tufafatɔe be, “Àdi be matsɔ zikpui ɖe asi na wò be ne ɖeɖi te ŋuwò nànɔ anyi agbɔ ɖe eme viea?” Ameyibɔ menye, eye eya nye yevu, gake menye emae le vevie nɛ o. Ewɔ dɔ ɖe dzinye vevie eye meda akpe nɛ, elabena eƒe dɔmenyonyoe kpe ɖe ŋunye meɖi tsa le alɔdzedɔwɔƒe bliboa.

LE ƑE siwo va yi me la, nuteƒekpɔkpɔ abe esiawo tɔgbe ene ʋãa dzi nam eye wògadoa ŋusẽ nye kakaɖedzi be le Yehowa Ðasefowo ƒe Kristotɔwo ƒe habɔbɔa me la, lɔlɔ̃ si Kristo gblɔ be ade dzesi ye yomedzela nyateƒetɔwo la li vavã. (Yohanes 13:35; Petro I, 2:17) Na magblɔ alesi mewɔ ke ɖe Kristotɔ siawo ŋu le ƒe 1931 me, ƒe si me wogblɔ gaglã be yewodi be woayɔ Biblia me ŋkɔ si nye Yehowa Ðasefowo na yewo, la ŋu nya na wò.—Yesaya 43:12.

Subɔsubɔdɔa Gɔmedzedze le Afrika

Le November 1931 me la, mexɔ ƒe 22 eye menɔ Kitwe, si le Copperbelt nuto me le Northern Rhodesia (si nye Zambia fifia). Xɔlɔ̃ aɖe si mía kplii míeƒoa bɔl ye ɖem fia Ðasefoawo. Mede woƒe kpekpe aɖewo eye meŋlɔ lɛta ɖo ɖe alɔdzedɔwɔƒe si le Cape Town, South Africa, be woaɖo Biblia-srɔ̃gbalẽ si nye The Harp of God ɖem. * Eŋlisigbe mee wota agbalẽa ɖo, eye exexlẽ sesẽ nam elabena nyemese gbea nyuie o.

Woxɔ ame geɖe siwo tso nuto bubuwo me ɖe dɔme le akɔblikuƒe si le Copperbelt-nutoa me, si didi kilometa 240 tso Bangweulu-ta la ƒe anyieheɣetoɖoƒe, eye wòte ɖe afisi menɔ tsi ŋu. Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo geɖe kpena le afima edziedzi wɔa Biblia-nusɔsrɔ̃. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, meʋu le Kitwe yi Ndola si nye du si te ɖe afima ŋu me, eye mete hadede kple Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo aɖe le afima. Ɣemaɣi la, menye bɔlƒoha aɖe si woyɔna be Prince of Wales ƒe ŋgɔnɔla. Azɔ hã menɔ Afrika Tawo Dzi Sitsaha, si nye adzɔha si si fiase geɖe nɔ le titina Afrika nutowo me la ƒe amegã si nye yevu la ƒe aƒeme nɔ esubɔm.

Nyemede suku yi ŋgɔ boo o, eye Europatɔ siwo menɔ dɔ wɔm na la gbɔe mesrɔ̃ Eŋlisigbe ʋɛ si menya la le. Gake medi kokoko be made suku ayi ŋgɔ, eye mewɔ ɖoɖo be mayi suku aɖe le Plumtree, Southern Rhodesia (si nye Zimbabwe fifia). Gake le ɣeyiɣi ma me la, megaŋlɔ lɛta na Cape Town lɔdzedɔwɔƒea zi evelia. Mena wonya be nye asi su The Harp of God ƒe agbalẽa dzi eye medi be masubɔ Yehowa ɣeyiɣiawo katã.

