Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Woyia Edzi Zɔna Le Nyateƒea Me

Woyia Edzi Zɔna Le Nyateƒea Me

Woyia Edzi Zɔna Le Nyateƒea Me

“Nyemekpɔ dzidzɔ gã wu esia be, mese bena, vinyewo zɔna le nyateƒe me o.”—YOHANES III, 4.

1. Nuka dzie ‘nyanyui la ƒe nyateƒea’ hea susu yina?

AMESIWO dea ta agu na Yehowa “le gbɔgbɔ kple nyateƒe me” la ko ƒe nue dzea eŋu. (Yohanes 4:24) Woɖoa to nyateƒea hexɔa Kristotɔwo ƒe nufiafia blibo si wotu ɖe Mawu ƒe Nyaa dzi sena. ‘Nyanyui la ƒe nyateƒe’ sia hea susu yia Yesu Kristo kpakple Yehowa ƒe dziɖulanyenye si ta Fiaɖuƒea aʋli la dzi. (Galatiatɔwo 2:14) Mawu ɖea mɔ “beble, si nu sẽ la” ɖoa amesiwo lɔ̃a aʋatsonyawo la gbɔ, gake agbekpɔkpɔ nɔ te ɖe nyanyuia dzixɔxɔse kple zɔzɔ le nyateƒea me dzi.—Tesalonikatɔwo II, 2:9-12; Efesotɔwo 1:13, 14.

2. Nuka ŋue apostolo Yohanes kpɔ dzidzɔ ɖo vevie, eye aleke eya kple Gayo dome ƒomedodoa nɔ?

2 Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo nye “hadɔwɔlawo na nyateƒe la.” Abe alesi apostolo Yohanes kple exɔlɔ̃ Gayo wɔe ene la, woléa nyateƒea me ɖe asi goŋgoŋ hezɔna le eme. Yohanes ŋlɔ na Gayo bena: “Nyemekpɔ dzidzɔ gã wu esia be, mese bena, vinyewo zɔna le nyateƒe me o.” (Yohanes III, 3-8) Ne meganye ame tsitsi Yohanes ye fia nyateƒea Gayo o hã la, apostoloa ƒe amegãɖeɖinyenye, Kristotɔ bibi si wònye, kple vifofo ƒe lɔlɔ̃ si le esi wɔe wòsɔ be woabu Gayo si anye ɖekakpui la be Yohanes ƒe gbɔgbɔmeviwo dometɔ ɖeka.

Nyateƒea Kple Kristotɔwo ƒe Tadedeagu

3. Tameɖoɖo kae nɔ kpekpe siwo Kristotɔ gbãtɔwo wɔna la ŋu eye vi kae wòɖe?

3 Be Kristotɔ gbãtɔawo nasrɔ̃ nyateƒea la, wokpena le hamewo me, le amewo ƒe aƒewo me zi geɖe. (Romatɔwo 16:3-5) Esia wɔnɛ be dzi ɖoa wo ƒo eye wodea dzi ƒo na wo nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me. (Hebritɔwo 10:24, 25) Tertullian (155–220 M.Ŋ. lɔƒo) ŋlɔ ku ɖe amesiwo va nɔ anyi emegbe siwo yɔa wo ɖokui Kristotɔwoe ŋu be: “Míeƒoa ƒu xlẽa Mawu ƒe agbalẽwo . . . Míetsɔa nya kɔkɔe mawo nyia míaƒe xɔse, doa ŋusẽ míaƒe mɔkpɔkpɔ, hedzroa nusiwo dzi míeka ɖo me.”—Apology, ta 39.

