Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nɔ Mawu Ƒe Dziɖuɖu Te Nuteƒewɔwɔtɔe

Nɔ Mawu Ƒe Dziɖuɖu Te Nuteƒewɔwɔtɔe

Nɔ Mawu Ƒe Dziɖuɖu Te Nuteƒewɔwɔtɔe

“Yehowa enye míaƒe ʋɔnudrɔ̃la, Yehowa enye míaƒe Senala, Yehowa enye míaƒe fia.”—YESAYA 33:22, NW.

1. Nukawoe na blema Israel nɔ etɔxɛ le dukɔwo dome?

LE ƑE 1513 D.M.Ŋ me la, woɖo Israel-dukɔa anyi. Ɣemaɣi la, fiadu, denyigba, alo fia si wokpɔna aɖeke menɔ esi o. Kluviwoe emenɔlawo nye tsã. Gake dukɔ yeye ma nɔ etɔxɛ le mɔ bubu aɖe nu. Yehowa Mawue nye eƒe Ʋɔnudrɔ̃la, Senala, kple Fia si womekpɔna o. (Mose II, 19:5, 6; Yesaya 33:22, NW ) Dukɔ bubu aɖeke mate ŋu agblɔ nya ma le eɖokui ŋu o!

2. Nyabiabia kae fɔ ɖe te ku ɖe alesi woɖu Israel-dukɔa dzii ŋu, eye nukatae ŋuɖoɖoa le vevie na mí?

2 Esi Yehowa nye Mawu si wɔa nu ɖe ɖoɖo nu, kple ŋutifafa ƒe Mawu ta la, míakpɔ mɔ be ɖoɖo nyui nanɔ dukɔ sia dukɔ si dzi wòaɖu la si. (Korintotɔwo I, 14:33) Alea tututue wònɔ le Israel gome. Gake aleke wòanya wɔe be Mawu si womekpɔna o nafia mɔ anyigba dzi habɔbɔ si wokpɔna? Anyo be míade ŋugble le alesi Yehowa ɖu blema dukɔ ma dzii ŋu eye vevietɔ míade dzesi alesi eƒe nuwɔwɔ kple Israel ɖe Mawu ƒe dziɖuɖu te nɔnɔ nuteƒewɔwɔtɔe ƒe vevienyenye fiae.

Alesi Woɖu Blema Israel-Dukɔa Dzii

3. Ðoɖo nyui kawoe Yehowa wɔ ɖe mɔfiafia eƒe amewo ŋu?

3 Togbɔ be Yehowa nye Israel ƒe Fia si womekpɔna o hã, etia ŋutsu wɔnuteƒewo wonye eteƒenɔla siwo wokpɔna. Amegãwo, aƒekɔwo ƒe tatɔwo, kple ame tsitsiwo nɔ anyi siwo nye aɖaŋuɖolawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo na dukɔa. (Mose II, 18:25, 26; Mose V, 1:15) Gake mele be míaƒo nya ta be ŋutsu ŋgɔxɔla mawo ate ŋu azã nuŋububu kple nugɔmesese le nyawo dɔdrɔ̃ me Mawu ƒe mɔfiame manɔmee o. Womede blibo o, eye womate ŋu anya nya siwo le wo hati tadeagulawo ƒe dzi me o. Ke hã ʋɔnudrɔ̃la mawuvɔ̃lawo te ŋu ɖo aɖaŋu nyuiwo na wo hati tadeagulawo elabena Yehowa ƒe Se dzie wotui ɖo.—Mose V, 19:15; Psalmo 119:97-100.

4. Nɔnɔme kawo ŋue Israel ƒe ʋɔnudrɔ̃la wɔnuteƒewo tsi dzi ɖo be yewoaƒo asa na, eye nukatae?

4 Gake ʋɔnudrɔ̃la nyenye lɔ nu geɖe ɖe eme wu Sea nyanya ko. Esi ame tsitsiawo mede blibo o la, ehiã be woanɔ ŋudzɔ be woaɖu woa ŋutɔwo ƒe nɔnɔme manyomanyowo—abe ɖokuitɔdidi, ameŋkumekpɔkpɔ, kple ŋukeklẽ ene—siwo ate ŋu agblẽ woƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ me dzi. Mose gblɔ na wo be: ‘Migakpɔ ame ŋku me le ʋɔnudrɔ̃ƒe o, ke boŋ milé to ɖe ame gblɔewo kple ame gãwo ƒe nyawo ŋu, eye migasi ame aɖeke ŋku me o, elabena Yehowa tɔ enye ʋɔnudɔdrɔ̃.’ Ẽ, Mawu teƒee Israel ʋɔnudrɔ̃lawo nɔ. Mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ kae nye si ema nye!—Mose V, 1:16, 17.

