Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Mina Míawɔ Nu Nyui na Amesiame”

“Mina Míawɔ Nu Nyui na Amesiame”

“Mite Va Gbɔnye, . . . Eye Nye La, Mana Dzudzɔ Mi”

“Mina Míawɔ Nu Nyui na Amesiame”

BE WOAÐE gbeƒã eye woafia Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋuti nyanyuia nye Yesu ƒe dɔ vevitɔ. (Marko 1:14; Luka 8:1) Esi Kristo yomedzelawo di be yewoasrɔ̃e ta la, wobua Biblia ƒe gbedasia fiafia amewo tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu be enye dɔ vevitɔ le yewoƒe agbe me. (Luka 6:40) Le nyateƒe me la, edzɔa dzi na Yehowa Ðasefowo be woakpɔ alesi Fiaɖuƒegbedasia hea dzidzeme vanɛ na amesiwo xɔnɛ—abe alesi ko wònɔ esime Yesu nɔ anyigba dzi ene.—Mateo 11:28-30.

Tsɔ kpe ɖe Mawu ƒe Nya la fiafia ŋu la, Yesu wɔ dɔ nyui bubuwo hã, siwo dometɔ aɖewoe nye dɔyɔyɔ dɔnɔwo kple nuɖuɖu nana dɔwuitɔwo. (Mateo 14:14-21) Nenema kee Yehowa Ðasefowo hã naa kpekpeɖeŋu amesiwo hiã tu kpena ɖe Biblia fiafiadɔ si wowɔna ŋu. Le nyateƒe me la, Ŋɔŋlɔawo dzra Kristotɔwo ɖo ‘hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ’ eye wòxlɔ̃ nu wo be ‘woawɔ nu nyui na amesiame.’Timoteo II, 3:16, 17; Galatiatɔwo 6:10.

“Mía Nɔviwo Tso Mí Xɔ”

Le September 1999 me la, anyigbaʋuʋu sesẽ aɖe dzɔ le Taiwan. Le ɣleti ʋɛ aɖewo megbe la, tsi kple sno dza vevie hegblẽ nu le Venezuela ƒe ŋutinya me eteƒe mekɔ o. Nyitsɔ laa la, tsiɖɔɖɔ gãwo gblẽ nu le Mozambique dukɔa me ale gbegbe. Le nudzɔdzɔ etɔ̃awo katã me la, Yehowa Ðasefowo ɖo teƒea enumake kple nuɖuɖu, tsi, atike, nudodo, avɔgbadɔwo, kple nuɖanuwo na amesiwo dzi nua dzɔ ɖo. Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo nye atikewɔlawo tu agbadɔwo kpata hena amesiwo nuvevi wɔ la gbɔ kpɔkpɔ, eye lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo nye xɔtulawo tu xɔ yeyewo na amesiwo ƒe aƒewo gbã.

Alesi wotso kpla hena kpekpeɖeŋu amesiwo dzi afɔkua dzɔ ɖo la wɔ dɔ ɖe wo dzi ale gbegbe. Malyori si ƒe aƒe ŋu tɔɖɔɖɔ gã la gblẽ nu le le Venezuela la gblɔ be, “esime mɔkpɔkpɔ aɖeke meganɔ mía si o la, mía nɔviwo tso mí xɔ.” Esi lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo tu xɔ yeye na Malyori ƒe ƒomea la, egblɔ sesĩe be “Míate ŋu ada akpe na Yehowa ɖe nusiwo katã wòwɔ na mí la ta wòade edeƒe gbeɖe o!” Eye esime nɔvi siwo ŋu tɔɖɔɖɔ gblẽ nu le le Mozambique xɔ aƒe yeye siwo wotu na wo ƒe safuiwo la, ƒuƒoƒoa katã te Fiaɖuƒeha si nye “Yehowae Nye Míaƒe Sitsoƒe” dzidzi zi ɖeka. *

Kpekpeɖeŋu nana amesiwo hiã tu la do dzidzɔ na lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo hã. Marcelo, si wɔ dɔnɔdzikpɔdɔ le sitsoƒesaɖa me le Mozambique gblɔ be: “Edo dzidzɔ nam ŋutɔ be mekpe ɖe nɔvi siwo nɔ fu kpem vevie la ŋu.” Huang, si wɔ lɔlɔ̃nu faa dɔ le Taiwan gblɔ be: “Dzidzɔ gãe wònye be mekpɔ gome le nuɖuɖu kple avɔgbadɔwo mama na nɔvi siwo hiã tu la me. Edo ŋusẽ míaƒe xɔse ale gbegbe.”

