Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Aʋatsodzixɔsewo Kpɔa Ŋusẽ Ðe Wò Agbe Dzia?

Ðe Aʋatsodzixɔsewo Kpɔa Ŋusẽ Ðe Wò Agbe Dzia?

Ðe Aʋatsodzixɔsewo Kpɔa Ŋusẽ Ðe Wò Agbe Dzia?

AƲATSODZIXƆSEWO le xexeame godoo. Wodea asixɔxɔ wo ŋu ɣeaɖewoɣi abe blemadekɔnu ƒe akpa aɖe ene. Alo woate ŋu abu wo hã be wonye nu suesuesue aɖewo—siwo nana agbe vivina. Le Ɣetoɖoƒedukɔwo me la, womebua aʋatsodzixɔsewo nu vevi aɖekee o. Le teƒe bubuwo—le kpɔɖeŋu me, le Afrika—la, aʋatsodzixɔsewo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe amewo ƒe agbe dzi vevie.

Aʋatsodzixɔsewo dzie wotu Afrikatɔwo ƒe dekɔnu geɖe ɖo. Sinima, radio dzi wɔnawo, kple agbalẽ siwo woŋlɔna le Afrika la ɖea aʋatsodzixɔse kple vivimenuwɔnawo, abe akunyawɔwɔ, tɔgbui kukuwo subɔsubɔ, kple trɔ̃wo ƒe wɔnawo fiana zi geɖe. Nukatae aʋatsodzixɔsewo kpɔa ŋusẽ ɖe amewo dzi nenema gbegbe ɖo, eye afikae aʋatsodzixɔsewo dzɔ tso?

Afikae Aʋatsodzixɔsewo Dzɔ Tso?

Aʋatsodzixɔse geɖe dzɔ tso vɔvɔ̃ na ame kukuwo ƒe gbɔgbɔ alo na gbɔgbɔ ƒomevi ɖesiaɖe me. Woɖea nudzɔdzɔwo gɔme be wonye agbagba siwo gbɔgbɔ siawo le dzedzem be yewoado ka kple agbagbeawo to vɔvɔ̃doname, nuxlɔ̃ame, alo yayra dzi.

Aʋatsodzixɔsewo do ka kplikplikpli kple gbedada kpakple atike. Le ame akpa gãtɔ siwo le dukɔ madeŋgɔwo me gome la, egbeŋkekea me atikewo xɔ asi na wo akpa, si wɔnɛ be womete ŋu ƒlena wo o. Le esia ta la, ame geɖe dia gbedada alo ƒoa asa na dɔlélewo to tɔtrɔ ɖe tɔgbuikɔnuwo, gbɔgbɔyɔyɔ, kple aʋatsodzixɔsewo ŋu me. Wovona le wo ɖokui me wu hã ne woyi bokɔnɔ si nya woƒe kɔnuwo eye wòdoa wo de gbe gbɔ wu be woayi kɔdzi ɖɔkta gbɔ. To esiawo wɔwɔ me la, aʋatsodzixɔsewo gakpɔtɔ bɔ kokoko.

Le aʋatsodzixɔsewo ƒe kɔnyinyiwo nu la, woxɔe se be dɔléle kple afɔkuwo medzɔna le wo ɖokui si o, ke boŋ be wonye nudzɔdzɔ siwo tso gbɔgbɔ siwo le gbɔgbɔmexexeme gbɔ. Bokɔnɔwo agblɔ be nanee mele dzidzɔ dom na tɔgbuikuku aɖe o. Alo gbɔgbɔyɔlawo agblɔ be ame aɖe bɔ trɔ̃ amesi dzi nua dzɔ ɖo to bokɔnɔ bubu dzi, eye eyatae dɔlélea alo afɔkua dzɔ ɖo.

Vovototo gã aɖewo le aʋatsodzixɔsewo me le xexeame ƒe akpa vovovo, eye alesi wo bɔe nɔa te ɖe nutoa me ƒe dekɔnuwo, xotutuwo, kple nɔnɔmewo dzi. Gake nusi dzɔna le wo katã gomee nye, ehiã be woafa dzi na ame aɖe, alo nane, si le gbɔgbɔmexexeme.

Nu Gbɔlo Koea alo Afɔku Le Eme?