5. Tsɔ kpe ɖe ʋɔnudrɔ̃lawo ɖoɖo ŋu la, ɖoɖo bubu kawoe Yehowa wɔ hena eƒe amewo dzi kpɔkpɔ?

5 Yehowa wɔ ɖoɖo bubuwo hena eƒe amewo ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ. Hafi woava ɖo Ŋugbedodonyigbaa dzi gɔ̃ hã la, ede se na wo be woatu avɔgbadɔ, si nye tadedeagu vavã nɔƒe. Eɖo nunɔlawo hã anyi be woafia Sea, woazã lãwo atsɔ asa vɔe, ahanɔ dzo tɔm lifi ŋdi kple fiẽ. Mawu ɖo Mose fo, Aron, wònye Israel ƒe nunɔlagã gbãtɔ eye wòtia Aron-viŋutsuwo be woakpe asi ɖe wo fofo ŋu le eƒe dɔa wɔwɔ me.—Mose II, 28:1; Mose IV, 3:10; Kronika II, 13:10, 11.

6, 7. (a) Ƒomedodo kae nɔ Lewitɔ siwo nye nunɔlawo kple esiwo menyee o la dome? (b) Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso alesi Lewitɔawo ƒe dɔwo le vovovo la me? (Kolosetɔwo 3:23)

6 Ame miliɔn geɖe ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ nye dɔ nyadri aɖe, eye nunɔlaawo mede ha o. Eyata wowɔ ɖoɖo be Lewi-toa me tɔ bubuwo nakpe ɖe wo ŋu. Yehowa gblɔ na Mose be: “Natsɔ Lewitɔwo ade asi na Aron kple viaŋutsuwo, etɔ woanye blibo le Israel-viwo dome.”—Mose IV, 3:9, 39.

7 Wowɔ ɖoɖo na Lewitɔawo nyuie. Woma wo ɖe ƒome etɔ̃ me—Gerson-viwo, Kehat-viwo, kple Merari-viwo—hede dɔ asi na wo dometɔ ɖesiaɖe be woawɔ. (Mose IV, 3:14-17, 23-37) Dɔdasi aɖewo anya dze abe ɖe wole vevie wu bubuwo ene, gake wo katã nɔ vevie. Lewi-vi siwo nye Kehat-viwo ƒe dɔ na wotena ɖe nubablaɖaka kɔkɔea kple avɔgbadɔ me nuwo ŋu wu. Gake mɔnukpɔkpɔ tɔxɛwo nɔ Lewi-vi ɖesiaɖe, eɖanye Kehat-vi alo meɖanyee o, si. (Mose IV, 1:51, 53) Nublanuitɔea, wo dometɔ aɖewo meva kpɔ ŋudzedze ɖe woƒe mɔnukpɔkpɔwo ŋu o. Le esi teƒe be woanɔ Mawu ƒe dziɖuɖu te nuteƒewɔwɔtɔe la, wova ɖe ŋudzedzemakpɔmakpɔ fia heɖe mɔ dada, nɔƒegãdidi, kple ŋuʋaʋã ɖu wo dzi. Lewitɔ aɖe si ŋkɔe nye Korax kpe ɖe amesiawo ŋu.

“Miegale Nunɔladɔ hã Dima?”

8. (a) Amekae nye Korax? (b) Nukae anya na Korax va te amegbetɔ ƒe nukpɔsusu tsɔtsɔ kpɔ nunɔlanyenye ƒe ɖoɖoae?

