Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Tsɔ Kekeli Ðo Atsyɔ̃ Na Eƒe Amewo

Yehowa Tsɔ Kekeli Ðo Atsyɔ̃ Na Eƒe Amewo

Yehowa Tsɔ Kekeli Ðo Atsyɔ̃ Na Eƒe Amewo

“Nyɔnu, tso naklẽ, elabena wò kekeli va, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe dze ɖe dziwò!”—YESAYA 60:1, “NW.”

1, 2. (a) Nɔnɔme ka mee ameƒomea le? (b) Amekawoe na ameƒomea le viviti me?

“OO, Yesaya alo Paulo Kɔkɔe ye míakpɔ hafi!” Nenemae United States Dukplɔla Harry Truman fa konyi le keke ƒe 1940-awo mee. Nukatae wògblɔ nya mawo? Ekpɔe be kplɔla siwo si nɔnɔme nyuitɔ kekeake le la hiã. Ameƒomea to ƒe alafa 20 lia ƒe ɣeyiɣi si do viviti wu ɖesiaɖe, si nye xexemeʋã evelia la me do koe nye ma. Togbɔ be aʋaa ke hã la, ŋutifafa menɔ xexeame o. Viviti gakpɔtɔ nɔ anyi. Le nyateƒe me, xexeame gale viviti me kokoko ƒe 57 enye esia tso esime aʋa ma ke megbe. Ðikeke mele eme o be ne ɖe Dukplɔla Truman gale agbe egbea la, anye ne agakpɔe kokoko be kplɔla siwo ƒe agbenɔnɔ le abe Yesaya alo Paulo tɔ ene hiã.

2 Eɖanye be Dukplɔla Truman nya alo menya o, apostolo Paulo ƒo nu tso viviti si me ameƒomea le ŋu, eye wòxlɔ̃ nu ku ɖe eŋu le eƒe agbalẽwo me. Le kpɔɖeŋu me, exlɔ̃ nu ehati xɔsetɔwo be: ‘Míele kame tem kple ʋu kpakple ŋutilã o, ke boŋ mía kple dziɖulanyenye kple ŋusẽ kple xexe sia me fia, siwo le fifi viviti sia me kpakple vɔ̃ɖinyenye ƒe gbɔgbɔ, siwo le dziƒonutowo me lae le kame tem.’ (Efesotɔwo 6:12) Paulo ƒe nya siawo fia be menye ɖeko wòde dzesi gbɔgbɔmeviviti si me xexeame le ko o, ke enya etsoƒe ŋutɔŋutɔ hã—woawoe nye gbɔgbɔ vɔ̃ sẽŋu siwo wòyɔ be ‘xexe sia dziɖulawo.’ Esi gbɔgbɔ vɔ̃ sẽŋuwo gbɔe xexe sia ƒe vivitimenɔnɔ tso ta la, nukae amegbetɔ tsɛwo ate ŋu awɔ aɖee ɖa?

3. Togbɔ be ameƒomea le blukɔɣeyiɣi me hã la, nya kae Yesaya gblɔ ɖi ku ɖe nuteƒewɔlawo ŋu?

3 Nenema ke Yesaya hã ƒo nu tso viviti si me ameƒomea le ŋu. (Yesaya 8:22; 59:9) Gake esi wònɔ mɔ kpɔm na míaƒe ɣeyiɣia la, gbɔgbɔ ʋãe wògblɔ ɖi be le blukɔɣeyiɣi siawo gɔ̃ hã me la, Yehowa akɔ ŋku dzi na amesiwo lɔ̃a kekeli. Nyateƒee, togbɔ be Paulo kple Yesaya ŋutɔŋutɔ mele mia dome o hã la, nusiwo gbɔgbɔ ʋã wo woŋlɔ le mía si afia mɔ mí. Be míanya yayra si gbegbe wònye na amesiwo lɔ̃a Yehowa la, mina míadzro Yesaya ƒe nyagblɔɖinya siwo le eƒe agbalẽa ƒe ta 60 lia me.

Nyagblɔɖi me Nyɔnu aɖe Klẽ

4, 5. (a) Nukae Yehowa gblɔ na nyɔnua be wòawɔ, eye ŋugbe kae wòdo? (b) Dzidzɔnya kawoe le Yesaya ta 60 lia me?