Le ƒome akpa gãtɔ me la, venɔviwo dzidzi nye nu do dzidzɔ manyagblɔ aɖe. Gake aʋatsodzixɔselawo ya aɖe egɔme be enye dzesi aɖe. Le Ɣetoɖoƒe Afrika ƒe akpa aɖewo la, ame geɖe bua venɔviwo abe mawuwo dzidzi ene, eye wosubɔa wo. Ne venɔviawo dometɔ ɖeka alo evea siaa ku la, wokpaa woƒe nɔnɔmetata suewo, eye ele be ƒomea nanɔ nuɖuɖu nam atikpakpɛ siawo. Le teƒe bubuwo la, amewo bua venɔviwo dzidzi be enye fiƒode, ale gbegbe be dzila aɖewo wua ɖeviawo dometɔ ɖeka ya teti. Nukatae? Woxɔe se be ne venɔvi eveawo siaa tsi agbe la, woava wu wo dzilawo gbeɖeka godoo.

Kpɔɖeŋuwo abe esiawo ene ɖee fia be togbɔ be aʋatsodzixɔse aɖewo awɔ nuku eye vɔ̃ manɔ wo me o hã la, afɔku—alo ku gɔ̃ hã—ate ŋu anɔ bubuawo ya me. Woate ŋu aɖe nudzɔdzɔ aɖe si me afɔku mele o gɔme alakpatɔe be enye esi ɖi vɔvɔ̃.

Ẽ, le nyateƒe me la, aʋatsodzixɔse nye dzixɔse, si nye mawusubɔsubɔ nuwɔna aɖe. Ne míebu afɔku siwo le aʋatsodzixɔse me ŋu la, ke esɔ be míabia be: Ameka tututue aʋatsodzixɔse kple nuwɔna siawo ɖea vi na?

Aʋatsodzixɔsewo Dzɔtsoƒe

Togbɔ be kpeɖodzia li hã la, ame aɖewo gbea edzi xɔxɔ se egbea be Satana alo gbɔgbɔvɔ̃wo li ŋutɔŋutɔ. Gake míenyae be le aʋawɔɣiwo la, emaxɔmaxɔ se be futɔ wɔadã aɖe le nutoa me ate ŋu ahe afɔku vɛ godoo. Nenema kee wòanɔ le aʋawɔwɔ kple gbɔgbɔmenuwɔwɔ siwo tri akɔ wu amegbetɔwo la hã gomee, elabena apostolo Paulo ŋlɔ bena: ‘Míele kame tem kple vɔ̃ɖinyenye ƒe gbɔgbɔwo.’—Efesotɔwo 6:12.

Togbɔ be míate ŋu akpɔ gbɔgbɔmenuwɔwɔ vɔ̃ɖiwo o hã la, woli nyateƒe. Biblia ɖe eme be gbɔgbɔmeme aɖe si womekpɔna o la zã da, abe alesi ayetɔ aɖe wɔna abe nu maƒonu aɖee le nu ƒom ene, tsɔ ɖo dzee kple nyɔnu gbãtɔ, Xawa, eye wòna wòdze aglã ɖe Mawu ŋu. (Mose I, 3:1-5) Biblia yɔ gbɔgbɔmeme sia be, “ʋɔ driba gã, si nye da xoxo la, esi woyɔna be: Abosam kple Satana, amesi nye xexeame katã blela la.” (Nyaɖeɖefia 12:9) Ame ma, Satana, kee te ŋu ble mawudɔla bubuwo be wodze aglã. (Yuda 6) Mawudɔla vɔ̃ɖi siawo vazu gbɔgbɔ vɔ̃wo, Mawu ƒe futɔwo.

Yesu nya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe tso amewo me, abe alesi eƒe nusrɔ̃lawo wɔe ene. (Marko 1: 34; Dɔwɔwɔwo 16:18) Menye tɔgbui kukuwoe gbɔgbɔ siawo nye o, elabena kukuawo “menya naneke o.” (Nyagblɔla 9:5) Ke boŋ wonye mawudɔla dzeaglã siwo Satana ble. Kadodo kpli wo alo nana be woakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi menye nusi míabu nu tsɛ o, elabena woadi be yewoavuvu mí abe alesi wo ŋgɔnɔla Satana Abosam dina be yeawɔe ene. (Petro I, 5:8) Woƒe taɖodzinue nye be yewoaɖe mí ɖa tso ameƒomea ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia—si nye Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu.