Ewɔ nuku nam esi mexɔ woƒe ŋuɖoɖo be: “Míekpɔ ŋudzedze ɖe wò didi be yeasubɔ Yehowa ŋu. Míedi be míade dzi ƒo na wò be nàtsɔ nyaa de gbedodoɖa me, eye Yehowa akpe ɖe ŋuwò nàse nyateƒea gɔme nyuie, ahafia afisi nàsubɔe le la wò.” Le lɛtaa xexlẽ zi gbɔ zi geɖe vɔ megbe la, mebia Ðasefo geɖe nusi wòle be mawɔ. Wogblɔ be: “Ne wò didi ŋutɔŋutɔ wònye be yeasubɔ Yehowa la, ekema wɔ afɔɖeɖea enumake nàsubɔe.”

Medo gbe ɖa le nyaa ŋu kwasiɖa blibo ɖeka, eye metso nya me mlɔeba be maɖe asi le nye sukudede ƒe ɖoɖoa ŋu bene mayi nye Biblia-nusɔsrɔ̃ dzi kple Ðasefoawo. Le ƒe si kplɔe ɖo me, si nye January 1932 me la, metsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me ɖo kpe nye adzɔgbeɖeɖe dzi na Yehowa Mawu. Emegbe meʋu tso Ndola yi Luanshya dugã si te ɖe afima ŋu me, eye medo go Jeanette, si nye haxɔsetɔ, eye míeɖe srɔ̃ le September 1934 me. Viŋutsuvi ɖeka kple vinyɔnuvi ɖeka nɔ Jeanette si hafi míeɖe mía nɔewo.

Ʋɛʋɛʋɛ la, mewɔ gbɔgbɔ me ŋgɔyiyi, eye le ƒe 1937 me la, mege ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me. Le ema megbe kpuie la, wotiam be manye subɔla mɔzɔla, si woyɔna fifia be nutome sue dzikpɔla. Dzikpɔla mɔzɔlawo srãa Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo kpɔna hedoa ŋusẽ wo le gbɔgbɔ me.

Gbeƒãɖeɖe le Ƒe Gbãtɔawo Me

Le January 1938 me la, wobia tso asinye be mayi aɖasrã Afrika-fia aɖe si ŋkɔe nye Sokontwe si di be Yehowa Ðasefowo nanɔ ye gbɔ vam la kpɔ. Medo gasɔ ŋkeke etɔ̃ hafi ɖo afisi wòle. Esi megblɔ nɛ be eƒe lɛta si wòŋlɔ ɖo ɖe míaƒe Cape Town lɔdzedɔwɔƒea tae meva la, dzi dzɔe ŋutɔ.

Metsa tso aƒeme yi aƒeme hekpe wo va insaka (si nye dutoƒo kpekpewɔƒea). Esi woƒo ƒu la, meƒo nu na ameha la. Mlɔeba la, medze Biblia-nusɔsrɔ̃ geɖe wɔwɔ gɔme. Kɔƒea me fia la kple eƒe agbalẽŋlɔlae zu hamemegã gbãtɔwo le afima. Egbea, hame siwo wu 50 sɔŋ ye le nuto ma me, si woyɔna fifia be Samfya nuto me.

Tso ƒe 1942 vaseɖe 1947 me la, mesubɔ le Bangweulu-ta la ƒe nutoa me. Menɔa hame ɖesiaɖe gbɔ ŋkeke ewo. Esi wònye dɔwɔla ʋɛ aɖewo koe le gome kpɔm le gbɔgbɔmenuŋeŋedɔa me ɣemaɣi ta la, míesee le mía ɖokui me abe mía Aƒetɔ Yesu Kristo ene, esime wògblɔ be: “Nuŋeŋe la sɔ gbɔ; ke nuŋelawo mede ha o. Eyaŋuti miɖe kuku na nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la bena, wòadɔ dɔwɔlawo aɖo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.” (Mateo 9:36-38) Le gɔmedzeɣeyiɣi mawo me la, mɔzɔzɔ menɔ bɔbɔe kura o, eyata megblẽa Jeanette kple ɖeviawo ɖe Luanshya hafi yi ɖasrãa hameawo kpɔna. Vaseɖe ɣemaɣi la, mía kple Jeanette hã míedzi vi eve, gake ɖeka ku esi wòxɔ ɣleti ewo.

