Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Ame Aɖeke Meƒo Nu Ale, Abe Alesi Amesia Ƒo Nui Ene Kpɔ O”

“Ame Aɖeke Meƒo Nu Ale, Abe Alesi Amesia Ƒo Nui Ene Kpɔ O”

“Ame Aɖeke Meƒo Nu Ale, Abe Alesi Amesia Ƒo Nui Ene Kpɔ O”

“Ameawo katã ɖi ɖase [le eŋu], eye woƒe mo wɔ yaa le amenuvevenya, siwo do tso eƒe nu me la ŋuti.”—LUKA 4:22.

1, 2. (a) Nukatae amesiwo wodɔ be woaɖalé Yesu la trɔ gbɔ asiƒuƒlu? (b) Nukae ɖee fia be menye asrafoawo ko dzie Yesu ƒe nufiafia wɔ dɔ ɖo o?

ASRAFOAWO do kpo dɔ si gbe wodɔ wo ɖo la wɔwɔ. Wodɔ wo be woaɖalé Yesu Kristo, gake wotrɔ gbɔ asiƒuƒlu. Nunɔlagãwo kple Farisitɔwo bia be: “Nukaŋuti miekplɔe vɛ o mahã?” Ke nukatae amedɔdɔawo mete ŋu lé ŋutsu si meʋli le mɔ aɖeke nu be womegalé ye o la? Asrafoawo ɖe eme be: “Ame aɖeke meƒo nu ale, abe alesi amesia ƒo nui ene kpɔ o.” Yesu ƒe nufiafia wɔ dɔ ɖe wo dzi ale gbegbe be womese nusita wòle be woalé ŋutifafame sia ade ga gɔme o. *Yohanes 7:32, 45, 46.

2 Menye amedɔdɔ mawo ko dzie Yesu ƒe nufiafia wɔ dɔ ɖo o. Biblia gblɔ na mí be ame gbogbowo vaa egbɔ be yewoase eƒe nuƒo. Wo detɔwo ƒe mo wɔ yaa “le amenuvevenya, siwo do tso eƒe nu me la ŋuti.” (Luka 4:22) Enɔ tɔdziʋu me ƒo nu na ameha gã siwo ƒo ƒu ɖe Galilea-ƒua ta wu zi ɖeka. (Marko 3:9; 4:1; Luka 5:1-3) Ɣeaɖeɣi la, “ameha gã aɖe” nɔ eŋu ŋkeke geɖe gɔ̃ hã nu maɖumaɖui.—Marko 8:1, 2.

3. Susu vevi ka tae Yesu nye nufiala vevi ma gbegbe ɖo?

3 Nukae na Yesu nye nufiala vevi? Susu vevitɔae nye lɔlɔ̃. * Yesu lɔ̃ nyateƒe si fiam wònɔ, eye elɔ̃ amesiwo wònɔ nua fiamee hã. Gake nufiafiamɔnu tɔxɛ geɖe hã nɔ Yesu si eye wòzã wo nyuie. Le nusɔsrɔ̃nyati siwo le tata sia me me la, míadzro nufiafiamɔnu nyui siwo wòzã la dometɔ aɖewo kple alesi míate ŋu asrɔ̃e me.

Nya Siwo Le Bɔbɔe eye Wo me Kɔ

4, 5. (a) Nukatae Yesu zã nya siwo le bɔbɔe le eƒe nufiafia me, eye nukatae wòwɔ nuku be ewɔ nu nenema? (b) Aleke Todzimawunyaa nye alesi Yesu ƒe nufiafiawo le bɔbɔe ƒe kpɔɖeŋu ɖeka?

4 Agbalẽnyalawo lɔ̃a nya gã siwo kpe sasasã wu woƒe nyaselawo zazã le woƒe nuƒowo me. Gake ne míena amewo se míaƒe nyawo gɔme o ɖe, aleke míaƒe nunya aɖe vi na woe? Yesu menye nufiala si zãa nya gã siwo kɔkɔna wua amewo gbeɖe o. Bu nya gã nya gã siwo wòate ŋu azã bɔbɔe hafi ŋu kpɔ. Gake togbɔ be nunya geɖe le esi hã la, eƒe nyaselawo ŋue wòbu ke menye eɖokui o. Enya be wo dometɔ geɖe ‘menya agbalẽ o.’ (Dɔwɔwɔwo 4:13) Be wòate ŋu aɖo woƒe dzi gbɔ la, ezã nya siwo gɔme ame mawo ate ŋu ase. Nyaawo anɔ bɔbɔe ya, gake nyateƒe siwo le wo me la de to ale gbegbe.

