Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kutrikuku Ɣekaɣie Yehowa Ðoa Eteƒe?

Kutrikuku Ɣekaɣie Yehowa Ðoa Eteƒe?

Kutrikuku Ɣekaɣie Yehowa Ðoa Eteƒe?

“ÐE ASI le ŋunye, elabena agu le dzedzem!”

“Nyemele asi ɖe ge le ŋuwò o, negbe ɖeko nayram hafi.”

“Ŋkɔwò ɖe?”

“Yakob.”

“Womagayɔ wò be Yakob akpɔ o, ke boŋ Israel, elabena ète kame kple Mawu kpakple ame, eye nète ŋui.”—Mose I, 32:27-29.

Yakob, si xɔ ƒe 97 la, ƒe kametete tamanamanae me tsonue nye dzeɖoɖo dodzidzɔname ma. Togbɔ be Biblia meɖɔe be enye kametefefewɔla o hã la, ete kame, alo wɔ avu kple mawudɔla aɖe vevie zã blibo. Nukatae? Yakob tsɔ ɖe le ŋugbe si Yehowa do na tɔgbuia—si ku ɖe eƒe domenyinu ŋu—me vevie.

Ƒe geɖe do ŋgɔ la, Yakob nɔviŋutsu Esau ɖe asi le eƒe ŋgɔgbevinyenye ŋu nɛ ɖe nuɖuɖu agba ɖeka ta. Fifia ya, Yakob se be Esau kplɔ ŋutsu 400 ɖe asi gbɔna egbɔ. Esi esia na Yakob tsi dzi vevie ta la, ete ɖe Yehowa ŋu be yeanya ne nu adze edzi na yeƒe ƒomea le anyigba si le Yordan-tɔsisia godo la dzi hã. Le nuwɔwɔ wòawɔ ɖeka kple eƒe gbedodoɖaa me la, Yakob ɖe afɔ vevi aɖe. Eɖo nunana gbogbo aɖewo ɖe Esau si nɔ egogom la. Eɖe afɔ aɖewo hã hena wo ɖokui ta kpɔkpɔ eye wòma eƒemetɔwo ɖe hatsotso eve me hekplɔ srɔ̃awo kpakple viawo tso Yabok-tɔsisi lae. Fifia la etsɔ aɖatsi geɖe kple ʋiʋli vevie te kame kple mawudɔla aɖe zã blibo be ‘wòayra ye.’—Hosea 12:5; Mose I, 32:2-33.

Bu nusi dzɔ do ŋgɔ ku ɖe Raxel, si nye Yakob srɔ̃ evelia si wòlɔ̃ vevie ŋutɔ, ŋu kpɔ. Raxel nya nu tso ŋugbe si Yehowa do be yeayra Yakob la ŋu nyuie. Edaa, Lea, si nye Yakob srɔ̃ gbãtɔ dzi ŋutsuvi ene gake Raxel ya tsi ko. (Mose I, 29:31-35) Le esi teƒe be wòanɔ nublanui wɔm na eɖokui la, eyi edzi nɔ koko ƒom na Yehowa le gbedodoɖa me henɔ afɔ vevi aɖewo ɖem le ɖekawɔwɔ me kple eƒe gbedodoɖaa. Abe alesi mamaa Sara tsɔ Hagar na ene la, Raxel tsɔ eƒe kosi Bilha na Yakob wòɖe ale be, abe alesi Raxel gblɔe ene la, ‘yeaxɔ mamayɔvi tso egbɔ.’ * Bilha dzi ŋutsuvi eve na Yakob—Dan kple Naftali. Esi wodzi Naftali la, Raxel ɖe alesi gbegbe wòʋlie la gblɔ be: “Meʋli heƒo koko na Mawu le nɔvinye ta, meɖu dzi.” Wogayra Raxel eye eya ŋutɔ dzi ŋutsuvi eve, Yosef kple Benyamin.—Mose I, 30:1-8; 35:24.

Nukatae Yehowa ɖo Yakob kple Raxel ƒe kutrikuku kple kokoƒoƒowo teƒe na wo? Elabena Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ nɔ vevie na wo eye wode asixɔxɔ woƒe domenyinu ŋu. Wodo gbe ɖa vevie hena eƒe yayra le woƒe agbe me eye woɖe afɔ siwo hiã hele ɖekawɔwɔ me kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu kpakple woƒe nubiabiawo.