Ʋuwo mesɔ gbɔ le ŋkeke mawo me o, eye nenema ke nye mɔdodowo hã. Gbeɖeka medo Jeanette ƒe gasɔ zɔ mɔ didi aɖe si wu kilometa 200. Ɣeaɖewoɣi ne ehiã be matso tɔsisi sue aɖe la, mekɔna gasɔa ɖe abɔta, tsɔna asi ɖeka lenɛ, hetsɔna abɔ evelia ƒua tsiae. Eva dzɔ be Ðasefo siwo le Luanshya ƒe agbɔsɔsɔme va dzi ɖe edzi geɖe, eye le ƒe 1946 me la, ame 1,850 ye de Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia.

Akɔkpekpe Kple Tsitretsitsi Ðe Míaƒe Dɔa Ŋu

Ɣeaɖeɣi esi Xexemeʋa II nɔ edzi yim la, dudzikpɔla si le Kawambwa na wokplɔm va egbɔ eye wògblɔ nam be: “Medi be nàdzudzɔ Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽwo zazã elabena woxe mɔ ɖe wo nu fifia. Gake mate ŋu atsɔ dɔwɔnu aɖewo si nàte ŋu atsɔ aŋlɔ agbalẽ bubu siwo nàzã le wò dɔa wɔwɔ me la ana wò.”

Meɖo eŋu nɛ be: “Agbalẽ siwo le mía si la nyo nam. Nyemegahiã naneke kpee o.”

Egblɔ be: “Mènya Amerikatɔwo o ɖe,” (ɣemaɣi la, wotaa míaƒe agbalẽwo le United States). “Woable wò.”

Meɖo eŋu be: “Ao, amesiwo mele dɔ wɔm kplii mawɔ nenema o.”

Ebia azɔ be: “Ðe màte ŋu ana wò hameawo nadzɔ ga atsɔ ado alɔ aʋa la abe alesi subɔsubɔha bubuawo le ewɔm ene oa?”

Meɖo eŋu be: “Dziɖuɖua ƒe dɔtsɔlawo ƒe dɔe nye ema.”

Egblɔ be: “Nukata màyi aƒeme ava bu eŋu o?”

Meɖo eŋu be: “Le Mose II, 20:13; kple Timoteo II, 2:24 la, Biblia de se na mí be míagawu ame o eye míagawɔ dzre o.”

Togbɔ be woɖe mɔ nam medzo hã la, emegbe Fort Rosebery, si nye du si woyɔna fifia be Mansa, ƒe nutoa dzi kpɔla yɔm be mava. Egblɔ be: “Meyɔ wò va afii be mana nànya be dziɖuɖua xe mɔ ɖe miaƒe agbalẽawo nu.”

Meɖo eŋu be: “Ẽ. Mese nu tso eŋu.”

“Eyata ele be nàyi wò hamewo katã me eye nàgblɔ na amesiwo mia kpli wo miesubɔna be woatsɔ agbalẽawo katã va afii. Eme kɔa?”

Meɖo eŋu be: “Menye nye dɔe nye ma o. Dziɖuɖua ƒe dɔtsɔlawo ƒe agbanɔamedzie.”

Kutsetse si Do tso Gododo aɖe Me

Esi aʋaa ke la, míenɔ gbeƒãɖeɖe dzi madzudzɔmadzudzɔe. Le ƒe 1947 me, ɖeko mesubɔ hame aɖe le kɔƒe aɖe si woyɔna be Mwanza me vɔ koe nye ma eye mebia be woafiam afisi mate ŋu adze tii kplu ɖeka le. Woɖɔ ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Aƒetɔ Nkonde ƒeme, afisi tiidzraƒe le nam. Aƒetɔ Nkonde kple srɔ̃a xɔm vividoɖeameŋutɔe. Mebia Aƒetɔ Nkonde be ate ŋu anɔ agbalẽ si nye “Let God Be True” ƒe ta si gblɔ be “Hell, Mɔkpɔkpɔ ƒe Gbɔɖemeƒe Wònye” la xlẽm esi mele nye tii la nom hã.