4. Akpa kae hadzidzi wɔna le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me?

4 Hadzidzi anya nye Kristotɔ gbãtɔwo ƒe kpekpewo ƒe akpa aɖe. (Efesotɔwo 5:19; Kolosetɔwo 3:16) Nufialagã Henry Chadwick ŋlɔ bena ƒe alafa evelia me ɖikela Celsus va kpɔ le ha siwo anye be eyae amesiwo yɔa wo ɖokui Kristotɔwo dzina ŋu be “wonyo ale gbegbe eye woƒe ŋusẽkpɔɖeamedzia na wòlé blanui.” Chadwick gblɔ kpee be: “Clement si tso Alexandria nye Kristotɔwo ŋuti nuŋlɔla gbãtɔ si ƒo nu tso ha si ƒomevi nyo be Kristotɔ nadzi ŋu. Egblɔ be mele be wòanye esi aɖi lɔlɔ̃ha siwo dzi woɖua ɣe ɖo o.” (The Early Church, axa 274-5) Abe alesi Kristotɔ gbãtɔwo anya dzi hae ene ne wokpe ta la, nenema kee Yehowa Ðasefowo hã dzia ha siwo wotu ɖe Biblia dzi si me hagbe sẽŋu siwo kafua Mawu kple Fiaɖuƒea le la zi geɖe.

5. (a) Aleke wona gbɔgbɔmemɔfiafiae le Kristotɔ gbãtɔwo ƒe hamewo me? (b) Aleke nyateƒe Kristotɔwo wɔ ɖe Yesu ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Mateo 23:8, 9 me dzii?

5 Le Kristotɔ gbãtɔwo ƒe hamewo me la, dzikpɔlawo fiaa nyateƒea, eye subɔsubɔdɔwɔlawo kpena ɖe haxɔsetɔwo ŋu le mɔ vovovowo nu. (Filipitɔwo 1:1) Dziɖuhã si ɖoa ŋu ɖe Mawu ƒe Nya kple gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu la na gbɔgbɔmemɔfiafia. (Dɔwɔwɔwo 15:6, 23-31) Womezã mawusubɔsubɔ me dzesideŋkɔwo o elabena Yesu de se na eƒe nusrɔ̃lawo be “Migana woayɔ mi be Rabi o, elabena ame ɖeka koe nye miaƒe nufiala, eye mi katã la nɔviwo mienye. Eye migayɔ ame aɖeke be mia fofo le anyigba dzi o; elabena ame ɖekae nye mia fofo, eyae le dziƒo.” (Mateo 23:8, 9) Nuwo sɔ le Kristotɔ gbãtɔawo kple Yehowa Ðasefowo dome le go siawo kple bubu geɖewo me.

Woti Wo Yome le Gbeƒãɖeɖe Nyateƒea Ta

6, 7. Togbɔ be ŋutifafa gbedasie nyateƒe Kristotɔwo ɖea gbeƒãe hã la, aleke wowɔ nu ɖe wo ŋui?

6 Togbɔ be Fiaɖuƒegbedasi si hea ŋutifafa vɛ ye Kristotɔ gbãtɔwo ɖe gbeƒãe hã la, woti wo yome abe alesi woti Yesu hã yomee ene. (Yohanes 15:20; 17:14) Blemaŋutinyaŋlɔla John L. von Mosheim yɔ ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo be, “ƒuƒoƒo si me tɔwo me tameɖoɖo vɔ̃ ƒe nɔnɔme aɖeke menɔ o, siwo meɖoa aglãdzedze ƒe susu aɖeke gbeɖe be woatsɔ agblẽ nu le dukɔa ŋu o.” Ðk. Mosheim gblɔ be nusi “ku dzi na Romatɔwo ɖe Kristotɔwo ŋue nye alesi woƒe tadedeagu la dzae heto vovovo tso kɔnu kɔkɔe siwo ame bubuwo wɔna la gbɔ.” Egblɔ kpee be: “Vɔsawo, gbedoxɔwo, nɔnɔmetatawo, nukpɔlawo, alo nunɔlawo ƒe ha mele wo si o; eye le esia ta ame geɖe siwo mele ɖeke nyam o, siwo susu be womate ŋu awɔ subɔsubɔ aɖeke esiawo manɔmee o la, doa vlo wo. Eyata wobua wo mawudzimaxɔselawoe; eye, le Romatɔwo ƒe sewo nu la, wobua amesiwo ŋu wotsɔ nya ɖo be wonye mawudzimaxɔselawo la be wonye ame ƒomea dome gblẽlawo.”

