Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Wòle Be Míabu Dodokpɔwoe?

Aleke Wòle Be Míabu Dodokpɔwoe?

Aleke Wòle Be Míabu Dodokpɔwoe?

DODOKPƆWO! Tetekpɔwo! Ele be amesiame nato wo me. Amenyenye ƒe vovototowo, ganyawo ƒe amemiamia, dɔléle, tetekpɔwo, hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu be woawɔ nu gbegblẽ, yometiti, míaƒe akpaɖekedzimademade alo tsitretsitsi ɖe trɔ̃subɔsubɔ ŋu ŋuti gbetɔamewo, kple nu bubu geɖe ate ŋu ahe wo vɛ. Aleke kee dodokpɔawo ɖale o, wohea dzimaɖitsitsi geɖe vɛ zi geɖe. Aleke míate ŋu akpɔ wo gbɔ dzidzedzetɔe? Ðe woɖea vi na mí le mɔ aɖe nua?

Kpekpeɖeŋu Tsoƒe Nyuitɔ Kekeake

Fia Dawid si nɔ anyi le blema la ƒe agbe me yɔ fũ kple dodokpɔwo, ke hã elé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi vaseɖe ku me. Aleke wòwɔ te ŋu do dzii? Eyɔ afisi wòxɔ ŋusẽ tsoe esime wògblɔ be: “Yehowa enye kplɔlanye, naneke mehiãam o.” Eyi edzi gblɔ be: “Ne mezɔ bali doblukɔ tsiɖitsiɖi me hã, nyemavɔ̃ dzɔgbevɔ̃e aɖeke o, elabena wòe le gbɔnye; wò atikplɔ kple wò atizɔti faa akɔ nam.” (Psalmo 23:1, 4) Ẽ, Yehowae nye kpekpeɖeŋu si seɖoƒe meli na o la tsoƒe. Ekplɔ Dawid to nuteɖeamedzi ƒe ɣeyiɣi sesẽ aɖewo me, eye ele klalo be yeawɔ nenema ke na míawo hã ne ehiã.

Aleke míawɔ axɔ Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu? Biblia tɔ asi mɔa dzi esime wògblɔ be: “Miɖɔe kpɔ, eye miakpɔ be, Yehowa ƒe dɔme nyo.” (Psalmo 34:9) Amekpekpe vavã aɖee nye ma, gake nukae wòfia? Yehowa subɔsubɔ ahana ame ƒe agbe nawɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu ƒe dzideƒonamee. Agbenɔnɔ alea fia asiɖeɖe le míaƒe ablɔɖe ŋu le nanewo me ahatsɔ nanewo asa vɔe. Le nya aɖewo me la, ate ŋu ahe dodokpɔwo—yometiti kple fukpekpe—gɔ̃ hã vɛ. Ke hã mele be amesiwo xɔ Yehowa ƒe amekpekpea tso dzi blibo me nase veve be yewoxɔe o. Yehowa anyo dɔme na wo geɖe. Afia mɔ wo ahalé be na wo le gbɔgbɔ me. Ato eƒe Nya, eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe, kple Kristo-hamea dzi alé wo ɖe te le dodokpɔwo me. Eye atsɔ agbe mavɔ aɖo eteƒe na wo mlɔeba.—Psalmo 23:6; 25:9; Yesaya 30:21; Romatɔwo 15:5.

Amesiwo wɔ nyametsotso siwo trɔa ame ƒe agbenɔnɔ be yewoasubɔ Yehowa helé nyametsotso ma me ɖe asi la va kpɔnɛ be Yehowa wɔa eƒe ŋugbedodowo katã dzi. Ema teƒee Israel-vi siwo nɔ Yosua yome yi Ŋugbedodonyigbaa dzi la kpɔ. Esi wonya tso Yordan-tɔsisia ko la, dodokpɔ siwo me wòle be woado dzi le, aʋa siwo wòle be woawɔ, kple nɔnɔme sesẽ siwo me wòle be woasrɔ̃ nu tsoe la nɔ anyi. Gake dzidzime ma va nye amesiwo wɔ nuteƒe wu wo fofo, siwo dzo le Egipte heva ku ɖe gbeadzi la. Eyata Yehowa kpe ɖe nuteƒewɔlaawo ŋu, eye Biblia ƒe nuŋlɔɖi gblɔ tso nɔnɔme si me wonɔ le Yosua ƒe agbenɔɣi ƒe nuwuwu ŋu be: “Yehowa na wokpɔ gbɔdzɔe le afisiafi, abe alesi wòka atam na wo fofowo pɛpɛpɛ ene. . . . Nyaa aɖeke meto le nya nyui, siwo katã Yehowa gblɔ na Israel ƒe aƒe la me o, wo katã va eme pɛpɛpɛ.” (Yosua 21:44, 45) Ema ate ŋu ava eme na míawo hã ne míeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe le dodokpɔwo kple ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe me.

