Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Minɔ Yonyeme Ðaa’

‘Minɔ Yonyeme Ðaa’

‘Minɔ Yonyeme Ðaa’

“Esia ŋuti woyɔ mi vɛ ɖo; elabena Kristo hã kpe fu le mia ta, eye wògblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mi, bene miadze eƒe afɔɖoƒewo yome.”—PETRO I, 2:21.

1, 2. Nukatae Yesu ƒe kpɔɖeŋu deblibo si wòna abe nufiala ene la mekɔkɔ akpa be míate ŋu asrɔ̃e o?

YESU KRISTO enye Nufiala gãtɔ kekeake si nɔ anyigba dzi kpɔ. Gakpe ɖe eŋu la, ede blibo eye mewɔ nuvɔ̃ aɖeke le eƒe agbenɔnɔ, abe amegbetɔ ene, katã me o. (Petro I, 2:22) Gake ɖe ema fia be kpɔɖeŋu siwo Yesu ɖo abe nufiala ene la kɔkɔ akpa be mí amegbetɔ madeblibowo míate ŋu asrɔ̃e oa? Kura o.

2 Abe alesi míekpɔe le nyati si do ŋgɔ me ene la, nusi dzi Yesu ƒe nufiafia nɔ te ɖo enye lɔlɔ̃. Eye lɔlɔ̃ nye nane si mí katã míate ŋu atu ɖo. Mawu ƒe Nya dea dzi ƒo na mí zi geɖe be míana míaƒe lɔlɔ̃ na nɔviwo nanɔ agbɔ sɔm ɖe edzi. (Filipitɔwo 1:9; Kolosetɔwo 3:14) Yehowa mebiaa nusi eƒe nuwɔwɔwo mate ŋu awɔ o la tso wo si gbeɖe o. Le nyateƒe me la, esi “Mawu enye lɔlɔ̃” eye wòwɔ mí ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme nu ta la, míate ŋu agblɔ be ewɔ mí be míaɖe lɔlɔ̃ afia. (Yohanes I, 4:8; Mose I, 1:27) Eyata ne míexlẽ apostolo Petro ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe mawunyakpukpui si dzi wotu míaƒe nyatia ɖo me la, míatsɔ kakaɖedzi awɔ ɖe edzi. Míate ŋu adze Kristo ƒe afɔɖoƒewo yome tututu. Le nyateƒe me la, míate ŋu awɔ ɖe se si Yesu ŋutɔ de be: ‘Nɔ yonyeme ɖaa’ la dzi. (Luka 9:23) Gbã la, mina míade ŋugble le mɔ si nu míate ŋu asrɔ̃ alesi Kristo lɔ̃ nyateƒe siwo wòfia lae le, eye emegbe alesi wòlɔ̃ amesiwo wòfia nui.

Lɔlɔ̃ Tutuɖo na Nyateƒe si Míesrɔ̃na

3. Nukatae nusɔsrɔ̃ sesẽna na ame aɖewo, gake nuxlɔ̃amenya kae le Lododowo 2:1-5?

3 Be míate ŋu alɔ̃ nyateƒe siwo míefiaa amewo la, ele be mía ŋutɔwo míalɔ̃ nyateƒe mawo sɔsrɔ̃. Le egbe ƒe xexea me la, lɔlɔ̃ ma ƒomevi mesua ame si bɔbɔe ɣesiaɣi o. Nuwo abe sukumademade ayi ŋgɔ kple nɔnɔme gbegblẽ siwo sua ame si le eƒe sɔhɛmenɔɣi wɔe be ame geɖe melɔ̃a nusɔsrɔ̃ o. Gake ele vevie be míasrɔ̃ nu tso Yehowa gbɔ. Lododowo 2:1-5 gblɔ be: “Vinye, ne èxɔ nye nuƒoƒo wɔ tɔwòe, eye nèdzra nye sewo ɖo ɖe ɖokuiwò gbɔ, be nèƒu wò to anyi ɖe nunya ŋu, eye nèbi wò dzi ɖe gɔmesese ŋuti, ẽ, ne èyɔ nunya, eye nèkɔ wo gbe dzi ɖe gɔmesese ŋu la, ne èdii abe klosalo ene, eye nèdi eyome mɔ abe kesinɔnu, si le to me ene la, ekema àse Yehowa-vɔvɔ̃ gɔme, eye wò asi atu sidzedze Mawu.”