Esi meno tii la vɔ la, mebiae be: “Eyata aleke nèse hell gɔmee?” Esi nusi wòxlẽ wɔ mo ya nɛ ŋutɔ ta la, edze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple Ðasefoawo eye emegbe woa kple srɔ̃a siaa va xɔ nyɔnyrɔ. Togbɔ be meyi edzi nye Ðasefo o hã, srɔ̃a kple viawo dometɔ geɖe lé eme ɖe asi. Le nyateƒe me la, viawo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Pilney kpɔtɔ le subɔsubɔm le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒea le Zambia. Eye togbɔ be Pilney dada zu ame tsitsi fifia hã la, ekpɔtɔ nye Ðasefo nuteƒewɔla.

Ɣedzeƒe Afrika Yiyi

Míaƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Northern Rhodesia, si woɖo le ƒe 1948 ƒe gɔmedzedze le Lusaka, ɖom ɖe Tanganyika (si nye Tanzania fifia). Ðasefo bubu kpe ɖe mía kple srɔ̃nye ŋu míezɔ afɔ to towo dzi. Ŋkeke etɔ̃ sɔŋ míezɔ mɔa eye ɖeɖi te mía ŋu ŋutɔ. Metsɔ míaƒe agbalẽgba, srɔ̃nye tsɔ míaƒe nudodowo, eye Ðasefo si kpe ɖe mía ŋu hã tsɔ míaƒe numlɔdziwo.

Esi míeɖo Mbeya le March 1948 me la, nu geɖe li wòle be míawɔ atsɔ akpe ɖe nɔviawo ŋu woawɔ ɖɔɖɔɖo bene woƒe agbenɔnɔ nasɔ ɖe Biblia ƒe nufiafiawo nu bliboe. Gbetakpɔxɔtɔwo nye ŋkɔ si woyɔna na mí le nuto ma me. Togbɔ be nɔviawo lɔ̃ ɖe ŋkɔ Yehowa Ðasefowo dzi hã la, womena amewo nyae na wo o. Gakpe ɖe eŋu la, ehiã be Ðasefo aɖewo naɖe asi le kɔnu aɖewo siwo ku ɖe ame kukuwo subɔsubɔ ŋu la ŋu. Gake ɖewohĩ tɔtrɔ sesẽtɔ kekeake si wòhiã be wo dometɔ geɖe nawɔ enye be woade woƒe srɔ̃ɖeɖe agbalẽ me le se nu ne bubu nanɔ wo ŋu le amewo katã dome.—Hebritɔwo 13:4.

Emegbe la, mɔnukpɔkpɔ su asinye mesubɔ le teƒe bubuwo le Ɣedzeƒe Afrika, siwo dome Uganda hã nɔ. Menɔ Entebbe kple Kampala kwasiɖa ade sɔŋ, afisi míekpe ɖe ame geɖe ŋu le wokpɔ Biblia ƒe nyateƒea ŋuti sidzedze.

Wokpem Yi New York City

Esi mesubɔ le Uganda ɣeyiɣi aɖe la, meva ɖo Dar es Salaam si nye Tanganyika ƒe fiadu le ƒe 1956 ƒe gɔmedzedze. Lɛta aɖe si tso Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒe gã nɔ nye lalam le afima. Emenyawo fia be ele be manɔ dzadzraɖo wɔm hena gomekpɔkpɔ le dukɔwo dome takpekpe si woawɔ le July 27 vaseɖe August 3, 1958, le New York la me. Abe alesi nàkpɔe xoxo ene la, mɔnukpɔkpɔa do dzidzɔ nam wu gbɔgblɔ.