Nukae ate ŋu ana míaƒe ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu me nagbɔdzɔ? Yesu tɔ asi nu ɖeka dzi esime wògblɔ be: “Ame aɖeke mate ŋu asubɔ aƒetɔ eve o. . . . Miate ŋu asubɔ Mawu kple anyigba dzi nuwo o.” (Mateo 6:24) Ne míeka ɖe Yehowa dzi la, míadi dedienɔnɔ le afisi xexeametɔ akpa gãtɔ dinɛ le, si nye ŋutilãmenuwo, me o. Yesu xlɔ̃ nu eyomedzelawo be: “Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ [ŋutilãmenu vevi siawo] katã akpe ɖe eŋuti na mi.” (Mateo 6:33) Kristotɔ si dana sɔna le ŋutilãmenuwo ŋuti nukpɔsusu me hetsɔa Mawu ƒe Fiaɖuƒea ɖoa nɔƒe gbãtɔ le eƒe agbe me la wɔa tiatia nyuitɔa. (Nyagblɔla 7:12) Ele eme be abu nanewo ya. Ðewohĩ atsɔ ŋutilãmenu aɖewo asa vɔe ya. Gake yayra geɖewo ado tso eme nɛ. Eye Yehowa akpe ɖe eŋu.—Yesaya 48:17, 18.

Nusi Míesrɔ̃na Tsoa Dodokpɔwo Me

Enye nyateƒe be tiatia be ‘woaɖɔe kpɔ akpɔ be Yehowa ƒe dɔme nyo’ meɖea ame tsoa agbe me nudzɔɖeamedziwo me ya o; alo meɖea mí tso Satana kple eƒe dɔtsɔlawo ƒe amedzidzedze hã me keŋkeŋ o. (Nyagblɔla 9:11) Esia awɔe be woado Kristotɔ ƒe anukwaretɔnyenye kple tameɖoɖo kplikpaa akpɔ. Nukatae Yehowa ɖea asi le esubɔlawo ŋu dodokpɔ siawo vaa wo dzi ɖo? Apostolo Petro gblɔ susu ɖeka esime wòŋlɔ bena: “Ele na mi be, miaxa nu azɔ ɣeyiɣi ʋɛ aɖe le tetekpɔ bubu ƒomeviwo me hafi, bena woakpɔ miaƒe xɔse ƒe dodokpɔ be, exɔ asi geɖe wu sika, si gblẽna, wònye wodoe kpɔ kple dzo hafi hena kafukafu kple ŋutikɔkɔe kple bubu le Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia la me.” (Petro I, 1:6, 7) Ẽ, dodokpɔwo naa míeɖea míaƒe xɔse kple míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa ƒe nyonyome fiana. Eye wonaa wokpɔa nya tsɔ ɖoa Satana Abosam ƒe alɔmeɖenyawo kple nutsotsowo ŋui.—Lododowo 27:11; Nyaɖeɖefia 12:10.

Dodokpɔwo kpena ɖe mía ŋu hã be míatu Kristotɔwo ƒe nɔnɔme bubuwo ɖo. Le kpɔɖeŋu me, bu hakpala la ƒe nyawo ŋu kpɔ: ‘Ðokuibɔbɔlae Yehowa kpɔna, ke edzea si dadala tso adzɔge.’ (Psalmo 138:6) Ðokuibɔbɔ menye mía dometɔ geɖe ƒe dzɔdzɔmenɔnɔme o, gake dodokpɔwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatu nɔnɔme vevi ma ɖo. Ðo ŋku Mose ƒe ɣeyiɣia dzi, esime ame aɖewo le Israel kpɔe be mana ɖuɖu kwasiɖa sia kwasiɖa, ɣleti sia ɣleti ti yewo. Togbɔ be nukumɔ dzie manaa to ɖoa wo gbɔ hã la, anye dodokpɔe ema nye na wo. Susu ka tae wodo wo kpɔ? Mose gblɔ na wo be: ‘Yehowa tsɔ mana nyi wo le gbeadzi, ne wòabɔbɔ wo ɖe anyi, eye wòado wo akpɔ.’—Mose V, 8:16.

