Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ðe Abel nya be lã ƒe vɔsa hiã hafi Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe ame ŋua?

Biblia me nuŋlɔɖi si ku ɖe Kain kple Abel ƒe vɔsasa ŋu le kpuie ŋutɔ. Míexlẽ le Mose I, 4:3-5 be: “Esia megbe la eteƒe medidi o, Kain tsɔ agblemenu aɖewo wɔ vɔsae na Yehowa. Habel hã tsɔ eƒe lãwo ƒe ŋgɔgbevi, siwo dami la ƒe ɖewo vɛ. Eye Habel kple eƒe nunana dze Yehowa ŋu; ke Kain kple eƒe nunana ya medze eŋu o.”

Womegblɔ le Biblia me be Yehowa na vɔsawo alo vɔsa si ƒomevi adze eŋu ŋuti nyatakakawo koŋ do ŋgɔ na nudzɔdzɔ sia o. Eyata edze ƒã be Kain kple Abel ŋutɔwoe tia nusiwo woatsɔ asa vɔae. Woxe mɔ na wo be woagayi ɖe wo dzilawo ƒe Paradiso-ƒe gbãtɔa me o; nuvɔ̃ me tsonu va te ŋusẽkpɔkpɔ ɖe wo dzi; eye woɖe ɖe aga tso Mawu gbɔ. Nuvɔ̃me kple nublanuitɔ siwo wonye anya na wose le wo ɖokui me be ehiã be yewoatrɔ ɖe Mawu ŋu be wòakpe ɖe yewo ŋu. Nu nana Mawu anya nye nusi wowɔ kple lɔlɔ̃nu faa be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu.

Abe alesi wova dzɔe ene la, Mawu xɔ Abel ƒe nunana gake mexɔ Kain tɔ ya o. Nukata? Ðe wòanye be Abel tsɔ nu nyuitɔ la na eye Kain ya menae oa? Míate ŋu agblɔe kakaɖedzitɔe be nya ku ɖe nusi tɔgbe wona la ŋu o, elabena womegblɔ nusi nyo kple esi menyo o la na wo dometɔ aɖeke. Ke hã anye be evea sia nyo. Le Se si Yehowa va na Israel-dukɔa emegbe me la, menye lãwo kple lã ƒe akpawo koe vɔ siwo dzea eŋu la lɔ ɖe eme o ke elɔ nuku siwo womè, lubablawo, wɔ memee, numèmewo, kple wein hã ɖe eme. (Mose III, 6:19-23; 7:11-13; 23:10-13) Eme kɔ be menye nusiwo Kain kple Abel tsɔ na ɖeɖee na Mawu xɔ ɖeka hegbe evelia o.—Tsɔe sɔ kple Yesaya 1:11; Amos 5:22.

Ƒe alafa geɖe megbe la, apostolo Paulo gblɔ be: “Le xɔse me Abel tsɔ numeme, si nyo wu Kain tɔ la, na Mawu, nusi me woto ɖi ɖase nɛ be, ame dzɔdzɔe wònye; elabena Mawu ɖi ɖase le eƒe nunanawo ŋuti.” (Hebritɔwo 11:4) Eyata Abel ƒe xɔse tae Mawu bui ame dzɔdzɔe ɖo. Gake nuka dzixɔsee? Eyae nye ŋugbe si Yehowa do be yeana Dzidzimevi si ‘agbã ta na da la’ ahagbugbɔ ŋutifafa kple blibodede si me ameƒomea nɔ tsã la aɖo eteƒe la dzixɔxɔse. Nya si wogblɔ be ‘woaɖu afɔkpodzi na’ Dzidzimevia anya na Abel bui be ahiã be woasa vɔ si me woakɔ ʋu ɖi le. (Mose I, 3:15) Aleke kee wòɖale o, nya lae nye be xɔse si Abel ɖe fiae na eƒe ‘numemea nyo wu Kain tɔ.’ Susu sia ke tae wogbe Kain ɖo, menye le esi wòtsɔ nunana si tɔgbe mesɔ o na ta o, ke boŋ le esi xɔse menɔ esi o abe alesi eƒe nuwɔna ɖee fia ene tae. Yehowa na eme kɔ na Kain be: “Ne èwɔ nyui la, wò ŋku me akɔ.” (Mose I, 4:7) Mawu megbe Kain le ŋudzedze makpɔmakpɔ ɖe eƒe nunana ŋu ta o. Ke boŋ ‘esi eƒe dɔwɔwɔwo vɔ̃ɖi’—si me dziku, fuléle, kple mlɔeba amewuwu nɔ—tae Mawu gbe Kain ɖo.—Yohanes I, 3:12.