5 Le kpɔɖeŋu me, bu Todzimawunya si woŋlɔ ɖe Mateo 5:3–7:27 ŋu kpɔ ko. Aɖabaƒoƒo 20 lɔƒo koe Yesu anya tsɔ ƒo nuƒo mae. Ke hã nufiafia siwo le eme la de to, wona nyawo abe ahasiwɔwɔ, srɔ̃gbegbe, kple galɔlɔ̃ ene me kɔ tsitotsito. (Mateo 5:27-32; 6:19-34) Gake mezã nya gã aɖeke si kɔkɔ wu ameawo o. Le nyateƒe me la, nya aɖeke meli si gɔme ɖevi gɔ̃ hã mate ŋu ase bɔbɔe o! Mewɔ nuku o be esime wòwu nuƒoa nu la, “kuvia ɖo amehawo”—siwo dome agbledelawo, lãkplɔlawo, kple tɔƒodelawo anya nɔ—“le eƒe nufiafia la ŋuti”!—Mateo 7:28.

6. Na alesi Yesu ƒe nyagbɔgblɔwo le bɔbɔe gake wòhede to le gɔmesese gome ƒe kpɔɖeŋu.

6 Zi geɖe la, Yesu ƒe nyagbɔgblɔwo nɔa kpokploe henɔa bɔbɔe, gake hedea to vevie le gɔmesese gome. Eyata le ɣeyiɣi mawo siwo me agbalẽwo menɔ anyi o la, eƒe nyawo lé ɖe eƒe nyaselawo ƒe susu kple dzi me sesĩe. Kpɔ kpɔɖeŋu aɖewo ɖa: “Ame aɖeke mate ŋu asubɔ aƒetɔ eve o; . . . Miate ŋu asubɔ Mawu kple anyigba dzi nuwo o.” “Migadrɔ̃ ʋɔnu, ne woagadrɔ̃ ʋɔnu mi o.” “Mitsɔ woƒe tsetseawo dze si woe!” “Menye lãmesesẽtɔwoe hiã gbedala o, negbe dɔlélawo ko.” “Amesiwo katã dia yi la, yi kee woatsɔ awu woe.” “Nusi nye kaisaro tɔ la, mitsɔe na kaisaro, eye nusi nye Mawu tɔ la, na Mawu.” “Nana enye yayra wu xɔxɔ.” * (Mateo 6:24; 7:1, 20; 9:12; 26:52; Marko 12:17; Dɔwɔwɔwo 20:35) Vaseɖe egbea la, ƒe 2,000 kloe enye si va yi tso esime Yesu gblɔ nya sẽŋu mawo gake amewo gaɖoa ŋku wo dzi bɔbɔe kokoko.

Nyabiasewo Zazã

7. Nukatae Yesu zã nyabiasewo?

7 Yesu wɔ nyabiasewo ŋudɔ wòɖe dzesi ale gbegbe. Zi geɖe la, ezã nyabiasewo le ɣeyiɣi siwo me anye ne nyaa ŋutɔ gbɔgblɔ na nyaselawo tẽ magblẽ ɣeyiɣi nɛ hafi o. Ke nukatae wòbia nyawo ɖo? Ɣeaɖewoɣi la, ebiaa nya siwo naa woyia ame ɖokui me tsɔ kloa nu le eƒe tsitretsiɖeŋulawo ƒe tamesusuwo dzi, hetoa ema me tsia nya ɖe wo nu. (Mateo 12:24-30; 21:23-27; 22:41-46) Gake le ɣeyiɣi geɖe me la, Yesu gbɔ dzi ɖi bia nyawo be yeatsɔ aɖe nyateƒenyawo me, be wòana eƒe nyaselawo naɖe nusi le woƒe dzi me agblɔ, eye be yeana yeƒe nusrɔ̃lawo nasrɔ̃ alesi woazã woƒe tamebubu ŋutetee. Mina míalé ŋku ɖe kpɔɖeŋu eve ŋu, siwo katã ku ɖe apostolo Petro ŋu.

