Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aƒelika Nyuiwo Nye Kpeɖeŋutɔ Nyuiwo

Aƒelika Nyuiwo Nye Kpeɖeŋutɔ Nyuiwo

Aƒelika Nyuiwo Nye Kpeɖeŋutɔ Nyuiwo

“Aƒelika, si te ɖe ame ŋu, nyo wu ame nɔvi le adzɔge.”—Lododowo 27:10.

ƑEALAFA gbãtɔ M.Ŋ. me agbalẽnyala aɖe bia Yesu be: “Amekae nye hanyevi mahã?” Esi Yesu nɔ eŋu ɖom nɛ la, menye amesi nye ehavie wògblɔ nɛ o, ke boŋ nusi naa ame nyea havi nyui. Ðewohĩ ènya nu tso Yesu ƒe kpɔɖeŋua ŋu nyuie. Ame geɖe yɔnɛ be Samariatɔ, havi nyui la ŋuti lododo, si woŋlɔ ɖe Luka ƒe Nyanyuia me. Ale Yesu gblɔ ŋutinya la enye si:

“Ame aɖe tso Yerusalem heyina Yerixo; eye wòɖadze adzodalawo si me, eye woɖe eƒe awu le eŋu, eye esi wode abi eŋu la, wodzo hegblẽe ɖi wòku afã kple afã. Ke eva ve eme bena, mawununɔla aɖe va to mɔ ma yina, eye esi wòkpɔe la, eto eŋu heyi. Nenema ke Lewitɔ aɖe hã, esi wòva ɖo teƒe la, eye wòkpɔe la, eto eŋu heyi. Ke Samariatɔ aɖe le mɔ zɔm va ɖo afisi wòle, eye esi wòkpɔe la, eƒe dɔme trɔ ɖe eŋu; eye esi wòva egbɔ la, etsɔ ami kple wein hekɔ ɖe eƒe abiawo me, eye wòbla wo, eye esi wòtsɔe ɖo ye ŋutɔ ƒe lã dzi la, ekplɔe yi amedzrodzeƒe, eye wòkpɔ edzi. Eye esi ŋu eke la, etsɔ denario eve na aƒeatɔ, eye wògblɔ bena: Kpɔ edzi, eye nusi ke nagagblẽ ɖe edzi la, nye la le nye tɔtrɔgbɔ me la maɖo eteƒe na wò. Ame etɔ̃ siawo dome la kae nèsusu be, ezu havi na amesi dze adzodalawo si me mahã?”—Luka 10:29-36.

Edze ƒã be agbalẽnyala la se nyaa gɔme. Ete ŋu kpɔ amesi tututue nye ŋutsu si ŋu wode abii la havi dze sii enumake be: “Amesi kpɔ nublanui nɛ lae.” Eyome Yesu gblɔ nɛ be: “Heyi, eye nawɔ nenema ke.” (Luka 10:37) Nusi wòfia be woanye havi nyui la ŋuti kpɔɖeŋu wɔdɔɖeamedzi kae nye si! Yesu ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu aʋã mí gɔ̃ hã míabia mía ɖokui be: ‘Havi ka ƒomevie menye? Ðe nye ŋutigbalẽ alo dukɔ si me metso kpɔa ŋusẽ ɖe amesiwo mebuna hanyeviwoe dzia? Ðe nusiawo na nyemete ŋu wɔa nu bo aɖeke tsɔ kpena ɖe hanyevi si le afɔku me ŋu oa? Ðe medzea agbagba geɖe be manye havi nyuia?’

Afikae Míadze Egɔme Tsoe?

