Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Ne Menye To Lododowo Me O La, Megblɔa Nya Aɖeke Na Wo O”

“Ne Menye To Lododowo Me O La, Megblɔa Nya Aɖeke Na Wo O”

“Ne Menye To Lododowo Me O La, Megblɔa Nya Aɖeke Na Wo O”

“Yesu [ƒo nu] na amehawo le lododowo me, eye ne menye to lododowo me o la, megblɔa nya aɖeke na wo o.”—MATEO 13:34.

1, 2. (a) Nukatae womeŋlɔa kpɔɖeŋu nyuiwo be bɔbɔe o? (b) Kpɔɖeŋu kawo ƒomevie Yesu zã, eye biabia kawoe fɔ ɖe te ku ɖe eƒe kpɔɖeŋuwo zazã ŋu? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.)

ÀTE ŋu aɖo ŋku kpɔɖeŋu aɖe si nèse, ɖewohĩ le dutoƒonuƒo aɖe me ƒe geɖewoe nye si va yi, dzia? Kpɔɖeŋu nyuiwo mebuna ɖe ame bɔbɔe o. Agbalẽŋlɔla aɖe gblɔ be kpɔɖeŋuwo “trɔa to zua ŋku henaa nuwo ƒe nɔnɔmetatawo gena ɖe nyaselawo ƒe susu me wobua eŋu.” Esi nuwo gɔme nya sena na mí nyuie ne woƒe nɔnɔmetata le susu me na mí ta la, kpɔɖeŋuwo ate ŋu ana míase nufiafiawo gɔme bɔbɔe wu. Kpɔɖeŋuwo ate ŋu ana nyawo gɔme nanya se, ahana nusiwo míesrɔ̃ natsi míaƒe susu me ɖikaa.

2 Nufiala aɖeke menɔ anyigba dzi kpɔ si bi ɖe kpɔɖeŋuwo zazã me nyuie wu Yesu Kristo o. Ƒe akpe eve kloe enye si va yi si Yesu do lo gbogbo aɖewo gake wogaɖoa ŋku wo dzi bɔbɔe. * Nukatae Yesu zã nufiafiamɔnu sia vevie nenema gbegbe? Eye nukae na eƒe kpɔɖeŋuwo ɖea kpe vevie?

Nusita Yesu Zã Kpɔɖeŋuwo le Nufiafia Me

3. (a) Le Mateo 13:34, 35 nu la, susu siwo ta Yesu zã kpɔɖeŋuwo dometɔ ɖeka ɖe? (b) Nukae ɖee fia be Yehowa de asixɔxɔ nufiafiamɔnu sia ŋu vevie?

3 Biblia na susu vevi eve le nusita Yesu zã kpɔɖeŋuwo ŋu. Gbã la, wo zazã na nyagblɔɖi aɖe va eme. Apostolo Mateo ŋlɔ bena: “Yesu [ƒo nu] na amehawo le lododowo me, eye ne menye to lododowo me o la, megblɔa nya aɖeke na wo o; bena woawu nya, si wogblɔ ɖi to nyagblɔɖila dzi la nu bena: ‘Make nye nu kple lododowo.’ ” (Mateo 13:34, 35) “Nyagblɔɖila” si Mateo yɔ lae nye amesi kpa Psalmo 78:2. Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã hakpala la wòŋlɔ nya siawo ƒe alafa geɖewo hafi wova dzi Yesu. Ðe mewɔ nuku ŋutɔ be Yehowa ɖoe ƒe alafa geɖewo do ŋgɔ be ye Via nazã kpɔɖeŋuwo atsɔ afia nui oa? Ðikeke mele eme o be Yehowa de asixɔxɔ nufiafiamɔnu sia ŋu vevie!