8, 9. Aleke Yesu zã nyabiasewo tsɔ kpe ɖe Petro ŋu be gbedoxɔ me nudzɔdzɔ ŋu nya la ƒe gɔmesese nyuitɔ su esi?

8 Gbã la, ɖo ŋku esime nudzɔlawo bia Petro be Yesu naa gbedoxɔ me nudzɔdzɔ hã la dzi. * Petro, amesi tsia klokloklo ɣeaɖewoɣi la, ɖo eŋu be, “Enana.” Gake le ɣeyiɣi ʋɛ aɖe megbe la, Yesu dzro nyaa me kplii ale: “Simon, nuka nèsusuna? Anyigba dzi fiawo la, ameka si woxɔa adzɔ alo nudzɔdzɔ lena mahã? Le woa ŋutɔwo ƒe viwo si loo, alo le amedzrowo si mahã? Egblɔ bena: Le amedzrowo si. Yesu gblɔ nɛ bena: Ekema viwo le wo ɖokui si.” (Mateo 17:24-27) Ele be Petro nakpɔ nusita Yesu nɔ nyaa biam adze sii. Nukatae?

9 Le Yesu ŋɔli la, amewo nya be fiagãwo ƒe ƒometɔwo mexea adzɔ o. Eyata esi Yesu nye Dziƒofia, si wosubɔna le gbedoxɔa me, ƒe Tenuvi ta la, mele be woabia tso esi be wòaxe adzɔ o. De dzesii be le esi teƒe be Yesu nagblɔ ŋuɖoɖoa ŋutɔŋutɔ na Petro tẽ ko wòavɔ la, Yesu zã nyabiasewo nyuie gake le tufafa me tsɔ kpe ɖe Petro ŋu gɔmesese nyuitɔ su esi—eye ɖewohĩ be wòanya alesi wòhiãe be wòabu tame nyuie hafi aƒo nu ɣebubuɣi.

10, 11. Aleke Yesu wɔ nui esime Petro lã ŋutsu aɖe ƒe to le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Ŋutitotoŋkekea ƒe zã me, eye aleke esia fia be Yesu nya nyabiasewo ƒe vevienyenye?

10 Kpɔɖeŋu evelia ku ɖe nane si dzɔ le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Ŋutitotoŋkekea ƒe zã me, esime ameha aɖe va Yesu lé ge la ŋu. Nusrɔ̃lawo bia Yesu be yewoaʋli eta hã. (Luka 22:49) Petro melala se ŋuɖoɖoa hafi tsɔ yi lã ŋutsuawo dometɔ ɖeka ƒe to o (eye anye be ɖe Petro ɖoe be yeade abi eŋu wu ema gɔ̃ hã hafi). Petro wɔ nusi tsi tre ɖe eƒe aƒetɔ ƒe lɔlɔ̃nu ŋu, elabena Yesu nɔ klalo be yeatsɔ ye ɖokui ana faa. Aleke Yesu wɔ nui? Le dzigbɔɖi geɖe me la, ebia nya etɔ̃ Petro be: “Kplu, si Fofo la tsɔ nam la, ɖe nyemanoe o mahã?” “Èsusu bena, nyemate ŋu aɖe kuku na Fofonye, eye wòatsɔ mawudɔlawo nam wòawu aʋakɔ wuieve o mahã? Ke aleke awɔ ne woawu ŋɔŋlɔawo nu mahã? Elabena ele be, woava me nenema tsã!”—Yohanes 18:11; Mateo 26:52-54.

11 Tɔ vie nàbu nudzɔdzɔ ma ŋu kpɔ. Yesu, amesi ŋu ameha wɔadãwo ɖe to ɖo, nyae be yeƒe kuɣi ɖo eye ye Fofo ƒe ŋkɔ ŋuti kɔkɔ kple ameƒomea ƒe ɖeɖekpɔkpɔ kpɔ ye ŋkume. Ke hã egbɔ dzi ɖi le ɣeyiɣi ma gɔ̃ hã me hezã nyabiasewo tsɔ na Petro kpɔ nyateƒenya veviwo dze sii. Ðe meɖe dzesi ƒã be Yesu nya nyabiasewo ƒe vevienyenye oa?