Ne míese le mía ɖokui me be ehiã be míawɔ ŋgɔyiyi le nya sia me la, ke ele be míadze egɔme tso míaƒe tamesusu ƒe nɔnɔme dzi. Ele be míatsi dzi ɖe havi nyui nyenye ŋu. Esia ate ŋu ana aƒelika nyuiwo hã nanɔ mía si. Ƒe akpe eve kloe enye si va yi la, Yesu te gbe ɖe amewo dome ƒomedodo ŋuti gɔmeɖose vevi ma dzi le eƒe Todzimawunya xɔŋkɔ la me. Egblɔ be: “Nusianu, si mielɔ̃na bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo.” (Mateo 7:12) Nuwɔwɔ ɖe amewo ŋu le ameŋububu, bubudeameŋu, kple dɔmenyonyo me naa woawo hã wɔa nu ɖe ame ŋu nenema ke.

Le nyati si nye “Ame Havi Lɔlɔ̃,” si dze le magazine si nye The Nation Since 1865 me, me la, nyadzɔdzɔ kple agbalẽ ŋlɔla Lise Funderburg yɔ nu suesuesue aɖewo siwo woate ŋu awɔ atsɔ ade aƒelika nyui nyenye ƒe dzi ƒoe. Eŋlɔ bena: “Medi be . . . ame nɔewo dome kadodo nyui hã nakpe ɖe dɔmenyo suesue manyaxlẽ siwo haviwo wɔna na wo nɔewo la ŋu—abe nyadzɔdzɔ gbalẽwo xɔxɔ na ame, ŋkuléle ɖe ɖeviwo ŋu, nuƒeƒle na ame le asime. Medi be ƒomedodo sia nanɔ amewo dome le xexe si yi edzi le mamam, afisi vɔvɔ̃ kple nuvlowɔwɔ le nu gblẽm le nutowo ŋu le la me.” Emegbe egblɔ kpee be: “Ele be nàdze egɔme tso afi aɖe. Eye anyo be nàdze egɔme tso ʋɔtru si te ɖe ŋuwò dzi.”

Magazine si nye Canadian Geographic hã gblɔ nya vevi aɖe si ate ŋu akpe ɖe aƒelikawo ŋu be woatu nɔnɔme nyui ɖo le nuwɔwɔ kple wo nɔewo me. Agbalẽŋlɔla Marni Jackson gblɔ be: “Abe alesi ame mate ŋu atia amesiwo anye eƒe ƒometɔwo ɣesiaɣi o ene la, nenema ke womate ŋu atia aƒelikawo hãe o. Ehiã aɖaŋudzedze, nuwɔwɔ ameŋububutɔe, kple mɔɖeɖeɖenuŋu be ƒomedodoa nanyo.”

Aƒelika Nyuiwo—Nunala Nyuiwo

Ele eme be menɔa bɔbɔe na mía dometɔ geɖe be míate ɖe míaƒe aƒelikawo ŋu o. Anɔ bɔbɔe wu be míaƒo asa na wo ahaɖe mía ɖokui ɖe vovo. Gake Biblia gblɔ be, “dzidzɔ geɖe le nana me wu xɔxɔ.” (Dɔwɔwɔwo 20:35, NW ) Eyata aƒelika nyui dzea agbagba wɔa afɔɖeɖe be yeanya amesiwo dome yele. Togbɔ be mehiã kokoko be wòade ha kplikplikpli kple wo o hã la, ate ŋu ate ɖe wo ŋu woaɖo dze vie ɣeaɖewoɣi, eɖanye nukomoe ɖoɖo alo asi kɔkɔ dzi na ame xɔlɔ̃wɔwɔtɔe koe wòtsɔ dze egɔmee o.

Abe alesi míegblɔe va yi la, “dɔmenyo suesue manyaxlẽ” siwo aƒelikawo wɔna na wo nɔewo ye nye nusi hiã ŋutɔŋutɔ be woate ŋu aɖo aƒelikawo dome ƒomedodo anyi ahalée ɖe te. Eyata enyo be nàdi mɔnu awɔ dɔmenyo suesue siwo nàte ŋu awɔ na wò aƒelika, elabena ate ŋu ana ɖekawɔwɔ kple bubudede ame nɔewo ŋu nanɔ mia dome. Gawu la, ema wɔwɔ ana míanɔ Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi wɔm be: “Megate nu nyui hiãtɔ, nenye be ŋutete le ŋuwò na ewɔwɔ o.”—Lododowo 3:27; Yakobo 2:14- 17.

