Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nɔnɔme kawo mee wòasɔ le be nyɔnu Kristotɔ nabla ta ɖe gbɔgbɔ me gɔmeɖosewo ta?

Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Nyɔnu sia nyɔnu, si doa gbe ɖa alo gblɔa nya ɖi, eye mebla ta o la, edoa ŋukpe eƒe ta, elabena ele abe ɖe wòlũ ta ene.” Nukatae? Mawu ƒe tanyenye ŋuti gɔmeɖose si nye, “Nyɔnu ƒe ta enye ŋutsu” tae. Gbedodoɖa alo nufiafia le Kristo-hamea me nyea ŋutsuwo ƒe agbanɔamedzi zi geɖe. Eyata ne nyɔnu Kristotɔ aɖe wɔa subɔsubɔdɔ siwo wòle be srɔ̃aŋutsua alo ŋutsu xɔnyɔnyrɔ aɖe nawɔ la, ele be wòabla ta.—Korintotɔwo I, 11:3-10.

Nɔnɔme siwo me wòle be nyɔnu Kristotɔ nabla ta le ate ŋu ado mo ɖa le eƒe srɔ̃ɖekadodoa me. Le kpɔɖeŋu me, ne ƒomea ƒo ƒu hena Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ alo na nu ɖuɖu la, srɔ̃ŋutsua ye xɔa ŋgɔ le nu fiafia wo me eye wonɔa wo teƒe le gbedodoɖa na Mawu me. Gake ne dzimaxɔsetɔe wònye la, ke agbanɔamedzi sia akpɔ srɔ̃nyɔnua ŋkume. Eyata ne ele gbe dom ɖa ɖe eɖokui kple ame bubuwo ta alo le Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔm kple viawo le esime srɔ̃aŋutsua le teƒea la, ke esɔ be nɔvinyɔnu Kristotɔa nabla ta. Ne srɔ̃aŋutsua mele teƒea o la, ke mahiã be srɔ̃nyɔnua nabla ta o, elabena enye Mawu ƒe sedede be wòafia nu viawo.—Lododowo 1:8; 6:20.

Ke ne viŋutsuvi sue aɖe nye Yehowa Mawu subɔla ɖeadzɔgbe xɔnyɔnyrɔ le ƒomea me ɖe? Esi wònye viŋutsuvia nye Kristo-hamea me tɔ ta la, ele be wòaxɔ nufiame tso hamea me ŋutsuwo gbɔ. (Timoteo I, 2:12) Ne fofoa nye xɔsetɔ la, ke ele be wòaxɔ nufiame tso egbɔ. Gake ne fofoa meli o la, ke ele be dadaa nabla ta ne ele Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔm kple viaŋutsuvi sue xɔnyɔnyrɔa kpakple ɖevi bubuwo. Be wòana viaŋutsu sue si xɔ nyɔnyrɔ nado gbe ɖa alo madoe ɖa o le nusɔsrɔ̃ ma me alo le nuɖuɣi la nye eya ŋutɔ ƒe nyametsotso si wòawɔ. Ðewohĩ abui be metsi ado gbe ɖa o eye wòatiae be ye ŋutɔ yeadoe ɖa. Ne etiae be ye ŋutɔ yeado gbea ɖa le ɣeyiɣi ma dzi la, ke ele be woabla ta.

Ahiã na nyɔnu Kristotɔwo be woabla ta ne wole dɔ aɖewo wɔm le hamea me. Le kpɔɖeŋu me, le kwasiɖa domedome kpekpe hena gbeadziyiyi la, ate ŋu adzɔ be nɔvinyɔnu Kristotɔwo koe va, nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔ aɖeke meva o. Le go bubuwo me la, ate ŋu adzɔ be nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔ aɖeke meva hamea ƒe kpekpe aɖe o. Ne wòva hiã be nɔvinyɔnu nakpɔ hamea ƒe dɔ siwo nɔviŋutsu wɔna le kpekpewo me alo awɔ kpekpe hena gbeadziyiyi la, ke ele be wòabla ta.