8 Korax menye Lewi-ƒomea ƒe tatɔ o, eye menye Kehat-ƒomea ƒe tatɔ hã o. (Mose IV, 3:30, 32) Ke hã enye amegã si ŋu wodea bubui le Israel. Dɔ siwo wode asi na Korax anya wɔe be wòte ŋu tena ɖe Aron kple viawo ŋu kplikplikpli. (Mose IV, 4:18, 19) Esi Korax kpɔa ŋutsu siawo ƒe blibomademade ta la, anya nɔ susum le ta me be: ‘Nunɔla siawo mede blibo o tso, evɔ wodi tso asinye be mabɔbɔ ɖokuinye na wo! Nyitsɔ laa koe Aron wɔ sikanyivi aɖe. Tadedeagu na sikanyivi ma na míaƒe amewo dze trɔ̃subɔsubɔ me. Fifia Aron, Mose nɔviŋutsuae nye ma va zu nunɔlagã! Ameŋkumekpɔkpɔ kae nye si! Ke Aron viŋutsuwo, Nadab kple Abihu, ya ɖe? Ðe menye bubumademade woƒe subɔsubɔmɔnukpɔkpɔwo ŋue na Yehowa wu wo o ɖe!’ * (Mose II, 32:1-5; Mose III, 10:1, 2) Susu kawoe ɖava ta me na Korax o, edze ƒã be eva te amegbetɔ ƒe nukpɔsusu tsɔtsɔ kpɔ nunɔlanyenye ƒe ɖoɖo lae. Eyae kplɔe de aglãdzedze ɖe Mose kple Aron ŋu me, wòva nye aglãdzedze ɖe Yehowa ŋu mlɔeba.—Samuel I, 15:23; Yakobo 1:14, 15.

9, 10. Aleke Korax kple ehati aglãdzelawo tso Mose nui, eye nukatae wòle be woadze nunya hafi?

9 Esi Korax nye amesi te ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe ame dzi ta la, amesiwo si eƒe nukpɔsusua tɔgbe le hehe ɖe eɖokui ŋu mesesẽ nɛ kura o. Eya kple Datan kpakple Abiram he ame 250—siwo katã nye ha la ƒe amegãwo—kpe ɖe wo ɖokui ŋu. Wowɔ ɖeka te ɖe Mose kple Aron ŋu gblɔ bena: “Ha blibo la le kɔkɔe, eye Yehowa le wo dome tso, nukaŋuti miawo miele mia ɖokui dom ɖe dzi le Yehowa ƒe dukɔ la dome ale?”—Mose IV, 16:1-3.

10 Ðe wòle be aglãdzelaawo nadze nunya ahaƒo asa na gbetɔtɔ Mose ƒe ŋusẽ hafi. Do ŋgɔ ʋɛ la, Aron kple Miriam wɔ nusia tɔgbe tututu. Le nyateƒe me la, nukpɔsusu si nɔ Korax si tɔgbee wotsɔ wɔ nui! Le Mose IV, 12:1, 2 ƒe nya nu la, wobia be: “Alo Mose ɖeɖe koe Yehowa ƒo nu kplia? Ðe meƒo nu kple míawo hã oa?” Yehowa nɔ esem. Egblɔ na Mose, Aron, kple Miriam be woava takpegbadɔa nu ale be Yeaɖe kplɔla si dze ye ŋu afia. Emegbe Yehowa gblɔ eme kɔ ƒã be: “Ne ame aɖe nye Yehowa ƒe nyagblɔɖila le mia dome la, ekema meɖea ɖokuinye fianɛ le ŋutega me. Ke menye alea mewɔna na nye dɔla Mose, amesi nye anukwaretɔ le nye aƒe blibo la nu o.” Le esia megbe la, Yehowa na Miriam dze anyi ɣeyiɣi kpui aɖe.—Mose IV, 12:4-7, 10.