7 Nunɔlawo, aɖaŋudɔwɔlawo, kple ame bubu siwo kpɔa woƒe agbemenuhiãhiãwo tso legba wɔwɔ me ƒoe ɖe amewo nu be woatso ɖe Kristotɔ siwo mekpɔa gome le trɔ̃subɔsubɔnuwɔnawo me o la ŋu. (Dɔwɔwɔwo 19:23-40; Korintotɔwo I, 10:14) Tertullian ŋlɔ bena: “Wobui be Kristotɔawo gbɔe afɔku ɖesiaɖe si dzɔna ɖe Dukɔa dzi kple dzɔgbevɔ̃e ɖesiaɖe si dzɔna ɖe amewo dzi la tsona. Ne Tiber [tɔsisia] ɖɔ gbagbã ɖi, ne Nil metsa de tsi agblewo o, ne tsi medza o alo ne anyigba ʋuʋu, ne dɔ to, ne dɔvɔ̃ aɖe do la, nya ɖeka koe wogblɔna be: ‘Mitsɔ Kristotɔawo na dzatawo!’ ” Nuka kee woɖawɔ wo o, nyateƒe Kristotɔwo ‘kpɔ wo ɖokui dzi nyuie le trɔ̃wo ŋuti.’—Yohanes I, 5:21.

Nyateƒea Kple Subɔsubɔzãwo

8. Nukatae amesiwo zɔna le nyateƒea me meɖua Kristmas o?

8 Amesiwo zɔna le nyateƒea me ƒoa asa na azã siwo mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o ɖuɖu elabena ‘ƒomedodo aɖeke mele kekeli kple viviti dome o.’ (Korintotɔwo II, 6:14-18) Le kpɔɖeŋu me, womeɖua Kristmas si woɖuna le December 25 dzi o. The World Book Encyclopedia gblɔ be: “Ame aɖeke menya ŋkeke si tututu dzi wodzi Kristo o.” The Encyclopedia Americana (1956 Tɔ) gblɔ be: “Saturnalia, si nye Romatɔwo ƒe azã aɖe si woɖuna le December titina ƒe wɔnawoe wokpɔ tsɔ le Kristmas ƒe dzidzɔ kɔnuwo dometɔ geɖe wɔmee.” M’Clintock kple Strong ƒe Cyclopædia gblɔ be: “Menye Mawue de Kristmas ɖuɖu ƒe se o, eye mele N[ubabla] Y[eyea] me o.” Eye agbalẽ si nye Daily Life in the Time of Jesus gblɔ be: “Alẽwo . . . nɔa kpo me le vuvɔŋɔli; eye esia dzaa ɖee fia be ŋkeke si woɖo na Kristmas ɖuɖu, le vuvɔŋɔli la, mesɔ o, elabena Nyanyuigbalẽawo gblɔ be alẽkplɔlawo nɔ gbedzi.”—Luka 2:8-11.

9. Nukatae Yehowa subɔla siwo nɔ anyi le blema kple esiwo li egbea ƒo asa na Easter ɖuɖu?

9 Wogblɔna be wotsɔa Easter ɖoa ŋku Kristo ƒe tsitretsitsizã dzii, gake nyatakakatsoƒe siwo ŋu kakaɖedzi le la gblɔ be edo ƒome kple alakpasubɔsubɔ. The Westminster Dictionary of the Bible gblɔ be Easter “nye azã aɖe si woɖuna le adame tsɔ dea bubu kekeli kple adame ƒe mawunɔ si nye Teutonic, si wonya le Anglo-Saxon be Eastre,” alo Eostre, la ŋu. Aleke kee wòɖale o, Encyclopædia Britannica (Tata 11 lia) gblɔ be: “Easter ɖuɖu ŋutinya aɖeke mele Nubabla Yeyea me o.” Kristotɔ gbãtɔwo meɖu Easter o eye Yehowa ƒe amewo meɖunɛ egbea o.

10. Azã ka ɖuɖue Yesu ɖo anyi, eye amekawoe lé eɖuɖu me ɖe asi pɛpɛpɛ?

10 Yesu mede se na eyomedzelawo be woaɖu yeƒe dzigbe alo tsitretsitsi zã o, ke boŋ Ŋkuɖoɖo eƒe vɔsakua dzie wòɖo anyi. (Romatɔwo 5:8) Le nyateƒe me la, esia koe nye nudzɔdzɔ si ƒe azã wòde se na eƒe nusrɔ̃lawo be woaɖu. (Luka 22:19, 20) Yehowa Ðasefowo gakpɔtɔ ɖua ƒe sia ƒe ƒe azã sia si wogayɔna hã be Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu la.—Korintotɔwo I, 11:20-26.