Biblia ɖe mɔ ɖeka si Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo zãna la fia be: “Abosam ŋutɔ trɔa eɖokui wɔa kekeli ƒe dɔla.” (Korintotɔwo II, 11:14) Satana adi be yeable mí ne míaxɔe se be yeate ŋu ana agbenɔnɔ si nyo wu la mí. Le esia ta la, ate ŋu adze abe gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe asidede nyawo me le viɖewo hem vɛ vaseɖe afi aɖe ene. Gake womate ŋu ana kuxiwo gbɔ kpɔnu siwo nɔa anyi ɖaa la mí o. (Petro II, 2:4) Womate ŋu ana agbe mavɔ ame aɖeke le mɔ aɖeke nu o eye woatsrɔ̃ wo ɖa kpuie. (Romatɔwo 16:20) Mía Wɔlaa gbɔ koe míakpɔ agbe mavɔ kple dzidzɔ vavãtɔ kpakple ametakpɔkpɔ nyuitɔ tso gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖiwo si me le.—Yakobo 4:7.

Mawu meda asi ɖe kpekpeɖeŋu didi to gbɔgbɔyɔyɔ nuwɔnawo me dzi o. (Mose V, 18:10-12; Fiawo II, 21:6) Esia nye hadede kple futɔ la, ɖekawɔwɔ kple Mawu gɔmezɔlawo! Ɣletivimefakaka tso dzigbezãwo ŋu, nutabiabia le bokɔ gbɔ, alo ame ɖokui ƒoƒo ɖe aʋatsodzixɔse nuwɔna ƒomevi ɖesiaɖe me afia mɔɖeɖe be gbɔgbɔ vɔ̃wo nakpɔ ŋusẽ ɖe nyametsotso siwo nèwɔna le wò agbe me dzi. Esɔ kple ɖekawɔwɔ kpli wo le woƒe aglãdzedze ɖe Mawu ŋu me.

Gbɔgbɔ Vɔ̃wo ƒe Ametakpɔkpɔ—Ðe Wòanya Wɔa?

Ade, * si nye Niger ŋutsu aɖe, nɔ Biblia la srɔ̃m kple Yehowa Ðasefowo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖela aɖe. Ade ɖe nusita tsila le esi le eƒe fiasea me la me ale: “Futɔwo sɔ gbɔ ŋutɔ.” Amesi nɔ Biblia fiam Ade ɖe eme nɛ be Yehowa ɖeka ko ŋue míate ŋu aɖo ŋu ɖo hena ametakpɔkpɔ vavãtɔ. Exlẽ Psalmo 34:8 na Ade, si gblɔ be: “Yehowa ƒe dɔla ƒua asaɖa anyi ɖe amesiwo vɔ̃nɛ la ŋu, eye wòhea wo doa goe.” Ade ƒo nya ta be: “Ne Yehowa ate ŋu akpɔ tanye nyateƒe la, ke maɖe tsila la ɖa.” Fifia, le ƒe geɖe megbe la, ezu hamemegã kple ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla. Eƒe futɔwo dometɔ aɖeke mewɔ nuvevii o.

Biblia ɖee fia be azãgbe kple nuɖiɖeamewo li na mí katã, míeɖanye aʋatsodzixɔselawo loo alo míeɖanyee o. (Nyagblɔla 9:11) Gake Yehowa metsɔa nu vɔ̃ɖiwo tea mí kpɔnae o. (Yakobo 1:13) Nuvɔ̃ ƒe dome si míenyi tso Adam gbɔe hɛ ku kple blibomademade vɛ. (Romatɔwo 5:12) Esia tae, amesiame dzea dɔ ɣeaɖewoɣi hewɔa vodada siwo ate ŋu ade ame afɔku gã me. Eyata anye vodada be míada dɔlélewo kple agbemekuxi ɖesiaɖe si ava mía dzi la ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo dzi. Ðeko dzixɔse ma awɔe be míanɔ agbagba dzem be míafa akɔ na gbɔgbɔawo le mɔ aɖe nu. * Ne míedze dɔ la, ele be míayi kɔdzi woakpɔ míagbɔ nyuie, ke menye be míaɖanɔ aɖaŋuɖoɖo dim tso “aʋatsokala kple aʋatsokafofo,” Satana Abosam, gbɔ o. (Yohanes 8:44) Numekukuwo ɖee fia be amesiwo le dukɔ siwo me tɔgbui kukuwo ŋuti aʋatsodzixɔsewo bɔ ɖo me menɔa agbe didi alo nɔa agbe si nyo wu dukɔ bubuwo me tɔwo o. Eyata eme kɔ ƒã be, aʋatsodzixɔsewo medea lãmesẽ dzi o.