4. Aleke Yesu ɖe nusita wòzãa kpɔɖeŋuwo mee?

4 Evelia, Yesu ŋutɔ ɖe nu me be yezã kpɔɖeŋuwo be yeatsɔ aɖe amesiwo ƒe dzi ku atri la ɖe vovo. Esi wòdo nukuwulaa ŋuti loa na “ameha geɖewo” vɔ la, eƒe nusrɔ̃lawo bia be: “Nukaŋuti nèle nu ƒom na wo le lododowo me?” Yesu ɖo eŋu be: “Wona mi bena, mianya dziƒofiaɖuƒe la ƒe nu ɣaɣlawo, ke woawo la, womena wo o. Eyata mele nu ƒom na wo le lododowo me ɖo, elabena wole nu kpɔm, eye womekpɔa nu o; wole nu sem, eye womesea nu ahayi egɔme se ge o. Eye woawu Yesaya ƒe nyagblɔɖi, si wògblɔ le wo ŋuti la nu bena: ‘Miase nu kple to, eye miele egɔme se ge gbeɖe o; miakpɔ nu kple ŋku, eye miele si dze gee gbeɖe o; elabena dukɔ sia ƒe dzi ku atri.’ ”—Mateo 13:2, 10, 11, 13-15; Yesaya 6:9, 10.

5. Aleke Yesu ƒe kpɔɖeŋuwo ɖe nyasela ɖokuibɔbɔlawo ɖa tso dadalawo gbɔe?

5 Nukae le Yesu ƒe kpɔɖeŋuawo me si ma amewo me? Le ɖewo gome la, ehiã be eƒe nyaselawo naku nu me be woase eƒe nyawo gɔme nyuie. Ena ɖokuibɔbɔlawo te ɖe eŋu hebia numeɖeɖe bubuwoe. (Mateo 13:36; Marko 4:34) Eyata Yesu ƒe kpɔɖeŋuwo ɖe nyateƒenyawo fia amesiwo di tso woƒe dzi me be yewoanyae; eye le ɣeyiɣi ma ke me la, eƒe kpɔɖeŋuawo na nyateƒenyawo ɣla ɖe dadalawo. Nufiala nyui ka gbegbee nye si Yesu nye! Azɔ mina míalé ŋku ɖe nusiwo na eƒe kpɔɖeŋuwo ɖe kpe vevie la dometɔ aɖewo ŋu.

Megblɔa Nya Siwo Mehiã O

6-8. (a) Mɔnukpɔkpɔ kae mesu Yesu ƒe ƒe alafa gbãtɔ me nyaselawo si o? (b) Kpɔɖeŋu kawoe ɖee fia be Yesu megblɔa nya siwo mehiã le kpɔɖeŋuwo me o?

6 Èbu alesi wòanɔ na Yesu ƒe nusrɔ̃la mawo, siwo se eƒe nyawo tẽ le ƒe alafa gbãtɔ me la ŋu kpɔa? Togbɔ be mɔnukpɔkpɔe wònye na wo be wose Yesu ƒe gbe hã la, agbalẽ aɖeke menɔ wo si si woazã wòaɖo ŋku nusiwo wògblɔ na wo dzi na wo o. Ke boŋ ɖe wòle be woalé Yesu ƒe nyawo katã ɖe woƒe susu kple dzi me. Yesu to kpɔɖeŋuwo zazã nyuie me na wònɔ bɔbɔe na wo be woaɖo ŋku eƒe nufiafiawo dzi. Le mɔ ka nu?

7 Yesu megblɔa nya siwo mehiã o le eƒe kpɔɖeŋuwo me o. Ne ŋutinya si gblɔm wòle ƒe akpa sia akpa hiã alo ku ɖe nya vevi si dzi wòdi be yeate gbe ɖo ŋu la, ekpɔa egbɔ be yegblɔ wo pɛpɛpɛ. Eyata eyɔ alẽ xexlẽme si tututu alẽkplɔlaa gblẽ ɖe megbe hafi yi ɖadi esi bu la, eyɔ gaƒoƒo agbɔsɔsɔme si dɔwɔlawo tsɔ wɔ dɔe le weingblea me, kple talento xexlẽme si wona amewo be woatsɔ awɔ dɔe.—Mateo 18:12-14; 20:1-16; 25:14-30.

