Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yoga Kamedede Dzro Koe loo alo Nu Bubu aɖe Kpe Ðe Eŋua?

Yoga Kamedede Dzro Koe loo alo Nu Bubu aɖe Kpe Ðe Eŋua?

Yoga Kamedede Dzro Koe loo alo Nu Bubu aɖe Kpe Ðe Eŋua?

AMEWO tsi dzi vevie egbea be yewoanɔ tsralɛ ahanɔ lãmesẽ me. Esia na ame geɖe ƒo wo ɖokui ɖe kamedede kple lãmesẽ habɔbɔwo me hena kpekpeɖeŋu xɔxɔ. Susu sia kee na Ɣetoɖoƒedukɔwo me tɔ akpe geɖewo trɔ ɖe Ɣedzeƒetɔwo ƒe nuwɔna si nye yoga ŋu.

Amesiwo nuteɖeamedzi, blanuiléle, kple dziɖeleameƒo le fu ɖem na hã trɔna ɖe yoga ŋu be yewoakpɔ dzidzeme kple kuxiawo gbɔ kpɔnuwo. Tso ƒe 1960-awo, si nye gbevuviwo kple sɔhɛ dzegowo ƒe ablɔɖe gbadzaa ƒe ɣeyiɣia me kee Ɣedzeƒe subɔsubɔhawo kple woƒe vivimenuwɔnawo va kaka ɖe Ɣetoɖoƒe katã. Sinima dzi fefewɔla xɔŋkɔwo kple rock-haƒolawo kafu Hindutɔwo ƒe ŋugblẽmeyiyi ʋĩ nuwɔna, si do ƒome kple yoga kplikplikpli la ale gbegbe. Le alesi ame geɖewo va le ɖe tsɔm le yoga me ta la, míadi be míabia be: ‘Ðe yoga nye kamedede dzro aɖe ko si ana lãmesẽ ewɔla wòanɔ tsralɛ eye eƒe susu nadze akɔ anyia? Ðe woate ŋu anɔ yoga wɔm eye magblẽ subɔsubɔ me nuwɔna aɖeke me oa? Ðe yoga sɔ na Kristotɔwoa?’

Afisi Yoga Dzɔ Tso

Afisi woɖe nya “yoga” tsoe la do ƒome kple Eŋlisigbe me nya si gɔmee nye “kɔkuti.” Ate ŋu afia be woatsiã alo abla nuwo ɖekae alo ade nuwo kɔkuti te, alo be woabla akpa alo aɖu nane dzi. Hindutɔwo bua yoga be enye mɔnu alo hehe aɖe si me wotona wɔa ɖeka kple ŋusẽ aɖe si de ŋgɔ wu dzɔdzɔmetɔ alo gbɔgbɔ aɖe. Woɖɔe be “ŋutilã, susu kple luʋɔ la ƒe ŋutetewo katã ƒe ɖekawɔwɔ kple Mawu.”

Afikae woate ŋu aku yoga ƒe ŋutinyaa me ase ɖo? Wokpɔ nɔnɔmewɔwɔ siwo nɔ anyi le yoga ƒe atsyã vovovo nu le nutrenu siwo wofɔ le Indus-bali, si le egbegbe Pakistan, la me. Tomenukulawo bu ɣeyiɣi si me ŋku te ʋuʋu le Indus-bali me be anɔ ƒe 3,000 kple 1,000 D.M.Ŋ. domee, si gogo ɣeyiɣi si me Mesopotamiatɔwo ƒe dekɔnuwo de du ŋutɔ la. Asinudɔwɔwɔ si wokpɔ le teƒe evea siaa enye ŋutsu aɖe, si tsi tre ɖi na mawu aɖe, si woɖɔ lãdzokuku na eye lãwo ƒo xlãe, si wobe anye Nimrod, “adela kalẽtɔ,” la. (Mose I, 10:8, 9) Hindutɔwo gblɔna be nɔnɔmewɔwɔ siwo nɔ anyi ɖe yoga ƒe atsyãwo nu la nye mawu Siva, si nye lãwo kple yoga ƒe aƒetɔ, si wosubɔna toa ŋutsu ƒe vidzinu ƒe dzesi dzi. Eyata agbalẽ si nye Hindu World yɔ yoga be “ame ɖokui dzi zizi ƒe nuwɔna aɖe, si dzɔɣi do ŋgɔ na Aryatɔwo, si me blema nukpɔsusuwo kple kɔnu geɖe siwo nu yi la le.”