11. Aleke Mose kpɔ Korax ƒe nyaa gbɔe?

11 Korax kple edzidelaawo anya nya nu tso nudzɔdzɔ ma ŋu. Nya aɖeke meli woatsɔ ado taflatse ɖe woƒe aglãdzedzea ta o. Ke hã Mose dze agbagba dzigbɔɖitɔe be yeadzro nya me kpli wo. Exlɔ̃ nu wo be woana woƒe mɔnukpɔkpɔ nadze wo ŋu, esime wògblɔ be: “Mesɔ gbɔ na mi haɖe be, Israel ƒe Mawu la tia mi tso Israel ƒe ha la me, be miate ɖe eŋu, . . . oa?” Ao, menye ‘dɔ tsɛ aɖee’ wònye o! Dɔ geɖe le Lewitɔwo si xoxo be woawɔ. Ka dimee woganɔ? Nya siwo Mose gagblɔ klo nu le woƒe dzimesusuwo dzi: “Azɔ miegale nunɔladɔ hã dima?” * (Mose IV, 12:3; 16:9, 10) Gake aleke Yehowa wɔ nu ɖe aglãdzedze ɖe Mawu ƒe ŋusẽ ŋu la ŋui?

Israel ƒe Ʋɔnudrɔ̃la De Nu Nyaa Me

12. Nuka dzie wòanɔ te ɖo ne ƒomedodo nyui ayi edzi anɔ Israel kple Mawu dome?

12 Esi Yehowa tsɔ Sea na Israel la, egblɔ na wo be ne woɖo to ye la, woazu “dukɔ kɔkɔe” na ye eye be dukɔa ate ŋu anɔ kɔkɔe ɣeyiɣi didi si wowɔ ɖe Yehowa ƒe ɖoɖo dzi. (Mose II, 19:5, 6) Azɔ esi aglãdzedze do mo ɖa gaglãa la, ɣeyiɣi de na Israel ƒe Ʋɔnudrɔ̃la kple Senala be wòade nu nyaa me! Mose gblɔ na Korax be: “Mia kple wò ha blibo la miakpe ɖe Aron ŋu ava Yehowa ŋku me etsɔ. Amesiame natsɔ eƒe dzudzɔdosonu, eye wòada dzudzɔdonu ɖe eme ava Yehowa ŋku me; dzudzɔdosonu alafa eve blaatɔ̃ wòanye, amesiame kple etɔ, eye mía kple Aron hã míatsɔ míaƒe dzudzɔdosonuwo vɛ.”—Mose IV, 16:16, 17.

13. (a) Nukatae wònye ɖokuidodoɖedzi le aglãdzelawo gome be woado dzudzɔ ʋeʋĩ le Yehowa ŋkume? (b) Aleke Yehowa wɔ nu kple aglãdzelaawoe?

13 Le Mawu ƒe Sea nu la, nunɔlawo koe kpɔ mɔ ado dzudzɔ ʋeʋĩ. Ðe wòle be aglãdzela mawo nanyɔ le wo ɖokui me esi wobe woawo siwo menye Lewi-vi o la nado dzudzɔ ʋeʋĩ na Yehowa hafi. (Mose II, 30:7; Mose IV, 4:16) Ema gɔ̃ hã metsɔ fu lãme na Korax kple edzidelawo o! Ŋufɔke la, ‘eƒo ha blibo la nu ƒu ɖe Mose kple Aron ŋu heva Mawu ƒe agbadɔ la nu.’ Nuŋlɔɖia gblɔ na mí be: “Yehowa ƒo nu kple Mose kple Aron bena: Mite ɖe aga le ha sia ŋu, ne matsrɔ̃ wo zi ɖeka.” Gake Mose kple Aron ɖe kuku be wòakpɔ ameawo ƒe agbe ta. Yehowa xɔ woƒe kukuɖeɖea. Ke Korax kple eƒe haa ya, “dzo tso Yehowa gbɔ fiã ŋutsu alafa eve blaatɔ̃, siwo tsɔ dzudzɔdonu vɛ la.”—Mose IV, 16:19-22, 35. *

14. Nukatae Yehowa tso ɖe Israel ƒe ha la ŋu vevie?

14 Nukutɔea, Israel-vi siwo kpɔ alesi Yehowa wɔ nui kple aglãdzelaawo la hã mesrɔ̃ nu tso eme o. “Esi ŋu ke la, Israel ƒe ha blibo la lĩ Mose kple Aron ŋu gblɔ bena: Miawoe wu Yehowa ƒe dukɔ la.” Israel-viawo nɔ nugbeɖolaawo dzi dem! Mlɔeba, Yehowa ƒe dzigbɔɖia wu enu. Ame aɖeke—Mose alo Aron kura gɔ̃ hã—magate ŋu axɔ nya ɖe wo nu azɔ o. Yehowa na dɔvɔ̃ aɖe wɔ fu tosẽlaawo, “amesiwo dɔvɔ̃a wu la, le ame akpe wuiene alafa adre, ke amesiwo ku le Korax ƒe nya me la, mele eme o.”—Mose IV, 17:6-14.