4. Be ‘woabi’ ame ƒe dzi ɖe nane xɔxɔ ŋu la gɔme ɖe, eye nukpɔsusu kae akpe ɖe mía ŋu míate ŋu awɔ esia?

4 De dzesii be le kpukpui 1 vaseɖe 4 me la, menye ɖeko woxlɔ̃ nu mí be míadze agbagba ‘axɔ nu’ ‘ahadzra ɖo’ o, ke boŋ be ‘míadii’ eye ‘míadi eyome mɔ’ hã. Gake nukae aʋã mí be míawɔ esiawo katã? De dzesi nyagbɔgblɔ si nye ‘bi wò dzi ɖe gɔmesese ŋu.’ Numekugbalẽ aɖe gblɔ be nuxlɔ̃amenya sia “menye biabia be woaɖo to ko o; enye nɔnɔme aɖe biabia tso ame si: si nye didi vevie be woaxɔ nufiamea.” Eye nukae ate ŋu ana míadi vevie be míasrɔ̃ nusiwo Yehowa fiaa mí? Míaƒe nukpɔsusue. Ehiã be míabu “sidzedze Mawu” abe “klosalo” kple “kesinɔnu, si le to me ene.”

5, 6. (a) Nukae ate ŋu adzɔ le ɣeyiɣi aɖewo megbe, eye aleke míate ŋu axe mɔ na esia ƒe dzɔdzɔe? (b) Nukatae wòle be míayi edzi anɔ sidzedze si míekpɔ le Biblia me la dzim ɖe edzi?

5 Menye nu sesẽ be nukpɔsusu ma nasu ame si o. Le kpɔɖeŋu me, ‘Mawu ŋuti sidzedze’ si nèsrɔ̃ la ƒe ɖee enye nyateƒe si wònye be Yehowa ɖo tame be amegbetɔ nuteƒewɔlawo nanɔ agbe tegbee le Paradiso me le anyigba dzi. (Psalmo 37:28, 29) Esi nèsrɔ̃ nyateƒe ma zi gbãtɔ la, ɖikeke mele eme o be ebui abe kesinɔnu vavãa aɖe ene, si nye sidzedze aɖe si na mɔkpɔkpɔ kple dzidzɔ yɔ wò susu kple dzi me. Ke fifia ya ɖe? Esi ɣeyiɣiawo va le yiyim la, ɖe wò ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe kesinɔnua ŋu dzi ɖe kpɔtɔ alo eme gblẽa? Ekema dze agbagba nàwɔ nu eve. Gbã, gbugbɔ wò ŋudzedzekpɔkpɔ la wɔ yeyee, si fia be nàgbugbɔ ŋugble ade le nusitae nèdea asixɔxɔ nyateƒe siwo Yehowa fia wò la dometɔ ɖesiaɖe ŋu, tsɔ kpe ɖe esiwo nèsrɔ̃ le ƒe geɖe siwo va yi me la ŋu edziedzi.

6 Evelia, yi edzi nànɔ wò kesinɔnuawo dzim ɖe edzi. Ne èbu eŋu kpɔ la, ne edzɔ be èku kpe xɔasi aɖe le to me la, ɖeko nàtsɔe ade kotoku me ko azɔ dzoa? Alo ɖee nàgaku teƒea akpɔ ne geɖe gali? Nyateƒe siwo le abe kpe xɔasi kple sikakɔ gbogbo aɖewo ene la le Mawu ƒe Nya la me fũ. Agbɔsɔsɔ ka kee ɖasu asiwò o, àgate ŋu akpɔ geɖe akpee. (Romatɔwo 11:33) Ne èke ɖe nyateƒea ƒe akpa bubu aɖe ŋu la, bia ɖokuiwò be: ‘Nukae na wònye kesinɔnu? Ðe wòna Yehowa ƒe amenyenye alo eƒe tameɖoɖowo ŋuti gɔmesese deto su asinyea? Ðe wòna mɔfiame nyui aɖe si ate ŋu akpe ɖe ŋunye be mazɔ Yesu ƒe afɔtoƒewoa?’ Ŋugbledede le biabia siawo ŋu akpe ɖe ŋuwò nàtu wò lɔlɔ̃ na nyateƒe siwo Yehowa fia wò la ɖo ɖe edzi.