Woɖe Gbeƒã Nyateƒea le Anyigba Bliboa Dzi

11, 12. Aleke amesiwo zɔna le nyateƒea me ɖaa kpea asi ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋui?

11 Amesiwo nya nyateƒea bunɛ mɔnukpɔkpɔe be yewoatsɔ yewoƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ, kple nunɔamesi bubuwo aɖo anyi na gbeƒãɖeɖe nyanyuia. (Marko 13:10) Lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwoe wotsɔ do alɔ Kristotɔ gbãtɔwo ƒe gbeƒãɖeɖedɔae. (Korintotɔwo II, 8:12; 9:7) Tertullian ŋlɔ bena: “Ne nudzɔɖaka ƒomevi aɖe nɔ anyi gɔ̃ hã la, womedzɔa ga le amewo si le mɔa nu dea eme o, abe asitsadɔe mawusubɔsubɔ nye ene o. Amesiame tsɔa ga home sue aɖe vɛ ɣleti sia ɣleti—alo ɣesiaɣi si wòlɔ̃, eye ne elɔ̃, alo ne wòate ŋui ko; elabena womezinɛ ɖe ame aɖeke dzi o; enyea lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔ.”—Apology, ta 39.

12 Lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwoe wotsɔna doa alɔ xexeame katã ƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔ si wɔm Yehowa Ðasefowo le la hã. Le Ðasefoawo megbe la, ɖetsɔlemetɔ ŋudzedzekpɔlawo bunɛ mɔnukpɔkpɔe be yewoatsɔ yewoƒe nudzɔdzɔwo ado alɔ dɔ siae. Le afisia hã la, ɖekawɔwɔ aɖe le Kristotɔ gbãtɔawo kple Yehowa Ðasefowo dome.

Nyateƒea Kple Ame Ŋutɔ ƒe Agbenɔnɔ

13. Petro ƒe nuxlɔ̃ame ka dzie Yehowa Ðasefowo wɔna ɖo le woƒe agbenɔnɔ gome?

13 Abe amesiwo le zɔzɔm le nyateƒea me ene la, Kristotɔ gbãtɔwo wɔ ɖe apostolo Petro ƒe nuxlɔ̃amea dzi be: “Miaƒe anyinɔnɔ le trɔ̃subɔlawo dome nanɔ nyuie, bene nusi ta wogblɔ nya ɖe mia ŋuti ɖo abe vɔ̃wɔlawo ene la, le miaƒe dɔ nyui wɔwɔ, siwo wodze si azɔ ŋuti la, woakafu Mawu le kpɔkpɔɖaŋkeke la dzi.” (Petro I, 2:12) Yehowa Ðasefowo wɔna ɖe nya siawo dzi.

14. Aleke Kristotɔwo bua modzakaɖeɖe ɖigbɔwoe?

14 Esi xɔsegbegbe do mo ɖa gɔ̃ hã la, amesiwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye ƒo asa na nuwɔna gbegblẽwo. W. D. Killen, si nye sɔlemeha la ƒe blemaŋutinyafialagã, ŋlɔ bena: “Le ƒe alafa evelia kple etɔ̃lia me la, fefewɔƒe si le du gã ɖesiaɖe me nyea afisi amesiame dina be yewoayi; eye togbɔ be fefeawɔlawo nyea agbegbegblẽnɔlawo ŋutɔ hã la, ɣeyiɣia me tɔwo tsɔ woƒe fefe siwo wowɔna ɖia kɔ na woƒe dzodzro vɔ̃wo ɣesiaɣi. . . . Nyateƒe Kristotɔwo katã nyɔŋu fefewɔƒea. . . . Wotsria eƒe nuwɔna nyɔŋuwo; eye woƒe dzixɔsewo na woléa fu mawu kple mawunɔwo ƒe trɔ̃subɔsubɔnuwɔna si wowɔna ɖaa la.” (The Ancient Church, axa 318-19) Yesu yomedzela vavã siwo li egbea hã ƒoa asa na nu nyɔŋuwo kple modzakaɖeɖe ɖigbɔwo.—Efesotɔwo 5:3-5.