Esi ɣeyiɣia de la, mía kple dzikpɔla mɔzɔla bubu si ŋkɔe nye Luka Mwango, míeɖo yameʋu tso Ndola yi Salisbury (si woyɔna fifia be Harare), Southern Rhodesia, eye emegbe míeva ɖo Nairobi, Kenya. Tso afima la, míeɖo yameʋu yi London, England, afisi woxɔ mí le vividoɖeameŋutɔe. Esi míemlɔ anyi le zã si míeɖo England me la, dzi nɔ mía dzɔm ale gbegbe eye míeyi edzi nɔ dze ɖom le alesi yevuwo xɔ mí amesiwo nye Afrikatɔwo vividoɖeameŋutɔe nenema gbegbe ŋu. Nusi teƒe míekpɔ la de dzi ƒo na mí ale gbegbe.

Mlɔeba míeva ɖo New York, le takpekpea wɔƒe. Le takpekpea ƒe ŋkeke aɖe dzi la, mena nyatakaka le alesi Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa le edzi yimee le Northern Rhodesia la ŋu. Le ŋkeke ma dzi la, nyasela siwo ƒe agbɔsɔsɔme ade 200,000 ƒo ƒu ɖe New York City ƒe Polo Grounds kple Yankee Stadium. Nyemete ŋu dɔ alɔ̃ zã ma o, le mɔnukpɔkpɔ wɔnuku si su asinye ŋububu dzidzɔtɔe ta.

Eteƒe medidi o, takpekpea wu enu eye míetrɔ gbɔ va aƒe. Esi míetrɔ gbɔna aƒe la, míegase vivi le mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le England ƒe amedzrowɔwɔ lɔlɔ̃tɔe me ake. Woɖe ɖekawɔwɔ si le Yehowa ƒe amewo dome, metsɔ le eme ameƒomevi alo dukɔ si me wotso o, la fia mí le mɔzɔzɔ ma me, eye míaŋlɔe be akpɔ o!

Subɔsubɔdɔa Dziyiyi Kple Tetekpɔwo

Le ƒe 1967 me la, wotiam be manye nutome gã dzikpɔla—si nye subɔla si ɖia tsa tso nutome sue yi nutome sue me. Vaseɖe ɣemaɣi la, Ðasefo siwo le Zambia ƒe agbɔsɔsɔme dzi ɖe edzi wu 35,000. Emegbe le lãmegbegblẽ ta la, wogbugbɔ ɖom ɖe nutome sue dzikpɔdɔa me le Copperbelt. Mlɔeba la, lãmegbegblẽ va nɔ fu ɖem na Jeanette eye le December 1984 me la, eku le nuteƒewɔwɔ me na Yehowa.

Le eƒe ku megbe la, mese veve ŋutɔ esi srɔ̃nye ƒometɔwo tso nunye be nyee tsɔ adze wu srɔ̃nyeae. Gake amesiwo nya nu tso Jeanette ƒe dɔlélea ŋu eye woɖo dze kple eƒe ɖɔkta kpɔ la kɔ nyaa me na ƒometɔ siawo. Emegbe tetekpɔ bubuwo gafɔ ɖe te. Ƒometɔ aɖewo di be mawɔ wo gbɔ kɔnu si woyɔna be ukupyanika. Le nuto si me metso me la, kɔnu sia bia be ne amesrɔ̃ ku la, amesi le agbe nadɔ kple ame kukua ƒe ƒometɔ kplikplikpli aɖe. Ðikeke mele eme o be megbe.