4 Nya siwo wotsɔ dze Yesaya ta 60 lia gɔmee la ƒo nu tso nyɔnu aɖe si ƒe nɔnɔme wɔ nublanui ŋutɔ—ele viviti me, hetsyɔ mo anyi—la ŋu. Kasia kekeli klẽ ɖe vivitia me, eye Yehowa do ɣli gblɔ be: “Nyɔnu, tso naklẽ, elabena wò kekeli va, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe dze ɖe dziwò!” (Yesaya 60:1, NW ) Ɣeyiɣi de azɔ na nyɔnua be wòatso ɖe tsitre ana Mawu ƒe kekeli, eƒe ŋutikɔkɔe naklẽ. Nukatae? Míekpɔ ŋuɖoɖoa le kpukpui si kplɔe ɖo me: “Viviti xɔ anyigba dzi, eye blukɔ tsyɔ dukɔwo, ke wò la, Yehowa adze ɖe dziwò, eye eƒe ŋutikɔkɔe ado ɖe dziwò.” (Yesaya 60:2) Nyɔnua wɔ ɖe Yehowa ƒe sededea dzi, eye wògblɔ emetsonu wɔnukuwo nɛ. Yehowa gblɔ be: “Anyigba dzi dukɔwo azɔ le wò kekeli nu kple fiawo le wò keklẽ ƒe dzedze nu.”—Yesaya 60:3.

5 Dzidzɔnya siwo le kpukpui etɔ̃ siawo me nye Yesaya ta 60 me nya susɔeawo ƒe totoɖeme. Wogblɔ nusiwo me nyagblɔɖi me nyɔnua ato ɖi eye wogblɔ alesi míate ŋu anɔ Yehowa ƒe kekeli me togbɔ be ameƒomea anɔ viviti me hã la na mí. Gake nuka tututue nyagblɔɖi me kpɔɖeŋu siwo le kpukpui etɔ̃ siawo me fia?

6. Amekae nye nyɔnu si le Yesaya ta 60 lia, eye amekawoe le eteƒe le anyigba dzi?

6 Nyɔnu si le Yesaya 60:1-3 ye nye Zion, si nye Yehowa ƒe dziƒohabɔbɔ si me gbɔgbɔmenuwɔwɔwo le. Egbea la, “Mawu ƒe Israel” ƒe ame susɔea siwo nye Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na ƒe hame si le dukɔwo dome, siwo ƒe mɔkpɔkpɔ enye be yewoava ɖu fia kple Kristo le dziƒo lae le Zion teƒe le anyigba dzi. (Galatiatɔwo 6:16) Gbɔgbɔmedukɔ sia me tɔwo ƒe xexlẽme va yi 144,000, eye Yesaya ta 60 lia ƒe emevava le egbeŋkekeawo me ku ɖe wo dometɔ siwo gale agbe le ‘ŋkeke mamlɛ’ siawo me ŋu. (Timoteo II, 3:1; Nyaɖeɖefia 14:1) Azɔ hã nyagblɔɖia me nya geɖe ku ɖe Kristotɔ amesiamina siawo ƒe zɔhɛ siwo nye ‘alẽ bubuawo’ ƒe “ameha gã” la ŋu.—Nyaɖeɖefia 7:9; Yohanes 10:16.

