Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nusɔsrɔ̃ tso Damixe Gbɔ

Nusɔsrɔ̃ tso Damixe Gbɔ

Nusɔsrɔ̃ tso Damixe Gbɔ

“DAMIXE le dziƒo te hã nya eƒe azã, . . . ke nye dukɔ menya Yehowa ƒe ɖoɖowo o.” (Yeremya 8:7) Nya mawoe nyagblɔɖila Yeremya gblɔ tsɔ ɖe gbeƒã Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ si ava Yudatɔ xɔsegbela siwo gbugbɔ le Yehowa woƒe Mawu yome va dze dutamawuwo yome la dzii. (Yeremya 7:18, 31) Nukatae Yeremya tia damixe tsɔ wɔ nufiame kpɔɖeŋui na Yudatɔ mawɔnuteƒeawo?

Israel-viwo kpɔa damixe le Biblia-nyigbawo dzi, vevietɔ damixe ɣitɔ, enuenu ne woʋu tso wo nɔƒe yina teƒe bubuwo. Hebrigbe me ŋkɔ si woyɔna na xe sia si lolo ŋutɔ, si ƒe afɔwo didi eye wòzɔa tsi me lae nye nya si gɔmee nye “nuteƒewɔla; amenuvela” ƒe nyɔnutɔ. Esɔ alea, elabena to vovo na xe bubuwo la, damixetsu kple nɔa nɔa wo nɔewo gbɔ le woƒe agbemeŋkekewo katã me. Ne woʋu yi nuto xɔdzowo me le vuvɔŋɔli la, damixe akpa gãtɔ trɔna gbɔna ƒe sia ƒe, eye zi geɖe la, atɔ si me wonɔ va yi la ke mee wogagbɔna va nɔna.

Nɔnɔme sia si damixe ɖena fiana le dzɔdzɔme nu la nye nuteƒewɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu le mɔ ɖedzesi bubuwo hã nu. Atsua kple nɔa siaa kpɔa gome le azi dzi dɔdɔ kple wo viwo nyinyi me ɖekae. Agbalẽ si nye Our Magnificent Wildlife ɖe nu me be: “Alesi damixetsu kple nɔa wɔa nuteƒe na wo nɔewoe le viwo nyinyi me la tɔgbe mebɔ o. Damixetsu aɖe lɔ elektrik-ka le Germany eye elektrik lée wòku. Nɔa ɖeɖe dɔ aziawo dzi ŋkeke 3, eye le ɣeyiɣi sia me la, zi ɖeka koe wòdo le atɔa me ɣeyiɣi kpui aɖe va di nuɖuɖu. . . . Le nudzɔdzɔ bubu me la, esi woda tu damixenɔ aɖe la, atsua ɖeɖe nyi viawo.”

Le nyateƒe me, esi damixetsu kple nɔa wɔa nuteƒe na wo nɔewo le woƒe agbe me katã heléa be na wo viwo etɔxɛe ta la, wonɔa agbe ɖe gɔmesese si le woƒe ŋkɔ—“nuteƒewɔla”—ŋu la nu. Ale damixewo nye nufiame kpɔɖeŋu si sɔ nyuie na Israel-vi mawɔnuteƒe dzegowo.

Egbea ame geɖe bua anukwareɖiɖi kple nuteƒewɔwɔ tsigãdzinuwoe—wonye nɔnɔme nyoameŋuwo gake womate ŋu anɔ agbe ɖe wo nu o. Srɔ̃gbegbe, ƒometɔwo gbegblẽ ɖi, dɔmegaɖuɖu, kple anukwaremaɖimaɖi ƒomevi bubuwo fia be amewo megadea asixɔxɔ nuteƒewɔwɔ ŋu o. Gake Biblia ya de asixɔxɔ gã aɖe nuteƒewɔwɔ si lɔlɔ̃ kple dɔmenyonyo aʋã ame wòaɖe afia la ŋu. Exlɔ̃ nu Kristotɔwo vevie be ‘woado amenyenye yeye si wowɔ le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me le dzɔdzɔenyenye vavãtɔ kple nuteƒewɔwɔ me.’ (Efesotɔwo 4:24) Ẽ, amenyenye yeyea kpena ɖe mía ŋu be míawɔ nuteƒe, gake míagate ŋu asrɔ̃ nu tso damixe hã gbɔ le nuteƒewɔwɔ gome.