8 Le ɣeyiɣi ma ke me la, Yesu ɖe nyaa ƒe akpa siwo mele vevie o siwo ate ŋu atɔtɔ mí be míase kpɔɖeŋuawo gɔme o la le wo me. Le kpɔɖeŋu me, le kluvi makpɔnublanuia ŋuti lododoa me la, womena numeɖeɖe aɖeke tso alesi kluvia wɔ kaka va nyi fe denario 60,000,000 ŋu o. Alesi wòhiãe be woatsɔ vodadawo ake ko dzie Yesu nɔ gbe tem ɖo. Nusi hiã menye alesi kluvia wɔ va nyi fea o, ke boŋ alesi wotsɔ eƒe fea kee, kple alesi eya va wɔ nu ɖe ehavi kluvi si nyi fe si le sue wu etɔ ŋui. (Mateo 18:23-35) Nenema ke le vi nudomegblẽla ƒe lododoa me la, Yesu mena numeɖeɖe aɖeke tso nusita ŋutsuvi ɖevitɔa bia kpata be woatsɔ yeƒe domenyinu ana ye kple nusita wògblẽ edome ŋu o. Gake Yesu gblɔ alesi fofoa se le eɖokui me kple alesi wòwɔ nu esime viaŋutsua trɔ eƒe nɔnɔme hetrɔ gbɔ va aƒe ŋu nya tsitotsito. Alesi vifofoa wɔ nui gbɔgblɔ tsitotsito nenema hiã hena nya vevi si dzi Yesu nɔ susum hem yii, si nye be Yehowa tsɔa nuvɔ̃wo kena “geɖe,” la gɔme sese.—Yesaya 55:7; Luka 15:11-32.

9, 10. (a) Ne Yesu le nu ƒom tso amesiwo ŋu nya gblɔm wòle le eƒe kpɔɖeŋuwo me ŋu la, nuka dzie wòhea susu yinae? (b) Aleke Yesu na wònɔ bɔbɔe na eƒe nyaselawo kple ame bubuwo be woaɖo ŋku eƒe kpɔɖeŋuwo dzii?

9 Azɔ hã Yesu léa ŋku ɖe alesi wòƒoa nu tso amesiwo ŋu nya gblɔm wòle le lododoa me ŋu la ŋu vevie. Le esi teƒe be Yesu naɖɔ lododomemeawo ƒe dzedzeme tsitotsito la, zi geɖe la, nusiwo wowɔ alo alesi wowɔ nui le nudzɔdzɔ si ŋu nya gblɔm wònɔ me koŋ dzie wòhea susu yinae. Eyata le esi Yesu naɖɔ Samariatɔ havilɔ̃la la ƒe dzedzeme teƒe la, nane si le vevie wu ŋue wòƒo nu tsoe—si nye alesi Samariatɔ la na kpekpeɖeŋu Yudatɔ si xɔ abi tsi mɔa dzi. Yesu gblɔ nyaa ƒe akpa siwo hiã be wòatsɔ afia nui be ele be míalɔ̃ ame bubuwo hã, ke menye amesiwo ƒe ŋutigbalẽ sɔ kple mía tɔ alo mía detɔwo ko o.—Luka 10:29, 33-37.

10 Alesi Yesu megblɔa nya siwo mehiã le kpɔɖeŋuwo me o na eƒe kpɔɖeŋuwo nɔ kpuie eye wo me kɔ. Eto ewɔwɔ nenema me na wònɔ bɔbɔe na eƒe ƒe alafa gbãtɔ me nyaselawo—kple ame gbogbo siwo ava xlẽ Nyanyuigbalẽ siwo tso gbɔgbɔ me—be woaɖo ŋku kpɔɖeŋuawo kple nufiame xɔasi siwo le wo me dzi.

Ezã Nusiwo Ku Ðe Amewo ƒe Gbesiagbegbenɔnɔ Ŋu

11. Wɔ alesi Yesu ƒe lododowo ɖe nusiwo teƒe ɖikeke mele eme o be wòkpɔ esime wònɔ tsitsim le Galilea fia la ƒe kpɔɖeŋuwo.

