Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nuka Tututue Nye Hell?

Nuka Tututue Nye Hell?

Nuka Tututue Nye Hell?

EÐANYE nuka kee nya “hell” na nèsusu o, ame geɖe bua hell be enye teƒe aɖe si wohea to na nuvɔ̃wɔlawo le. Biblia gblɔ tso nuvɔ̃ kple eƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ŋu be: “To ame ɖeka dzi nuvɔ̃ la va xexeame, eye to nuvɔ̃ me ku la va, eye nenema ku la va to amewo katã dzi yi, esi wo katã wɔ nuvɔ̃ ŋuti la.” (Romatɔwo 5:12) Ŋɔŋlɔawo gblɔ hã be: “Nuvɔ̃ la ƒe fetue nye ku.” (Romatɔwo 6:23) Esi nuvɔ̃ ƒe tohehee nye ku ta la, nyabiabia vevi si akpe ɖe mía ŋu míase nusi tututu hell nye gɔmee nye: Nukae dzɔna ɖe mía dzi ne míeku?

Ðe wonɔa agbe aɖe ƒomevi, le nɔnɔme aɖe me, le ku megbea? Nukae nye hell, eye amekawo ƒomevie yina ɖe afima? Ðe mɔkpɔkpɔ aɖe li na hell yilawoa? Biblia na ŋuɖoɖo siwo nye nyateƒe eye wònaa dzidzeme ame la mí.

Ðe Woganɔa Agbe le Ku Megbea?

Ðe nane le mía me, abe luʋɔ alo gbɔgbɔ ene, nɔa agbe le ku megbea? Bu alesi agbe wɔ ɖo ame gbãtɔ, Adam, me ŋu kpɔ. Biblia gblɔ be: “Yehowa Mawu tsɔ anyi mè ame, eye wògbɔ agbegbɔgbɔ ɖe eƒe ŋɔti me.” (Mose I, 2:7) Togbɔ be ya gbɔgbɔa lé eƒe agbe ɖe te hã la, “agbegbɔgbɔ” dede eƒe ŋɔti me lɔ nu geɖe ɖe eme wu ya gbɔgbɔ ɖe eƒe dzitodzitowo me ko. Efia be Mawu de agbeŋusẽ—“agbegbɔgbɔ,” si wɔa dɔ le anyigba dzi nu gbagbewo katã me—la Adam ƒe ŋutilã si me agbe menɔ o la me. (Mose I, 6:17; 7:22) Biblia yɔ agbeŋusẽ sia be “gbɔgbɔ.” (Yakobo 2:26) Woate ŋu atsɔ gbɔgbɔ ma asɔ kple elektrikŋusẽ si dea dzo mɔ̃ aɖe me, si naa ŋusẽe be wòawɔ eƒe dɔ. Abe alesi ko mɔ̃a ƒe nɔnɔme menɔa ŋusẽa si gbeɖe o la, nenema ke nu gbagbe siwo me agbeŋusẽa le la ƒe nɔnɔme aɖeke menɔa agbeŋusẽa si o. Amenyenye alo tamebubuŋutete aɖeke mele esi o.

Nukae dzɔna ɖe gbɔgbɔa dzi le ku megbe? Psalmo 146:4 gblɔ be: “Ne eƒe gbɔgbɔ nu tso la, egbugbɔna yia eƒe anyi gbɔ; gbemagbe eƒe tameɖoɖowo nu yina.” Ne ame ku la, eƒe gbɔgbɔa si si amenyenye mele o la meyia edzi nɔa agbe le xexe bubu aɖeke me abe gbɔgbɔmenuwɔwɔ aɖe ene o. ‘Egbugbɔ yia Mawu, amesi tsɔe na la gbɔ.’ (Nyagblɔla 12:7) Esia fia be ame ma ƒe agbenɔnɔ ake le etsɔme ƒe mɔkpɔkpɔ ɖesiaɖe le Mawu ɖeka ko ƒe asi me.

Blema Hela xexemenunyala Socrates kple Plato xɔe se be luʋɔ aɖe si mekuna gbeɖe o la le ame me si yia edzi nɔa agbe le ku megbe. Nukae Biblia fia tso luʋɔ ŋu? Mose I, 2:7 gblɔ be, Adam “zu luʋɔ gbagbe.” Womede luʋɔ eme o; luʋɔe wònye—si nye ameti bliboa. Ŋɔŋlɔawo gblɔ le luʋɔa ŋu be ewɔa dɔ, dɔ wunɛ, wolénɛ sesẽe, medɔa alɔ̃ o, kple bubuawo. (Mose III, 23:30, NW; Mose V, 12:20, NW; 24:7, NW; Psalmo 119:28) Ẽ, amea ŋutɔe nye luʋɔ la. Ne ame ku la, luʋɔa enye ma ku.—Xezekiel 18:4.