Gbetete Ðe Nya Dzi ƒe Kpɔɖeŋu Siwo me Kɔ Zazã

12, 13. (a) Nukae nye gbetete ɖe nya dzi ƒe kpɔɖeŋu? (b) Aleke Yesu zã gbetete ɖe nya dzi ƒe kpɔɖeŋu tsɔ te gbe ɖe alesi wònye movidzɔdzɔe be míalé mía nɔviwo ƒe vodada suesuewo me ɖe asi goŋgoŋ dzii?

12 Le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa me la, ewɔ nufiafiamɔnu nyui bubu aɖe hã ŋudɔ zi geɖe—si nye gbetete ɖe nya dzi ƒe kpɔɖeŋu siwo me kɔ. Mɔnu sia nye eɖoɖo koŋ aɖe ami ɖe kpɔɖeŋunya aɖe wòanye gbetete ɖe nyaa dzi. Yesu zã gbetete ɖe nya dzi ƒe kpɔɖeŋumɔnu sia hena nusi gblɔm wòle ƒe nɔnɔmetata tsi ameawo ƒe susu me ɖikaa. Mina míade ŋugble le kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewo ŋu kpɔ.

13 Esi Yesu nɔ gbe tem ɖe alesi wòhiãe be ‘woaganɔ ʋɔnu drɔ̃m’ ame bubuwo o le Todzimawunyaa me dzi la, egblɔ be: “Ke nuka wɔ nèkpɔa ati fefe, si ɖo nɔviwò ŋku me la, eye atikpo, si le wò ŋutɔ wò ŋku dzi la, mèdzea si eya o mahã?” (Mateo 7:1-3) Àte ŋu akpɔ nu ma le susu mea? Amesi lɔ̃a vodadadidi le amewo ŋu gblɔ be yeaɖe ati fefe le ye nɔvi ƒe “ŋku dzi.” Vodadadila la agblɔ be ye nɔvia mele nyawo gɔme sem nyuie ate ŋu adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe o. Gake vodadadila la ŋutɔ mate ŋu adrɔ̃ nyaa nyuie o le “atikpo”—si nye ati gã lɔbɔɔ si woate ŋu atsɔ agba xɔe—si le eƒe ŋku dzi ta. Mɔnu si womate ŋu aŋlɔ be o kae nye si dzi wòto te gbe ɖe alesi wònye movidzɔdzɔe be míanɔ mía nɔviwo ƒe vodada suesuewo ŋu nya gblɔm esime mía ŋutɔwo tɔwo lolo wu la dzii enye si!

14. Nukatae tagbatsu tsyɔtsyɔ kple kposɔ mimi ƒe nya si Yesu gblɔ la nye gbetete ɖe nya dzi ƒe kpɔɖeŋu sẽŋu?

14 Ɣebubuɣi la, Yesu bu fɔ Farisitɔwo be wonye ‘mɔfiala ŋkuagbãtɔ siwo tsyɔa tagbatsu, evɔ henɔa kposɔ mim.’ (Mateo 23:24) Esia nye gbetete ɖe nya dzi ƒe kpɔɖeŋu si ɖe kpe ŋutɔ. Nukatae? Vovototo si le tagbatsu kple kposɔ, si nye lã gã siwo Yesu ƒe nyaselawo nya la dometɔ ɖeka, dome la lolo ŋutɔ. Wobu akɔnta be tagbatsu miliɔn 70 ye woatsɔ aƒo ƒu hafi wòade kposɔ ɖeka ƒe lolome nu! Azɔ hã Yesu nya be Farisitɔwo tsɔa avɔ tsyɔa wein hafi nona. Semeléɖeasila mawo wɔa nu ma kple susu be tagbatsu naganɔ aha me yewoami ava zu ame makɔmakɔwo le kɔnua nu o. Gake womia kposɔ ya, si hã nye lã makɔmakɔ, le kpɔɖeŋumɔ nu. (Mose III, 11:4, 21-24) Yesu ƒe nyaa me kɔ. Farisitɔwo wɔa Sea ƒe nudidi suesuewo dzi pɛpɛpɛ, evɔ woŋea aɖaba ƒua nya kpekpewo—siwo nye “[ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃] kple nublanuikpɔkpɔ kple xɔse” dzi. (Mateo 23:23) Aleke Yesu ɖe amesiwo ƒomevi tututu wonye la ɖe goe nye si!

