Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Miƒã Dzɔdzɔenyenye, Mixa Mawu ƒe Amenuveve

Miƒã Dzɔdzɔenyenye, Mixa Mawu ƒe Amenuveve

Miƒã Dzɔdzɔenyenye, Mixa Mawu ƒe Amenuveve

“AMESI ƒu asi akɔ ɖe ame bubu nu la, eme manyo nɛ o; ke amesi gbe fenuléle la, anɔ dedie.” (Lododowo 11:15) Aleke gbegbee lododo kpokploe sia de agbanɔamedziwo tsɔtsɔ ƒe dzi ƒoe nye esi! Da megbe na nugbanadola gblẽku aɖe ne nàhe afɔku ava ɖokuiwò dzi. Ƒo asa na asinana—si nye nu si wowɔna tsɔ fiana lɔlɔ̃ ɖe ɖoɖo aɖe dzi le blema Israel—ne nàvo tso ga kuxiwo me.

Edze ƒã be gɔmeɖose si ŋudɔ wowɔ le afisiae nye: “Nusi ke ame ƒãna la, esia ke wòaŋe.” (Galatiatɔwo 6:7) Nyagblɔɖila Hosea gblɔ be: ‘Miƒã dzɔdzɔenyenye eye mixa amenuveve.’ (Hosea 10:12) Ẽ, ƒã dzɔdzɔenyenye to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me, eye naxa eƒe amenuveve. Israel-fia Salomo to gɔmeɖose sia zazã edziedzi me de nuwɔna nyui, nya dzeto gbɔgblɔ, kple nɔnɔme nyui ƒe dzi ƒo vevie. Eƒe nya siwo me nunya le me dzodzro tsitotsito ade dzi ƒo na mí godoo be míaƒã nu le dzɔdzɔenyenye me na mía ɖokuiwo.—Lododowo 11:15-31.

Ƒã ‘Dɔmenyo’ eye Nàxa ‘Bubu’

Fia nunyala la gblɔ be: “Nyɔnu nyodɔme ƒe asi sua bubu dzi; ke ŋutasẽlawo ƒe asi sua kesinɔnu ko dzi.” (Lododowo 11:16) Kpukpui sia de vovototo aɖe bubu si nu meyina o si ate ŋu asu “nyɔnu nyodɔme” si kple kesinɔnu siwo menɔa anyi didina o si sua ŋutasẽla si la dome.

Aleke dɔmenyonyo si hea bubu vɛ la ate ŋu asu ame aɖe sii? Salomo xlɔ̃ nu be: “Lé nya vavã kple tamebubu me ɖe asi sesĩe; ekema woanye . . . atsyɔ̃ɖonu na wò kɔ.” (Lododowo 3:21, 22) Eye hakpala la ƒo nu tso ‘amenuveve si woatrɔ akɔ ɖe fia ƒe nuyi dzi ŋu.’ (Psalmo 45:2, 3) Ẽ, nunya vavãtɔ, tamebubuŋutete, kple aɖe la zazã ɖe mɔ nyuitɔ nu tua ame ƒe nɔnɔme kple dɔmenyonyo ɖo. Nenema tututue wòle le nyɔnu dzeaɖaŋu gomee. Abigail, si nye Nabal bometsila la srɔ̃, nye esia ƒe kpɔɖeŋu ɖeka. Enye ‘nyɔnu si ƒe tagbɔ kɔ, eye wòdze tugbe,’ eye Fia Dawid kafui ɖe eƒe “nunya” ta.—Samuel I, 25:3, 33.

Woade bubu nyɔnu mawuvɔ̃la si nyoa dɔme vavã la ŋu godoo. Amewo aƒo nu nyui tso eŋu. Ne enye srɔ̃tɔ la, srɔ̃a ade bubu eŋu. Le nyateƒe me la, ahe kafukafu vɛ na ƒome bliboa. Eƒe bubu nu mayi o. “Ŋkɔ nyui xɔxɔ ƒo kesinɔnu geɖe ta, eye ŋudzedzekpɔkpɔ nyo wu klosalo kple sika.” (Lododowo 22:1) Ŋkɔ nyui si le eŋu le Mawu gbɔ la anɔ anyi ɖaa.