Nyateƒea Kple “Dziɖuɖu Siwo Ŋusẽ Li Na”

15, 16. Amekawoe nye “dziɖuɖu, siwo ŋusẽ li na la,” eye aleke amesiwo le zɔzɔm le nyateƒea me la bua woe?

15 Togbɔ be Kristotɔ gbãtɔwo nɔ agbe nyui hã la, Roma fiagã akpa gãtɔwo bu susu vɔ̃ ɖe wo ŋu. E. G. Hardy gblɔ be fiagãawo bu wo abe “yeaɖi zazɛ̃nyahela siwo ŋu bubu mele o” ene. Mɔmefia Pliny Suetɔ si ɖu Bithynia dzi kple Fiagã Trajan dome lɛtaŋɔŋlɔwo ɖee fia be dziɖulawo ƒe akpa gãtɔ menya nu boo aɖeke tso Kristotɔnyenye ŋu o. Aleke Kristotɔwo bua Dukɔae?

16 Abe alesi wònɔ le Yesu yomedzela gbãtɔwo gome ene la, Yehowa Ðasefowo bɔbɔa wo ɖokui na ‘dunyahedziɖuɖu siwo si ŋusẽ le’ la va ɖo afi aɖe. (Romatɔwo 13:1-7) Ne nusi amegbetɔwo bia kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu mewɔ ɖeka o la, nya me si woatso enye be: “Ele be, woabu Mawu awu amewo.” (Dɔwɔwɔwo 5:29) Agbalẽ si nye After Jesus—The Triumph of Christianity gblɔ be: “Togbɔ be Kristotɔwo makpɔ gome le fiagã subɔsubɔ me o hã la, womenye aglãdzelawo o, eye togbɔ be woƒe subɔsubɔ to vovo eye wòtɔaŋku na trɔ̃subɔlawo o hã la, womenye ŋɔdzinu aɖeke na fiaɖuƒea o.”

17. (a) Dziɖuɖu ka ƒe akpadzinɔlae Kristotɔ gbãtɔwo nye? (b) Aleke Kristo yomedzela vavãwo wɔ ɖe Yesaya 2:4 me nyawo dzi le woƒe agbe mee?

17 Kristotɔ gbãtɔwo nye Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe akpadzinɔlawo, abe alesi ko blemafofo Abraham, Isak, kple Yakob xɔ ‘du si Mawu tu’ ƒe ŋugbedodoa dzi see ene. (Hebritɔwo 11:8-10) Abe woƒe Aƒetɔ Yesu ke ene la, nusrɔ̃lawo menye ‘xexeame ƒe akpa aɖeke o.’ (Yohanes 17:14-16) Eye le amegbetɔwo ƒe aʋawɔwɔ kple dzrewɔwɔ teƒe la, wotia ŋutifafa yome boŋ to ‘woƒe yiwo tsɔtsɔ tu kodziwoe’ me. (Yesaya 2:4) Esi sɔlemeha ŋutinunyafiala Geoffrey F. Nuttall tsɔ wo nɔ sɔsɔm kple amesiwo ɖi wo la, egblɔ be: “Nɔnɔme si nɔ Kristotɔ gbãtɔwo si ɖe aʋawɔwɔ ŋu la sɔ pɛpɛpɛ kple amesiwo yɔa wo ɖokuiwo be Yehowa Ðasefowo la tɔ si dzi menya lɔ̃na ɖo na mí bɔbɔe.”