11 Yesu bi ɖe kpɔɖeŋu siwo ku ɖe ameawo ƒe agbe ŋu la wɔwɔ me. Ðikekemanɔmee la, eƒe kpɔɖeŋuawo dometɔ geɖe ɖe nusiwo wòkpɔ esime wònɔ tsitsim le Galilea la fia. Tɔ vie nàbu eƒe ɖevimegbenɔnɔ ŋu kpɔ. Ðe mekpɔ alesi dadaa tsɔ amɔwɔ si wòtsɔ mè aboloe va yi ƒe kpɔtɔea si zu amɔwɔ ʋaʋã la de amɔwɔ yeye si wòdi be yeatsɔ amè aboloe me be wòana wòatsi la teƒe zi geɖe oa? (Mateo 13:33) Ðe makpɔ tɔƒodelawo zi geɖe woanɔ woƒe ɖɔwo dam ɖe Galilea-ƒua me oa? (Mateo 13:47) Ðe makpɔ ɖevi siwo nɔa fefem le asime la zi geɖe oa? (Mateo 11:16) Nenema ke Yesu anya kpɔ gbesiagbe nudzɔdzɔ bubu siwo wòzã le eƒe kpɔɖeŋuwo me—abe nukuwo ƒaƒã, srɔ̃kpekpe dodzidzɔnamewo, kple lu siwo ƒu ɖe agble dzi ene la hã teƒee.—Mateo 13:3-8; 25:1-12; Marko 4:26-29.

12, 13. Aleke lu kple gbe wuwlui ƒe lo si Yesu do ɖe alesi wònya nu tso nutoa me ƒe nɔnɔmewo ŋui fiae?

12 Ekema mewɔ nuku o be gbesiagbe nudzɔdzɔwo kple nuwɔnawo bɔ ɖe Yesu ƒe kpɔɖeŋuawo me nenema gbegbe. Eyata be míase nusita wòbi ɖe nufiafiamɔnu sia zazã me gɔme wu la, anyo be míade ŋugble le nusi eƒe nyawo fia na eƒe nyasela siwo nye Yudatɔwo la ŋu. Mina míalé ŋku ɖe kpɔɖeŋu eve ŋu.

13 Gbã la, le lu kple gbe wuwluiawo ŋuti lododoa me la, Yesu ƒo nu tso ŋutsu aɖe si wu nuku nyui ɖe eƒe abɔ me gake “eƒe futɔ” va wu gbe wuwlui ɖe lua dome la ŋu. Nukatae Yesu tia nuwɔna vɔ̃ɖi ma tututu? Ðo ŋku edzi be afisi wònɔ loa dom le la te ɖe Galilea-ƒua ŋu, eye edze ƒã be agbledede koŋue nye Galileatɔwo ƒe dɔ. Nukae agblẽ nu le agbledela ŋu wu be futɔ aɖe nava eƒe agble me dzaa ava wu gbe vɔ̃ɖiwo ɖe eme? Dziɖuɖu ƒe se siwo nɔ anyi le ɣeyiɣi mawo me ɖee fia be anyrawɔwɔ mawo tɔgbe yia edzi. Ðe medze ƒã be Yesu zã nudzɔdzɔ si gɔme eƒe nyaselawo ate ŋu ase bɔbɔe oa?—Mateo 13:1, 2, 24-30.

14. Le Samariatɔ havilɔ̃la ƒe lododoa me la, nukatae wònye nusi ɖe dzesi esi wònye mɔ si ‘tso Yerusalem yi Yerixo’ ye Yesu tsɔ wɔ kpɔɖeŋuae?

14 Evelia, ɖo ŋku Samariatɔ havilɔ̃la ŋuti lododoa dzi. Yesu dze lododoa gɔme ale: “Ame aɖe tso Yerusalem heyina Yerixo; eye wòɖadze adzodalawo si me, eye woɖe eƒe awu le eŋu, eye esi wode abi eŋu la, wodzo hegblẽe ɖi wòku afã kple afã.” (Luka 10:30) Edze ƒã be Yesu zã mɔ si ‘tso Yerusalem yi Yerixo’ tsɔ ɖe eƒe nyaa mee. Yudea, si medidi tso Yerusalem gbɔ o, ye wònɔ hafi nɔ lo sia dom; eyata eƒe nyaselawo anya mɔ si ŋu nya gblɔm wònɔ. Afɔku le mɔ ma dzi zɔzɔ ŋu ale gbegbe, vevietɔ ne ame ɖekae le mɔa zɔm. Mɔa zɔ gɔdɔ̃gɔdɔ̃ to gbedadaƒo, si na be teƒe geɖe li adzohawo nabe ɖo.

15. Nukatae ame aɖeke mate ŋu aɖe nunɔlaa kple Lewitɔa ƒe ɖekematsɔlemenuwɔna si dze le Samariatɔ havilɔ̃la ƒe lododoa me nu wòasɔ o?