Nɔnɔmea to vovo le ‘ŋutsu ŋutasẽla’ ya gome. (Lododowo 11:16) Wobua ŋutasẽla ɖe ame vɔ̃ɖiwo kple amesiwo léa fu Yehowa subɔlawo dome. (Hiob 6:23; 27:13) Ame sia tɔgbe ‘metsɔa Mawu ɖoa ŋkume o.’ (Psalmo 54:4) Amesia ƒomevi ate ŋu ato amesiwo mele ɖeke me nyam o la teteɖeanyi kple wo baba ɖokuitɔdiditɔe me ‘ali kɔ klosalo abe ke ene.’ (Hiob 27:16) Ke hã ɣeaɖeɣi la, amlɔ anyi eye magafɔ o, eye kaka wòaʋu ŋku la, etrɔ megbe. (Hiob 27:19) Ekema eƒe kesinɔnuwo kple nusiwo katã wowɔ la nu ayi.—Luka 12:16-21.

Nu vevi ka gbegbee nye esi Lododowo 11:16 fia mí! Le nusi dɔmenyotɔ kple ŋutasẽla la dometɔ ɖesiaɖe axa me ɖeɖe nyuie alea me la, Israel-fia la le dzi dem ƒo na mí be míaƒã nu le dzɔdzɔenyenye me.

‘Amenuveve’ Hea Teƒeɖoɖowo Vɛ

Esi Salomo ganɔ nu bubu fiam tso amegbetɔwo dome ƒomedodowo ŋu la, egblɔ be: “Dɔmenyotɔ wɔa nyuie na eya ŋutɔ ɖokui; ke ŋutasẽla wɔa nu vevee eya ŋutɔ ƒe ŋutilã.” (Lododowo 11:17) Agbalẽnyala aɖe gblɔ be: “Nusɔsrɔ vevi si le lododoa mee nye be alesi ame wɔa nui ɖe ame bubuwo ŋu, eɖanye nyui alo vɔ̃ o, me tsonu siwo mekpɔa mɔ na o la li.” Bu ɖetugbui aɖe si ŋkɔe nye Lisa ŋu kpɔ. * Togbɔ be edzea agbagba ŋutɔ hã la, etsia megbe le ɖoɖo siwo wòwɔna kple amewo me ɣesiaɣi. Etsia megbe miniti 30 alo wu nenema le ɖoɖo siwo wòwɔna be yeakpe kple Fiaɖuƒegbeƒãɖela bubuawo hena gbeadziyiyi me ɣesiaɣi. Lisa mele nyui aɖeke wɔm na eɖokui o. Ðe wòate ŋu abu fɔ amewo ne ɣeyiɣi vevi siwo gblẽm wole la va ti wo eye womegadina be yewoawɔ ɖoɖowo kplii oa?

Amesi dina be yeawɔ nu ne wòade blibo—si ɖoa dzidzenu siwo kɔkɔ akpa—hã sẽa ŋuta le eɖokui ŋu. Le esi wòanɔ ʋiʋlim ɣesiaɣi be yeaɖo taɖodzinu siwo gbɔ manya ɖo o gbɔ ta la, ɖeɖi ate eŋu eye mɔkpɔkpɔ abu ɖee. Le go bubu me la, míewɔa nyui na mía ɖokui ne míeɖo taɖodzinu siwo gbɔ miate ŋu aɖo eye susu le wo me la. Ðewohĩ míaƒe susu mete ŋu léa nu kabakaba abe ame bubuwo ene o. Alo anye be dɔléle alo tsitsi wɔe be míegate ŋu wɔa geɖe o. Megadzɔ gbeɖe be míaxa nu le míaƒe gbɔgbɔmeŋgɔyiyi ŋu o, ke boŋ míayi edzi anɔ eɖem fia be míanya alesi míawɔ nui ɖe míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu ɣeawokatãɣi. Dzidzɔtɔwoe míanye ne ‘míedo vevie nu’ le míaƒe ŋutetewo wɔwɔ me.—Timoteo II, 2:15; Filipitɔwo 4:5.

