Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kristotɔwo Dea Ta Agu Le Gbɔgbɔ Kple Nyateƒe Me

Kristotɔwo Dea Ta Agu Le Gbɔgbɔ Kple Nyateƒe Me

Kristotɔwo Dea Ta Agu Le Gbɔgbɔ Kple Nyateƒe Me

“Mawue nye Gbɔgbɔ, eye amesiwo le gbe dom ɖa nɛ la, ele be, woado gbe ɖa le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.”—YOHANES 4:24.

1. Tadedeagu ka ƒomevie dzea Mawu ŋu?

YEHOWA ƒe Tenuvi, Yesu Kristo, na wonya tadedeagu si ƒomevi dzea Fofoa si le dziƒo ŋu eme kɔ nyuie. Esi Yesu nɔ ɖase dodzidzɔname aɖe ɖim na Samaria nyɔnu aɖe le vudo aɖe to le Sixar la, egblɔ be: “Miawo la miedoa gbe ɖa na nusi mienya o; míawo la míedoa gbe ɖa na nusi míenya; elabena xɔxɔ la tso Yudatɔwo gbɔ. Gake gaƒoƒo gbɔna, eye wòde azɔ, esi nyateƒegbedoɖalawo ado gbe ɖa na Fofo la le gbɔgbɔ kple nyateƒe me; elabena Fofo la dia gbedoɖala siawo tɔgbe. Mawue nye Gbɔgbɔ, eye amesiwo le gbe dom ɖa nɛ la, ele be, woado gbe ɖa le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.” (Yohanes 4:22-24) Aleke wòle be míase nya siawo gɔmee?

2. Nuka dzie Samariatɔwo tu woƒe tadedeagu ɖo?

2 Aʋatsodzixɔsewo nɔ Samariatɔwo si. Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo ƒe agbalẽ atɔ̃ gbãtɔwo koe woxɔ be wotso gbɔgbɔ me—eye edze le woawo ŋutɔ tɔ si wogbugbɔ ŋlɔ si woyɔna be Samariatɔwo ƒe Mose ƒe Agbalẽ Atɔ̃awo me be esiawo ko dzie woda asi ɖo. Togbɔ be Samariatɔwo menya Mawu tututu o hã la, wotsɔ Ŋɔŋlɔa me sidzedze de Yudatɔwo ya si. (Romatɔwo 3:1, 2) Mɔkpɔkpɔa li be Yehowa ƒe amenuveve nasu Yudatɔ wɔnuteƒewo kple ame bubuwo si. Gake nukae esia abia tso wo si?

3. Nukae tadedeagu na Mawu le “gbɔgbɔ kple nyateƒe” me bia?

3 Be Yudatɔwo, Samariatɔwo, kple ame bubu siwo nɔ anyi le blema la ƒe nu nadze Yehowa ŋu la, nukae wòhiã be woawɔ? Ele be woade ta agu nɛ le “gbɔgbɔ kple nyateƒe me.” Nenema ke wòle be míawɔe. Togbɔ be ele be agbe, alo dzo, nanɔ Mawu subɔsubɔ me, eye wòatso dzi si lɔlɔ̃ kple xɔse yɔ fũ me hã la, tadedeagu na Mawu le gbɔgbɔ me bia be míana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea nanɔ mía dzi eye míaɖe mɔ wòafia mɔ mí. To Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ kple eŋudɔwɔwɔ me la, ele be míaƒe gbɔgbɔ, alo tamesusu natrɔ ɖe etɔ dzi. (Korintotɔwo I, 2:8-12) Be míaƒe tadedeagu nadze Yehowa ŋu la, ele hã be nyateƒe nakpe ɖe eŋu. Ele be woasɔ ɖe nusi Mawu ƒe Nya, Biblia, gblɔ ku ɖe eyama kple eƒe tameɖoɖowo ŋu nu.

Woate Ŋu Ake Ðe Nyateƒe Ŋu

4. Aleke ame aɖewo bua nyateƒee?

4 Nukpɔsusu aɖe va le xexemenunyasrɔ̃la aɖewo si be nyateƒe akuakua mate ŋu asu ameƒomea si o. Le nyateƒe me la, Sweden agbalẽŋlɔla Alf Ahlberg ŋlɔ bena: “Xexemenunya ŋuti biabia aɖewo le ale gbegbe be mele bɔbɔe be woaɖo wo ŋu tẽ o.” Togbɔ be ame aɖewo gblɔna be nusi de nyateƒea ɖi ge koe li hã la, nenemae wòlea? Yesu Kristo mebui nenema o.