Aƒelika Nyui—Nuxɔla Dakpewo

Anyo ŋutɔ ne míagblɔ be amesiame xɔa kpekpeɖeŋu alo nunana akpedadatɔe. Nublanuitɔe la, menɔna alea ɣesiaɣi o. Amewo xɔ kpekpeɖeŋu alo nunana geɖe siwo amewo kɔ dɔme na la ŋudzedzemakpɔmakpɔtɔe, si wɔe be nunala dɔmenyotɔa abu le tame be, ‘Emae nye zi mamlɛtɔ mewɔ ema!’ Ɣeaɖewoɣi la, ɖeko wolɔ̃a gbe siwo nèdzea agbagba be yeado na wò aƒelikawo xɔlɔ̃wɔwɔtɔe alo akɔ asi dzi na wo la ɖewoɖewoe.

Gake le go geɖe me la, menye ɖe amea mekpɔ ŋudzedze ɖe wò gbedonamea ŋu o, togbɔ be adze nenema hã. Ðewohĩ woƒe dekɔnu alo ŋukpee na meʋã ɖe ŋuwò o, si na wòdze abe ɖe wòwɔ nu xɔlɔ̃mawɔmawɔtɔe ene. Le go bubu me la, le xexe madakpe sia me la, ame aɖewo abu wò xɔlɔ̃wɔwɔa numasekpɔe, alo abui gɔ̃ hã be nane tae nèdi be yeadze xɔ̃ yewo ɖo. Ahiã be woakpɔ kakaɖedzi aɖe hafi. Eyata axɔ ɣeyiɣi kple dzigbɔɖi hafi xɔlɔ̃wɔwɔ nanɔ mia kple ame aɖe dome. Gake aƒelika siwo srɔ̃ alesi woanye nunala nyui kple nuxɔla dakpewoe awɔ akpa aɖe le ƒomedodo nyui si ahe ŋutifafa kple dzidzɔ va woa kple woƒe aƒelikawo dome la tutuɖo me.

Ne Afɔku Dzɔ

Aƒelika nyui nyea kpeɖeŋutɔ si ŋu asixɔxɔ gã le ne afɔku dzɔ. Le afɔkudzɔɣiwo la, aƒelika nyui nyenye ƒe gbɔgbɔ vavãtɔ dzena. Nuŋlɔɖi geɖewo li si fia be aƒelikawo wɔa nu ɖokuitɔmadimaditɔe le ɣeyiɣi mawo me. Edze abe afɔku si dzɔ ɖe nutoa me tɔwo katã dzi nana wotsona wɔa ɖeka enumake wɔa nu kpena ɖe wo nɔewo ŋu ene. Amesiwo ƒe nukpɔsusu to vovo na wo nɔewo tɔ gɔ̃ hã wɔa dɔ ɖekae zi geɖe.

Le kpɔɖeŋu me, The New York Times ka nya ta be esime anyigbaʋuʋu gã aɖe gblẽ nu le Turkey le ƒe 1999 me la, amesiwo dome fuléle le ɣeyiɣi didi gɔ̃ hã wɔ nu kple woƒe aƒelikawo ɖekae. Greece nyadzɔdzɔŋlɔla, Anna Stergiou, ŋlɔ ɖe Athens nyadzɔdzɔgbalẽ me be: “Wofia mí be míalé fu Turkeytɔwo ƒe geɖee nye sia. Gake fu manyagblɔ siwo kpem wonɔ la menye dzidzɔ na mí kura o. Ewɔ dɔ ɖe mía dzi, míefa avi, abe ɖe vidzĩ siwo ku míekpɔ la na ƒe gbogbo ƒe fuléle si nɔ mía dome la nu yi ene.” Esi setɔwo gblɔ be amewo didi dɔa wu enu la, Greece amedidɔwɔlawo kpɔtɔ yi edzi nɔ agbetsilawo dim.