15. Nusiwo Yesu to gbetete ɖe nya dzi ƒe kpɔɖeŋuwo zazã me fia dometɔ aɖewoe nye kawo?

15 Le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi katã la, ezã gbetete ɖe nya dzi ƒe kpɔɖeŋu ɣesiaɣi. Kpɔ kpɔɖeŋu aɖewo ɖa. ‘Xɔse si ƒe lolome le abe logoku sue ene’ si ate ŋu aho to—asesẽ ŋutɔ be Yesu nagakpɔ mɔnu bubu aɖe si dzi wòato ate gbe ɖe edzi be xɔse sue aɖe gɔ̃ hã ate ŋu awɔ nu geɖe. (Mateo 17:20) Kposɔ gã si le agbagba dzem be yeato abui ƒe vò me—aleke gbegbe ema ɖe kuxi si gbegbe dze ŋgɔ kesinɔtɔ si le agbagba dzem be yeasubɔ Mawu evɔ wòkpɔtɔ nye ŋutilãmenudila vivivo la fiae nye si! (Mateo 19:24) Ðe nunya si gbegbe le Yesu ƒe kpɔɖeŋunyagbɔgblɔwo me kple eƒe ŋutete be wòazã nya ʋɛ aɖewo ko evɔ wòalɔ nu geɖe ɖe eme la mewɔ nuku na wò ŋutɔ oa?

Numedzodzro Siwo me Susu Le si Womate Ŋu Agbe O

16. Mɔ ka nue Yesu wɔ eƒe aɖaŋu ŋudɔ le ɣesiaɣi?

16 Esi Yesu ƒe susu de blibo ta la, ete ŋu léa nya kple amewo le aɖaŋu me ŋutɔ. Ke hã mewɔ ŋutete sia ŋudɔ le mɔ gbegblẽ nu gbeɖe o. Le eƒe nufiafia me la, ezã eƒe nunya la tsɔ do nyateƒea ɖe ŋgɔe ɣesiaɣi. Ɣeaɖewoɣi la, ezãa numedzodzro sẽŋu siwo me susu le si womate ŋu agbe o tsɔ tsia eƒe tsitretsiɖeŋula subɔsubɔnyahelawo ƒe alakpanyawo nui. Le go geɖe me la, ezã numedzodzro siwo me susu le tsɔ fiaa nu veviwo eƒe nusrɔ̃lawoe. Mina míalé ŋku ɖe alesi Yesu zã aɖaŋunyawoe le mɔ nyuitɔ nu la ŋu.

17, 18. Numedzodzro sẽŋu si me susu le kae Yesu zã tsɔ ɖee fia be nya si Farisitɔwo tsɔ ɖe ye ŋu la nye aʋatso?

17 Bu ŋutsu si me gbɔgbɔ vɔ̃ le, si nye ŋkuagbãtɔ kple aɖetututɔ si Yesu yɔ dɔe ƒe nyaa ŋu kpɔ ko. Esi Farisitɔwo see la, wogblɔ be: “Nenem me sia manyã gbɔgbɔ vɔ̃wo ado goe, ne menye to Beelzebul [Satana], si nye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la dzi o.” De dzesii be Farisitɔawo lɔ̃ ɖe edzi be ehiã ŋusẽ si tri akɔ wu amegbetɔ tɔ hafi woate ŋu anya Satana ƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo. Gake be woana ameawo nagaxɔ Yesu dzi ase o ta la, wogblɔ be Satana gbɔe eƒe ŋusẽa tso. Be Yesu naɖee afia wo be womebu woƒe tsitretsiɖeŋunya la ŋu nyuie hafi gblɔ o la, eɖo eŋu na wo be: “Fiaɖuƒe sia fiaɖuƒe, si mã ɖe ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, ezua aƒedo, eye du sia du alo aƒe sia aƒe, si mã ɖe ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, mele anyi nɔ ge o; eye ne Satana nyã Satana do go la, emã ɖe ye ŋutɔ ɖokui ŋuti; azɔ aleke lawɔ, eye eƒe fiaɖuƒe la anɔ anyi mahã?” (Mateo 12:22-26) Yesu ƒe nyaa fia be: ‘Ne Satana ƒe dɔlae menye, hele Satana ƒe dɔwɔnawo me gblẽm, abe alesi miegblɔe ene la, ke Satana le nu wɔm le tsitre tsim ɖe eya ŋutɔ ƒe didiwo ŋu eye eteƒe madidi hafi wòadze anyi o.’ Ðe esia menye numedzodzro sẽŋu si me susu le si womate ŋu agbe oa?

