Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mitsɔ Mawusosroɖa Kpe Ðe Miaƒe Dzidodo Ŋu

Mitsɔ Mawusosroɖa Kpe Ðe Miaƒe Dzidodo Ŋu

Mitsɔ Mawusosroɖa Kpe Ðe Miaƒe Dzidodo Ŋu

‘Mitsɔ dzidodo kpe ɖe míaƒe xɔse ŋu, dzidodo megbe la, mawusosroɖa.’ —PETRO II, 1:5, 6, NW.

1, 2. (a) Go kawo mee wokpɔa mɔ be ɖevi natsi le? (b) Aleke gbegbee gbɔgbɔmetsitsi le vevie?

TSITSI le vevie na ɖevi, gake tsitsi le ŋutilã ɖeɖe gome mesɔ gbɔ o. Wokpɔa mɔ be wòatsi le susu kple seselelãme gome hã. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ɖevia aɖe asi le eƒe ɖevimenuwɔnawo ŋu ahatsi azu ŋutsu alo nyɔnu blibo. Apostolo Paulo he susu yi esia dzi esime wòŋlɔ bena: “Esime menye vi la, meƒo nu abe vi ene, eye mesusu abe vi ene, eye mebu tame abe vi ene; ke esime mezu ŋutsu la, meɖe ɖevimenuwo ɖa.”—Korintotɔwo I, 13:11.

2 Paulo ƒe nyawo tɔ asi nu vevi aɖe dzi ku ɖe tsitsi le gbɔgbɔ me ŋu. Ehiã be Kristotɔwo naɖe asi le gbɔgbɔmevidzĩ me nuwɔnawo ŋu ‘azu ame tsitsiwo le nyasã me.’ (Korintotɔwo I, 14:20) Ele be woaʋli ahadi be yewoaɖo “Kristo ƒe tsitsime blibo la ƒe dzidzenu la gbɔ.” Ekema womanye “ɖevi, siwo nufiafia ƒe ya sia ya ƒona yina gaƒona gbɔna, eye wònyama wo” o.—Efesotɔwo 4:13, 14.

3, 4. (a) Nukae wòle be míawɔ be míatsi le gbɔgbɔ me? (b) Mawusosroɖa ƒe nɔnɔme kawoe wòle be míaɖe afia, eye aleke wòle vevie?

3 Aleke míate ŋu atsii le gbɔgbɔ me? Togbɔ be ame tsina le eɖokui si le ŋutilã gome hã la, ebia agbagbadzedze geɖe hafi woatsi le gbɔgbɔ me. Edzea egɔme kple Mawu ƒe Nya ŋuti sidzedze vavãtɔ sɔsrɔ̃ kple nuwɔwɔ be wòasɔ ɖe nusi srɔ̃m míele nu. (Hebritɔwo 5:14; Petro II, 1:3) Emegbe esia kpena ɖe mía ŋu be míaɖe mawusosroɖa ƒe nɔnɔmewo afia. Abe alesi tɔtrɔ vovovowo vana le tsitsi le ŋutilã nu me ene la, nenema ke mawusosroɖa ƒe nɔnɔme vovovo hã vana ɖekae zi geɖe. Apostolo Petro ŋlɔ bena: “Mitsɔ veviedodo katã kpe ɖe eŋuti, eye miɖe amewɔwɔ fia le miaƒe xɔse me, eye le amewɔwɔ me la sidzedze, eye le sidzedze me la ɖokuidziɖuɖu, eye le ɖokuidziɖuɖu me la dzidodo, eye le dzidodo me la mawusosroɖa, eye le mawusosroɖa me la nɔvilɔlɔ̃, eye le nɔvilɔlɔ̃ me la lɔlɔ̃ na amewo katã.”—Petro II, 1:5-7.

4 Nɔnɔme siwo Petro yɔ la dometɔ ɖesiaɖe le vevie, eye míate ŋu aɖe ɖeke le eme o. Egblɔ kpee be: “Ne nusiawo le mia me, eye wole agbɔ sɔm ɖe dzi la, mana mianye kuviatɔwo kple ame matsekuwo le sidzedze mía Aƒetɔ Yesu Kristo la me o.” (Petro II, 1:8) Mina míatrɔ susu ɖe nusitae wòhiã be míatsɔ mawusosroɖa akpe ɖe míaƒe dzidodo ŋu la ŋu.

