Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Metsi Eye Agbe Sum Nyuie

Metsi Eye Agbe Sum Nyuie

Agbemeŋutinya

Metsi Eye Agbe Sum Nyuie

ABE ALESI MURIEL SMITH GBLƆE ENE

Woƒo nye mɔnu ʋɔa sesĩe. Ðeko megbɔ tso ŋdi gbeƒãɖeɖedɔ aɖe wɔƒe va ŋdɔ nu ɖu ge le aƒeme teti koe nye ma. Abe alesi mewɔna ɖaa ene la, meɖo tsi dzoe be matsɔ awɔ tii kplu ɖeka ano ahada afɔ ɖe nu dzi vie be maɖi ɖe eme gaƒoƒo afã. Ʋɔƒoƒoa nɔ ale gbegbe be ɖeko wòle be maʋui, eye esi metso yina eʋu ge la, menɔ ɖokuinye biam be ameka tututue wòanye gbɔna gbɔnye le gaƒoƒo sia me. Eteƒe medidi o meva nya. Ŋutsu eve siwo nɔ nye mɔa nu la ɖe wo ɖokui fiam be yewonye kpovitɔwo. Wogblɔ be yewova nye aƒea me ka ge akpɔ be Yehowa Ðasefowo—si nye habɔbɔ si nu woxe mɔ ɖo la—ƒe agbalẽwo le asinye hã.

Nukatae woxe mɔ ɖe Yehowa Ðasefowo nu le Australia, eye aleke mewɔ va zu wo dometɔ ɖeka? Nu bliboa katã dze egɔme kple nane si danye nam le ƒe 1910 me, esime mexɔ ƒe ewo.

MÍAƑE ƒomea nɔ atixɔ aɖe me le Crows Nest ƒe gbɔtodu si nye North Sydney me. Metso suku gbɔ va aƒeme gbeɖeka va do go danye wònɔ nu ƒom kple ŋutsu aɖe le agboa nu. Medi vevie be manya amesi amedzro sia si do kot helé akplo si me agbalẽwo le fũ ɖe asi la nye. Metsɔ ŋukpe dzo le wo gbɔ hege ɖe aƒea me. Gake le aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo megbe ko la, Dada yɔm. Egblɔ be: “Agbalẽ nyui aɖewo le ŋutsu sia si, eye Ŋɔŋlɔawo ŋue wo katã ku ɖo. Azɔ esi wò dzigbezã ɖuɣi le aƒe tum ta la, mate ŋu aƒle awu yeye alo agbalẽ siawo na wò. Kae nàdi?

Meɖo eŋu be: “Oo, Dada, maxɔ agbalẽawo, akpe na wò.”

Eyata Studies in the Scriptures ƒe babla gbãtɔ etɔ̃awo siwo Charles Taze Russell ŋlɔ su asinye esime mexɔ ƒe ewo. Ŋutsu si le ʋɔtrua nu gblɔ na danye be ahiã be wòakpe ɖe ŋunye ne mate ŋu ase agbalẽa gɔme, le esi wo gɔmesese asesẽ nam ta. Dada ɖo ŋu nɛ be adzɔ dzi na ye be yeawɔe nenema. Nublanuitɔe la, le esia megbe kpui la, Dada ku. Papa tsɔ veviedodo kpɔ mía kple nɔvinyeŋutsu kple nɔvinyenyɔnu suea dzi nyuie, gake agba bubuwo va nɔ dzinye azɔ, esiawo dze abe ɖe wowu tsɔtsɔ nam ene. Ke hã afɔku bubu ganɔ mɔ dzi gbɔna.