7. Nɔnɔme ka mee Zion nɔ le ƒe 1918 me, eye aleke wogblɔ esia ŋu nya ɖii?

7 Ðe ɣeyiɣi aɖe va kpɔ si me “Mawu ƒe Israel” mlɔ viviti me, abe alesi wòdze le nyagblɔɖi me nyɔnua gome enea? Ẽ, esia dzɔ le ƒe 80 kple edzivɔ siwo va yi me. Le xexemeʋa gbãtɔ wɔɣi la, Kristotɔ amesiaminawo dze agbagba vevie be yewoalé ɖaseɖiɖidɔa ɖe te. Gake le ƒe 1918 me, si nye aʋaa ƒe ƒe mamlɛa me la, gbeƒãɖeɖedɔ si ŋu ɖoɖo nɔ la tɔ te keŋkeŋ kloe. Wotsɔ alakpanyawo ɖe Joseph F. Rutherford si nɔ xexeame katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi kpɔm kple Kristotɔ bubu siwo nɔ ŋgɔ xɔm la ŋu hetso nya me be woanɔ gaxɔ me ƒe geɖe. Le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me la, woƒo nu tso nɔnɔme si me Kristotɔ amesiaminawo nɔ ɣemaɣi le anyigba dzi ŋu le nyagblɔɖi me be wonye ame kuku siwo mlɔ “du gã la ƒe ablɔ me; woyɔ du sia le lododo me bena: Sodom kple Egipte.” (Nyaɖeɖefia 11:8) Ɣeyiɣi ma nye viviti ƒe ɣeyiɣi na Zion, si teƒe via amesiaminawo nɔ le anyigba dzi nyateƒe!

8. Tɔtrɔ gã kae va le ƒe 1919 me, eye nukae do tso eme?

8 Gake tɔtrɔ gã aɖe va le ƒe 1919 me. Yehowa na kekeli klẽ ɖe Zion dzi! Mawu ƒe Israel me tɔ siwo ganɔ agbe la tso ɖe tsitrenu eye wona Mawu ƒe kekeli klẽ eye wogadze gbeƒãɖeɖe nyanyuia gɔme vɔvɔ̃manɔmee. (Mateo 5:14-16) Le dzo yeye si gaɖo Kristotɔ siawo me ta la, ame bubuwo va Yehowa ƒe kekelia me. Le gɔmedzedzea me la, wosi ami na vavala yeyeawo be woanye Mawu ƒe Israel la me tɔ bubuwo. Woyɔ wo le Yesaya 60:3 be fiawo, elabena woava nye hatidziɖulawo kple Kristo le Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea me. (Nyaɖeɖefia 20:6) Emegbe la, alẽ bubuawo ƒe ha gã aɖe va te zɔzɔ le Yehowa ƒe kekelia me. Amesiawoe nye ‘dukɔ’ siwo woyɔ le nyagblɔɖia me.

Nyɔnua ƒe Viwo Trɔ Va Aƒe!

9, 10. (a) Nukpɔkpɔ dodzidzɔname kae nyɔnua kpɔ, eye nukae nusia le tsitre ɖi na? (b) Susu kawo tae Zion akpɔ dzidzɔ?

9 Azɔ, Yehowa dze nyagblɔɖinya si le Yesaya 60:1-3 gɔmeɖeɖe tsitotsito gɔme. Egaɖe gbe bubu na nyɔnua. Se nya si gblɔm wòle: “Fɔ kɔ dzi nakpɔ nu godoo va kpe.” Nyɔnua wɔe nenema, eye nu dodzidzɔname ka gbegbee nye si wòkpɔ! Viawo trɔ gbɔna aƒe. Ŋɔŋlɔa yi edzi gblɔ be: “Wo katã woƒo ta kpli gbɔna gbɔwò! Wò ŋutsuviwo atso didiƒe ava, eye woakpa wò nyɔnuviwo ɖe axada me.” (Yesaya 60:4) Xexeame katã ƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔ si gɔme wodze tso ƒe 1919 me la he ame yeye akpe geɖewo va Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me. Amesiawo hã va zu Zion ƒe ‘viŋutsu’ kple ‘vinyɔnu,’ Mawu ƒe Israel si wosi ami na la me tɔwo. Nenemae Yehowa ɖo atsyɔ̃ na Zion esi wòkplɔ ame 144,000 ƒe ame susɔeawo va kekelia mee.