Le nyateƒe me la, gomekpɔkpɔ le ameɖeɖedɔwo me le afɔkuwo ƒe dzɔdzɔ megbe nye dɔ nyui si aƒelikawo tsɔa dzinɔameƒo wɔna. Ke hã woate ŋu abu aƒelikawo xɔxɔ ɖe agbe to nuxɔxlɔ̃ wo do ŋgɔ na afɔku ƒe dzɔdzɔ be enye aƒelikawo ƒe dɔwɔna si xɔ asi wu gɔ̃ hã. Nublanuitɔe la, ŋutinya ɖee fia be zi geɖe la, amesiwo xlɔ̃a nu wo haviwo tso afɔku siwo gbɔna dzɔdzɔ ge ŋu la ƒe nya medzɔa dzi na amewo o, esi wònye womete ŋu kpɔa afɔku si gbɔna la dzea sii enumake le nuxlɔ̃ɣia o ta. Zi geɖe la, womexɔa amesiwo xlɔ̃a nu tso afɔku ŋu ƒe nyawo dzi sena o. Ebia kutrikuku kple ɖokuitsɔtsɔna geɖe be amesiame si le agbagba dzem be yeakpe ɖe amesiwo menya nu tso afɔku aɖe si gbɔna dzɔdzɔ ge ŋu o nate ŋu awɔe.

Kpekpeɖeŋunana Aƒelikawo ƒe Dɔ Gãtɔ Kekeake

Egbea la, nane si lolo sasasã wu dzɔdzɔmefɔku la gbɔna ameƒomea dzi. Eyae nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nuwɔna si wogblɔ ɖi, si aɖe nuvlowɔwɔ, vɔ̃ɖinyenye, kple kuxi siwo wohena vɛ ɖa le anyigba dzi. (Nyaɖeɖefia 16:16; 21:3, 4) Menye nusi ate ŋu adzɔe nudzɔdzɔ vevi sia nye o ke boŋ esi adzɔ godooe! Yehowa Ðasefowo di vevie be yewoaƒo nu tso sidzedze si hiã hena agbetsitsi le nudzɔdzɔ sia si aʋuʋu xexeame katã la ŋu na ame geɖe alesi nu woate ŋui. Ema tae woƒo wo ɖokui ɖe gbeƒãɖeɖedɔ si wowɔna amewo nya nyuie la me vevie le xexeame katã. (Mateo 24:14) Lɔlɔ̃ si le wo me na Mawu kple wo havi tae wowɔa esia faa ɖo.

Eyata mègana nazãbubu alo esese le ɖokuiwò me be wole fu ɖem na ye naxe mɔ na wò be màɖo to ne Ðasefowo va wò aƒeme alo te ɖe ŋuwò le teƒe bubu aɖe o. Wole agbagba dzem be yewoanye aƒelika nyuiwo. Eyata ne wodo Biblia sɔsrɔ̃ ɖe gbɔwò la, mègagbe o. Srɔ̃ nu tso alesi Mawu ƒe Nya na kakaɖedzi mí be etsɔme aɖe si me aƒelikawo anɔ anyi ɖekae le dzidzɔ me la tu aƒee ŋu. Ɣemaɣi la, ameƒomevinyenye, mawusubɔsubɔ, alo vovototodedeameme magagblẽ ƒomedodo nyui si dzroa mía dometɔ akpa gãtɔ vevie la me azɔ o.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 6, 7]

Enyo be nàwɔ dɔmenyodɔwo le miaƒe nutoa me

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Globe: Mountain High Maps® Copyright © 1997 Digital Wisdom, Inc.