Nenema kee woate ŋu ado míaƒe ɖokuibɔbɔ akpɔ. Le mɔ ka nu? Le kpɔɖeŋu me, aleke míewɔa nu ne wowɔ tɔtrɔ le habɔbɔa me? (Yesaya 60:17) Ðe míekpea asi ɖe gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa ŋu tso dzi blibo mea? (Mateo 24:14; 28:19, 20) Ðe míexɔa Biblia ƒe nyateƒea ŋuti numeɖeɖe si “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la nana kple dzidzɔa? (Mateo 24:45-47; Lododowo 4:18) Ðe míeɖua mía ɖokui dzi le mɔ̃, nudodo, alo ʋu yeye siwo le tsia dzi ƒeƒle ƒe dzodzrowo gomea? Ðokuibɔbɔla ate ŋu aɖo nya siawo ŋu be ẽ.—Petro I, 1:14-16; Petro II, 3:11.

Dodokpɔwo kpena ɖe mía ŋu míetua nɔnɔme vevi bubu—si nye dzidodo—ɖo. Nusrɔ̃la Yakobo gblɔ be: “Nɔvinyewo, ne miege ɖe tetekpɔ bubu ƒomeviwo me la, mibui dzidzɔ sɔŋ, esi mienyae bena, miaƒe xɔse ƒe dodokpɔ wɔa dzidodo.” (Yakobo 1:2, 3) Tenɔnɔ ɖe dodokpɔ ƒomevi vovovowo nu ahaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe naa míelia ke, nyea anukwareɖila kple nuteƒewɔlawo. Edoa ŋusẽ mí míetsia tre ɖe Satana, xexe sia me mawu si do dziku vevie, la ƒe amedzidzedze bubuwo ŋu.—Petro I, 5:8-10; Yohanes I, 5:19; Nyaɖeɖefia 12:12.

Dodokpɔwo Ŋuti Nukpɔsusu Nyui Nenɔ Asiwò

Esime Mawu ƒe Vi deblibo, Yesu Kristo nɔ anyigba dzi la, eto dodokpɔ geɖewo me eye tenɔnɔ ɖe wo nu ɖe vi geɖe nɛ. Paulo ŋlɔ be Yesu ‘srɔ̃ toɖoɖo le fu siwo wòkpe me.’ (Hebritɔwo 5:8) Yesu ƒe nuteƒewɔwɔ ɖase ku me he kafukafu vɛ na Yehowa ƒe ŋkɔ eye wòna wòte ŋu tsɔ eƒe amegbetɔ ƒe agbe debliboa ƒe asixɔxɔ na tafee ɖe ameƒomea ta. Ema na agbe mavɔ mɔkpɔkpɔ ʋu na amesiwo xɔa Yesu dzi sena. (Yohanes 3:16) Esi Yesu wɔ nuteƒe le dodokpɔ me ta la, enye míaƒe Nunɔlagã kple Fia si woɖo zi dzi fifia.—Hebritɔwo 7:26-28; 12:2.

Nukae asu míawo ya si? Míawo hã ƒe nuteƒewɔwɔ le dodokpɔwo me hea yayra gãwo vɛ. Le amesiwo si dziƒomɔkpɔkpɔ le gome la, Biblia gblɔ be: “Woayra ŋutsu, si doa dzi le tetekpɔ me la; elabena ne eva li ke la, akpɔ agbefiakuku, si ŋugbe Aƒetɔ la do na amesiwo lɔ̃nɛ la.” (Yakobo 1:12) Kakaɖedzi le amesiwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le be ne wodo dzi nuteƒewɔwɔtɔe la, woanyi agbe mavɔ dome le paradiso me le anyigba dzi. (Nyaɖeɖefia 21:3-6) Eye vevietɔ wu la, woƒe dzidodo nuteƒewɔwɔtɔe hea kafukafu vɛ na Yehowa ƒe ŋkɔ.

Ne míezɔ Yesu ƒe afɔteƒewo la, kakaɖedzi ate ŋu anɔ mía si be míato dodokpɔ siwo katã míadze ŋgɔe le nuɖoanyi sia me ado dzidzedzetɔe. (Korintotɔwo I, 10:13; Petro I, 2:21) To mɔ ka nu? Ne míeɖo ŋu ɖe Yehowa, amesi naa ŋusẽ ‘si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu’ amesiwo ziɔna ɖe eŋu la ŋu. (Korintotɔwo II, 4:7) Neva eme be kakaɖedzi nanɔ mía si abe Hiob ene, amesi to dodokpɔ sesẽwo me gake hegblɔ kakaɖedzitɔe be: “Ne adom akpɔ la, matsi anyi abe sika ene.”—Hiob 23:10.

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Yesu ƒe nuteƒewɔwɔ le dodokpɔ me hɛ kafukafu vɛ na Yehowa ƒe ŋkɔ. Mía tɔ hã ahee vɛ nɛ