Xexemeʋa gbãtɔ dzɔ le ƒe 1914 me, eye ƒe ɖeka pɛ ko megbe la, wowu mía fofo lɔlɔ̃a. Esi míezu tsyɔ̃eviwo azɔ ta la, wokplɔ nɔvinyeŋutsu kple nɔvinyenyɔnua be woaɖanɔ ƒometɔwo gbɔ, eye wokplɔm yi Katolikotɔwo ƒe kɔledzi aɖe ƒe kpo dzi. Ɣeaɖewoɣi la, metsia akogo ŋutɔ. Ke hã medaa akpe ɖe mɔnukpɔkpɔ si su asinye be mayi haƒoƒo si melɔ̃na vevie, vevietɔ saŋku ƒoƒo, sɔsrɔ̃ dzi la ta. Ƒeawo va yi, eye mewu kɔledzia nu hedo le kpoa dzi. Le ƒe 1919 me la, meɖe Roy Smith, amesi nye haƒonuwo dzrala. Le ƒe 1920 me la, míedzi vi, eye gbesiagbe ƒe dzimaɖitsitsiwo gaxɔ nye ɣeyiɣiawo katã. Ke agbalẽ mawo ya ɖe?

Aƒelika aɖe Fia Nyateƒeam

‘Biblia-gbalẽawo’ nɔ ŋunye metsɔ nɔ yiyimee le ƒe mawo katã me. Togbɔ be nyemexlẽa wo o hã la, mesenɛ le ɖokuinye me be gbedasi siwo le wo me la le vevie. Emegbe, le ƒe 1920 ƒe nuwuwu ƒe ŋkeke aɖe dzi la, Lil Bimson si nye míaƒe aƒelikawo dometɔ ɖeka va srãm kpɔ. Míeyi ɖe akpataa me, nɔ anyi, henɔ tii nom.

Edo ɣli zi ɖeka be: “Oo, agbalẽ mawo le asiwò!”

Metɔtɔ hebia be: “Agbalẽ kawo?”

Efia asi Studies in the Scriptures siwo nɔ agbalẽtia me la. Lil ɣe wo yi aƒeme gbemagbe hexlẽ wo vevie. Eteƒe medidi o dzidzɔ si wòkpɔ ɖe nusi wòxlẽ ŋu va dze ƒã. Lil xɔ agbalẽ bubuwo tso Biblia Nusrɔ̃viawo, si nye alesi woyɔa Yehowa Ðasefowo ɣemaɣi, la gbɔ. Gawu la, megbe nusiwo katã srɔ̃m wònɔ la gbɔgblɔ na mí o. Agbalẽ siwo wòxɔ la dometɔ ɖekae nye The Harp of God, eye eteƒe medidi hafi wòtsi míaƒe aƒeme o. Dɔ si wɔm mele le Yehowa subɔsubɔ me la dze egɔme mlɔeba esime medi ɣeyiɣi ɖe Biblia-srɔ̃gbalẽwo xexlẽ ŋu. Mlɔeba la, meva kpɔ ŋuɖoɖo na biabia vevi siwo ŋu nye sɔlemeha mete ŋu ɖo nam o la.

Dzidzɔtɔe la, Roy lé to ɖe Biblia me gbedasia ŋu nyuie, eye mí ame evea siaa míeva zu Biblia-nusrɔ̃vi dovevienuwo. Tsã la, Roy nye Freemason-haa me tɔ. Fifia la, míaƒe ƒomea wɔ ɖeka le tadedeagu vavãtɔ me, eye nɔviŋutsuawo dometɔ ɖeka va wɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ kple ƒomea katã zi eve le kwasiɖa me. Dzi gaɖo mía ƒo wu esi míete kpekpe si Biblia Nusrɔ̃viawo wɔna dede. Afisi wowɔa kpekpea le le Sydney la nye akpata sue aɖe si wohaya le gbɔtodu si nye Newtown me. Ɣemaɣi la, Ðasefo siwo le dukɔ bliboa me mede 400 o, eyata ebia be nɔviawo dometɔ geɖewo nazɔ mɔ didi ŋutɔ hafi ava kpekpea.

Le míaƒe ƒomea gome la, kpekpeawo yiyi bia be míatso Sydney Melidzeƒea ɣesiaɣi. Hafi woava tu Sydney Melidzeƒea ƒe Tɔdzisasrã le ƒe 1932 me la, tɔdziʋu siwo wotsɔ kɔa ʋuwo ye míeɖona tsɔ tsoa tɔae ɣesiaɣi. Togbɔ be mɔ sia zɔzɔ gblẽa ɣeyiɣi kple ga geɖe hã la, míedzea agbagba be gbɔgbɔ me nu si Yehowa nana la dometɔ aɖeke nagato mía ŋu o. Agbagba si míedze be míali ke ɖe nyateƒea me la ɖe vi, elabena xexemeʋa evelia nɔ mo dom ɖa, eye akpaɖekedzimademade ƒe nya gbɔna míaƒe ƒomea lɔ ge ɖe eme tẽ.