15 Nu bubu aɖe hã gaɖe dzesi le mɔ si ‘tso Yerusalem yi Yerixo’ si Yesu tsɔ wɔ kpɔɖeŋuae ŋu. Ŋutinyaa gblɔ be gbã la, nunɔla aɖe kple Lewitɔ aɖe va to mɔ ma yina—gake wo dometɔ aɖeke metɔ hena kpekpeɖeŋu amea o. (Luka 10:31, 32) Nunɔlawo subɔna le Yerusalem-gbedoxɔa me eye Lewitɔwo kpena ɖe wo ŋu. Yerixo ye nunɔla kple Lewitɔ geɖe nɔna ne womele dɔ wɔm le gbedoxɔa me o, elabena kilometa 23 koe tso Yerixo kple Yerusalem dome. Eyata ɖikeke mele eŋu o be wotoa mɔ ma dzi ɣeaɖewoɣi. Gade dzesii be nunɔla la kple Lewitɔa zɔ mɔa ‘tso Yerusalem,’ si fia be gbedoxɔa mee wotso va yina. * Eyata ame aɖeke mate ŋu aɖe ŋutsu siawo ƒe ɖekematsɔlemenuwɔnaa nu wòasɔ be, ‘Woto ŋutsu xɔabia ŋu yi elabena edze ame kukui, eye asikaka ame kuku ŋu ana womadze asubɔ le gbedoxɔa me o hena ɣeyiɣi aɖe’ ta o. (Mose III, 21:1; Mose IV, 19:11, 16) Ðe medze ƒã be nusiwo Yesu ƒe nusrɔ̃lawo nya ye wòzã le eƒe kpɔɖeŋua me oa?

Ezã Yehowa ƒe Asinudɔwɔwɔwo

16. Nukatae mewɔ nuku be Yesu nya nu tso nuwɔwɔ ŋu nyuie o?

16 Yesu ƒe kpɔɖeŋu kple lododo geɖe ɖee fia be enya nu tso numiemiewo, lãwo, kple yame ƒe nɔnɔmewo ŋu. (Mateo 6:26, 28-30; 16:2, 3) Aleke wòwɔ nya nusiawo? Esime wònɔ tsitsim le Galilea la, ɖikeke mele eme o be mɔnukpɔkpɔ geɖe su esi wòlé ŋku ɖe Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu. Gawu la, Yesue nye “nuwɔwɔwo katã ƒe ŋgɔgbevi la,” eye eyae nye “dɔnunɔla” si Yehowa zã le nuwo katã wɔwɔ me. (Kolosetɔwo 1:15, 16; Lododowo 8:30, 31) Ðe wòwɔ nuku be Yesu nya nu tso nuwɔwɔwo ŋu nyuiea? Mina míakpɔ alesi wòwɔ sidzedze sia ŋudɔ nyuie le eƒe nufiafia mee ɖa.

17, 18. (a) Aleke Yesu ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Yohanes ta 10 lia ɖee fia be enya alẽwo ƒe nɔnɔme nyuie? (b) Nuka teƒee amesiwo ɖi tsa yi Biblia-nyigbawo dzi kpɔ ku ɖe alẽkplɔlawo kple woƒe alẽwo dome kadodo ŋu?

17 Yesu ƒe kpɔɖeŋuwo dometɔ si léa dzi na ame wue nye esi woŋlɔ ɖe Yohanes ta 10 lia, afisi wòtsɔ ƒomedodo kplikplikpli si le woa kple eyomedzelawo dome sɔ kple alẽkplɔla kple eƒe alẽha dome ƒomedodo. Yesu ƒe nyawo fia be enya nu tso alẽwo ƒe nɔnɔme ŋu nyuie. Eɖee fia be alẽwo lɔ̃na faa be woakplɔ yewo eye bena wonɔa wo kplɔla yome nuteƒewɔwɔtɔe. (Yohanes 10:2-4) Amesiwo ɖi tsa yi Biblia-nyigbawo dzi kpɔ kadodo tɔxɛ si nɔa alẽkplɔlawo kple alẽwo dome la dze sii. Le ƒe alafa 19 lia me la, nu gbagbewo ŋutinusrɔ̃la H. B. Tristram gblɔ be: “Mekpɔ alẽkplɔla wònɔ fefem kple eƒe alẽha kpɔ. Eɖoe wɔ abe ɖe wònɔ sisim le wo gbɔ ene; alẽawo kplɔe ɖo heɖe to ɖee. . . . Mlɔeba, alẽawo katã ƒo xlãe godoo henɔ kpo tim dzidzɔtɔe.”