Ðe wòle be nyɔnu Kristotɔwo nabla ta ne wole Biblia me nuƒowo me ɖem ɖe gbegbɔgblɔ bubu alo ɖe tokunɔgbe me alo le Biblia-srɔ̃gbalẽ si zãm wole le hamea ƒe kpekpe aɖe me la ƒe memamawo xlẽma? Ao. Nɔvinyɔnu siwo le dɔdasi siawo wɔm mele nusɔsrɔ̃a dzi kpɔm alo le nu fiam o. Nenema kee mahiã be nɔvinyɔnu siwo wɔa wɔwɔfiawo, gblɔa nuteƒekpɔkpɔwo, alo wɔa sukuvi ƒe dɔdasiwo le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me la nabla ta o.

Nufiafia le hamea me nye ŋutsu siwo xɔ nyɔnyrɔ ƒe dɔ, gake gbeƒãɖeɖe kple nufiafia amesiwo mele hamea me o la nye ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa ƒe agbanɔamedzi. (Mateo 24:14; 28:19, 20) Eyata ne Kristotɔ nyɔnu le nu ƒom na amesiwo menye Ðasefowo o tso Mawu ƒe Nya ŋu le esime ŋutsu si nye Yehowa Ðasefo le eteƒe la, mahiã be wòabla ta o.

Gake nɔnɔmea to vovo ne wole aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ si wowɔna edziedzi wɔm esime ŋutsu ɖeadzɔgbe, si xɔ nyɔnyrɔ le eteƒe. Esia nye nufiafia si ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo do ŋgɔ si dzi amesi le nusɔsrɔ̃a wɔm la kpɔna. Le nɔnɔme siawo me la, nusɔsrɔ̃a va zu hamea ƒe nusɔsrɔ̃ ƒe alɔdze. Ne Ðasefo nyɔnu xɔnyɔnyrɔe kpɔa nusɔsrɔ̃ ma dzi le esime Ðasefo ŋutsu xɔnyɔnyrɔ li la, ke esɔ nyuie be wòabla ta. Gake ele be nɔviŋutsu ɖeadzɔgbe la nado gbe ɖa. Mele be nɔvinyɔnu nado gbe ɖa le esime nɔviŋutsu ɖeadzɔgbe le teƒea o, negbe le nɔnɔme tɔxɛ aɖe, abe nɔviŋutsua mete ŋu gaƒoa nu kura o me koe nɔvinyɔnua ado gbe ɖa le.

Ɣeaɖewoɣi la ate ŋu adzɔ be nɔvinyɔnu Kristotɔ nayi Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔƒe kple ŋutsu Fiaɖuƒegbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ. Ne nɔvinyɔnua lɔ̃ la, ate ŋu abia tso esi be wòakpɔ nusɔsrɔ̃a dzi. Gake esi wònye be mate ŋu anɔ eteƒe ado gbe ɖa na Yehowa o ta la, anyo wu be nɔvinyɔnua nado gbe ɖa le nusɔsrɔ̃a me. Ahiã be nɔvinyɔnua nabla ta nenye be ele nusɔsrɔ̃a dzi kpɔm kple ne ele gbea dom ɖa. Togbɔ be ŋutsu gbeƒãɖela la mexɔ nyɔnyrɔ haɖe o hã la, amewo bunɛ be enye hamea me tɔ le eƒe gbeƒãɖeɖe dɔa ta.

Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Ele na nyɔnu bena, wòakpɔ ŋusẽ ɖe eƒe ta dzi le mawudɔlawo ŋuti.” Ẽ, mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ sia le nɔvinyɔnu Kristotɔwo si be woanye kpɔɖeŋu nyuiwo na mawudɔla miliɔn geɖe siwo yia edzi bɔbɔa wo ɖokui nuteƒewɔwɔtɔe na Yehowa. Aleke gbegbee wòasɔe enye si be nyɔnu Mawu vɔ̃lawo nabu tababla nu vevii ne nɔnɔmea bia nenema!

[Nɔnɔmetata siwo le axa 26]

Tababla nye bubudede tanyenye ŋu ƒe dzesi