Dodokpɔ Kple Yayra Ɣeyiɣiwo

Ƒe 1930-awo ƒe gɔmedzedze nye dzidzɔɣeyiɣiwo na mía kple nye ƒomea. Mexɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1930 me, eye le ƒe 1931 me la menɔ takpekpe gã wɔdɔɖeamedzia me esime mí katã míetso heda asi ɖe ŋkɔ nyui si míetsɔ be Yehowa Ðasefowo la dzi. Mía kple Roy míedze agbagba be míanɔ agbe ɖe ŋkɔ ma nu to gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖemɔnu vovovoawo katã si wokafu na mí la zazã me. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1932 me la, míekpɔ gome le ɖoɖo si wowɔ be woama agbalẽvi tɔxɛ aɖe si wowɔ be woasu ame gbogbo siwo va Sydney Melidzeƒea ƒe Tɔdzisasrã nuʋuƒe si la me. Akpa si do dzidzɔ na mí wue nye ʋu siwo wotsɔ nuƒomɔ̃ ɖo tame na la zazã eye mɔnukpɔkpɔ su mía si be wode nuƒomɔ̃a ƒe ɖe míaƒe ʋua tame. Míezã mɔ̃ɖaŋu sia tsɔ na Biblia me nuƒo siwo Nɔviŋutsu Rutherford ƒo la ɖi hoo le Sydney ƒe ablɔwo dzi.

Ke hã ɣeyiɣiawo nɔ tɔtrɔm henɔ sesẽm ɖe edzi. Kaka ƒe 1932 naɖo la Ganyawo ƒe Sesẽ va kpe Australia dzi, eyata mía kple Roy míetso nya me be míaɖe alesi míenɔa agbee dzi akpɔtɔ. Alesi míewɔa esia dometɔ ɖekae nye be míeʋu va nɔ teƒe si te ɖe hamea ŋu, eye ewɔwɔ alea ɖe míaƒe ʋuɖofe dzi kpɔtɔ kura. Gake ganya ƒe sesẽ megava ɖi nya aɖeke esime Xexeme Ʋa II xɔ xexeame katã o.

Le wɔwɔ ɖe se si Yesu de be woaganye xexeame ƒe akpa aɖeke o dzi ta la, wova ti Yehowa Ðasefowo yome vevie le xexeame godoo eye Australia meto le eme o. Esi aʋa la na wotsi dzodzodzoe ta la, ame aɖewo va nɔ mía yɔm be Kɔmiunisttɔwo. Tsitretsiɖeŋula siawo da alakpa ɖe Yehowa Ðasefowo si be wonɔ woƒe radio dɔwɔƒe ene si le Australia la zãm tsɔ nɔ gbedasiwo ɖom ɖe Japan-srafowo.

Wozia nɔviŋutsu ɖekakpui siwo woyɔ be woanye asrafo la dzi vevie be woana ta. Enye dzidzɔ nam be magblɔ be vinye ŋutsuvi etɔ̃awo katã nɔ te sesĩe le woƒe dzixɔsewo me helé woƒe akpaɖekedzimademade me ɖe asi. Wode mía vi ŋutsu tsitsitɔ, Richard, gaxɔ me ɣleti 18. Mía vi evelia, Kevin, te ŋu ŋlɔ ŋkɔ be yenye amesi gbe asrafodɔwɔwɔ le dzitsinya ta. Gake nublanuitɔe la, mía viŋutsu suetɔ, Stuart, ku le dzokekefɔku aɖe me esime woyina eƒe akpaɖekedzimademade ƒe nyaa nu wu ge le ʋɔnudrɔ̃ƒe. Afɔku sia te ɖe mia dzi ale gbegbe. Gake Fiaɖuƒea kple tsitretsitsi ƒe ŋugbe si Yehowa do ƒe mɔkpɔkpɔa me lelé ɖe asi kpe ɖe mía ŋu míedo dzi.