Abe Yakob kple Raxel ene la, ame geɖe ate ŋu aɖo kpe edzi egbea be kutrikuku hiã vevie hena Yehowa ƒe yayra xɔxɔ. Zi geɖe la, aɖatsiwo, dziɖeleameƒo, kple xaxawo mee wotona tamanamanae. Vidada Kristotɔ aɖe si ŋkɔe nye Elizabeth gblɔ alesi wòbia kutrikuku geɖe hafi wòagadze Kristotɔwo ƒe kpekpewo siwo dede wòdzudzɔ ɣeyiɣi didi aɖe la dede edziedzi gɔme ake. Ŋutsuvi sue atɔ̃ siwo le esi, srɔ̃a si nye dzimaxɔsetɔ, kple kilometa 30 mɔ si wòle be wòazɔ hafi ayi Fiaɖuƒe Akpata si te ɖe eŋu me na yiyi nye kuxi sesẽ. “Ebia ɖokuimamla geɖe be mate ŋu ayi kpekpeawo, siwo menya be wonyo na mía kple vinyeŋutsuviawo la, edziedzi. Ekpe ɖe wo ŋu wokpɔe dze sii be viɖe le agbenɔnɔmɔ sia ŋu.” Yehowa yra ɖe eƒe agbagbadzedzewo dzi. Le viaŋutsu etɔ̃ siwo doa vevie nu ŋutɔ le Kristo-hamea me dome la, eve nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo. Le dzidzɔkpɔkpɔ ɖe gbɔgbɔmeŋgɔyiyi si wowɔ ŋu me la, egblɔ be: “Wova tsi wum le gbɔgbɔ me.” Aleke gbegbee woyra ɖe eƒe kutrikuku dzie nye si!

Kutrikuku si Yehowa Yrana

Viɖe dona tsoa kutrikuku kple agbagbadzedze me godoo. Zi alesi míeku kutri vevie le dɔwɔna alo dɔdasi aɖe mee la, zi nenemae emetsonua naa dzidzeme míi. Aleae Yehowa wɔ míi. Fia Salomo ŋlɔ bena: “Be ame aɖe naɖu nu ano nu, eye wòanyo nɛ le eƒe agbagbadzedzewo katã me la, Mawu ƒe nunanae.” (Nyagblɔla 3:13; 5:18, 19) Gake be míaxɔ Mawu ƒe yayra la, ele be míakpɔ egbɔ be taɖodzinu nyuiwo le míaƒe agbagbadzedzewo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ɖe susu le eme be woakpɔ mɔ be Yehowa nayra ɖe nuwɔna aɖe si tutu gbɔgbɔmenuwo de nɔƒe evelia la dzia? Ðe Kristotɔ ɖeadzɔgbe ate ŋu akpɔ mɔ be Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe ye ŋu ne wòxɔ dɔ aɖe alo ŋgɔyiyiwo le dɔme si awɔe be wòanɔ Kristotɔwo ƒe kpekpe siwo me wòakpɔ hadede kple nufiame si atu eƒe xɔse ɖo le la dam ƒu edziedzia?—Hebritɔwo 10:23-25.

Ame ƒe agbemeŋkekewo katã zazã ɖe dɔwɔɖui alo ŋutilãmedzidzedzekpɔkpɔ ŋu mafia kokoko be ‘eme anyo nɛ’ ne wòwɔe gbɔgbɔmenuwo manɔmee o. Yesu ɖɔ nusi dona tsoa agbagba ƒuƒlu dzedze me le nukuwula ƒe lo si wòdo la me. Ku ɖe nuku si “wowu ɖe ŋuwo me” ŋu la, Yesu ɖe nu me be “eya nye amesi le nya la sem, eye tete xexeame ƒe agbagbadzedze kple kesinɔnuwo ƒe beble vu tsyɔ nya la dzi, eye wòtsi matsematse la.” (Mateo 13:22) Paulo hã xlɔ̃ nu tso mɔ̃ ma ke ŋu eye wògblɔ kpee be amesiwo tiaa ŋutilãmenuwo yome la “gena ɖe tetekpɔwo kple mɔ̃tetrewo kpakple movidzɔdzɔ kple nuveviwɔame ƒe nudzodzro geɖe, siwo tsɔa amewo xlãna ɖe gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ me la me.” Nukae nye agbenɔnɔmɔ sia tɔgbe si gblẽa nu le ame ŋu le gbɔgbɔ me la gbɔ kpɔnu? Paulo yi edzi be: ‘Si le nusiawo nu, eye mègatsɔ wò mɔkpɔkpɔ ɖo kesinɔnuwo ƒe dediemanɔmanɔ dzi o; ke boŋ ɖe Mawu gbagbe, si tsɔ nuwo katã na mí fũ be míawɔ wo ŋuti dɔ la dzi.’—Timoteo I, 6:9, 11, 17.