Ke nɔnɔme ka tututu mee ame kukuwo le? Esi Yehowa nɔ tohehe ŋu nya gblɔm na Adam la, Yehowa gblɔ be: “Anyi nènye, eye anyi ke nagatrɔ azu!” (Mose I, 3:19) Afikae Adam nɔ hafi Mawu tsɔ anyi mee hena agbee? Kpuie ko la, menɔ afi aɖeke o! Esi Adam ku la, egatrɔ yi anyimanɔmanɔ ƒe nɔnɔme ma me. Woɖe nɔnɔme si me ame kukuwo le me wòkɔ nyuie le Nyagblɔla 9:5, 10, afisi míexlẽe le be: “Kukuawo menya naneke o . . . Nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe, afisi yi ge nala o.” Le Ŋɔŋlɔawo ƒe nya nu la, ku enye anyimanɔmanɔ. Kukuawo menya nusi dzɔna o, seselelãme aɖeke mele wo si o, womebua tame o.

Funyafunyawɔƒe Tegbee loo alo Yɔdo Ko Wònyea?

Esi wònye kukuawo meli kura o ta la, hell mate ŋu anye afisi dzo le bibim le si me wowɔa funyafunya ame vɔ̃ɖiwo le le woƒe ku megbe o. Ke nukae nye hell? Nusi dzɔ ɖe Yesu dzi le eƒe ku megbe la me dzodzro akpe ɖe mía ŋu be míaɖo nyabiase ma ŋu. Biblia ŋlɔla Luka gblɔe eme kɔ nyuie be: “Womegblẽe [Yesu] ɖe tsiẽƒe [hell, King James Version] o, eye eƒe ŋutilã hã mekpɔ nyunyɔ o.” * (Dɔwɔwɔwo 2:31) Afikae hell si Yesu kura gɔ̃ hã yi la le? Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Nusi nye hã mexɔ la, metsɔ de asi na mi . . . bena, Kristo ku le mía nuvɔ̃ ŋuti le ŋɔŋlɔ la nu, eye bena woɖii, eye bena wogafɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome le ŋkeke etɔ̃agbe le ŋɔŋlɔ la nu.” (Korintotɔwo I, 15:3, 4) Eyata Yesu nɔ hell, si nye yɔdo me, gake womegblẽe ɖe afima o, elabena woɖee, alo wofɔe ɖe tsitre.

Gade ŋugble tso alesi wònɔ le ame dzɔdzɔe Hiob si kpe fu vevie la hã ŋu kpɔ. Esi wòdi vevie be fu si kpem wònɔ nu nayi la, eƒo koko be: “Oo, ne naxaɣlam ɖe hell [Sheol], eye nadzram ɖo, vaseɖe esime wò dɔmedzoe nu nafa ɖe!” * (Hiob 14:13, Douay Version) Aleke gbegbee wòanye nusi me susu manɔ o be woabui be ɖe Hiob di be yeayi teƒe si dzo le bibim le hena ta kpɔkpɔ! Enɔ nyanya na Hiob be yɔdo koe “hell,” afisi eƒe fukpekpe nu ayi le, la nye. Eyata Biblia ƒe hell la nye ameƒomea ƒe yɔdo, afisi ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa yina.

Hell ƒe Dzo—Ðe Wòafiã Nusianu Kolikolia?

Ðe wòfia be hell ƒe dzo nye kpɔɖeŋu na nuwo fiafia kolikoli, alo na tsɔtsrɔ̃ gbidiia? Ŋɔŋlɔawo de vovototo dzo kple Hades, alo hell (tsiẽƒe) dome, esi wògblɔ be: “Wotsɔ ku kple tsiẽƒe (hell) ƒu gbe ɖe dzota la me.” “Dzota” si woyɔ le afisia la nye kpɔɖeŋu, esi wònye be ku kple hell (Hades) si wotsɔ ƒu gbe ɖe eme la menye nusiwo woate ŋu atɔ dzoe wòafiã ŋutɔŋutɔ o ta. “Dzota sia enye ku evelia”—ku si ŋu tsitretsitsi mɔkpɔkpɔ aɖeke mele o.—Nyaɖeɖefia 20:14.