Lɔlɔ̃ na Nyateƒe Siwo Míefiana la Ðeɖe Fia

7, 8. Mɔ siwo nu míate ŋu aɖee afia ame bubuwo be míelɔ̃ nyateƒe siwo míesrɔ̃ le Biblia me la dometɔ aɖewo ɖe? Wɔ kpɔɖeŋu ɖeka.

7 Ne míele nu fiam ame bubuwo la, aleke míate ŋu aɖee afiae be míelɔ̃ nyateƒe siwo míesrɔ̃ le Mawu ƒe Nya la me? Le wɔwɔ ɖe Yesu ƒe kpɔɖeŋua dzi me la, míeɖoa ŋu ɖe Biblia ŋu vevie le míaƒe gbeƒãɖeɖe kple nufiafiadɔa me. Le nyitsɔ laa ƒe ɣeyiɣiwo me la, wode dzi ƒo na Mawu ƒe amewo le xexeame katã be woazã Biblia vevie le woƒe dutoƒosubɔsubɔdɔa me. Esi nèle aɖaŋuɖoɖo sia dzi wɔm la, di mɔ siwo dzi nàto ana aƒemenɔla nanya be wò ŋutɔ èdea asixɔxɔ nusi fiam nèle tso Biblia me la ŋu.—Mateo 13:52.

8 Le kpɔɖeŋu me, esi ŋɔdzidonamelawo dze New York City dzi le ƒe si va yi me teti la, nɔvinyɔnu Kristotɔ aɖe nɔ Psalmo 46:2, 12 me nyawo xlẽm na amesiwo wòdoa goe le gbeadzisubɔsubɔdɔ me. Gbã la, ebiaa ameawo alesi wole te nɔm ɖe afɔkua nui. Eléa to ɖe woƒe ŋuɖoɖoa ŋu nyuie, lɔ̃na ɖe edzi eye wògblɔna emegbe be: “Àdi be maxlẽ ŋɔŋlɔ aɖe si fa akɔ nam ŋutɔ le ɣeyiɣi sesẽ siawo me la na wòa?” Ame ʋɛ aɖewo koe gbe, eye wòto esia me wɔ numedzodzro nyui geɖewo. Ne nɔvinyɔnu sia ke le nu ƒom na sɔhɛwo la, egblɔna zi geɖe be: “Mele Biblia fiam ƒe 50 enye esia, gake mienya? Nyemedo go kuxi aɖeke si gbɔ agbalẽ sia mate ŋu akpɔ o.” Ne míetsɔ anukwareɖiɖi kple dzonɔameme te ɖe amewo ŋui la, míefiaa wo be míedea asixɔxɔ nusi míesrɔ̃ tso Mawu ƒe Nya me la ŋu eye míelɔ̃e.—Psalmo 119:97, 105.

9, 10. Nukatae wòle vevie be míazã Biblia ne míele biabia siwo ku ɖe míaƒe dzixɔsewo ŋu la ŋu ɖom?

9 Ne amewo bia nya mí le míaƒe dzixɔsewo ŋu la, mɔnukpɔkpɔ nyuitɔ sua mía si be míaɖee afia be míelɔ̃ Mawu ƒe Nyaa. Le wɔwɔ ɖe Yesu ƒe kpɔɖeŋua dzi me la, míetua míaƒe ŋuɖoɖoawo ɖe mía ŋutɔwo ƒe nukpɔsusuwo dzi ko o. (Lododowo 3:5, 6) Ke boŋ míezãa Biblia le nyaa ŋuɖoɖo me. Ðe nèvɔ̃na be ame aɖe abia nya aɖe ye si ŋu yemate ŋu aɖo oa? Kpɔ afɔ nyui eve siwo nàte ŋu aɖe la ɖa.