Fetu Vevitɔ la To Wo Ŋu

Le January ƒe 1941 me la, woxe mɔ ɖe Yehowa Ðasefowo nu le Australia. Gake abe alesi Yesu ƒe apostolowo wɔe ene la, mía kple Roy míebu Mawu wu amewo, eye míeyi dzi wɔ dɔa le adzame ƒe eve kple afã sɔŋ. Ɣeyiɣi sia mee kpovitɔ eve siwo menɔ awu me o, siwo meyɔ va yi, la ƒo ʋɔ nam. Nukae dzɔ?

Mekpe wo va xɔa me. Esi woge ɖe eme la mebia wo be, “Miaɖe mɔ nam be mawu nye tii la nono nu hafi atsa xɔa mea?” Nukutɔe la wolɔ̃, eye meyi dzodoƒea va do gbe ɖa na Yehowa hebu nya siwo magblɔ ŋu. Esi metrɔ gbɔ la, kpovitɔawo dometɔ ɖeka ge ɖe afisi míesrɔ̃a nu le helɔ nusianu si dzi wòakpɔ Gbetakpɔxɔa ƒe dzesia le, tsɔ kpe ɖe agbalẽ siwo katã le nye gbeadzidekploa me ŋu kpakple nye Biblia.

Ebia emegbe be: “Èka ɖe edzi be agbalẽ bubu aɖeke megale ye si le agbalẽgo ɣaɣla aɖeke me oa? Míese be èdea kpekpe kwasiɖa sia kwasiɖa le akpata aɖe me le mɔ sia ƒe nuwuwu ɖaa eye nètsɔa agbalẽ gbogbo aɖewo ɖe asi yinae.”

Meɖo eŋu na wo be: “Nyateƒee, gake ɖeke megali fifia o.”

Egblɔ be: “Míenya nenema, Aƒenɔ Smith. Míenya hã be wodzra agbalẽawo ɖo ɖe amesiwo le nuto sia me ƒe aƒewo me.”

Le mía viŋutsu ƒe xɔ me la, wokpɔ agbalẽgo atɔ̃ siwo me agbalẽvi si nye Freedom or Romanism le.

Ebia be: “Èka ɖe edzi be nu bubu aɖeke megale asiwò le ʋudaɖoƒea oa?”

Megblɔ be: “Ao, naneke mele afima o.”

Emegbe eʋu tsitrenuɖaka aɖe le nuɖuƒea. Ekpɔ agbalẽvi ƒuƒlu si dzi woŋlɔa hamea ƒe nyatakakawo ɖo. Elɔ esiawo hete tɔ ɖe edzi be yeakpɔ ʋudaɖoƒea godoo.

Megblɔ be: “Ekema mi kplɔm ɖo.”

Wodze yonyeme yi ʋudaɖoƒea eye esi wotsa afima vɔ la, wodzo mlɔeba.

Kpovitɔ mawo bu be yewokpɔ nu vevi aɖe esi yewotsɔ agbalẽgo atɔ̃ mawo! Ke hã wogble nu vevitɔa ɖi. Eyae nye be, le ŋkeke mawo me la, menye hamea ƒe agbalẽŋlɔla, eye hamea ƒe gbeƒãɖelawo ƒe ŋkɔwo kple nyatakaka bubuwo nɔ asinye le aƒea me. Dzidzɔtɔe la, nɔviawo xlɔ̃ nu mí va yi be míanɔ dzadzraɖoɖi ɖe aƒewo me kaka sia ŋu, eye medzra agbalẽ siawo ɖo nyuie. Mede wo agbalẽkotoku me tsɔ de nye tii, sukli, kple wɔ goewo gɔme. Metsɔ ɖewo hã dzra ɖo ɖe xeviwo ƒe xadza si le ʋudaɖoƒea gbɔ me. Aleae wodzɔe be kpovitɔawo zɔ to nyatakaka si tutu dim wole la ŋu.