Le alesi ame dzɔdzɔe kpɔa dzidzɔ esime ŋutasẽla ya doa nuxaxa na eɖokui me ɖeɖe yi edzi me la, fia nunyala la gblɔ be: “Ame vɔ̃ɖi kpɔa viɖe ƒuƒlu; ke amesi ƒãa dzɔdzɔenyenye la, akpɔ fetu vavã. Dzɔdzɔenyenye vavã hea agbe vɛ; ke vɔ̃ɖiyometiti hea ku vɛ. Amesiwo si alakpadzi le la, ŋunyɔ wònye na Yehowa; ke amesiwo fɔɖiɖi mele woƒe zɔzɔme ŋu o la, ƒe nu nyoa eŋu. Mina míatso gbe, ne woahagbe tohehe na ame vɔ̃ɖi fi! Ke woaɖe ame dzɔdzɔe ƒe ƒome ya.”Lododowo 11:18-21.

Kpukpui siawo te gbe ɖe nufiame vevi sia dzi le mɔ vovovo nu be: Ƒã dzɔdzɔenyenye eye naxa eƒe teƒeɖoɖo. Ame vɔ̃ɖi la atrɔ ɖe amebeble alo tsatsadada ŋu kple susu be nane nasu ye si fu aɖeke makpemakpee. Esi esiawo nyea viɖe ƒuƒlu ta la, mɔkpɔkpɔ abu ɖee. Amesi wɔa dɔ anukwareɖiɖitɔe kpɔa viɖe si me dzidzɔ le elabena ele dedie. Esi Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe ame maɖifɔ ŋu ta la, agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ asu esi. Gake aleke wòanɔ na ame vɔ̃ɖi ya? ‘Togbɔ be wowɔa ɖeka’ le tame vɔ̃wo ɖoɖo me hã la, womagbe tohehe na ame vɔ̃ɖi la o. (Lododowo 2:21, 22) Nuxlɔ̃ame nyui kae nye esi be woaƒã dzɔdzɔenyenye!

Nyonyo Vavãtɔ Li na Nugɔmeselawo

Salomo yi edzi be: “Nyɔnu dzetugbee, si nye avɔ la, le abe aƒeha, si sikagɛ le ŋɔti me na ene.” (Lododowo 11:22) Ŋɔtigɛwo nye atsyɔ̃ɖonu vevi si bɔ le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me. Sikagɛ si wode ŋɔti anye nusi adze woakpɔ le nyɔnu ŋu. Aleke gbegbee masɔ o be atsyɔ̃ɖonu vevi ma nanɔ aƒeha ƒe ŋɔti me enye esi! Nenema ke wòle le amesi ƒe dzedzeme nyo evɔ ‘nunya mele tagbɔ nɛ o’ la hã gome. Atsyɔ̃ɖoɖo medzea ame ma kura o, eɖanye nyɔnu alo ŋutsu o. Atɔ ŋku—manya kpɔ kura o.

Enye nyateƒe be ɖetsɔtsɔ le alesi amewo kpɔa mí me nye nusi sɔ le dzɔdzɔme nu. Gake nukatae wòle be míatsi dzi fũ ɖe míaƒe mo alo ametia ƒe dzedzeme ŋu alo wòade míaŋu dze ge ado kpoe? Míekpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe míaƒe nɔnɔmewo ƒe akpa geɖe dzi o. Eye menye dzedzemee nye nu vevitɔ kekeake o. Ðe menye nyateƒe be amesiwo míelɔ̃na eye woƒe nu dzea mía ŋu la le ko abe ame bubuawo ene oa? Menye dzɔdzɔme ƒe amedzidedee nana wòkpɔa dzidzɔ o. Nusi le vevie wue nye mawumenɔnɔme ememetɔ siwo nu metsina o. Ekema neva eme boŋ be míanye nunyalawo ahaɖe nɔnɔme mawo afia.