Ƒe ka kee míeɖaxɔ loo alo ɣeyiɣi didi kae míeɖale Yehowa subɔm o, Yakob kple Raxel ƒe kpɔɖeŋu si woɖo le kutrikuku me la sɔsrɔ̃ ate ŋu aɖe vi na mí katã. Esi wonɔ Mawu ƒe yayra dim la, womeŋlɔ woƒe gbɔgbɔmedomenyinu be gbeɖe o, aleke kee woƒe nɔnɔmewo do ŋɔdzi na wo alo na wotɔtɔe o. Egbea la, kuxi siwo míedoa goe ate ŋu ado ŋɔdzi na mí, woana míatɔtɔ, alo ana nu nate ɖe mía dzi gɔ̃ hã. Ele bɔbɔe be míana ta adzudzɔ kutrikuku ava zu amesiwo dzi Satana ɖu le eƒe amedzidzedzea me la dometɔ ɖeka. Ate ŋu azã mɔnu ɖesiaɖe si wòate ŋui, eɖanye modzakaɖeɖe, kamedefefewo, dɔwɔɖui, alo ŋutilãmedzidzedzekpɔkpɔ be wòaɖo eƒe taɖodzinua gbɔ. Ŋugbedodo dzroame geɖe le esiawo me, gake ƒã hafi wokaa ame si. Zi geɖe la, amesiwo nu woble alo amesiwo dzi nusiawo ƒe dzodzro ɖu va kpɔnɛ be yewoƒe nuwuwu nyea dziɖeleameƒo sɔŋ. Abe Yakob kple Raxel ene la, mina míatu kutrikuku gbɔgbɔ ɖo be míaɖu Satana ƒe aɖaŋu vɔ̃wo dzi.

Nusi ko dim Abosam le enye be wòakpɔ be nu glo mí míena ta, ahanɔ susum be ‘mɔkpɔkpɔ aɖeke megali na mí o. Naneke meli míagate ŋu awɔ o. Viɖe aɖeke mele eme be míayi edzi aʋli o.’ Ekema aleke gbegbee wòle vevie enye si be mí katã míakpɔ nyuie be tanana ƒe nɔnɔme nagage ɖe mía me, míava nɔ bubum be ‘lɔ̃nyela aɖeke meli o’ eye be ‘Yehowa ŋlɔm be’ o. Mɔɖeɖe ɖe tamesusu siawo tɔgbe ŋu agblẽ nu le mía ŋu vevie. Ðe wòanɔ fiafiam be míena ta eye míetɔ te alesi míayi edzi anɔ ʋiʋlim vaseɖe esime míaxɔ yayra la? Ðo ŋku edzi be Yehowa yrana ɖe míaƒe kutrikuku tamanamanae dzi.

Yi Edzi Nàʋli be Nàxɔ Yehowa ƒe Yayra

Nyateƒenya matrɔmatrɔ eve siwo ku ɖe míaƒe agbe ŋu le Yehowa subɔlawo nyenye me nyanya koŋ dzie míaƒe gbɔgbɔmenyonyo nɔ te ɖo. (1) Ame aɖeke meli si eya ɖeɖekoe kuxiwo, dɔlélewo, alo nɔnɔme sesẽwo ɖea kpe na le agbe me o, eye (2) Yehowa ɖoa to amesiwo doa ɣli tsɔ ƒoa koko nɛ kutrikukutɔe be wòakpe ɖe yewo ŋu eye wòyraa wo.—Mose II, 3:7-10; Yakobo 4:8, 10; Petro I, 5:8, 9.

Aleke kee wò nɔnɔmeawo ɖasesẽe alo nèsena le ɖokuiwò me be wɔna vɔ le ye ŋu o, mègana ta “nuvɔ̃, si ɖea to ɖe mí”—si nye xɔsemanɔamesi la gbeɖe o. (Hebritɔwo 12:1) Yi edzi nàʋli vaseɖe esime nàxɔ yayra. Gbɔ dzi ɖi eye wò ŋku nanɔ tɔgbui Yakob si te kame zã blibo hena yayra la dzi ɣesiaɣi. Abe agbledela si ƒã nuku le adame eye wòlalana vaseɖe nukuawo xaɣi la, kpɔ Yehowa sinu dzigbɔɖitɔe be wòayra ɖe wò gbɔgbɔmedɔwɔnawo dzi, aleke kee nàse le ɖokuiwò me be yemete ŋu le geɖe wɔm o hã. (Yakobo 5:7, 8) Eye ɖo ŋku hakpala ƒe nyawo dzi ɣesiaɣi be: “Amesiwo ƒã nu kple aɖatsiwo la, woaŋe nu kple aseyetsotso.” (Psalmo 126:5; Galatiatɔwo 6:9) Nɔ te sesĩe, eye nànɔ kutrikulawo dome ɣesiaɣi.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 9 Ahiãvi ɖoɖo nɔ anyi do ŋgɔ na Se ƒe nubablaa eye Sea ɖe mɔ ɖe eŋu hena eŋuti mɔfiamewo. Mawu mebui be ɣeyiɣia de be yeagbugbɔ aɖo srɔ̃ɖekaɖeɖe ƒe dzidzenu si wòɖo anyi le Eden-bɔa me la anyi o, vaseɖe esime Yesu Kristo va, gake ewɔ se tsɔ kpɔ ahiãviwo tae. Ahiãviwo ɖoɖo na be Israel-dukɔa dzi ɖe edzi kabakaba le mɔ ma nu.