Ɣeyiɣiawo Katã ƒe Subɔsubɔdɔa Wɔwɔ

Kaka ƒe 1947 naɖo la, mía vi tsitsiawo ɖo woa ŋutɔwo ƒe ƒome anyi. Le ɣeyiɣi sia me la, mía kple Roy míetso nya me be míate ŋu awɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa. Hiahiã nɔ Anyiehe Australia, eyata míedzra míaƒe aƒea tsɔ ƒle mɔzɔʋu, alo kekexɔ, si míena ŋkɔe be Mizpah, si gɔmee nye “Gbetakpɔxɔ.” Agbenɔnɔ alea wɔe be míete ŋu ɖe gbeƒã le saɖaganyigbawo dzi. Zi geɖe la, míewɔa dɔ le kɔƒedu siwo le anyigbamama si womede ame aɖeke si o me. Megaɖoa ŋku ɣemaɣi me nudzɔdzɔ dodzidzɔname geɖe dzi kokoko. Amesiwo mesrɔ̃ nu kplii dometɔ ɖekae nye ɖetugbi aɖe si ŋkɔe nye Beverly. Eʋu dzo le nutoa me hafi eƒe nyɔnyrɔxɔɣi ɖo. Bu alesi dzi dzɔm esi nɔvinyɔnu aɖe te ɖe ŋunye le takpekpe aɖe me le ƒe aɖewo megbe heɖe eɖokui fiam be yee nye Beverly la ŋu kpɔ! Aleke wòdzɔ dzi nam enye si be le ƒe gbogbo mawo megbe la, makpɔ woa kple srɔ̃a kple viawo woanɔ Yehowa subɔm.

Le ƒe 1979 me la mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ su asinye be made Mɔɖelawo ƒe Subɔsubɔ Suku. Nu ɖeka si dzi wote gbe ɖo le sukua mee nye be ne ame ado dzi le mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me la, ele be ɖokuisi nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo nyui nanɔ esi. Meva kpɔ be ema nye nyateƒe vavã. Nusɔsrɔ̃, kpekpewo dede, kple gbeadzisubɔsubɔdɔ va nye nusi mewɔna le nye agbe me katã. Mebunɛ be enye mɔnukpɔkpɔ nam be mete ŋu wɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa ƒe 50 kple edzivɔ.

Tenɔnɔ Ðe Lãmesẽkuxiwo Nu

Gake kuxi tɔxɛ aɖewo ɖe fu nam le ƒe bla nane siwo va yi me. Le ƒe 1962 me la, wokpɔ ŋkutsitsidɔ le ŋunye. Ɣemaɣi la, eŋu tikewo mebɔ o, eye nye ŋkuwo va nɔ tsitsim kabakaba. Roy hã ƒe lãme va gblẽ, eye le ƒe 1983 me la gbagbadɔ sesẽ aɖe va lée si na wòtu afã kple afã eye megate ŋu ƒoa nu o. Etrɔ megbe le ƒe 1986 me. Ena kpekpeɖeŋu nyuiwom le nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me, eye megaɖoa ŋku edzi vevie.

Togbɔ be kplamatsedonu mawo nɔ anyi hã la, medzena agbagba be mawɔ ɖe gbɔgbɔmeɖoɖowo dzi pɛpɛpɛ. Meƒle ʋu sesẽ aɖe, si woate ŋu atsɔ awɔ gbeadzisubɔsubɔdɔ le míaƒe nuto ɖi kɔƒea me, eye meyi nye mɔɖeɖedɔa wɔwɔ dzi to vinyenyɔnu, Joyce, ƒe kpekpeɖeŋu me. Nye ŋkudɔa nɔ sesẽm ɖe edzi vaseɖe esime nye ŋku ɖeka va tsi keŋkeŋ mlɔeba. Ðɔktawo wɔ ahuhɔ̃e tɔ ɖo eteƒe nam. Ke hã mezã ahuhɔ̃e si naa nuwo lolona tsɔ kpe ɖe ŋku ɖekɛ si megakpɔa nu nyuie o la ŋu tsɔ srɔ̃a agbalẽ si ƒe nuŋɔŋlɔwo lolo, gaƒoƒo etɔ̃ va ɖo atɔ̃ gbesiagbe.