“Woaɖi Ƒo na Luʋɔ Dɔmenyotɔ la Taŋ”

Fia Salomo gblɔ be; “Ame dzɔdzɔe ƒe didi enye dzɔgbenyuie ɖeɖe sɔŋ; ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔkpɔkpɔ enye dziku.” Esi wònɔ esia ƒe kpɔɖeŋu wɔm la, egblɔ kpee be: “Ame aɖewo na nu geɖe, ke wokpɔa ho ɖe edzi; ame aɖewo vea nu le nusi dze be, woawɔ la gbɔ, ke ahe ko wodana.”Lododowo 11:23, 24.

Esi míele Mawu ƒe Nya ŋuti sidzedze nam—ame bubuwo—veviedodotɔe la, mía ŋutɔwo míesea eƒe “kekeme kple didime kple goglome kple kɔkɔme” gɔme ɖe edzi godoo. (Efesotɔwo 3:18) Gake amesi mele eƒe sidzedzea zãm o la abu ɖee bɔbɔe. Ẽ, “amesi ƒã nu le nuveve me la, axa nu hã le nuveve me, eye amesi ƒã nu le yayra me la, axa nu hã le yayra me.”—Korintotɔwo II, 9:6.

Fia la yi edzi be: “Woaɖi ƒo [nu adze edzi] na luʋɔ dɔmenyotɔ la taŋ, eye woana tsi amesi na tsi wono.” (Lododowo 11:25) Ne míezã míaƒe ɣeyiɣi kple nunɔamesiwo faa tsɔ do nyateƒe subɔsubɔ ɖe ŋgɔe la, Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe mía ŋu. (Hebritɔwo 13:15, 16) ‘Aʋu dziƒo nu, eye woadudu yayra aƒo ɖe mía dzi wòagbɔ eme.’ (Maleaxi 3:10) Wò ya kpɔ alesi nu dze edzi na esubɔlawo egbeae la ɖa ko!

Esime Salomo ganɔ kpɔɖeŋu bubu wɔm tso vovototo si le ame dzɔdzɔe ƒe didiwo kple ame vɔ̃ɖi tɔ dome ŋu la, egblɔ be: “Amesi miã asi ɖe bli dzi la, amewo ado ɖiŋu nɛ, ke yayra ava blidzrala ƒe ta dzi.” (Lododowo 11:26) Be woaƒle nuwo ɖe asi bɔbɔe dzi ada ɖi vaseɖe esime woava nɔ vevem ahaxɔ asi hafi woadzrae la ate ŋu anye nusi me viɖe le. Togbɔ be nuwo zazã ɖe ŋku ŋu be ɖe nakpɔtɔ ate ŋu aɖe vi aɖe hã la, amewo mekpɔa ŋudzedze ɖe amesi wɔa esia le ɖokuitɔdidi ta la ŋu o. Gake amewo kpɔa dzidzɔ ɖe amesi medina be yeawɔ nɔnɔme kpatawo ŋudɔ atsɔ akpɔ viɖe o la ŋu.

Le dzidedeƒo na mí be míayi edzi ati nusi nyo, alo le dzɔdzɔe, yome me la, Israel-fia la gblɔ be: “Amesi ti nyuie yome la, eƒe nu adze ame ŋu; ke amesi di vɔ̃ la, ado goe. Amesi ɖo ŋu ɖe eƒe kesinɔnu ŋu la, adze anyi; ke ame dzɔdzɔewo ade ama abe aŋgba ene.”Lododowo 11:27, 28.

Ame Dzɔdzɔe Le Luʋɔwo Ðem

Esime Salomo nɔ alesi nu gbegblẽwo dona tsoa bometsinuwɔwɔ me me ɖem la, egblɔ be: “Amesi gblẽ eƒe aƒe la, aɖu aya.” (Lododowo 11:29a) Axan ƒe nugbegblẽwɔwɔ ‘he dzɔgbevɔ̃e vɛ na eya ŋutɔ,’ eye woƒu kpe eya ŋutɔ kple eƒe ƒometɔwo siaa woku. (Yosua, Ta 7) Egbea, Kristotɔwo ƒe ƒome aɖe ƒe ta kple eƒe ƒomea me tɔ bubuwo ate ŋu awɔ nu gbegblẽ si ana be woaɖe wo le Kristo-hamea me. Esi eya ŋutɔ mewɔna ɖe Mawu ƒe sededewo dzi o eye wòɖea mɔ ɖe nuvɔ̃ gãwo ŋu le eƒe ƒomea me ta la, ehea dzɔgbevɔ̃e vaa eya ŋutɔ ƒe aƒe dzi. Woɖea eya kple ɖewohĩ eƒe ƒomea me tɔ bubuwo le Kristo-hamea me abe nuvɔ̃wɔla matrɔdzimewo ene. (Korintotɔwo I, 5:11-13) Eye nukae wòakpɔ tso eme? Aya—si nye nusi ŋu viɖe aɖeke mele o—koe wòaɖu.