15. (a) Susu kawo tae wòle be Israel-viawo nalɔ̃ ɖe Mose kple Aron ƒe dziɖuɖu dzi nyaa aɖeke mahemahee hafi? (b) Nukae nuŋlɔɖi sia fia wò tso Yehowa ŋu?

15 Mehiã kura be ame mawo katã nabu woƒe agbe hafi o. Ðe wòle be woabu nyaawo ŋu nyuie hafi. Woate ŋu abia nya siawo wo ɖokui be: ‘Amekawoe de woƒe agbe afɔku me do ɖe Farao ŋkume? Amekawoe bia be woaɖe asi le Israel-viwo ŋu? Ameka koe wokpe be wòava Xoreb-toa dzi le Israel-viwo ɖeɖe vɔ megbe be wòaƒo nu ŋkume kple ŋkume kple mawudɔla.’ Ðikeke mele eme o be Mose kple Aron ŋuti nuŋlɔɖi ɖedzesi la ɖo kpe woƒe nuteƒewɔwɔ na Yehowa kple woƒe lɔlɔ̃ na ameawo dzi. (Mose II, 10:28; 19:24; 24:12-15) Aglãdzelaawo wuwu medzɔ dzi na Yehowa hafi o. Gake esi wòva dze ƒã be ameawo ayi aglãdzedzea dzi kokoko la, eɖe afɔ vevi sia. (Xezekiel 33:11) Asixɔxɔ gã aɖe le esiawo katã ŋu na mí egbea. Nukatae?

Amesiwo Zãm Wòle Egbea Kpɔkpɔ Adze Sii

16. (a) Kpeɖodzi kae le be wòana ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔwo naxɔe ase be Yehowa teƒenɔlae Yesu nye hafi? (b) Nukatae Yehowa ɖɔ li Lewi-viwo ƒe nunɔlanyenyea, eye nunɔlanyenye kae wòtsɔ ɖo eteƒe?

16 Egbea, “dukɔ” yeye aɖe li si ƒe Ʋɔnudrɔ̃la, Senala, kple Fia makpɔmakpɔe nye Yehowa. (Mateo 21:43) Woɖo “dukɔ” ma anyi le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me. Ɣemaɣi la, gbedoxɔ dzeani aɖe si nɔ Yerusalem, afisi Lewitɔwo gakpɔtɔ nɔ subɔsubɔm le la, va xɔ ɖe Mose ŋɔli me avɔgbadɔa teƒe. (Luka 1:5, 8, 9) Gake le ƒe 29 M.Ŋ. me la, wova ɖo gbedoxɔ bubu, si nye gbɔgbɔmetɔ anyi, si ƒe Nunɔlagãe nye Yesu Kristo. (Hebritɔwo 9:9, 11) Mawu ƒe dziɖulanyenye ƒe nyaa gafɔ ɖe te ake. Ameka zã gee Yehowa le le “dukɔ” yeye sia kpɔkplɔ me? Yesu wɔ nuteƒe na Mawu le nusianu me. Elɔ̃ ameawo. Ewɔ dzesi wɔnuku geɖewo hã. Gake abe alesi wònɔ le wo tɔgbui kɔlialiatɔwo gome ene la, Lewitɔ akpa gãtɔ gbe Yesu. (Mateo 26:63-68; Dɔwɔwɔwo 4:5, 6, 18; 5:17) Mlɔeba, Yehowa tsɔ nunɔlanyenye bubu kura ɖo Lewi-viwo tɔa teƒe—si nye fia nunɔlanyenye. Fia nunɔlanyenye ma li va ɖo egbea.

17. (a) Ƒuƒoƒo kae fia nunɔlanyenyea nye egbea? (b) Aleke Yehowa zãa fia nunɔlanyenye lae?