10 Àte ŋu asusu dzidzɔ si gbegbe Zion kpɔ esi viawo va ɖo egbɔa? Ke hã Yehowa gagblɔ susu bubu siwo ta wòle be Zion nakpɔ dzidzɔ. Míexlẽ be: “Ekema àkpɔe, eye àko atsemenu, wò dzi adzo kpo, eye wòavu eɖokui; elabena atsiaƒu me nu xɔasiwo do agbogbo ɖe dziwò, eye dukɔwo ƒe kesinɔnuwo va na wò.” (Yesaya 60:5) Le ɖekawɔwɔ me kple nyagblɔɖinya mawo la, Kristotɔ gbogbo siwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le la le zi nyẽm va Zion tso ƒe 1930-awo me ke. Wodo go tso ameƒomea si te ɖa tso Mawu gbɔ ƒe “atsiaƒu” me eye wotsi tre ɖi na dukɔwo ƒe kesinɔnuwo. Woawoe nye “dukɔwo katã ƒe nu vevitɔ.” (Xagai 2:7; Yesaya 57:20) Gade dzesii be “nu vevitɔ” siawo melé woa ŋutɔwo ƒe mɔ tsɔ be yewoava subɔ Yehowa alesi dze yewo ŋu o. Ao, ke boŋ wona Zion ƒe atsyɔ̃ɖoɖo dzi ɖe edzi to alesi wova be yewoasubɔ kple wo nɔvi amesiaminawo hezu “alẽha ɖeka” le “alẽkplɔla ɖeka” te.—Yohanes 10:16.

Asitsalawo, Kple Alẽkplɔlawo Va Zion

11, 12. Ƒo nu tso ameha siwo wokpɔ woyina ɖe Zion ŋu.

11 Nusi do tso amewo nuƒoƒoƒu si wogblɔ ɖi mee nye be Yehowa kafulawo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi wòɖe dzesi. Wogblɔ esia ɖi le nyagblɔɖinya siwo gbɔna me. Tsɔe be mia kple nyagblɔɖi me nyɔnua miele tsitre ɖe Zion-to dzi. Ètrɔ kpɔ ɣedzeƒe, eye nukae nèkpɔ? “Kposɔwo anyẽ atsyɔ wò bibibi kple kposɔviwo tso Midian kple Efa; wo katã woatsɔ sika kple dzudzɔ ʋeʋẽedonu atso Seba vɛ, eye woaɖe gbeƒã Yehowa ƒe kafukafu.” (Yesaya 60:6) Asitsala gbogbo aɖewo kplɔ woƒe kposɔwo to mɔawo dzi gbɔna Yerusalem. Kposɔawo sɔ gbɔ abe tsie ɖɔ ɖe anyigba dzi ene! Asitsalaawo tsɔ nunana xɔasiwo, “sika kple dzudzɔ ʋeʋẽedonu” ɖe asi. Eye asitsala siawo gbɔna Mawu ƒe kekelia me be yewoakafui le gaglãgbe, be “woaɖe gbeƒã Yehowa ƒe kafukafu.”

12 Menye asitsalawo koe le mɔa dzi gbɔna o. Alẽkplɔlawo hã le zi nyẽm gbɔna Zion. Nyagblɔɖia gagblɔ kpee be: “Kedar ƒe lãhawo katã aƒo ƒu ɖe ŋuwò, eye Nebayot ƒe agbowo asubɔ wò.” (Yesaya 60:7a) Lãkplɔlawo gbɔna du kɔkɔe la me be woatsɔ woƒe lãhawo ƒe nyuitɔ ana Yehowa. Wotsɔ wo ɖokui gɔ̃ hã na be yewoasubɔ Zion! Aleke Yehowa xɔ amedzro siawoe? Mawu ŋutɔ ɖo eŋu be: “Woava nye vɔsamlekpui dzi, ne woadze ŋunye, eye mawɔ leke na nye atsyɔ̃xɔ la.” (Yesaya 60:7b) Yehowa xɔ amedzro siawo ƒe vɔsasa kple subɔsubɔdɔ amenuvevetɔe. Woƒe afima nɔnɔ ɖo atsyɔ̃ na eƒe gbedoxɔ.

13, 14. Nukae wokpɔ be etso ɣetoɖoƒe gbɔna?