Tsã la, nu koe wotsɔ gblɔa yoga ŋuti kɔnuwo ɖi. Emegbe Indiatɔ, si nye yoga-ŋunyala xɔŋkɔ, Patañjali ŋlɔ nu tso eŋu tsitotsito si wona ŋkɔe be Yoga Sutra, si kpɔtɔ nye yoga ŋuti nufiamegbalẽ vevitɔ. Patañjali gblɔ be yoga nye “mɔ si dzi wotona dzea agbagba be woaɖo blibodede gbɔ, to amegbetɔ ƒe nɔnɔme vovovoawo dzi ɖuɖu, le ŋutilã kple susu siaa me me.” Tso yoga ƒe dzɔɣi va ɖo egbea la, enye Ɣedzeƒe subɔsubɔhawo ƒe akpa vevi aɖe le Hindu-subɔsubɔ, Jain-subɔsubɔ kple Buddha-subɔsubɔ koŋ me fifia. Yoga wɔla aɖewo xɔe se be akplɔ yewo ayi moksha, alo ablɔɖe me, to ɖekawɔwɔ kple gbɔgbɔ aɖe si ɖoa afisiafi me.

Eyata míegale biabiam ake be: ‘Ðe woate ŋu aƒo ame ɖokui ɖe yoga nuwɔna me abe kamedede dzro ko ene be ame ƒe lãme nasẽ eye eƒe susu me nadze akɔ anyi eye manye ame ɖokui ƒoƒo ɖe subɔsubɔnuwɔna aɖeke me oa?’ Le subɔsubɔkɔnu siwo ku ɖe eŋu ta la, ele be ŋuɖoɖo nanye ao.

Afikae Yoga Ate Ŋu Akplɔ Wò Ayi?

Taɖodzinu si le yoga ƒe hehea ŋui enye be wòakplɔ ame ‘aɖawɔ ɖeka’ alo ado ƒome kple gbɔgbɔ aɖe si tri akɔ wu amegbetɔ. Gake gbɔgbɔ kae wòanye?

Agbalẽŋlɔla Benjamin Walker gblɔ le yoga ŋu le Hindu World me be: “Yoga anya nye blema akunyawɔwɔ mɔnu aɖe, eye vivimenuwɔna kple gbɔgbɔyɔyɔ siwo nɔ eme la gakpɔtɔ le eme.” Hindu xexemenunyalawo lɔ̃ ɖe edzi be ame ɖokui ƒoƒo ɖe yoga nuwɔna me ate ŋu ana ŋusẽ si de ŋgɔ wu dzɔdzɔmetɔ naɖo ame ŋu, togbɔ be wogblɔna zi geɖe be menye eyae nye taɖodzinua ŋutɔŋutɔ o hã. Le kpɔɖeŋu me, le agbalẽ si nye Indian Philosophy me la, amesi nye India dukplɔla tsã, Ðk. S. Radhakrishnan, gblɔ le yoga-kamedela ŋu be “ŋutilã tɔtrɔ ɖe nɔnɔmewo nu nana megasea dzoxɔxɔ alo fafa siwo gbɔa eme o. . . . Yoga wɔla la ate ŋu akpɔ nu ahase nu le didiƒe ʋĩ . . . Woate ŋu agblɔ ame ƒe susu na ame bubu esi womezãa dzɔdzɔme kadodomɔnu aɖeke o. . . . Yoga wɔla la ate ŋu ado zi.”

Yoga wɔla si mlɔ aba si me woƒo gatagbadzɛwo ɖo dzi alo le zɔzɔm le dzoka xɔxɔwo dzi adze ameflunui na ame aɖewo eye wòanye fefenya na ame bubuwo. Gake nusiawo bɔ ŋutɔ le India, abe alesi nuwɔna si nye tsitrenɔnɔ ɖe afɔ ɖeka dzi anɔ ɣe kpɔm tẽ hena gaƒoƒo geɖe kple gbɔgbɔ lelé ɖe ƒo si wɔnɛ be wote ŋu ɖia amea ɖe ke me hena ɣeyiɣi didi aɖe hã bɔe ene. Le June 1995 la, The Times of India ka nya ta be wona ʋu si ƒe kpekpeme wu kilogram 750 zɔ nyɔnuvi ƒe etɔ̃ kple afã vi aɖe si nɔ ɖi me ƒe dɔme. Ewɔ nuku na ameha la ŋutɔ esi wònyɔ eye naneke kura mewɔe o. Nyatakaka gblɔ kpee be: “Yoga ŋusẽ ɖeɖe dzaa koe nye ma.”

Ðikekemanɔmee la, ame aɖeke mate ŋu awɔ esiawo ƒe ɖeke dzodzro o. Eyata ele be Kristotɔ nabia be: Nukawo fiamee nuwɔna siawo le? Ðe wotso Yehowa Mawu, amesi “ɖeɖe koe ɖo kpo ɖe anyigba blibo la dzi” gbɔa, alo afi bubu aɖee wòtsoa? (Psalmo 83:19) Biblia la na nya sia me kɔ nyuie. Esime Israel-viwo nɔ Ŋugbedodonyigbaa, si dzi Kanaantɔwo nɔ, ƒe liƒo dzi la, Yehowa to Mose dzi gblɔ na Israel-viwo be: “Megasrɔ̃ dukɔ mawo ƒe ŋunyɔnuwo nawɔ o.” “Ŋunyɔnu” kawo? Mose xlɔ̃ nu be ‘ame aɖeke meganye bokɔnɔ, goloɖola, zidoedola kple dzotɔ o.’ (Mose V, 18:9, 10) Nusiawo nye ŋunyɔnu na Mawu elabena wonye gbɔgbɔvɔ̃wo kple nuvɔ̃ ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo.—Galatiatɔwo 5:19-21.

