Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa ƒe Mɔwo Dzi Zɔzɔ Hea Yayra Gbagowo Vɛ

Yehowa ƒe Mɔwo Dzi Zɔzɔ Hea Yayra Gbagowo Vɛ

Yehowa ƒe Mɔwo Dzi Zɔzɔ Hea Yayra Gbagowo Vɛ

ÈZƆ towo tame kpɔa? Ne èzɔe kpɔ la, ɖewohĩ èsee le ɖokuiwò me abe xexeame ƒe tamee yele ene. Aleke gbegbe ya fafɛa gbɔgbɔ, adzɔge ʋĩ kpɔkpɔ, kple alesi anyigbaa nya kpɔe la kpɔkpɔ ado dzidzɔ na wòe nye si! Ðewohĩ nusiwo ta nètsia dzimaɖi le anyime hafi lia toa maganɔ vevie na wò boo o.

Le ame geɖe gome la, mɔnukpɔkpɔ mesua wo si wowɔa tsaɖiɖi mawo tɔgbe o, gake ne Kristotɔ ɖeadzɔgbee nènye la, ekema ànya nɔ zɔzɔm le towo dzi xoxo—le gbɔgbɔmegɔmesese nu. Ðikeke mele eme o be ànya do gbe ɖa abe blema hakpala la ene be: “Yehowa, ɖe wò mɔwo fiam, eye nafia wò toƒewom!” (Psalmo 25:4) Èɖo ŋku alesi nèse le ɖokuiwò me esi nèyi Yehowa ƒe aƒe ƒe toa dzi zi gbãtɔ hete zɔzɔ le edzi la dzia? (Mixa 4:2; Xabakuk 3:19) Ðikeke manɔmee la, ànya kpɔe be tadedeagu dzadzɛa ƒe toƒe kɔkɔ siawo dzi zɔzɔ he ametakpɔkpɔ kple dzidzɔ vɛ na wò. Èse le ɖokuiwò me abe hakpala la ene be: “Woayra dukɔ, si nya aseyetsotso! Yehowa, woazɔ le wò ŋku me kekeli me.”—Psalmo 89:15.

Gake ɣeaɖewoɣi la, amesiwo ɖia tsa le towo dzi va ɖoa teƒe siwo kɔkɔ eye wo lialia sesẽna ŋutɔ. Woƒe afɔwo tea wo veve, eye ɖeɖi tea wo ŋu. Míawo hã míate ŋu ado go nya sesẽwo le míaƒe mawusubɔsubɔ me. Ðewohĩ anɔ eme be nya sesẽ aɖewo tu mí nyitsɔ laa gɔ̃ hã. Aleke míawɔ be ŋusẽ nagaɖo mía ŋu ne dzi nagadzɔ mí ake? Afɔɖeɖe gbãtɔ enye be míade dzesi alesi Yehowa ƒe mɔwo ƒo ɖesiaɖe tae.

Yehowa ƒe Se Deŋgɔwo

Yehowa ƒe mɔwo ‘kɔ wu amegbetɔwo tɔ,’ eye woɖo eƒe ‘subɔsubɔ ɖe towo tame, eye wòƒo togbɛwo ta.’ (Yesaya 55:9; Mixa 4:1) Yehowa ƒe nunya enye “nunya si tso dziƒo.” (Yakobo 3:17) Eƒe sewo kɔkɔ wu bubuawo katã. Le kpɔɖeŋu me, le ɣeyiɣi si me Kanaantɔwo tsɔ wo viwo nɔ vɔ sam ŋutasesẽtɔe la, Yehowa tsɔ se si de ŋgɔ si me nublanuikpɔkpɔ le na Israel-viwo. Egblɔ na wo be: ‘Migawɔ nu ɖe ame dahe ŋu ameŋkumekpɔkpɔtɔe o, eye migakpɔ amegãwo ŋku me o. Amedzro nanɔ mia gbɔ abe duamevi ene, eye nàlɔ̃e abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.’—Mose III, 19:15, 34.