5. Nukatae Yesu va xexeame ɖo?

5 Mina míatsɔe be míele nudzɔdzɔ si gbɔna la teƒe: Ƒe 33 M.Ŋ. ƒe gɔmedzedzea mee, eye Yesu le tsitre ɖe Roma-mɔ̃mefia Pontio Pilato ŋkume. Yesu gblɔ na Pilato be: “Esia ta meva xexeame ɖo, bena maɖi ɖase na nyateƒe la.” Pilato bia be: “Nukae nye nyateƒe?” Gake megalala se nya si gblɔ ge Yesu le o.—Yohanes 18:36-38.

6. (a) Aleke woɖe “nyateƒe” gɔmee? (b) Dɔ kae Yesu de asi na eyomedzelawo?

6 Woɖe “nyateƒe” gɔme be enye “nu, nudzɔdzɔ, kple nya siwo le eteƒe.” (Webster’s Ninth New Collegiate Dictionary ) Gake nyateƒe gbadzaa ŋue Yesu ɖi ɖase lea? Ao. Nyateƒe aɖe koŋue nɔ susu me nɛ. Ede dɔ asi na eyomedzelawo be woaɖe gbeƒã nyateƒe ma, elabena egblɔ na wo be: ‘Miwɔ dukɔwo katã me nɔlawo ne woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me, miafia wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la.’ (Mateo 28:19, 20) Hafi ‘nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu’ naɖo la, Yesu ƒe nusrɔ̃la vavãwo aɖe gbeƒã “nyanyui la ƒe nyateƒe” le anyigba bliboa dzi. (Mateo 24:3; Galatiatɔwo 2:14) Woawɔ esia wòanye Yesu ƒe nyawo me vava be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.” (Mateo 24:14) Eyata ele vevie be míatsɔ gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒeŋutinya nyuia adze si amesiwo le nyateƒea fiam dukɔwo katã.

Alesi Míawɔ Asrɔ̃ Nyateƒea

7. Aleke nàɖo kpe edzii be Yehowae nye nyateƒea Dzɔtsoƒe?

7 Yehowae nye gbɔgbɔmenyateƒea Dzɔtsoƒe. Le nyateƒe me la, hakpala Dawid yɔ Yehowa be “Mawu nyateƒetɔ.” (Psalmo 31:6; 43:3) Yesu lɔ̃ ɖe edzi be ye Fofo ƒe nya nye nyateƒe, eye wògblɔ hã be: “Woŋlɔ ɖe nyagblɔɖilawo me bena: ‘Eye wo katã woanye amesiwo Yehowa fia nu wo.’ Amesiame, si see le Fofoa gbɔ, eye wòsrɔ̃e la, ava gbɔnye.” (Yohanes 6:45; 17:17; Yesaya 54:13) Ekema eme kɔ ƒã be ele be Yehowa, Nufiala Gã la, nafia nu amesiwo le nyateƒea dim. (Yesaya 30:20, 21, NW ) Ehiã be nyateƒea dilawo ƒe asi natu “sidzedze Mawu.” (Lododowo 2:5) Eye Yehowa fia nyateƒea alo ɖee fia mí le mɔ vovovowo nu lɔlɔ̃tɔe.

8. Mɔ kawo nue Mawu fia nyateƒea alo tsɔe na le?

8 Le kpɔɖeŋu me, mawudɔlawo dzie Mawu tsɔ Sea toe na Israel-viwo. (Galatiatɔwo 3:19) Drɔ̃ewo mee wòdo yayrawo ƒe ŋugbe na blemafofo Abraham kple Yakob le. (Mose I, 15:12-16; 28:10-19) Mawu ƒo nu tso dziƒo gɔ̃ hã, abe esi dzɔ le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔɣi esime wona wose nya dodzidzɔname siawo le anyigba dzi be: “Amesia enye vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu lena o.” (Mateo 3:17) Edzea mía ŋu hã be Mawu tsɔ nyateƒea na to eƒe gbɔgbɔ tsɔtsɔ ʋã amewoe be woŋlɔ Biblia me. (Timoteo II, 3:16, 17) Ekema to nusɔsrɔ̃ tso Mawu ƒe Nya la me la, míate ŋu ‘axɔ nyateƒea dzi ase.’—Tesalonikatɔwo II, 2:13.