10 Wɔ nusi nàte ŋui atsɔ adzra ɖo. Apostolo Petro ŋlɔ bena: “Mikɔ Aƒetɔ Kristo la ŋu le miaƒe dziwo me, eye misu te ɖaasi, bene miana ŋuɖoɖo amesiame, si abia nya aɖe mi le mɔkpɔkpɔ, si le mia me la ŋuti; gake miwɔe kple dɔmefafa kpakple [bubudeameŋu geɖe].” (Petro I, 3:15) Èsu te be yeaɖo wo dzixɔsewo ŋuti biabiawo ŋua? Le kpɔɖeŋu me, ne ame aɖe di be yeanya nusitae mèkpɔa gome le kɔnu alo nuwɔna aɖewo siwo mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o me la, gbɔgblɔ be “Etsi tre ɖe nye subɔsubɔ ŋu” ɖeɖe megasɔ gbɔ na wò o. Ŋuɖoɖo ma ate ŋu afia be ènana ame bubuwo wɔa wò nyametsotsowo na wò eye be vivimeha aɖe me tɔe nànya nye. Anyo wu be nàgblɔ be, “Mawu ƒe Nya, Biblia, tsi tre ɖe eŋu” alo, “Madzɔ dzi na nye Mawu o.” Emegbe nàɖe nusitae la me eme nakɔ.—Romatɔwo 12:1.

11. Numekugbalẽ kawoe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míate ŋu adzra ɖo ɖe biabia siwo ku ɖe Mawu ƒe Nya ŋuti nyateƒeawo ŋuɖoɖo ŋu?

11 Ne èse le ɖokuiwò me be yemedzra ɖo o la, nukatae màdi ɣeyiɣi atsɔ asrɔ̃ agbalẽ si nye Reasoning From the Scriptures, ne ele mía degbe me o? * Tia nyati ʋɛ aɖewo siwo ŋu amewo adi be yewoanya nu tsoe, eye nàlé Ŋɔŋlɔawo me nya vevi aɖewo ɖe susu me. Wò Reasoning-gbalẽa kple wò Biblia nenɔ asitsɔƒe na wò. Mègahe ɖe megbe le wo zazã ŋu o, gblɔ be numekugbalẽ aɖe le ye si yezãna tsɔ dia ŋuɖoɖoe na Biblia me nyabiabiawoe.

12. Aleke míate ŋu awɔ nui ne míenya ŋuɖoɖo na Biblia me biabia aɖe o?

12 Mègatsi dzi fũ o. Amegbetɔ madeblibo aɖeke mate ŋu aɖo biabiawo katã ŋu o. Eyata ne wobia Biblia me nyaa aɖe wò si ŋu màte ŋu aɖo o la, àte ŋu aɖo eŋu ɣesiaɣi ale: “Akpe ɖe wò biabia nyui sia ta. Le nyateƒe me la, nyemenya ŋuɖoɖoa o, gake meka ɖe edzi be ŋuɖoɖoa le Biblia me. Biblia me numekuku wɔwɔ dzɔa dzi nam, eyata mayi aɖadi wò biabia ŋuɖoɖo avɛ na wò.” Ŋuɖɔɖɔɖo kple ɖokuibɔbɔ tsɔtsɔ akpɔ nyaa gbɔe alea ate ŋu aʋu mɔ ɖe numedzodzrowo ŋu emegbe.—Lododowo 11:2.

Lɔlɔ̃ na Amesiwo Míefiaa Nui

13. Nukatae wòle be amesiwo mieɖea gbeƒã na ŋuti nukpɔsusu nyui nanɔ mía si?

13 Yesu lɔ̃ amesiwo wòfia nui. Aleke míate ŋu asrɔ̃ eyama le go sia me? Mele be ɖekematsɔleme ƒe nɔnɔme nanɔ mía si ɖe amesiwo dome míele la ŋu gbeɖe o. Ele eme be “Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ” le aƒe tum kabakaba ŋutɔ, eye ameƒomea me tɔ biliɔn geɖe atsrɔ̃ ya. (Nyaɖeɖefia 16:14; Yeremya 25:33) Gake míenya amesi atsi agbe kple amesi aku o. Ema ŋuti nyametsotso ya le ŋgɔ gbɔna eye amesi Yehowa tia, Yesu Kristo, ye atso nya ma me. Vaseɖe esime woadrɔ̃ ʋɔnu sia la, míebua amesiame abe amesi ate ŋu ava zu Yehowa subɔla ene.—Mateo 19:24-26; 25:31-33; Dɔwɔwɔwo 17:31.

14. (a) Aleke míate ŋu adzro mía ɖokui me anya nenye be míesea veve ɖe amewo nu? (b) Mɔ siwo sɔ kawo nue míate ŋu aɖe veveseɖeamenu kple ɖetsɔleme afia amewo le?

