Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Afikae Aƒelikawo Katã Yi?

Afikae Aƒelikawo Katã Yi?

Afikae Aƒelikawo Katã Yi?

“Egbeviwo menya nusi aƒelika nye o.”—Benjamin Disraeli, ƒe alafa 19 lia me dunyahela Eŋlisitɔ xɔŋkɔ.

MƆNU tɔxɛ aɖe le Cubatɔ tsitsiwo si si dzi wotona doa dedienɔnɔ ɖe ŋgɔ: si nye nuto ɖeka me tɔwo dome kadodowo, alo círculos de abuelos (tɔgbuiwo kple mamawo ƒe habɔbɔwo) abe alesi woyɔa woe ene. Le ƒe 1997 me ƒe akɔntabubu aɖe nu la, Cubatɔ tsitsi siwo ade 1 le 5 me le habɔbɔ siawo, si me wokpɔa zɔhɛwo, dzideƒoname, kple kpekpeɖeŋu nyuiwo hena agbe ɖɔʋu nɔnɔ me lelé ɖe asi le, la me. World-Health magazine gblɔ be: “Ɣesiaɣi si ƒomewo ƒe atikewɔla siwo le nutoa me hiã kpekpeɖeŋu hena abɔtasisi ŋuti gbeƒãɖeɖe na amewo la, círculos de abuelos la gbɔe wokpɔa ame bibiwo le wolɔ̃na faa be yewoana kpekpeɖeŋu.”

Gake ewɔ nublanui be le xexeame ƒe akpa geɖe la, amewo megatsɔa ɖeke le wo nɔewo me le nutowo me o. Le kpɔɖeŋu me, bu nublanuinya si dzɔ ɖe Wolfgang Dircks, amesi nɔ aƒe gã aɖe si me xɔnu vovovowo nɔ me le ɣetoɖoƒe Europa, dzi la ŋu kpɔ. Ƒe aɖewoe nye si va yi la, The Canberra Times ka nya ta be togbɔ be ƒome 17 siwo hã nɔ aƒea me kple Wolfgang megasea eŋkɔ o hã la, “wo dometɔ aɖeke mebu eŋu kpɔ be yeaƒo eƒe ʋɔtrunuga o.” Esi aƒeatɔ va va mlɔeba la, “ekpɔ ame kuku ɖiƒu nɔ anyi ɖe eƒe television ŋgɔ.” December 5, 1993 television dzi wɔnawo ŋuti ɖoɖowɔɖigbalẽ nɔ ame kuku ɖiƒua ƒe ata dzi. Wolfgang ku ƒe atɔ̃ enye ma. Aƒelikawo ƒe ɖetsɔtsɔ le wo nɔewo me kple beléle na wo nɔewo ƒe toyiyi ŋuti ɖaseɖiɖi wɔnublanui ka gbegbee nye si! Mewɔ nuku o be nyakpakpaŋlɔla aɖe ŋlɔ ɖe The New York Times Magazine me be nuto si me yele va zu “amedzrowo ƒe nuto” abe alesi wòle le nuto bubu geɖewo mee ene. Aleae wòle le miaƒe nutoa hã mea?

Enye nyateƒe be kɔƒenuto aɖewo me tɔwo kpɔtɔ tsɔa ɖe le eme na wo nɔewo eye be dugã me nuto aɖewo le agbagba dzem be kadodo nyui nanɔ aƒelikawo dome ya. Ke hã dugãmenɔla geɖe senɛ le wo ɖokui me be yewosa ɖe aga eye be nusianu ate ŋu adzɔ ɖe yewo dzi le yewoƒe nutoa me. Wo nɔewo manyamanya zu gli ma wo dome. Nukatae wòle nenema?

Ame Nɔewo Manyamanya ƒe Gliwo Godo Nɔnɔ

Enye nyateƒe be aƒelikawo te ɖe mía dometɔ akpa gãtɔ ŋu. Television ƒe keklẽ, vɔvɔli siwo toa fesrewo nu, akaɖiwo sisi kple wo tsitsi, ʋuwo ƒe vava kple woƒe dzodzo, afɔziwo le toƒewo, ʋɔwo ʋuʋu kple wo dodo, nusiawo katã nye dzesi be aƒelikawo le “agbe.” Ke hã enyanya ŋutɔŋutɔ be yele aƒelikawo dome buna ne ame nɔewo manyamanya zu gli ma aƒelikawo dome alo gbesiagbe hloloetsotso na be womegatsɔa ɖeke le eme na ame nɔewo o. Amewo ase le wo ɖokui me be mehiã be kadodo nanɔ yewo kple yewoƒe aƒelikawo dome o alo be yewoatsɔ ɖe le wo me o. Australiatɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Herald Sun lɔ̃ ɖe edzi be: “Amewo menya woƒe aƒelika kplikplikpliwo o, eye esia wɔe be hadome kadodo me gbanɔamedziwo meka wo boo o. Ele bɔbɔe fifia be woaŋe aɖaba aƒu amesiwo ƒe nu menyoa ame ŋu le hadome o dzi alo atsri wo kura.”

Nɔnɔme sia ƒe mo dodo ɖe nutowo me mewɔ nuku o. Le xexe si me amewo nye “ɖokuilɔ̃lawo” le me la, aƒelikawo le ame siawo tɔgbe ƒe ɖokuitɔdidigbenɔnɔ me tsonuwo kpɔm. (Timoteo II, 3:2) Akogotsitsi kple xɔlɔ̃mawɔmawɔ si xɔ afisiafie wòhe vɛ. Xɔlɔ̃mawɔmawɔ dzia makamaka ɖe ame nɔewo dzi, vevietɔ ne nuvlowɔwɔ kple hlɔ̃dodo le gegem ɖe nutoa me. Eyome makamaka ɖe ame nɔewo dzi nana womekpɔa nublanui na ame nɔewo o.

Aleke ke nyaa anɔ le wò nutoa me o, ɖikeke mele eme o be àlɔ̃ ɖe edzi be aƒelika nyuiwo nye kpeɖeŋutɔ nyuiwo le nutoa me. Wokpɔa nu geɖe gbɔ ne amewo wɔ ɖeka le taɖodzinu ɖeka dodo ɖe ŋgɔ me. Aƒelika nyuiwo ate ŋu anye yayra hã. Nyati si akplɔ esia ɖo aɖe alesi woanye yayrae me.