Nyateƒe la Kple Mawu ƒe Vi La

9. Aleke Mawu zã Via tsɔ ɖe nyateƒea fiae?

9 Mawu zã Via, Yesu Kristo koŋ tsɔ ɖe nyateƒea fia ameƒomea. (Hebritɔwo 1:1-3) Le nyateƒe me la, Yesu gblɔ nyateƒea le mɔ aɖe nu si ame aɖeke megblɔe le kpɔ o. (Yohanes 7:46) Le eƒe dziƒoyiyi megbe gɔ̃ hã la, eɖe nyateƒea fia tso Fofoa gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, apostolo Yohanes xɔ “Yesu Kristo ƒe nyaɖeɖefia, si Mawu tsɔ nɛ, be wòafia nusiwo lava ve me kaba la.”—Nyaɖeɖefia 1:1-3.

10, 11. (a) Nukae nyateƒe si ƒe ɖase Yesu ɖi la do ƒome kplii? (b) Aleke Yesu na nyateƒea va emee?

10 Yesu gblɔ na Pontio Pilato be Yeva anyigba dzi be yeaɖi ɖase tso nyateƒe la ŋu. Le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa me la, eɖee fia be nyateƒe ma do ƒome kple Yehowa ƒe dziɖulanyenye si ta woaʋli to Mawu ƒe Fiaɖuƒea si ƒe Fia Kristo nye la dzi. Gake ɖaseɖiɖi tso nyateƒea ŋu bia nu geɖe tso Yesu si wu gbeƒãɖeɖe kple nufiafia ko. Yesu wɔ ɖe nyateƒe ma dzi hena wòva eme. Eyata apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Migana ame aɖeke nadrɔ̃ ʋɔnu mi le nuɖuɖu alo nunono ŋuti alo le ŋkekenyuie alo ɣletidzedzi alo Sabat la gome o. Esiawo nye nusiwo gbɔna la ƒe vɔvɔli; ke nu la ŋutɔ le Kristo me va.”—Kolosetɔwo 2:16, 17.

11 Mɔ ɖeka si dzi wona nyateƒea va eme le enye Yesu dzidzi le Betlexem si ŋutinya wogblɔ ɖi la. (Mixa 5:1; Luka 2:4-11) Wogaɖo kpe nyateƒea dzi esime Daniel ƒe nyagblɔɖinya siwo ku ɖe Mesia la ƒe dodo le ‘ƒewo ƒe kwasiɖa’ 69 ƒe nuwuwu ŋu la va eme. Ema dzɔ esime Yesu tsɔ eɖokui nɔ asi dem na Mawu le eƒe nyɔnyrɔxɔɣi eye wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami nɛ, le ɣeyiɣi ɖoɖia dzi tututu, le ƒe 29 M.Ŋ. me. (Daniel 9:25; Luka 3:1, 21, 22) Wogayi edzi ɖo kpe nyateƒea dzi le subɔsubɔdɔ si Yesu wɔ abe Fiaɖuƒegbeƒãɖela ene la me. (Yesaya 8:23-9:1, 5, 6; 61:1, 2; Mateo 4:13-17; Luka 4:18-21) Wogaɖo kpe edzi le eƒe ku kple tsitretsitsi hã me.—Psalmo 16:8-11; Yesaya 53:5, 8, 11, 12; Mateo 20:28; Yohanes 1:29; Dɔwɔwɔwo 2:25-31.

12. Nukatae Yesu ate ŋu agblɔ be ‘Nyee nye nyateƒe la’?

12 Esi wònye Yesu Kristo dzie nyateƒea nɔ te ɖo ta la, ete ŋu gblɔ be: “Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la, ame aɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.” (Yohanes 14:6) Amewo zua ablɔɖeviwo le gbɔgbɔ me ne wova ‘nyateƒea ƒe akpa dzi’ to lɔlɔ̃ ɖe ɖoƒe si le Yesu si le Mawu ƒe tameɖoɖowo me dzi. (Yohanes 8:32-36; 18:37) Esi amesiwo ɖi alẽwo xɔ nyateƒea hedze Kristo yome le xɔse me ta la, woakpɔ agbe mavɔ.—Yohanes 10:24-28.

13. Ŋɔŋlɔawo me nyateƒe si ku ɖe nu etɔ̃ kawo ŋue míalé ŋku ɖo?