Dzidodo Hiã

5. Nukatae míehiã na dzidodo?

5 Petro kple Paulo siaa yɔ mawusosroɖa kpe ɖe dzidodo ŋu. (Timoteo I, 6:11) Dzidodo ƒe amesinɔnɔ bia nu geɖe wu tameɖoɖo kplikpaa be woanɔ te ɖe fuwɔame nu ko. Elɔ dzigbɔɖi, dzinɔameƒo, kple tenɔnɔ sesĩe si me mɔkpɔkpɔ mabu ɖe ame ne dodokpɔwo, kplamatsedonuwo, tetekpɔwo, alo yometiti tu ame le o ɖe eme. Abe amesiwo nɔa “agbe ɖe mawusosroɖa nu le Kristo Yesu me” ene la, míekpɔa mɔ na yometiti. (Timoteo II, 3:12) Ne míedi be míaɖe lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa afia ahatu nɔnɔme siwo hiã hena agbekpɔkpɔ ɖo la, ele be míado dzi. (Romatɔwo 5:3-5; Timoteo II, 4:7, 8; Yakobo 1:3, 4, 12) Dzidodo manɔmee la, míakpɔ agbe mavɔ o.—Romatɔwo 2:6, 7; Hebritɔwo 10:36.

6. Nukae dzidodo vaseɖe nuwuwu bia?

6 Aleke kee míeɖadze egɔmee nyuie o, nusi le vevie wue nye be míado dzi. Yesu gblɔ be: “Amesi ke lado dzi vaseɖe nuwuwu la, eya lakpɔ ɖeɖe.” (Mateo 24:13) Ẽ, ele be míado dzi ɖaseɖe nuwuwu, eɖanye agbe si míele fifia ƒe nuwuwu loo alo nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu o. Wo dometɔ ka kee ɖadzɔ ɖe mía dzi o, ele be míalé míaƒe nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Mawu. Gake ne míetsɔ mawusosroɖa kpe ɖe míaƒe dzidodo ŋu o la, míaƒe nu mate ŋu adze Yehowa ŋu o, eye míakpɔ agbe mavɔ o. Ke nukae nye mawusosroɖa?

Nusi Mawusosroɖa Fia

7. Nukae nye mawusosroɖa, eye nukae wòʋãa mí míewɔna?

7 Mawusosroɖa enye bubu deto, tadedeagu, kple subɔsubɔ si ame ŋutɔ tsɔna na Yehowa Mawu le eƒe xexeame katã ƒe dziɖulagãnyenye ta. Be míasro Yehowa ɖa la, ele be eya kple eƒe mɔwo ŋuti sidzedze vavãtɔ nasu mía si. Ele be míadi be mía ŋutɔwo míanya Mawu nyuie. Esia aʋã mí be míaku ɖe eŋu kplikplikpli tso dzi me eye wòadze le míaƒe nuwɔnawo kple agbenɔnɔ me. Ele be míadi be míanɔ abe Yehowa ŋutɔ ene alesi míate ŋui—asrɔ̃ eƒe mɔwo ahaɖe eƒe nɔnɔmewo kple amenyenye afia. (Efesotɔwo 5:1) Le nyateƒe me la, mawusosroɖa ʋãa mí be míadi be míawɔ nusi dze Mawu ŋu le míaƒe nuwɔnawo katã me.—Korintotɔwo I, 10:31.

8. Aleke mawusosroɖa do ƒome kple Mawu ɖeka ko subɔsubɔe?

8 Be míate ŋu anɔ agbe ɖe mawusosroɖa vavã nu la, ele be míasubɔ Yehowa ɖeka ko eye míagaɖe mɔ nu bubu aɖeke naxɔ eƒe ɖoƒea le míaƒe dzi me o. Abe mía Wɔla ene la, ekpɔ mɔ abia be míasubɔ ye ɖeka ko. (Mose V, 4:24; Yesaya 42:8) Ke hã Yehowa mezia mía dzi be míade ta agu na ye o. Subɔsubɔ si míatsɔ nɛ faa ye wodina. Lɔlɔ̃ si le mía si na Mawu, si wotu ɖe eyama ŋuti sidzedze vavãtɔ dzi, ye ʋãa mí be míadzra míaƒe agbenɔnɔ ɖo ahaɖe adzɔgbe nɛ bliboe eye emegbe míanɔ agbe ɖe enu.

Tu Ƒomedodo Ðo Kple Mawu

9, 10. Aleke míate ŋu atu ƒomedodo kplikplikpli kple Mawu ɖo ahalé eme ɖe asii?