Kpukpuia yi edzi be: “Bometsila azu dɔla na nunyala.” (Lododowo 11:29b) Esi wònye nunya vavãtɔ mele bometsila si o ta la, womate ŋu atsɔ agbanɔamedzi kpekpewo ade esi o. Gawu la, eya ŋutɔ ƒe nuwɔnawo gbɔ makpɔmakpɔ nyuie ate ŋu ana be eya ŋutɔ nava zu agba na ame bubu le mɔ aɖe nu. Abunetɔ ma ava zu “dɔla na nunyala” la godoo. Ekema eme kɔ ƒã be ele vevie be míawɔ nyametsotso nyuiwo ahazã nunya vavãtɔ le míaƒe nuwɔnawo katã me.

Fia nyanu la ka ɖe edzi na mí be: “Ame dzɔdzɔe ƒe kutsetse enye agbeti, eye nunyala xɔa dziwo na eɖokui.” (Lododowo 11:30) Alekee esia dzɔnae? Ame dzɔdzɔe to nuƒoƒo kple nuwɔna me naa gbɔgbɔmetutuɖo ame bubuwo. Edea dzi ƒo na wo be woasubɔ Yehowa eye agbe si Mawu ana mlɔeba la asu wo si.

Woaɖo Eteƒe na Nuvɔ̃wɔla Geɖe Wu

Aleke gbegbee lododo siwo míeyɔ va yi la ƒoe ɖe mía nu be míaƒã dzɔdzɔenyenyee enye esi! Le gɔmeɖose bubu si nye “nusi ke ame ƒãna la, esia ke wòaŋe,” ŋudɔwɔwɔ ɖe mɔ bubu nu la, Salomo gblɔ be: “Kpɔ ɖa, woɖoa eteƒe na ame dzɔdzɔe ke hã le anyigba dzi, ʋuu keke wòayi ame vɔ̃ɖiwo kple nuvɔ̃wɔlawo nye gea?”Lododowo 11:31.

Togbɔ be ame dzɔdzɔe dzea agbagba be yeawɔ nu nyui hã la, edaa vo ɣeaɖewoɣi. (Nyagblɔla 7:20) Eye woatsɔ tohehe ‘aɖo’ eƒe vodadawo ‘teƒe’ nɛ. Ke ame vɔ̃ɖi si ɖonɛ koŋ tia nu gbegblẽ yome eye medzea agbagba aɖeke be yeatrɔ ɖe nudzɔdzɔe wɔwɔ ŋu o ya ɖe? Ðe medze na ‘teƒeɖoɖo’ si lolo wu—si nye tohehe vevie oa? Apostolo Petro ŋlɔ be: “Nenye bebli hafi woaxɔ ame dzɔdzɔe la, afika ame mavɔ̃mawu kple nuvɔ̃wɔla lado ɖo mahã?” (Petro I, 4:18) Eyata mina míaɖoe kplikpaa be míaƒã nu na mía ɖokui le dzɔdzɔenyenye me ɣeawokatãɣi.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 11 Wozã ŋkɔ bubu le afisia.

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

“Dɔmenyo” he “bubu” vɛ na Abigail

[Nɔnɔmetata siwo le axa 30]

‘Ame vɔ̃ɖi kpɔa viɖe ƒuƒlu; ke ame dzɔdzɔe la, akpɔ fetu vavã’

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

‘Ƒã nu le yayra me eye axa nu hã le yayra me’