Nusrɔ̃ɣiwo xɔ asi nam ŋutɔ. Eyata àte ŋu akpɔ alesi dzidzi ƒom esi menɔ nu srɔ̃m ŋdɔ aɖe me eye enumake la nye ŋku koe tsi kplo la le susu me ɖaa. Enɔ abe ame aɖee tsi akaɖi ene. Nye ŋkuwo tsi keŋkeŋ azɔ. Ke aleke mewɔ yi nusɔsrɔ̃a dzi? Togbɔ be, nye towo le tsitsim azɔ hã la, meɖoa to kasɛtwo eye nye ƒomea hã kpena ɖe ŋunye lɔlɔ̃tɔe be masẽ le gbɔgbɔ me.

Dzidodo Vaseɖe Nuwuwu

Fifia si mexɔ ƒe alafa ɖeka la, nu ʋɛ bubuwo gblẽ le ŋunye, eye ele nam be magbɔ dzi ɖi ɖe nuwo ŋu kura. Ɣeaɖewoɣi la, metɔtɔna vie. Le nyateƒe me la, esi nyemegate ŋu kpɔa nu kura o ta la, mebua mɔ! Madi be magawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ aɖewo, gake alesi nye lãme le fifia la, nyemagate ŋu ayi ava di wo o. Gbã la, esia na melé blanui. Eva hiã be malɔ̃ ɖe nye gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi ahawɔ nusi mate ŋu awɔ. Mele bɔbɔe nam o. Ke hã dzidzɔ kae nye si wònye be ɣleti sia ɣleti la, mete ŋu zãa ɣeyiɣi aɖe tsɔ ƒoa nu tso mía Mawu gã, Yehowa, ŋu. Ne mɔnukpɔkpɔwo su asinye be maƒo nu tso Biblia ŋu na amewo abe dɔnɔdzikpɔlawo, asitsalawo, kple ame bubu siwo va nye aƒeme la, mewɔa wo ŋudɔ—mewɔnɛ ameŋububutɔe hã.

Yayra vevi siwo mekpɔ dometɔ ɖeka enye be nye dzidzime ene sɔŋ ye le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe. Amesiawo dometɔ aɖewo va zu gbesiagbe mɔɖelawo le teƒe siwo hiahiã lolo le wu, ɖewo nye hamemegãwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo, eye bubuwo le subɔsubɔm le Betel. Le nyateƒe me la, mekpɔ mɔ be nuɖoanyi sia nu ayi kaba, abe alesi mía ŋɔlimetɔ geɖe hã kpɔ mɔe ene. Gake dzidziɖedzi ka gbegbee nye esi teƒe mekpɔ le nye ƒe blaadre ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me! Enyea dzidzeme gã aɖe nam be mekpɔ gome le dɔ gã sia tɔgbe me.

Dɔnɔdzikpɔla siwo va srãam kpɔna la gblɔna be anye nye xɔsee lém ɖe te. Melɔ̃ ɖe woƒe nyaa dzi. Veviedodonu le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me naa wokpɔa viɖe gbogbotɔ le agbe me. Abe Fia Dawid ene la, mate ŋu agblɔ be meku nyagã eye agbe sum.—Kronika I, 29:28, NW.

(Nɔvinyɔnu Muriel Smith ku le April 1, 2002 dzi, esime míenɔ asi trɔm le nyati sia ŋɔŋlɔ ŋuti dɔ mamlɛawo ŋu. Ɣleti ɖeka koe susɔ wòaxɔ ƒe 102, enye nuteƒewɔwɔ kple dzidodo ƒe kpɔɖeŋu nyui vavã.)

[Nɔnɔmetata siwo le axa 24]

Esime mexɔ ƒe atɔ̃ lɔƒo, kple esime mexɔ ƒe 19 esi medo go srɔ̃nye, Roy

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Míaƒe ʋua kple mɔzɔʋu si míena ŋkɔe be Mizpah

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Mía kple srɔ̃nye, Roy, le ƒe 1971 me