13 Azɔ trɔ kɔ nàkpɔ ɣetoɖoƒe gome ɖa. Nukae nèkpɔ? Le didiƒe ʋĩ la, nu ɣi suesue aɖewo siwo ɖi alilikpo ɣi la le zɔzɔm le atsiaƒua dzi. Yehowa bia nya sia si le susu me na wò be: “Amekawoe nye esiawo, siwo le ya ʋum abe alilikpo ene, eye abe ahɔnee yina ɖe eƒe xɔ gbɔ ene?” (Yesaya 60:8) Yehowa ŋutɔ ɖo eya ŋutɔ ƒe nyaa ŋu be: “Nyee ƒukpowo le mɔ kpɔm na, eye Tarsis-ƒukpowo do ŋgɔ, be woakplɔ viwòwo tso didiƒe vɛ; wohe woƒe klosalo kple sika ɖe asi hena Yehowa, wò Mawu ƒe ŋkɔ, hena Israel ƒe kɔkɔetɔ la, elabena eɖo atsyɔ̃ na wò.”—Yesaya 60:9.

14 Àte ŋu akpɔ nɔnɔmea le susu mea? Alilikpo ɣi mawo te tu aƒe eye azɔ esi wo gogo wò la, èkpɔe be wole abe nu suesue siwo ƒo ƒu le ɣetoɖoƒe ʋĩ ene. Wole dzedzem abe xewoe le tsia dzi ene. Gake esi wo gogo wò wu la, èkpɔ be wonye tɔdziʋu siwo keke abalawo me be ya naɖo wo me. Eyata tɔdziʋu gbogbo aɖewoe le atsiaƒu dzi gbɔna Yerusalem eye wole abe ahɔnewo ƒe ha gã aɖe ene. Tɔdziʋuawo tsɔ xɔsetɔwo le du dzi sesĩe tso didiƒewo gbɔna Yerusalem be woava de ta agu na Yehowa.

Yehowa ƒe Habɔbɔ Le Ta Kekem

15. (a) Dzidziɖedzi ŋuti nya kae wogblɔ ɖi le Yesaya 60:4-9? (b) Nɔnɔme kae Kristotɔ akuakuawo ɖena fiana?

15 Dzidziɖedzi si yi edzi tso ƒe 1919 me ŋu nyagblɔɖikpɔɖeŋu si dze kɔte ka gbegbee nye si míekpɔ le kpuikpui 4 va ɖo 9 lia! Nukatae Yehowa yra Zion kple dzidziɖedzi alea gbegbe ɖo? Elabena tso keke ƒe 1919 me la, Mawu ƒe Israel la tsɔ toɖoɖo na Yehowa ƒe kekelia klẽ madzudzɔmadzudzɔe. Gake ɖe nède dzesii le kpukpui 7 lia be vavala yeyeawo ‘va Mawu ƒe vɔsamlekpui dzia’? Vɔsamlekpui nye afisi wotsɔa nuwo saa vɔe le, eye nyagblɔɖia ƒe akpa sia ɖo ŋku edzi na mí be Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa lɔ vɔsasa ɖe eme. Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Mexlɔ̃ nu mi . . . be miatsɔ miaƒe ŋutilãwo awɔ vɔsasa gbagbe, si ŋuti kɔ, si dzea Mawu ŋu, si nye subɔsubɔ kɔkɔe si miawɔ kple miaƒe tamebubu ŋutete.” (Romatɔwo 12:1, NW ) Le ɖekawɔwɔ me kple Paulo ƒe nya mawo la, mesɔ gbɔ na Kristotɔ akuakuawo be woade mawusubɔsubɔ ƒe wɔna aɖewo wɔƒe zi ɖeka le kwasiɖa me ko evɔ o. Wotsɔa woƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ, kple nunɔamesiwo nana tsɔ doa alɔ tadedeagu dzadzɛtɔ. Ðe alesi subɔla siwo tsɔ wo ɖokui na alea meɖo atsyɔ̃ na Yehowa ƒe aƒea oa? Yesaya ƒe nyagblɔɖia gblɔe ɖi be nenemae wòanɔ. Eye míate ŋu aka ɖe dzi be tadeagula veviedola siawo hã nya kpɔna le Yehowa ŋkume.