18. Nukatae susu aɖeke meli si ta dziɖuɖu aɖeke navɔ̃ Yehowa Ðasefowo o?

18 Abe akpaɖekedzimadela siwo bɔbɔa wo ɖokui na “dziɖuɖu siwo ŋusẽ li na” ene la, Kristotɔ gbãtɔawo menye ŋɔdzi na dunyahedziɖuɖu aɖeke o, eye nenema ke Yehowa Ðasefowo hã le. Dziehe Amerika nyadzɔdzɔgbalẽmetola aɖe ŋlɔ bena: “Nazãbubu kple makamakaɖeamedzie nana wosusuna be Yehowa Ðasefowo nye ŋɔdzinu na dunyahedziɖuɖu. Wonye ame fafawo kple amesiwo medzea aglã ɖe dziɖuɖu ŋu o abe alesi woakpɔ mɔ be mawusubɔsubɔha nanɔ ene.” Dziɖuɖumegã siwo nya nu tso Yehowa Ðasefowo ŋu la nya be susu aɖeke meli si ta yewoavɔ̃ wo o.

19. Nya kae woate ŋu agblɔ le Kristotɔ gbãtɔwo kple Yehowa Ðasefowo ŋu le adzɔxexe gome?

19 Mɔ ɖeka si nu Kristotɔ gbãtɔwo de bubu “dziɖuɖu siwo ŋusẽ li na” ŋu le enye to woƒe adzɔwo xexe me. Esi Justin Martyr nɔ agbalẽ ŋlɔm na Roma Mɔmefia Antoninus Pius (138-161 M.Ŋ.) la, egblɔ be Kristotɔwo “lɔ̃na” xea woƒe adzɔwo “faa wu amewo katã.” (First Apology, ta 17) Eye Tertullian gblɔ na Roma dziɖulawo be woƒe adzɔxɔlawo “nada akpe na Kristotɔwo” le alesi wokpɔna egbɔ be yewoxe yewoƒe adzɔwo pɛpɛpɛ ta. (Apology, ta 42) Kristotɔwo kpɔ viɖe tso Pax Romana, alo Roma ƒe Ŋutifafa la me, tsɔ kpe ɖe eƒe se kple ɖoɖo, mɔdodo nyuiwo, kple ƒudzimɔzɔzɔ si me dedienɔnɔ nɔ ŋu. Esi wokpɔ alesi nu nyui siwo wowɔ ɖe vi na woe la, wowɔ ɖe Yesu ƒe nyawo dzi be: “Nusi nye kaisaro tɔ la, mitsɔe na kaisaro, eye nusi nye Mawu tɔ la, na Mawu.” (Marko 12:17) Yehowa ƒe ame siwo li egbea wɔna ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi eye wokafua wo le woƒe nyateƒetoto le adzɔxexe me ta.—Hebritɔwo 13:18.

Nyateƒe La—Nublanue Wònye

20, 21. Le nɔvilɔlɔ̃ si me ŋutifafa le gome la, nɔnɔme ɖeka tɔgbe kawoe le Kristotɔ gbãtɔwo kple Yehowa subɔla siwo li egbea si?

20 Esi Kristotɔ gbãtɔawo zɔ le nyateƒea me ta la, ebla wo ɖekae le nɔviwo ƒe habɔbɔ si me ŋutifafa nɔ me abe alesi Yehowa Ðasefowo le egbea ene. (Dɔwɔwɔwo 10:34, 35) Lɛta aɖe si wota ɖe The Moscow Times me gblɔ be: “Wonya [Yehowa Ðasefowo] nyuie be wonye xɔlɔ̃wɔlawo, dɔmenyotɔwo, kple ame fafa siwo wote ŋu dea ha kplii bɔbɔe, siwo meƒoa nya ɖe ame nu o eye wodia ŋutifafa le woƒe ƒomedodo kple ame bubuwo me ɣesiaɣi . . . Zãnuxɔlawo, ahatsunolawo, alo atikevɔ̃ɖizãlawo mele wo dome o, eye menye nu sesẽ aɖeke tae o: Ðeko wodzea agbagba be woƒe Biblia ƒe dzixɔsewo nafia mɔ wo le nusianu si wowɔna alo gblɔna me. Ne ɖe xexeametɔwo katã adze agbagba teti be yewoanɔ agbe ɖe Biblia ƒe mɔ nu abe alesi Yehowa Ðasefowo nɔnɛ ene la, míaƒe xexe vlo sia atrɔ kuraa.”