14 Ekema abe Yesu ene la, míesea veve ɖe amewo ti. Míate ŋu abia mía ɖokuiwo ase bena: ‘Ðe mesea veve ɖe amesiwo xexe sia ƒe subɔsubɔhawo, dunyahehawo, kple asitsahawo tsɔ woƒe numevivi kple alakpanyawo ble la tia? Ne ewɔ abe ɖee wometsɔ ɖeke le gbedasi si míetsɔna yina wo gbɔe me o ene la, ɖe medzea agbagba be mase nusitae wose le wo ɖokui me nenema ɖo la gɔmea? Ðe mekpɔnɛ dzea si be nenemae nye ŋutɔ, alo ame bubu siwo le Yehowa subɔm fifia la se le wo ɖokui me ɣeaɖeɣi va yia? Ðe metrɔ ɖe nɔnɔmea ŋu alesi sɔa? Alo ɖe meɖea asi le amesiawo ŋu be mɔkpɔkpɔ aɖeke megali na wo o?’ (Nyaɖeɖefia 12:9) Ne amewo kpɔ alesi míesea veve ɖe wo nui vevie la, enɔa bɔbɔe na wo be woaxɔ míaƒe gbedasia. (Petro I, 3:8) Veveseɖeamenu ate ŋu aʋã mí ɣesiaɣi be míatsɔ ɖe le amesiwo míedoa goe le gbeadzi me geɖe wu. Míate ŋu aŋlɔ woƒe biabiawo kple kuxiwo ɖi. Ne míetrɔ yi la, míate ŋu afia wo be míenɔ ŋugble dem le nya siwo wogblɔ le nyitsɔ ƒe sasrãkpɔa me ŋu. Eye ne nane hiã wo vevie le ɣeyiɣi ma me la, míate ŋu asu te ana kpekpeɖeŋu si sɔ la wo.

15. Nukatae wòle be míalé ŋku ɖe nɔnɔme nyui siwo le amewo si la ŋu, eye aleke míate ŋu awɔ esiae?

15 Abe Yesu ene la, nɔnɔme nyui siwo le amewo si ŋue míeléa ŋku ɖo. Ðewohĩ dzilaɖekɛ aɖe le agbagba dzem ŋutɔ le viawo hehe me. Ŋutsu aɖe le dagbadagbam be yeakpɔ yeƒe ƒomea dzi. Ame tsitsi aɖe ɖe ɖetsɔleme fia ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu. Ðe míedea dzesi nɔnɔme siawo le amesiwo míedoa goe ŋu hekafua wo ɖe wo taa? Le esia wɔwɔ me la, míekpɔa nusi me mí katã míesɔ le eye esia ate ŋu aʋu mɔ na mí be míaɖi ɖase le Fiaɖuƒea ŋu.—Dɔwɔwɔwo 26:2, 3.

Ðokuibɔbɔ Le Vevie le Lɔlɔ̃ Ðeɖe Fia Me

16. Nukatae wòle vevie be míafa tu eye míabu amesiwo míeɖea gbeƒã na?

16 Lɔlɔ̃ na amesiwo míefiaa nui aʋã mi be míawɔ ɖe Biblia ƒe nuxlɔ̃amenya si me nunya le dzi be: “Sidzedze la doa ame ɖe dzi, ke lɔlɔ̃ la tua ame.” (Korintotɔwo I, 8:1) Sidzedze gbogbo aɖe nɔ Yesu si, ke hã meda o. Eyata ne èle wo dzixɔsewo gblɔm la, mègahe glãka alo ada amea ɖe anyi o. Míaƒe taɖodzinu enye be míaɖo amewo ƒe dzi gbɔ ahahe wo ɖe nyateƒe siwo míelɔ̃ vevie la ŋu. (Kolosetɔwo 4:6) Mègaŋlɔ be o be, esime Petro ɖo aɖaŋu na Kristotɔwo be woasu te ana ŋuɖoɖo la, eɖo ŋku edzi na mí hã be míawɔe “kple dɔmefafa kpakple [bubudeameŋu].” (Petro I, 3:15) Ne míefa tu eye míebua ame la, míahe amewo ɖe Mawu si míesubɔna la ŋu godoo.