13 Nyateƒe siwo katã Yesu kple eƒe nusrɔ̃la siwo gbɔgbɔ ʋã gblɔ la dzie wotu nyateƒe Kristotɔwo ƒe xɔse vavã la ɖo. Eyata amesiwo ‘léa xɔsea me ɖe asi’ ‘yia edzi zɔna le nyateƒea me.’ (Dɔwɔwɔwo 6:7; Yohanes III, 3, 4) Ekema amekawoe zɔna le nyateƒea me egbea? Amekawo tututue le nyateƒea fiam dukɔwo katã? Le biabia siawo ŋuɖoɖo me la, míatrɔ ɖe Kristotɔ gbãtɔwo ŋu ahalé ŋku ɖe Ŋɔŋlɔawo me nyateƒe si ku ɖe (1) dzixɔsewo, (2) alesi woade ta agui, kple (3) ame ŋutɔ ƒe agbenɔnɔ ŋu.

Nyateƒea Kple Dzixɔsewo

14, 15. Nukae nàgblɔ tso nɔnɔme si le Kristotɔ gbãtɔwo kple Yehowa Ðasefowo si ɖe Ŋɔŋlɔawo ŋu la ŋu?

14 Kristotɔ gbãtɔwo de bubu Yehowa ƒe Nya si woŋlɔ ɖi ŋu vevie. (Yohanes 17:17) Eyae nye woƒe dzidzenu le dzixɔsewo kple nuwɔnawo gome. Clement si tso Alexandria si nɔ anyi le ƒe alafa evelia kple etɔ̃lia me gblɔ be: “Amesiwo kua kutri be yewoanɔ agbe nyuitɔ kekeake la madzudzɔ nyateƒea didi o, vaseɖe esime woke ɖe nusiwo dzi woxɔ se ƒe kpeɖodziwo ŋu le Ŋɔŋlɔawo me.”

15 Abe alesi wònɔ le Kristotɔ gbãtɔwo gome ene la, Yehowa Ðasefowo dea bubu Biblia ŋu ale gbegbe. Woxɔe se be ‘Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me eye wònyo na nufiafia.’ (Timoteo II, 3:16) Eyata mina míade ŋugble le Kristotɔ gbãtɔwo ƒe dzixɔse ʋɛ aɖewo ŋu atsɔ asɔ kple nusiwo Yehowa subɔla siwo li egbea srɔ̃ le esi wozãa Biblia wònye woƒe nusrɔ̃gbalẽ vevitɔ ta la ŋu kpɔ.

Luʋɔ Ŋuti Nyateƒea

16. Nukae nye luʋɔ ŋuti nyateƒea?

16 Esi Kristotɔ gbãtɔwo xɔ nusi wogblɔ le Ŋɔŋlɔawo me dzi se ta la, wofia luʋɔ ŋuti nyateƒea. Wonyae be ‘amegbetɔ zu luʋɔ gbagbe’ esime Mawu wɔe. (Mose I, 2:7) Gawu la, woxɔe se be amegbetɔ si nye luʋɔ la kuna. (Xezekiel 18:4; Yakobo 5:20) Wonyae hã be ‘ame kukuwo menya naneke kura o.’—Nyagblɔla 9:5, 10.

17. Aleke nàɖe mɔkpɔkpɔ si le ame kukuwo si la mee?

17 Ke hã mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le nɔ Yesu ƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo si be woafɔ ame kuku siwo le Mawu ƒe susu me la ɖe tsitre, alo woagagbɔ agbe wo. Paulo ɖe dzixɔse sia gblɔ nyuie be: “Mɔkpɔkpɔ, . . . le asinye na Mawu . . . bena, tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.” (Dɔwɔwɔwo 24:15) Le ɣeyiɣi aɖe megbe gɔ̃ hã la, Minucius Felix si be Kristotɔe yenye la ŋlɔ be: “Amekae tsi bome alo tagbɔ meli nɛ o ale gbegbe be wòate kpɔ ahe nya be Mawu magate ŋu awɔ amegbetɔ si eya ŋutɔŋutɔ wɔ la ake o?” Abe alesi wònɔ le Kristotɔ gbãtɔwo gomee ene la, Yehowa Ðasefowo léa Ŋɔŋlɔawo me nyateƒe si ku ɖe amegbetɔ ƒe luʋɔ, ku, kple tsitretsitsi ŋu me ɖe asi. Azɔ mina míadzro amesiwo Mawu kple Kristo nye la me.