21 Encyclopedia of Early Christianity gblɔ be: “Sɔlemeha gbãtɔ la bu eɖokui ameƒome yeye ɖeka ƒe ƒuƒoƒo si me Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔla siwo melɔ̃a wo nɔewo ƒe nya tsã o la nɔa ŋutifafa me le.” Yehowa Ðasefowo hã nye dukɔwo dome nɔviwo ƒe habɔbɔ si lɔ̃a ŋutifafa—xexeme yeye habɔbɔ aɖee nyateƒe. (Efesotɔwo 2:11-18; Petro I, 5:9; Petro II, 3:13) Esi dedienɔnɔdzikpɔlawo ƒe amegã si le Pretoria Adzɔnuɖefiaƒe le South Africa kpɔ alesi Ðasefo siwo tso ameƒomeviwo katã me kpe ta le afima ŋutifafatɔe la, egblɔ be: “Amesiame wɔ nudzeame eye wonye nudzeamewɔlawo, amewo ƒo nu kple gbeɖɔɖɔe na wo nɔewo, ne woaƒo nu tso nɔnɔme si woɖe fia le ŋkeke ʋɛ siwo va yi me ŋu la—wo katã ɖo kpe miaƒe habɔbɔa me tɔwo ƒe agbenyuinɔnɔ dzi eye mienɔa anyi ɖekae abe ƒome kpɔdzidzɔ ɖeka ene.”

Woyra Wo le Nyateƒea Fiafia Ta

22. Nukae le dzɔdzɔm le esi Kristotɔwo le nyateƒea ɖem fia ta?

22 Paulo kple Kristotɔ bubuwo to woƒe agbenɔnɔ kple gbeƒãɖeɖedɔa dzi ‘nɔ nyateƒea ɖem fia.’ (Korintotɔwo II, 4:2) Ðe mèlɔ̃ ɖe edzi be Yehowa Ðasefowoe le esia ke wɔm hele nyateƒea fiam dukɔwo katã me tɔwo oa? Le xexeame katã la amewo le nyateƒe tadedeagu la me vam eye wole zi ƒom ɖe ‘Yehowa ƒe aƒe ƒe to la’ dzi madzudzɔmadzudzɔe. (Yesaya 2:2, 3) Ƒe sia ƒe la, ame akpe geɖe xɔa nyɔnyrɔ tsɔ ɖea woƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu fiana si na be wole hame yeye geɖe ɖom.

23. Aleke nèkpɔ tso amesiwo le nyateƒea fiam dukɔwo katã me tɔwo ŋu?

23 Togbɔ be Yehowa ƒe amewo tso teƒe vovovowo hã la, wowɔ ɖeka le nyateƒe tadedeagu me. Lɔlɔ̃ si woɖena fiana na wokpɔa wo dzea sii be Yesu ƒe nusrɔ̃lawoe wonye. (Yohanes 13:35) Èle ekpɔm be ‘Mawu le wo dome vavãa’? (Korintotɔwo I, 14:25) Èle amesiwo le nyateƒea fiam dukɔwo katã la domea? Ne nenemae la, neva eme be nàyi edzi anɔ ŋudzedzekpɔkpɔ mavɔ ɖem fia ɖe nyateƒea ŋu eye mɔnukpɔkpɔ nasu asiwò be nàzɔ le eme tegbee.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Le tadedeagu gome la, ɖekawɔwɔ kae le Kristotɔ gbãtɔawo kple Yehowa Ðasefowo dome?

• Subɔsubɔzã ka koe amesiwo le zɔzɔm le nyateƒea me la ɖuna?

• Amekawoe nye “dziɖuɖu, siwo ŋusẽ li na,” eye aleke Kristotɔwo bua woe?

• Aleke nyateƒea nye nublanui?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Kristotɔwo ƒe kpekpewo nye yayra na amesiwo le zɔzɔm le nyateƒea me la tso gbaɖegbe ke

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Yesu de se na eyomedzelawo be woaɖu yeƒe vɔsaku ƒe Ŋkuɖodzia

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Abe Kristotɔ gbãtɔawo ene la, Yehowa Ðasefowo dea bubu “dziɖuɖu, siwo ŋusẽ li na” ŋu