17, 18. (a) Aleke míawɔ nui ɖe fewuɖunya siwo wogblɔna tso míaƒe dzedze anye subɔlawo ŋu la ŋu? (b) Nukatae blemagbe siwo me woŋlɔ Biblia ɖo la nyanya mele vevie na Biblia-nusrɔ̃viwo o?

17 Mehiã be míaɖee afia amewo nanya alesi gbegbe míenya nui alo srɔ̃ agbalẽe o. Ne wò anyigbamama me tɔ aɖewo gbe be yewomaɖo to amesiwo mede yunivɛsiti o la, mègana woƒe nɔnɔmea naɖe dzi le ƒowò o. Yesu meɖo susu nya si wotsɔ ɖe eŋu be mede rabiwo ƒe suku xɔŋkɔ siwo nɔ anyi le eŋɔlime o la ŋu o; eye medze agbagba be yeaɖe nu gbogbo siwo wònya la afia atsɔ agblẽ nazã siwo bum wonɔ ɖe eŋu la me o.—Yohanes 7:15.

18 Ðokuibɔbɔ kple lɔlɔ̃ le vevie ŋutɔ na Kristotɔ subɔlawo wu suku gbogbowo dede. Nufiala Gãtɔ, Yehowa, ye na míedze na subɔsubɔdɔa wɔwɔ. (Korintotɔwo II, 3:5, 6) Eye nuka kee Kristodukɔa ƒe hakplɔla aɖewo ɖagblɔ o, mehiã be míasrɔ̃ blemagbe siwo me woŋlɔ Biblia ɖo hafi adze anye Mawu ƒe Nyaa fialawo o. Yehowa to eƒe gbɔgbɔa dzi na woŋlɔ Biblia eme kɔ nyuie ale gbegbe be amesiame kloe ate ŋu ase nyateƒe xɔasi siwo le eme la gɔme bɔbɔe. Nyateƒe mawo metrɔna ne woɖe wo gɔme ɖe gbegbɔgblɔ alafa, alafawo me gɔ̃ hã o. Eyata togbɔ be blemagbewo nyanya ɖea vi ɣeaɖewoɣi hã la, mele vevie o. Gakpe ɖe eŋu la, dada le esi ame se gbegbɔgblɔ aɖe ta ate ŋu awɔe be Kristotɔ vavãwo ƒe nɔnɔme vevi—si nye ameɖokui bɔbɔ ɖe anyi be woafia nui la—masu mía si o.—Timoteo I, 6:4.

19. Gɔmesese ka nue míaƒe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa nye amewo subɔsubɔ le?

19 Ðikeke aɖeke mele eme o be míaƒe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa nye dɔa aɖe si bia ɖokuibɔbɔ ƒe nɔnɔme. Míedzea ŋgɔ tsitretsiɖeŋu, ɖekematsɔleme kple yometiti gɔ̃ hã edziedzi. (Yohanes 15:20) Ke hã ne míeyi míaƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ dzi nuteƒewɔwɔtɔe la, míele dɔ vevi aɖe wɔm. Ne míeyi amewo subɔsubɔ dzi ɖokuibɔbɔtɔe le dɔ sia wɔwɔ me la, míele lɔlɔ̃ si Yesu Kristo ɖe fia amewo la srɔ̃m. Bu eŋu kpɔ: Ne ehiã be nàɖe gbeƒã na ame akpe ɖeka siwo metsɔa ɖeke le eme o alo tsi tre ɖe ŋuwò hafi ate ŋu aɖo ame ɖeka si ɖi alẽ gbɔ la, ɖe ema manye wò agbagbadzedze me tsonu nyui aɖe oa? Anyee nyateƒe! Eyata ne míeyi dɔa dzi, tamanamanae la, míele amesiwo ɖi alẽwo siwo gbɔ míekpɔ ɖo haɖe o la subɔm nuteƒewɔwɔtɔe. Ðikeke mele eme o be Yehowa kple Yesu akpɔ egbɔ be míake ɖe ame vevi siawo dometɔ geɖe ŋu ahakpe ɖe wo ŋu hafi nuwuwua nava.—Xagai 2:7.