9 Le míaƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu ɖeɖe fia to nyɔnyrɔxɔxɔ me vɔ megbe la, egahiã be míatu ƒomedodo si me anɔ sesẽm ɖe edzi ɖaa ɖo kplii. Eyata míaƒe didi be míawɔ esia ahasubɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe ʋãa mí be míayi edzi asrɔ̃ eƒe Nyaa ahade ŋugblẽ le eŋu. Ne míeɖe mɔ Mawu ƒe gbɔgbɔa le dɔ wɔm ɖe míaƒe susu kple dzi dzi la, míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa nu anɔ sesẽm ɖe edzi. Míaƒe ƒomedodo kplii kpɔtɔ nyea nu vevitɔ le míaƒe agbe me. Míebua Yehowa mía Xɔlɔ̃ vevietɔe hedina be míadze eŋu ɣesiaɣi. (Yohanes I, 5:3) Dzidzɔ si míekpɔna ɖe ƒomedodo nyoameŋu si le mía kple Mawu dome ŋu la nɔa dzidzim ɖe edzi, eye míekpɔa dzidzɔ be efiaa nu mí heɖɔa mí ɖo lɔlɔ̃tɔe le afisi wòhiã le.—Mose V, 8:5.

10 Ne míedzea agbagba enuenu be míado ŋusẽ mía kple Yehowa dome ƒomedodo xɔasia o la, eme ate ŋu agbɔdzɔ. Ne ema dzɔ la, manye Mawu ƒe vodadae o, elabena ‘mele adzɔge tso mía dometɔ aɖeke gbɔ o.’ (Dɔwɔwɔwo 17:27) Aleke wòdzɔa dzi na mí enye si be Yehowa mena tete ɖe eyama ŋu nye nu sesẽ o! (Yohanes I, 5:14, 15) Le nyateƒe me la, ele be míaku kutri be míalé mía kple Yehowa dome ƒomedodo kplikplikplia me ɖe asi. Ke hã ekpena ɖe mía ŋu be míate ɖe eyama ŋu to nusiwo katã hiã mí míatsɔ atu mawusosroɖa ɖo ahalé eme ɖe asi la nana mí dzi. (Yakobo 4:8) Aleke míate ŋu awɔ nunana siawo katã ŋudɔ bliboe?

Sẽ Ŋu le Gbɔgbɔ Me

11. Mɔ siwo nu míeɖena mawusosroɖa fiana le dometɔ aɖewo ɖe?

11 Lɔlɔ̃ deto si le mía si na Mawu aʋã mí be míaɖe alesi gbegbe míaƒe mawusosroɖa de toe afia wòasɔ ɖe Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo sia nu be: “Do vevie be, natsɔ ɖokuiwò afia Mawu abe ame like kple dɔwɔla, si mehiã be, ŋu nakpee o, kpakple amesi mã nyateƒenya la me pɛpɛpɛ ene.” (Timoteo II, 2:15) Esia wɔwɔ bia be míanɔ Biblia srɔ̃m, anɔ kpekpewo dem, ahanɔ gome kpɔm le gbeadzisubɔsubɔdɔa me edziedzi. Míagate ŋu anɔ Yehowa ŋu kplikplikpli to ‘gbedodoɖa madzudzɔmadzudzɔe’ me. (Tesalonikatɔwo I, 5:17) Esiawo nye míaƒe mawusosroɖa ɖeɖe fia wɔdɔɖeamedziwo. Aɖabaŋeŋe ƒu wo dometɔa ɖesiaɖe dzi ana míadze dɔ le gbɔgbɔ me eye wòana Satana nakpɔ mɔnu le mía ŋu.—Petro I, 5:8.