Ƒe alafa 15 megbe la, Yesu ɖe Yehowa ƒe “gãnyenye kple ŋutikɔkɔe se” ƒe kpɔɖeŋu bubuwo fia. (Yesaya 42:21) Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo le Todzimawunyaa me be: “Milɔ̃ miaƒe ketɔwo; miyra amesiwo ƒoa fi dea mi; . . . bena ne miazu mia Fofo, si le dziƒo la, ƒe viwo.” (Mateo 5:44, 45) Egblɔ kpee be: “Eyaŋuti nusianu, si mielɔ̃na bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo; elabena esia enye se la kple nyagblɔɖilawo.”—Mateo 7:12.

Se deŋgɔ siawo wɔ dɔ ɖe dzinyuitɔwo dzi, si ʋãa wo be woasrɔ̃ Mawu si subɔm wole ƒe nɔnɔme. (Efesotɔwo 5:1; Tesalonikatɔwo I, 2:13) Bu tɔtrɔ si va apostolo Paulo ƒe agbe me ŋu kpɔ. Esi míese eŋkɔ zi gbãtɔ la, ‘ekpɔ dzidzɔ le Stefano wuwu ŋuti eye wògblẽ hame la.’ Le ƒe ʋɛ aɖewo megbe la, enɔ nu wɔm tufafatɔe kple Kristotɔ siwo nɔ Tesalonika abe “alesi vidada kpɔa ye ŋutɔ viawo dzii ene.” Mawu ƒe nufiafia trɔ Paulo, amesi nye yometila tsã, wòzu Kristotɔ ameŋubula. (Dɔwɔwɔwo 8:1, 3; Tesalonikatɔwo I, 2:7) Le nyateƒe me la, edze Paulo ŋu be Kristo ƒe nufiafia ɖɔ yeƒe amenyenye ɖo. (Timoteo I, 1:12, 13) Aleke míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖeɖe fia le mɔ ma ƒomevi nu akpe ɖe mía ŋu míayi edzi azɔ le Mawu ƒe mɔ siwo kɔ wu la dzii?

Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðeɖe Fia le Mɔa Zɔzɔ Me

Teƒe dzeani vovovo siwo todzitsaɖilawo te ŋu kpɔna tso adzɔge doa dzidzɔ na wo geɖe. Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nuwɔwɔ dzeani suewo abe kpe aɖe ƒomevi, seƒoƒo dzeani aɖe, alo lã wɔadã aɖe kpɔkpɔ flui doa dzidzɔ na amesiwo ɖia tsa le towo dzi. Ele be míaƒe ŋku nanɔ gbɔgbɔmefetu—suewo kple gãwo siaa—siwo dona tsoa zɔzɔ kple Mawu me la ŋu. Esia nyanya ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatsɔ dzo yeye kple ŋusẽ yeye azɔe. Míagblɔ abe Dawid ene be: “Na mase wò amenuveve le ŋdi, elabena ŋuwò mele ŋu ɖom ɖo; ɖe mɔ, si mato la fiam.”—Psalmo 143:8.

Mary, amesi zɔ Yehowa ƒe mɔ dzi ƒe geɖe la gblɔ be: “Ne mekpɔ Yehowa ƒe nuwɔwɔwo la, menye mɔ wɔnuku si nu wòwɔe le ko mekpɔna o, ke boŋ mekpɔa Mawu ƒe amenyenye si nye lɔlɔ̃ sɔŋ la hã. Eɖanye lã, xevi, alo nudzodzoevie o, wo dometɔ ɖesiaɖe nye nukunu le eɖokui si. Vivisese ma kee dona tsoa gbɔgbɔ me nyateƒe siwo me va nɔa kɔkɔm vivivi esi ƒeawo va le yiyim hã me.”

Aleke míawɔ adzi míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe edzii? Mɔ ɖeka enye be míagatsɔ nusi Yehowa wɔna na mí nu tsɛe o. Paulo ŋlɔ be: “Minɔ gbedodoɖa dzi madzudzɔmadzudzɔe!” “Mida akpe le nusianu ŋuti.”—Tesalonikatɔwo I, 5:17, 18; Psalmo 119:62.