Ŋusẽ le Mawu ŋu wu gbɔgbɔ vɔ̃ ɖesiaɖe, eye Etsɔ ɖe le míaƒe nyonyo me. “Yehowa ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe kukuɖeɖe ŋu.” (Petro I, 3:12) Do gbe ɖa nàbia ametakpɔkpɔ kple nunyae. (Lododowo 15:29; 18:10) Dze agbagba nàse eƒe Nya Kɔkɔe, Biblia, gɔme. Biblia me sidzedze vavãtɔ koe nye ametakpɔkpɔ nyuitɔ kekeake si ate ŋu asu mía si. Akpe ɖe mía ŋu míanya nusitae nu gbegblẽwo dzɔna ɖo kple alesi míawɔ Mawu Ŋusẽkatãtɔ nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu.

Mawu Ŋuti Sidzedze ƒe Viɖewo

Yehowa kple eƒe tameɖoɖowo ŋuti sidzedze vavãtɔ—si to vovo na numanyamanya kple aʋatsodzixɔse—koe nye mɔ si dzi míato akpɔ ametakpɔkpɔ vavãtɔ. Esia dze le Jean, ŋutsu si tso Benin, ƒe nyaa me. Aʋatsodzixɔsewo xɔ aƒe ɖe Jean ƒe ƒomea me vevie ŋutɔ. To si me wòtso ƒe aʋatsokɔnyinyiwo bia be ele be nyɔnu si dzi viŋutsuvi la nanɔ agbadɔ tɔxɛ si wotu me ŋkeke asieke. Ne nyɔnuvie wòdzi la, anɔ agbadɔa me ŋkeke adre.

Le ƒe 1975 me la, Jean srɔ̃ dzi ŋutsuvi dzeɖekɛ nyui aɖe, si wona ŋkɔe be Marc. Le Biblia me sidzedze si su Jean kple srɔ̃a si ta la, womedi be yewoado ka aɖeke kple gbɔgbɔ vɔ̃wo o. Gake ɖe woana vɔvɔ̃ kple nyaƒoɖeamenu be woawɔ aʋatsodzixɔsewo dzi naɖu wo dzi ahana vidada navae nɔ agbadɔa mea? Ao—wogbe wɔwɔ ɖe tokɔa ƒe aʋatsodzixɔse sia dzi.—Romatɔwo 6:16; Korintotɔwo II, 6:14, 15.

Ðe afɔku aɖe dzɔ ɖe Jean ƒe ƒomea dzia? Ƒe geɖe va yi, eye Marc zu subɔsubɔdɔwɔla fifia le Yehowa Ðasefowo ƒe hame si me wole la me. Dzi le ƒome bliboa dzɔm be yewomeɖe mɔ aʋatsodzixɔse kpɔ ŋusẽ ɖe yewoƒe agbe dzi ahagblẽ yewoƒe gbɔgbɔmededienɔnɔ me o.—Korintotɔwo I, 10:21, 22.

Ele be Kristotɔ vavãwo naɖe vivime aʋatsodzixɔse nuwɔnawo katã ɖa le woƒe agbe me eye woaxɔ gbɔgbɔmekekeli si Wɔla, Yehowa, kple Via, Yesu Kristo, nana la. Esia ana be susu me ƒe akɔdzeanyi vavãtɔ si nyanya be yewole nusi sɔ le Mawu ŋkume wɔm hena vɛ la nasu wo si.—Yohanes 8:32.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 20 Wotrɔ ŋkɔawo.