12. Aleke míate ŋu anɔ te ɖe tetekpɔwo nu dzidzedzetɔe?

12 Gbɔgbɔ me lãmesẽ me nɔnɔ kpena ɖe mía ŋu míete ŋu nɔa te ɖe tetekpɔ geɖe siwo míedoa goe nu. Tetekpɔwo aɖewo tsoƒe ɖe fu ŋutɔ. Tenɔnɔ ɖe ɖekematsɔleme, tsitretsiɖeŋu, kple yometiti nu menɔa bɔbɔe ne wotso ƒomea me tɔ kplikplikpliwo, ƒometɔwo, alo aƒelikawo gbɔ o. Nyaƒoɖeamenu vɔ̃ɖi siwo ana míaɖe asi le míaƒe Kristotɔwo ƒe gɔmeɖosewo ŋu ate ŋu ado mo ɖa le míaƒe dɔwɔƒe alo le suku. Dziɖeleameƒo, dɔléle, kple blanuiléle ate ŋu ana míagbɔdzɔ le ŋutilã me eye wòana wòasesẽ na mí be míanɔ te ɖe míaƒe xɔse ƒe dodokpɔwo nu. Gake míate ŋu anɔ te ɖe tetekpɔwo katã nu dzidzedzetɔe ne míedo dzi ‘le anyinɔnɔ kɔkɔe kple mawusosroɖa me, eye míelala, eye míedi Yehowa ƒe ŋkeke la ƒe vava vevie, le esime woalólo dziƒo le dzo me, eye gɔmedzenuwo hã lalólo le dzoxɔxɔ gã me.’ (Petro II, 3:11, 12) Eye míate ŋu ayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm le esia wɔwɔ me kple kakaɖedzi be Mawu ayra mí.—Lododowo 10:22.

13. Nukae wòle be míawɔ ne míedi be míayi edzi asro Mawu ɖa?

13 Togbɔ be Satana tɔa ŋku amesiwo nɔa mawusosroɖagbe hã la, mehiã be míavɔ̃ o. Nukatae? Elabena “[Yehowa] nya alesi wòaɖe mawumemewo atso tetekpɔwo me.” (Petro II, 2:9) Be míate ŋu ado dzi le tetekpɔwo me ahakpɔ xɔxɔ la, ele be “míagbe mawumavɔ̃mavɔ̃ kple xexeame nudzodzrowo, eye míanɔ anyi le ɖokuidziɖuɖu kple nu dzɔdzɔe wɔwɔ kpakple mawusosroɖa me le xexe sia me.” (Tito 2:12) Abe Kristotɔwo ene la, ele be míanɔ ŋudzɔ be ŋutilã me nudzodzro alo gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖeke nagado kplamatse míaƒe mawusosroɖa ahagblẽ edome o. Mina míadzro kplamatsedonu siawo dometɔ aɖewo me kpɔ.

Nɔ Ŋudzɔ Ðe Mawusosroɖa me Gblẽnuwo Ŋu

14. Nuka dzie wòle be míaɖo ŋkui ne míedo go ŋutilãmenudidi vivivo ƒe nyaƒoɖeamenu?

14 Ŋutilãmenudidi vivivo nye mɔ̃ si ɖea ame geɖe. Míate ŋu able mía ɖokui gɔ̃ hã ‘ahanɔ bubum bena, mawusosroɖa nye nusi na wokpɔa ŋutilã me viɖe.’ Esia ate ŋu ana míado dzi aba haxɔsetɔwo le esi woka ɖe mía dzi ta. (Timoteo I, 6:5) Ðewohĩ míaƒo nya ta vodadatɔe gɔ̃ hã be esɔ be woaƒoe ɖe Kristotɔ kesinɔtɔ aɖe nu woado ga aɖe si ɖewohĩ míate ŋu ava xe o la na mí. (Psalmo 37:21) Gake mawusosroɖa mee “agbe, si li fifi kple esi le vava ge la, ƒe ŋugbedodo la le” ke menye ŋutilãmenuwo ƒe amesinɔnɔe o. (Timoteo I, 4:8) Esi ‘wònye míetsɔ naneke va xexe sia me o, eye míate ŋu atsɔ naneke ayii hã o’ ta la, mina míaɖoe kplikpaa be míati “mawusosroɖa kpakple ŋudzedzekpɔkpɔ” yome eye míana ‘nunyiame kple avɔtata si le mía si la nasɔ gbɔ na mí.’—Timoteo I, 6:6-11.

15. Nukae míate ŋu awɔ ne agbeɖuɖu di be yeavu tsyɔ míaƒe mawusosroɖa dzi?

15 Agbeɖuɖu ate ŋu avu atsyɔ mawusosroɖa dzi. Ðe wòanye be míehiã asitɔtrɔ wɔwɔ enumake le go sia mea? Ele eme baa be kamedede kple modzakaɖeɖe ɖea vi aɖewo ya. Ke hã viɖe sue aɖewo koe wònye ne míetsɔe sɔ kple agbe mavɔ. (Yohanes I, 2:25) Egbea la, ame geɖee nye “amesiwo lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu, amesiwo si mawusosroɖa ƒe nɔnɔme le, gake wogbe eƒe ŋusẽ la,” eye ehiã be míate mía ɖokui ɖa tso amesiawo gbɔ. (Timoteo II, 3:4, 5) Amesiwo mefena le mawusosroɖa ŋu kura o la le ‘gɔmeɖoɖoanyi nyui dzram ɖo na wo ɖokui hena ɣeyiɣi si gbɔna la, bene woƒe asi nasu agbe vavã la dzi.’—Timoteo I, 6:19.