Nyateƒe la Kple Mawuɖekaetɔ̃ La

18, 19. Nukatae woate ŋu agblɔ be Mawuɖekaetɔ̃ la menye Ŋɔŋlɔa me nufiafia o?

18 Kristotɔ gbãtɔwo mebu Mawu, Kristo, kple gbɔgbɔ kɔkɔea be wonye Mawuɖekaetɔ̃ o. The Encyclopædia Britannica gblɔ be: “Nya Mawuɖekaetɔ̃ loo alo dzixɔsea me ɖeɖe tẽ medze le Nubabla Yeyea me o, eye Yesu kple eyomedzelawo meɖoe be yewoatsi tre ɖe Yudatɔwo ƒe Gbedodoɖa si le Nubabla Xoxoa me be, ‘Israel, see, Yehowa, mía Mawu la, Yehowa ɖeka koe’ (Mo V, 6:4) ŋu o.” Kristotɔwo mesubɔ Roma mawuetɔ̃ƒokpli la alo mawu bubu aɖeke o. Wolɔ̃ ɖe nya si Yesu gblɔ be Yehowa ɖeka koe wòle be woade ta agu na la dzi. (Mateo 4:10) Gawu la, woxɔ Kristo ƒe nya siwo wògblɔ be: ‘Fofo la lolo wum’ dzi se. (Yohanes 14:28) Nukpɔsusu ma kee le Yehowa Ðasefowo si egbea.

19 Yesu yomedzela gbãtɔwo kpɔ vovototo si le Mawu, Kristo, kple gbɔgbɔ kɔkɔea dome dze sii nyuie. Le nyateƒe me la, wonyrɔ nusrɔ̃lawo (1) le Fofo la ƒe ŋkɔ me, (2) le Vi la ƒe ŋkɔ me, kple (3) le gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me, ke menye ɖe Mawuɖekaetɔ̃ aɖe ƒe ŋkɔ me o. Yehowa Ðasefowo hã fiaa Ŋɔŋlɔawo me nyateƒea eyata wonya vovototo si le Mawu, Via, kple gbɔgbɔ kɔkɔea dome.—Mateo 28:19.

Nyateƒea Kple Nyɔnyrɔxɔxɔ

20. Sidzedze kae nyɔnyrɔxɔlawo hiã?

20 Yesu de dɔ asi na eyomedzelawo be woawɔ nusrɔ̃lawo to nyateƒea fiafia amewo me. Be woadze axɔ nyɔnyrɔ la, ehiã be Ŋɔŋlɔawo ŋuti sidzedze veviwo nasu wo si. Le kpɔɖeŋu me, ele be woalɔ̃ ɖe ɖoƒe kple ŋusẽ si le Fofo la kple Via, Yesu Kristo, si la dzi. (Yohanes 3:16) Ehiã be nyɔnyrɔxɔlawo nase egɔme hã be gbɔgbɔ kɔkɔea menye ame o ke boŋ Mawu ƒe dɔwɔŋusẽe.—Mose I, 1:2.

21, 22. Nukatae nàgblɔ be xɔsetɔwoe wonyrɔna?

21 Nusrɔ̃la dzimetrɔla siwo tsɔ wo ɖokui ɖe adzɔgbee keŋkeŋ na Mawu be yewoawɔ eƒe lɔlɔ̃nu la koe Kristotɔ gbãtɔawo na nyɔnyrɔe. Yudatɔ kple trɔ̃subɔla zu Yudatɔ siwo kpe ta ɖe Yerusalem le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi la nya Hebri Ŋɔŋlɔawo xoxo. Le apostolo Petro ƒe nu si wòƒo le Yesu, Mesia la, ŋu sese vɔ megbe la, ame 3,000 lɔƒo ‘xɔ eƒe nya la kple dzi faa’ eye ‘wonyrɔ wo.’—Dɔwɔwɔwo 2:41; 3:19–4:4; 10:34-38.