Gɔmesese si le dzota la ŋu sɔ kple esi nɔ “Gehenna ƒe dzo [hell ƒe dzo, King James Version]” si ŋu Yesu ƒo nu tsoe la ŋu. (Mateo 5:22; Marko 9:47, 48) Gehenna dze zi gbɔ zi 12 le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me, eye wòfia Hinnom-bali si nɔ Yerusalem gliawo godo. Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, wozãa bali sia abe gbeɖuɖɔ kɔɖoƒe ene, “afisi wotsɔa hlɔ̃dolawo ƒe kukuwo, kple lã kukuwo, kpakple nu vóvo ƒomevi bubuwo ƒua gbe ɖo.” (Smith’s Dictionary of the Bible) Wokɔa dzokpe ɖe eme be woalé dzoa ƒe xɔxɔ ɖe te ɣeawokatãɣi be gbeɖuɖɔawo nabi. Yesu zã bali ma tsɔ wɔ tsɔtsrɔ̃ mavɔ ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe.

Abe alesi wòle le Gehenna gomee ene la, dzota la tsi tre ɖi na tsɔtsrɔ̃ mavɔ. Wotsɔ ku kple Hades “ƒu gbe” ɖe eme si fia be wo nu ayi tegbee ne woɖe ameƒomea tso nuvɔ̃ kple ku ƒe fiƒodea me. Ame vɔ̃ɖi siwo ɖoe koŋ be yewomatrɔ dzime o la hã akpɔ “wo tɔ gome” le ta ma me. (Nyaɖeɖefia 21:8) Woatsrɔ̃ woawo hã tegbee. Le go bubu me la, etsɔme wɔnuku aɖee le amesiwo le Mawu ƒe susu me siwo le hell—ameƒomea ƒe yɔdo me—la lalam.

Hell Atsi Ƒuƒlu!

Nyaɖeɖefia 20:13 gblɔ be: “Atsiaƒu ɖe ame kuku, siwo le eme la, hena, eye ku kple tsiẽƒe woɖe ame kuku, siwo le wo si la, hena.” Ẽ, Biblia ƒe hell la atsi ƒuƒlu. Abe alesi Yesu do ŋugbee ene la, “gaƒoƒo la gbɔna, le esime amesiwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la, woase [Yesu ƒe] gbe, eye woado go.” (Yohanes 5:28, 29, NW ) Togbɔ be ame miliɔn geɖe siwo ku megale agbe le nɔnɔme aɖeke me fifia o hã la, woafɔ wo dometɔ siwo le Yehowa Mawu ƒe susu me la ɖe tsitre, alo woagbɔ agbe wo woava nɔ paradisonyigba si wodzra ɖo la dzi.—Luka 23:43; Dɔwɔwɔwo 24:15.

Le Mawu ƒe xexe yeyea me la, amesiwo woafɔ ɖe tsitre siwo wɔna ɖe Mawu ƒe ɖoɖo dzɔdzɔewo dzi la magaku akpɔ gbeɖe o. (Yesaya 25:8) Yehowa “latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o.” Le nyateƒe me la, “nu gbãtɔwo nu [ava] yi.” (Nyaɖeɖefia 21:4) Etsɔme mɔkpɔkpɔ dodzidzɔname ka gbegbee nye si li na amesiwo le hell—si nye “ŋkuɖodziyɔdowo” me! Le nyateƒe me la, ele be yayra sia naʋã mí be míaxɔ Yehowa Mawu kple Via Yesu Kristo ŋuti sidzedze geɖe.—Yohanes 17:3.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 10 Woɖe Helagbe me nya Hades si dze zi gbɔ zi ewo le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me la gɔme be “hell” le King James Version me. Nuŋlɔɖi si dze le Luka 16:19-31 la yɔ funyafunyawɔwɔ, gake kpɔɖeŋu wònye eye nuŋlɔɖi blibo ma ƒe gɔmesese ŋutɔŋutɔ li. Kpɔ agbalẽ si nye Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ, si Yehowa Ðasefowo ta, ƒe ta 88.

^ mm. 11 Hebrigbe me nya Sheol dze zi gbɔ zi 65 le Hebri Ŋɔŋlɔawo me, eye woɖe egɔme be “hell,” “yɔdo,” kple “do” le King James Version me.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Hiob do gbe ɖa be woaɣla ye ɖe hell

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Gehenna ƒe dzo—etsi tre ɖi na tsɔtsrɔ̃ mavɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

‘Amesiwo le ŋkuɖodziyɔdowo me ado go’