Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Mawu ƒe Nya la Sẽa Ŋu’

‘Mawu ƒe Nya la Sẽa Ŋu’

Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta

Mawu ƒe Nya la Sẽa Ŋu

LE Carib-ƒukpo xɔdzo si nye Jamaica dzi la, ame geɖe nya nu tso Biblia ŋu. Le nyateƒe me la, woakpɔ King James Version Biblia la le aƒe sia aƒe kloe me, eye ame aɖewo kpɔe be “Mawu ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu.” (Hebritɔwo 4:12) Ŋusẽ sia ate ŋu atrɔ amewo ƒe agbenɔnɔ, abe alesi nuteƒekpɔkpɔ si gbɔna ɖee fia ene.

Ðeko ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Cleveland gbɔ tso dɔme va aƒeme teti koe ma esi Yehowa Ðasefo aɖe va egbɔ. Esi Ðasefoa ɖo Ŋɔŋlɔawo me dze aɖewo kpli vɔ la, ena Biblia-srɔ̃gbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me lae. Cleveland mekpɔ alesi gbegbe Mawu ƒe Nya ava kpɔ ŋusẽ ɖe eƒe agbe dzii la dze sii tututu o.

Cleveland doa gbe ɖa zi etɔ̃ gbeɖeka biaa Mawu be wòakpe ɖe ye ŋu yeake ɖe mɔ nyuitɔ si dzi yeato ade ta agu Nɛ la ŋu. Cleveland xɔe se be ye dzilawo mede ta agu le mɔ nyuitɔ nu o, gake le numekuku wɔwɔ tso subɔsubɔha bubuwo ŋu vɔ megbe la, dzi ɖe le eƒo. Togbɔ be ese nu tso Yehowa Ðasefowo ŋu kpɔ hã la, mexɔe se be woawo sie nyateƒea le o. Togbɔ be esia nɔ susu me nɛ hã la, Cleveland lɔ̃ be Ðasefo si va ƒo ʋɔ na ye la nasrɔ̃ Biblia kpli ye. Nukatae? Elabena edi be yeaɖee fia Ðasefoawo be womedze si nyateƒea o!

Eteƒe medidi o Cleveland srɔ̃e be agbe gbegblẽ si nɔm yenɔ kple nyɔnu eve la mele dzi dzɔm na Mawu o. (Korintotɔwo I, 6:9, 10) Le nua sɔsrɔ̃ zi eve ko megbe la, etso ƒomedodo si nɔ wòa kple nyɔnuawo dome la me dzinɔameƒotɔe. Ete Kristotɔwo ƒe kpekpewo hã dede le Fiaɖuƒe Akpata me. Ke hã esia hã zu tetekpɔ bubu.

Cleveland nye eƒe nutoa me ƒe bɔlƒoha me tɔ vevi aɖe, eye eƒe bɔlƒoɣiwo nɔ go dom ɖe eƒe kpekpedeɣiwo nu. Nukae wòawɔ? Togbɔ be eƒe bɔlƒoha me tɔwo, woƒe bɔlƒoƒo fiala, kple exɔlɔ̃wo ƒo nya ɖe Cleveland nu vevie hã la, etso nya me be yeado go le bɔlƒoha la me. Ẽ, Mawu ƒe Nya la te ŋusẽ kpɔkpɔ ɖe eyama dzi hena wòɖɔ eƒe agbe ɖo!

Mawu ƒe Nya la ƒe ŋusẽ gadze ake esi Cleveland te Biblia me sidzedze si su esi la gbɔgblɔ na amewo. (Dɔwɔwɔwo 1:8) Nusi do tso emee nye, bɔlƒoha si me wònɔ tsã la me tɔ eve te Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo dede. Esi Cleveland dze va zu nyanyuigbeƒãɖela vɔ megbe la, ekpɔ dzidzɔ geɖe le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me hetsɔa Mawu ƒe Nya la kpena ɖe amewo ŋu.

Esi ŋusẽ si le Mawu ƒe Nya ŋu yi edzi nɔ dɔ wɔm ɖe Cleveland dzi ta la, eva tsɔ nyɔnyrɔxɔxɔɖetsime wɔ eƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa ƒe kpɔɖeŋui eye mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ su esi wònye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla kple subɔsubɔdɔwɔla le hamea me.

Le Jamaica kple xexeame godoo la, ame akpe geɖewo va dze sii be, Mawu ƒe Nya “la le agbe, eye wòsẽa ŋu” nyateƒe.

[Map/Picture on page 8]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

JAMAICA

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Map and globe: Mountain High Maps® Copyright © 1997 Digital Wisdom, Inc.