18 Nukatae alẽwo dzea wo kplɔla yome? Yesu gblɔ be, “elabena wodzea si eƒe gbe.” (Yohanes 10:4) Ðe alẽwo dzea si wo kplɔla ƒe gbe nyateƒea? George A. Smith ŋlɔ nusi teƒe wòkpɔ ɖe eƒe agbalẽ si nye The Historical Geography of the Holy Land me be: “Ɣeaɖewoɣi la, míeva nɔa Yudeatɔwo ƒe vudo aɖe to ɖina ɖe eme le ŋdɔ me, eye alẽkplɔla etɔ̃ alo ene kplɔa woƒe alẽhawo vaa afima. Alẽawo tsakana kple wo nɔewo eye míebua eŋu be aleke alẽkplɔlawo dometɔ ɖesiaɖe awɔ aɖe eƒe alẽwo ɖe vovo hã. Gake ne wono tsia vɔ hefe fefe vɔ ko la, alẽkplɔlaawo dometɔ ɖesiaɖe ɖoa ta teƒe bubu le agaa me, eye wo dometɔ ɖesiaɖe yɔa wo kple yɔyɔ tɔxɛ aɖe; eye amesiame ƒe alẽ dona le alẽhaa me yina ekplɔla gbɔ, eye alẽhawo gadzona le ɖoɖo si nu wonɔ va la ke nu.” Asesẽ ŋutɔ be Yesu nagakpɔ mɔnu bubu aɖe si nyo wu esia atsɔ aɖe eƒe nyaa mee. Ne míexɔa eƒe nufiafiawo hewɔa wo dzi eye ne míelɔ̃na wòkplɔa mí la, ekema míate ŋu ava nɔ “alẽkplɔla nyui la” te wòalé be na mí lɔlɔ̃tɔe.—Yohanes 10:11.

Ezã Nudzɔdzɔ Siwo Ŋu Eƒe Nyaselawo Nya Nu Tsoe

19. Aleke Yesu zã afɔku aɖe si dzɔ le nutoa me tsɔ ɖee fia be nukpɔsusu aɖe nye aʋatso?

19 Kpɔɖeŋu siwo sɔ nyuie ate ŋu anye nuteƒekpɔkpɔwo alo kpɔɖeŋu siwo me woate ŋu asrɔ̃ nu tsoe. Gbeɖeka la, Yesu zã nane si dzɔ eteƒe medidi o tsɔ tsi tre ɖe alakpanukpɔsusu si nye be afɔkuwo dzɔna ɖe amesiwo dze nɛ dzi la ŋu. Egblɔ be: “Ame wuienyi ma, siwo dzi Siloamɔ̃ mu dze, eye wòwu wo la, ɖe miesusu bena, woawoe nye fenyilawo [nuvɔ̃wɔlawo] wu amesiwo katã nɔ Yerusalem mahã?” (Luka 13:4) Yesu gblɔ nya si me susu le tsɔ tsi tre ɖe dzɔgbese ƒe nuɖoɖiname ƒe nukpɔsusu ŋu. Luʋɔ 18 ma meku le nuvɔ̃ aɖe si wowɔ si na Mawu kpɔ dziku ɖe wo ŋu ta o. Ke boŋ nuɖiɖeame gbɔe woƒe ku kpata wɔnublanuia tso. (Nyagblɔla 9:11) Eyata eklo nu le aʋatsonufiafia aɖe dzi to nudzɔdzɔ aɖe si ŋu eƒe nyaselawo nya nu tsoe nyuie tsɔtsɔ wɔ kpɔɖeŋui me.