Mlɔeba la, ƒometɔwo ƒe nyaƒoɖeamenuwo nu tso. Edo dzidzɔ nam be Yehowa kpe ɖe ŋunye menɔ te sesĩe. Esi woɖi srɔ̃nye ɣleti ɖeka megbe la, nɔviŋutsu aɖe va gbɔnye va gblɔ nam be: “Nɔviŋutsu Kangale, ènye dzideƒo blibo na mí le srɔ̃wò ƒe kuɣi elabena trɔ̃subɔsubɔ kɔnyinyi ɖeka hɔ̃ hã meli nèɖe mɔ wòkpe dziwò o. Míedi be míada akpe manyagblɔ aɖe na wò.”

Nuŋeŋe Wɔnuku Aɖe

Ƒe 65 enye esia si medze nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa gɔme abe Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka ene. Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wònye nam be mekpɔ be woɖo hame alafa geɖe hetu Fiaɖuƒe Akpata geɖe le nuto siwo me mesubɔ le kpɔ abe dzikpɔla mɔzɔla ene! Tso Ðasefo 2,800 siwo nɔ anyi le ƒe 1943 me la, fifia míedzi ɖe edzi wu Fiaɖuƒegbeƒãɖela 122,000 le Zambia. Le nyateƒe me amesiwo wu 514,000 ye de Ŋkuɖodzia le ƒe si va yi me le dukɔ sia si me nɔlawo siwo mede ame miliɔn 11 o la dome.

Fifia la, Yehowa le tanye kpɔm nyuie. Ne ehiã be mayi atikewɔƒe la, nɔviŋutsu Kristotɔ aɖe kplɔam yia kɔa dzii. Hamewo gakpeam be mava ƒo dutoƒonuƒo, eye ɣeyiɣi mawo nyea tutuɖoɣi geɖe nam. Hame si me mele wɔ ɖoɖo nɔvinyɔnu Kristotɔwo ɖɔa li wo nɔewo va dzraa nye aƒeme ɖo nam, eye nɔviŋutsuwo tsɔa wo ɖokui nana faa va kplɔam yia kpekpeawo kwasiɖa sia kwasiɖa. Menyae kɔte be nyemakpɔ lɔlɔ̃ ƒe takpɔkpɔ sia tɔgbe le afi aɖeke ne menye Yehowa subɔmee mele o. Meda akpe nɛ be ekpɔtɔ le zãyem le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me kple subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ siwo su asinye vaseɖe fifia la ta.

Nye ŋkuwo megale nu kpɔm nyuie o, eye ne mezɔ yina Fiaɖuƒe Akpataa me la, ele be magbɔ ɖe eme le mɔa dzi zi geɖe. Edze abe nye agbalẽkploa le kpekpem azɔ ene, eyata meɖe agbalẽ siwo nyemazã le kpekpea me o le eme bene akploa nanɔ wodzoe. Amesiwo vaa nye aƒeme mewɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ kpli wo la koŋue nye gbeadzisubɔsubɔdɔ si mewɔna. Gake dzidzɔ ka gbegbe wònye ne meɖo ŋku ƒe siwo va yi dzi hede ŋugble le dzidziɖedzi wɔnuku si míekpɔ la ŋu! Mesubɔ le afisi Yehowa ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Yesaya 60:22 kpɔ emevava ɖedzesi aɖe le. Afimae wogblɔ le be: “Ame suewo azu akpe, eye ame ʋɛwo azu dukɔ sesẽ. Nye Yehowa, nye asi matsɔ awɔe le ewɔɣi.” Le nyateƒe me la, menɔ agbe kpɔ nya ma ƒe emevava tututu, menye le Zambia ɖeɖeko o, ke le xexeame katã. *

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 7 Yehowa Ðasefowoe tae gake womegale etam fifia o.

^ mm. 50 Nublanuitɔe la, ŋusẽ va vɔ le Nɔviŋutsu Kangale ŋu, eye wòku le nuteƒewɔwɔ me esi míenɔ dɔ wɔm le nyati sia ŋu hena tata.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 24]

Thomson enye sia, kple Zambia alɔdzedɔwɔƒea le emegbe

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Zambia alɔdzedɔwɔƒea egbea