16. Nuvɔ̃ ƒe dzodzro kawoe xea mɔ na ame aɖewo be woaganɔ agbe ɖe Mawu ƒe nudidi dzɔdzɔewo nu o, eye aleke míate ŋu aɖu dzodzro siawo dzii?

16 Ahamuame kple atikevɔ̃ɖizazã, agbegbegblẽnɔnɔ, kple nudzodzro vɔ̃wo ate ŋu agblẽ míaƒe mawusosroɖa dome. Tɔtrɔ ɖe nusiawo ŋu ate ŋu axe mɔ na mí be míaganɔ agbe ɖe Mawu ƒe nudidi dzɔdzɔewo nu o. (Korintotɔwo I, 6:9, 10; Korintotɔwo II, 7:1) Ehiã be Paulo gɔ̃ hã nado dzi le aʋawɔwɔ kple nuvɔ̃ ŋutilã la me madzudzɔmadzudzɔe. (Romatɔwo 7:21-25) Dzodzro vɔ̃wo dziɖuɖu bia be ame naɖe afɔ vevi aɖewo. Nu ɖekae enye be ele be míaɖoe kplikpaa be mianɔ agbe dzadzɛ. Paulo gblɔ be: “Miwu mia ŋutinu, siwo le anyigba dzi; ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye, fiẽŋufiẽŋui, nudzodzro vɔ̃ kple ŋukeklẽ, si nye trɔ̃subɔsubɔ.” (Kolosetɔwo 3:5) Míaƒe ŋutinuwo wuwu le nu vɔ̃ɖi siawo gome bia be míaɖo tame kplikpaa be míaɖe wo ɖa keŋkeŋ. Gbedodoɖa vevie abia Mawu ƒe kpekpeɖeŋu akpe ɖe mía ŋu be míatsri dzodzro vɔ̃wo ahati dzɔdzɔenyenye kple mawusosroɖa yome le nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia me.

17. Aleke wòle be míabu amehehee?

17 Dziɖeleameƒo ate ŋu agbɔdzɔ míaƒe dzidodo me ahagblẽ nu le míaƒe mawusosroɖa ŋuti. Dzi ɖe le Yehowa subɔlawo dometɔ geɖe ƒo kpɔ. (Mose IV, 11:11-15; Ezra 4:4; Yona 4:3) Dziɖeleameƒo te ŋu gblẽa nu le ame ŋu vevietɔ nenye be míedo dziku kple susu be wodze agɔ le mía dzi alo ka mo alo he to na mí vevie ta. Gake mokaname kple tohehe ɖoa kpe edzi be Mawu tsɔ ɖe le eme na mí helɔ̃ mí hã. (Hebritɔwo 12:5-7, 10, 11) Mele be míabu amehehe be enye tohehe aɖe ko o ke boŋ be enye mɔnu aɖe si dzi wotona hea mí le dzɔdzɔenyenye me. Ne míenye ɖokuibɔbɔlawo la, míade asixɔxɔ nuxlɔ̃amenya ŋu ahaxɔe eye míakpɔe be “agbemɔ enye mokaname, siwo fiaa mɔnu ame la.” (Lododowo 6:23) Esia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míawɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi nyuiwo le mawusosroɖa me.