18 Emegbe Yesu gaƒo nu tso nya sia ŋu yi ŋgɔe. Enya be Farisitɔawo ŋutɔ dometɔ aɖewo nya gbɔgbɔ vɔ̃ do goe le amewo me. Eyata ebia nya bɔbɔe aɖe si ɖe kpe ŋutɔ be: “Ne nye la menyã gbɔgbɔ vɔ̃wo do go to Beelzebul dzi la, ekema miaƒe ŋutsuviwo [alo nusrɔ̃lawo] la, ameka dzi woto nyã wo do goe mahã?” (Mateo 12:27) Nya si gblɔm Yesu nɔ enye si: ‘Ne enye nyateƒe be Satana ƒe ŋusẽ dzie meto nya gbɔgbɔ vɔ̃wo la, ke mia ŋutɔ miaƒe nusrɔ̃lawo hã, ŋusẽ ma kee wotsɔ nɔ dɔ wɔmee.’ Nya kae Farisitɔawo ate ŋu agblɔ? Womalɔ̃ ɖe edzi be Satana ƒe ŋusẽ zãmee yewoƒe nusrɔ̃lawo nɔ gbeɖe o. Yesu zã numedzodzro si me susu le si womate ŋu agbe o tsɔ ɖee fia be woƒe nutsotsoa mele eme o.

19, 20. (a) Mɔ nyui ka nue Yesu zã aɖaŋunyawo le? (b) Aleke Yesu zã ‘ʋuu keke wòahayi’ ƒe nuŋububu esime wònɔ eƒe nusrɔ̃lawo ƒe biabia be wòafia gbedodoɖa yewo ŋu ɖom na wo?

19 Hekpe ɖe numedzodzro si me susu le zazã tsɔ tsi eƒe tsitretsiɖeŋulawo ƒe nyawo nu ŋu la, Yesu gazã aɖaŋunya siwo nye numeɖeɖe wɔdɔɖeamedziwo tsɔ fia nyateƒenya dedziƒonamewo tso Yehowa ŋu. Zi geɖe la, ezã nya si míate ŋu ayɔ be, ‘ʋuu keke wòahayi’ tsɔ kɔ nu mee, hekpe ɖe eƒe nyaselawo ŋu wotso le nyateƒenya nyanyɛwo dzi yi ŋgɔ ɖo gɔmesese detowo gbɔ. Mina míade ŋugble le kpɔɖeŋu eve dzaa ko ŋu.

20 Esi Yesu nɔ eƒe nusrɔ̃lawo ƒe biabia be wòafia gbedodoɖa yewo ŋu ɖom la, egblɔ ŋutsu aɖe si ƒe ‘kokoƒoƒo atraɖii’ kpɔ ŋusẽ ɖe xɔlɔ̃a dzi wòwɔ nusi dim wòle nɛ ƒe kpɔɖeŋu. Yesu ƒo nu tso alesi dzilawo lɔ̃na faa be ‘yewoana nunana nyuiwo’ yewo viwo hã ŋu. Emegbe ewu enu be: ‘Ne mi, amesiwo nye ame vɔ̃ɖiwo, mienya alesi miana nunana nyui mia viwo, ʋuu keke Fofo, si le dziƒo la, mana gbɔgbɔ kɔkɔe amesiwo bianɛ la o mahã?’ (Luka 11:1-13) Menye nu tsɔtsɔ asɔ kple wo nɔewo dzie nya si gblɔm Yesu nɔ ƒe gɔmesese nɔ te ɖo o ke boŋ vovototo si le wo dome dzie. Ne wote ŋu na xɔlɔ̃ si mele lɔlɔ̃m be yeawɔ nane o va lɔ̃ kpɔ ehavi ƒe nuhiahiã gbɔ nɛ mlɔeba, eye ne dzila amegbetɔ madeblibowo kpɔa wo viwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo ɖe, ke ɖe míaƒe Dziƒofofo si lɔ̃a mí agbe gbɔgbɔ kɔkɔea nana esubɔla wɔnuteƒe siwo tsɔ ɖokuibɔbɔ te ɖe eŋu le gbedodoɖa mea!

21, 22. (a) Numeɖeɖe ka ŋudɔe Yesu wɔ esime wònɔ dzitsitsi ɖe ŋutilãmenuwo ŋu ŋuti nuxlɔ̃ame nam? (b) Le Yesu ƒe nufiafiamɔnu ʋɛ aɖewo me dzodzro megbe la, aleke míaƒo nya tae?