^ mm. 21 Kpɔ nyati si nye “Abosam Ye Na Míedzea Dɔa?” le September 1, 1999, ƒe Gbetakpɔxɔ me.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 5]

Aʋatsodzixɔse Bɔbɔ Aɖewo le Xexeame Godoo

• Nuɖutiwo tsɔtsɔ tu tsitre ɖe mɔli ɖaɖa agba ɖeka me nye ku ƒe dzesi

• Favieʋuto kpɔkpɔ ŋdɔkutsu hea dzɔgbevɔ̃e vɛ

• Bosomikaɖi ƒe tsitsi le eɖokui si le wɔna aɖe wɔƒe fia be gbɔgbɔ vɔ̃wo de xa ɖe teƒea

• Xexi ƒe gege le ame si ɖe anyigba fia be woawu ame aɖe le aƒea me

• Kuku dada ɖe aba dzi hea dzɔgbevɔ̃e vɛ

• Gawo ƒe ɖiɖi nyaa gbɔgbɔ vɔ̃wo

• Ƒuƒu ɖoɖo ɖe bosomikaɖi siwo katã wosi ɖe dzigbezãɖubolo vivi dzi ne wo katã natsi zi ɖeka kplo nyea kpeɖodzi be ame ƒe didiwo ava eme

• Xa ziɔziɔ ɖe abati ŋu naa gbɔgbɔ vɔ̃ siwo le xaa me saa gbe dea abatia

• Dadi yibɔ ƒe mɔ tsotso na ame fia be dzɔgbevɔ̃e le mɔa dzi

• Gaflo ƒe gege le ame si ɖe anyigba fia be èle ŋutsumedzro xɔ ge

• Atiglinyiwo ƒe nɔnɔmetata si woda ɖi wòdze ŋgɔ ʋɔtru hea dzɔgbenyui vɛ

• Sɔfɔkpa wɔwɔe si woda ɖe ʋɔtru nu hea dzɔgbenyui vɛ

• Takpɔnue wònye ne gbe si woyɔna be iv y mie ɖe xɔ ŋu na ame

• Aŋutsrɔe te zɔzɔ nye dzɔgbevɔ̃e

• Ne ègbã ahuhɔ̃e fia ƒe adre ƒe dzɔgbevɔ̃e si ava dziwò

• Ne atadi ge le asiwò kɔ ɖe anyigba fia be nyaʋiʋli aɖe aɖo mia kple xɔ̃wò vevi dome

• Ne dze ƒu gbe le asiwò kɔ ɖe anyigba fia dzɔgbevɔ̃e negbe ɖe nèku sue aɖe ƒu gbe to wò miabɔ ta

• Asiɖeɖe le zikpui si te wowɔ wòxa gobaa la ŋu wòanɔ nyenyem ame aɖeke ƒe edzi manɔmanɔe yɔa gbɔgbɔ vɔ̃wo wova nɔa edzi

• Afɔkpa tsyɔtsyɔ anyi hea dzɔgbevɔ̃e vɛ

• Ne ame ku la, ele be woaʋu fesrewo ada ɖi be luʋɔa nado adzo

[Aɖaka si le axa 6]

Wovo tso Aʋatsodzixɔsewo ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedziwo Me

Yehowa Ðasefowo nɔ gbeƒã ɖem le South Africa ƒe nuto aɖe me. Esi Ðasefoawo ƒo ʋɔtru aɖe la, nyɔnu aɖe si do Sangoma (bokɔnɔ) ƒe awu aɖee ʋui na wo. Wodi be yewoadzo, gake nyɔnua ƒoe ɖe wo nu be woagblɔ gbedasi si le wo si. Ðasefoawo dometɔ ɖeka xlẽ Mose V, 18:10-12 na nyɔnua be yeatsɔ ana wòanya Mawu ƒe nukpɔsusu ku ɖe gbɔgbɔyɔnuwɔnawo ŋu. Bokɔnɔ la xɔ gbedasia helɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye. Egblɔ be ne yeƒe Biblia sɔsrɔ̃ na yekpɔe dze sii kɔte be nuwɔnawo abe Sangoma ene tsi tre ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu ŋu la, ke yeadzudzɔ.

Esi wozã Biblia tsɔ srɔ̃ Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi ƒe ta 10 lia kplii vɔ megbe la, etɔ dzo nusiwo katã wòzãna le afakaka me hete kpekpewo dede le Fiaɖuƒe Akpata me. Gakpe ɖe eŋu la, edzra eƒe srɔ̃ɖeɖe me nyawo ɖo, togbɔ be ƒe 17 sɔŋ ye eya kple srɔ̃a dome klã hã. Fifia la, eya kple srɔ̃a wonye Yehowa Ðasefo ɖeadzɔgbe, xɔnyɔnyrɔwo.

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Amesi nye “Sangoma” la kaa afa be yeakpɔ dɔnɔa ƒe kuxiwo

[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Mawu ŋuti sidzedze vavãtɔ hea ametakpɔkpɔ kple dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ vɛ