20, 21. (a) Nukatae Farisitɔwo bu fɔ Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ɖo? (b) Ŋɔŋlɔawo me nudzɔdzɔ kae Yesu zã tsɔ ɖee fia be Yehowa meɖoe be woawɔ yeƒe Sabat sea dzi le mɔ kpaɖi madzemadze aɖeke nu o? (d) Nuka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

20 Azɔ hã, Yesu zã Ŋɔŋlɔawo me kpɔɖeŋuwo le eƒe nufiafia me. Ðo ŋku esime Farisitɔwo bu fɔ eƒe nusrɔ̃lawo be woŋe lu ɖu le Sabat dzi la dzi. Le nyateƒe me la, nusrɔ̃laawo meda Mawu ƒe Se dzi o, ke boŋ Farisitɔawo ƒe se kpaɖi si wowɔ tso dɔ siwo woawo bu be womedze woawɔ le Sabat dzi o dzie woda. Be Yesu naɖee afia be Mawu meɖoe be woawɔ Sabat sea dzi le mɔ kpaɖi madzemadze ma nu o la, ezã nudzɔdzɔ aɖe si woŋlɔ ɖe Samuel I, 21:3-6 tsɔ wɔ kpɔɖeŋui. Esi dɔ nɔ Dawid kple eŋumewo wum la, woyi ɖe mawuƒe la me hetsɔ ŋkumeɖobolo siwo teƒe wotsɔ bubu ɖoe la heɖu. Nunɔlawo koŋue wogblẽa abolo siwo teƒe wotsɔ bubu ɖoe la ɖi na be woaɖu. Ke hã esi Dawid kple eŋumewo ɖui la, womebu fɔ wo o, le nɔnɔmea ta. Nukutɔe la, nudzɔdzɔ ma koe nye nudzɔdzɔ si woŋlɔ ɖe Biblia me tso abolo siwo teƒe wotsɔ bubuwo ɖoe si amesiwo menye nunɔlawo o ɖu ŋuti. Yesu nya nudzɔdzɔ si tututu wòle be wòazã, eye ɖikeke mele eme o be eƒe nyasela siwo nye Yudatɔwo la nya nu tso eŋu nyuie.—Mateo 12:1-8.

21 Nufiala Gãe Yesu nye vavã! Le nyateƒe me la, alesi wòte ŋu ɖea nyateƒenya veviwo me le mɔ si gɔme nya sena na eƒe nyaselawo nu wɔ nuku na mí ale gbegbe. Gake aleke míate ŋu asrɔ̃e le míaƒe nufiafia me? Míadzro esia me le nyati si kplɔe ɖo me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 2 Kpɔɖeŋu siwo Yesu zã le hamehame, wo dometɔ aɖewoe nye nuwo tsɔtsɔ asɔ kple wo nɔewo ƒe mɔnu vovovowo, kple kpɔɖeŋunyawo. Eŋkɔ ɖi le lododo, si gɔme woɖe be “nyakpakpa si wogblɔ kpokploe tsɔ ɖe agbenyuinɔnɔ alo gbɔgbɔ me nyateƒenya aɖe fia,” siwo me wòƒoa nu le zi geɖe ta.

^ mm. 15 Yerusalem le kɔkɔƒe wu Yerixo. Eyata ne ame aɖe le mɔ zɔm ‘tso Yerusalem yina Yerixo’ la, mɔzɔlaa anɔ ‘abu ɖim.’

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nukatae Yesu zã kpɔɖeŋuwo le nufiafia me?

• Kpɔɖeŋu kawoe ɖee fia be Yesu zã kpɔɖeŋu siwo gɔme eƒe ƒe alafa gbãtɔ me nyaselawo ate ŋu ase bɔbɔe?

• Aleke Yesu zã nuwɔwɔwo ŋuti sidzedze si le esi la nyuie le eƒe kpɔɖeŋuwo me?

• Mɔ kawo nue Yesu zã nudzɔdzɔ siwo ŋu eƒe nyaselawo nya nu tsoe le?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]

Yesu gblɔ kluvi aɖe si gbe fe sue aɖe si wonyi le eŋu la tsɔtsɔ ake kple vifofo aɖe si tsɔ ke viaŋutsu si gblẽ eƒe domenyinu dome la ŋutinya

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Nufiame kae le Samariatɔ havilɔ̃la ŋuti lo si Yesu do me?

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Ðe alẽwo nya wo kplɔla ƒe gbe nyateƒea?