Ðokuisinusɔsrɔ̃ kpena ɖe mía ŋu míenyea akpedalawo. Paulo xlɔ̃ nu Kolose Kristotɔwo be: ‘Mizɔ le Kristo Yesu me, eye miagba go le xɔse kple akpedada me.’ (Kolosetɔwo 2:6, 7) Biblia xexlẽ kple ŋugbledede le nusiwo míexlẽ ŋu doa ŋusẽ míaƒe xɔse eye wòtea mí ɖe Amesi gbɔ Biblia tso la ŋu. Le Biblia katã me la, nya xɔasi siwo ate ŋu aʋã mí be “miagba go le akpedada me” la li fũ.

Yehowa subɔsubɔ kple mía nɔviwo ɖekae hã nana mɔa dzi zɔzɔ nɔna bɔbɔe. Hakpala la gblɔ le eɖokui ŋu be: “Xɔlɔ̃ menye na amesiwo katã vɔ̃a wò kple amesiwo léa ŋku ɖe wò sededewo ŋu.” (Psalmo 119:63) Kristotɔwo ƒe takpekpewo alo hadede kple mía nɔviwo nyea míaƒe dzidzɔɣeyiɣi siwo tua ame ɖo wu dometɔ aɖewo. Míedea dzesii be Yehowa kple eƒe mɔ kɔkɔawo gbɔe míaƒe xexeame katã ƒe Kristotɔwo ƒe ƒome xɔasia tso.—Psalmo 144:15b.

Tsɔ kpe ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖeɖe fia ŋu la, nusi nye ame ƒe agbanɔamedzi nyanya ado ŋusẽ mí be míayi edzi ayi ŋgɔ le Yehowa ƒe mɔ kɔkɔwo dzi zɔzɔ me.

Ame ƒe Agbanɔamedzi Nyanya le Mɔa Zɔzɔ Me

Todzitsaɖila siwo ɖɔa ŋu ɖo kpɔnɛ dea dzesii be ele be yewoakpɔ nyuie le yewoƒe zɔzɔme ŋu ne yewomagabu alo ate ɖe agado ŋu akpa o. Esi míenye amesiwo si tiatiawɔblɔɖe le ta la, Yehowa ɖe mɔ na mí be míawɔ ablɔɖe kple susu ŋudɔ alesi dze. Gake ablɔɖe sia bia be míanya míaƒe agbanɔamedziwo le míaƒe Kristotɔwo ƒe dɔdasiwo wɔwɔ me.

Le kpɔɖeŋu me, Yehowa ka ɖe esubɔlawo dzi be woakpɔ woƒe dɔdasiwo gbɔ kple moveviɖoɖo. Megblɔ ɣeyiɣi kple ŋusẽ si nu wòle be míazã le Kristotɔwo ƒe dɔdasiwo wɔwɔ me alo ga home alo nudzɔdzɔ ƒomevi si wòle be míana o. Ke boŋ Paulo ƒe nya si wògblɔ na Korintotɔwo ka mí katã hã be: “Amesiame abe alesi wòɖo ɖi le eƒe dzi me ene.”—Korintotɔwo II, 9:7; Hebritɔwo 13:15, 16.

Kristotɔ ƒe agbanɔamedzi le nunana gome ƒe akpa aɖe ku ɖe nyanyuia gbɔgblɔ na amewo hã ŋu. Míeɖenɛ fiana hã be míenya míaƒe agbanɔamedzi ne míedzɔa nu be woatsɔ ado xexeame katã ƒe Fiaɖuƒedɔa ɖe ŋgɔe. Gerhardt, si nye hamemegã, ɖe eme be ye kple ye srɔ̃ yewodzi yewoƒe nudzɔdzɔ ɖe edzi geɖe esi yewotso takpekpe aɖe si wowɔ le Ɣedzeƒe Europa gbɔ. Egblɔ be: “Míekpɔe be ŋutilãmenu ʋɛ aɖewo koe le mía nɔvi siwo le afima si; gake wokpɔa ŋudzedze ɖe míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo ŋu ale gbegbe, eyata míeɖoe be míana kpekpeɖeŋu si míate ŋui la mía nɔvi siwo nu hiã le anyigba bubuwo dzi.”