18. Agbanɔamedzi kae dze ŋgɔ mí le ame ŋutɔ ƒe agɔdzedzewo gbɔ kpɔkpɔ me?

18 Nugɔmemasemase kple ame ŋutɔ ƒe agɔdzedzewo ate ŋu ado kplamatse míaƒe mawusosroɖa. Nusiawo ate ŋu ana ame aɖewo natsi dzimaɖi alo ana woaɖe afɔ si me nunya mele o ahaɖe wo ɖokui ɖe aga tso woƒe gbɔgbɔmenɔviwo ŋu. (Lododowo 18:1) Gake anyo be míaɖo ŋku edzi be dzikuléle ɖi alo fuléle amewo ate ŋu agblẽ nu le míaƒe ƒomedodo kple Yehowa ŋu vevie. (Mose III, 19:18) Le nyateƒe me la, ‘amesi melɔ̃a nɔvia, si kpɔm wòle o la, mate ŋu alɔ̃ Mawu, si kpɔm mele o.’ (Yohanes I, 4:20) Le Yesu ƒe Todzimawunya me la, ete gbe ɖe alesi wòhiãe be woaɖe afɔ kaba atsɔ akpɔ amewo dome nya sesẽwo gbɔe dzi. Egblɔ na eƒe nyaselawo bena: “Eyaŋuti ne ètsɔ wò nunana va da ɖe vɔsamlekpuia dzi, eye nèɖo ŋui le afima bena, nya aɖe le nɔviwò ƒe dzi me ɖe ŋutiwò la, gblẽ wò nunana la ɖe afima le vɔsamlekpuia ŋgɔ, eye nayi aɖadzra mia kple nɔviwò dome ɖo gbãgbiagbã, hafi nava tsɔ wò nunana la vae.” (Mateo 5:23, 24) Kukuɖeɖe ate ŋu ada gbe le abi si nya alo nuwɔna aɖe de ame ŋu la ŋu. Ne míebia tsɔtsɔke helɔ̃ ɖe edzi be míewɔe nyuie o la, ate ŋu atsi vevesesea nu eye ƒomedodo si me ŋutifafa le la nagbugbɔ aɖo mía dome. Yesu ɖo aɖaŋu bubu hã ku ɖe nya sesẽwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu. (Mateo 18:15-17) Aleke dzi dzɔa mí enye si ne agbagba siwo míedze be míatsɔ akpɔ nyawo gbɔe la dze edzi!—Romatɔwo 12:18; Efesotɔwo 4:26, 27.

Srɔ̃ Yesu ƒe Kpɔɖeŋu

19. Nukatae wòle vevie be míasrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua?

19 Tetekpɔwo ava mía dzi godoo, gake mahiã be woahe mí ɖa tso agbe mavɔ ƒe duɖimekekea me o. Ðo ŋku edzi be Yehowa ate ŋu aɖe mí tso míaƒe tetekpɔwo me. Esi ‘míeɖe nu kpekpe sia nu kpekpe ɖa hetsɔ dzidodo le duɖime si woɖo na mí la dzi’ la, mina “míakpɔ Yesu, si nye xɔse ƒe gɔmeɖola kple nuwuwu la ɖa.” (Hebritɔwo 12:1-3) Yesu ƒe kpɔɖeŋua me dzodzro kple agbagbadzedze be míasrɔ̃ eyama le nyagbɔgblɔ kple nuwɔna me akpe ɖe mía ŋu be míatu mawusosroɖa ɖo ahaɖee afia geɖe wu.

20. Teƒeɖoɖo kawoe míekpɔna tsoa dzidodo kple mawusosroɖa me?

20 Dzidodo kple mawusosroɖa siaa nana kakaɖedzi nɔa míaƒe agbetsitsi ŋu. Ne míeɖe nɔnɔme xɔasi siawo fia la, míate ŋu alé subɔsubɔ kɔkɔe si tsɔm míele na Mawu la me ɖe asi nuteƒewɔwɔtɔe. Ne míele tetekpɔ me tom gɔ̃ hã la, míanɔ dzidzɔ kpɔm le Yehowa ƒe numalɔ̃malɔ̃leamegbɔ me le esi míedo dzi hele mawusosroɖagbe nɔm ta. (Yakobo 5:11) Gawu la, Yesu ŋutɔ ka ɖe edzi na mí be: “Le miaƒe [dzidodo] me la miaɖe míaƒe luʋɔwo.”—Luka 21:19.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nukatae dzidodo le vevie?

• Nukae nye mawusosroɖa, eye aleke woɖenɛ fianae?

• Aleke míate ŋu atu ƒomedodo kplikplikpli kple Mawu ɖo ahalé eme ɖe asii?

• Nukawoe ate ŋu agblẽ míaƒe mawusosroɖa me, eye aleke míate ŋu aƒo asa na woe?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 12, 13]

Mawusosroɖa dzena le mɔ geɖe nu

[Nɔnɔmetata siwo le axa 14]

Nɔ ŋudzɔ ɖe nusiwo ate ŋu agblẽ miaƒe mawusosroɖa me ŋu