21 Yesu zã nuŋububu ma ke tɔgbe esime wònɔ dzimaɖitsitsi ɖe ŋutilãmenuwo ŋu ŋuti nuxlɔ̃ame nam. Egblɔ be: ‘Mibu akpaviãwo ŋu bena, womeƒãa nu, alo ŋea nu o, eye nudzraɖoƒe alo ava mele wo si o, ke Mawu nyia wo; miawo la mia tɔ vena wua xewo tɔ. Mibu dzogbenyãwo ŋu, alesi wowɔnae: Wometrea ɖeti, alo lɔ̃a avɔ o; . . . Ke ne Mawu ɖo atsyɔ̃ alea na gbe, si le gbedzi egbe, eye etsɔ woatsɔe aƒu gbe ɖe kpodzo me la, geɖe wu wòawɔe na miawo, mi xɔseʋeetɔwo!’ (Luka 12:24, 27, 28) Ẽ, ne Yehowa léa be na xewo kple seƒoƒowo la, aleke wòalé be na mí esubɔlawo wue nye si! Ðikeke mele eme o be numeɖeɖe fakɔname sia si ŋu ŋusẽ le wɔ dɔ ɖe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ƒe dzi dzi ale gbegbe.

22 Le Yesu ƒe nufiafiamɔnu ʋɛ aɖewo me dzodzro megbe la, míate ŋu aƒo nya ta bɔbɔe be menye numevivimee amedɔdɔ mawo siwo do kpo eléle la nɔ kura o, esime wogblɔ be: “Ame aɖeke meƒo nu ale, abe alesi amesia ƒo nui ene kpɔ o.” Gake ɖewohĩ nufiafiamɔnu, si amewo nya nyuie be Yesu zãna enye kpɔɖeŋuwo, alo lododowo. Nukatae wòzã mɔnu sia? Eye nukae na eƒe kpɔɖeŋuwo ɖea kpe vevie? Míadzro biabia siawo me le nyati si kplɔe ɖo me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 1 Anye Sanhedrin lae dɔ asrafoawo le nunɔlagãwo ƒe mɔɖeɖe nu.

^ mm. 3 Kpɔ nyati siwo nye “Mena Kpɔɖeŋu Mi” kple “Minɔ Yonyeme Ðaa” siwo le August 15, 2002 ƒe Gbetakpɔxɔ me.

^ mm. 6 Apostolo Paulo koe yɔ nya tso mawunyakpukpui me nya mamlɛtɔ si míeyɔ si dze le Dɔwɔwɔwo 20:35 me la me, ke hã nya mawo ƒe gɔmesese dze le Nyanyuiawo me. Anye be ɖe wogblɔ nya ma Paulo se ŋutɔŋutɔ (tso nusrɔ̃la aɖe si see le Yesu nu la gbɔ alo tso Yesu si wofɔ ɖe tsitre nu) alo Mawue ɖee fiae.—Dɔwɔwɔwo 22:6-15; Korintotɔwo I, 15:6, 8.

^ mm. 8 Wobia tso Yudatɔwo si be woaxe gbedoxɔ me nudzɔdzɔ si nye dariko eve (si anye ŋkeke eve ƒe fetu) ƒe sia ƒe. Wozãa adzɔgaa ɖe gbedoxɔa dzadzraɖo, eme dɔwɔnawo, kple gbesiagbe vɔ siwo wosana ɖe dukɔa ta la ŋu.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Kpɔɖeŋu kawoe fia be Yesu ƒe nufiafiawo le bɔbɔe eye wo me kɔ?

• Nukatae Yesu zã nyabiasewo le eƒe nufiafia me?

• Nukae nye gbetete ɖe nya dzi ƒe kpɔɖeŋu eye aleke Yesu zã nufiafiamɔnu siae?

• Aleke Yesu zã numedzodzro siwo me susu le tsɔ fia nyateƒenya dodzidzɔnamewo eƒe nusrɔ̃lawo tso Yehowa ŋui?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Yesu zã nya siwo le bɔbɔe siwo gɔme ame manyagbalẽwo te ŋu se

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Farisitɔwo ‘tsyɔa tagbatsu evɔ hemia kposɔ’