20. Mɔ siwo nu míate ŋu ato kpɔɖeŋu dzi afia nu le la dometɔ aɖewo ɖe?

20 Agbenɔnɔ ɖe nusiwo fiam míele nu nye mɔ bubu si nu míeɖea míaƒe didi be míasubɔ ame bubuwo le fiana. Le kpɔɖeŋu me, míedi be míafia amewo be Yehowa, ‘dzidzɔ Mawu’ la subɔsubɔe nye agbemɔ nyuitɔ kekeake si ŋu viɖe le. (Timoteo I, 1:11) Ne wokpɔ alesi míenɔa agbe hewɔa nui kple míaƒe aƒelikawo, sukuhatiwo, kple dɔwɔhatiwo la, ɖe wokpɔnɛ be míele dzidzɔ kpɔm eye míaƒe dzi dze emea? Nenema kee míefiana Biblia-nusrɔ̃viwo be Kristo-hamea enye afisi woakpɔ lɔlɔ̃ le, le xexe si me ɖekematsɔleme kple ŋutasesẽ bɔ ɖo me. Ðe míaƒe nusrɔ̃viwo akpɔe enumake be míelɔ̃ hamea me tɔwo katã hedzea agbagba vevie be ŋutifafa nanɔ mía kple mía nɔewo domea?—Petro I, 4:8.

21, 22. (a) Mía ɖokui me si míadzro ku ɖe míaƒe subɔsubɔdɔa ŋu ate ŋu ana míawɔ mɔnukpɔkpɔ kawo ŋudɔ? (b) Nukawo mee míadzro le Gbetakpɔxɔ si akplɔe ɖo me nyatiwo me?

21 Ɣeaɖewoɣi la, lɔlɔ̃nu faa ƒe nɔnɔme si anɔ mía si ɖe míaƒe subɔsubɔdɔa ŋu ate ŋu aʋã mí be míagbugbɔ mía ɖokui me adzro. Esi ame geɖe wɔ esia anukwareɖiɖitɔe la, wokpɔe be yewoate ŋu akeke yewoƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu to wo ɖokui ƒoƒo ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me me alo to ʋuʋu ayi aɖasubɔ le afisi hiahiã le wu. Ame bubuwo tso nya me be yewoasrɔ̃ dutagbe ale be yewoate ŋu asubɔ dutagbedola siwo ƒe agbɔsɔsɔ le dzidzim ɖe edzi le woƒe anyigbamama me la. Ne mɔnukpɔkpɔ siawo li na wò la, bu wo ŋu nyuie gbedodoɖatɔe. Subɔsubɔgbenɔnɔ hea dzidzɔ manyagblɔ, dzidzeme, kple susu me ƒe akɔdzeanyi vɛ.—Nyagblɔla 5:11.

22 Mina míato mɔ sia mɔ dzi ayi edzi asrɔ̃ Yesu Kristo to míaƒe lɔlɔ̃ na nyateƒe siwo míefiana kple na amesiwo míefiaa nui la tutuɖo me. Lɔlɔ̃ tutuɖo kple eɖeɖefia le go eve siawo me akpe ɖe mía ŋu míaɖo gɔmeɖoanyi hena nufiala siwo si Kristo ƒe nɔnɔme le zuzu. Gake aleke míawɔ atu ɖe gɔmeɖoanyi ma dzi? Le Gbetakpɔxɔ si akplɔe ɖo me la, míadzro nufiafiamɔnu siwo ŋudɔ Yesu wɔ tẽ la dometɔ aɖewo me le nyati vovovowo me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 11 Yehowa Ðasefowoe tae.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

•Kakaɖedzi kae le mía si be kpɔɖeŋu si Yesu ɖo abe nufiala ene la mekɔkɔ fũ akpa be míate ŋu asrɔ̃e o?

•Aleke míate ŋu aɖee afia be míelɔ̃ nyateƒe siwo míesrɔ̃ le Biblia me?

•Nukatae wòle vevie be míabɔbɔ mía ɖokui esi míele tsitsim le sidzedze me?

•Mɔ siwo nu míato aɖe lɔlɔ̃ afia amesiwo míedzea agbagba be míafia nui la dometɔ aɖewo ɖe?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 16]

Wɔ nusi nàte ŋui be nànɔ dzadzraɖo ɖi

[Nɔnɔmetata siwo le axa 16, 17]

Ne èdea asixɔxɔ “Mawu ŋuti sidzedze” ŋu la, àte ŋu azã Biblia nyuie

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Míeɖea lɔlɔ̃ fiaa amewo ne míegblɔ nyanyuia na wo