Menyo na Kristotɔ O

Nya bubu ɖesiaɖe ka kee lãmesẽŋutinunyalawo agblɔ o, menye kamedede koe yoga nye o. Agbalẽ si nye Hindu Manners, Customs and Ceremonies gblɔ yoga-srɔ̃la yeye eve siwo nɔ kplɔla aɖe ƒe hehe te la ƒe nuteƒekpɔkpɔwo. Wogblɔ be ɖeka gblɔ be: “Medzea agbagba siwo gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu be malé nye gbɔgbɔ ɣeyiɣi didi aɖe si màte ŋui, eye ne meyina ƒenyi ku ge ko hafi megbɔna. . . . Gbeɖeka, le ŋdɔ me la, ewɔ nam be mekpɔ ɣleti aɖe si le ɖiɖim nyuie, si wɔ abe ɖe wòle zɔ ɖem hele yiyim sagãsagã ene. Ɣeyiɣi bubu la, ewɔ nam abe ɖe blukɔ tsiɖitsiɖi do ɖem le ŋdɔ me ene. Esi megblɔ ŋutega siawo na nye nufiala la . . . edzɔ dzi nɛ ŋutɔ. . . . Ede dzi ƒo nam be, eteƒe madidi o mava kpɔ nye fukpekpea me viɖe siwo wɔ nuku wu.” Ame evelia gblɔ be: “Ezii ɖe dzinye be manɔ dziŋgɔlia kpɔm gbesiagbe aɖaba maƒomaƒoe alo maʋãmaʋãe. . . . Ɣeaɖewoɣi la, ewɔna nam be mekpɔ dzoxiwo le ya me; le ɣebubuɣiwo la ewɔna nam be mekpɔa dzobibi gãwo kple ɣletivi siwo nɔ gegem. Nye nufiala kpɔa dzidzɔ ɖe dzidzedze si kpɔm mele ta.”

Edze ƒa be nukpɔkpɔ wɔmoyaa siawoe nye nusi kplɔla la se le eɖokui me be wofia be wole mɔ ŋutɔŋutɔ si kplɔa ame yia yoga kamededea ƒe taɖodzinu gbɔ la dzi. Ẽ, taɖodzinu vevitɔ si le yoga nuwɔna mee nye be ame naɖo moksha si me wòɖe be ame ƒe ɖekawɔwɔ kple gbɔgbɔ gã si si amenyenye mele o. Woɖɔe be “(eɖoɖo koŋ) atsi susua ƒe dɔwɔna nu.” Edze ƒã be esia tsi tre ɖe taɖodzinu si woɖo na Kristotɔwo ŋu, amesiwo woxlɔ̃ nui be: “[Mitsɔ] miaƒe ŋutilãwo awɔ vɔsasa gbagbe, si ŋuti kɔ, si dze Mawu ŋu, esi anye miaƒe mawusubɔsubɔ gbɔgbɔmetɔ. Eye migana miaƒe anyinɔnɔ naɖi xexe sia me o, hafi mitrɔ miaƒe nɔnɔme to miaƒe tamesusu ƒe yeyewɔwɔ me boŋ, bene miadzro nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, si nyo, eye wòdzea eŋu nyuie, eye wòle blibo la me akpɔ.”—Romatɔwo 12:1, 2.

Kamedede si ame atia la nye ame ŋutɔ ƒe nya. Ke hã Kristotɔwo maɖe mɔ be naneke—eɖanye kamedede, nuɖuɖu, nunono, awudodo, modzakaɖeɖe, loo alo nu bubu aɖee o—nagblẽ woa kple Yehowa Mawu dome ƒomedodo me o. (Korintotɔwo I, 10:31) Le amesiwo le kamea dem le lãmesẽ ɖeɖe ta dzaa ko gome la, mɔnu geɖe li siwo mekplɔa ame dea gbɔgbɔyɔyɔ alo vivimenuwɔna me o. Ne míeɖe mía ɖokui ɖa tso wɔna kple dzixɔse siwo do ƒome kple alakpa subɔsubɔ ŋu la, míate ŋu akpɔ mɔ na dzɔdzɔenyenye ƒe nuɖoanyi yeye si Mawu atsɔ ayra míi la, si me míate ŋu anɔ dedie le ŋutilã kple susu deblibo me le tegbee la.—Petro II, 3:13; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 22]

Ame geɖe kpɔa gome le lãmesẽfefe siwo mekplɔa wo dea gbɔgbɔyɔyɔ me o me