22 Xɔsetɔwoe wonaa Kristotɔwo ƒe nyɔnyrɔe. Samariatɔwo xɔ nyateƒea, eye “esi woxɔ Filipo, amesi le mawufiaɖuƒe la kple Yesu Kristo ƒe ŋkɔ ŋuti nyanyui gblɔm la dzi se la, [wonyrɔ] wo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo.” (Dɔwɔwɔwo 8:12) Abe trɔ̃subɔla zu Yudatɔ dovevienu si si Yehowa ŋuti sidzedze su ene la, Etiopiatɔ aƒedzikpɔla la xɔ Filipo ƒe nya siwo ku ɖe Mesia la ŋuti nyagblɔɖiawo me vava ŋu dzi se gbã, eye emegbe wòxɔ nyɔnyrɔ. (Dɔwɔwɔwo 8:34-36) Emegbe Petro gblɔ na Kornelio kple Trɔ̃subɔdukɔwo me tɔ bubuwo be “amesi ke [vɔ̃a Mawu], eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eyae dzea eŋu” eye be wotsɔa nuvɔ̃ kea amesiame si xɔa Yesu Kristo dzi sena la. (Dɔwɔwɔwo 10:35, 43; 11:18) Esiawo katã wɔ ɖeka kple se si Yesu de be ‘woawɔ nusrɔ̃lawo, afia wo bena woawɔ nusiwo katã ƒe se yede na wo la.’ (Mateo 28:19, 20; Dɔwɔwɔwo 1:8) Yehowa Ðasefowo wɔna ɖe dzidzenu mawo ke dzi, eye wonaa nyɔnyrɔ amesiwo ko si Ŋɔŋlɔawo ŋuti sidzedze veviwo su heɖe adzɔgbe na Mawu.

23, 24. Nukae nye Kristotɔwo ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ ƒe mɔnu nyuitɔ?

23 Nyɔnyrɔɖetsime keŋkeŋ enye nyɔnyrɔ si wonaa xɔsetɔwo la ƒe mɔnu nyuitɔ. Esi wonyrɔ Yesu ɖe Yordan-tɔsisia me vɔ megbe la, ‘edo go tso tsia me.’ (Marko 1:10) ‘Tsi mee’ wonyrɔ Etiopiatɔ aƒedzikpɔla la ɖo. Woa kple Filipo ye ‘ɖi ɖe tsi la me’ eye emegbe “wodo go le” eme. (Dɔwɔwɔwo 8:36-40) Esi wotsɔ ameɖiɖi wɔ nyɔnyrɔxɔxɔ ƒe kpɔɖeŋui le Ŋɔŋlɔawo me ta la egafia be woanyrɔ ame ɖe tsi me keŋkeŋ.—Romatɔwo 6:4-6; Kolosetɔwo 2:12.

24 The Oxford Companion to the Bible gblɔ be: “Alesi woƒo nu le nyɔnyrɔxɔxɔwo ŋu le Nubabla Yeyea me etɔxɛe la fia be wotea amesi nyrɔm wole la ɖe tsia te.” Franseawo ƒe agbalẽ si nye Larousse du XXe Siècle (Paris, 1928) gblɔ be, “wonyrɔa Kristotɔ gbãtɔwo ɖe tsi gɔme keŋkeŋ le afisiafi si tsi le.” Eye agbalẽ si nye After Jesus—The Triumph of Christianity gblɔ be: “Zi geɖe la, [nyɔnyrɔxɔxɔ] bia be amesi woanyrɔ la naʋu xɔse me, emegbe woanyrɔe keŋkeŋ ɖe tsi me le Yesu ƒe ŋkɔ me.”

25. Nuka mee woadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

25 Nya vevi siwo me míedzro ku ɖe Kristotɔ gbãtɔwo ƒe dzixɔsewo kple nuwɔna siwo wotu ɖe Biblia dzi ŋu la nye kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewo ko. Míagate ŋu aƒo nu tso ƒomedodo bubu siwo le woƒe dzixɔsewo kple Yehowa Ðasefowo tɔ dome ŋu. Le nyati si gbɔna me la, míadzro mɔ bubu siwo dzi míato ade dzesi amesiwo le nyateƒea fiam amewo la me.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Tadedeagu ka ƒomevie Mawu bia?

• Aleke nyateƒea va emee to Yesu Kristo dzi?

• Nukae nye luʋɔ la kple ku ŋuti nyateƒea?

• Aleke wonaa Kristotɔwo ƒe nyɔnyrɔe, eye nukae wodi tso amesiwo xɔa nyɔnyrɔ la si?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Yesu gblɔ na Pilato be: ‘Meva ɖase ɖi ge tso nyateƒea ŋu’

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Àte ŋu aɖe nusitae Yesu gblɔ be: ‘Nyee nye nyateƒea’ mea?

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Nukae nye Kristotɔwo ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ ŋuti nyateƒea?