17 Amekawoe nye fia nunɔla siawo egbea? Apostolo Petro ɖo biabia ma ŋu le eƒe lɛta gbãtɔ si tso gbɔgbɔ me la me. Petro ŋlɔ na Kristo ƒe ŋutilã me tɔ siwo wosi ami na be: “Miawoe nye dzidzime tiatia la, fia nunɔlanyenye, dukɔ kɔkɔe, dukɔ, si nye Mawu ŋutɔ tɔ, bene miaɖe gbeƒã amesi yɔ mi tso viviti me va ye ŋutɔ ƒe nukukekeli gbɔ la, ƒe nutsuwɔwɔwo afia.” (Petro I, 2:9) Eme kɔ ƒã le nya siawo me be Yesu ƒe afɔɖoƒe yomedzela amesiaminawo ƒe ƒuƒoƒoe “fia nunɔlanyenye” si Petro yɔ be “dukɔ kɔkɔe” la nye. Woawoe nye amesiwo zãm Yehowa le tsɔ le nufiamewo kple gbɔgbɔmemɔfiafia nam eƒe amewoe.—Mateo 24:45-47.

18. Ƒomedodo kae le hamemegã siwo woɖo kple fia nunɔlanyenyea dome?

18 Amesiwo le fia nunɔlanyenyea teƒe enye hamemegã siwo woɖo, amesiwo subɔna le agbanɔamedzinɔƒewo le Yehowa ƒe amewo ƒe hamewo me le anyigba dzi godoo. Amesiawo ɖanye amesiaminawo alo womeɖanyee o, wodze be míade bubu wo ŋu ahado alɔ wo tso dzi blibo me. Nukatae? Elabena Yehowa to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi ɖo hamemegãwo nɔƒe si wole la. (Hebritɔwo 13:7, 17) Le mɔ ka nu?

19. Mɔ ka nue gbɔgbɔ kɔkɔea ɖoa hamemegãwo le?

19 Hamemegã mawo ɖo nudidi siwo woɖo le Mawu ƒe Nya, si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me, me la gbɔ. (Timoteo I, 3:1-7; Tito 1:5-9) Le esia ta woate ŋu agblɔ be gbɔgbɔ kɔkɔeae ɖo wo. (Dɔwɔwɔwo 20:28) Ele be hamemegãwo nanya Mawu ƒe Nya nyuie. Abe Ʋɔnudrɔ̃la si Ƒo Ðesiaɖe Ta ene la, ele be hamemegãwo hã nalé fu ameŋkumekpɔkpɔ nuwɔna ƒomevi ɖesiaɖe le ʋɔnudɔdrɔ̃ me.—Mose V, 10:17, 18.

20. Nukae dzɔa dzi na wò le hamemegã veviedonulawo ŋu?

20 Le esi teƒe be míatsi tre ɖe hamemegã veviedonula siwo le mía si la ƒe ŋusẽ ŋu la, míekpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu vevie! Zi geɖe la, ɖaseɖiɖi si li be wosubɔ ƒe geɖe nuteƒewɔwɔtɔe na míekana ɖe wo dzi. Wodzrana ɖo ɖe hamea ƒe kpekpewo ŋu anukwareɖiɖitɔe hekpɔa wo dzi nyuie, wowɔa dɔ kpli mí aduadu le gbeƒãɖeɖe ‘Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia’ me, eye wonaa Ŋɔŋlɔawo me ɖaŋuɖoɖo mí ne míehiã wo. (Mateo 24:14; Hebritɔwo 10:23, 25; Petro I, 5:2) Wosrãa mí kpɔna ne míedze dɔ hefaa akɔ na mí ne míele konyi fam. Wotsɔa nuteƒewɔwɔ kple ɖokuitɔmadimadi kpea asi ɖe Fiaɖuƒea ƒe nuwo ŋui. Yehowa ƒe gbɔgbɔ le wo dzi; ekpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu.—Galatiatɔwo 5:22, 23.