16. Amekawoe do alɔ gbugbɔgatudɔ le blemaɣeyiɣiwo me, eye amekawoe le ewɔm le egbeŋkekea me?

16 Vavala yeyeawo di be yewoawɔ dɔ. Nyagblɔɖia yi edzi be: “Amedzroviwo aɖo wò gliwo, eye woƒe fiawo asubɔ wò.” (Yesaya 60:10) Le nya siawo ƒe emevava gbãtɔ le tɔtrɔgbɔ tso aboyome le Babilon megbe la, fiawo kple ame bubu siwo tso dukɔwo me na kpekpeɖeŋu ŋutɔŋutɔ le gbedoxɔ kple Yerusalem dugã gbugbɔgatu me. (Ezra 3:7; Nexemya 3:26) Le emevava le egbeŋkekea me la, ameha gã la na kpekpeɖeŋu amesiaminawo le tadedeagu vavã tutuɖo me. Wonaa kpekpeɖeŋu le Kristo-hamewo tutuɖo me eye mɔ sia dzie wotona doa ŋusẽ Yehowa ƒe habɔbɔ si le abe dugã ene ƒe “gliwo.” Wogakpɔa gome le Fiaɖuƒe Akpatawo, Takpexɔwo, kple Betel-ƒewo ŋutɔŋutɔwo tutu me. To mɔ siawo katã dzi la, wodoa alɔ wo nɔvi amesiaminawo be wokpɔa Yehowa ƒe habɔbɔ si le ta kekem ƒe nuhiahiãwo gbɔ!

17. Mɔ ɖeka ka dzie Yehowa ɖoa atsyɔ̃ na eƒe amewo le?

17 Aleke gbegbee Yesaya 60:10 ƒe nya mamlɛawo dea dzi ƒo na amee enye esi! Yehowa gblɔ be: ‘Anye ne maƒo wò le nye dɔmedzoe me hafi, gake makpɔ nublanui na wò le nye amenuveve ta.’ Ẽ, le ƒe 1918 kple 1919 me la, Yehowa he to na eƒe amewo. Gake ema dzɔ va yi. Fifiae nye ɣeyiɣi na Yehowa be wòaɖe nublanuikpɔkpɔ afia eƒe subɔla amesiaminawo kple woƒe zɔhɛ alẽ bubuawo. Nusi ɖo kpe esia dzie nye dzidziɖedzi gbogbo si wòtsɔ yra eƒe amewo, hele ‘atsyɔ̃ ɖom na wo.’

18, 19. (a) Ŋugbe kae Yehowa do ku ɖe ame yeye siwo gbɔna eƒe habɔbɔa me ŋu? (b) Nya kawoe Yesaya ta 60 lia ƒe kpukpui mamlɛawo gblɔ na mí?

18 Ƒe sia ƒe la, ‘amedzrovi’ yeye akpe alafa geɖe va dea ha kple Yehowa ƒe habɔbɔa, eye mɔa gale ʋuʋu ɖi na ame bubu geɖewo. Yehowa gblɔ na Zion be: “Wò agbowo anɔ nuvo ɖaa, eye womado wo o zã kple keli, ne woahe dukɔwo ƒe kesinɔnuwo vɛ na wò, eye woƒe fiawo nanɔ wo nu.” (Yesaya 60:11) Tsitretsiɖeŋula aɖewo dzea agbagba be yewoatu ‘agboawo,’ gake míenyae be womate ŋui o. Yehowa ŋutɔe gblɔ be nuka kee ɖadzɔ o, agboawo anɔ ʋuʋu ɖi. Dzidziɖedzia anɔ edzi yim.

19 Mɔ bubuwo gali siwo dzi Yehowa tona yraa eƒe amewo, heɖoa atsyɔ̃ na wo le ŋkeke mamlɛ siawo me. Yesaya ta 60 ƒe kpukpui mamlɛawo ɖe nusi mɔ mawo nye me le nyagblɔɖinyawo me.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Amekae nye Mawu ƒe “nyɔnu” la, eye amekawoe le eteƒe le anyigba dzi?

• Ɣekaɣie Zion-viwo mlɔ anyi, ɣekaɣie “wofɔ” eye alekee?

• Aleke Yehowa gblɔ egbeŋkekea me ƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ƒe dzidziɖedzia ɖi le mɔ vovovo nui?

• Mɔ kawo nue Yehowa na eƒe kekeli klẽ ɖe eƒe amewo dzi le?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Woɖe gbe na Yehowa ƒe “nyɔnu” la be wòatsi tre

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Tɔdziʋuawo ƒe ƒuƒoƒo le abe ahɔnewo ene le didiƒe ʋĩ