Lɔlɔ̃nu Faa Ðoɖo aɖe si Ðea Vi

Lɔlɔ̃nu faa dɔa hã he gbɔgbɔmedzidzeme vɛ na gamenɔla akpe geɖe le xexeame godoo. Alekee? Le nyitsɔ laa ƒe ƒeawo me la, Yehowa Ðasefowo ma Biblia-srɔ̃gbalẽ 30,000 kple edzivɔ le gaxɔ siwo ade 4,000 me le United States ɖeɖe dzaa. Gakpe ɖe eŋu la, le afisiwo wòanya wɔ le la, Ðasefowo ŋutɔ yia gaxɔwo me ɖasrɔ̃a Biblia kple gamenɔlawo hewɔa Kristotɔwo ƒe kpekpewo. Ðe wòɖea vi na gamenɔlaawoa?

Gamenɔla siwo le Biblia srɔ̃m la dometɔ aɖewo te Mawu ƒe Nya ƒe nufiafia fakɔname la fiafia wo tɔ gamenɔla bubuwo. Esia wɔe be le gaxɔ geɖewo me le xexeame godoo la, gamenɔlawo ƒe ƒuƒoƒowo li siwo le Yehowa subɔm ɖekae. Gamenɔla aɖe si le Oregon, U.S.A. ka nya ta le ƒe 2001 me be: “Míaƒe ƒuƒoƒoa le dzidzedze kpɔm ŋutɔ.” Fiaɖuƒegbeƒãɖela 7 ye le eme eye míele Biblia-nusɔsrɔ̃ 38 wɔm. Ame 25 kple edzivɔe vaa dutoƒonuƒoa kple Gbetakpɔxɔ Nusrɔ̃ƒea, eye ame 39 ye va [Kristo ƒe ku] ƒe Ŋkuɖodzia. Eteƒe madidi o ame etɔ̃ agaxɔ nyɔnyrɔ!”

Viɖe Kple Dzidzɔ Siwo Le Eme

Gaxɔdzikpɔlawo de dzesii be lɔlɔ̃nu faa ɖoɖo sia le vi ɖem. Gake nusi wɔa dɔ ɖe gaxɔdzikpɔlawo dzi wue nye alesi ɖoɖo sia ɖea vi ɣeyiɣi didii. Nyatakaka aɖe gblɔ be: “Le ƒe ewo siwo me wole ɖoɖo sia ŋudɔ wɔm me la, womegade gamenɔla aɖeke si xɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo si ŋu woɖe asi le le gaxɔ me game ake o—mele alea le ƒuƒoƒo bubuwo ya gome o, wogadea amesiwo ŋu woɖe asi le la dometɔ 50-60 le alafa me la game ake.” Kutsetse siwo le dodom tso Ðasefowo ƒe lɔlɔ̃nu faa dɔa me ʋã gaxɔ me osɔfo aɖe si le Idaho wòŋlɔ lɛta ɖo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒegã be: “Togbɔ be nyemeda asi ɖe míaƒe nufiafiawo dzi o hã la, míaƒe habɔbɔa wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ.”

Kpekpeɖeŋu nana gamenɔlawo ɖea vi na lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlaawo hã. Le gamenɔlawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si dzi Fiaɖuƒeha zi gbãtɔ ƒe kpekpe dzi kpɔkpɔ vɔ megbe la, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla aɖe ŋlɔ be: “Ŋutsu 28 kpɔkpɔ woanɔ kafukafuhawo dzim na Yehowa ɖekae nye dzideƒo ale gbegbe. Woke nu dzi haa sesĩe! Mɔnukpɔkpɔ ka gbegbee nye si wònye be nànɔ wɔna sia teƒe!” Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla aɖe si ɖia tsa srãa Arizona gaxɔwo me nɔlawo kpɔna la gblɔ be: “Yayra ka gbegbee nye esi wònye be woakpɔ gome le dɔ tɔxɛ sia wɔwɔ me!”

Ðasefo lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo le xexeame godoo la lɔ̃na ɖe Yesu ƒe nya si wògblɔ dzi bɔbɔe, be: “Nana enye yayra wu xɔxɔ.” (Dɔwɔwɔwo 20:35) Woɖoa kpe edzi hã be Biblia ƒe nuxlɔ̃ame be míawɔ nyui na amewo katã dzi wɔwɔ hea dzidzeme vɛ nyateƒe.—Lododowo 11:25.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 7 Kpɔ hadzidzi 85 lia le agbalẽ si nye Midzi Kafukafuhawo na Yehowa, si Yehowa Ðasefowo ta la me.

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Venezuela

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Taiwan

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Mozambique