Dzidodo Geɖe Hiã Mí

Zɔzɔ le to kɔkɔwo dzi bia ŋusẽ geɖe. Afɔzɔlawo dea kame ɣesiaɣi si woate ŋui, eye wo dometɔ geɖe zɔa afɔ yia teƒe siwo medidi boo o tsɔ dzrana wo ɖokui ɖo ɖe afɔzɔzɔ ayi teƒe legbeewo ŋu. Nenema ke Paulo ɖo aɖaŋu be míawɔ geɖe le teokrasidɔwo me bene míate ŋu atu míaƒe gbɔgbɔmelãmesẽ ɖo. Paulo gblɔ be ele be amesiwo di be ‘yewoazɔ alesi dze Yehowa bene woado ŋusẽ yewo la nayi edzi atse ku le dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me.’—Kolosetɔwo 1:10, 11.

Ŋusẽdoame kpena ɖe afɔzɔlawo ŋu woyia edzi kpɔa ŋgɔ. Alekee? Alesi woaɖo taɖodzinua, abe to si le adzɔge ʋĩ ene, gbɔ ƒe susu me nɔnɔ na ame nyea dzideƒo. Eye ne afɔzɔlaa va ɖo teƒe nyanyɛ aɖewo la, ate ŋu akpɔ alesi wòle ŋgɔ yim ɖo ta eƒe taɖodzinua gbɔe adze sii kɔte. Ne ekpɔ mɔ didime si nu wòzɔ xoxo la, eƒe dzi dzea eme.

Nenema ke míaƒe agbe mavɔ mɔkpɔkpɔa léa mí ɖe te eye wòdoa ŋusẽ mí be míayi edzi aʋli. (Romatɔwo12:12) Fifia gɔ̃ hã, esi míele zɔzɔm le Yehowa ƒe mɔwo dzi la, míekpɔnɛ be míete ŋu wɔa nuwo dea goe ne míeɖo Kristotɔwo ƒe taɖodzinuwo na mía ɖokui hedzea agbagba be míaɖo wo gbɔ. Eye aleke gbegbe dzi dzɔa mí enye esi ne míekpɔ alesi míesubɔ ƒe geɖe nuteƒewɔwɔtɔe alo ne míekpɔ tɔtrɔ siwo míewɔ le míaƒe amenyenye ŋu!—Psalmo 16:11.

Be ŋusẽ nanɔ afɔzɔlawo ŋu woate ŋu azɔ aɖo teƒe didiwo la, wozɔna ɖe ɖoɖo aɖe nu. Nenema ke ɖoɖo nyui si me kpekpewo dede kple gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ edziedzi le la akpe ɖe mía ŋu míayi edzi anɔ míaƒe taɖodzinu minyam. Eyata Paulo de dzi ƒo na hati Kristotɔwo be: “Minɛ míazɔ ɖe mɔ ma ke nu.”—Filipitɔwo 3:16.

Gake mele be míaɖe mía ɖokui ɖe aga ne míele Yehowa ƒe mɔawo dzi zɔm o. Paulo ŋlɔ bena: “Míalé ŋku ɖe mía nɔewo ŋu, bena míade dzi ƒo na mía nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me.” (Hebritɔwo 10:24) Gbɔgbɔ me hadede ɖɔʋu ana wòanɔ bɔbɔe be míagbɔdzɔ le zɔzɔ aduadu kple haxɔsetɔwo me o.—Lododowo 13:20.

Mlɔeba, nusi le vevie wu enye be mele be míaŋlɔ Yehowa ƒe ŋusẽdoame be gbeɖe o. Amesiwo ƒe ŋusẽ tso Yehowa gbɔ ‘ƒe ŋusẽ ado gã ɖe edzi ɣesiaɣi.’ (Psalmo 84:6, 8) Togbɔ be míado go nɔnɔme sesẽwo ɣeaɖewoɣi hã la, míate ŋu ato wo me le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me.