21. Nuka ŋue wòle be hamemegãwo nanɔ ŋudzɔ ɖo, eye nukatae?

21 Gake hamemegãwo mede blibo o. Esi woɖoa ŋu woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ta la, wometena kpɔna be yewoaɖu aƒetɔ ɖe alẽhaa, si nye “Mawu ƒe domenyinu” la dzi o. Ke boŋ wobua wo ɖokui ‘hadɔwɔlawo le wo nɔviwo ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ta.’ (Petro I, 5:3; Korintotɔwo II, 1:24) Hamemegã ɖokuibɔbɔla dovevienuwo lɔ̃ Yehowa, eye wonya be ne yewo yi edzi srɔ̃ eyama wu la, yewoate ŋu awɔ geɖe wu le hamea me. Esi esia le ta me na wo ta la, wodzea agbagba ɣesiaɣi be yewoatu mawumenɔnɔmewo abe lɔlɔ̃, nublanuikpɔkpɔ, kple dzigbɔɖi ene ɖo.

22. Aleke Korax ŋuti nuŋlɔɖi si me míedzro do ŋusẽ wò xɔse ɖe Yehowa ƒe habɔbɔ si wokpɔna la ŋu?

22 Dzidzɔ ka gbegbee nye si wònye na mí be Yehowa nye míaƒe Dziɖula makpɔmakpɔ, Yesu Kristo nye míaƒe Nunɔlagã, fia nunɔlanyenyea me tɔ amesiaminawo nye míaƒe nufialawo, eye Kristotɔ hamemegã wɔnuteƒewo nye míaƒe aɖaŋuɖolawo! Togbɔ be habɔbɔ siwo amegbetɔwo fiaa mɔe dometɔ aɖeke mede blibo o hã la, edzɔa dzi na mí be míete ŋu subɔa Mawu aduadu kple haxɔsetɔ nuteƒewɔla siwo bɔbɔa wo ɖokui ɖe Mawu ƒe dziɖuɖu te la kple dzidzɔ!

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 8 Aron ƒe viŋutsu eve bubuwo, Eleazar kple Itamar, ya ɖo kpɔɖeŋu nyui le woƒe tadedeagu na Yehowa me.—Mose III, 10:6.

^ mm. 11 Korax hati nugbeɖolawo, siwo nye Datan kple Abiram, nye Ruben-viwo. Eyata edze ƒã be nunɔlanyenyea meklẽ ŋu na wo o. Woawo la, dzikue wodo ɖe Mose ƒe dziɖulanyenye ŋu kple be vaseɖe ɣemaɣi la, woƒe mɔkpɔkpɔ be yewoaɖo Ŋugbedodonyigbaa dzi mekpɔ va eme haɖe o.—Mose IV, 16:12-14.

^ mm. 13 Le blemafofowo ƒe ɣeyiɣiwo me la, ƒome ƒe ta ɖesiaɖe nɔa srɔ̃a kple viawo teƒe dona ɖe Mawu ŋkume, hesaa vɔ ɖe wo nu gɔ̃ hã. (Mose I, 8:20; 46:1; Hiob 1:5) Gake esi Sea va la, Yehowa tia Aron ƒeme ŋutsuwo be woanye nunɔla siwo dzi woato anɔ vɔ sam. Edze ƒã be aglãdzela 250-awo medi be yewoawɔ nu ɖe tɔtrɔ sia nu o.

Nukae Nèsrɔ̃?

• Mɔnuɖoɖo si me lɔlɔ̃ le kae Yehowa wɔ tsɔ kpɔ Israel-viwo ƒe hiahiãwo gbɔe?

• Nukatae Korax ƒe aglãdzedze ɖe Mose kple Aron ŋu ŋuti taflatsedodo aɖeke meli o?

• Nusɔsrɔ̃ kae le alesi Yehowa wɔ nu kple aglãdzelawoe me na mí?

• Aleke míate ŋu aɖee afia be míekpɔa ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe ɖoɖowo ŋu egbeae?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Ðe nèbua dɔdasi ɖesiaɖe si le Yehowa subɔsubɔ me be enye mɔnukpɔkpɔa?

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

“Nukaŋuti miawo miele mia ɖokui dom ɖe dzi le Yehowa ƒe dukɔ la dome ale?”

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Hamemegã siwo woɖo la le fia nunɔlanyenye la teƒe